24-0317 Ayi Ɖe Asaɖa Godo

Gbedasi: 64-0719E Ayi Ɖe Asaɖa Godo


BranhamTabernacle.org

Kristo ‘Srafo Lɔlɔ̃tɔwo,

Mibu eŋu! Nuwuɣi yenye esi, Aleluya! Míele afisia. Aƒetɔ la ƒe Vava na Eƒe Ŋugbetɔ la ƒe ŋkeke gã la tu aƒe. Míele míaɖokuiwo nuƒom ɖe du le xexea katã me, hele amedeblibowo zum to Mawu ƒe Gbe sese dzi. Míele ŋudzɔ hele lalam kpɔ míaƒe lɔlɔ̃tɔwo be woadze… ŋkeke ɖe sia ɖe ko wònye fifia.

Gbedeasi sia, Gbe sia, nyaƒoka siawo, nye nusianu si míehĩa na Kɔkɔdzoe la. Míehĩa nububu aɖeke o. Woyɔmí do go, mã mí ɖa le nusianu gbɔ negbe Gbe ma. Míexɔ nyaƒoɖeamenu be Gbe mae nye Mɔ si Mawu na na egbea.

Nu ɖeka si ƒe gbe wode asi na mí yenye be “minɔ anyi kple Nya la”. Nu ɖeka si míekpɔna yenye Yesu, ke Eyae nye Nya si zu ŋutilã. Míaƒe ŋkeke ƒe Ɖeɖefia ye ma. Mawu ƒe Asaɖa na Eƒe Ŋugbetɔ ye ma.

Mibu eŋu kpɔ, Ena mí ɣeyiɣiawo katã ƒe nyagblɔɖila gãtɔ kekeake. Amesi Dzo Lilikpo la Ŋutɔ ɖe Eƒe foto kpli alebe Wòateŋu gblɔ na xexeame be, “nye dɔla sesẽ yenye Esi. Enye Nye Gbe na mi. Nusi wògblɔ le anyigba dzi la mana wòaɖi le dziƒo. Ameaɖeke mede eŋu o.”

“Nye nyaɣaɣlawo katã si meɣla tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me ke la, medewo yeƒe asiwo me, eye eya ɖeka ko. Eyae nye amesi Meɖoɖi be wòayɔ MI do go le xexe sia me va NAM. Eyae nye amesi Metia be wòakplɔ mi, afia mɔ mi aɖafia mi afɔɖoƒe. Meɖe gbeƒãe na mi, Miɖoto eyama, elabena menye eyae le nuƒom o, NYEE WÒNYE, MENYE Gà LA!”

Meɖo eye meyɔ ŋutsu sesiẽwo be woaɖe gbeƒã eye woagblɔ na xexeame be, “Wowu Maleaxi 4, Nyaɖeɖefia 10:7, kple Luka 17:30 ƒe ŋɔŋlɔawo ŋu egbe sia le míaƒe ŋkuwo me. Eƒe dɔla sesẽ la va, abe alesi Ŋɔŋlɔawo ɖe gbeƒãe ene. Mawu le afisia le míadome, le Eɖokui ɖem fia le amegbetɔ ŋutilã me abe alesi Wògblɔ be Yeawɔe ene.”

Enye Yesu Kristo amema ke etsɔ egbe yiɖe mavɔmavɔ me. Woyɔ mí be míatsɔ asi fia eyama, Mawu ƒe dɔla na mi. Eyae nye amesi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la tia be wòakplɔ aɖayɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la. Migahenya, ahedzre, aʋli aɖatsaka keŋkeŋ be amekae anye nunɔla gã mahã o; amekae anye esia, ema, alo kemea o. MINƆ ANYI KPLE GBE MA. Elabena MAWU ƑE GBE ɖeka si dzi woɖo kpe koe li eye eƒe ŋkɔe nye William Marrion Branham.

Elebe míakpɔ gbɔ nyuie be míanɔ anyi Gbe ma, esime geɖewo li alegbegbe siwo di be yewoakplɔ mi tra mɔ. Woƒe kɔnuwo le Gbe vavã ma ɖem ɖa le amewo do me. Ezu amedzro na wodometɔ geɖewo ŋutɔ. Woƒe gbe xɔ Gbe ma ƒe teƒe, wɔe be esime Mawu, to nyaƒokawo ƒe mɔnu dzi, srãwo kpɔ la, Ezu amedzro.

Mawu ƒe Amegbɔnɔnɔ Bubutɔ gã la li kpli mí. Ame sia ame si sea Gbɔgbɔ la ƒe ŋkɔ la ate ŋu gblɔe be Gbe ma nye Mawu ƒe Gbe. Enye Mawu ƒe Asaɖa na egbea.

Elebe ame sia ame si gblɔa be yenye Kristo ƒe Ŋugbetɔ la natso nyame kuɖe Asaɖa si me wòle ŋu. Elebe woawɔ biabia gblɔe sia na woɖokuiwo be: Gbe Kae Ŋugbetɔ la katã ate ŋu ɖe “AMEN” na?

Ne mienye Kristo ƒe Ŋugbetɔ vavã, kple Nya la ƒe Ɖeɖefia vavã na egbea la, ŋuɖoɖo ɖeka koe li be: Mawu ƒe Gbe le Nyaƒokawo dzi. Ẽ ɖe Satana le agbagba dzem be yeazã ema le mɔnu vovovo geɖewo dzi alegbegbe, gake ŋuɖoɖo bubu aɖeke megali na Ŋugbetɔ la o. Ele gblɔeɖe nenema ko.

Míakatã míenyae be Satana le ŋuɖoɖo ma zãm be yeaklã mía dome. Gake Nya la le gbɔgblɔm na mí be elebe Ŋugbetɔ la nawɔ ƉEKA…MÍELE EWƆM, to GBE ƉEKA SI LE MÍAWƆM ƉEKA dzi.

Va wɔ ɖeka kpli mí, elabena gaƒoƒo la yi boo alegbegbe.

Medi be mayi asaɖa la manɔmee. Meka nusi ƒe fẽ maxe o la, matsɔ nye atsitsoga la aɖakɔe gbesiagbe. Mayi ɖe asaɖa la godo. Meka nusi gblɔm amewo le kuɖe ŋunye o la, medi be madze Eyama yome le asaɖa la godo. Mele gbesɔsɔ be mayi.”

Ne miedi be mianɔ Mawu ƒe Asaɖa egbetɔa me la, e
ELEBE MÍAXƆESE be Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi yenye Gbe vevietɔ kekeake si wòle be miase.

Va wɔ ɖeka kple Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Gbe si Mawu tia be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ, esime wòahe Gbedeasi, Ayi Ɖe Asaɖa La Godo 64-0719E.

Menye “asaɖa aɖe” ye o; “ASAƉA LA” ye wònye.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Takpekpe la:

Hebritɔwo 13: 10-14
Mateo 17: 4-8