22-1030 Ame Aɖe Si Le Sisim Ɖa Le Aƒetɔ La Ƒe Ŋkume Gbɔ

Gbedasi: 65-0217 Ame Aɖe Si Le Sisim Ɖa Le Aƒetɔ La Ƒe Ŋkume Gbɔ



BranhamTabernacle.org

Aƒetɔ La Ƒe Alẽ Lɔlɔ̃awo,

Alegbegbe míaƒe dziwo dina ŋkeke sia vevie kɔsiɖa ɖe sia ɖe esime míate ŋu wɔ ɖeka ɖe du tso xexea katã me be míase Mawu ƒe Gbe wòagblɔ Agbe Mavɔ ƒe Nya na mí. Nububu aɖeke menana kɔɖiɖi míaƒe luʋɔ hetsina míaƒe tsikɔwuame ŋu o negbe Mawu Ƒe Gbe.
Ègblɔna mí, Fofo, bena nuŋeŋe ƒe agble gã la tsi, ɖi, eye nuku la le gbesɔsɔ azɔ hena nukuƒoɣi la. Nuku la le Vi la ƒe Ŋkume azɔ hele tsitsim na Mawu Ƒe Fiaɖuƒe la.

Míele tsitre, Fofo, le kakaɖedzi me kuɖe nusi míenya be enye Nyateƒe la dzi; Wò Gbe le nyaƒoka dzi yenye GBE ƉEKA si ana mí Wò Ŋugbetɔ la, míade bliboe.

Esesẽ esime míanɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo se míagɔme baɖa alegbegbe. Míeɖea kuku na wo heƒona koko na wo be womega si ɖa le Eƒe Ŋkume o, gake be woasi va Eƒe Ŋkume.

Míenyae be ŋutsu geɖe siwo wosi amina li siwo Nètia heɖo be woakpɔ Wò alehawo ta, amesiwo lɔ̃na Gbedeasi sia kple woƒe dzi blibowo, gake Fofo, wodaƒu esime womeɖo Wò Gbe si dzi woɖo kpe le nyaƒoka dzi woƒe ŋkume o. Wodaƒu be yewoa gblɔ na wo be ame-ɖeka ƒe Gbedeasi yenye esi hã bena Ètia amea be wòakplɔ Wò Ŋugbetɔ la. Wodaƒu be woagblɔ na wo be Wò Gbe yenye Gbe ƉEKA si ate ŋu awɔ Wò Ŋugbetɔ la ɖekae aɖana wòade blibo.

Ele be “Mado ɣli sesĩe tsitre ɖe eŋu.” Ado ɣli sesĩe tsitre ɖe nu sia nu, kple ame sia ame, si tsitre ɖe Wò Nyaƒokawo ƒoƒo ŋu le woƒe hameawo me. Ado ɣli sesĩe tsitre ɖe woƒe dɔwɔwɔ ŋu, ado ɣli sesĩe ɖe woƒe hame ŋu, ado ɣli sesĩe ɖe woƒe nyagblɔɖilawo ŋu, ado ɣli sesĩe tsitre ɖe woƒe mawunyagblɔlawo ŋu, ado ɣli sesĩe tsitre ɖe woƒe nunɔlawo ŋu. Ele be mado ɣli tsitre ɖe nua katã ŋu!

“Woaga gblɔe, meɖi va be mawɔ ɖeka kple mi ameawo . Mienyae bena, mexɔe se bena magblɔ nusi mawɔ la na mi.” Nu sue aɖe koe le asinye le afisia si mexɔe se be mate ŋu wɔe…ahe míakatã va ɖe du, aɖawɔ esia, ema, alo kemea.”

Ele be mado ɣli sesĩe tsitre ɖe eŋu, esime Wò Nya ɖeɖeko, si Wò nyagblɔɖila ɖe gblɔ, koe ate ŋu ahe MÍ ƉE DU.
Aleke wɔ woƒe mawunyagbɔgblɔ ate ŋu awɔe? Wokatã womelɔ̃a ɖe dzi na wonɔewo o eye wokpɔa ŋu wòtoavo le wonɔewo gbɔ, negbe nu ɖeka ko, dzi wokatã wolɔ̃ ɖo yenye…NYAƑOKA MAƑOMAƑO LE WOƑE HAMEAWO ME. Aleke ema ate ŋu ava me ɖo, Fofo?
Ègblɔ na mí be elebe TƆƉOƑE ƉEKA, si nye Wò Nya la, na nɔ míasi. Ègblɔ na mí be Wò Nya la vana na Wò nyagblɔɖila, ƉEƉEKO. Ègblɔ na mí eyae nye ame ƉEKA si ate ŋu ɖe Wò Nya la gɔme. Ègblɔ na mí be Mawunyagblɔla ɖe sia ɖe, hamevi ɖe sia ɖe, amegbetɔ ɖe sia ɖe, ate ŋu AGBLƆ NUSI WÒGBLƆ LA ƉEƉEKO. Eƒe Gbe yenye GBE ƉEKA si dzi Wò Dzo Lilikpo la ɖo kpe be Enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi.

Nyemele gbɔgblɔm be wonye alakpatɔ alo mele be woagblɔ mawunya o. Nyemele gbɔgblɔm hã be Aƒetɔ la meli kpli wo o, alo wome si ami na wo eye womeyɔ wo be woagblɔ mawunya o, gake elebe mado ɣli sesĩe tsitre ɖe woŋu esime womedi be yewoaƒo nu na yewotɔwo bena nyaƒokawo sese yenye nu vevietɔ kekeake si woate ŋu awɔ o.

Be woatrɔ nya sue ɖeka alo kakɛ ɖeka la nye ku. Èna mɔ aɖe Wò Ŋugbetɔ la be woase Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi kple woŋutɔ ƒe towo. Aleke wɔ be womete ŋu le mawunyagblɔm na wotɔwo bena Enye Gbedeasi vevietɔ kekeake si wòle be woase o hã? Eye nye Gbedeasi ɖeka si me mate ŋu aɖe AMEN ɖe Nya ɖe sia ɖe dzi le, esime menye ame aɖe ƒe Nya, alo ame ƒe gɔmeɖeɖe kuɖe Wò Nya ŋu o, enye Wò Nya Dzadze la.

Ègblɔ bena Gbedeasi la kple gbedeasitsɔla la wole ɖeka. Wò nyagblɔɖila Ɖee gblɔ eye Wò la àna Wòava me. Wò Nya si Wò nyagblɔɖila ɖe gblɔ la mehĩa gɔmeɖeɖe AƉEKE o esime wònye Amegbetɔ Vi la si le nuƒom tẽ na Eƒe Ŋugbetɔ la.

Elebe maɖe kuku na amewo be, mitrɔ gbɔ va miaƒe gbã lɔlɔ̃ la gbɔ. Mitrɔ gbɔ va nusi mienya be enye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI gbɔ. Ne èle ɖokuiwò biam se be mɔ kae yatsɔ alo nukae yawɔ la, va, ge ɖe tɔdziʋu la me kpli mí le zã sia me. Míeyina ɖe Niniwe, be míado ɣli sesĩe. Dɔ aɖe kpɔ ŋkume na mí le Mawu ƒe ŋkume, emae nye Gbedeasi sia le nyaƒoka dzi.

Míexɔe se be Aƒetɔ la ƒe Vava tu aƒe, ke Ŋugbetɔ aɖe le Esi su ge, ke míele dzadzraɖo wɔm. Míele nububu aɖeke dim o negbe Mawu ƒe Nya dzadze la si Eƒe nyagblɔɖila ɖe gblɔ. Míele Ŋutikɔkɔe me yim, va geɖe míaƒe tɔdziʋu la me.

Ne nèxɔ Gbedeasi sia dzi se be enye Nyateƒe, hedze be woanɔ agbe ɖe eta, dze be woaku ɖe eta la, va wɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Gbedeasi aɖe si dzi míexɔ se be ele vevie kple kpata na mí be míase: Ame Aɖe Si Le Sisim Ɖa Le Aƒetɔ La Ƒe Ŋkume Gbɔ 65-0217.

Mienye nye alẽviwo. Aleke wɔ ɖo? Miawoe nye Aƒetɔ la ƒe Alẽvi siwo Wòɖe mɔ nam be manyi.

Nɔvi. Joseph Branham.

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ

Yona 1:1-3
Maleaxi 4
Yohanes Kɔkɔe 14:12
Luka 17:30