21-0328 Kpẽwo Ƒe Azã

Gbedasi: 64-0719m Kpẽwo Ƒe Azã


BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

27/03/2021

Xawa Evelia Lɔlɔ̃a,

Míele ŋku ɖo ge ŋkeke si dzi Aƒetɔ la ƒoƒu eƒe Ŋugbetɔ la ɖedu, tso xexeame ƒe dukɔwo katã, be yeagblɔ na mí be, “Mienye Nye Aɖaŋudɔwɔwɔ ƒe ƒome gã la, Nye Xawa Evelia. Miele gbesɔsɔ na abɔ la azɔ, miele gbesɔsɔ na Milenium la.”

Aɖaŋudɔwɔwɔ la kple Ŋugbetɔ la, ke Enye Eƒe akpa aɖe, si wòle be wòanye Nya la ƒe nuwuwu. Wole Nya la nuwum, eye míele gbesɔsɔ na Aƒetɔ la ƒe Vava.

Aleke Ŋugbetɔ sia le esia wɔ gee?
Aleke lu sia le esia wɔ gee?
Egblɔ na mí Maleaxi 4, kple Nyaɖeɖefia 10:1-7 woana Yeƒe Ŋugbetɔ la nadeblibo. Menye nuɖoanyi aɖe o, menye ame ƒe hatsotso aɖe o, gake dɔla kple gbedasitsɔla 7lia agbugbɔ ɖoe te, abe alesi wònɔ le gɔmedzedzea me ene, atrɔgbɔ va Gɔmedzedze ƒe Nya gbɔ.

Mide dzesi Nyaɖeɖefia 10:1 yi 7, ele be woaɖe nyaɣlaɣlawo katã fia Ŋugbetɔ la, to Laodikea Hamea ƒe gbedasitsɔla dzi.

Ne ele be woaɖe nyaɣlaɣlawo KATÃ fia to gbedasitsɔla dzi la, ekema mɔnu nyuie aɖeke wu meli be woaxɔ nyaɣlaɣlawo katã wu Mɔ si Mawu ta la dzi o, “ZI PLAY”, eye se Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu teŋ to Eƒe nyagblɔɖila dzi eye wòaɖe Eƒe nyaɣlaɣlawo katã fia.

Mele tsɔtsɔm nam kura o eye dzi le dzɔnyem ale gbegbe. Nububu aɖeke le xexe sia me mele vevie wu Gbedasi Sia, si nye Eƒe Nya, kple Gbe ma o. Menyae be miadome amesiame le esem nenema ke le eɖokui me. Amesiame le Nya si wose teti ko la kple wonɔewo to kaƒoƒo alo numegbe si vivi wonu wu ŋlɔŋlɔ le dzi.

•Ɖee nèlé esia…nuka…mebe ɖe Fifia!!

•Nyemese Gbedasi ma nenema GBEƉE kpɔ o, GBEƉE.
•Aleke gɔ mate ŋu da numegbe sia ƒu le ƒe siawo katã me mahã?
•Ɖeko Wògblɔ nam be menye Yeƒe Aɖaŋudɔwɔwɔ, ŊUTIKƆKƆE.
•Lɔlɔ̃ leta kae nye esi. Sikakɔ ɖe sikakɔ dzi ɖe sikakɔ dzi.
•Eme magate ŋu akɔ ƒaa wu nenema o.
•Aleke wɔ ameaɖe mate ŋu akpɔ esia o…
Nua katã ko wògblɔ ema.

Ke azɔ medi be mawɔ numake kple miadometɔ ɖesiaɖe. Le etsɔ ƒe Gbedasi la megbe la miadze nuŋɔŋlɔ anɔ yɔyɔ dzi anɔ nuƒom abe aɖaʋatɔwo ene. Eƒo gatagbadzɛ la dzi wu hebla nua katã ɖedu na Eƒe Xawa la.

Nye hã medzi be made dziƒo na mi. Ne miexɔe se be esiae nye Mawu ƒe dɔla kple gbedasitsɔla 7lia. Ne miexɔese be Gbedasi sia nye ŋkeke sia ƒe Nya. Ne miexɔ Nya ɖesiaɖe dzi se. Ne AME-ƉEKA ƑE GBEDASI yome miedze la, EKEMA NUMEGBE SIAWO NYE MIATƆ.

•Míele teƒe sia! Míele nuwuwu. Menye ame ƒe nufluflu aɖe ko wònye o.
Ale AƑETƆ LA GBLƆ ESI wònye.
• Mawu ƒe Nyagblɔɖila enye Mawu ƒe Nya gɔmeɖela si tso Mawu gbɔ.
•Miate ŋu atsɔ naneke kpe Esia, alo aɖe Nya ɖeka le Me o.
•Ame le agbetɔ ŋutilãgbalẽ me, abe nyagblɔɖila aɖe ene, evɔ la enye Elohim si le dzesi dem susu si nɔ Sara ƒe dzi me, le Eyama ƒe megbe.
•Mawu, le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me, si ate ŋu de dzesi amewo ƒe susuwo; ame ɖeka, menye wuieve o; ame ɖeka, meka nukpawɔ siwo anɔ anyi o.Ɖeka nɔ wo si.

•Nukae nye kpeɖodzi vavãtɔ la mahã? Yesu gblɔ , ” Be miaxɔese be Nyee Wònye.” Ke Eyae nye Nya la.

•Nyagblɔɖila me egɔmee nye “Nutegakpɔla alo tsɔme kpɔla o;” egɔmee nye ” amesi ɖea Nya si woŋlɔ fia… Nya si ƒe Ŋugbe wodo na gaƒoƒo la.
•Ekema Mawu dɔa Eƒe Nyagblɔɖila ɖa, be… ke nyagblɔɖilae nye Mawu ƒe Nya gbagbe, si woɖe ɖe go la.

Yesu, Mawu ƒe Vi la, si le Eɖokui ɖem fia to Ŋɔŋlɔawo dzi, hele Ŋɔŋlɔ ma wɔm ( siwo woɖo ɖi va keke ŋkeke sia me, abe alesi wònɔ le ŋkeke ma, kple ŋkeke bubu mamleawo me ene) wòzu agbe. Eye be woaxɔ Esia se lae, nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpeɖodzi.
•Ke aleke miewɔ henyae be Nya lae mahã? Amesiame gblɔa esiaa? Enye Biblia ƒe ŋugbedodo si di woɖo kpe na agbenɔɣi ma.
• Esiae nye Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia blibo la. [Nɔviŋutsu Branham ƒo eƒe Biblia dzi-Tala] Eye Nutrenu Adreawo mee woɣla nyaɣlaɣlawo, kuɖe nusiwo katã Wònye nu la le.
•Eye aleke Mesia a… amesiwo xɔ Eyama dzi se la nyae negbe dza wole Nya la me ko, anya nusi Wònye la!

Gbedasi sia, Gbe sia, nyaƒoka Siawo, nye egbe ƒe Nya, ƉEKA si dzi Mawu ɖo kpe. Enye NUSIANU NA MÍ. Míenya nububu aɖeke o, míehĩa nububu aɖeke o, míele to ɖo ge ame bubu aɖeke o. Míetsi tsitre ɖe amea ɖeke ŋu o, PLAY ZIZI, ɖeɖeko míeli NA.

Ẽ ɖe. Kekeli me viwo, milɔ̃ xɔ eƒe Nya la, miyi azɔli dzi eye míakpɔ geɖe aga ʋu na mi wu. Migadzo ɖa le Egbɔ o, meka nusi ame bubu aɖe gblɔ o. Mitsi Ema ɖeɖeko me eye miyi azɔli dzi kplii Ko, milé ŋku ɖe Eŋu esime wòaʋu eɖokui aɖa ɖe Eɖokui fia. Nya la nye Nuku; nuku si le anyigba nyuietɔa me la atse etɔ etɔ.

Va se Mawu ƒe Nya wòaʋu eɖokui eye wòaɖe Eɖokui fia kple xexeame dukɔwo, Eƒe Xawa Evelia, Kɔsiɖagbe 2 wole me, Jeffersonville ƒe game esime míase: Kpẽwo Ƒe Azã 64-0719.

Nɔvi.Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ doŋgɔ na Gbedasi la ƒe sese:

Mose III 16
Mose III 23:23-27
Yesaya 18 :1-3
Yesaya 27:12-13
Nyaɖeɖefia 10:1-7
Nyaɖeɖefia 9:13-14
Nyaɖeɖefia 17:8