Category Archives: Uncategorized

22-0821 Kpẽwo Ƒe Azã

Gbedasi: 64-0719m Kpẽwo Ƒe Azã


BranhamTabernacle.org

Play Zizi Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a,

Kɔsiɖagbe sia Kɔsiɖagbe la míeƒoaƒu ɖe du hesea Subɔsubɔdɔ Gbagbe gãtɔ kekeake le xexeame ƒe ŋutinya me. Míele ŋutikɔkɔe kekeake ƒe ɣeyiɣi me tom esime míele godom ɖe du be míase Mawu ƒe Gbe! Yesu Wònye, Mawu ƒe Vi la, si le Eɖokui ɖem fia to Ŋɔŋlɔawo dzi, si le Ŋɔŋlɔ si woɖo ɖi va se ɖe egbe wɔm, abe alesi wònɔ le Eƒe ŋkeke me, kple ŋkeke bubuwo me be wòanɔ, AGBE. Ke be woaxɔ Edzi se, lae nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpeɖodzi.

Kpeɖodzi vavãtɔ la be Gbɔgbɔ Kɔkɔe le amesi la me eyae nye sɔleme dede Kɔsiɖagbe ɖe sia ɖe ko o; eyae nye be nàxɔe se be “Nyee nye Eyama,” Nya la na miaƒe ŋkeke. Nukae nye Nya la egbea? Mawu ƒe nyagblɔɖila yenye Nya la na egbe eye eyae wòle be wòagbugbɔ amewo va Nya la gbɔ, alebena Ŋugbetɔ nanya amesi nye Eƒe Srɔ̃ŋutsu la, anya Eƒe Zɔxɛ la, Nya si woɖe fia la.

Eŋutɔ ƒe agbe, eŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo, ɖea ŋkeke sia ƒe Nya fiana heɖoa kpe edzi.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe Wònye trɔ gbɔ va Hame la me ake; Kristo, Ŋutɔ, si woɖe fia le amegbetɔ ŋutilã me, le fĩeɣi ŋɔli, tututu ko abe alesi Wòdo ŋugbe be Yeawɔe ene. Menyae be ema ƒomevi ya tia gbɔgbɔ ɖe ƒo na wo vie, gake ele be miaxlẽ fliawo me aɖakpɔ ɖa, emae wɔa nɔnɔmetata si gbɔna la.

Míenye Abraham ƒe fia Ƒome, Ŋugbetɔ la. Dzesi mamle si Abraham kpɔ gbeɖe hafi vi si ƒe Ŋugbe wodo la va nye nuka? Mawu, le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me, si ate ŋu ade dzesi amewo ƒe susuwo. Ame ɖeka menye wuieve o, ame ɖeka.

Menya be ame geɖewo metsɔ ɖe le eme na ema o, gake menyae be esiae wònye. Menyae. Menye esime Mele egblɔm ta miele egblɔm ɖo; elabena me nyeŋutɔ gbɔnye wòtso o. Nye—nye susu menye nyeŋutɔ tɔnye o. Nukake Wònye si gblɔe nam la, ne Mele eteƒe o la, ekema mele eteƒe o. Gake nyemele egblɔm le ɖokuinye si o, mele egblɔm to nu si Amebubu gblɔ dzi ye. Amebubu ma lae nye Mawu si ƒo nu na mí hewɔ nusiawo si Wòwɔ la, heze, mikpɔea, eyata menya be ele eteƒe.

Míele Mawu ŋutɔ ƒe susu sem; menye ame aɖe ƒe susu o, gake Mawu tɔ. Míaƒe nyagblɔɖila yenye amesi ɖea Nya si woŋlɔ ɖi fiana.

Míese egɔme be nyaƒokawo ƒoƒo le miaƒe aƒewo me alo le miaƒe hameawo me la menye ame sia ame tɔ o, gake na míawo ya la, Eyae nye MƆNU ƉEKA la. Míelɔ̃a be míase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na mí teŋ. Míehĩa nyagɔmeɖeɖe alo nyaŋuɖeɖe aɖeke o; enye Mawu si le nuƒom to nuɣi dzi yi ɖe to me na mí.

Kɔsiɖagbe sia la míele Mawu se ge wòaƒo nu aɖagblɔ alesi Wòfia nukpɔkpɔ aɖe si do ŋgɔ kuɖe mía ŋu fia Eƒe nyagblɔɖila le go kemea dzi. Alesi gbegbe Ŋugbetɔ ma nɔ eyama kpɔm teŋ, nɔ nuƒom nɛ, eye míenɔ tsitre ɖe du kple eyama. Míenɔ zɔzɔm le blibodede me le Aƒetɔ la ƒe Ŋkume.

Emegbe la Mawu ƒo nu to Eƒe nyagblɔɖila dzi ga gblɔ nya ɖi zi ɖeka ake hegblɔ be:

Ameaɖewo woate ŋu anɔ dukɔawo me, le xexea katã me, si nyaƒoka sia ado go le woƒe aƒewo me alo hameawo me gɔ hã. Míele gbedom ɖa, Aƒetɔ, be esime takpekpe sia le edzi yim, le—le…alo wòle nyaƒoka sia ƒom la, alo tsitrenɔƒe kake mee míanɔ ɖewomahĩ, alo—alo nɔnɔme me la, Dziƒo ƒe Mawu gã la nede bubu míaƒe dziwo ƒe movevieɖoɖo ŋu ŋdi sia, eye wòayɔ dɔ hĩatɔwo, aɖana wo nusi hĩawo.

Ne nèle Nyaƒokawo sem, hehɔe se be Enye Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke la, ekema nukake nàte ŋu ahĩa la, Mawu anɔ nuƒom to Eƒe gbedeasitsɔla dzi aɖagblɔ be, “Na wo nukake ye wohĩa.”

Ema ate ŋu ava me negbe to PLAY ZIZI dzi ko xɔ̃nye.
Ne nèdi be yease Mawu wòaƒo nu aɖaɖe Eŋutɔ ƒe Nya gɔme, wòaɖe Eɖokui fia to amegbetɔ ƒe ŋutilã me, eye nàxɔ nukake nèhĩa la, va tu mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Mawu wòaƒo nu na mí esime míase: Kpẽwo Ƒe Azã 64-0719M.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la sese:
Mose III 16
Mose III 23:23-27
Yesaya 18:1-3
Yesaya 27: 12-13
Nyaɖeɖefia 10:1-7
Nyaɖeɖefia 9:13-14
Nyaɖeɖefia 17:8

22-0814 Aɖaŋudɔwɔwɔ

Gbedasi: 64-0705 Aɖaŋudɔwɔwɔ


BranhamTabernacle.org

Aɖaŋudɔwɔwɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Aleke mate ŋu aŋlɔ nu esime nyemaɖo ŋku nusi míaƒe pastɔ gblɔ kuɖe míadometɔ ɖe sia ɖe ŋu Kɔsiɖagbe si va yi dzi o?

Gake be manya be afika ke mate ŋu ayi la…Nyemeɖo ha—hatsotso aɖeke le anyigba dzi, si ŋu menya nu kuɖo, si léa ɖe ŋunye abe hatsotso sia ene o. Mawu neɖemɔ be—be míanɔ kplikplikpli alegbegbe, bena, le Fiaɖuƒe si gbɔna la me, be míanɔ afima ɖe du dzro; yenye nye gbedodoɖa.

Hatsotso aɖeke meli le anyigba dzi si léa ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖila, kple Gbedeasi si Mawu ɖe gblɔ le nyaƒokawo dzi ŋu, abe míawo ene o. Ke esi míele ewɔm ta la, míanɔ kplikplikpli le Fiaɖuƒe yeye ma me kple eyama kpakple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo. Ɖeko menyo na ɖe dzi wu ema o!

Esiawoe nye míaƒe agbewo ƒe ŋkeke gãtɔwo kekeake. Míekpɔ kɔɖiɖi deblibo be míenye bometsila na Kristo kple Eƒe nuwuɣi Gbedeasi la. Be woayɔ mí be skul elabena míexɔa Nya ɖe sia ɖe le nyaƒoka mawo dzi hegblɔa be, MIZI PLAY.

Míenye Hame Ɖeka la kple Ɖeka ko me tɔwo. Míege ɖe Eme ye o, wodzi mí le Eme ye. Kɔsiɖa ɖe sia ɖe la míevana ɖe du tso xexea katã me hewɔa lɔlɔ̃ na Kristo hegblɔna be, “Oo, le melɔ̃ ‘Yesu!””

Míate ŋu anye skul na xexeame, gake Fofo la na mí Ɖeɖefia la kuɖe Eɖokui ŋu le míaƒe ŋkeke me, Mawu si ŋu ŋutigbalẽ le, ke Ehe mí, Eƒe Ŋugbetɔ la, va Eyama gbɔ.

Ɖeko míelɔ̃a alesi gbegbe Wòle gblɔe, gake le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me la, alesi gbegbe Wòhe de toe. Gake edze be Ɖeɖefia nasu asiwò be Nàkpɔe, ke ESU MÍASI.

Eɣla Eɖokui ɖe agbetɔ ƒe nutsyɔnu me, le Eƒe Hame la me, le Eɖokui ɖem fia to miaƒe xɔse kple nye xɔse dzi, ɖe du, le ƒuƒom ɖe du, le Mawu ƒe nu ɖeka zum. Nyemateŋu awɔ naneke miawo manɔmee o; miateŋu awɔ naneke nye manɔmee o; nenema ke míateŋu awɔ naneke Mawu manɔmee o. Eyata, ɖe du la ezua nu ɖeka la, katsatsa la. Mawu dɔm ɖo ɖe taɖodzinu la ta; miexɔe se; ke yenye ma dzɔ. Ye koe nye ema, mikpɔea, woɖo kpe dzi wòde blibo.

Míele abe amesiwo le zɔzɔm le mɔdzi tso Emmaus ene gbe ma gbe. Míeɖo to Eyama wòƒo nu na mí le ŋkekea katã me. Emegbe míekpe Eyama va míaƒe aƒewo me alebena míateŋu ado ʋɔtru la le eme kple Eyama ɖeɖe ko. Emegbe la Ewɔa nane si Eya ɖeka ko Ate ŋu awɔ, egbã Agbe Mavɔ ƒe Abolo la. Míede dzesi Eyama enumake. Emegbe la miegblɔ be, ɖe míaƒe dziwo menɔ bibim le míame esime Wòƒo nu na mí le mɔadzi yina oa.

Kɔsiɖa ɖe sia ɖe la míeƒoaƒu kple mɔkpɔkpɔ gã aɖe, le míaɖokuiwo biam se be, “Nuka gblɔ ge wòala na mí aɖaɖefia mí kɔsiɖa sia.” Míele numegbewo ma ge kple míanɔewo aɖaƒonu kuɖe eŋu le kɔsiɖa katã me. “Ɖee mieɖo to Eyama esime Wògblɔ be”:

“Exɔ ƒe akpe ene nam be mawɔ Nye Aɖaŋudɔwɔwɔ la; gake fifia la; gake azɔ kloe la ƒe akpe eve woenye esi esime Mele Aɖaŋudɔwɔwɔ bubu aɖe wɔm, Mi, Nye Ŋugbetɔ la. Mewɔe to Eƒe mɔnu si metrɔna gbeɖe o dzi, mɔnu si dzi tututu Meto wɔ Nye Aɖaŋudɔwɔwɔ gbã la dzi, Nye Nya la. Nenemae Mewɔ Nye Aɖaŋudɔwɔwɔwo, elabena miate ŋu anye Aɖaŋudɔwɔwɔ deblibo ko ne wònye Nya deblibo la.”

Nɔvinyeŋutsu, megabu susu baɖa le esia ŋu o, gake bu susu miniti ɖeka. Ne Wòɖe nu tso Eyama me, gɔmedzedze nuwɔwɔ la, be yeatsɔ wɔ Ŋugbetɔ aɖe na Eyama, Mewɔ nuwɔwɔ bubu aɖe kpɔ gbeɖe o. Ekema, ne Wònye Nya la, nukae wòdze be Ŋugbetɔ la nanye mahã? Edze be wòanye Nya gɔmedzetɔ la, le Mawu ƒe agbenɔm le Nya la me.

Nuɖuɖu ƒe yubili ƒe nyae gblɔm nèlea. Míenye nuwɔwɔ gɔmedzedzetɔ la ƒe akpa aɖe. Míenye Nya gɔmedzedzetɔ la ƒe akpa aɖe. Mawu le agbe le mía me. Míenye Eƒe Aɖaŋudɔwɔwɔ. Míenye hatsotso si léna ɖe Eƒe Nyagblɔɖila ŋu. Míele kplikplikpli kple Eƒe nyagblɔɖila kpakple Aƒetɔ Yesu Kristo. Míele ƉEKA kple Eyama.

Ne wò hã nèdi be wò dzi nabi le wò me abe alesi wòle ewɔm le mía me la, va tu mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe ava ƒoƒu eye Wòakpe Eyama va míaƒe aƒewo me, kple míaƒe hameawo me, esime míele toɖo ge Mawu wòaƒo nu aɖaɖe Agbe Mavɔ Nyawo fia mí, esime Wòatsɔ Gbedeasi: Aɖaŋudɔwɔwɔ La 64-0705 vɛ na mí.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:
Yesaya 53:1-12
Maleaxi 3:6
Mateo Kɔkɔe 24:24
Marko Kɔkɔe 9:7
Yohanes Kɔkɔe 12:24/ 14:19

22-0807 Ame Tovovo La

Gbedasi: 64-0614e Ame Tovovo La


BranhamTabernacle.org

Shekina ƒe Ŋutikɔkɔe ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a,

Alegbegbe wokɔ míaƒe dziwo kple luʋɔwo ɖe dzi yi kɔkɔƒe yeyewo esi míeƒo ƒu tso xexea katã me, nɔ to ɖom Mawu ƒe Gbe si le nu ƒom to Eƒe gɔla dzi eye wògaka ɖe edzi na mí ake, amesiwo míenye.

Etsyɔa Eɖokui dzi egbea, le anyizewo me, kple Shekina la. Gota la le abe mimlila kɔkɔewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ene, nyogbalẽ xoxoewo, gake eme la ɣla Shekinah Ŋutikɔkɔe la.

Ŋutikɔkɔe na Mawu! Shekina Ŋutikɔkɔe la ɣla ɖe mía me. Míeyi nutsyɔnu la godo eye míate ŋu akpɔ Kristo le gaglagbe.

Egbea la, Mawu mele nu wɔm le amegbetɔ me o, ke boŋ ele nu wɔm to amegbetɔ dzi. Enɔ nu wɔm le Ame aɖe me ɣemaɣi, si nye Yesu. Fifia, Ele nu wɔm to amegbetɔ si Wo òtia na taɖodzinu sia dzi. Mawu, le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me; Etrɔ Eɖokui tso Mawu ƒe nɔnɔme me, va zu amegbetɔ ƒe nɔnɔme.

Mawu Ŋutɔ dze le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me, na Abraham ƒe dzɔdzɔme nuku la, hafi tsɔtsrɔ̃ la va, eye Yesu gblɔ be anye nu ma ke na fiaƒome Nuku sia hafi Vi si ŋugbe wodo la natrɔ ava.

Mawu gadze le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me ake, abe alesi Wòdo ŋugbe be Yeawɔe ene. Enye Mawu si woɣla ɖe ŋutilã ƒe nutsyɔnu aɖe me si ŋkɔ nye William Marrion Branham. Negbe ɖe nèyi ɖe xɔmetsovɔ ma megbe eye nèkpɔ Mawu, ke menye amegbetɔ o la, Mawu ƒe ɖoɖo bliboa to ŋuwò.

Ame aɖewo gblɔna be, “Mi amewo wɔ Nɔviŋutsu Branham mawu”. Enyo, míesusu be duƒuƒu ma ƒomevi nyo. Míenya be ɖeko wole agbagba dzem be yewoaɖe ɖeklemi mí. Míenya be míewɔ nenema o. Gake míenya hã be womese egɔme o, elabena wole ŋutigbalẽa ƒe akpa kemɛ, womeva nutsyɔnu megbe o.

Míate ŋu agblɔe eme kɔ be, “Enyo, ema mele adzɔge boo tso Mawu ƒe Nya la gbɔ o Ðe?” Ðeko míedi be míana woanya be míebu o. Míenya afisi míele tsitre ɖo. Míenya tɔdziʋu siwo ƒomevi míeɖo, kple ya si ƒomevi le míaƒom. Míenya nusi míaƒe kawo nye, kple nusi míaƒe skul la nye. Eye míenya alesi míele tsitre ɖo.

Woɖe Mawu ɖe go le xexeame la, Eɣla Eɖokui ɖe nutsyɔnu aɖe megbe, le Ame aɖe si woyɔna be Yesu ƒe ŋutigbalẽ megbe. Wotsyɔ nu edzi heɣla Eɖokui ɖe ame aɖe si woyɔna be Mose ƒe ŋutigbalẽ megbe, eye wonye mawuwo, ke menye Mawuwo o; gake wonye Mawu, Mawu ɖeka la, ɖeko wòtrɔa Eƒe amemo, hele nu ɖeka ma ke wɔm ɣesiaɣi, hetsɔa Nya sia vɛ.

Wotsɔ ka bla mí ɖe Nya la, Gbedeasi la kple gaƒoƒoa ƒe nyagblɔɖila ŋu, eye wòle míahem to eme hele míakplɔm yi míaƒe Dziƒo ƒe Aƒe la me. Míenye ame tovovowo na xexeame, gake Mawu dɔ Skul aɖe ɖe mí si le Eƒe Ŋugbetɔ hem tso zitɔtɔ sia me, yi ɖe Mawu ƒe Anyinɔnɔ me. Míenye Nya-ka ƒe skul.

Mawu, kple ŋutigbalẽ le Eŋu! Ateŋu aɖi abe skul ene, na xexeame, gake ele amewo katã hem va Eyama gbɔ.

Gbedeasi siae nye Mana si tso Dziƒo, xɔsetɔwo ƒe Nuɖuɖu si nye míawo ɖeɖeko tɔ, eye Ele Eƒe Ŋugbetɔ hem va Eyama gbɔ. Shekina ƒe Ŋutikɔkɔe, si le Abolo la dzi la, na be megblẽ o.

Mawu na Mɔ aɖe na egbea, Gbedeasi sia kple Eƒe gbedeasitsɔla; Mawu tsɔ lãgbalẽ tsyɔ edzi. Fifia Mawu si ɣla Eɖokui ɖe mía me, Eƒe Ŋugbetɔ la, ye ate ŋu aɖu Mawu ƒe Gbe dzadzɛ si dzi Dzo Lilikpo la ɖo kpe la ko.

Míetsi tre ɖe subɔsubɔdɔ atɔ̃ ŋu o, Mawu megadzro o, Mawu yɔ wo be woasubɔ. Wole ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le wo kplɔm la yome tim hele ewɔm. Ðeko míele ewɔm abe alesi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le míakplɔm be míawɔe ene eye wòle míakplɔm hele mɔ fiam mí be míanɔ nyaƒokawo ɖeɖeko gbɔ.

Eyata, azɔ, miɖo to Nya ɖe sia ɖe. Milée. Eye—eye ne miele Etsɔm le nyaƒokawo dzi, alo nane dzi la, ekema mietsi tre ɖe nyaƒoka ma ŋu Nufiafia. Migagblɔ nya aɖeke o negbe nusi nyaƒoka ma gblɔ ko. Ðeko nàgblɔ nya si tututu nyaƒoka la gblɔ.

Le mía gome la, MƆ SI MÍATO ASE : “NYA ÐE SIA ÐE,” “NANEKE O NEGBE NUSI NYAƑOKAWO GBLƆNA,” “NUSI NYAƑOKAWO GBLƆNA TUTUTU,” KO LA YENYE BE MÍAZI PLAY AƉASE NYAƑOKAWO.

Eyata míele kpewòm be nàva se nusi tututu nyaƒokawo gblɔ le Kwasiɖagbe le ŋdɔ ga 12:00 me, Jeffersonville ƒe game dzi, eye nàzu Ame Tovovo La kpli mí esi míele Gbedasi: Ame Tovovo La 64-0614E se ge.

Nɔvi. Joseph Branham

Korintotɔwo I 1:18-25
Korintotɔwo II 12:11

22-0731 Nukoklo Le Mawu Ŋu

Gbedasi: 64-0614M Nukoklo Le Mawu Ŋu

PDF


BranhamTabernacle.org

Nya Lɔlɔ̃a Si Woŋlɔ La,

Kɔsiɖa ɖe sia ɖe zua gã ɖe gã dzi. Kɔsiɖagbe la, gomekpɔkpɔ su míasi be míakpɔ, aɖatso nya me, NUKAE MÍEKPƆ MAHÃ? Ɖee míekpɔ mawunyagblɔla aɖea, O! Ɖee míekpɔ míaƒe kplɔlaa, O! Esime míekpɔ amegbetɔ ƒe nutsyɔnua godo la míekpɔ Yesu Kristo si le Eɖokui ɖem fia hele Eɖokui ɖem ɖe go.

Esime míele toɖom nyaƒoka mawo esime wole vavam la, Eme kɔ wu hegakɔ wu, ne to le miasi be miase nu eye ŋkuwo le miasi be miakpɔ nu. Míele Mawu kpɔm le gãa azɔ. Wodze nutsyɔnu la, míele Mawu kpɔm wòle tsitre gãa le mía ŋkume. Dzo Lilikpo la le Eɖokui ɖem ɖe go le gaglagbe.

Egbã ŋku na ame aɖewo, gake na míawo ya la, Eɖe Nyateƒe la fia mí. Mawu kɔ Eƒe gbedeasitsɔla ŋuti le mía ŋkume, tututu abe alesi Wòwɔe na Mose ene.

Miegale nutsyɔnu ma godo ake o, vi suewo, Mawu va le gaglagbe na mi keŋkeŋ azɔ.

Nukae wònye? Mawunyenye si ŋu wotsyɔnu le amegbetɔ ŋutilã me. Mawu, le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me, le Eɖokui ɣlam le woƒe ŋkume. Ame ko kpɔm woteŋu le hele gbɔgblɔm be Mawu ƒe nyagblɔɖila wɔa vodadawo, eya ŋutɔ hã gblɔe nenemae, hele agbagba dzem be yewoafia amewo be vodadawo le nyaƒokawo dzi. Gake na mí, Eƒe Ŋugbetɔ si Woɖo ɖi la, míele ekpɔm eye míele Mawu sem ke vodada aɖeke meli o.

Ame ɖeka kpɔ amegbetɔ, ke ame evelia ya kpɔ Mawu. Mikpɔea? Ke enye Mawu si ɣla ɖe amegbetɔ me, nusi wɔe be woa kple eve la tɔ dzɔ, gake wò xɔse le nusi kpɔm mèle o la me lae.

Na míawo ya la, míaxɔ se eye míadze Mawu ƒe nyagblɔɖila si dzi woɖokpe ƒe vodadawo yome, ne eɖe li, hafi míava tsɔ aɖaxɔ woƒe Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi dzi ase.

Mele be Mose na ƒo Agakpe la zi evelia o. Gbɔgbɔ ma ke agblɔ le ŋkeke ma me be ɖe, “Mikpɔ, Mose wɔa vodada.” Gake tsi la do alekeke hã, eye ne mieno tsi tso nusi yɔm miele be Mose ƒe vodada me o la, mieku. Nenema ke wòle egbea. Nyatsɔɖeamenuawo sɔ gbɔ akpa.

Nya la nɔ Mose si. Azɔ miɖo ŋku dzi, esime woɖe Nya la ɖe go vɔ la, Mose ga nye Mose ake. Mikpɔea? Gake esime Nya ma nɔ eyama me be wòaɖe do go la, enye Mawu; enyo, meganye Mose ake o.

Nya la nɔ Nɔviŋutsu Branham si. Esime woɖe Nya la ɖe go vɔ la, Nɔviŋutsu Branham ganye Nɔviŋutsu Branham, gake esime Nya ma nɔ eyama me be wòaɖe do go na amewo ɖe nyaƒoka dzi la, enye Mawu; menye Nɔviŋutsu Branham o. Alea míele esrɔ̃m be, nusiwo le nyaƒokawo dzi la nye Mawu ƒe Nyawo, eye vodada aɖeke mele Mawu ƒe Nyawo me o.

Meɖe ko míexɔ Nɛ sena o, gake míenɔa Eƒe agbe. Ne woame susɔeawo katã zɔ dzo ɖa le Egbɔ la, míenɔa anyi Kplii! Míexɔ Nɛ sena! Meka nusi ame bubu aɖe le wɔwɔm alo le gbɔgblɔm o la, míexɔ Nɛ sena eye míeɖea zɔ ɖe dzi. Ne mewɔnɛ o la, ekema Mexɔe se o.

Nenema ke gblɔm mele, le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me be: migatsɔ nu ɖeka kpe o, migaɖe, migade miaŋutɔwo ƒe tamesusuwo Eme o, miawo la migblɔ nusi wogblɔ le nyaƒokamawo dzi ko, miawo la miwɔ nusi tututu Aƒetɔ Mawu de se na mi be miawɔ; migatsɔ Kpee o!

Mizi play eye mixɔ NYA ƉE SIA ƉE dzi se abe alesi Mawu de se na mí be míawɔ ene. Mawu Wònye le nuƒom tso nuɣi me ɖe to me na Eƒe Ŋugbetɔ la.

Mawu gatsyɔ̃ nu ake heɖo kpe Mose dzi, to nutsyɔnu la dzi, esi wòtsyɔ̃ nu Eɖokui kpakple Dzo ɖeka ma ke, Dzo Lilikpo ma kee ɖi va. Tso—tso ɣemaɣi la…Tso wo gbɔ, ale be Mawu ƒe Nya ɖeɖe ko woate ŋu ase. Mise gɔmea? Nya la ɖeɖe ko, wose Eƒe Gbe. Elabena, na woawo la, Mose nye Nya gbagbe la.

Mawu metrɔna, eye Mateŋu, atrɔ Eƒe ɖoɖo la o. Enye Yesu Kristo eyama ke etsɔ, egbe yiɖe mavɔmavɔ me. Alea la, na míawo ya la, Eƒe nyagblɔɖila si dzi woɖokpe, William Marrion Branham la nye míaƒe Mawu ƒe Gbe, kple Nya Gbagbe la na míaƒe ŋkeke.

Azɔ meganye Nya si woŋlɔ la ko wònye na mí o, ke boŋ ezu nu vavã. Míele Eyama me. Azɔ míele gome kpɔm. Azɔ míekpɔ Eyama. Azɔ míekpɔ Eyama, Nya la, si le Eɖokui ɖem ɖe go. Woɣlae, le afima, elabena (nuka?) Eɣla ɖe amegbetɔ ƒe ŋutilã me. Mikpɔea?

Meka nusi ye o la, womele Ekpɔm o. Nukata? Womedɔe ɖo ɖe wo o.

Le esime miele Ekpɔm ta la, ɖee miele gbesɔsɔ be yewoase Eyama wòagagblɔ AMESI MIENYE na mi zi ɖeka akea? Ne Wòle nu kpɔm tso Ŋutikɔkɔe ƒe ametakpɔgli sesẽawo dzi hele miakpɔm la, ameka Wòkpɔna mahã?

•Mele Nya si woɖe ɖe go kpɔm. Nusi Wògblɔ be Yeawɔ le ŋkeke mamlea siawo me la, mekpɔ wole tsitsim. Mekpɔ ɖevi siwo le Shekina ƒe Abolo la ɖum tso Nya ma ƒe tsitsi me, esiwo le Exɔm le sesem. Amen!

•Emegbe la miezu Eyama ƒe akpa aɖe, esime miawoe nye nutsyɔnu si tsyɔ Eyama dzi. Mienye Eyama ƒe akpa aɖe, zi geɖe alesi Kristo le miame, abe alesi Kristo nɔ Mawu me ene. Elabena Mawu nɔ Eyama me, wɔ Eyama Mawu. Eye esime Kristo le miame, Ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la, miezu Kristo ƒe akpa aɖe.

• “Miawo,” Egblɔ be, “mienye agbalẽŋɔŋlɔwo,” alo la, “mienye Nya la, si woŋlɔ, si ɖe ɖe go,”_womate ŋu atsɔ naneke Akpee o. Màte ŋu agblɔ be, “Menye agbalẽŋɔŋlɔ,” evɔ anɔ agbe bubu ƒomevi si menye esi Esia ŋlɔ daɖi xoxo la o, elabena womate ŋu atsɔ naneke akpee alo aɖee le me o.

Woakafu Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ. ELE MÍAKPƆM. MÍELE EKPƆM. Míenye Eƒe Nya si woɖe ɖe go egbea.

Va tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Mawu anɔ tsitre le ŋkume na mí; Dzo Lilikpo la si wotsɔ amegbetɔ ŋutilã tsyɔ, eye wòaɖe Nya si dzi wòle be míanɔ agbe ɖo le ŋkeke sia me gblɔ na mí. Enye Shekina ƒe Ŋutikɔkɔe si na míele tsitsim. Ŋkumeɖobolo na xɔsetɔ la.

Nukoklo Le Mawu Ŋu 64-0614M

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la sese:

Mateo 24:24
Luka Kɔkɔe 17:28-29
Yohanes Kɔkɔe 14:14
Korintotɔwo I 12:13
Korintotɔwo II 3:6 – Korintotɔwo Il 4:3
Filipitɔwo 2:1-8
Timoteo I 3:16
Hebritɔwo 13:8
Nyaɖeɖefia 10:7 & 19:13
Mose II ta 19 & 20
Yoel 2:28
Maleaxi 4:5

22-0724 Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu

Gbedasi: 63-1229E Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu


BranhamTabernacle.org

Kekeli Lɔlɔ̃awo Siwo Woɖe Ɖe Go,

Mina míakatã míaƒoƒu ɖe du aɖase Gbedeasi 63-1229E Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game.

Nɔviŋutsu Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ le dzadzraɖo me na mawunya la sese:

Mose IV 21:5-19

Yesaya 45:22

Zaxarya 12:10

Yohanes Kɔkɔe 14:12

22-0717 Ame Aɖe Le Afisia Si Ate Ŋu Asi Dzo La

Gbedasi: 63-1229M Ame Aɖe Le Afisia Si Ate ŋu Asi Dzo La


BranhamTabernacle.org

Yesu Kristo Ƒe Dzedzeme Lɔlɔ̃tɔ,

Abe alesi ŋutsuvi sue si kpɔ ahuhɔ̃ea me ene eye mede dzesi be yenɔ yeɖokui kpɔm o la, azɔ míele Mawu ƒe Ahuhɔ̃e me kpɔm, Eƒe Nya la, eye míele dzesi deme be, FOFO, NYEE MA, menye Wò Nya la ƒe dzedzeme. Menye Wò Nya si woɖe ɖe go. Xɔsetɔ ye menye, menye Wò Ŋugbetɔ!

Gbedeasi ɖe sia ɖe si míesena la kɔa míaƒe Xɔse yia kɔkɔƒe yeyewo. Egblɔ na mí be edze be míanɔ hatsotso etɔ̃ siawo ƒe dometɔ ɖeka me: Xɔsetɔwo, ame wɔ woɖokui xɔsetɔwo alo dzimaxɔsetɔwo. Esime míekpɔ Eƒe ahuhɔ̃e me la míedo ɣli be, “Mele ekpɔm, ɖikeke ƒe vɔvɔ̃li aɖeke manɔmee be, míenye Xɔsetɔwo. Elabena Xɔsetɔ ɖeka koe ate ŋu axɔ nuŋɔŋlɔ ɖe sia ɖe kple nyati ɖe sia ɖe dzi ase; FOFO, NYEE.”

Naneke meli si ate ŋu aɖikɔ na mí aɖana mí Agbe o negbe Mawu ƒe Nya si woɖe gblɔ ɖe nyaƒoka dzi. Mɔ ma ɖeka dzi ko Agbe ate ŋu ato ava, to Eƒe Nya si woɖe gblɔ, Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke la dzi.

Midzra ɖo, geɖe wu gbɔna Kɔsiɖagbe sia, Siamlɔm 17, ƒe 2022. Amea ɖe le afisia si le Dzo la si ge, eye ne Ewɔe la, míakatã ƒe gbewo me ahe le ɣlidodo kple aƒadodo sesĩe be Amen, Aleluya, Woakafu Aƒetɔ la Ƒe Ŋkɔ, Ŋutikɔkɔe na Mawu ta, elabena Mawu Ŋutɔ ye anɔ nuƒom na mí teŋ aɖaɖe Eƒe Nya fia mí awu.

Abe alesi ŋdɔkutsu ma ke, si le keklẽm egbe la, ana bena nuku la naɖi hena nuŋeŋe la le Siamlɔm me ene. Mikpɔ nusi gblɔm mele la? Gake egbe ƒe Kekeli la mawɔ nyuie aɖeke le megbe le afima le Siamlɔm me o. Esẽnu wu. Lu la de ŋgɔ wu; ele klalo be Yeaxɔe. Amen. Kakaɖedzitɔe la nenema wòle.

Nuŋeŋe la tsi! Míede ŋgɔ wu hele klalo wu be Míaxɔe. Yesu ɖo nuɖukplɔ̃, afisi wonyia Mawu ƒe amekɔkɔeawo le kple ŋkeke la ƒe Nuɖuɖu si ɖi. Nyanyuie la ƒe Kekeli le kpeɖom edzi hele efiam bena Ele afisia egbea kpli mí. Ame kɔkɔewo le gbɔgbɔme Nuɖuɖu si wodzraɖo ɖi la ɖum, hele dzadzram ɖo hena Kɔkɔdzoe.

Ne míaƒe Pastɔ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le nuƒom to Eƒe nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe dzi la, trɔ asi le dzosimɔ̃ ma ŋu hesi Ɖeɖefia ƒe kekeli la, Agblɔ amesi Wònye le míaƒe ŋkeke me la na mí ko. Ado ɣli aɖana mí toklã be, mekpɔmɔ be miele alɔ̃ dɔm o ɖe.

Noa nye Kekeli le eƒe ŋkeke me. Mose nye eƒe gaƒoƒo la ƒe Kekeli, azɔ medɔ nyagblɔɖila sesẽ aɖe ɖo ɖe wò le wò ŋkeke me eye mele Nye Nya si ƒe ŋugbe medo la ɖem ɖe go. Enye Mawu ƒe Nya si woɖe ɖe go le wò ŋkeke me. Eyae nye egbe ƒe Kekeli la.

Esime Menɔ afisia le anyigba dzi le ŋutilã me zi mamlɛtɔ la, Metsɔ ƒo ƒe abolo atɔ̃ gbãtɔawo eye medze aboloawo ŋeŋe gɔme. Mewɔ abolo tso gbãtɔa me eye wòna nuɖuɖu ame akpe atɔ̃.

Emegbe la Metsɔ tɔmelã ɖeka, eye tso tɔmelã ma dzi la, mewɔ tɔmelã bubu gawɔ tɔmelã bubu ake, henyi ame akpe atɔ̃.

Gake le wò ŋkeke me la, naneke menɔ Asinye o. Ɖeko meƒo nu hegblɔ be, “Gblɔe anɔ afima,” eye wònɔ afima, naneke manɔmee. Kadzidɔe menɔ asinye kpɔ o; ɖeke menɔ afima o. Ɖeko Megblɔ be, “Nedo,” eye wòdo. Nye Nya medana ƒu o, eye elebe wòava me.

Abe Israel viwo ene, esime wonɔ woƒe mɔzɔzɔ me la, wonɔ mana yeye ɖum gbe sia gbe. Wonɔ zɔzɔm le Dzo Lilikpo ƒe Kekeli me. Dzo Lilikpo ma nye Yesu Kristo.

Egbe la Egali kpli mí ake, Dzo Lilikpo ma ake, le numawo ke si Wòwɔ wɔm esime Wònɔ anyigba dzi le afisia hele Eƒe Nya la ŋu wum.

Míele wò kpem be nàva tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game esime míaƒe pastɔ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Dzo Lilikpo la, asi Ɖeɖefia ƒe Kekeli la, esime míase: 63-1229M “Ame Aɖe Le Afisia Si Ate Ŋu Asi Dzo La”.

Nɔvi. Joseph Branham

Mose I 1:3, Ta 2
Psalmowo 22
Yoel 2:28
Yesaya 7:14, 9:6, 28:10, 42:1-7
Mateo Kɔkɔe 4:12-17, Ta 24 kple 28
Marko Kɔkɔe ta 16
Nyaɖeɖefia ta 3

22-0710 Xɔsetɔ Ƒomevi Etɔwo

Gbedasi: 63-1124E Xɔsetɔ Ƒomevi Etɔwo


BranhamTabernacle.org

Xɔsetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Bu eŋu ko, Mawu, Amesi wɔ nuwo katã heɖoe ɖoɖo me la, ɖi va hezu ŋutilã le mía dome, be yeaɖe mí. Ke emegbe la Ado bubu mía ŋu alegbegbe kple Eƒe Amegbenɔnɔ gã la, alebena Wòanɔ tsitre ɖe afisia le nuvɔ̃nyigba sia dzi le ŋkeke mamleawo me, heɖo kpe Eƒe Nya dzi be ele nenema, elabena Nya ma kpɔ ŋkume na Eyama.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ agbe Nya ma na mí. Egbɔ agbe. Le Xɔse me la míele ekpɔm. Míenyae be ele alea elabena Nya la gblɔe nenema, eye Gbɔgbɔ la gbɔa agbe Nya ma na mí. Azɔ míele ɖeka wɔm to Mawu ƒe Nya si ɖe ɖe go le ŋutilã me dzi, tututu ko abe alesi nyagblɔɖila gblɔ be Awɔe ene.

Xɔsetɔ la xɔ Nɛ sena, xɔa (Nuka) sena? Nya la. Menye dzixɔse o; Nya la! Menye kɔmahatsɔŋkɔ la o; Nya la! Menye nusi ame bubu aɖe gblɔ o; nusi Nya la le gbɔgblɔm ye!
Azɔ, miɖo ŋku dzi be, xɔsetɔ lae ma. Xɔsetɔ mebiaa Nya aɖeke sena o. Xɔsetɔ megblɔna be, “Aleke wòate ŋui ɖo? Ne mate ŋu ana woaɖe Egɔme!” Dzimaxɔsetɔ ye ma. Uh-huh. Xɔsetɔ ye, ema, meka nusi Wònye o la, “Ne Wònye Nya la la, Nya la Wònye! Ema nye Nyateƒe.” Xɔsetɔ lae ma.

Ele be nàxɔ sue ɖe sia ɖe kple vi ɖe sia ɖe dzi se, kple nu sia nu si wogblɔ le eme le Afima. Elebe wòanye nyateƒe. Ne nègblɔ be, “Nyemexɔ ema dzi se o. Ɖewo nye Mawu, ɖewo nye agbetɔ, ɖewo le me nye adegbe yiyi ŋutinyawo sɔŋ ko.” Enyo, ekema dzimaxɔsetɔ ye nènye. Xɔsetɔ mebiaa nya aɖeke sena o. xɔsetɔ xɔ Nɛ sena, meka alesi Wòle gbe ɖem alo nusi wòle be ame bubu aɖe nagblɔ kuɖe Eŋu o, meka alesi Wòle dzedzem o la, MÍEXƆE SE!

Ame sia ame si le afisia, fifia, ame sia ame si le nyaƒoka sia sem; ke togbɔ be gbeɖeka elebe madzo le xexe sia me hã la, nyaƒoka siawo woakpɔtɔ anɔ agbe. Esɔ gbe. Mikpɔea? Ke miele hatsotso siawo dometɔ ɖeka me. Ele be mianye wodometɔ ɖeka.

Míele agbe le ŋkeke mamleawo me eye edze be nàkpɔ wò agbea ɖa aɖakpɔ hatsotso si ƒomevi mee nèle. Ɖee nègblɔa be, “Mexɔe se be Mawu dɔ nyagblɔɖila aɖe si dzi woɖo kpe kple Dzo Lilikpo ɖa?” Egblɔ na mí be míaxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se. Be míagblɔ nusi le nyaƒokawo dzi TUTUTU eye migatrɔ nya Ɖeka le me o. Wole ʋɔnudrɔge mí kple nusi WÒGBLƆ LA, menye kple nusi amea ɖe gblɔ be eya gblɔ, alo nusi le gbɔgblɔm be egɔme wònye o, gake kple nusi gblɔm nyaƒokawo le.

Alo, ɖee nèle yiyi ge kple Kora kple Datan, kpakple amesiwo gblɔa bena, “Menye eyae nye ame kɔkɔe ɖeka si li o. Woyɔ ame bubuwo be woawɔ nusiawo si wòwɔ la. Miete na gbe ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖila dzi akpa. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le míakplɔm fifia. Agbenɔɣi bubu yenye esi”.

Miele hatsotso siawo ƒe ɖeka me. Le miaƒe fifia ƒe nɔnɔme tututu azɔ, susu ƒe nɔnɔme fifia tɔ, bena, miele mi le afisia le nyasela siawo siwo kpɔm mele kple ŋku do me, kple mi amesiwo le nyaƒoka sia selawo siwo kpɔm nyemele kple ŋku o dome la, miaƒe susu ƒe nɔnɔme fifiatɔ le nyaƒoka sia sese megbe la, le kpeɖom hatsotso si me miele la na mi la dzi. Egblɔa afisi miele la na mi tututu, ne mienye xɔsetɔ le Nya la me eye mianɔ anyi Kplii lo miazɔ ado go, lo miatsi nyaƒoka ma.

Woakafu Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ, míenye XƆSETƆ akuakuawo, menye ame aɖe si dzi ame bubu aɖe ƒo nya ɖo o; menye kple nu bubu aɖe o, gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe Nya la Ŋutɔ fia mí. Míele Nya la si wona emekɔ ƒã, ɖo kpe edzi heɖe ɖe go kpɔm.

Wodo mi kpɔ kple dodokpɔwo, mɔdodowo siwo yɔ fũ kple ʋuʋudedi, yometiti ƒe ŋdɔkutsu xɔdzo la, gake míaƒe dziwo ƒe nuteƒewɔwɔ le ƒoƒom kple Nya la ƒe dɔwɔnu ma. Míele gbesɔsɔ azɔ be míazɔ ayi ɖe bafinya me. Míenye Mawu ƒe viwo, siwo wowɔ tututu ɖe Eƒe Nya dzi. Míenye kpɔɖeŋu gbagbewo, eye Mawu ƒe Nya le agbe nɔm to míame. Dodokpɔwo vaa be yewoaʋuʋu mí, be yewoana míayi ɖe keke to me ɖaa ke, be woakpɔ afisi míanɔ tsitre ɖo ɖa. Gake míate ŋu aʋã o, míele tsitre ɖe Nya ɖe sia ɖe dzi.

Ɖo esime Wòle amesi nènye la gblɔm na wò.

Ɖo ŋku edzi ko be wò akpa ɖe sia ɖe nɔ afisia, esime Mawu ƒo nu xexeame dzɔ. Ede wò ŋutilã afisia tututu. Eye naneke mate ŋu aɖe ɖa o, negbe Mawu.

Naneke mate ŋu Aɖee ɖa le gbɔwò o. Ame aɖeke mate ŋu axɔ wò teƒe meka alesi nèle sue o. Àgblɔ be, “nyɔnu aƒedzikpɔla aɖe ko menye.” Ame aɖeke mate ŋu axɔ wò teƒe o! Mawu, le Eƒe nudzraɖoƒe gã me la, ɖo Kristo ƒe Ŋutilã le ɖoɖo me alegbegbe, wɔe be ame aɖeke mate ŋu axɔ wò teƒe o.

Ŋutikɔkɔe… Aleluya…Aɖo to Mawu ƒe Nuɖuɖu si wodzraɖo ɖi la le gã dom wu hele GÃ DOM WU ɖe dzi. Ga wu míele Mawu sem wòle nuƒom to Eƒe gbedeasitsɔla tiatia la dzi hele amesi míenye la gblɔm na mí la, gã wu míaƒe Xɔse zua.
Dzidzɔkpɔkpɔ si gbɔ eme be woanya be:

•Míenye “XƆSETƆ AKUAKUAWO”
•Míenye “WO DOMETƆ ƉEKA”
•Míenye “ŊUGBETƆ LA”

Medi be MAKPE wò be NAZI PLAY kplim, Branham Ƒe Agbadɔ la, kpakple Ŋugbetɔ ƒe akpa aɖe tso xexea katã me le ŋdɔ ga 12 me, le Jeffersonville ƒe game, esime míele ƒu ƒo ge ɖe du tso Ɣedzeƒe, Ɣetoɖoƒe, Dziehe kple Nyiehe aɖase: Xɔsetɔ Ƒomevi Etɔwo 63-1124E. Nusi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le míakplɔm be míawɔ lae nye esi. Na míawo la, Mawu ƒe ɖoɖo lae nye esi.

• Zi Play: Nyaƒoka kake Mawu ɖo wòdzi dzi.

• Zi Play: Ɖo to le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe si nètia la dzi.

• ZI PLAY: Yenye nye gbedeasi na wò.

Nɔvi. Joseph Branham

Yohanes Kɔkɔe 6:60-71

22-0703 Nukae Mawɔ Kple Yesu Si Woyɔna Be Kristo?

Gbedasi: 63-1124M Nukae Mawɔ Kple Yesu Si Woyɔ Be Kristo?


BranhamTabernacle.org

Hɔ̃ Lɔlɔ̃awo, mina mí katã míaƒo ƒu ɖekae eye míase Gbedasi 63-1124M – Nukae Mawɔ Kple Yesu Si Woyɔna Be Kristo? Kwasiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12:00 me, le Jeffersonville ƒe game dzi.
Nɔviŋutsu Joseph Branham

22-0626 Amesi Le Miame

Gbedasi: 63-1110E Amesi Le Miame


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Xɔse Gãtɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Menya be esia nye lɛta bɔbɔe aɖe ko si me gbeŋutise si mesɔ o le, gake medi be xexeame nanya be míexɔ nya ɖesiaɖe si míaƒe nyagblɔɖila gblɔ dzi se eye míelɔ̃ ɖe edzi be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔe Esi. Ne míese egblɔ nya aɖe le nyaƒoka dzi la, Míexɔe se, Míexɔe, eye emegbe mía ŋutɔwo Míexɔe abe Mawu ŋutɔ le nu ƒom na mí tẽ ene.

Woɖe gbeƒãe, eye Mawu ƒe Nya la ɖo kpe edzi bliboe, be mate ŋu anye amegbetɔ o, ele be wòanye Mawu.

Míexɔe se be ŋutilãmedzesi mawo ke dze le anyigba dzi egbea siwo dze esime Yesu nɔ afisia. Dzo Sɔti ma ke si Paulo Kɔkɔe kpɔ kple Dzɔdzɔme ma ke, nɔ nu ma ke wɔm la, va le míaƒe ŋkekea me. Mawue le nu ƒom na mí tẽe be:

Gbɔgbɔ me dzesi ma ke si tututu Eŋutɔ Ɖe fia be Yenye Mesia la, ɖe Eyama fia egbea. Egakpɔtɔ nye Mesia la!

Àte ŋu axɔ yayra gã siawo NE èxɔe se be Nya ɖesiaɖe nye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi, to play zizi me. Nenye be ènye ame aɖe si mexɔe se nenema o, eye wòle be nàtso nya me le nunya me alo to ame aɖe ƒe gbɔgblɔ na wò me be: “Aƒetɔ la ƒe Nyae nye esia, eye Nɔviŋutsu Branham ƒe nuƒoƒo koe nye esia,” la ekema esia menye tɔ wò o.

Le ɣeyiɣi si me Mose kplɔ Israel-viwo la, ɖeka nɔ anyi, eyae nye Mose. Ðeko wo dometɔ mamlɛawo dze Gbedeasia yome. Mikpɔea?

Gake egbea, na mí amesiwo XƆESE NENEMAE LA, míaƒe dziwo yɔ fũ kple dzidzɔ eye wole gogbam ale gbegbe be, míate ŋu aɖu mía ɖokuiwo dzi kura o.

Mesena le ɖokuinye me be Eɖe mí. Mesena le ɖokuinye me be míaƒe ŋkɔwo le Eƒe Agbalẽa me. Mexɔe se be Alẽvi la ƒe Ʋu lae ɖe mí.

Esi míexɔe se be Gbedasi sia nye Mawu ƒe Gbe si le nu ƒom na mí tẽ ta la, míexɔ esia be Mawu ŋutɔ le nu ƒom na mí tso nuyi me yi to me. ÐIKEKE AƉEKE meli be míaƒe ŋkɔwo le Eƒe Agbalẽa me o.

Magblɔe alea dzro, Yesu Kristo ƒe subɔsubɔdɔ si gbugbɔ dzɔ le Eƒe Hamea me le ŋkeke mamlɛ sia me. Emae nye nusi dzi mía dometɔ geɖe xɔ se. Mexɔe se kpli mi.

Alea tututue míexɔe se, Yesu Kristo gbugbɔ dzɔ, nɔ nu ƒom na Eƒe Ŋugbetɔ le nyaƒoka dzi.

Ɣesiaɣi si míezia play dzi la míaƒe xɔse ɖoa kɔkɔƒe yeyewo. Menye mawunyagblɔla bubu aɖe koe nye esia le nu ƒom o, Mawu Ŋutɔe nye esi le nu ƒom na mí. Nya dzadzɛ 100% koe dim míele.

Na mabia nya aɖe wò. Ðe William Marrion Branham nye wò pastɔa? Ðe eyae nye Mawu ƒe dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia si dzi woɖo kpeea? Èxɔe se be nusi wòbia tso Mawu si be wòawɔ la, be Mawu wɔea? Èxɔe se be enye Mawu ƒe Gbe na ŋkeke siaa? Èxɔ nya ɖe sia ɖe si wògblɔ la dzi sea? Ekema wogale wòyra ge wu nyagbɔgblɔ Kwasiɖagbe.

Mɔ bubu aɖeke meli si dzi nàto axɔ yayra sia o negbe ɖe nèle to ɖom nyaƒokawo eye nèxɔe se be nusi sem nèle la nye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Ele be nàxɔe ase be nya si gblɔm wòle lae nye Mawu si le nu ƒom na wò tẽ.

Nye, abe miaƒe pastɔ, mianɔvi ene, kple xɔse si le asinye la, mebia Mawu be wòatsɔe ade miadzi. Mexɔe se be maxɔ nusi mebia la. Azɔ ne miexɔe se kplim la; Metsɔ xɔse si le asinye la na mi hena gaƒoƒo sia.

Le mía gome la, eyae nye míaƒe kplɔla. Ame aɖeke meli le xexeame si si Xɔse le wu, alo lolo wu MÍAƑE PASTƆ, Mawu ƒe nyagblɔɖila o. Fifia Mawu ƒe nyagblɔɖila bia tso Mawu si be wòana EƑE XƆSE GÃ la mí. NE èxɔe se kple wò dzi blibo la, Azɔ enye WÒ XƆSE…. ŊUTIKƆKƆE, MÍEXƆE SE!!! Míaƒe Xɔse ate ŋu agbɔdzɔ hafi, gake megagbɔdzɔ zɔ o, elabena eƒe XƆSE le mía si fifia.

Ke azɔ, le Yesu Kristo, Mawu ƒe Vi la ƒe Ŋkɔ me la, gbe nu le wò fukpekpe, wò dɔléle gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, “Ele be nàdzo,” ‘elabena wò xɔse le asiwò, kpe ɖe nye xɔse ŋu, kple Yesu Kristo ƒe ŋusẽ, Amesi ƒe afisiafi nɔnɔ le afisia be yeatsɔ aɖo kpe edzi eye yeatsɔ afia be Yele afisia la, ana nàhaya le ɣeyiɣi sia me.

Nukae mate ŋu agblɔ si ana be nàva wɔ ɖeka kpli mí eye nàxɔ yayra gã sia? Bu eŋu kpɔ, nusianu si nèhiã la, àte ŋu akpɔe ne èva ɖo to eye Nàxɔe ase ko.

Va ɖo to Kwasiɖagbe le ŋdɔ ga 12:00, Jeffersonville ƒe game dzi, kple Ŋugbetɔ la. Míele ƒu ƒo ge ƒu eye míaɖo to tso Ɣedzeƒe, Ɣetoɖoƒe, Dziehe kple Anyiehe, míakatã le ɣeyiɣi ɖeka me, esime Ale Aƒetɔ la Gblɔ Esi aƒo nu na mí eye wòagblɔ nusianu na mí tso: Amesi Le Miame 63-1110E la ŋu na mí.

Ne màteŋu aɖo to kpli mí le ɣeyiɣi ɖeka me Kwasiɖagbe o la, mehiã o, ɖeko nàzi play dzi ɣesiaɣi eye nàɖo to eye nàxɔ nusi sem nèle la dzi ase be enye Mawu ƒe Gbe si le nu ƒom na wò.

Nɔvi. Joseph Branham