Gbedasi: 64-0726M Mide Dzesi Miaƒe Ŋkeke Kple Eƒe Gbedasi
- 25-1228 Ade Dzesi Wò Ŋkeke Kple Eƒe Gbedeasi
- 24-0324 Mide Dzesi Miaƒe Ŋkeke Kple Eƒe Gbedasi
- 22-0904 64-0726m Mide Dzesi Miaƒe Ŋkeke Kple Eƒe Gbedasi
- 21-0418 Mide Dzesi Miaƒe Ŋkeke Kple Eƒe Gbedasi
- 19-1110 Mide Dzesi Miaƒe Ŋkeke Kple Eƒe Gbedasi
- 17-1015 Mide Dzesi Miaƒe Ŋkeke Kple Eƒe Gbedasi
- 16-0626M Mide Dzesi Miaƒe Ŋkeke Kple Eƒe Gbedasi
Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu
17/04/2021
Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a Si Wolã ɖa,
Mawu de dzesi be dukɔ aɖe le anyigba dzi si Wòɖo ɖi hena Agbe. Ede dzesi be ɣeyiɣi lae nye esi be yeaɖo Yeƒe Gbedasi la ɖa to Yeƒe gbedasitsɔla dzi be wòayɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la doe. Ewɔe. Azɔ Eƒe Ŋugbetɔ de dzesi míaƒe ŋkeke la kple Eƒe Gbedasi la, hede dzesi amesi míenye la, Nya Gɔmedzetɔa ƒe ɖeɖeɖego.
Míawoe nye Ŋugbetɔ ma si nyagblɔɖila kpɔ wòto eƒe ŋku me va yi doŋgɔ. Ŋugbetɔ ma ke si va yi le gɔmedzedzea me. Esime wòkpɔ mí la, eƒe dzi dzokpo kple dzidzɔ, be wònyae be Ŋugbetɔa ɖe li si anɔ anyi kple Nya la. Esime wòkpɔ mí la, nu ɖekae wotsɔ wɔ mí, eye míedo awu ɖeka abe Amesi nɔ anyi le gɔmedzedzea me ene: Alfa kple Omega la. Míawoe nye Ŋugbetɔ Nya de blibo la.
Mawu tso Eƒe Ŋugbetɔ ɖa, helã Eyama tso hame mamleawo me to Eƒe nyagblɔɖila dzi, kple Nya la. Azɔ, le ƒe akpe eve megbe, eye le Eƒe Nya si ƒe ŋugbe wodo be Yeawɔ le ŋkeke mamleawo me ŋu la, ega srã asaɖa kpɔ ake. Esrã asaɖa kpɔ be yɛaɖe Yeƒe Nya ɖe go na egbe, tututu abe alesi Wòwɔe le Mose ƒe ŋkeke me ene. Abe alesi wònɔ ɣemaɣi la, nenema ke wòle fifia. Menye Mose wònye nɔ nua wɔm o; Mose la ame wònye. Kristo boŋ ye.
Nuka wòwɔ? Eɖefou na nunɔlawo, be woakpɔ amemawo adzo ɖa le hameawo me, aheyie. Egblɔ be, “Ne miadometɔ ɖe de Eƒe takpekpe me la, woanyae le hamea me. Míaɖe wò dogo le kɔmahatsɔŋkɔ la me.” Mide dzesi, “Alesi Yane kple Yambre wotsi tre ɖe Mose ŋuti la,” ava me tututu kple wodometɔ aɖewo. Menye, azɔ, mele nuƒom kuɖe Metodistetɔ, alo Baptistetɔ ŋu le afisia o; womele me o. Mikpɔea?
Ke nuka le emevam kple Ŋugbetɔ laa? Míele ƒu nu ƒom tso xexea katã me. Míetso dua katã me; tso New York, tso Massachusetts, Maine, Tennessee, Georgia, Alabama, Kple dua me godoo, kpakple xexeame godoo. Míenye Hɔ̃wo si le ƒu nu ƒom ɖedu. “Kekeli anɔ anyi le fiẽwɔɣi.”
Le nye ɖevi me la mebiana ɖokuinye se kokoko be, “Aƒetɔ, aleke wɔge nàla ahe wò Hame la va ɖedu abe alesi nèwɔe na Wò Hame Gbãtɔa ene mahã?” ” Mexlẽ le Wò Nya me be, Èhenawo vana ɖedu kokoko ne èdi be yeawɔ wo ɖekae.” ” Ɖee Nàhe amesiame va Jeffersonville yea?”
“Aleke nèle ewɔgee?” “Ɖee wòava hĩa be míakatã míaƒo ƒu le teƒe ɖekaa?”
Azɔ woɖee fiam, menye aƒo Eƒe Ŋugbetɔ nu ƒu ɖe teƒe ɖeka le kodzogbeamee o, menye To Kɔkɔe la, teƒe Kɔkɔe lae o, ŊUGBETƆ LA LE ƑU NU ƑOM ƉE NYA LA ŊU, elabena eyae nye TEƑE ƉEKA si Ŋugbetɔ la ate ŋu ƒoƒu le.
Mawu na xexeame tɔ te alebe Yeƒe Nya na va eme. Satana le agbagba dzem be yeatɔ esia te; hele agbagba dzem be yeaɖu fe ŋu le eŋu. Edze agbagba be yeade vɔvɔ̃ dzi na amewo be ne wose nyaƒokawo la, woanya wo do go le woƒe hamewo me, be woabu. Gake womete ŋu le nusi le dzɔdzɔm la tɔ ge te o.
“Mina mɔ! Fia la ƒe Gbedasi le asi nye.” Amen. “Fia la ƒe gbedasitsɔla menye,” Nya si dzi woɖo kpe. Mesusu be, “Satana, te ɖa le mɔ dzi nam! Fia la ƒe Gbedasi le asinye. Edze be mayi.”
Fia la ƒe Gbedasi wònye. Mina míade Dzesii, xɔ̃nyewo, elabena woyɔ mí be míaƒo ƒu ɖedu na Kpẽ la ƒe ɖiɖi. “Elabena Aƒetɔ la ƒe Kpẽ aɖi, ke ɣeyiɣi maganɔ anyi ke o.”
Dzidzɔ gã wu aɖeke, amisisi gã wu aɖeke meli , wu be woanɔ anyi ɖedu le Dziƒo nutowo me kple Ŋugbetɔ la le xexea katã me godoo, aɖase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu to Eƒe gbedasitsɔla si dzi woɖo kpe eye wòagblɔ Agbe Mavɔ ƒe Nya na mí o.
Ɖee mieɖo ŋku nye ŋutega dzia? Megblɔ be, “Ne Paulo tɔwo geɖe me la, tɔnyewo hã woageɖe me, elabena mewɔ tututu abe alesi wòwɔ ene.” Mele anyi nɔm kple Esia tututu. Ame miliɔn mawo do woƒe asiwo ɖe dzi, henɔ gbɔgblɔm be “Míele dzudzɔm ɖe esia dzi!”
Hɔ̃wo ga le ƒu nu ƒo ge ake Kɔsiɖagbe sia ga 2 me, Jeffersonville ƒe game, aɖase Kristo Ŋutɔ wòaƒo nu na mí to Eƒe gbedasitsɔla si dzi woɖo kpe dzi. Nya si dzi míele dzudzɔm ɖo. Va tu mí esime míase Eyama wòana tokla xexeame be edze be woa: Mide Dzesi Miaƒe Ŋkeke Kple Eƒe Gbedasi 64-0726M
Nɔvi. Joseph Branham
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ doŋgɔ na Gbedasi la sese:
Hosea 6
Maleaxi 4:5-6 alo Maleaxi 3:23-24
Timoteo II 3