Category Archives: Uncategorized

23-1119 Kristo Yenye Mawu Ƒe Nyaɣlaɣla Si Woɖe Fia

Gbedasi: 63-0728 Kristo Yenye Mawu Ƒe Nyaɣlaɣla Si Woɖe Fia


BranhamTabernacle.org

Nyagblɔɖila Ƒe Dzi Ƒe Lɔlɔ̃tɔ Vevietɔ,

Woawoe nye a—amesiwo wodi na Wò, to Gbɔgbɔ la kple to Nyateƒe ƒe Nya la dzi. Eye mele gbedom ɖa be Nàyra wo, Aƒetɔ, eye léwo ɖi ɖe du kplikplikpli kple Kristo ƒe lɔlɔ̃ ƒe bablawo.

Midzraɖo, míele yayrawo, amisisiwo kple Ɖeɖefia xɔ ge wu tsã. Míele woŋkɔ sem le míaƒe luʋɔwo me, nane le mɔ dzi gbɔna. Game la su. Míele dzidzɔ me alegbegbe hele mɔkpɔkpɔ gãwo me. Ŋugbetɔ la le xexea katã me le ƒuƒom be yease Gbedeasi aɖe si le míakɔ ge yi kɔkɔƒe yeyewo, aɖayɔ mí fũ, agayɔ mí fũ, eye emegbe la agbugbɔ yɔ mi fũ kple Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe tso Mawu ƒe fiazi la me.

Ŋɔŋlɔ le eme va ge. Toklãnana va me. Ʋɔŋudɔdrɔ̃ tu aƒe. Aƒetɔ la gbɔna be yeayɔ Yeƒe Ŋugbetɔ yiɖe míaƒe Srɔ̃ɖeɖe Zã la me. Yɔyɔ mamlea ɖi. Mawu ƒe vava va ɖo. EGBƆNA NA MÍ.

Míenye Eƒe Nuku si woɖoɖi si le Ekpɔm helɔ̃ Xɔe. Wogbã míaƒe nuvɔ̃wo, wobu. Wogeɖe Yesu Kristo ƒe Ʋu ƒe nuŋlɔtsi me, eye mele be woagaɖo ŋku wo dzi gbeɖe o. Mawu ŋlɔ WOKATÃ be. Míele tsitre abe Mawu ƒe viŋutsu kple vinyɔnu, le Mawu ƒe ŋkume ene. Míenyee FIFIA…menye miavanyee o; míenye Mawu ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo.

Míele dzesi dem nu ɖeka, NYA LA. NYAƑOKAWO. GBEDEASI SIA. Wole ɖeka.

Eye zi ɖeka ake, ɣeyiɣi aɖe koe nye esi, esime Ètsɔ ŋutega la fia, agbadɔ sue la le afisia, kuɖe woadzra Nuɖuɖu la ɖi, bena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime wole esia katã hĩa ge ŋu… “Dzra Nuɖuɖu sia ɖi ɖe afisia na ɣeyiɣi la.

Ɣeyiɣi lae nye esi. Nuɖuɖu lae nye Esi. Míawoe nye dukɔ la. Ɖeɖefia la le Míasi.

Bubuwo ate ŋu da Nyaƒoka Subɔsubɔdɔ la ƒe asixɔxɔ ƒu. Míawo ya o. Míaƒe agbewo ye, enye nu sia nu na mí. Ewu agbe na mí. Ne míeɖo biabia aɖe kuɖe nane ŋu la, míeyina ɖabiana ame aɖe be neɖe egɔme na mí, alo wòadii na mí o. Ɖeko míewɔna tututu abe alesi Mawu ƒe dɔla fia mí be míawɔe ne míele nugɔmesem o alo ne biabia aɖe le míasi ene.

Ɖee miese egɔmea? Ne mieda ƒu la, mitrɔ gbɔ va nyaƒoka sia gbɔ ake. Nyemenya va sẽ ɖe ɣekaɣie maganɔ anyi kpli mi o. Miɖo ŋku dzi, Nyateƒe lae nye esi, kuɖe ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI ŋu. Nyateƒe Lae. Ŋɔŋlɔ lae Wònye.

Ne mieda ƒu la, mitrɔ gbɔ va nyaƒoka la gbɔ.

Migakpɔ dziku ɖe míaŋu o, nusi WÒGBLƆ lae ma…KPEƉE, esiae nye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI ƑE NYATEƑE la ŋu. Megblɔ be Eƒe akpa aɖe, Eƒe ɖe, alo ne ame aɖe ɖe nusi nye Nya si wosi ami na kple esi menyee o la o. NYAƑOKAWO NYE ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI.

Ɖewomahĩ miate ŋu Lée, alo ase Egɔme o alo womekpɔ Ɖee fia mi haɖe o. Gake na míawo ya la, nusi gblɔm WÒLE na mí to Eƒe nyagblɔɖila dzi yenye esi.

Ènya alesi ègblɔa nuwo na srɔ̃wò, nyɔnuvi sue si ɖe ge nàla la. Èlɔ̃nɛ alegbegbe, ɖeko ègblɔna nyaɣaɣlawo nɛ, eye nènana wònɔa wò axadzi, eye wòlɔ̃na wò kple nu sia nu. Mienya alesi wòle.

Nusi Mawu, Kristo, le wɔwɔm na Hame lae ma. Mikpɔea? Ena Wòle nyaɣaɣlawo nyam, nyaɣaɣlawo ɖeɖeko. Menye ahĩadzela siawo o; Esrɔ̃a Ye gblɔm mele.

Ke ɖeko míele Wokatã xɔm de eme ko. O alesi gbegbe Ŋugbetɔ aɖe dzɔadzi hetina dzodzodzoe doŋgɔ na eƒe srɔ̃ɖeɖe tututu. Bebli hafi míate ŋu zi kpoo. Míele minitiawo ɣlẽm…. aɖabaƒoƒoawo. Eyi edzi kpɔtɔ le egblɔm na mí ɖe dzi kple ɖe dzi ko alesi gbegbe Wòlɔ̃na mí.

Satana kpɔtɔ le ƒoƒom ɖe míadzi wu tsã ŋutɔ, gake nusi medzra ɖo ɖi na o la, yenye be fifia la míe NYA amesiwo míenye. Ɖikeke aɖeke megali o, MÍAWOE NYE NYA SI WOƉE GBLƆ LA. Míate ŋui, eye míele ewɔm, le Nya la ɖem le gbɔgblɔm. Ŋuɖoɖo le míasi na Satana. Mawu ɖo kpe Eɖokui dzi. Míenye Eƒe Nya gbagbe la eye míele nuƒom kple tɔtete si Wòna mí la.

Azɔ Yenye esia egbe, le Eƒe Nya me, le numake si Wòwɔ le afima la ɖem ɖe go. Mate ŋu de dzesi tanyenye bubu aɖeke o. Kpao, amegã. Bishɔf aɖeke meli o, naneke kura o. Ele dzesi dem Tanyenye ɖeka, Kristo ye ma, eye Kristo yenye Nya la. Oo, míatɔwo! Whew! Melɔ̃a ema. Uh! Ẽ, amegã.

Míenye Fiaɖuƒe aɖe me tɔ, ke Fiaɖuƒe lae nye Mawu ƒe Nya si zu Gbɔgbɔ kple Agbe le míaŋutɔ ƒe agbe me. Le esiata, míenye Eƒe Nya gbagbe la.

Le nyateƒe me la esia le nyawo KATÃ gblɔm xɔ̃nyewo, NE ƉEƉEFIA VAVÃTƆ LA LE MIASI BE MIAXƆE EYE MIAXƆE SE.

Mide dzesi azɔ, míwɔ ɖeka ɖe du le Tanyenye ɖeka te, abe, gbaɖegbe Israel ene. Azɔ miele egɔme sema? Abe gbaɖegbe Israel ene; Mawu ɖeka, si dzi woɖo kpe kple Dzo Lilikpo, eye Wòɖe Eɖokui fia to nyagblɔɖila aɖe dzi, be wòanye Nya la. Mawu ma ke, Dzo Lilikpo ma ke, le nɔnɔme me ma ke dzi; Mate ŋu trɔ Eƒe mɔ o. Enye be…Ede blibo ko alesi wòate ŋui.

Nyagblɔɖila la… mina esia negeɖe me. Mawu ɖeka, si dzi woɖokpe kple Dzo Lilikpo, to nyagblɔɖila aɖe dzi, be enye Nya la na ŋkeke ma, eye Mate ŋu trɔ o.

Mate ŋu ayi dzi agayi dzi, eye míate ŋu dzɔdzi aɖadeka kple numegbe ɖe numegbe dzi; eye míele ewɔ ge, le xexea katã me Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Kristo Yenye Mawu Ƒe Nyaɣaɣla Si Woɖe Fia 63-0728.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Mateo kɔkɔe 16:15-17
Luka Kɔkɔe Ta 24lia
Yohanes Kɔkɔe 5:24 / 14:12
Korintotɔwo I ta 2lia
Efesotɔwo Ta 1
Kolosetɔwo Ta 1
Nyaɖeɖefia 7:9-10

23-1112 Mawu Meyɔna Ame Va Ʋɔnudɔdrɔ̃ Me Le Toklãnana Eyama Manɔmee Gbã O

Gbedasi: 63-0724 Mawu Meyɔna Ame Va Ʋɔnudɔdrɔ̃ Me Le Toklãnana Eyama Manɔmee Gbã O


BranhamTabernacle.org

Gaƒoɖokui Tometi sue, Tometi gã, Agbledela & Nyɔnu Aƒedzikpɔla Lɔlɔ̃tɔwo,

Nukake ye wònye si le Mawu si na mi be miawɔ la, dzikpɔkpɔ le miasi ɖe ema dzi. Elebe miana akɔŋta Mawu ɖe eta. Meka alesi futɔ la le gbɔgblɔm na mi be mieɖi naneke o la, miele vevie na Mawu alegbegbe be Eƒe wɔti gã la mate ŋu wɔ dɔ miawo manɔmee o.

Eyɔ mi, tia mi, ɖo mi ɖi, eye wòna mi Eƒe nuwuɣi ƒe Gbedeasi gã la ƒe ɖeɖefia. Eɖo ŋu ɖe miaŋu 100%. Miawoe nye Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ ŋutɔŋutɔ, Eƒe Dzi lɔlɔ̃tɔ, eye Wòlɔ̃na mi ŋutɔ.

Enana toklã madzudzɔmadzudzɔe amewo le dukɔwo katã me be, “Mitrɔ dzi me, alo miatsrɔ̃”, “Mitrɔ gbɔ va Nya la gbɔ”, “Midzraɖo, nane le dzɔdzɔ ge.” Ɣeyiɣi ma va ɖo mlɔeba. Mawu gbɔna na Eƒe Ŋugbetɔ la, tututu ko abe alesi Wòdo ŋugbe be yeawɔe ene. Eyɔ Eƒe Ʋufɔti la do go le ʋufɔti la me.

Geɖewo tra mɔ le Mawu ƒe nuwuɣi ƒe Gbedeasi gã la gbɔ egbea, le gbɔgblɔm be, “nusi wògblɔ be adzɔ la, meva me o. Nuwo katã le nenema ke. Dzidzimewoe va yi hafi Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe nyagblɔɖi geɖewo va me. Gake evame tso, tututu abe alesi wogblɔe ene. Nya ɖe Nya dzi.

Eƒe Biblia gblɔ na mí be: Abe alesi wònɔ le Noa ƒe ŋkekewo me ene la, nenema ke wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava me”. Hafi Mawu nadɔ eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖa be yeatsrɔ̃ xexeame le tsiɖɔɖɔ ƒe agbenɔɣi gã ma me la, Mawu dɔ nyagblɔɖila aɖe ɖo xexeame. Nukae nyagblɔɖila ma wɔ?

Edzra amewo ɖi na ɣeyiɣi la. Noa dzra amewo ɖi, ke enye nublanuikpɔkpɔ ƒe yɔyɔ do ŋgɔ na ʋɔŋudɔdrɔ̃ la.

Noa dzra amewo ɖi hafi ʋɔŋudɔdrɔ̃ la va enawo toklã kuɖe eŋu. Enye Mawu ƒe Mɔ si wòta na ŋkeke ma.

Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ na mí be Mawu metrɔna Eƒe ɖoɖo gbeɖe o. Nusi Wòwɔ le ɣeyiɣi ma me la, Egale ewɔm egbea. Ɖeko míele ANYI NƆ GE KPLE ƉOƉO SI MAWU NA EGBEA EYE MÍAZI PLAY.

Abe ɣeyiɣi ma me ene la, amewo gblɔna be míetena gbe ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖila dzi akpa; Gbɔgbɔ Kɔkɔe Wònye, menye William Branham ye o. Míegblɔna be, AMEN, menye amegbetɔ ƒe nyae sem míele o, nusi EYA GBLƆ ko sem míele.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae nye Nyagblɔɖila na gaƒoƒo sia; Ele kpe ɖom Eƒe Nya dzi, hele Eɖem fia. Gbɔgbɔ Kɔkɔe nye Nyagblɔɖila le Mose ŋɔli. Gbɔgbɔ Kɔkɔe nye Nyagblɔɖila le Mixa ŋɔli. Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si ŋlɔ Nya la, va heɖo kpe Nya la dzi.

Gake Nɔviŋutsu Branham gblɔ na mi kɔsiɖa si va yia me pɛ be;

Azɔ, mikpɔea, mikpɔ nyuie kokoko na nusi sem miele la. Mikpɔea? Geɖewo le eme akpa wɔe bena amegbetɔ ƒe akpa ko wònye

Nyemegblɔe bena Aƒetɔ la gblɔ ema nam o. “Me” xɔese, mikpɔea. Eye mexɔese be mele be woawɔe o.

Na nye kple nye aƒe ya, matsɔ nusi Mawu ƒe dɔtsɔla kple gbedeasitsɔla adrelia XƆNASE, SUSUNA ALO GƆ HÃ SENA LE EƉOKUI ME le mawunyagblɔla, bishof alo ame bubu ɖe sia ɖe ta me.

Amekae Mawu dɔ kpɔ be wòadrɔ̃ ʋɔŋu nusi Yeƒe nyagblɔɖila xɔase, sena le eɖokui me alo susuna gɔ hã be wogbɔɖe me alo womegbɔ ɖe eme o hã?…Mina magblɔ amesi mesusu be eyae la na mi.

Mikpɔ Kora, le ŋkeke siwo me Mawu dɔ Mose kple gbedeasi ɖa la ɖa, ke Kora kple Datan bu susu, va Mose gbɔ, hegblɔ be, “Azɔ, lala vie, ele gbe tém ɖe ɖokuiwò dzi akpa! Èsusui be wòenye kpe ɖeka si le aƒua ta; kpakpaxe si le ba me, woénye ɖeka si li. Mana nànyae be ame bubuwo li siwo hã le, kɔkɔe!”

Toklãnana, ʋɔŋudɔdrɔ̃ tu aƒe. Mitrɔ gbɔ va GƆMEDZEDZE NYA la gbɔ. Mitrɔ gbɔ va Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkeke kpɔ. Mitrɔ gbɔ va Mawu ƒe nyagblɔɖila gbɔ. Gbedeasi sia, Eƒe Gbe. Elebe Wòanye GBÃTƆ kple nu vevietɔ la na mi.

Ɖikeke aɖeke meli be gbe, kple yɔyɔ le bubuwo si, be woaɖe gbeƒã aɖafia Gbedeasi sia o. Gake Nyaƒokawo, Gbe ma, elebe wòanye Gbe vevietɔ si miate ŋu se le miaƒe aƒewo me, miaƒe ʋuwo me, eye vevietɔ la, le miaƒe hamea me, ne miedi be mianye Mawu ƒe Ŋugbetɔ.

Miva se Gbe ma kpli mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, le Jeffersonville ƒe game, esime Mawu ƒe nyagblɔɖila anɔ toklã nam xexeame bena Aƒetɔ la ƒe vava tu aƒe. Esia ate ŋu anye zi mamletɔ la.

Nɔvi. Joseph Branham

Mawu Meyɔna Ame Va Ʋɔnudɔdrɔ̃ Me Le Toklãnana Eyama Manɔmee Gbã O.
63-0724

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Yesaya 38:1-5
Amos Ta 1

23-1105 Etsɔa Ɖe Le Eme. Ɖee Mietsɔa Ɖe Le Mea?

Gbedasi: 63-0721 Etsɔa Ɖe Le Eme. Ɖee Mietsɔa Ɖe Le Mea?


BranhamTabernacle.org

Nyanyuie Vi Lɔlɔ̃tɔwo,

Míawoe nye dukɔ yayratɔ kekeake si zɔ le anyigba dzi kpɔ. Gɔ hã ɖe ɖee míate ŋu dze Mawu ƒe dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia ŋu bubu be wòle nya siawo gblɔm na mí be:

Melɔ̃a mi. Oo, melɔ̃a mi abe ɖee mienye nye ŋutɔ vinyewo ene, eye mienye vinyewo le Nyanyuie la me. Medi mi na Kristo, to Nyanyuie la dzi.

Mawu léa be na mí alegbegbe be Edɔ Eƒe nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe ɖe mí kple Dzo Lilikpo ƒe dzesi be yeana míanya be menye ame sia ko wònye nɔ zɔzɔm kpli mí o, gake Mawu wònye nɔ etame tututu. Eyae nye Amesi le mɔa ŋgɔ.

Le esi Wòléa be na mí ta, hafi ʋɔŋudrɔdrɔ̃ gã nava la, Edzra mɔ aɖe ɖo ɖi na mí alebe míavo tso ʋɔŋudrɔdrɔ̃ siwo katã gbɔna la si me. Sisimɔ ma la, míawo Ametitiawo, ɖeɖeko tɔe. Míawoe nye amesiwo lɔ̃ xɔ Agbekui sia. Míawoe nye amesiwo woɖoɖi be Míakpɔe. Míawoe nye amesiwo si nyaƒoka subɔsubɔdɔ gã sia ƒe Ɖeɖefia le.

Eku ɖe subɔsubɔdɔ sia ta. Eku alebe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ate ŋu anɔ afisia le ŋkeke sia me be yeafia nusiawo. Elé be na mi. Etsɔ ɖe le eme be Yeahee va afisia. Ekpɔ gbɔ be yeawɔ nyameʋuʋu la. Etsɔ ɖe le eme elabena Elɔ̃ mi. Etsɔ ɖe le eme alegbegbe be yeawɔe, be yeadɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖa na esia, be yeawɔ subɔsubɔdɔ sia egbea.

Ne woɖo mi ɖi na Agbe Mavɔ la, miele Ese ge eye miakpɔ dzidzɔ le Eme. Miaƒe Akɔfafa ye. Nusi miedi vevie le miaƒe agbe blibo la me lae. Adzagba xɔasi ma ye. Míegblẽ nu sia nu ɖi ɖe Gbedeasi sia, Gbe sia ta. Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo wònye le nuƒom na mí.

Mele be ame aɖeke na wɔ na mí abe vidzĩ míenye ene o, XƆSETƆWOE MÍENYE, naneke meli si ate ŋu Xɔe ɖa le míagbɔ o. Míetsɔ ɖeke le me na nusi gblɔm ame aɖe le o, míexɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se.

Eléa be na mí alegbegbe; ne míehĩa dɔyɔyɔ la, ɖeko míexɔa Eƒe Nya dzi sena tso míaƒe dzi me ke. Ekema meka nusi ɖɔkita gã aɖe, nusi akɔfala aɖe, nusi dɔyɔla aɖe, nusi dɔyɔƒe aɖe, nusi dodokpɔ aɖe agblɔ o la, ɖeko míexɔna Eƒe Nya dzi sena. Ɖeko Míenyae! Mehĩa be woagagblɔ nu bubu aɖe kuɖe Eŋu o; Míenyae.

Elé be na mí alegbegbe be Wòna Eƒe nyagblɔɖila dzra Nuɖuɖu ɖi na Eƒe Ŋugbetɔ. Ena nufiame pastɔ, osɔfo, kple ame ƒe hatsotso ɖe sia ɖe le xexea katã me gɔ hã be woawɔ ɖe eƒe nufiameawo dzi eye woaƒo nyaƒoka siawo le woƒe ƑUƑOƑE alo hatsotsowo me.

Ne mi ameawo awɔ esia ŋdi sia ko, amesiwo ta wole gbedoge ɖa ɖo, kple mi amesiwo le nyaƒoka sia sem, le xexea katã me, ke ne woƒo nyaƒoka sia vɔ, eye osɔfo alo amesi le eƒom le ƒuƒoƒe aɖe me, le hatsotsowo me le egodo le avetsuwo me alo afikake miele, amesiwo le eƒom la, miawɔ miaƒe nyameʋuʋu eme nakɔ gbã, ke emegbe la miva kple naneke le miaƒe dzi me kura o, negbe xɔse, eye woado gbe ɖa ɖe miata, ele me be, Atike la awɔ dɔ.

Mesusui be míaƒe nyahelawo gblɔna be nyagblɔɖila MEGBLƆ KPƆ be woaƒo nyaƒokawo le hame me o ɖe? Menye le woƒe hameawo me ɖeɖeko wògblɔ o, gake le avetsuwo me alo AFIKAKE miele la…MIƑO NYAƑOKAWO.

Ne miaɖo to awɔ nusi tututu Mawu gblɔ to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia si dzi woɖo kpe dzi la, ekema miawo hã XƆSE gãtɔ si ate ŋu su miasi la ate ŋu su miasi.

Me, me… gbã la, eye be woate ɖe esia ŋu la, elebe woasi ami na nyaselawo kple xɔse. Mi—mi, ne xɔse mele miasi o la, ekema mehĩa—mehĩa gɔ hã be miava be woado gbeɖa ɖe miata o, elabena ahĩa na miaƒe xɔse kple nye xɔse ɖe du; nye xɔse be maxɔ Eyama dzi se, miaƒe xɔse be miaxɔ Eyama dzi se.

Míaŋutɔ míelé ebum ko be, alo le egblɔm ko, alo le mɔkpɔm be nenemae wòle o. Nyaƒokawo nye Mɔ si Mawu na na egbea. Menye ame aɖe si woyɔ be William Marrion Branham ƒe nyawoe o, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Nya siwo woɖe fia ye. Eyae wònye madamadatɔe, “Amen!” Míaƒe tɔɖoƒe ye. Enye Nyateƒe la ke Nyateƒe la ɖeɖeko sɔŋ.

Ke ne miekpɔ Mawu ƒe Tɔɖoƒe, Eƒe Nya, ŋugbedodo aɖe le nane ŋu la, elebe mianyae gbã be Mawu ƒe Nya wònye, be nusi kpɔm miele wole wɔwɔm la nye Mawu. “Ewɔ abe nenemae, ate ŋu anyee, edze abe ate ŋu nyee fãa” aɖeke meli—meli o—meli o.” “Mawu ye Wònye!” Ekema ne mieva ɖo ɖoƒe ma la, ekema Adzagba xɔasi lae ma, elebe miate ɖa le nu sia nu si ame bubu aɖe le gbɔgblɔm na mi si tovovo Nɛ la gbɔ. Mele be miakpɔ nusi amegbetɔ wɔ dzi o.

Míele LƆLƆ̃ GÃ ƑE AZÃ GÃ aɖe ɖu ge Kɔsiɖagbe sia. Míele nusi tututu Mawu ƒe dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia si dzi woɖo kpe gblɔ na mí be míawɔ la wɔ ge: Míazi Play eye míawɔ ɖe edzi.

NUKAKE míehĩa la, míele exɔ ge. Míele Exɔ ge elabena míele míaƒe xɔse tsɔ ge akpe ɖe EƑE XƆSE ŋu be míaxɔ Eyama dzi se. Emegbe la míakatã míele gbɔgblɔ ge be:

Tso ɣeyiɣi sia dzi la, nane le nye dzi me le gbɔgblɔm nam bena nye xaxawo ŋu tso. Me—mehaya, mahaya”? Ɖee miexɔe sea? Mido miaƒe asiwo dzi, “Mexɔ Ema se!” Mawu ne yra mi.

Le esime Mawu tsɔa ɖe le me ta, mele miakpem be miava wɔ ɖeka kpli mí; alo mele dzidem ƒo na miaƒe pastɔ, miaƒe ŋgɔnɔla, be wòakplɔ nyagblɔɖila ƒe nufiameawo ɖo, eye wòase Mawu ƒe dɔla adrelia wòagblɔ Mawu ƒe Nya eye miaxɔ nukakee miehĩa, Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game esime míase: 63-0721 Etsɔa Ɖe Le Eme. Ɖee Mietsɔa Ɖe Le Mea?

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Yohanes Kɔkɔe 5:24 / 15:26
Petro I 5:1-7
Hebritɔwo 4:1-4

23-1029 Gatɔ

Gbedasi: 63-0717 Gatɔ

PDF


BranhamTabernacle.org

Gaxɔmenɔtɔ Lɔlɔ̃tɔwo,

Agbe si nɔm miele fifia la aɖe agbe si mianɔ ɖe mienɔ agbe le Noa, alo Mose ƒe ŋkekewo me, elabena gbɔgbɔ ma kee xɔ mi do. Gbɔgbɔ ma ke si le miame fifia la nɔ amewo me le ɣeyiɣi ma me.

Ɖee mienɔ agbe le Noa ƒe ŋkekewo me la, ameka ƒe akpa dzi mianɔ le ɣeyiɣi ma mee? Ɖee miage ɖe tɔdziʋu la me kple Noa anɔ exɔm nɔ sesem be eyae nye amesi Mawu tia be wòatu aɖakaʋu la eye wòakplɔ amewo, loo ɖee miagblɔ be, “Nye hã mate ŋu atu aɖakaʋu. Nye hã menye tɔdziʋuƒetɔ nyuie kple tɔdziʋutula”?

Kae kuɖe ɖee mienɔ agbe le Mose ƒe ŋkekewo me ŋu? Ɖee mianɔ anyi kple Mose aɖaxɔe se be eyae nye amesi Mawu tia be wòakplɔ amewo, loo ɖee miadzo ayi kple Datan kple Kora esime wogblɔ bena “Míawo hã míele kɔkɔe, nane le míasi be míagblɔ. Mawu tia míawo hã.”?

Elebe míadometɔ ɖe sia ɖe natia, egbe sia, le ku kple agbe dome.
Nyemetsɔ ɖeke le me na akpa si dzi ebe yele o. Nusi wɔm nèle, gbe sia gbe la, ɖoa kpe nusi nènye la dzi. Míele Play Zim GBE SIA GBE.

Ɖee nèle Nya me gbe sia gbea? Ɖee nèle gbedom ɖa, le Aƒetɔ la ƒe Lɔlɔ̃nu deblibo dim le nu sia nu si nèwɔna mea? Ɖee nèle play zim hele Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe la sem gbe sia gbea? Ɖee nèxɔe se be ele vevie kutɔkutɔe be Woazi Play mahã? Ɖee nèxɔe se be Gbe ma si le nyaƒokawo dzi la nye Mawu ƒe Gbe na egbea?

Na míawo ya la, ŋuɖoɖo lae nye Ẽ. Míele egblɔm na xexeame be míenye Mawu ƒe Nya, Eƒe Gbedeasi la, Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkeke la ƒe Gaxɔmenɔtɔwo. Ẽ, míexɔ Play Zizi dzi se kple míaƒe dzi blibo. Ẽ, míexɔe se be woyɔ hame ƒe agbenɔɣi 7lia ƒe gbedeasitsɔla be wòakplɔ Ŋugbetɔ la. Ẽ, Gbe ma si le nyaƒokawo dzi la nye Gbe vevietɔ si wòle be woase.

Mawu ƒe Lɔlɔ̃ La, Eƒe Gbe, Gbedeasi sia tri akɔ alegbegbe, enye Ɖeɖefia tɔgbe aɖe na mí, si Gbɔ míate ŋu ate ɖa le o. Míezu Eƒe Gaxɔmenɔtɔ.

Míedzra nububu ɖe sia ɖe. Meka nusi ame aɖe le gbɔgblɔm o la, Wotsɔe de numega na mí. Nane kuɖe Eŋu wɔe be ɖeko míate ŋu te ɖa le Egbɔ o. Míaƒe agbewo ƒe dzidzɔ ye ma. Míate ŋu nɔ agbe Esia manɔmee o.

Dzi le míadzɔm alegbegbe, míede akpe alegbegbe, míele adegbe ƒom alegbegbe be míenye Aƒetɔ la kple Eƒe Gbedeasi la ƒe gaxɔmenɔtɔ; elabena ɖekae wole. Ewu agbe na mí. Gbesiagbe la eme le kɔkɔm na mí wu hele nu vavã zum na mí wu bena míenye Eƒe Ŋugbetɔ la. Míele Eƒe Lɔlɔ̃nu deblibo me. Míate ŋu aɖe Nya la agblɔ, elabena míenye Nya si zu ŋutilã.

Míetsa ka kple nububu aɖeke o negbe Kristo kple Eƒe Gbedeasi la na gaƒoƒo la; neganye mía fofo ŋutɔ hã, mía da, míanɔviŋutsu, míanɔvinyɔnu, míasrɔ̃ŋutsu, míasrɔ̃nyɔnu, ame ɖesiaɖe. Kristo ɖeka ko míetsa ka kple, eye Eya ɖeka ko. Míetsa ka kple Gbedeasi sia, Gbe sia eye míele Eƒe kɔkuti te, elabena enye Mawu ƒe Mɔ si wota na ŋkeke sia, KE MƆ BUBU AƉEKE MEGALI O.

Míeganye gaxɔmenɔtɔwo na míaŋutɔwo ƒe ameti ɖokuitɔdilawo, na míaŋutɔwo ƒe nugãwo didi o. Míetsɔ míaɖokuiwo na keŋkeŋ eye míele Eƒe kɔkuti te. Meka nusi xexeame ƒe susɔe le wɔwɔm o, wotsɔ lɔlɔ̃ ƒe kɔsɔkɔsɔwo de mí Eƒe kɔkuti kple Eƒe Gbe te.

Míele akpedam alegbegbe be míenye Gaxɔmenɔtɔwo. Gblɔe nam, Fofo, nusi wòle bena mawɔ gbesiagbe ƒe miniti ɖe sia ɖe ƒe aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe. Na Wò Gbe wòafia nu mí le nusianu si míewɔna, si míegblɔna, kple alesi míeɖena zɔ me. Míedi be míanya naneke o negbe Wò.

Va eye woade ga nume na wò kple Mawu ƒe Nya kpakple Eƒe Gbe Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase alesi míawɔ azu: Gaxɔmenɔtɔ 63-0717.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ

Filemon 1:1: Paulo Yesu Kristo ƒe gaxɔmenɔto, kple Timoteo míanɔviŋutsu, ɖo ɖe Filemon mía lɔlɔ̃tɔ kple hadɔwɔla.

Nyanyanana: Nɔviŋutsu Branham, míe LƆ̃NA alesi nèyɔna Filemon, EDEBLIBO na Ŋugbetɔ la.

23-1022 Nukata Nèle Ɣlidom? Ƒonu

Gbedasi: 63-0714M Nukata Nèle Ɣlidom? Ƒonu


BranhamTabernacle.org

Mawu Ƒe Agbadɔ Lɔlɔ̃towo,

Menye Eƒe Hame. Mienye Eƒe Hame. Míenye Agbadɔ si me Mawu nɔna. Míenye Mawu gbagbe la ƒe Agbadɔ; Mawu gbagbe le agbe le miaƒe ameti la me. Míaƒe zɔɖeɖewo nye Mawu ƒe zɔɖeɖewo. Ŋutikɔkɔe!!

Míakatã míele ƒuƒom ɖe du, le teƒe suewo le xexea katã me; míakatã míele vavam le Mawu ƒe Gbe la ŋu, Eƒe Nya na egbea.

Edzeanyi alegbegbe. Babla ɖe naneke ŋu o, negbe ɖe Yesu Kristo kple Eƒe Nya ŋu. Yenye Ema, ekpan. Míele anyinɔm ɖe du le Dziƒo nutowome esime Mawu ƒe Gbea ŋutɔ le míawɔm blibo.

Míele mɔdzi yina ɖe nuwuwu. Míakatã míeyina ɖe Ŋugbedodo Nyigba la dzi. Míadometɔ ɖe sia ɖe! Èɖanye nyɔnu aƒedzikpɔla, ɖetugbui sue, nyaga ɖeɖi, amegã ɖeɖi alo ɖekakpui la, nukake nènye la, míakatã míele yiyim. Míadometɔ aɖeke mele anyi tsi ge o. Míadometɔ ɖe sia ɖe le yiyim, eye “míele te tɔ ge ɖe naneke ta o.”

Míexɔe se be elebe míakatã míanɔ du. Yesu Kristo ƒe Ŋutilã ƒe hatsotso gã ɖeka si wɔ ɖeka, le lalam kpɔ ŋutikɔkɔe ƒe Vava ma. Mele be míama o, gake ame dzo ɖa le Nyanyuie la ƒe nufiafia ƒe mɔ nyuie la dzi.

Elebe mɔ aɖe nanɔ anyi si afia esi le eteƒe kple esi mele eteƒe o. Eye mɔ ɖeka si miate ŋu tsɔ awɔe gbeɖe la, yenye be migatsɔ gɔmeɖeɖe aɖeke kpeɖe Nya la ŋu o, Mixlẽe alesi Wòle ko eye Mixɔesee nenema. Ame sia ame le eŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe gblɔm, eye ena Wòle nane si tovovo gblɔm. MAWU ƑE GBE ƉEKA koe LI NA ŊUGBETƆ LA. MIZI PLAY!

Mele egblɔm le nyaƒoka sia dzi, kple na nyasela siawo, mele esia gblɔm le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe gbɔgbɔɖeameme te be: Amesi le Aƒetɔ ƒe akpa dzi la, neva Nya sia te!

Gbe aɖe le Nya na míaƒe ŋkeke la si. Míaƒe nyagblɔɖila yenye Gbe ma. Gbe Ma yenye Nya gbagbe na míaƒe ŋkeke la. Woɖo mí ɖi be míase Gbe ma eye be míakpɔ gaƒoƒo sia, ke naneke mele mɔ xe ge na mí le Gbe ma ƒe sese ta o.

Míaƒe xɔse le Ekpɔm eye wòtiana be Yeasee meka nusi gblɔm ame aɖe le o. Míeɖea ŋku kpɔna mɔ bubu aɖe dzi o. Míelé míaƒe ŋkuwo maʋamaʋa ɖe Nya la dzi eye míele to dzi na Gbe ma.

Le ɖokuitsɔtsɔ me na Wò Aƒetɔ, tso míaƒe dziwo me de Wò Tòwo gbɔ la, esiae nye míaƒe gbedodoɖa vevie.

Bena míaƒe agbewo natrɔ, tso egbe sia dzi yi, bena míaƒe susuɖe nanyo geɖe wu. Míadze agbagba be míanɔ agbe le tufafa kple bɔbɔenyenye aɖe tɔgbe, be, míanɔ exɔm nɔ sesem be nusi míebia Mawu la, Mawu atsɔe na ame sia ame. Eye míele nya vɔ̃e aɖeke gblɔ ge ɖe míanɔewo ŋu, alo ɖe ame aɖeke ŋu o. Míele gbedoge ɖa ɖe míaƒe futɔwo ta eye míalɔ̃wo, awɔ nyuie na amesiwo wɔa baɖa na mí. Mawu ye nye Ʋɔŋudrɔ̃la kuɖe amesi tɔ dzɔ kple medzɔ o ŋu.

Mele miakpem be miava eye miasi ami na miaƒe Xɔse le Mawu ƒe Gbe sese me kpli mí Kɔsiɖagbe, le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Nukata Nèle Ɣlidom? Ƒonu 63-0714M

Nɔvi. Joseph Branham

23-1015 Fɔ̃bubu & Kɔmunĩɔ

Gbedasi: 63-0707m Fɔ̃bubu
Gbedasi: 63-0707e Kɔmunĩɔ


BranhamTabernacle.org

Aƒeme Hame Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Mina míakatã míaƒoƒu ɖe du eye míase Gbedeasi, Fɔbubu La 63-0707m, Kɔsiɖagbe sia le fĩeɣi ga 5 me, Jeffersonville ƒe game.

Mina míadzra míaɖokuiwo ɖo emegbe na gomekpɔkpɔ kɔkɔe sia be míama Aƒetɔ la ƒe Fĩeɣi nuɖuɖu le míaƒe aƒewo me le Gbedeasi la megbe esime míase 63-0707e Kɔmunĩɔ La. Emegbe la míawɔ Kɔmunĩɔ kple afɔkɔklɔ takpekpeawo ŋuti dɔ le eyome. Abe Fɔbubu La ke ene la, wole Kɔmunĩɔ la hã ƒe nyaƒoka ƒo ge le Voice Radio dzi (le Eŋlisigbe me ɖeɖeko), saŋku ƒe gbeɖiɖi adze eyome, numegbe aɖe si akplɔ ame geɖe afɔkɔklɔ me, kple Nyanyuie la ƒe Hagbewo, abe alesi míewɔnɛ kokoko na Aƒeme Kɔmunĩɔ takpekpewo ene.

Le gɔme le afisia la miakpɔ mɔŋu siwo dzi miato axɔ/aɖa Kɔmunĩɔ wein kple abolo la.

Mele akpedam alegbegbe be Aƒetɔ ta mɔ aɖe na mí be míakpe fiawo dzi Fia va míadometɔ ɖe sia ɖe ƒe aƒewo me hena ŋkeke tɔxɛ aɖe ŋutɔ kple Eyama. Kakaɖedzitɔe la mele mɔkpɔm be madogo miawo katã le Eƒe Kplɔ̃ la ŋu.

Mawu neyra mi,

Nɔviŋutsu Joseph Branham

Instructions for Baking Bread / Making Wine

Instructions to obtain Communion Wine / Feet Washing Bins

23-1008 Ɖee Wò Agbe Dze Na Nyanyuie Laa?

Gbedasi: 63-0630E Ɖee Wò Agbe Dze Na Nyanyuie Laa?

PDF


BranhamTabernacle.org

Mawu Ƒe Nyagblɔɖila Ƒe Alẽha Lɔlɔ̃tɔ,

Mina míado gbeɖa.

Dziƒo Fofo, alegbegbe míeda akpe be míega ƒoƒu ɖe du zi ɖeka ake le xexea katã me le Mavɔmavɔnyenye ƒe akpa sia. Be míanɔ susu ɖeka me kple alɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi kpli Wò; be míase Wò Gbe wòaƒo nu na mí. Zi ɖeka ake la míele mɔkpɔm na ŋusẽ ƒe yeyewɔwɔ be wòava tso Gbɔwò, be nàna mí dzideƒo kple ŋusẽ hena mɔzɔzɔ si le ŋgɔgbe la.

Míele ƒuƒom ɖe du be míaxɔ Mana si nam wole mí. Gbɔgbɔme Mana ma si Wodzra ɖo ɖi be wòana mí ŋusẽ hena mɔzɔzɔ la. Eyae nye nu ƉEKA si ate ŋu lé mí ɖe te le ŋkeke siwo gbɔna me.

Ègblɔ na mí be, hafi Nàɖo Wò Hamea ɖoɖo me la, elebe Nàhemí va ɖe du, le teƒe ɖeka, kple tame ɖeka. Emegbe la Nàdɔ Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖe mí hena amekpɔkplɔ; menye haƒoƒuwo ƒe aɖaŋuɖeha o, menye amewo ƒe hatsotso o, gake Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe be wòaƒo nu na mí tso nume yi ɖe to me.

ȃo nu to Wò dɔla me hegblɔ na mí be:

“Medi be mianɔ anyi kple miaƒe pastɔ eye mianɔ anyi kple Nufiafia si fiam wole le afisia. Minɔ anyi kple Nya sia, migadzo le Egbɔ o! Minɔ anyi kple Nya la meka nusi vaa kple dzoa o, minɔ anyi kple Nya ma!”

Fofo, míele le wɔwɔm ɖe Wò Nya dzi hele anyinɔm kple míaƒe pastɔ la. Mawu ƒe Gbe na egbea ɖeɖekoe le Wò Nya dzadze si dzi wole kpeɖom kple si ɖe ɖe go na míaƒe ŋkeke la ɖem le gbɔgblɔm.

Ègblɔ na mí be abe alesi wònɔ le Sodom ƒe ŋkekewo me ene la, nenema ke wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe Vava me; bena nu evewoe le míakplɔ ge, eye xexeame ƒe susɔe aɖo nu eve. Woƒe nu evea woenye mawunyagblɔla eve.

Gake na Wò gbɔgbɔme Hamea, Wò ameɖoɖi, Ŋugbetɔ Aƒenɔ Tiatia la, míaƒe nu eveawo anye Wò, si woɖe ɖe go le amegbetɔ ŋutilã me, si le míakplɔm kple Dzo Lilikpo La.

Yawo neƒo sesiẽ fãa. Ahomwo netu fãa. Míele dedie, ɖaa. Míele dzudzɔm ɖe afima tututu le Wò Nya dzi. Game la va ɖo. Gbɔgbɔme ƒe dodo la ɖo. Míele zɔzɔm hele nuƒom kple Wò gbesiagbe, le Wò Gbe sem. Míele kadodo me kpli Wò eŋueŋu.

Míedi be míanye Wò Asiwo, Wò Ŋkuwo, Wò Aɖe. Wòenye weinti la, míenye Wò alɔdzeawo. Na mí ŋusẽ, Fofo, be míatse Wò ku. Míaƒe didi ɖeɖekoe yenye be míaɖo agbe aɖe si dze na Wò Nyanyuie la.

Ɖe Ɖokuiwò ɖe go to míame, Fofo, be míayi Wò dɔ la dzi aɖawu Wò ŋugbedodo Nya dzi. Míaƒe didi ɖeɖekoe yenye be míanye Wò gbedeasitsɔlawo na egbea, be míawu dzɔdzɔenyenyewo katã ŋu.

Míedi be míase Wò nàgblɔ na mí be:

Nye gbedodoɖa enye, na amesiwo le radio dzi alo esiwo le xɔa me…le nyaƒokawo ƒe nutowo me, kple amesiwo le teƒe sia. Amenuvevewo katã ƒe Mawu, si le Dziƒo, naklẽ Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe yayraa la ɖe mí katã mía dzi, ale gbegbe be, tso zã sia me dzi, heyina la, míate ŋu anɔ agbe si ŋu Mawu agblɔ le be, “Edze Ŋunye. Ge ɖe dzidzɔ Mavɔ si wodzra ɖo ɖi na wò tso xexeame ƒe gɔmeɖoanyi me ke la me.” Be Dziƒo Mawu la nadɔ Eƒe yayrawo ɖe mi amesiawo katã dzi.

ŊUTIKƆKƆE…míawoe nye ema Fofo, Wò Ŋugbetɔ la le Nyaƒoka Nyigba dzi. Vavã, Èle Wò yayrawo dɔm ɖe míadzi hele Wò Nya ɖem fia mí, le gbɔgblɔm na mí kple Gbedeasi ɖe sia ɖe si míesena be, edze ŋu Wò nyuie, MÍENYE WÒ ŊUGBETƆ.

Ne nèdi be yeaɖoto míaƒe pastɔ, Mawu ƒe pastɔ na xexeame amesi Wòdɔ ɖa be wòayɔ Eƒe Ŋugbetɔ do go aɖakplɔe la, va tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, be míase eyama wòagblɔ Agbe Mavɔ ƒe Nyawo, esime wòahe Gbedeasi vɛ na mí tso Mawu gbɔ: Ɖee Wò Agbe Dze Nyanyuie La? 63-0630E.

Nɔvi. Joseph Branham

Nyanyananu Tɔxɛ: Ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, míawɔ Kɔmuniɔn / Afɔkɔklɔ Ƒe Takpekpe Kɔsiɖagbe si gbɔna zã me, ɣleti ewolia ƒe ŋkeke 15lia.

23-1001 Dodo Etɔ̃lia

Gbedasi: 63-0630m Dodo Etɔ̃lia


BranhamTabernacle.org

Dodo Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Nusiawo siwo kpɔm míele wole emevam egbe la womete ŋu dzɔ ƒe blaeve woenye esi, alo ƒe blaene woenye esi o; egbe ɖeɖeko dzɔm wole. Gaƒoƒo lae nye esi! Game lae nye esi! Game lae nye esi be woava me. Mawu do Eƒe ŋugbe, EYE EYAE NYE ESI.

Gbɔgbɔme nugɔmesese le míasi; dukɔ sia ƒe dzidada yɔ fũ. Gaƒoƒo la va ɖo. Game su be míayi ɖe ŋugbedodo Nyigba ma dzi. Menye du bubu me si míayi ko o, gake míaƒe Tsɔme Ƒe si lalam míele la me.

Mibu eŋu kpɔ ko, nusi le míakplɔm la wu nyagblɔɖila. Enye Mawu si woɖe ɖe go le ŋutilã me le míadome, kple Eƒe Nya la be woaɖo kpe dzi. Nyagblɔɖila aɖe si wɔ zigbɔ zi akpewo wu nyagblɔɖila bubu ɖe sia ɖe. Enye Dzo Lilikpo si le míakplɔm yina ɖe ŋugbedodo Nyigba ma dzi, Milenium la.

Etia míaƒe nyagblɔɖila eye wònɛ Dzo Lilikpo la ƒe gbɔgbɔme dzesi, alebe megawɔ vodada o. Nusi nyagblɔɖila gblɔ la nye Mawu ƒe Nyawo ŋutɔ. Etsɔ míaƒe nyagblɔɖila, nɛ tutuɖo, emegbe hegbugbɔdɔe ɖa kple Dzo Lilikpo, be yeaɖokpe Yeɖokui dzi na mí, hena mí Eƒe Nya katã ƒe Ɖeɖefia deblibo.

Ne míedi be míayi ɖe ŋugbedodo Nyigba ma dzi la, mele be míaŋlɔ be kpɔ gbeɖe o, Mawu mate ŋu, eye Matrɔ, Eƒe ɖoɖo kpɔ gbeɖe o. Enye Mawu, eye Mate ŋui o. Egblɔ na mí be Yemawɔ dɔ kple hatsotso aɖe gbeɖe o. Mewɔe kpɔ gbeɖe o. Ewɔadɔ kpli mí tɔxɛ tɔxɛ. Edo ŋugbe na mí le Eƒe Nya me be yeadɔ Maleaxi 4 ɖa be wòakplɔ mí yiɖe Anyigba sia dzi, ke Ewɔe.

Gake, mikpɔea, Ahab ɖo nuɖoanyi aɖe si wòsusu be etso Aƒetɔ la gbɔ. Egblɔ be, “Wo ame alafa enewoe le asinye, hedewo suku henawo tutuɖo.” Eye woŋutɔ wobe yewonye Hebritɔ ƒe nyagblɔɖilawo, abe alesi mawunyagblɔla hatsotsowo wɔna egbea ene

Geɖewo medi be yewoalɔ̃ axɔe o, gake abe gbaɖegbe ƒe Eliya ene la, Mawu ƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia, míaƒe pastɔa, nye xexeame katã ƒe pastɔ be wòakplɔ Eƒe Ŋugbetɔ la.

Enye Maleaxi 4:5, kple Nyaɖeɖefia 10:7. Enye Ŋɔŋlɔawo katã ƒe nuwuwu si Biblia gblɔ do ŋgɔ kuɖe eyama ŋu. Gbedeasi siae Wònye, Gbe sia, si nye Mawu ƒe Gbe si le Eƒe Ŋugbetɔ la yɔm. Enye Mawu ƒe ɖoɖo la le nɔnɔmetata ƒe nɔnɔme me na egbea.

Dzo Lilikpo ƒe nɔnɔme ma kee, to nuɖoanyi ma ke si wosi ami la dzie. Mawu ma ke si le numawo ke wɔm.

Azɔ Nya la zu ŋutilã hele anyinɔm le míadome le míaƒe ŋutilã me, Eƒe Ŋugbetɔ Nya la.

Mina míadoɣli sesiẽ na Eyama aɖada akpe na Eyama, akafu Eyama, asubɔ Eyama, ɖe nusiwo katã Wòwɔ la ta: be Eɖemí, ɖo mí ɖi, tso afia na mí.

Nusi wɔm Wòle na mí fifia tututu; le Ɖeɖefia ɖe Ɖeɖefia dzi nam mí, le amesiwo míenye gblɔm na mí. Kple nusiwo katã wɔge Wòala na mí… Ava eye wòalé mí abe Eƒe Ŋugbetɔ ene eye wòakɔ mí yiɖe míaƒe Tsɔme Ƒe si Wòtu na mí la me, be míanɔ kple Eyama yiɖe Mavɔmavɔme.

Nukakee míehĩa la, le ɣlidom sesiẽ na Eyama. Nusi dim Wòle be Yeƒe viwo nawɔ yema. Mido ɣli Nɛ sesiẽ sẽ ɖe esime míakpɔ kɔɖiɖi aɖaxɔ nusi míehĩa.

Va eye nàwɔ ɖeka kple Eƒe Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, eye míase Mawu ƒe pastɔ na xexeame, William Marrion Branham, wòagblɔ nusianu na mí kuɖe Dodo Etɔ̃lia 63-0630M ŋu.

Nɔvi Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ Siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la:

Mose II 3:1-12
Mose I Ta 37
Mose I Ta 43

23-0923 Eƒe Vava Ƒe Dzodzĩ Miamiamia La

Gbedasi: 63-0623E Eƒe Vava Ƒe Dzodzĩ Miamiamia La



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ Si Mevɔ̃a O,

TOKLÃ LO!! TOKLÃ SEE!! Dzodzĩ la le dzo sim miamiamia. Xɔmetsovɔ la ɖiɖi. Elebe míagblẽ nu sia nu ɖi, NUSIANU lo, alebe míadzra ɖo. Míele nuwuwu. Ɣeyiɣi si míenɔ lalam kpɔ tso gɔmedzedzea me ke la va ɖo. Nyagblɔɖi le mevam azɔ.

Mawu kɔ Eƒe hɔ̃ dɔtsɔla sesẽ la yi dzi le dziƒowo boo be wòakpɔ nu ƒe blaade gbɔ 1963 ta keke va egbe, Dasiamime 2023 me, be wòakpɔ nusiwo katã anɔ dzɔdzɔm le míaƒe ŋkeke me… Nɔnɔme si me xexeame anɔ, nyɔnu ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, hamea le eƒe nɔnɔme me, amewo ƒe tagbɔgbegblẽ; vɔ̃ɖitɔ, ŋkuagbãtɔ, amamanɔla, gbologã la le dziɖuɖu la ƒe alɔdzeawo katã me, gbegblẽ le dunyahehe me, ke ena mí toklã kuɖe nusi le dzɔdzɔ ge ŋu.

Azɔ míele ekpɔm be eɖe ɖe go le míaƒe ŋkuwo me tututu abe alesi wògblɔ na mí be adzɔ ene. Míawoe nye amesiwo kpɔ nusiawo katã ƒe mevava. Nusianu le gbesɔsɔ. Ezu ɖiƒoƒo ƒe go lolo gã aɖe.

Xexea katã le vɔvɔ̃ me.
Wonyae be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o. Ele nyanyram ɖe dzi gbe sia gbe. Vɔvɔ̃ le Anyigba katã dzi xɔm. Ganyawo ŋu tso, amewuwuwo ɖe susu aɖeke ta o, nyɔnuwo di be yewoazu ŋutsuwo, ŋutsuwo di be yewoazu nyɔnu. Wolɔ̃ xɔ nu ɖe sia ɖe kple nusianu. Nukae ate ŋu dzɔ le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me? Wonyae be ele abe dzo ƒe to ene; ele wowó ge le aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe me. Miele ekpɔm le woƒe mowo me, le woƒe nuwɔnawo me, MƆKPƆKPƆ AƉEKE O, VƆVƆ̃.

Hame siwo yɔa woɖokuiwo be Kristotɔwo gɔ hã le asikplam kɔ na amesiwo trɔ woƒe vidzinu be wonye yewoƒe pastɔwo, amewo ƒe gbɔgbɔme kplɔlawo. Eva nyrã wu Sodom kple Gomora gɔ hã. Satana kple eƒe fiaɖuƒe la le ɖekawɔm eye wozu ɖeka. Ewu eƒe taɖodzinu la ŋu.

GAKE ŊUTIKƆKƆE NA MAWU, le gbegblẽ sia kple vɔvɔ̃ sia katã me la, Fofo la lé MÍ ɖi, Eƒe amehatsotso tiatia la, Eƒe Ŋugbetɔ dzi lɔlɔ̃tɔ, dedienɔnɔtɔe ɖe Eƒe Asiwo me eye míele ɖeka wɔm le Gbɔgbɔme kple Eyama nusi medzɔ gbeɖe tsã kpɔ o. Esiae nye míaƒe agbewo me ƒe ɣeyiɣi gãtɔ kekeake. Edzeanyi. Enye ŋutikɔkɔe nu. Enye gbɔgbɔme nu. Ewu nya siwo míate ŋu ɖe gblɔ.

Míaƒe ŋutilã le Nya zum, ke Nya la le ŋutilã zum; woɖe ɖe go, woɖo kpe dzi. Nusi tututu Biblia gblɔ be adzɔ le ŋkeke sia me la, ele dzɔdzɔm, gbe sia gbe.

Nuwo le mevam hele dzɔdzɔm kabakaba alegbegbe wɔe be bebli hafi míete ŋu le eɖo kplɔm. Míete gogo míaƒe Aƒetɔ Yesu ƒe Vava alegbegbe; be míawɔ ɖeka kple Eyama, afisi Nya la zua Nya la le.

Kple nusiawo katã siwo le dzɔdzɔm le míaŋu la, míe KPƆ DZIDZƆ WU GBEƉE, dzɔdzi wu alo kpɔ kɔɖiɖi wu nenema kpɔ o. Míaƒe dziwo kple luʋɔwo le fiafiam gbagbo kple dzidzɔ manyagblɔ heyɔ fũ kple ŋutikɔkɔe. Amlima wònye.

Míele akɔfafa xɔm wu alesi menɔ kpɔ gbeɖe tsã o, esime míenyae be tso gɔmedzedzea me tututu la, woɖomí ɖi be míanye Mawu ƒe viŋutsu kple vinyɔnu.

MÍAWOE NYE Kristo ƒe Ŋugbetɔ zazãe, siwo wolétsi na le Kristo ƒe Ʋu la me. Mawu ƒe Vi xɔasi, zazãe nuvɔ̃manɔŋutɔ le tsitre kple Nya-Ŋugbetɔ tsimatɔe, dzadze la si Wòlétsi na kple Eŋutɔ Ƒe Ʋu ƒe Tsi. Woɖomí ɖi ɖe Fofo la ƒe akɔme do ŋgɔ na ɣeyiɣi la ƒe gɔmedzedze; tututu ko abe alesi wònɔ na Ehã ene…. ŊUTIKƆKƆE!! ALELUYA!

Míenye ema ɖeɖeko o, gake le madidi me kaba ŋutɔ la míeyina ɖe Srɔ̃ɖeɖe me le dziƒo, hedo amesiwo woɖoɖi ƒe srɔ̃ɖesigue. Enya MÍ…
mide ŋugble le ema ŋu ko, ENYA MÍ do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi, Eyata Wòdo srɔ̃ɖesigue na mí le AFIMA hede MÍAƑE ŊKƆ ALẼVI LA ƑE AGBEGBALẼ LA ME, wometsɔ ke mí ɖeɖeko o lo, gake WOTSO AFIA na mí.

Mɔ ɖeka koe li be nusiawo katã nasu asiwò, elebe nàva to Mɔ ɖeka si Mawu na la dzi. Gɔmedzedze Nya la, ZI PLAY.

Míede akpe alegbegbe be Ɖeɖefia sia le míasi. Emekɔ na mí ƒãa abe kristalo ene. Ŋutilã kple ʋu meɖe Esia fia mí o, negbe mía Fofo si le Dziƒo eye ɖeko nya aɖeke mele míaƒe nyagbɔgblɔ me be míaɖe gblɔe na Eyama alesi míelɔ̃na Eyama ɖe eta o….AMENUVEVE WƆ NUKU.

Naneke meli abe Mawu ƒe Gbe sese wòaƒo nu na wò tso nuɣi me yiɖe to me o. Dzidzɔ si yɔa míaƒe luʋɔ me. Nyabiabia ameɖokuise ɖeke meli o, nuŋutibubukpɔ aɖeke o, o, mɔkpɔkpɔ ŋutɔ gɔ hã o, MÍENYA BE, ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI WÒNYE. Miate ŋu aɖo kakaɖedzi 100% le teƒe bubu aɖeke o negbe le nyaƒoka dzi.

Medi be makpe mi be miava wɔ ɖeka kpli mí esime míase Mawu ƒe Gbe wòagblɔ nusianu na mí kuɖe ŋkeke si me míele agbe le me ŋu, esime Wòaƒo nu to Eƒe hɔ̃ nyagblɔɖila sesẽ la dzi aɖahe Gbedeasi: Eƒe Vava Ƒe Dzo Dzĩ Miamiamia Si Nye Ƒe Dzesi La 63-0623E vɛ na mí.

Míele ƒuƒoge le xexea katã le ŋdɔ ga 12 me Jeffersonville ƒe game. Ne màte ŋu awɔ ɖeka kpli mí, afikake nèle o, nukake wɔm nèle o la, Zi Play eye se Agbe Mavɔ ƒe Nyawo.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ doŋgɔ na Gbedeasi la sese:

Mateo kɔkɔe 5:28 / 22:20 / Ta 24lia
Timoteo II Ta 4 lia
Yuda 1:7
Mose I Ta 6lia

23-0917 Anɔ Tsitre Le Gbagbãƒe La Me

Gbedasi: 63-0623m Anɔ Tsitre Le Gbagbãƒe La Me


BranhamTabernacle.org

Wapendwa Wateule,

Bwana wetu Yesu anatupenda sana, hata ikampendeza Yeye kututumia nabii katika siku yetu. Mmoja yule ambaye alimwamini asilimia mia moja. Mmoja yule Yeye angeweza kuja na kuishi ndani yake, ili aweze kujifunua Mwenyewe kupitia ule mwili wa mwanadamu kumwita Bibi-arusi Wake.

Nabii wake alitupenda sana hata akatuahidi, sisi, na Mungu, ya kwamba Ujumbe wo wote mpya ungetoka kwenye maskani yake ndogo. Angeurekodi, kuuhifadhi, ili Bibi-arusi wa Mungu apate Chakula cha Kiroho cha kufanyia karamu, hata alipokuwa ameondoka.

Mungu alimpenda malaika-nabii Wake sana Yeye alimsaidia nabii Wake kulitimiza neno lake kwetu.

Baada ya Mungu kunena kupitia malaika Wake mwenye nguvu na kuifunua kikamilifu na kutufasiria sisi Biblia nzima, ndipo akakifungua kilele cha Mwamba ulio kama piramidi, ambao hata haukuandikwa, na kulifunua hilo kwa malaika Wake, ili aweze kutupa sisi siri Zake zote zilizofichwa, Bibi-arusi Wake.

Mungu hata alitoa ono kwa Ndugu Roberson, ambapo aliona Nguzo ya Moto ikimtwaa nabii Wake na kumpeleka Magharibi, kisha ikamrudisha na kumweka mbele ya Meza ambapo alikuwa amekwisha badilishwa.

Ndipo Roho Mtakatifu akanena na kumwambia,
“Huyu ni mtumishi Wangu. Nami nimemwita kuwa nabii kwa wakati huu, kuwaongoza watu kama tu Musa alivyofanya. Naye amepewa mamlaka, angeweza kunena kitu kiwepo.”

Wito wa Musa ulikuwa ni upi? Yeye alipaswa kufanya kitu gani? Mungu alikuwa amemwagiza Musa kuwaongoza watu hadi nchi ya ahadi. Lakini waliinuka watu waliokuwa wameamua kwamba wangeingilia agizo ambalo Mungu alimpa Musa, wakisema, “Umejitwalia madaraka mengi mno wewe. Wewe, ukijaribu kujifanya mtu wa pekee katika kundi hili ambaye ana mamlaka yote.”

Tendo hili lilimuudhi Mungu sana mpaka akamwambia Musa, “Jitenge ukaondoke miongoni mwao. Nitaliua tu kundi hilo lote, na kuanza kizazi kipya kwako.” Naye Musa akaanguka mbele za Mungu na kusema yeye itambidi kuja juu yake.

Kama Mungu angeamua kuwaangamiza watu katika siku yetu, ni nani angesimama kama Musa kwa ajili ya watu? Tungempata wapi mtu ambaye angesimama, au angeweza kusimama, ambaye Mungu angemkubali kama Yeye alivyomkubali Musa? Kuna maisha ya mtu mmoja tu duniani yaliyo muhimu sana kwa Mungu kuizuia hasira yake, malaika wake wa saba mwenye nguvu.

Mungu daima amekuwa na mpango. Bibi-arusi Wake atautambua mpango huo naye atadumu nao Neno kwa Neno. Wao wanajua inawabidi wadumu na Sauti hiyo ambayo Mungu ameichagua kuwaongoza kufika kwenye Nchi ya Ahadi.

Mungu alinena kupitia nabii wake naye akatoa nafasi ya kutosha ya kwenda mwelekeo tofauti upendao, kama vile Nuhu alivyowafanyia yule njiwa na kunguru ndani ya safina. Lakini kama tu vile njiwa ambaye daima alirudi ndani ya Safina, Bibi-arusi daima atarudi kwenye Ujumbe, Sauti hiyo, KANDA.

Nabii wa Siku yetu alikuwa nani? Kumekuwa na manabii wenye nguvu hapo awali ambao Mungu alikuwa amewaita na kuwatuma kuongoza watu wake kote katika nyakati: Ibrahimu, Musa, Eliya, Elisha, lakini hakuna hata mmoja wao aliyekuwa kama huyu nabii mwenye nguvu wa siku yetu. Yeye Aliitwa kuwepo kwenye huduma ya juu zaidi kuliko hao wote. Yeye ndiye ambaye Mungu alimchagua kufunua siri zake zote. Yeye ndiye ambaye Mungu alimchagua kunena kitu fulani kiwepo pasipo na kitu. Yeye ndiye aliyechaguliwa kufunua Mvuto wa Tatu. Yeye ndiye ambaye Mungu alimchagua kumwongoza Bibi-arusi Wake.

Sisi ni watu waliobarikiwa jinsi gani, Bibi-arusi mteule wa Mungu. Tunawezaje kushushwa chini? Tunawezaje kuwa na huzuni? Shetani anajaribu kutukatisha tamaa, lakini tunao ushindi, tuko ndani tumetiwa muhuri, salama ndani ya Safina. Milango imefungwa. Hakuna kinachoweza kutudhuru. Sisi ni Adamu Wake aliyerejeshwa.

Anakuja kwa ajili yetu, Bibi-arusi Wake mteule. Kutakuwa na baadhi yetu ambao haitawalazimu kuonja kifo, lakini watabadilishwa mara moja, kufumba na kufumbua. UTUKUFU!!

Kama vile kila mmoja wenu, nimechangamshwa sana, wakati kila siku, Neno Lake, Ufunuo wangu aliyonipa, unazidi kuwa mkuu zaidi na zaidi. Niko chini ya matarajio makubwa. Ikiwa Yeye hatakuja leo, huenda kesho, lakini najua Yeye yuaja hivi karibuni sana na Anakuja KWA AJILI YANGU NA KWA AJILI YAKO.

Njoo uungane nasi Jumapili saa 06:00 SITA MCHANA, saa za Jeffersonville,( ni saa MOJA JIONI ya Afrika Mashariki ), tunaposikia Chakula ambacho kimehifadhiwa mahali pamoja padogo tunapotazama na kusikia: Kusimama Katika Pengo 63-0623M. Tutauanza Ujumbe huu kwenye namba ndogo ya 27.

Ndugu. Joseph Branham

Maandiko ya Kusoma Kabla ya Kusikiliza Ujumbe:

Hesabu 16:3-4