24-0128 Xɔsetɔ Ƒomevi Etɔwo

Gbedasi: 63-1124E Xɔsetɔ Ƒomevi Etɔwo


BranhamTabernacle.org

Xɔsetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Alegbegbe wòdzeanyi be magblɔ be, MENYE XƆSETƆ. Menye le dzixɔse aɖe me o; Nya la! Menye le kɔmahatsɔŋkɔ aɖe me o; Nya la! Menye nusi ame aɖe le gbɔgblɔm o; gake nusi gblɔm Nya la le!

Míekea ɖi le naneke ŋu o, ɖeko Míexɔnɛ sena. Meka alesi Wòɖina alo nusi le ame bubu aɖe si be yeagblɔ kuɖe Eŋu o la, míenye xɔsetɔ akuakua. Nya la ƒe gbɔgbɔme ɖeɖefia le míasi.

Míele gaƒoƒo si me míele agbe le kpɔm. Míele gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi kpɔm. Míele gaƒoƒo la ƒe gbedeasitsɔla la kpɔm. Míele Mawu kpɔm wòle Eɖokui ɖem fia le Eƒe Nya me. Míekpɔe be nububu aɖeke meli o negbe Gbedeasi Sia, gbedeasitsɔla Sia, Nya Sia.

Xɔsetɔ vavã mesea naneke o negbe Nya la. Evɔ. Eléa ŋku ɖe Nya la ŋu. Medina sisimɔ aɖeke o. Medina ayemɔnu aɖeke o. Exɔa Mawu dzi se, ke ema ɖɔnɛ ɖo, eye ɖeko wòkpɔtɔ yia dzi. Mikpɔea? Xɔsetɔ lae ma.

Míate ŋu se nububu aɖeke o negbe Nya la; Nya la vana na nyagblɔɖila ɖeɖeko. Sisimɔ aɖeke meli o, menye ame aɖe ƒe gɔmeɖeɖe o, Nya Dzadzɛ si woɖe gblɔ hede nyaƒokawo dzi na Ŋugbetɔ la.

Gbɔgbɔ la gbɔ agbe Nya ma le míame eye wòzu agbe. Le xɔse me, míele Ekpɔm hele Exɔm le sesem. Gbeɖiɖi aɖe aɖi tso Dziƒo si atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amenyɔnyrɔ̃ aɖe kɔŋ ade Ŋugbetɔ la me, si akɔ mí tso anyigba dzi, yiɖe Kɔkɔdzoe ƒe Amenuveve me. Mawu do eƒe ŋugbe.

Wotea mí kpɔ ɣesiaɣi, gbe sia gbe. Satana dzena agbagba be yeagblɔ na mí be míaƒe dodokpɔwo kple tetekpɔwo nye Mawu si le tohem na mí. Gake KAFUKAFU NA MAWU, menye yema o, Satana ye le ewɔm ke Mawu ya le mɔɖem le eŋu ye.

Mawu le dzideƒo nam mí, hele míamem be yeakpɔ nusi wɔ ge míala ɖa. Dodokpɔ vana be yeaʋuʋu mí, be yeade mí yiɖe kaka gɔme ke, be yeakpɔ afisi míanɔ tsitre le. Gake míeɖu aʋa ɖe sia ɖe dzi, elabena míenye kpɔɖeŋu gbagbewo; Mawu ƒe Nya le agbe le míame kple to míame.

Aleke gbegbe míele vevie le Eƒe ŋkuwo mee?

Ame aɖeke mate ŋu xɔ wò teƒe o, meka alesi wòle sue o. Miegblɔa be, “nyɔnu aƒedzikpɔla aɖe ko menye.” Ame aɖeke mate ŋu xɔ wò teƒe o. Mawu, le Eƒe nudzraɖoƒe gã me, ɖo Kristo ƒe Ŋutilã, ɖoɖo me, alegbegbe, wɔe be ame aɖeke mate ŋu xɔ wò teƒe o.

Aleke gbegbe wòdze anyii? Teƒe le míadometɔ ɖe sia ɖe si. Míadometɔ ɖe sia ɖe nɔ afisia esime Mawu ƒo nu xexeame dzɔ. Ede míaƒe ŋutilã afisia tututu le ɣeyiɣi ma me. Mawu de mí anyigba be yeawu Yeƒe Nya ŋu aɖana mí Agbe Mavɔ.

Elebe ame sia ame natso nya aɖe me. Afikae miele tsi tre le le Nya sia, Gbedeasi sia, gbedeasitsɔla sia dzii? Aleke gbegbe wòle vevie be woase Nya si woɖe gblɔ le nyaƒokawo dzii?

nyaƒoka siawo le xexea ƒe akpa vovovowo, katã me tom, nyaƒokawo ƒe subɔsubɔdɔwo.

Nyaƒoka ƒe subɔsubɔdɔ wònye Mawu dɔ ɖo ɖe Eƒe Ŋugbetɔ le xexea katã me. Egblɔa afisi nèle na, amesi nènye, kple ne nènye xɔsetɔ le Nya la me na wò tututu.

Èle hatsotso etɔ̃ siawo ƒe dometɔ ɖeka me. Le wò fifi ƒe nɔnɔme me tututu fifia, fifia ƒe nɔnɔme le susu me, be, miawo le afisia le nyasela kpɔ kple ŋkuawo me, kple mi amesiwo le nyaƒoka sia ƒe nyasela makpɔmakpɔawo me, miaƒe fifi ƒe nɔnɔme le susu me le nyaƒoka sia sese megbe, aɖokpe hatsotso si me nèle la dzi na wò.

Le nyaƒoka sia sese vɔ megbe la, aɖo kpe ame ƒe hatsotso si me nèle la na wò. Ame aɖewo xɔese be ame hĩa geɖe wu Nya dzadzɛ si woɖe gblɔ le nyaƒokawo dzi. Ame aɖewo xɔese be ame ɖeka ƒe Gbedeasi ƒe ŋkekewo ŋu va yi; elebe miase miaƒe kplɔla ƒe nya loo miabu.

Mamã gãtɔ kekeake le Gbedeasi la me egbea lae nye asixɔxɔ si wotsɔ na nyaƒokawo sese. Ame aɖewo fiana be egblẽ be woaƒo nyaƒokawo le hame me; kplɔla ɖeka ko wòle be wòagblɔ mawunya. Ame aɖewo be dadasɔ aɖe li, gake womegaƒo nyaƒokawo le hame me gbeɖe o, alo ne wowɔnɛ la medzɔna kabakaba kura o.

Kple tamesusu geɖewo alegbegbe, susu geɖewo alegbegbe, NYA LA ƒe gɔmeɖeɖe geɖewo alegbegbe, ameka tɔ ye dzɔ? Ameka dzi wòle be miaxɔ se? Biabia wòle be míadometɔ ɖe sia ɖe míabia míaɖokuiwo.

Nyagblɔɖila gblɔ na mí be míadzro me kple NYA LA, menye nusi gblɔm ame aɖe le gbɔgblɔm o. Aleke miewɔna ema? MƆ̃ ŊU ɖeka koe li be woawɔ ema, MIZI PLAY.

Elebe ŋuɖoɖo nyuie nanɔ afi aɖe, mɔnu nyuie aɖe. Elebe ame ɖe sia ɖe natso nyame na eɖokui. Kɔsiɖagbe sia atso nya me le amesiwo katã sena Gbedeasi sia ƒe tsɔme ŋu.

Nane si wòle be nàbia ɖokuiwò yenye esi: Amekae nye ame ɖeka si si Ale Aƒetɔ la Gblɔ Esi le? Ameka dzi ye Dzo Lilikpo la ɖo kpee? Amekae atsɔ mí afia Yesu? Amekae ɖe Nya si medana ƒu o gblɔ mahã? Ameka ƒe nya siwo woɖe gblɔ nɔ vevie alegbegbe be, wògaɖi le dziƒo?

Ne miedi be ŋuɖoɖo nyuiewo nesu miasi la, medi be makpe mi be miava se Gbedeasi: 63-1124E—Xɔsetɔ Ƒomevi Etɔ̃wo Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game.

Nɔvi. Joseph Branham

Yohanes Kɔkɔe 6: 60-71