22-1106 Nuku La Menyi Domenyila Kple Tsro La o

Gbedasi: 65-0218 Nuku La Menyi Domenyila Kple Tsro La o



BranhamTabernacle.org

Ɖetugbui Le Aƒe Nya lɔlɔ̃a,

Míele afisia. Míeva ɖo. Ɣeyiɣi la tu aƒe. Tsro la ma eɖokui ɖa tso le Nuku la gbɔ. Míele Vi la ƒe Ŋkume, le tsitsim. Míanɔ Ŋkume ma me sẽ ɖe esime míaƒe hatsotso sue la natsi alegbegbe na Kristo, sẽ ɖe esime míazu abolo le Eƒe kplɔ̃ dzi. Akpe na Mawu!

Gbedeasi sia ɖo kpe Maleaxi 4 dzi, ɖo kpe Luka 17:30 dzi, ɖo kpe Hebritɔwo 13:8 dzi, ɖo kpe Yohanes Kɔkɔe 14:12 dzi, ɖo kpe Nyaɖeɖefia Ta 10lia dzi, Nutrenu Adreawo ƒe ʋuʋu, Mawu ƒe nyaɣaɣlawo, da ƒe nuku la, srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃gbegbe kple nyaɣaɣla bubuwo katã siwo woɣla ɖe sɔtiawo te hena ƒe siawo katã dzi.

Míenye ɖetugbui le aƒewo na Nya la. Míate ŋu eye míele asi ka ge nu bubu aɖeke ŋu o. Kple Gbedeasi ɖe sia ɖe si míesena la, eme fa hele yeye; Mana yeye si ge tso Dziƒo ko.

Gake ena mí toklã bena le nuwuɣi la Gbɔgbɔ eve siawo woaɖi wonɔewo alegbegbe be, aflu ametiatia ŋutɔ gɔ hã, ɖee wòle bɔbɔe ɖe. Alea la, edze be míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ ma ŋu esime wòle dzedze ge abe Ŋugbetɔ la ŋutɔ ene.

Mide dzesi alesi wòɖii la. Mateo gblɔ be, Mateo Kɔkɔe 24:24, gblɔ, bena, “gbɔgbɔ eveawo le ŋkeke mamleawo me,” hametɔwo ƒe hame gbɔgbɔ, kple Ŋugbetɔ la me tɔwo ƒe Ŋugbetɔ Gbɔgbɔ “woaɖi wonɔewo alegbegbe sẽ ɖe esime wòaflu Ametiatia ŋutɔ la ɖee wòle bɔbɔe ɖe.” Nenema gbegbe woɖi wonɔewo yema.

Egblɔ be hametɔwo ƒe GBƆGBƆ kple Ŋugbetɔ la me tɔwo ƒe GBƆGBƆ woagogo wonɔewo ŋutɔ alegbegbe. Egɔme yenye be hametɔwo ƒe gbɔgbɔ agblɔ be yewoxɔ gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la dzi se alebena woate ŋu agogo wonɔewo NENEMA GBEGBE.

Manye Metodistetɔ, Baptistetɔ, Presbiteriatɔ, alo ŋutɔ gɔ hã Pentekostetɔ o; wodidi le Nya la gbɔ alegbegbe eye wogbe nu le Gbedeasi la gbɔ ŋutɔ gɔ hã. Woadometɔ ɖeke meɖo gbɔgbɔ aɖe si gogo Ŋugbetɔ la o.

Satana tee kpɔ, eye wòdze edzi nɛ ŋutɔ, be yeanye ameflula alegbegbe. Ŋutɔ gɔ hã tso gɔmedzedzea me la, ɖeko wògblɔ be, “Kakaɖedzitɔe la,” alea wònɔ gbɔgblɔm na Xawa be Xawa be nezã eƒe susuɖeɖe hã bena ele be wòaɖo to ye ke menye Nya la ɖeɖeko o. Nu ɖeka pɛ ko wodo se nɛ be wòawɔ: nɔ anyi kple Nya la.

Nuwɔnawo:

Ne biabia aɖe le asiwò la, ele be Ŋuɖoɖo aɖe na nɔ anyi nɛ. Numae nyagblɔɖila gblɔ na mí. Ele be ŋuɖoɖo la nava tso Nya la me. Nya la nyagblɔɖila ɖeɖeko wòvana na. Nyagblɔɖila yenye Nya la ƒe gɔmeɖela ɖeka si li. Ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe na wò ŋuɖoɖo la ele be wòanye nusi nyagblɔɖila gblɔ vɔ xoxo. Mate ŋu anye woƒe gɔmeɖeɖe, susu alo nugɔmesese o. Ele bena woaglae kple Nya si nyagblɔɖila si dzi Mawu ɖo kpe ɖe gblɔ dzi. Menye nyagblɔɖila kpeɖe nane nu ye o, nusi nyagblɔɖila gblɔ ɖeɖeko ye.

Azɔ susuɖeɖe ƒe suku eve woe li

1: Ele be miase Nya ɖe sia ɖe le nyaƒokawo dzi esime Woawoe nye Gbedeasi vevietɔwɔ siwo wòle be miase.

2: Mele be miaxɔ nya ɖe sia ɖe dzi se le nyaƒokawo dzi o, ke mawunyagblɔla fifia la ɖo gbedeasi vevietɔwo siwo wòle be miase.

Tɔtrɔ geɖe, geɖewo li na susu evelia: Gbɔgbɔ Kɔkɔe akplɔm alo nye pastɔ be wòagblɔ nusi nye kple nusi menye Nya la o na mí. Míehĩa geɖe wu nusi Nɔviŋutsu Branham gblɔ le nyaƒoka dzi ɖeɖeko. Ele be mawunyagblɔla nanɔ asiwò be wòaɖe Nya la gɔme alo wòaɖe egɔme na mi titotito. Mawunyagblɔla manɔmee la màte ŋu anye Ŋugbetɔ la o.

Nu tovovo geɖewo gali wu, gake mele bɔbɔe be woaŋlɔ wokatã o. Gake tɔtrɔ alo nu tovovo aɖeke mele gbãtɔ la me o. Gblɔe ɖe la enye, XƆ NYA ƉE SIA ƉE DZI SE.

Abe xɔsetɔwo le nuwuɣi Gbedeasi sia me ene la, elebe miabia nya siawo miaɖokui:

1: Ɖee nèxɔe se be nusi nyagblɔɖila gblɔ le nyaƒokawo dzi nye wò Tɔɖoƒea, alo nèxɔe se be Gbɔgbɔ Kɔkɔe to dzi wò alo wò pastɔ dzi ye?

2: Ɖee nèxɔe se be mawunyagblɔla atɔ̃awo ɖo gbedeasi vevietɔwo siwo Ŋugbetɔ la hĩa be wòasea, alo Gbedeasi la le nyaƒokawo dzi ye?

Ne wò pastɔ, gbeƒãɖela, nufiala, nyanyuiegblɔla alo nyagblɔɖila mele egblɔm na wò be nyaƒokawo sese woenye GBEDEASI VEVIETƆWO siwo wòle be nàse o la, enye ALAKPATƆ, KPLE GBƆGBƆ SI NYAGBLƆƉILA NA MÍ TOKLà BE AVA LA.

Ne wògblɔna be WOAWOE NYE Gbedeasi Vevietɔwo si nàte ŋu ase, gake ekpɔtɔ le nyaƒokawo ƒoƒo le eƒe hamea me gbem la, NANE GBLẼ. Ne wòxɔe se vavã be nyaƒokawo ƒoƒo yenye nu vevietɔ si nàte ŋu awɔ la, ekema aƒo nyaƒokawo GBÃ, emegbe la aɖe gbeƒã ne wòse be wokplɔ ye.

Kpɔɖeŋu gblɔe:

Ne megblɔ na wò be, tsi dzadze nono nye nu vevietɔ ɖeka si nàte ŋu awɔ na wò lãmesẽ, eye ƉEKA koe li si dzi woda asi ɖo heɖokpe edzi be enye tsi nono dzadze…gake esime nèva nye aƒe me hena fĩeɣi nuɖuɖu la, nyemena tsi ma si dzi woda asi ɖo wò o. Megblɔ na wò be, “àte ŋu ano tsi ma si le aƒewò me gake le nye aƒe me la, ele be nàno nusi mena wò la.”

Ne tsi ma nye NU VEVIETƆ si mate ŋu ana wò hena wò lãmesẽ, esi ana wò agbe la, ekema nu gbãtɔ si nage mala wò ne nègeɖe nye aƒe me lae nye tsi dzadze mae.

Ɖee tɔnye medzɔ o esi mele gbɔgblɔm be, “MIƑO NYAƑOKAWO LE MIAƑE HAMEAWO ME, eyae nye nu nyuietɔ si nàte ŋu awɔ na tɔwòwo. Ale Aƒetɔ la Gblɔ Esi wònye.”

Alo, wotɔ ye medzɔ o esi wole gbɔgblɔm be, “Egblẽ be woaƒo nyaƒokawo le hamea me, Nɔviŋutsu Branham megblɔ kpɔ be woaƒo nyaƒokawo le miaƒe hamea me o. Míegblɔna na amewo be woaƒo nyaƒokawo le woƒe aƒewo me, le miaƒe ʋuwo me, ɣe sia ɣi, GAKE le hamea me la NYEE wòle be woaɖo to.”

Gbɔgbɔ kae le wòkplɔm mahã? Ɖee nèle gbɔgblɔm be, “nusi wogblɔ le nyaƒokawo dzi nye Tɔɖoƒe kple nu vevietɔ si mate ŋu asea”? Alo, ɖee nègblɔna be, “Nyaƒokawo ɖeɖe mesu o. Menye nye Tɔɖoƒe ye o eye menye nu vevietɔ be woase o, mawunyagblɔla yea”?

Azɔ Nuku ƒe ɣeyiɣi yenye esi, alo Ŋugbetɔ ƒe ɣeyiɣi. Tsroawo ku. Tsroawo ƒu kplakplakpla. Enye Nya si le aƒe ƒe ɣeyiɣi, esi ŋu womeka asi o. Enye ɖetugbui le aƒe, miɖo ŋku dzi, Nya si le aƒe ƒe ɣeyiɣi.

Va se Mana yeye si ge tso Dziƒo Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: 65-0218 Nuku La Menyi Domenyila Kple Tsro La O.

Nɔvi. Joseph Branham