22-1023 Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo #4

Gbedasi: 64-0830E 22-1023 Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo #4



BranhamTabernacle.org

Nɔviŋutsu Joseph Lɔlɔ̃a,

1. *Mese wò nègblɔ be nèxɔ Gbedeasi sia ƒe NYA ƉE SIA ƉE dzi se be enye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI.*

Tso nye dzi ƒe gogloƒe me kple nye ametia ƒe afi ɖe sia ɖe me la MEXƆE SE. Enye Mawu ƒe Gbe ŋutɔ si le nuƒom tso nuɣi dzi yi ɖe to me na Eƒe Ŋugbetɔ la.

Mawu ƒo nu to Eƒe nyagblɔɖila dzi hegblɔ bena:

_Nenema ke nye hã mele egblɔm, le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me! Migatsɔ ɖeka kpee o. Migaɖe, de miaŋutɔ miaƒe susuwo Eme o. Miawo la migblɔ nusi wogblɔ le nyaƒoka mawo dzi ko. Miawo la miwɔ nusi Yehowa Mawu la de se na mi be miawɔ ko tututu. Migatsɔ Kpee o._

Ne nèle gbɔgblɔm be yèxɔ nuwuɣi ƒe Gbedeasi sia dzi se la, ele be wòhã nàxɔ NYA ƉE SIA ƉE dzi se alebe nànye Eƒe Ŋugbetɔ. Satana le agbagba dzem be yeatsyɔ nu Edzi to mawunyagblɔla dzi hegblɔna bena, “Esime Nɔviŋutsu Branham nɔ adedada ŋutinyawo bɔm alo le gbɔgblɔm be ‘nuɖala nyuietɔ kekeake ye le miasi le dua me’, alo be ‘Nyemeɖo Ŋɔŋlɔ aɖeke na ema o, gake magblɔ nusi susum mele la na mi la;’ Mele be miaxɔ akpa ma dzi se o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le afisia be yeakplɔ mí be míase nusi nye kple nusi menye Nya la o gɔme.” ABOSAM MA KE SI ƑO NU NA XAWA HEGBLƆ BE KAKAƉEDZITƆE, LA… MENYE NYA ƉE SIA ƉE WÒDI BE YEAGBLƆ O LA YEMA. Eɖi nane si mienyaa?

Wole nusi wòde SE na wo be womegawɔ o la wɔm tututu. Egblɔ be MIGBLƆ NUSI WOGBLƆ le nyaƒokawo dzi, menye be miade miaƒe susuwo alo nugɔmesesewo Eme o. Megblɔ be, “nu sia nu NEGBE akpa sia kple akpa ma, ke wò pastɔ ava gblɔ na wò ɣe si ɣi ye wònye Gbɔgbɔ Kɔkɔe le nuƒom kple ɣe si ɣi ye nye koe Wònye” o. Kpe sue ɖeka ko nyea menye le aƒuata le kpe gã siawo dome.

2- *Ɖee nèsusuna be Nɔviŋutsu Branham kple/alo eƒe nyaƒokawo nye tɔɖoƒe laa?*

Nɔviŋutsu Branham menye nye Tɔɖoƒe o gake Gbedeasi si wòɖe gblɔ ɖe nyaƒoka dzi la nye nye Tɔɖoƒe kakaɖedzitɔe.

Ame geɖewo gblɔa be mele eteƒe o be, Biblia yenye Tɔɖoƒe la. Xɔ̃nye, Biblia kple Gbedeasi si le nyaƒoka dzi la wonye nu ɖeka ma ke. Emae nye Gbedeasi la ƒe dzɔdzɔme ŋutɔ ŋutɔ. Gbedeasi la si le nyaƒokawo dzi la nye Biblia ƒe gɔmeɖeɖe. Wole ɖeka henye nu ɖeka ma ke.

Ame sia ame nya bena, 1: Biblia nye Nya la. 2: Nya la vana na nyagblɔɖila. 3: Nyagblɔɖila yenye Nya la ƒe gɔmeɖela mawumetɔ ƉEKA. 4: Míaƒe nyagblɔɖila, William Marrion Branham, yenye Mawu ƒe Nya si woɖe ɖe go na míaƒe ŋkeke eye woɖoe ɖa be wòaɖe Nya la gɔme. 5: Mawu ƒe Nya mehiã gɔmeɖeɖe aɖeke o. Nusi gblɔm Wòle to Eƒe nyagblɔɖila dzi le nyaƒoka dzi la YENYE EƑE NYA LA ƑE GƆMEƉEƉE.

Biblia gblɔ na mí bena Agatrɔ va ake aɖanɔ ŋutilã me tututu ko abe alesi Wòwɔe kple Abraham kple Yesu Kristo ene. Egblɔ be nu geɖewo kpɔtɔ le Ye si be yeagblɔ na mí. Egblɔ be Yele nyaɣaɣla gã siawo katã siwo woɣla ɖe Yeƒe Nya la me ɖe ge afia. Egblɔ be mehĩa gɔmeɖeɖe aɖeke o. Megblɔ kpɔ be yele hatsotso aɖe ɖo ge ɖa be wòakplɔ Yeƒe dukɔ aɖawɔe ɖeka o, EYA ŊUTƆ AKPLƆ DUKƆ LA TO EƑE NYAGBLƆƉILA DZI ABE ALESI WÒWƆNE KOKOKO ENE. EƑE NYA MATE ŊU TRƆ O.

3. *Ɖee nèxɔe se be elebe pastɔwo naƒo nyaƒokawo le woƒe hameawo mea?*

Ele be pastɔ ɖe sia ɖe nàwɔ abe alesi wòle sesem be Aƒetɔ le ye kplɔm be yeawɔ ene, esime wòle be hame ɖe sia ɖe le eɖokui si ta. Mexɔe se, eye megblɔe zi geɖe le nyagblɔti la dzi, be elebe pastɔwo woagbugbɔ Nɔviŋutsu Branham va woƒe nyagblɔtiwo dzi to nyaƒokawo ƒoƒo dzi. Nyemegblɔ kpɔ be elebe woadzudzɔ mawunyagbɔgblɔ aɖaƒo nyaƒokawo ɖeɖe ko o. Gake wole taflatsɛ ɖe sia ɖe si woate ŋu asusu alebe womaƒo Mawu ƒe Gbe le woƒe hameawo me o dom.

Mana mɔ nyagblɔɖila wòagblɔ alesi mele sesem kuɖe pastɔwo siwo medi be yewoaƒo Gbe ma le woƒe hameawo me ŋu.

_Azɔ, dzena le Nɔviŋutsu Junior Jackson si be malɔ̃ ɖe edi o. Edi be yeƒe hame…Ameawo katã di be yewoado aɖe yeye kple nuwo le nyaselawo dome. Nɔviŋutsu Junior ƒe nyawoe ma; ema—ema ka eŋutɔ. Gake Junior Jackson xɔ Gbedeasi sia dzi se nenema ke abe…alesi míadometɔ ɖe sia ɖe wɔnɛ ene. Enye míadometɔ ɖeka._

4- *Ɖee nèxɔe se bena ele be mawunyagblɔlawo woadzudzɔ mawunyagbɔgblɔa?*

Kpao, nyemegblɔe kpɔ o nenema ke nyemexɔe se hã o. Nya la le egblɔm na mí, eye Nɔviŋutsu Branham ƒe nya me kɔ nyuie le B kple Ŋ [Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo. Tala] ƒe Gbedeasi siawo ŋu, bena mawunyagblɔlawo woayi dzi.

Ɖeko mesea be wokplɔm, hena nye hame la, be mawɔ kpɔkplɔ yiɖe me kpata aɖe; alo to nye leta dzi fifia gbɔ, ke emegbe la mezia play hesea Mawu ƒe Gbe ƉEKA si dzi woɖo kpe na egbe. Megblɔe zi geɖe bena subɔsubɔdɔ gãtɔ kekeake ye le asinye le xexeame, elebe maƒo nu aɖo Mawu ƒe Gbe nye hame la ƒe ŋkume Kɔsiɖagbe ɖe sia ɖe.

5- *Amewo le gbɔgblɔm be èsea be ne amewo mele Branham ƒe Agbadɔ la ƒe takpekpeawo dem le ka me o la womenye Ŋugbetɔ la o oa?*

Nyemegblɔe GBEƉE kpɔ alo ŋutɔ gɔ hã susui kpɔ o, nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo. Amekake agblɔ nu ma ƒomevi la tɔ me dzɔ o. Abe Branham Ƒe Agbadɔ ƒe pastɔ ene la, mesea be wokplɔm be maƒo Nɔviŋutsu Branham ƒe nyaƒokawo. Mexɔe se be Gbe ma yenye nu ɖeka si awɔ Ŋugbetɔ la ɖekae.

Abe alesi megblɔe do ŋgɔ ene la, mexɔ nu sia nu si le nyaƒokawo dzi se be wonye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi ke womehĩa gɔmeɖeɖe aɖeke o. Mate ŋu aɖe amen ɖe Nya ɖe sia ɖe si sem mele la dzi. Mexɔe se be wodɔ William Marrion Branham be wòayɔ Ŋugbetɔ aɖe do go. Nye teƒe le mawunyagblɔla atɔ̃awo dome yenye be matsɔ asi fia gbedeasitsɔla ma ke emegbe la mazi play. Nu gã aɖeke melolo wu be woase Gbe ma o. Amisisi gãtɔ kekeake le nyaƒokawo dzi, eyata nukata madi be matsɔ nububu na nye hame laa?

Kɔsiɖagbe ɖe sia ɖe la mekpea xexeame be nèɖo to Gbedeasi si Aƒetɔ do nye dzi dzi be maƒo na nye hame la. Wokpea amesiame be wòaɖo to le ɣeyiɣi ɖeka me.

Mezãna nusi Nɔviŋutsu Branham gblɔ le nyaƒokawo dzi abe nye mɔfiala ene.

_Ke kaƒomɔ̃ ƒe nuwɔna sia le míasi fifia, esi nyo ŋutɔ, ŋutɔ. Amewo woate ŋu anɔ anyi le woƒe aƒewo me tututu alo woƒe…aƒo ƒu le woƒe nɔƒewo, kple wotɔeawo, aɖaɖoto takpekpe la. Mekpɔ ŋudzedze le ema ŋu._

_Azɔ, pastɔ, medi be wò nànyae be, ema, la nye hamea ko megblɔa nusiawo na. Ke dzena le asinye be mawɔ ema, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖom anyi be makpɔ alẽ siawo ta._

_Gbedeasi sia, kple  Gbedeasiawo ƒe susɔeawo katã siwo ŋu meƒoa nu le la, yina na nye hame la. Menye wò hame tɔ ye o negbe ko wodi be Yewoaxɔe. Gake amesiawo siwo le afisia ye Wòyina na._

_Ke xexeame godoo yenye ma. Ke amewo fɔ̃a le zã ga wuieve me, le du xoxoeawo me, wolea gbedodoɖa ƒe kɔsɔkɔsɔ ma anyi le ɣeyiɣi ɖeka me. Le nyateƒe me la, akpewo kple akpe akpe ewowo le gbedom ɖa le ɣeyiɣi ɖeka me. Enye dzizizi na Mawu be wòase godoo; ɖeko miele—miele agbadom na Dziƒo kple gbedodoɖa, mikpɔea, eyata elebe Wòase._

6- *Ɖee wògblẽ be woade sɔlemea?*

Nyemegblɔ nya ma kpɔ gbeɖe o alo nyemexɔe dzi se o. Ne mexɔ ema dzi se ɖe nukata hame le asinye ɖo? Le Branham ƒe Agbadɔ me la takpekpe 3 míewɔna tsã le kɔsiɖa ɖeka me sẽ ɖe esime wòva sesẽ nam akpa be maɖo takpekpe geɖe le kɔsiɖa sia kɔsiɖa me eye magawɔ dɔa le VGR. Tso ema dzi la míeva ɖo takpekpe eve kɔsiɖa sia kɔsiɖa le Agbadɔ la me sẽ ɖe esime ɖeko megate ŋu va su na amewo xɔxɔ o. Alea míeʋu yiɖe míaƒe xɔtutu si míezãna na míaƒe sɔhewo tsã me, esi nye kamedeƒe tsã.

Aƒetɔ la dee nye dzi dzi be magblɔ nya aɖe Kɔsiɖa aɖe ŋdi gbe. Megblɔ be ne wodo hame sia ƒe ʋɔtruwo ŋutɔ gɔ hã gbeɖeka la, míada ɖeke ƒu kura o esime míaƒe pastɔ ate ŋu aƒo nu na mí le afi sia afi si míele. Dzinu ɖeka megbe la, míekpɔ COVID si tu hameawo le xexeame kpeɖo.

Mese be wokplɔm be le ɣeyiɣi ma me la, anye gomekpɔkpɔ nyuie aɖe be míagbugbɔ trɔ asi le kamedeƒe la ŋu, esime míehĩa gbedɔxɔ aɖe. Alea, míele dzidzɔ kpɔm le míaƒe aƒewo me, wɔ ɖeka hele Mawu ƒe nyagblɔɖila sem le nyaƒoka dzi kple Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe le xexeame kpeɖo, esime wogbugbɔ le asitrɔm le hame la ŋu.

Ɖeko míele xɔtutu la nuwum, gake tututu ko abe alesi esime Nɔviŋutsu Branham nɔ afisia le Branham ƒe Agbadɔ la me ene la, míegasɔgbɔ wu ʋutɔɖoƒe yeye si míetu la vɔ xoxo. Ɖeko wòle be míado gbe ɖa aɖakpɔ alesi Aƒetɔ la akplɔ mí ɖa.

Menyae be biabia geɖe, geɖe wu le amewo ƒe dziwo dzi. Nu geɖewo li siwo megblɔ si gɔme wose baɖa. Ne wose Nɔviŋutsu Branham gɔme baɖa ɖe, aleke gɔ̃ wòanye na nyea wu? Ate ŋu anye be tɔnye madzɔ le nusi megblɔ me o fãa. Mate ŋu agblɔ wo woanyo wu alo ana wome nakɔ wu le alesi metsɔ wo fia me lee? Gake nu ɖeka aɖe li si MENYA be ele eteƒe, GBEDEASI SIA DEBLIBO. Mele be nàɖotom alo nusi gblɔm mele o, gake ELE BE nà ZI PLAY AƉAXƆ NYA ƉESIAƉE DZI SE.

Zi ɖeka ake la, mele wòkpem be nàva wɔ ɖeka kple Branham ƒe Agbadɔ la Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: _Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo #4 64-0830E._

Nɔvi. Joseph Branham