Category Archives: Uncategorized

25-0302 Mawu Ɣlana Eđokui đe Gblɔenyenye Me, Emegbe Gađea Eđokui Fiana Nenema Ke

Gbedasi: 63-0317M Mawu Ɣlana Eđokui đe Gblɔenyenye Me, Emegbe Gađea Eđokui Fiana Nenema Ke

PDF


BranhamTabernacle.org

Ta Me Dzogbenya Lɔlɔ̃tɔwo,

Le Dzove 28, 1963 la, Dzi Ɖe gbe. Whew-whew, Mawudɔla Adre va tso mavɔmavɔ me hedze na Mawu ƒe Dɔla Gbedeasitsɔla Adrelia. Wokɔe yi ɖe ƒuƒoƒo ƒe piramid me. Emegbe la, gbɔgbɔme me lilikpo dze le dziŋgɔli me le Arizona tame. Dzesi wònye, Mawu nɔ Eƒe dɔla adrelia gbugbɔ dɔm ɖo ɖe Jeffersonville be wòaʋu Nutrenu Adreawo.

Dzove 28, 2025, ɣletinyigba adre ɖo ɖe dziŋgɔliawo me. Ŋugbetɔ la le Eɖokui dzram ɖo be yeaƒo ƒu aɖase Nutrenu Adreawo.

Aƒetɔ la Ŋutɔ, kpe Mi, be
miaƒo ƒu kple Ŋugbetɔ la le xexeame godoo, be miase Mawu ƒe Gbe wòaɖe Nutrenu Adreawo ƒe Ɖeɖefia afia.

Ŋkeke si nyagblɔɖilawo kple nunyalawo di vevie hele lalam tso keke ɣeyiɣi la ƒe gɔmedzedze la, le eme vam. Dɔla sesẽ si Mawu gblɔ be Yeadɔ ɖo ɖe anyigba dzi le ŋkeke mamleawo me la va be yeaʋu aɖaɖe Mawu ƒe nyaɣaɣla siwo woɣla la fia, alebe míaƒe Aƒetɔ Yesu nate ŋu atrɔ gbɔ na Eƒe Ŋugbetɔ nuteƒewɔla aɖakplɔ mí yi ɖe míaƒe Srɔ̃ɖe Nuɖuɖu la me.

Nye dɔdeasi gbãtɔ, esi megbɔna ɖe hame yeyea me la, mewɔ alɔléle na ɖekakpuia ɖe kple nyɔnua ɖe siwoe tsi tre ɖe dɔwɔƒe la. Esia nanye kpɔɖeŋu dzro, be manye osɔfo wɔnuteƒe na Kristo, be madzra Ŋugbetɔ aɖe ɖo na Ŋkeke ma ƒe kɔnuwɔwɔ.

Egbe sia, Nya sia le eme vam. Mawu le nuƒom to Eƒe dɔla dzi, le Eƒe Ŋugbetɔ la dzram ɖo na Ŋkeke ma ƒe Kɔnuwɔwɔ. Míele Eƒe Nufiamenyawo di wɔm tututu. Ŋugbetɔ la dzra Eɖokui ɖo xoxo kple ANYINƆNƆ KPLE MAWU ƑE GBE LE NYAƑOKAWO DZI XOXO.

Nuka ko míese teti to drẽawo kple ŋutegawo dzi? Nuɖuɖu La, AFISIA YE WÒLE, teƒe lae nye esi. Gbe Aɖe gblɔ nɛ be, “He Nuɖuɖu la va. Ɖzra Esia ɖo ɖe eme. Eyae nye mɔ ɖeka ko lia be woaléwo ɖi ɖe afisia, eyae nye be woana wo Nuɖuɖu.”

Ame geɖewo xɔe se be ɖeko wòle gbɔgblɔm be, “minɔ anyi kple Nya la,” eye NYATEƑE WÒNYE, be ele ema gblɔm; gake Ŋugbetɔ la hã axlẽ nu le fliawo domee esime Ŋugbetɔsrɔ̃ la nuƒom na Eƒe Ŋugbetɔ la.

Gɔ̃ hã ŋutega siwo Mawu nana le teƒe sia la, wose egɔme baɖa ale gbegbe. Susu ma tae miesena, megblɔna le nyaƒokawo dzi, be, “Migblɔ nusi nyaƒokawo gblɔ. Migblɔ nusi ŋutegawo gblɔ.” Azɔ, ne ele ŋudzɔ la, àkpɔ nane. Mikpɔea? Mekpɔ mɔ be mele be malée ɖe nye asi me atsɔe fia mi o.

Womese ŋutegawo gɔ̃ hã gɔme nyuie o, le esi wòna gɔmeɖeɖeawo wo vɔ megbe gɔ̃ hã. Emae nye nusi wònɔ gbɔgblɔm na mí, ne miedi be miatɔtɔ, alo ase egɔme bubui o la, Mizi Play dzi eye miase nusi tututu Mawu ƒe Gbe gblɔ.

Menyae be Nya la gɔmesese eve ye nɔa esi, gake nye gɔmeɖeɖe yenye esi: drẽawo kple ŋutegawo katã gblɔ nu ɖeka ma ke; minɔ anyi kple nyaƒokawo. Ne biabia aɖe le miasi la, miyi ɖe nyaƒokawo gbɔ. Nyaƒokawo nye Mawu ƒe Nuɖuɖu si wodzra ɖo ɖi. Migblɔ nusi le nyaƒokawo dzi ko; migatsɔ naneke Kpee o. Nyaƒokawo nye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi na Ŋugbetɔ la. Nya la vana na nyagblɔɖila, ɖeɖeko. Nyagblɔɖila yenye Nya la ƒe gɔmeɖela mawumetɔ ƉEKA. Elebe nyagblɔɖila nayɔ aɖakplɔ Ŋugbetɔ la. Nusi wogblɔ le NYAƑOKAWO dzi ye woatsɔ adrɔ ʋɔnum.

Nusianu tsɔa asi fiana NYAƑOKAWO nam.

Nye Ta Me Dzogbenya lɔlɔ̃tɔwo, na nyea la, PLAY ZIZI NYE MAWU LE GBLƆENYENYE ME NA EGBEA.

Kɔsiɖa sia Kɔsiɖa la mekpɔa dzidzɔ geɖe wu; nuka ɖe ge wole afia egbea esime Eƒe Ŋugbetɔ la le ƒuƒom be yease Gbedeasi la? Menyae be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le ami si ge na mía dometɔ ɖe sia ɖe esime Wòanɔ Eƒe Nya la ɖem fia wu tsã. Mele esem le ɖokuinye me be, le ɣesiaɣi ko la, Ava aɖakɔ mí dzo yiɖe míaƒe Srɔ̃ɖe Nuɖuɖu la me.

Míenye, Mawu ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Míedzɔ, tso Mawu me. Anyigba nye, míaƒe domenyinu. Míaɖu dzɔdzɔmea dzi. Míaƒo nu nu adzɔ. Ŋugbetɔ míenye!

Mina míakɔ mía ɖokuiwo ŋu yeyee na dɔ la, eye míatsɔ mía ɖokuiwo ana Kristo.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋkeke: Kɔsiɖagbe, Tedoxe 2, 2025
Gbedeasi: Mawu Ɣlana Eđokui đe Gblɔenyenye Me, Emegbe Gađea Eđokui Fiana Nenema Ke 63-0317M
Ɣeyiɣi: ƔETRƆ ga 12, Jeffersonville ƒe game.

25-0223 Amegã, Nuwuwu Ƒe Dzesie Nye Esia?

Gbedasi: 62-1230E Amegã, Nuwuwu Ƒe Dzesie Nye Esia?

PDF


BranhamTabernacle.org

Amegã Lɔlɔ̃tɔwo,
Esiae nye, Dzesi la. Esiae nye, ɣeyiɣi la. Esiae nye, Gbedeasi la. Esiae nye, Nya la. Esiae nye, Mawu ƒe Gbe. Esiae nye, Amegbetɔ ƒe Vi la. Esiae nye Mɔ si Mawu na la. Esiae nye, nuwuwuɣi la.

Nyagblɔɖi aɖeke, apostolo aɖeke, gbeɖe, le ɣeyiɣi aɖe me, nɔ agbe le ɣeyiɣi si me míele agbe le fifia kpɔ o. Woŋlɔe ɖi ɖe dziŋgɔliawo me. Woŋlɔe ɖi ɖe anyigba dzi. Woŋlɔe ɖi ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ ɖe sia ɖe me. Nuwuwu lae nye esi, ne miate ŋu axlẽ asinuŋɔŋlɔ la.

Amesi to senu li na ne se nusi Mawu gblɔ, helé ɖe mɔ̃ dzi, alea manye nye nya, nye susuwo, nye tamesusu o, gake Mawu ƒe Gbe ŋutɔ ŋutɔ si le mɔfiame nam Eƒe Ŋugbetɔ kuɖe nusi nye Eƒe mɔ ƉEKA deblibo si wona na egbe ŋu.

Miva eye miase esime Wòle nuƒom hele nu ɖem fia mí to ŋɔŋlɔawo dzi, to ŋutegawo dzi, to drẽawo gɔmeɖeɖe dzi, be míanɔ anyi kple Gbedeasi la, mianɔ anyi kple nyaƒokawo. Migblɔ nusiwo le nyaƒokawo dzi ɖeɖeko.

Mɔ nyui aɖeke, nenema ke mɔ si dzi kakaɖedzi li wu, meli wu Mawu ƒe Gbe sese tso Mawu Ŋutɔ gbɔ o. Mawu de se na Eƒe Ŋugbetɔ to nuƒoƒo to Eƒe nyagblɔɖila dzi kple gbɔgblɔ na mí be, MIZI PLAY, nya ma vɔ.

Migblɔ Esia, miɖe gbeƒã le Eŋu, miɖi ɖase le Eŋu, eye miƒo nu na xexeame le Eŋu, gake Egblɔna na mí be mɔ deblibo ɖeka ko lia wona be woawɔ Ŋugbetɔ la bliboe: mise Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi. Ne nane le miatsakam la, miƒo nyaƒoka la. Elebe wòanye GBÃTƆ, kple Gbe vevietɔ si wòle be miase. Eƒe Nya deblibo ye Wòde nyaƒoka dzi.

Azɔ mitsɔ esia gɔ̃ hã sɔ kple ame mamleawo tɔ, drɔ̃eawo. Esia nye ŋutega. Nuɖuɖu la, Eyae nye si. Afisiae nye teƒe la.

Miɖo to lo, to drẽawo kple ŋutegawo dzi la, Ŋugbetɔ la ƒe nuɖuɖu la afikae wòle? Afikae nye teƒe la? Gbedeasi la na Ŋugbetɔ la le nyaƒokawo dzi.

Eye mesena le afisia, abe aƒe ene. Afisiae nye teƒe la. Eye ne miade dzesii la, numa ke drɔ̃eawo gblɔ, mikpɔea, afisi Nuɖuɖu la le.

Be wòaka ɖe dzi be míese Eme la, ega gblɔ na mí zi ɖeka be, nyaƒokawo nye Ŋugbetɔ la ƒe Nuɖuɖu.

“Game megali o.” Nenye nenemae la, mina míadzra mía ɖokuiwo ɖo, xɔ̃wo, be míakpe míaƒe Mawu.

Ẽ, Aƒetɔ, míaƒe dzime ƒe dzidzi yenye ma, be míadzra ɖo ado go Wò, be míanye Wò Ŋugbetɔ. Nukae wòle be míawɔ Aƒetɔ? Kae nye Wò ɖoɖo la? Kae nye Wò mɔ deblibo laa? Èdɔ nyagblɔɖila aɖe si dzi Àte ŋu ƒo nu to na mí. Miɖekuku fia mɔ mí.

Woli kɔ nuɖuɖu sɔgbɔ ɖi fifia. Mina míawɔ Eŋudɔ. Mina míawɔ Eŋudɔ azɔ.

Aleke gbegbee ame ate ŋu anye ŋkuagbãtɔe? Egblɔ nusi míawɔ na mí: nuɖuɖu siwo wodzra ɖo la sɔ gbɔ ɖe nyaƒokawo dzi; miwɔ wo ŋudɔ AZƆ. Esia nye Mawu ƒe nufiame na Eƒe Ŋugbetɔ.

Ne ègblɔ be yexɔ Gbedasi sia dzi se la, xɔe se be William Marrion Branham nye Mawu ƒe nyagblɔɖila gbedeasitsɔla si wodɔ be wòayɔ Ŋugbetɔ la do goe; eƒe agbe wu mawunyakpukpui siwo katã wogblɔ tso eŋu la ŋu; xɔe se be Enye Mawu ƒe Gbe na ŋkeke sia la, ekema EYA; Mawu, le nu ƒom to Eƒe nyagblɔɖila dzi, gblɔa nusi wòle be Ŋugbetɔ la nawɔ na ŋugbetɔ la le Eŋlisigbe si me kɔ me.

Togbɔ be woɖua fewu le mía ŋu, tia mía yome, eye wodoa vlo mí le esime nyaƒokawo ko míesena ta la, nusi tututu Wògblɔ na mí be míawɔ lae wɔm míele. Akpe na Wò Aƒetɔ ɖe Ɖeɖefia la ta.

Medi be makpe xexeame be wòava wɔ ɖeka kpli mí le Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míase 62-1230E: “Amegã, Nuwuwu Ƒe Dzesie Nye Esia?” Míanɔ nuwo katã sem tso:

Dziɖegbewo, Nutrenu Adre, Piramid Agakpe, Gbɔgbɔme Nuɖuɖu, Mavɔmavɔ, Mawudɔlawo ƒe Ƒuƒoƒo, Nye Tanɔƒe, Ŋutega, Drɔ̃ewo, Nyagblɔɖi, Nya Ɣaɣla, Ŋɔŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ dzi ŋu.

Naneke megali si lolo wu le agbe sia me wu be woase Mawu ƒe Gbe eye woawɔ edzi o.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔawo:
Maleaxi Ta 4 lia
Mateo Kɔkɔe 13:3-50
Romatɔwo 9:33 / 11:25 / 16:25
Korintotɔwo I, 14:8 / Ta 15 lia
Galatiatɔwo 2:20
Efesotɔwo 3:1-11 / 6:19/ 5:28-32
Kolosetɔwo 4:3
Tesalonikatɔwo I, 4:14-17
Timoteo I, 3:16
Hebritɔwo 13:8
Petro II 2:6
Nyaɖeɖefia 1:20 / 3:14 / 5:1 / 6:1 / 10:1-7 / Ta 17 lia

25-0216 Daniel Ƒe Kwasiɖa Blaadrelia

Gbedasi: 61-0806 Daniel Ƒe Kwasiɖa Blaadrelia

PDF


BranhamTabernacle.org

Lɔlɔ̃tɔ Siwo le ŋudzɔ hele Lalam,

Dzidzɔ aɖe le Ŋugbetɔ la dome geɖe wu tsã. Míele mɔ kpɔm vevie; míaƒe yubili ƒea le ɖoɖom be wòava eme. Ŋugbetɔ la lala eteƒe didi ŋutɔ be ŋkeke sia nava. Trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣia ƒe nuwuwu va eye mavɔmavɔ ƒe gɔmedzedze kple míaƒe Aƒetɔ la adze egɔme kpuie.

Míele ɣeyiɣi si me míele la gɔme sem to Nya la sese me. Ɣeyiɣi la ŋu va yi. Kɔkɔdzoe la tu aƒe. Míeva ɖo. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va eye wòɖe nu gã, goglo, ɣaɣlawo katã fia Eƒe Ŋugbetɔ.

Míetsi dzodzodzoe, míele Mawu dim; le mía ɖokuiwo dzram ɖo. Míetsɔ xexe sia me nuwo katã ƒu gbe. Agbe sia me dzimaɖitsitsiwo meɖi naneke na mí o. Míaƒe Xɔse de kɔkɔƒe geɖe wu tsã. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le Kɔkɔdzoe ƒe Xɔse nam Eƒe Aƒenɔ tiatia la, ale be wòate ŋu ava akplɔ Eyama adzoe.

Kwasiɖa blaadẽ vɔ asieke siawo sɔ ɖe enu pɛpɛpɛ; Yudatɔwo ƒe tɔtrɔdzo sɔ ɖe enu pɛpɛpɛ; hamea ƒe agbenɔɣi sɔ ɖe enu pɛpɛpɛ. Míeɖo nuwuwuɣi, nuwuwuɣi si nye, Laodikea hamea ƒe agbenɔɣi, ƒe nuwuwu. Ɣletivi gbedeasitsɔlawo katã ɖe gbeƒã woƒe gbedeasi. Enu yi vɔ. Míeɖo tɔkɔ vɔ.

Numadzɔkpɔdzɔ ƒe ɣeyiɣi kae nye esi me míele. Enye ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake esime futɔ la le ƒoƒom ɖe amesiame dzi geɖe wu tsã. Ele nusiwo katã le esi la dam ɖo ɖe mí. Etsi dzodzodzoe, elabena enya be yeƒe ɣeyiɣia va ɖo nuwuwu.

Gake le ɣeyiɣi ma ke me tututu la, míekpɔ dzidzɔ alea gbegbe le míaƒe agbe me kpɔ o.

  • Míete ɖe Aƒetɔ la ŋu alea gbegbe kpɔ o.
  • Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔa míaƒe ŋutilã ƒe ka ɖesiaɖe me fũ.
  • Míaƒe lɔlɔ̃ na Eƒe Nya la melolo alea gbegbe kpɔ o.
  • Míaƒe Ɖeɖefia le Eƒe Nya ŋu yɔa míaƒe luʋɔ me fũ.
  • Míele futɔ ɖesiaɖe dzi ɖum kple Nya la.

EYE, míeka ɖe amesiwo míenye dzi nenema gbegbe kpɔ o:

  • AMEƉOƉIWO
  • AMETIATIAWO
  • TIATIAVIWO
  • FIAƑOME NUKU
  • LƆLƆ̃TƆWO
  • MAVƆMAVƆTƆWO, AWUƔIƲLAYATƆWO, AƑENƆ. JÉSUS, NYAƑOKA SESE, AMESIWOME WOKLẼ ƉO , ÐETUGBUI LE AƑE KƆKƆE, AMESIWO YƆ FŨ KPLE GBƆGBƆA, AMESIWO DZI WOMEÐUNA O, AMESIWO WOXƆ VI, NYA DZADZE ŊUGBETƆ, TSIMATƆE.

Nukae gbɔna le emegbe? Kpe la le vava ge. Míele ŋudzɔ, le lalam hele gbe dom ɖa le gbesiagbe ƒe miniti ɖesiaɖe me. Nu bubu aɖeke mele vevie o negbe be míadzra mía ɖokui ɖo hena Eƒe vava.

Menye, “Míele mɔ kpɔm be” ye o, MÍENYA. Ðikeke aɖeke megali o. Le ɣeyiɣi aɖe me, le aɖabaƒoƒo ɖeka me la, awu enu, eye míanɔ go kemɛ dzi kple míaƒe lɔlɔ̃tɔwo katã kpakple EYA le míaƒe Srɔ̃ɖenuɖuɖu me.

EYE GƆMEDZEDZE KOE NYE EMA…KE NUWUWU AƉEKE MELI O!!

Va dzra ɖo ɖe Srɔ̃ɖe Fiẽnuɖuɖu ma ŋu kpli mí Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12, Jeffersonville ƒe game dzi, esime Mawu le nu ƒom to Eƒe dɔla sesẽ la dzi, amesi Wòdɔ be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ, esime wòagblɔ, aɖe Mawu ƒe nya ɣaɣlawo katã fia.

Nɔvi. Joseph Branham

Message: 61-0806 – Daniel Ƒe Kwasiɖa Blaadrelia

25-0209 Taɖodzinu Adẽ-ƒoƒu Siwo Ta Gabriel Va Daniel Gbɔ

Gbedasi: 61-0730E Taɖodzinu Adẽ-ƒoƒu Siwo Ta Gabriel Va Daniel Gbɔ

PDF


BranhamTabernacle.org

Dzidzɔ Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

míewu Míaƒe mo ɖo ɖe Dziƒo le gbedodoɖa kple kukuɖeɖe me be míakpɔ ŋkeke kple gaƒoƒo si me tututu míele la.

Tovo na tsã la, míebɔbɔ nɔ anyi ɖe du le dziƒo nutome me, tso xexeame godoo, hele Mawu sem wòle Eƒe Nya ɖem fia mí to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla sesẽ la dzi. Anyigba dzi dɔla gbedeasitsɔla si Fofo dɔ ɖo ɖe Eƒe Ŋugbetɔ gbɔ le ŋkeke mamlɛ sia me be wòaɖe Eƒe Nya la afia.

Gabriel nye mawudɔla na Mawu ƒe dukɔ tiatia, Yudatɔwo. Gake na Eƒe Ŋugbetɔ Trɔ̃subɔla la, Melxizedek ŋutɔ va ƒo nu to amegbetɔ ƒe ŋutilã me le anyigba dzi dɔla aɖe si ŋkɔe nye William Marrion Branham me, ale be wòate ŋu aƒo nu eye wòaɖe Eƒe Nya KATÃ afia Eƒe Ŋugbetɔ lɔlɔ̃a.

Ena wolé Esia ɖi, dzrae ɖo ɖi, hekpɔe ta, ale be Ŋugbetɔ la nakpɔ Eƒe gbɔgbɔme Nuɖuɖu, Mana ɣaɣla la, ɖe woƒe asibidɛwo nu le aɖabaƒoƒo ɖesiaɖe me le gbesiagbe ƒe miniti ɖesiaɖe me vaseɖe ɣeyiɣi la ƒe nuwuwu.

Míaƒe ememe yɔa fũ kple amisisi aɖe tɔgbe esi míele Mawu ƒe Gbe sem le Eƒe Nya la ɖem fia mí. Alesi Wòʋua Eƒe Nya la nu ale be míate ŋu akpɔ Eƒe gɔmesese nyuie ahase egɔme. Ele gaƒoƒo si tututu me míele la ɖem fia, le amesiwo míenye kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge kpuie ŋutɔ la gblɔm na mí; míaƒe Kɔkɔdzoe si gbɔna kpuie.

Ele nusiwo ava dzɔ le anyigba dzi afisia esime míanɔ Eyama gbɔ le Srɔ̃ɖenuɖuɖua me la ɖem fia Eƒe Ŋugbetɔ gɔ̃ hã. Alesi wòaʋu Eƒe dukɔ tiatia la ƒe ŋku gbãgbãwo; amesiwo Wògbã ŋku na le Eƒe Ŋugbetɔ Trɔ̃subɔla la ta.

Xɔ̃nyewo, menya alesi xexe sia ti kɔ na mí ale gbegbe eye míedi vevie be Eƒe vava nakplɔ mí dzoe, gake mina míakpɔ dzidzɔ hã eye míada akpe ɖe nusi le edzi yim fifi laa le míaƒe ŋkume tututu la ta.

Mina míakɔ míaƒe asiwo, míaƒe dziwo, míaƒe gbewo ɖe dzi, eye míakpɔ dzidzɔ. Menye ɖeko míele mɔ kpɔm na nusi wɔge Wòle na mí kpuie ŋutɔ ko o, ke mina míakpɔ dzidzɔ ɖe nusi wòle ɖeɖem fia hele wɔwɔm na mí FIFI laa ŋu.

Ele gbɔgblɔm na mí be míenye Yeƒe Ŋugbetɔ si woɖo ɖi do ŋgɔ si le ɖeka wɔm ɖe du kple Ye kple Yeƒe Nya. Ele kakaɖedzi nam mí zi gbɔ zi geɖe be, míele Yeƒe Lɔlɔ̃nu deblibo me to Yeƒe Gbe, Yeƒe Nya, Yeƒe dɔla gbɔ nɔnɔ me. Ena XƆSE mí le amesiwo míenye nyanya kple dzesidede me:
EƑE NYA SI LE ŊUTILÃ ME.

Mele be míavɔ̃ nane o; Naneke meli si ŋu woaxa nu le o; Naneke meli si ŋu wòle be woalé blanui le o. Aleke mewɔ henya ema? MAWU GBLƆ NENEMA! EYATA MÍNA MÍA DZƆDZI, AKPƆ DZIDZƆ, ADA AKPE; NYA AGBAGBE LE AGBE HELE MÍA ME. MÍENYE EƑE FIA ƑOME NUKU KƆKƆTƆ LA.

Mexɔe se vavã be ele be Aƒetɔ la hã nakpɔ dzidzɔ le enyanya be ɣeyiɣia de eye míedzra mía ɖokui ɖo to Eƒe eƒe Nya la me ɖeɖe ɖe asi kple nuteƒewɔwɔ nɛ me.

Abe ɖevi ŋutsuvi sue si kpɔ ahuhɔ̃e me zi gbãtɔ ene la, míele Eƒe Nya la me kpɔm, hele amesiwo MÍENYE la kpɔm. Aƒetɔ…NYEE. Nyee nye Wò Nya Ŋugbetɔ gbagbe la. Nyee nye ame si NÈtia. Mele me Wò, Éle menye, míele Ðeka.

Aleke míate ŋu aɖu azã ahanye ame siwo kpɔ dzidzɔ wu le anyigba dzi o mahã? Ame kɔkɔe kple nyagblɔɖila siwo katã do ŋgɔ na mí la di be yewoanɔ agbe le ŋkeke sia me eye yewoakpɔ ŋugbedodo siawo wòava me. Gake to Mawu ƒe AMENUVEVE me la, Eda MÍ ɖe afisia.

Mele tsɔtsɔm na mí o:

Brrrrr! míatɔwo! Whew! Le gbɔgblɔ bubu me, esi woɖe futɔ la ɖa la, nuvɔ̃ ƒe nuwuwu ɖo, dzɔedzɔenyenye mavɔ ƒe gegeɖeme va, wotre Satana nu ɖe aʋli me, eye Aƒetɔ ƒe sidzedze ayɔ anyigba dzi fũ abe alesi tsiwo yɔ atsiaƒu ene. Amen! Ŋutikɔkɔe na Mawu! Egbɔna, nɔviŋutsu, egbɔna!

Amisisi ka gbegbee nye si ava le Kwasiɖagbe le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esime míaƒo ƒu tso xexeame godoo be míase Mawu ƒe dɔla, Mawu ƒe Gbe na Ŋugbetɔ la, wòahɛ Gbedeasi: Taɖodzinu Adẽ-ƒoƒu Siwo Ta Gabriel Va Daniel Gbɔ 61-0730E vɛ na mí.

Nɔvi. Joseph Branham

25-0202 Gabriel Ƒe Nufiamenyawo Na Daniel

Gbedasi: 61-0730M Gabriel Ƒe Nufiamenyawo Na Daniel

PDF


BranhamTabernacle.org

Tameɖoɖo ƒe Ame Lɔlɔ̃tɔwo,

Vuvɔŋɔli wɔnuku Ka gbegbee nye si me tom míele esi míele Hame ƒe Agbenɔɣi Adreawo srɔ̃m, eye emegbe Mawu le nu geɖe ɖem fia mí le Yesu Kristo ƒe Nyaɖeɖefia ƒe Agbalẽa me. Alesi Nyaɖeɖefia ƒe ta etɔ̃ gbãtɔwo nye Hamea ƒe Agbenɔɣiwo, eye emegbe alesi wokɔ Yohanes dzoe le ta 4 lia kple 5 lia me nɔ nusiwo gbɔna dzɔdzɔ ge fiam mí.

Le ta 6 lia me la, Eɖe alesi Yohanes gaɖiɖi ɖe anyigba dzi be yeakpɔ nusiwo le edzi yim tso Nyaɖeɖefia ƒe ta 6 lia va ɖo ta 19 lia me la fia.

Aleke gbegbe woayra Ŋugbetɔ la Kwasiɖagbe esi míele Mawu ƒe Gbe se ge to Eƒe dɔla adrelia sesẽ la dzi eye wòagblɔ nusi woaɖe afia emegbe la na mí.

Dzidzɔm ŋutɔ be maɖe gbeƒãe be míadze Daniel Ƒe Kwasiɖa Blaadreawo ƒe nusɔsrɔ̃ gã la gɔme azɔ. Nyagblɔɖila la gblɔ be aƒoƒu ɖe Gbedeasia ƒe akpa mamlɛa me hafi míate ŋu ayi ɖe Nutrenu Adreawo me; Kpẽ adre; Fuwɔame Etɔ̃; nyɔnu si le ɣe me; abosam dzĩ la nyanya; ame akpe alafa blaene vɔ ene siwo nu wotre; esiawo katã le dzɔdzɔm le ɣeyiɣi sia me.

Daniel ƒe Agbalẽa nye ɣletigbalẽ si sɔ pɛpɛpɛ na agbenɔɣi kple ɣeyiɣi si me míele, eye meka alesi wòɖadze nu sesẽe o la, Mawu aɖiɖi eye wòana wòanɔ gblɔe na mí.

Eye Mawu nya bena eyae nye nusi dim mele fifia, ale be mate ŋu afa dzi na Eƒe dukɔ agblɔ nusi gbɔna kpuie la na wo, le teƒe sia ŋdi sia, kple egodo le anyigba siwo dzi nyaƒoka yi na la, le xexeame katã, bena míele nuwuwuɣi.

Míenye Mawu ƒe ame tiatia siwo le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma dim vevie hele gbe dom ɖa ɖe ta. Ke míewu míaƒe ŋkuwo dzi ɖoɖe Dziƒo, hele mɔ kpɔm na Eƒe Vava.

Mina mí katã míanɔ abe Daniel ene eye míatsɔ míaƒe mo aɖo Dziƒo, le gbedodoɖa kple kukuɖeɖe me, abe alesi míenyae to Nya la xexlẽ kple Eƒe Gbe sese me ene la, Aƒetɔ la ƒe vava le aƒe tum kabakaba; míele eƒe nuwuwu.

Kpe ɖe mía ŋu Fofo be míaɖe nukpekpe ɖesiaɖe, nuvɔ̃ ɖesiaɖe, dzimaxɔse sue ɖesiaɖe si vuna tsɔ̃a mía dzi bɔbɔe la. Na be míake duɖime ayi míaƒe dziƒo yɔyɔ la gbɔ, esi míenya be seɖoƒe le míaƒe ɣeyiɣi la ŋu ta.

Gbedeasi la do go. Nusianu sɔ gbe azɔ; míele lalam hele ɖiɖim ɖe eme. Wotre Hame la nu. Amevɔ̃ɖiwo gale vɔ̃ɖinyenye dzi wu. Hameawo le hame wɔm ɖe dzi wu, gake Wò ame kɔkɔewo le tetem ɖe ŋu Wò wu.

Gbe aɖe le mía si si le ɣli dom tso gbedadaƒo, hele amewo yɔm be woatrɔ gbɔ va gɔmedze Gbedeasi la gbɔ; trɔ gbɔ va Mawu ƒe nuwo gbɔ. Míese egɔme to Ɖeɖefia me be nu siawo le emevam.

Va wɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi Mawu le Eƒe Nya la ɖe ge afia mí, esi míele míaƒe Daniel ƒe Agbalẽ nusɔsrɔ̃ gã la gɔme dze ge.

Nɔvi. Joseph Branham

61-0730M – Gabriel Ƒe Nufiamenyawo Na Daniel

25-0126 Nyaɖeɖefia, Ta Atɔ̃ Akpa II

Gbedasi: 61-0618 Nyaɖeɖefia, Ta Atɔ̃ Akpa II


BranhamTabernacle.org

Gbɔɖemexɔla Lɔlɔ̃tɔwo,

Esiae nye Vuvɔŋɔli nyuitɔ kekeake le míaƒe agbe me vavã. Aƒetɔ la ƒe vava tu aƒe. Wotre maí nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la; Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ƒe nutrenu be nusianu si ta Kristo ku ɖo la nye mía tɔ.

Míaƒe domenyinu ƒe awobanu, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le mía si azɔ. Enye kakaɖedzi, fe si woxe do ŋgɔ, be woxɔ mí ɖe Kristo me. Míele ɖiɖim ɖe eme le Mawu ƒe ŋugbedodowo me, mlɔ Eƒe Ɣe keklẽ ƒe dzoxɔxɔ me; Eƒe Nya si dzi woɖo kpe, Eƒe Gbe sese.

Enye míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe awobanu. Míetsi dzi be ɖe míele yiyim ɖe Afima alo míele yiyim oa, MÍELE YIYIM! Aleke míewɔ nya ema? Mawu gblɔe nenema! Mawu do eƒe ŋugbe eye míexɔ awobanu la. Míexɔe vɔ eye Kristo lɔ̃ xɔ mí.

Mɔ aɖeke meli si dzi míato ate ɖa le Eŋu o…le nyateƒe me la, míele afima! Nusi wòle be míawɔ koe nye be míalala; Eɖiɖi le Fofo Ɖela dɔwɔm fifi laa tututu. Eƒe awobanu le mía si fifia. Ðeko míele ɣeyiɣi si wòatrɔ ava ɖe mía ta la lalam. Emegbe le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, le aɖabaƒoƒo ɖeka me la, mí katã míadzo ayi ɖe Srɔ̃ɖeɖe ƒe Srɔ̃ɖenuɖuɖu la me.

Be míabu nusiwo katã le ŋgɔ na mí ŋu ko. Míaƒe susu mate ŋu axɔe ekatã ɖe eme o. Gbesiagbe ele Eƒe Nya la me ɖem fia geɖe wu, hele kakaɖedzi nam be ŋugbedodo gã siawo nye mía tɔ.

Xexeame le gbegblẽm; dzowo, anyigbaʋuʋuwo, kple zitɔtɔ le afisiafi, ke woxɔe se be xɔnametɔ yeye aɖe le yewo si si axɔ na xexeame, eye wòahe yewoƒe Nunyoname ƒe Ɣeyiɣi vɛ. Míexɔ míaƒe Ðela xoxo eye míele agbe le míaƒe Nunyoname ƒe Ɣeyiɣi la me.

Fifia Ele mía dzram ɖo ɖe Ɖeɖefia geɖe wu ŋu esi míage ɖe Nyaɖeɖefia ƒe ta 5 lia me. Ele kpea dzi dzram ɖo ɖe afisia na Nutrenu Adreawo ƒe ʋuʋu. Abe alesi wòwɔe le Nyaɖeɖefia ƒe ta 1 gbã me ene, si ʋu mɔ na Hame ƒe Agbenɔɣi Adreawo.

Aleke Vuvɔŋɔli ƒe akpa mamlɛa anɔ na Ŋugbetɔ la? Mina míakpɔe do ŋgɔ vie:

Azɔ, ɣeyiɣi mele asinye o. Meŋlɔe ɖi, tometi aɖewo le eŋu le afisia, gake míaƒe kpekpe si gbɔna hafi míate ŋu age ɖe esia me la…Ðewohĩ ne megbɔ tso nye mɔkeke alo ɣeyiɣi bubu aɖe me la, medi be matsɔ Daniel ƒe kwasiɖa blaadre siawo eye mablae ɖe me afisia tututu, eye mafia afisi wòkplɔe yi Pentekoste ƒe Yubili la le, eye wògbugbɔe vɛ enumake kple fu…adre mawo be woaʋu nutrenu adremawo le afisia hafi míadzo teti, eye míaɖee afia be ele nuwuwu, esiawo…

Ɣeyiɣi wɔnuku kae nye si Aƒetɔ la dzra ɖo ɖi na Eƒe Ŋugbetɔ. Ele nuklom le Eɖokui ŋu le Eƒe Nya me na mí geɖe wu tsã. Ele dzidem ƒo na mí be míenye Eƒe ame tiatia siwo ta wòle vavam ɖo. Ele gbɔgblɔm na mí be míele Yeƒe lɔlɔ̃nu Deblibo la me to Yeƒe Gbe, kple Yeƒe Nya gbɔ nɔnɔ me.

Nuka wɔm míele? Naneke gobi o, Gbɔgbɔm ɖe eme! Le lalam! Agbagbadzedze megali o, tɔtɔtɔtɔ megali o, MÍELE GBƆƉEME XƆM LE EDZI!

Va xɔ gbɔɖeme kpli mí Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míele Mawu ƒe Gbe si DZI WOÐO KPE la se ge wòahe Gbedeasi:
61-0618 – “Nyaɖeɖefia, Ta Atɔ̃ Akpa II” vɛ na mí.

Nɔvi. Joseph Branham

25-0112 Nyaɖeɖefia, Ta Ene Akpa III

Gbedasi: 61-0108 Nyaɖeɖefia, Ta Ene Akpa III


BranhamTabernacle.org

Ame Mavɔ Lɔlɔ̃tɔwo,

Game su be míaɖe míaƒe aʋawɔkuku ɖi eye mido miaƒe gbɔgbɔ me susuwo, ’elabena Mawu le dzadzram ɖo be yeana Yeƒe Nya ƒe Ɖeɖefia geɖe Yeƒe Ŋugbetɔ la.

Aklo nu le blema nyaɣaɣlawo katã ŋu na mí. Agblɔ nu siwo ava dzɔ le etsɔme la na mí. Nusi ame bubu siwo katã le Biblia me kpɔ alo se teti ko la, aɖe Eƒe Nya la kple Eƒe gɔmesese sue ɖesiaɖe afia mí.

Míase Biblia ƒe dzesiwo ƒe gɔmesese ahase wogɔme: Nu Gbagbewo, Ahuhɔ̃e ƒe Atsiaƒu, Dzata, Nyitsuvi, Amegbetɔ, Hɔ̃, Nublanuikpɔkpɔzikpui, Dzɔlawo, Amegã xoxoawo, Gbewo, Therion, Zoon.

Míase nusianu kuɖe Nubabla Xoxoa ƒe dzɔlawo katã ŋu eye míase wokatã gɔme. Yuda: Ɣedzeƒe dzɔla; Efrayim: Ɣetoɖoƒe dzɔla; Rueben: Anyiehe dzɔla; kple Dan: Dziehe dzɔla.

Naneke mate ŋu ava afi aɖeke le nublanuikpɔkpɔ zikpui ma ŋu ne metso to mawo o. Dzata, ame la ƒe nunya; Nyitsu la: dɔwɔsɔ; Hɔ̃: Eƒe ablaɖeɖe.

Alesi Dziƒo, anyigba, le wo domedome, kple godoo, wonye dzɔlawoe. Eye Dzosɔti la nɔ wotame. Naneke meka nublanuikpɔkpɔzikpui ma ŋu ne metso wo to mawo o.

Azɔ Nubabla Yeyea ƒe dzɔlawo li: Mateo, Marko, Luka kple Yohanes, wole yiyim tẽ. Dzata dzɔa ɣedzeƒegbo la ŋu, hɔ̃ si dzona, Yohanes, nyanyuigblɔla la dzɔa dziehegbo la ŋu. Emegbe dɔyɔla si le akpa sia, Luka, ame la.

Nyanyui eneawo dzɔna Pentekoste ƒe Yayrawo ŋu kpakple Ŋɔŋlɔ ɖesiaɖe si de megbe nɛ tututu abe alesi wogblɔe ene. Ke apostolowo ƒe Dɔwɔwɔwo ɖo kpe dzi egbe kpakple Nyanyui eneawo bena Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ, egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.

Ne Mawu ƒe amesiamina vavãtɔ le nuƒom la, Mawu ƒe Gbe ye! Ðeko míedi be míado ɣli be, “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe, na Aƒetɔ la!”

Ðeko mɔ aɖeke meli si dzi woato adzo le Eŋu o. Le nyateƒe me la, míate ŋu adzo le Eŋu o, elabena Madzo le mía gbɔ o. Wotre mía nu va se ɖe míaƒe Xɔxɔgbe la dzi. Naneke meli le etsɔme o, naneke meli si li fifia o, afɔkuwo, dɔwuame, tsikɔwuame, ku, alo NANEKE, mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu me gbɔ o.

Do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoanyi la, wotsɔ míaƒe ŋkɔwo da ɖe Alẽvi la ƒe Agbegbalẽ me be míakpɔ Kekeli SIA, be míaxɔ Gbe Sia, be míaxɔ Gbedeasi Sia dzi ase, be míaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na míaƒe ŋkekea eye míazɔ le Eme. Esi wowu Alẽvi la la, wotsɔ MÍAƑE ŊKƆWO de Agbalẽa me le ɣeyiɣi ma ke si me wotsɔ Alẽvi la ƒe Ŋkɔ de afima. ŊUTIKƆKƆE!!

Eyata, naneke mate ŋu ama mí ɖa tso Gbedeasi sia gbɔ o. Naneke mate ŋu ama mí ɖa tso Gbe ma gbɔ o. Naneke mate ŋu axɔ Nya Sia ƒe Ɖeɖefia le mía si o. Míatɔe wònye. Mawu yɔ mí eye wòtia mí heɖo mí ɖi. Nusianu nye mía tɔ, Míatɔe wònye.

Mɔ ɖeka koe li si dzi nàto akpɔ nusiawo katã. Ele be woatsɔ Nya la ƒe tsi alétsi na wò. Ele be nàse Nya la hafi nàte ŋu age ɖe Afima. Eye mɔ ɖeka koe li si dzi nàto ate ɖe Mawu ŋu, eyae nye to Xɔse dzi. Eye Xɔse va to nu sese me, Mawu ƒe Nya la sese me, si le keklẽm tso kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe dzi yi ɖe agbenɔɣia ƒe gbedeasitsɔla la me.

Ale, le afisia la, hamea ƒe agbenɔɣi ƒe dɔla le keklẽm ɖe tsi ma me si nye Ŋutsu sia si le afisia, le Eƒe amenuveve klẽm ɖoɖa, Eƒe Nyawo, Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃, Eƒe Ŋkɔ. Nuwo katã le keklẽm ɖe eme afisia afisie wokɔ mia ŋu to Edzi xɔxɔ se me. Ɖe miese emea?

Migadzudzɔ nyaƒokawo sese o, minɔ anyi Kpli ko. Midzro Eyama me to Nya la dzi eye miakpɔe ɖa be Esɔ mahã. Enye Mɔ si Mawu na na egbea.

Va kpe ɖe mía ŋu le Vuvɔŋɔli sia me esi míawɔ ɖeka ɖe du tso xexeame ƒe akpa vovovowo eye míase Mawu ƒe Gbe wòaɖe Eƒe Nya fia Eƒe Ŋugbetɔ wu tsã. Amisisi aɖeke meli si lolo wu be miazi play dzi ahaɖo to Eƒe Gbe o.

Tso nye dzi ƒe gogloƒe me ke la mate ŋu agblɔ be: dzi dzɔm ŋutɔ be mate ŋu agblɔ be menye Wo Dometɔ Ðeka kple mia dometɔ ɖesiaɖe.

Nɔvi. Joseph Branham

Gbedeasi: 61-0108 Nyaɖeɖefia Ta Ene Akpa III

Game: Jeffersonville ƔETRƆ ga 12.

25-0105 Nyaɖeɖefia, Ta Ene Akpa II

Gbedasi: 61-0101 Nyaɖeɖefia, Ta Ene Akpa II


BranhamTabernacle.org

Aƒeme Hame Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Mina míakatã míaƒo ƒu eye míase Gbedeasi, 61-0101 Nyaɖeɖefia, Ta Ene Akpa II Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi.

Nɔviŋutsu Joseph Branham

24-1231 Kametete La

Gbedasi: 62-1231 Aʋawɔwɔ


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Meka ɖe edzi be mia dometɔ ɖesiaɖe ɖu Kristmas nyui aɖe kple mia xɔ̃wo kple ƒometɔwo. Aleke gbegbe meda akpee nye si egbea be menya be míaƒe Aƒetɔ Yesu meku ɖe lãnuɖunu me abe alesi xexeame kpɔa Eyama egbea ene o, ke boŋ Ele agbe eye wòle Eƒe Ŋugbetɔ la titina, hele Eɖokui ɖem fia to Eƒe Gbe dzi wu tsã, WOAKAFU AƑETƆ LA.

Abe alesi meɖe gbeƒãe xoxo ene la, medi be míagawɔ Kɔmunĩɔ le míaƒe aƒewo/hamewo me le Ƒe Yeye ƒe Dzodzragbe dzi, Dzome 31lia. Le amesiwo di be yewoakpɔ gome le eme la, míase Gbedasi, 62-1231 Kametete, eye emegbe míage ɖe Kɔmunĩɔ ƒe subɔsubɔdɔa me tẽ, si Nɔviŋutsu Branham ŋutɔ kplɔ le Gbedasi la ƒe nuwuwu.

Kple xɔsetɔ siwo le nutoa me la, míadze nyaƒoka la gɔme le Ɣetrɔ ga 7. Gake le amesiwo le game bubuwo nutowo me la, taflatse midze Gbedeasi la gɔme le game si sɔ na mi dzi. Ne Nɔviŋutsu Branham tsɔ eƒe Ƒe Yeye Dzodzragbe Gbedeasi vɛ vɔ la, míatɔ te nyaƒoka le xexlẽme 59 lia ƒe nuwuwu, eye míaƒo piano hagbe si ade miniti 10 ne míele Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖum. Emegbe míayi nyaƒoka la dzi esime Nɔviŋutsu Branham anɔ takpekpea nu wum. Le nyaƒoka sia dzi la, mewɔ subɔsubɔa ƒe akpa si nye afɔkɔklɔ la ŋudɔ o, míahã míawɔe o.

Miate ŋu kpɔ nufiame siwo kuɖe alesi woawɔ akpɔ wein, kple alesi woaɖa Kɔmunĩɔ ƒe aboloa ŋu le link siwo le gɔme la me. Miate ŋu aƒo odioa alo awɔ eƒe kɔpi tso ɣiɖɔ la dzi, alo miate ŋu aƒo subɔsubɔa tso Voice Radio dzi le Lifeline app dzi (si woaƒo le Eŋlisigbe me le ƔETRƆ ga 7 me le Jeffersonville ƒe game dzi.) ko.

Esi míegogo subɔsubɔ na mía Aƒetɔ la ƒe ƒe bubu la, mina míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ afia Eyama to Eƒe Gbe sese gbã me, eye emegbe la mina míaɖu Eƒe Fiẽnuɖuɖua. Ŋutikɔkɔe kple kɔkɔenyenye ƒe ɣeyiɣi ka gbegbee nye si wòanye esi míagbugbɔ akɔ míaƒe agbe ŋu na Eƒe Subɔsubɔ.
Mawu neyra mi,
Nɔviŋutsu Joseph

24-1229 Nyaɖeɖefia, Ta Ene Akpa I

Gbedasi: 60-1231 Nyaɖeɖefia, Ta Ene Akpa I


BranhamTabernacle.org

Ame Kɔkɔe Siwo Do Awu Ɣi Ʋlaya Lɔlɔ̃tɔwo,

Ne míese Mawu ƒe Gbe le nu ƒom na mí la, nane dzɔna le míaƒe luʋɔ me ɖaa ke. Míaƒe ameti bliboa trɔna eye edze abe xexe si ƒo xlã mí la nu yina ene.

Aleke ame ate ŋu aɖe nusi le edzi yim le míaƒe dziwo, míaƒe susuwo, kple míaƒe luʋɔ me afia, esime Mawu ƒe Gbe le nuklom le Eƒe Nya la ŋu kple Gbedeasi ɖesiaɖe si sem míele?

Abe míaƒe nyagblɔɖila ene la, míesena le mía ɖokui me be wokɔ mí yi dziƒo etɔ̃lia me eye wòdze abe ɖe míaƒe gbɔgbɔ dzo le ŋutilã kuku sia me ene. Nya aɖeke meli si míatsɔ aɖe nusi míesena le mía ɖokui me afia esime Mawu le Eƒe Nya ɖem fia mí wu tsã ene o.

Wotsɔ Yohanes da ɖe Patmo ƒukpo dzi eye wobia tso esi be wòaŋlɔ nu si wòkpɔ la ade agbalẽ aɖe si woyɔ be Nyaɖeɖefia me, ale be wòato agbenɔɣiawo me. Woɣla nya ɣaɣla mawo vaseɖe esime woɖe wo fia mí to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla 7 lia tiatia dzi.

Emegbe la Yohanes se Gbe ma ke le etame eye wokɔe yi dziƒo etɔ̃lia. Gbe ma fia eyama hame ƒe agbenɔɣiwo, Yudatɔwo ƒe vava, fuwɔamewo ƒe kɔkɔɖi, Kɔkɔdzoe, Tɔtrɔ gbɔ la, Milenium la, kple Eƒe ɖeɖekpɔlawo ƒe Aƒe Mavɔ la. Ekɔ Yohanes yi dzi eye wòna wòto nu bliboa me abe alesi Wògblɔ be Yeawɔe ene.

Gake amekae Yohanes kpɔ esi wòkpɔ nukpɔkpɔ la do ŋgɔ? Ame aɖeke menyae ŋutɔ kɔŋ vaseɖe egbe o.

Nu gbãtɔ si wòkpɔ le vava la mee nye Mose. Etsi tre ɖi na ame kɔkɔe kuku siwo woafɔ ɖe tsitre; agbenɔɣi ade siwo katã dɔ alɔ̃.
Gake menye Mose koe tsi tre ɖe afima o, ke Eliya hã nɔ afima.

Amekae nye Eliya ma si nɔ tsitre?

Gake Eliya nɔ afima; ŋkeke mamlɛa ƒe gbedeasitsɔla, kple eƒe hatsotso la, amesiwo ƒe nɔnɔme trɔ, Amesiwo Wokɔ dzoe.

GLORIA…HALELUYA…amekae Yohanes kpɔ wòtsi tre ɖe afima?

Ame bubu aɖeke o negbe Mawu ƒe dɔla gbedeasitsɔla 7 lia, William Marrion Branham, kple EƑE HATSOTSO SI ƑE NƆNƆME WOTRƆ HEKƆ DZO … MÍA DOMETƆ ÐESIAƉE!!

Eliya tsi tre ɖi na ha si wokɔ dzo la. Miɖo ŋku edzi be, Mose ye nye gbã, ke emegbe Eliya. Ele be Eliya nanye ŋkeke mamlɛa ƒe gbedeasitsɔla, be tsitretsitsia ava kple eyama kpeɖe eƒe hatsotsoa ŋu…ava…enyo, Kɔkɔdzoe ava, gblɔm mele. Mose he tsitretsitsi vɛ eye Eliya kplɔ hatsotso si Wokɔ dzoe geɖe me. Ke, le afima la, wonɔ tsitre ɖi na wo evea siaa le afima tututu.

Nukoklo le nu ŋu, ɖeɖefia, kple Nyaɖeɖefia ƒe nya gblɔm mielea.

Yenye Esi! Ele afisia kpli Mí tututu azɔ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Yesu Kristo, eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Mienye…Ele gbeƒã ɖem na mi, Ele nu fiam mi, Ele agbagba dzem be yeana miakpɔ nusi nye nyui kple vɔ̃. Enye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Ŋutɔ si le nu ƒom to amegbetɔ ƒe nuyiwo dzi, le dɔ wɔm le amegbetɔwo dome, le agbagba dzem be yeaɖe nublanuikpɔkpɔ kple amenuveve afia.

Míawoe nye Ame Kɔkɔe siwo do Awu Ʋlaya Ɣi siwo eƒe dɔla kpɔ siwo tso anyigba ƒe akpa sia akpa va ɖu Agbebolo la. Míele agɔsɔ me Kplii eye míeɖe Eyama hese Eƒe ŋugbedodo ƒe ŋugbugbɔ le míaƒe dzi me. Míeɖe adzɔgbe na Eyama, ke na Eƒe Gbe ɖeɖeko. Míe, eye míatsɔ gbe bubu aɖeke aƒoɖi míaɖokui o.

Ŋugbetɔ le dzadzram ɖo be yealia dzi abe alesi Yohanes wɔe ene; age ɖe Mawu ƒe Ŋkume. Wolé míakɔ ge adzo le Hamea ƒe Kɔkɔdzoe me. Aleke gbegbe ema ʋãa míaƒe luʋɔ ko enye si!

Nukae Wòaɖe afia mí emegbe?

Ʋɔnudɔdrɔ̃wo; sardis kpe, kple nusi wòle tsi tre ɖi na; akpa si wòwɔ. Yaspis, kple kpe vovovoawo katã. Atsɔ esiawo katã ayi to Ezekiel dzi, atrɔ ayi Mose I, atrɔ ayi Nyaɖeɖefia gbɔ, aɖiɖi ɖe Biblia titina, ablae ɖe du; kpe vovovo siawo katã kple amadedewo.

Enye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ke, Mawu ma ke, si le dzesi mawo ke ɖem fia, nukunu mawo ke, le nu ma ke wɔm abe alesi Wòdo ŋugbee ene. Enye Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ si le Eɖokui dzram ɖo to Eƒe Gbe sese me.

Míaxɔ wò nyuie be nàwɔ ɖeka kple mí esime míage ɖe dziƒo nutowo me le ɣetrɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, be míase Eliya, Mawu ƒe gbedeasitsɔla na agbenɔɣi mamle sia, wòaɖe nya ɣaɣla siwo woɣla le agbenɔɣiawo katã me la afia.

Nɔvi. Joseph Branham

Gbedeasi: 60-1231 Nyaɖeɖefia, Ta Ene Akpa I

  • Taflatse miɖo ŋku míaƒe Ƒe Yeye ƒe Gbedeasi la dzi, Blaɖa zã: Kametete 62-1231. Mɔ nyui aɖeke megali si dzi woato adze Ƒe Yeyea gɔme o.