Gbedasi: 64-0419 Ʋɔnudɔdrɔ̃
Ogg:
Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu
31/03/2021
Amekpekpe Lɔlɔ̃awo,
Mɔkpɔkpɔ gã aɖe míetsɔ le miadometɔ ɖesiaɖe kpem va míaƒe xexeame godoo ƒe Hɔ̃wo ƒe Easter ƒuƒoƒo la. Kwasiɖa ƒe nuwuwu Kɔkɔe aɖe, si yɔ fũ kple gbedodoɖa, subɔsubɔ, dɔyɔyɔ, liɖɔɖɔ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ame yɔyɔ fũ yeye. Kwasiɖa ƒe nuwuwu aɖe si ƒe numetoto miewɔ kpɔ tsã o.
Menye Fiɖagbe, Memleɖagbe kple Kwasiɖagbe ƒe takpekpewo ko kple gbeƒãɖela kpekpe ʋea ɖewo ko o, enye Kristo ƒe Ŋugbetɔ la ƒe ƒuƒoƒo tso xexea katã me amesiwo kɔ Easter ƒe kwasiɖa ƒe nuwuwu katã de asi na Eyama esime míaʋuʋu dziƒo kple míaƒe gbedodoɖawo, aɖase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na mí tẽ to Eƒe Gbedasitsɔla si wòtia dzi, eye míasubɔ míaƒe Fia si fɔ ɖe tsi tre la.
Míado ʋɔ de xexeame katã, míaƒe kaƒomɔwo, míaƒe dɔ, míaƒe xɔ̃wo, nusianu kple modzakaɖeɖe ɖesiaɖe. Míatsu míaƒe ʋɔtruawo aɖa kpe Eyama ɖe míaƒe aƒewo me na kwasiɖa ƒe nuwuwu aɖe si yɔ fũ kple subɔsubɔ madzudzɔ kple ŋugbledede na Eyama, kple Eyama ɖeɖeko. Gomekpɔkpɔ kae nye esi su mía si.
Míele akpe de ge na Eyama ɖe ɣeyiɣi wɔ nuku si me wòna míeto le vuvɔŋɔli sia me esime Wòɖe Eƒe Nya la fia mí wu tsã, esime míese: Nutrenu Adreawo, Aɖaŋudɔwɔwɔ kple Kpẽ Adreawo. Ele mía dzram ɖo hele míawɔm ame deblibowo na Eƒe vava si gogo la. Ke azɔ Eɖo nu tɔxe aɖe le nudzraɖoƒe me na mí le Easter sia ƒe kwasiɖa ƒe nuwuwu.
Míese xexeame le gbɔgblɔm be, “Evɔ, azɔ míedi be míatrɔ gbɔ va nɔnɔme nyuietɔ la me, alesi nuwo nɔna tsã gbɔ.Nusianu trɔ nyo azɔ, míeɖu nusia dzi. Míevɔ na ɣeyiɣi via aɖe, be nane aku ɖe nusia ŋu, eyata míeku de Aɖakaʋu la ŋu vie, ke tsi me dza o, mina mía gbugbɔ yi ɖe míaƒe agbewo dzi.”
Gake Ŋugbetɔ la le ɣli si tovovo la dom be, “TSI ADZA, MÍELE AƑETƆ LA ƑE AƉAKA ƲU LA ME abe alesi wò Nya la bia ene. Va kplɔ Wò Ŋugbetɔ la, esia menye míaƒe aƒe me o. Míele gbesɔsɔ be míage ɖe míaƒe aƒe yeye si dzram nèle ɖo ɖi na mí. Miagate ŋu anye ame mawo ke o.”
Míeto míaƒe agbe ƒe ŋkeke gãtɔ kekeakewo me. Azɔ, Ekpɔtɔ gale mɔnukpɔkpɔ yeye aɖe nam mí be míayɔ kwasiɖa ƒe nuwuwu blibo la kple naneke o negbe Eya ko.Ŋkeke siwo míedi vevie, ŋkeke siwo ta míedo gbeɖa ɖo. Ɣeyiɣi tɔxea ɖe afisi míate ŋu agblɔ na Eyama be, “Aƒetɔ Yesu, Egblɔ be Yegbɔna na Ŋugbetɔ si dzra eɖokui ɖo vɔ xoxoxo. Aƒetɔ míexɔe se bena míenye Ŋugbetɔ ma si lalam Nèle. Ŋugbetɔ Nya la si lɔ̃a Nya ɖesiaɖe hexɔa edzi sena. Medi maƒo ƒu kple Wò Ŋugbetɔ la le xexea katã me, eye le ɖekawɔwɔ me la, míasubɔ Wò, aɖa kafu Wò, eye míaɖzra míaɖokuiwo na Wò vava kpata la.”
Nukae ahe Eyama va kpea dzi mahã? Nuteamenu. Edze be nu nate mía nu.
Azɔ mexɔese be míele agbe le ŋkeke siwo me míe… Loo, le bubue la, elebe ŋkeke siwo me míele agbe le la woana be nu nate Hamea nu keŋkeŋ. Mexɔese be, tso keke ŋdi sia ƒe gbedasi si tso Mawu gbɔ la, menye nye o, mexɔe se be ele be wòatsɔ ƒuƒoƒe sia de nute ame nu me, bena míegble wòdidi akpa. Míede sɔleme wòdidi akpa. Edze be míawɔ nane.
Gomekpɔkpɔ kae nye esi su mía si be nu nate mía nu le kwasiɖa sia ƒe nuwuwu me be míayɔ Aƒetɔ Yesu va kpea dzii. Va ƒofu kple Ŋugbetɔ la Fiɖagbe, Memleɖagbe kple Kwasiɖagbe. Míefe dze eteƒe dzidzi akpa, míede sɔleme eteƒe dzidzi akpa, edze be míawɔ nane.
Medi be míakatã míaƒoƒu kwasiɖa sia ƒe nuwuwu le Ɣedzeƒe ƒe Ɣleti ŋkeke Ƒe Game dzi (EDT) na ɖoɖo sia.
Fiɖagbe
Mina míadze míaƒe Easter kwasiɖa nuwuwu la gɔme le ŋdi ga 9 me, ke emegbe le ŋdɔ ga 12 me ake, to ɖekawɔwɔ me le gbedodoɖa me eye míakpe Aƒetɔ la ava be wòava nɔ anyi kple Eƒe Ŋugbetɔ la le xexea katã me le kwasiɖa nuwuwu tɔxɛ ŋutɔ sia me, eye wòayɔ míaƒe aƒewo me fũ kple Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la esime míakɔ míaɖokuiwo ŋuti na Eyama.
Emegbe mina míagakpe ɖedu le gbedodoɖa me le wole ga 3 me aɖa ɖo ŋku míaƒe Aƒetɔ ƒe kaklã ɖe ati ŋuti ŋu. Míaƒe susuwo nàyi megbe dzro ɖe keke ŋkeke ma dzi ƒe 2000 woenye esi, le Kalvaria, eye míakpɔ míaƒe Ɖela le atitsoga ma ŋu, eye emegbe la míaxlẽ míaƒe ŋkɔ le me:
Ne áte ŋu axlẽ wò ŋkɔ le me le afima be, "Wode abi eŋu ɖe William Branham ƒe sedzimawɔmawɔwo ta; Wogbãe gudugudu ɖe William Branham ƒe dzidada ta," la hafi ko ŋutifafa vana. Menye hahoowo ƒe nya ɖeɖeko wònye o. Ame ɖeka ɖeka ƒe nyae. Wode nye hã eme. "To Eƒe kabiawo me William Branham kpɔ dɔyɔyɔ." Ekema etovovo.
Emegbe le wòtrɔ ga 7 me la, mina míase ɣeyiɣiawo ʋɔnudrɔdrɔ̃ vevietɔ kekeake, esime míaƒo ƒu le Eƒe Fiazi la ŋu be míase Gbedasi: Ʋɔnudrɔdrɔ̃ 64-0419.
Memleɖagbe
Memleɖagbe: Ŋdi ga 9 me, ŋdɔ ga 12 me, kple wole ga 3 me la, mina míaga ƒoƒu zi ɖeka ake le gbedodoɖa me.
Emegbe le Memleɖagbe fiẽɣi ga 7 me la, míakatã míakpe ɖedu aɖase NYA la: Gbemagbe Le Kalvaria 60-0925. Ŋkeke nyuie ka gɔ̃ esia anyee.
Kwasiɖagbe
Le tsitretsitsi ƒe ŋdi gã kple wɔ ŋku ma dzi la, mina míafɔ kaba abe alesi Nɔviŋutsu Branham wɔe ene, le ga 5 me, eye míade akpe na Aƒetɔ la ko be efɔ Yesu tso kukuawo dome:
“Ŋdi sia le ga 5 me la, xɔ̃nye suea si si Akɔta dzĩ le la dzo va fesrea to henyɔ̃m. Ɖeko wòle abe eƒe dzi suea awo ene, esime wòle gbɔgblɔm be, “Etsi tre.”
Le ŋdi ga 8 me la mina míakpe ɖe du le anukwarenyenye me zi ɖeka ake le míaƒe gbedodoɖa kɔsɔkɔsɔ me, esime míado gbe ɖa ɖe míanɔewo ta eye míanɔ míaɖokuiwo dzram ɖo na Mawu ƒe Gbe sese.
Le ŋdi ga 9 me la míakpe ɖedu be míase míaƒe Easter Gbedasi la: Fɔbubu La 63-0707M.
Le ŋdɔ ga 12 me la mina míaga wɔ ɖeka le gbedodoɖa me ake, ade akpe na Eyama ɖe KWASIƉA ƑE NUWUWU WƆ NUKU SI ME WÒNA MÍETO KPLE EYAMA KPAKPLE EƑE ŊUGBETƆ LA TA.
Na nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo siwo le ƒugodo la, medi be makpe mi be miawɔ ɖeka kpli mí le Jeffersonville ƒe game dzi, na gbedoɖaɣiawo katã le ɖoɖo la ŋu kple Kwasiɖagbe ŋdi ƒe nyaƒoka ƒe ƒoƒo. Mede dzesi, alekeke hã, be aƒo Nyaƒokawo le Fiɖagbe kple Memleɖagbe fiẽɣi le Jeffersonville ƒe game dzi la asesẽ ŋutɔ na miadometɔ geɖewo, eyata to kukuɖeɖe me la, mivo faa be míaƒo Gbedasiawo le ɣeyiɣi si dze mi la. Gake, medi be Kwasiɖagbe le ŋdi ga 9 me, Jeffersonville ƒe game dzi la, míase míaƒe Kwasiɖagbe ƒe Gbedasi la ɖedu.
Zi teƒe sia be naɖe kɔpi na Ɖoɖoa ƒe agbalẽa le PDF me.
Medi hã be makpe miawo kple miaƒe viwo be woakpɔ gome le Creations ƒe agbalẽawo me, kple YF ƒe quizz-awo ŋuɖoɖo me, nusi ŋu miaƒe ƒomea katã akpɔ dzidzɔ le. Míexɔe se be mialɔ̃wo esime wotu wokatã ɖe NYA si míanɔ sesem le kwasiɖa sia ƒe nuwuwu me.
Zi teƒe sia be nàkpɔ nusiwo nazã na Creations ƒe dɔ siwo woawɔ la. Miate ŋu akpɔ dɔ si woawɔ Koŋ le afii
Zi teƒe sia hena Easter kwasiɖa nuwuwu ƒe nyaƒoka quizz-awo ŋuɖoɖo.
Enye bubu nam be makpe wò kple wò ƒomea la be miava kpe ɖedu kple Ŋugbetɔ la le xexea katã me na kwasiɖa aɖe si yɔ fũ kple SUBƆSUBƆ, KAFUKAFU KPLE DƆYƆYƆ. Enye kwasiɖa ƒe nuwuwu si atrɔ wò agbe.
Nɔvi Joseph Branham