22-0821 Kpẽwo Ƒe Azã

Gbedasi: 64-0719m Kpẽwo Ƒe Azã


BranhamTabernacle.org

Play Zizi Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a,

Kɔsiɖagbe sia Kɔsiɖagbe la míeƒoaƒu ɖe du hesea Subɔsubɔdɔ Gbagbe gãtɔ kekeake le xexeame ƒe ŋutinya me. Míele ŋutikɔkɔe kekeake ƒe ɣeyiɣi me tom esime míele godom ɖe du be míase Mawu ƒe Gbe! Yesu Wònye, Mawu ƒe Vi la, si le Eɖokui ɖem fia to Ŋɔŋlɔawo dzi, si le Ŋɔŋlɔ si woɖo ɖi va se ɖe egbe wɔm, abe alesi wònɔ le Eƒe ŋkeke me, kple ŋkeke bubuwo me be wòanɔ, AGBE. Ke be woaxɔ Edzi se, lae nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpeɖodzi.

Kpeɖodzi vavãtɔ la be Gbɔgbɔ Kɔkɔe le amesi la me eyae nye sɔleme dede Kɔsiɖagbe ɖe sia ɖe ko o; eyae nye be nàxɔe se be “Nyee nye Eyama,” Nya la na miaƒe ŋkeke. Nukae nye Nya la egbea? Mawu ƒe nyagblɔɖila yenye Nya la na egbe eye eyae wòle be wòagbugbɔ amewo va Nya la gbɔ, alebena Ŋugbetɔ nanya amesi nye Eƒe Srɔ̃ŋutsu la, anya Eƒe Zɔxɛ la, Nya si woɖe fia la.

Eŋutɔ ƒe agbe, eŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo, ɖea ŋkeke sia ƒe Nya fiana heɖoa kpe edzi.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe Wònye trɔ gbɔ va Hame la me ake; Kristo, Ŋutɔ, si woɖe fia le amegbetɔ ŋutilã me, le fĩeɣi ŋɔli, tututu ko abe alesi Wòdo ŋugbe be Yeawɔe ene. Menyae be ema ƒomevi ya tia gbɔgbɔ ɖe ƒo na wo vie, gake ele be miaxlẽ fliawo me aɖakpɔ ɖa, emae wɔa nɔnɔmetata si gbɔna la.

Míenye Abraham ƒe fia Ƒome, Ŋugbetɔ la. Dzesi mamle si Abraham kpɔ gbeɖe hafi vi si ƒe Ŋugbe wodo la va nye nuka? Mawu, le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me, si ate ŋu ade dzesi amewo ƒe susuwo. Ame ɖeka menye wuieve o, ame ɖeka.

Menya be ame geɖewo metsɔ ɖe le eme na ema o, gake menyae be esiae wònye. Menyae. Menye esime Mele egblɔm ta miele egblɔm ɖo; elabena me nyeŋutɔ gbɔnye wòtso o. Nye—nye susu menye nyeŋutɔ tɔnye o. Nukake Wònye si gblɔe nam la, ne Mele eteƒe o la, ekema mele eteƒe o. Gake nyemele egblɔm le ɖokuinye si o, mele egblɔm to nu si Amebubu gblɔ dzi ye. Amebubu ma lae nye Mawu si ƒo nu na mí hewɔ nusiawo si Wòwɔ la, heze, mikpɔea, eyata menya be ele eteƒe.

Míele Mawu ŋutɔ ƒe susu sem; menye ame aɖe ƒe susu o, gake Mawu tɔ. Míaƒe nyagblɔɖila yenye amesi ɖea Nya si woŋlɔ ɖi fiana.

Míese egɔme be nyaƒokawo ƒoƒo le miaƒe aƒewo me alo le miaƒe hameawo me la menye ame sia ame tɔ o, gake na míawo ya la, Eyae nye MƆNU ƉEKA la. Míelɔ̃a be míase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na mí teŋ. Míehĩa nyagɔmeɖeɖe alo nyaŋuɖeɖe aɖeke o; enye Mawu si le nuƒom to nuɣi dzi yi ɖe to me na mí.

Kɔsiɖagbe sia la míele Mawu se ge wòaƒo nu aɖagblɔ alesi Wòfia nukpɔkpɔ aɖe si do ŋgɔ kuɖe mía ŋu fia Eƒe nyagblɔɖila le go kemea dzi. Alesi gbegbe Ŋugbetɔ ma nɔ eyama kpɔm teŋ, nɔ nuƒom nɛ, eye míenɔ tsitre ɖe du kple eyama. Míenɔ zɔzɔm le blibodede me le Aƒetɔ la ƒe Ŋkume.

Emegbe la Mawu ƒo nu to Eƒe nyagblɔɖila dzi ga gblɔ nya ɖi zi ɖeka ake hegblɔ be:

Ameaɖewo woate ŋu anɔ dukɔawo me, le xexea katã me, si nyaƒoka sia ado go le woƒe aƒewo me alo hameawo me gɔ hã. Míele gbedom ɖa, Aƒetɔ, be esime takpekpe sia le edzi yim, le—le…alo wòle nyaƒoka sia ƒom la, alo tsitrenɔƒe kake mee míanɔ ɖewomahĩ, alo—alo nɔnɔme me la, Dziƒo ƒe Mawu gã la nede bubu míaƒe dziwo ƒe movevieɖoɖo ŋu ŋdi sia, eye wòayɔ dɔ hĩatɔwo, aɖana wo nusi hĩawo.

Ne nèle Nyaƒokawo sem, hehɔe se be Enye Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke la, ekema nukake nàte ŋu ahĩa la, Mawu anɔ nuƒom to Eƒe gbedeasitsɔla dzi aɖagblɔ be, “Na wo nukake ye wohĩa.”

Ema ate ŋu ava me negbe to PLAY ZIZI dzi ko xɔ̃nye.
Ne nèdi be yease Mawu wòaƒo nu aɖaɖe Eŋutɔ ƒe Nya gɔme, wòaɖe Eɖokui fia to amegbetɔ ƒe ŋutilã me, eye nàxɔ nukake nèhĩa la, va tu mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Mawu wòaƒo nu na mí esime míase: Kpẽwo Ƒe Azã 64-0719M.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la sese:
Mose III 16
Mose III 23:23-27
Yesaya 18:1-3
Yesaya 27: 12-13
Nyaɖeɖefia 10:1-7
Nyaɖeɖefia 9:13-14
Nyaɖeɖefia 17:8