Gbedasi: 57-0420 Ameðiði
Category Archives: Uncategorized
26-0403 Blibodede
26-0402 Kɔmunion
Easter 2026 – Kɔmuniɔ̃ Tɔxɛ & Afɔkɔklɔ Takpekpe
Fiaɖuƒe La ƒe Dumevi Lɔlɔ̃tɔwo,
Easter sia do ŋugbe be anye Easter gãtɔ kekeake si Ŋugbetɔ la mekpɔ kpɔ o. Míenɔ anyi ɖe Vi la ŋkume, míele tsitsim, hele dzesi dem amesiwo míenye. Wole Yesu Kristo ƒe blibonyenye ɖem ɖe go le mía dometɔ ɖesiaɖe me esime Eƒe Nya, Eƒe Gbe, le ɣli dom, Hɔ̃ na hɔ̃, le mía yɔm do goe be míava míaƒe Srɔ̃ɖenuɖuɖu la gbɔ.
Ƒe sia ƒe le ɣeyiɣi sia me la, Ŋugbetɔa nɔa mɔ kpɔm vevie na Easter kwasiɖanuwuwu si gbɔna.
Ɣeyiɣi si me Wòawɔ mí ɖeka tso xexeame godoo hena ŋkeke ene tsa ɖe wonɔewo ŋu, anɔ Eyama subɔm, anɔ akpe dam Nɛ, anɔ Eyama kafum; elabena Efɔ ɖe tsitre eye wòle agbe le mía dometɔ ɖesiaɖe me. Ŋugbetɔsrɔ̃ la kple Ŋugbetɔ la le ÐEKA zum.
Ele ɣeyiɣi tɔxɛ sia nam mí be míatsi xexemenu siwo katã ƒo xlã mí la nu eye míazã ɣeyiɣi ɖe Eye ŋu ko. Xexe sia ƒe modzakaɖenuwo aɖeke meli o, esi míele mía ŋutɔwo ƒe xexeame wɔm Kplii. Ado míaƒe ʋɔtruwo, tsi míaƒe mɔ̃wo katã kple nusianu si ahe míaƒe susu dzo ɖa le Eyama ŋu.
Didi gãtɔ kekeake si le mía dometɔ ɖesiaɖe me enye be míate ɖe Eŋu wu. Míedi be míanɔ agbe si ŋu kɔ wu na Eyama; be míanɔ Eƒe lɔlɔ̃nu deblibo me ɣesiaɣi. Be míanɔ klalo na Eƒe Vava. Naneke mele xexe sia me, alo le míaƒe agbe me, si le vevie wu esia o.
Ena mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia mí be míato ɣeyiɣi la me Kplii ko, aƒo nu ahade ŋugble le Eyama ŋu. Be míage ɖe Eƒe ŋkume eye míaʋu míaƒe dziwo na Eyama. ANYE AGBE TƆTRƆ NA EƑE ŊUGBETƆ!
Enya be ate ŋu asesẽ na mia dometɔ aɖewo kple viwo, ƒome, kple dzizizi bubu siwo le mía dzi, gake ne míewɔ aɖabaƒoƒo ɖesiaɖe si vo na mí be míaƒo nu Kplii ŋudɔ, ate ɖe Eŋu, aʋu míaƒe dziwo Nɛ la, tɔtrɔ aɖe tɔgbe ava le míaƒe zɔzɔ Kplii me, vaseɖe esime míaganye ame ɖeka ma ke gbeɖe o.
Abe alesi Wòwɔe le Mose ƒe ŋkekea me esime Wòkplɔ Viawo va woƒe aƒewo me ene la, wozã ʋua eye wonɔ wo ɖokuiwo dzram ɖo ɖe woƒe Dodo la ŋu; nenema kee Easter ƒe kwasiɖanuwuwu tɔxɛ sia si Wòdzra ɖo la anɔ na mía dometɔ ɖesiaɖe.
Míaƒe mɔzɔzɔ ƒe ɖoɖo la anɔ ale:
YAWOƉAGBE
Yawoɖa zã mee Aƒetɔ Yesu ɖu Fiẽnuɖuɖu Mamlɛtɔ kple Eƒe nusrɔ̃lawo, tsɔ ɖo ŋku Ŋutitotozã dzi hafi Israel-viwo do go. Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si le mía si be míaɖo dze kple Aƒetɔ la le míaƒe aƒewo me, hafi míaƒe kwasiɖanuwuwu kɔkɔe la naɖo, eye míabiae be wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòana nusiwo katã míehiã le míaƒe mɔzɔzɔa me la mí.
Dziƒo Fofo, míeda akpe ɖe esia ta, ɣeyiɣi bubu be míaƒo ƒu ɖekae, le Mavɔmavɔ ƒe akpa sia. Eye míele mɔ kpɔm ŋdi sia be ŋusẽ yeye natso Wò gbɔ, be wòana dzideƒo mí na mɔzɔzɔ si le ŋgɔ na mí. Míeƒo ƒu abe alesi Hebri viwo wɔnɛ le ŋdi kanya ene, be woaxɔ mana si wona wo le zã me, be wòalé wo ɖe te le ŋkeke si gbɔna me. Míeƒo ƒu hena Gbɔgbɔme Mana, ŋdi sia, be wòana ŋusẽ mí hena mɔzɔzɔ la.
Mina mí katã míadze egɔme tso fĩeɣi ga 6, le miaƒe nutoa me ƒe game dzi be míase Kɔmuniɔ 62-0204, eye emegbe nyagblɔɖila la akplɔ mí ayi míaƒe Kɔmuniɔ tɔxɛ kple Afɔ Klɔklɔ Takpekpea me le nyaƒoka la ƒe nuwuwu, si woanɔ ƒoƒom le Lifeline app dzi (le Eŋlisigbe me), alo miate ŋu axɔ takpekpea ƒe kɔpi le Eŋlisigbe alo gbe bubuwo me ne miezi kadodo si le ete dzi.
FIƉAGBE
Mina míayi gbedodoɖa me kple míaƒe ƒomewo le ŊDI ga 9, eye emegbe míagayi le ŊDƆ ga 12 me, akpe Aƒetɔ la be wòanɔ mía gbɔ eye wòatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ayɔ míaƒe aƒewo me fũ esi míele mía ɖokuiwo ŋu kɔm Nɛ.
Mina míaƒe susu woagbugbɔ yiɖe Kalvaria, le ƒe 2000 megbe, eye míakpɔ míaƒe Ɖela le atsitsoga la ŋu. Mina míaɖo ŋku fe gã si Wòxe ɖe mía ta la dzi. Enye Mawu ƒe Vi si ŋu nuvɔ̃ mele o, gake elebe wòakpe wu alesi ame bubu aɖe ate ŋu kpe fu, elabena míaƒe nuvɔ̃wo nɔ Eyama dzi.
Ele be Wòadɔ Eyama ɖe dzota me esime wòkpɔ fɔbubu (Mikpɔea?), elabena Etsɔ míaƒe nuvɔ̃wo. Ke Kristo ku, menɔ dzɔdzɔe o; Kristo ku nuvɔ̃wɔla. Mikpɔea? Kristo Ŋutɔ mewɔ nuvɔ̃ kpɔ o, gake Etsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ɖe Eɖokui dzi.
Emegbe le ŊDƆ ga 12 me la, mina míaƒo ƒu le míaƒe aƒewo me ase: 57-0419 Blibodede La.
Emegbe la mina míagawɔ ɖeka le gbedodoɖa me, le ŋkuɖoɖodzi me na míaƒe Aƒetɔ la ƒe kakla ɖe ati ŋu dzi.
MEMLEƉAGBE
Mina mí katã míagawɔ ɖeka ake le gbedodoɖa me le ŊDI ga 9 me kple ŊDƆ ga 12 me, eye míadzra míaƒe dziwo ɖo ɖe nu gã siwo wɔge Wòala na mí le mía dome la ŋu.
Mate ŋu ase Wòagblɔ be, “Satana, va afii!” Enye Aƒetɔ azɔ. Edo asi ɖa, gbo ku kple tsiẽƒe ƒe safuiawo le eƒe axada me, tsɔe ku Eya Ŋutɔ ƒe axa me. “Medi be made dzesi nane na wò. Ènye ameflula eteƒe didi. Nyee nye Mawu gbagbe ƒe Vi ɖetugbui leaƒe tɔdzidzia. Nye Ʋu la kpɔtɔ le sisim le atitsoga ŋu, eye woxe fe blibo la! Dzena aɖeke megale asiwò o. Woɖe ama wò. Tsɔ safuiawo Nam!”
Emegbe le ŊDƆ ga 12:30 me la, mí katã míaƒo ƒu ase Nya la: 57-0420 Ameɖiɖi.
ŊKUƉODZI ŊKEKE kae nye si esia anye na Eƒe Ŋugbetɔ le xexeame godoo.
Ekema mina míagawɔ ɖeka le gbedodoɖa me le takpekpe la megbe teti.
KWASIƉAGBE
Mina míafɔ kaba gbã abe alesi Nɔviŋutsu Branham wɔe le ŋdi me esime exɔlɔ̃ sue, akɔtadzĩ nyɔe le ŊDI ga 5 me ene. Mina míada akpe na Aƒetɔ la ko be efɔ Yesu tso kukuawo dome:
Ŋdi sia le ga atɔ̃ me la, xɔ̃nye sue akɔtadzĩ la dzo va fesre nu henyɔm. Ewɔ abe eƒe dzi sue la le wówó ge ene, wònɔ gbɔgblɔm be, “Etsi tre.”
Le ŊDI ga 9 me la, mina míagawɔ ɖeka le míaƒe gbedodoɖa ƒe kɔsɔkɔsɔa me ake, esi míado gbe ɖa ɖe míanɔewo ta eye míanɔ míaɖokuiwo dzram ɖo na Mawu ƒe Gbe sese.
Le ŊDI ga 9:30 me la, míava ɖe du ase Easter Gbedeasi la: 65-0418M Ɣe Ƒe Dzedze Ye.
Le ŊDƆ ga 12 me la, míakɔ míaƒe gbewo dzi na Eyama anɔ akpe dam Nɛ ɖe Agbegbɔgbɔ Ŋusẽ la ta.
Le WƆLƐ ga 3 me la, mina míagawɔ ɖeka ake le gbedodoɖa me, ada akpe Nɛ ɖe KWASIƉANUWUWU WƆNUKU SI WÒNA MÍ KPLE EYAMA KPLE EƑE ŊUGBETƆ LE XEXEA KATÃ ME TA.
Na nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu siwo le duta la, abe ƒe si va yi ene la, medi be makpe mi be miawɔ ɖeka kpli mí le Jeffersonville ƒe game dzi, ɖe gbedodoɖa ƒe game siwo katã le ɖoɖo sia me dzi. Gake mekpɔe be Nyaƒokawo ƒoƒo le Yawoɖa, Fiɖa, kple Memleɖa wɔlɛ me le Jeffersonville ƒe game dzi asesẽ ŋutɔ na mia dometɔ geɖewo, eyata meɖe kuku mivo faa aƒo Gbedeasi mawo le game si dze na mi dzi. Gake madi be mí katã míawɔ ɖeka le Kwasiɖagbe ŊDI ga 9:30, le Jeffersonville ƒe game dzi, be míase míaƒe Kwasiɖagbe Gbedeasi la ɖe du.
Medi hã be makpe wò kple viwòwo be miakpɔ gome le Creations ƒe ɖoɖowo, agbalẽŋɔŋlɔ, kple nuɖaɖawo, siwo miaƒe ƒome bliboa ate ŋu ase vivi na ɖe du. Míesusui be àlɔ̃ wo elabena wo katã wotu ɖe NYA si míase le kwasiɖanuwuwu sia dzi.
Ne èdi kwasiɖanuwuwu ƒe ɖoɖo la, nyatakaka siwo ku ɖe dzadzraɖo ɖe Kɔmuniɔ̃ ƒe takpekpe la, nu siwo ahiã na Creations ƒe ɖoɖowo, kple nyatakaka bubuwo la, kpɔ kadodo siwo le gɔme.
Mina míatsi míaƒe telefonwo na Easter kwasiɖanuwuwu negbe be míaɖe foto, ase Egbe Ƒe Numegbe, eye míaƒo nyaƒokawo tso Table app, Lifeline app, alo kadodo si woate ŋu awɔ kɔpi na la me.
Bubu gã aɖe wònye nam ŋutɔ be makpe wò kple wò ƒomea be miava ƒo ƒu kple Ŋugbetɔ la le xexeame godoo hena kwasiɖanuwuwu si yɔ fũ kple SUBƆSUBƆ, KAFUKAFU KPLE DƆYƆYƆ. Mexɔe se be enye kwasiɖanuwuwu si atrɔ wò agbe tegbee vavã.
Nɔviŋutsu Joseph Branham
26-0629 Amekae Nye Melxizedek Sia?
Gbedasi: 65-0221E Amekae Nye Melxizedek Sia?
- 26-0629 Amekae Nye Melxizedek Sia?
- 24-0630 Amekae Nye Melxizedek Sia?
- 22-1204 Amekae Nye Melxizedek Sia?
- 19-0707 Amekae Nye Melxizedek Sia?
- 17-1105 Amekae Nye Melxizedek Sia?
Agbe Mavɔ Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,
Amekae nye Gbe ma si le nu ƒom na mí le nyaƒokawo dzi?
Míate ŋu anya ŋuɖoɖo na biabia ma to Ɖeɖefia tso Mawu gbɔ me ko. Eƒe Ŋugbetɔ si woɖo ɖi ko si ye Ɖeɖefia ma asu. Alea, ele be míadzro Eƒe Nya me be míase amesi Wògblɔ be nye: Eƒe Nya gɔmeɖela ɖeka kolia la gɔme. Amekae aʋu Nutrenu Adreawo ahaɖe wo afia? Amekae aɖe Biblia me nya ɣaɣlawo katã afia? Amekae ayɔ Eƒe Ŋugbetɔ do go eye wòakplɔe? Ameka si ye Gbe si medana o anɔ?
Le Nya la nu la, menye ame bubu aɖekee o negbe Melxizedek, Ŋutɔ. Amesi si si fofo alo dada mele o, Amesi si ŋkekewo ƒe gɔmedzedze alo nuwuwu aɖeke menɔ o. Mawu, Ame si zu ŋutilã, eye wòɖu lã kple blibolo, no notsi, heƒo nu kple Abraham. Enye Ame si si amenyenye le, si le agbe le amegbetɔ ƒe ŋutilã me.
Nya ma ke gblɔ be Melxizedek, Ame ma, amenyenye ma, aganɔ agbe eye wòaɖe Eɖokui afia le amegbetɔ ƒe ŋutilã me abe alesi Wòwɔe na Abraham ene, emegbe ake le Yesu Kristo me; gake egbea, le Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia Nyaɖeɖefia 10:7 tɔ la me.
Eƒe Gbɔgbɔ abi anyigba dzi gbadɔ ma ale be Wòate ŋu aƒo nu aɖe Eɖokui afia Eƒe Ŋugbetɔ. Mawu Ŋutɔ le agbe hele nu ƒom le amegbetɔ ƒe ŋutilã me. Eƒe Nuku gbãtɔ si wogbugbɔ ɖo te bliboe la tsi blibo. Mawu ƒe ɖoɖo bliboa va ɖo; Mawu kple amegbetɔ nɔ Ðeka. Mawu nɔ nu ƒom tso nuyi dzi yiɖe to me na Eƒe Ŋugbetɔ abe alesi Wòwɔe na Abraham ene.
Egeɖe me henɔ agbe le ema me, le Melxizedek ƒe Ame la me, ke emegbe la míegase nya aɖeke kuɖe Melxizedek ŋu o, elabena Eva zu Yesu Kristo, Melxizedek nye Nunɔla la gake Ezu Yesu Kristo, azɔ, mieto ema ŋu, elabena le nɔnɔme ma me la Enya nuwo katã, ke miawo ya miete ŋu nya ema haɖe o.
HAƉE…!! Ekema amekae míenye?
Míaƒe ŋkuwo, míaƒe kɔkɔme, nuka kee míeɖanye o, míenɔ Eƒe susu me le gɔmedzedzea me. Hafi Mawudɔla, ɣletivi, Kerubi, alo nu bubu aɖe nanɔ anyi kpɔ. Esusui, Egblɔe, ke míawoe nye esi.
Enye seƒemanɔsitɔ. Míate ŋu se egɔme le míaƒe susuwo me o, gake Mawu ye wònye. Mawu, seƒemanɔsitɔ!
Esi míenɔ Eyama me le gɔmedzedzea me la, nukae adzɔ ɖe mía dzi ne agbe sia si kuna le anyigba dzi afisia wu eŋu?
Ne woda ŋutilã wuʋlaya sia ɖi la, kodzogbe me ŋutilã, teofania, ŋutilã aɖe si womewɔ kple asiwo o, nenema ke menye nyɔnutɔdzidzi o li, si me míayi. Ekema ŋutilã ma agbugbɔ yi aɖatsɔ ŋutikɔkɔe ŋutilã la.
Nu wɔnuku kawoe le nudzraɖoƒe me na Eƒe Ŋugbetɔ. Mikpɔ nusi le edzi yim fifia esi wòle Eƒe Nya la ɖem fia mí geɖe wu tsã la. Lɔlɔ̃gbalẽ aɖe si wòŋlɔ na Eƒe Ŋugbetɔ ƒe nya ye gblɔm mielea! Ŋkeke ka gbegbee nye si me míele.
Ɖeɖefia la le mía si eye míenya be Melxizedek, Mawu ƒe Gbe, le nu ƒom na mí le nyaƒokawo dzi. Ɖeɖefia le mía si be enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu deblibo si wòna na egbea. Alea, míeNYA AMESI WÒNYE EYE MÍENYE EƑE ŊUGBETƆ.
Ɖeɖefia ma le gã dom ɖe edzi wu gbesiagbe. Ŋkeke ɖesiaɖe si va yina la, hea dzidzɔ geɖe wu, Ɖeɖefia geɖe wu vɛ na mí. Ŋugbetɔ la le Eɖokui dzram ɖo to anyinɔnɔ le afisi Eƒe Gbe le me, esi Wòle amesiwo Míenye, alesi gbegbe Wòlɔ̃ Mí, alesi mele tsɔtsɔm Nɛ o be yeanɔ anyi kpli Mí gblɔm na Mí!!!
Va, dzra ɖokuiwò ɖo le ŊDƆ 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, na nusi le ɖoɖom be yeadzɔ, esi míase Melxizedek ƒe Gbe.
Nɔvi. Joseph Branham
Gbedeasi: 65-0221E “Amekae Nye Melxizedek Sia?”
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ:
Mose I, Ta 18 lia
Mose II, 33:12-23
Yohanes Kɔkɔe 1:1
Romatɔwo 8:1
Korintotɔwo II 5:1
Tesalonikatɔwo I, 4:13-18
Timoteo Gbãtɔ 3:16 / 6:15
Hebritɔwo 7:1-3 /13:8
Nyaɖeɖefia 10:1-7 / 21:16
26-0322 Srɔ̃ɖeɖe Kple Srɔ̃gbegbe
Gbedasi: 65-0221M Srɔ̃ɖeɖe Kple Srɔ̃gbegbe
Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ Si Wotɔ Asi, Tia, & Ɖo Ɖi Do Ŋgɔ:
Meɖo ŋku edzi esime menye ɖekakpui tsi gbɔna, nɔ agbagba dzem be matia nyaƒoka aɖe si mase la. Ne mele tanyawo xlẽm la mesusua kokoko be nyemase Srɔ̃ɖeɖe kple Srɔ̃gbegbe o, le esi ema meɖo naneke awɔ kplim o ta; srɔ̃tɔwo tɔ ko ye.
Emegbe gbeɖeka, esime menɔ to ɖom Srɔ̃ɖeɖe kple Srɔ̃gbegbe la, Fofo tsɔ Gbedeasi ma ƒe Ɖeɖefia nam. Eƒe amisisi la va nye dzi me. Ele nu ƒom nam. Gbedeasi sia NYE tɔnye. ELE gbɔgblɔm nam be Yetiam hafi woɖo xexeame gɔme anyi. Esiae nye nye srɔ̃ɖekɔnu. Nyemedi ame aɖeke o negbe Eyama ko. Menye nyateƒetɔ kple nuteƒewɔla Nɛ, kple Eƒe Nya, kpakple Eƒe Gbe, KO. Míele ÐEKA.
Vavã la Gbedeasi sia nye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu gbogbo siwo ɖe srɔ̃ eye wogbe wo nɔewo fifia tɔ, eye Eyae le nusi wòle be woawɔ la gblɔm na wo; gake gɔmesese aɖe si DEBLIBO wu EYE WÒLOLO WU kura, si lolo wu, si ŋu ŋusẽ le wu boo la nɔ anyi.
Srɔ̃ŋutsu ɖeka nɔ anyi, eye Enɔ yɔyɔm henɔ nu ƒom na Eƒe Ŋugbetɔ tiatia geɖewo. MAWU ƑE GBE NƆ EƑE ŊUGBETƆ NYA SI LE AƑE, DZADZE, TSIMATƆE YƆM. Ame si meka asi eŋu alo ƒo ɖii o. Amesi nye nyateƒe eye wòwɔa nuteƒe na Eyama kple Eƒe Nya ɖeɖeko. Ame ɖeka si ƒe dzi kpɔa kɔɖiɖi blibo le Eyama kple Eƒe Gbe me.
To Eƒe Amenuveve kple Nublanuikpɔkpɔ me la, egbea míate ŋu agblɔ, ɖikeke ƒe vɔvɔli ɖeke manɔmee be, MÍENYE EƑE NYA ŊUGBETƆ SI LE AƑE. ŊUTIKƆKƆE!!
Edi be yeakpɔ egbɔ be nugblẽdaɖi aɖeke manɔ anyi ne eku ɖe Yeƒe Ŋugbetɔ ƒe yɔyɔ ŋu o, eyata Eya ŋutɔ va eye wònɔ agbe le amegbetɔ ƒe ŋutilã me be yeaɖe Yeƒe Nya la afia eye yeayɔ Yeƒe Ŋugbetɔ ɖe Yeɖokui gbɔ. Eyae nye Eliezer si atia Eya ŋutɔ ƒe Ŋugbetɔ.
Be wòakpɔ kakaɖedzi be mɔ aɖeke meli be míatɔtɔ kuɖe amesi le ahiã dim mí ŋu o la, Eya Ŋutɔ ɖo kpe Eƒe nugo si wòtia la dzi to nuƒoƒo nɛ tso yali aɖe si le ati ŋu me. Emegbe la Eƒo nu kplii wòdze le Ohio Tɔsisi la to le ame akpe geɖe ŋkume.
Ena woɖe Eƒe foto gɔ̃ hã kplii alebe wòaɖee fia eye agblɔe na xexeame be, MEGBLƆ NA WÒ BE MAGAVA AKE AGANƆ AGBE AKE LE ŊUTILÃ ME. EYAE NYE AMESI METIA BE MANƆ AGBE LE EME, BE MAYƆ WÒ DO GO BE NÀNYE NYE ŊUGBETƆ. MENYE EYAE O; ENYE YE LE NUƑOM TO EYAMA DZI. ÐEKO MELE EƑE GBE ZÃM BE WÒANYE NYE GBE NA WÒ. NYEE NYEE AMESI YƆ WÒ DO GO HELE WÒWƆM BLIBO BE NÀNYE NYE ŊUGBETƆ DEBLIBO.
Gbedeasi Sia, Eƒe Nya, Eƒe Gbe, kple fifia amesiwo MÍENYE ƒe Ɖeɖefia gbɔ amegbetɔ ƒe nyagbɔgblɔ ŋu be míadze agbagba aɖee afia. Menya be mienya nya si tututu gblɔm mele. Kɔkɔdzoe le Xɔse me le eme vam. Ŋugbetɔ la le Eɖokui dzram ɖo to anyinɔnɔ le Mawu Ŋutɔ ƒe ŋkume nɔnɔ, le esime wona wòle blibodem.
Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si le xexeame si be wòase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na wo; be míanɔ anyi ase Nya ɖe Nya dzi esime Wòaƒo aɖaɖe Eƒe Nya la fia aɖagblɔ amesiwo míenye na mí. Naneke meli si sɔ kple anyinɔnɔ le Eƒe ŋkume o, eyata va wɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esi míase Eyama wòaƒo nu na Eƒe Ŋugbetɔ, Gbedeasi, “Srɔ̃ɖeɖe Kple Srɔ̃gbegbe” 65-0221M.
Nɔvi. Joseph Branham
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ hafi ase Gbedeasi la:
Mateo Kɔkɔe 5:31-32 / 16:18 / 19:1-8 / 28:19
Dɔwɔwɔwo 2:38
Romatɔwo 9:14-23
Timoteo Gbãtɔ 2:9-15
Korintotɔwo Gbãtɔ 7:10-15 / 14:34
Hebritɔwo 11:4
Nyaɖeɖefia 10:7
Mose I, 3 lia ta
3 Mose 21:7
Hiob 14:1-2
Yesaya 53 lia
Ezekiel 44:22
26-0315 Subɔsubɔ Teƒe Si Mawu Tia
Gbedasi: 65-0220 Subɔsubɔ Teƒe Si Mawu Tia
Aƒenɔ Yesu Kristo Lɔlɔ̃tɔ,
Esiae nye ŋkekea. Esiae nye ɣeyiɣia. Mawu dɔ Eƒe hɔ̃ sesẽ la ɖe anyigba dzi be wòayɔ Yeƒe Aƒenɔ Yesu Kristo, be wòaƒo nu eye wòagblɔ Nɛ be, “Wòenye AMESI metia. Wòe nye AMESI melɔ̃. Wòenye Nye Nya Deblibo Ŋugbetɔ si leaƒe. Míele ÐEKA.”
Nya mawo ɖeɖeko sese me la, míaƒe dziwo ʋãna le dzidzɔ ta. Be míabui kpɔ, le xexeame katã, kple eƒe ame miliɔn miliɔn geɖe la, Aƒenɔ Yesu Kristo ÐEKA koe li, eye WÒ yenye Eya, AME ÐEKA si ta Wògbana ɖo.
Subɔsubɔ teƒe ÐEKA koe li si wotia. Gbedeasi deblibo si wotia ÐEKA koe li. ŊUGBETƆ DEBLIBO si wotia ƉEKA koe li…EYE MÍAWOE WÒNYE!!
Subɔsubɔ teƒe ÐEKA, Aƒetɔ Yesu Kristo, si wotia le Fofo si; Enye Nya la. Egbea la, teƒe ÐEKA koe li si gbɔgbɔmeku mate ŋu aƒo o: Nya lae. Ku mate ŋu aƒo Nya la o, elabena Enye Mawu ƒe Nya Gbagbe la.
Aƒenɔ Yesu Kristo koe woɖe Nya Gbagbe ma ƒe Ɖeɖefia bliboa fia. Teƒe ÐEKA koe li si wotia si Aƒenɔ Yesu Kristo ate ŋu ayi aɖase NYA DEBLIBO SI WOƉE GBLƆ. Nyagblɔɖila ÐEKA koe li si wotia be wòanye Mawu ƒe Gbe. Teƒe ÐEKA koe Aƒenɔ Yesu ate ŋu ayi aɖase, ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI le: MIZI PLAY.
Kekeli lado le fiẽwɔɣi, Mawu ƒe subɔsubɔ teƒe tiatia ɖeka hɔ̃ la. Oo, nukae nye Gbedeasi sia si va, nuka wɔ ge Wòala? Eye le Eƒe ŋkeke me la Kekeli lado le fiẽwɔɣi, ke (nuka?) be wòado dzaa na Eviawo gbɔ va aƒe va ŋugbedodo Nyigba vavã la dzi, kple dzesi ɖeka ma ke si nye Dzo Lilikpo si kplɔ Israelviwo to gbedzi me.
Aleke gbegbe wòle be Eƒe Ŋugbetɔ naɖɔ ŋu ɖoe nye si be wòadze Eƒe Ŋugbetɔsrɔ̃a yome aɖase Eƒe Gbe wòaƒo nu Nɛ. Teƒe ÐEKA koe li míate ŋu ayi eye míaka ɖe edzi 100%. Gbe ÐEKA koe li si dzi míeda míaƒe dzeƒe Mavɔ la ɖo.
Aƒenɔ Yesu Kristo xɔe se be Nya siwo Yesena le nyaƒokawo dzi la nye Yeƒe Ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe Nyawo. Exɔe se be Eƒe Nya mehĩa gɔmeɖeɖe aɖeke o. Ale, Exɔe se be teƒe ÐEKA koe li si wona afisi Yeate ŋu ayi aɖe AMEN ɖe Nya ɖesiaɖe, Eƒe Ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi dzi.
Zi ɖeka ake la, Aƒenɔ Yesu Kristo, tso xexeame ƒe akpa vovovowo, ate ŋu agblɔ be, “Egbe, Nya sia si wogblɔ la, le eme vam”.
Mele gbe dom ɖa, Mawu Lɔlɔa, le didiƒe ke heto gbedzi le Tucson afima, keke va yi California, ɖo Nevada kple Idaho, keke yi ɖe Ɣetoɖoƒe kple kasawo, ɖo Texas; esime wona kpekpe sia la, amewo nɔ anyi ɖe—ɖe hame suewo me, le amidzeƒewo, aƒewo me, hele to ɖom.
Wokpe wò be nàva ɖo to kple Branham Agbadɔ la le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esi míase Mawu wòaƒo nu na Eƒe Ŋugbetɔ tiatia, Gbedeasi: “Subɔsubɔ Teƒe Si Mawu Tia” 65-0220.
Nɔvi. Joseph Branham
Ŋɔŋlɔawo: Mose V, 16:1 yi 3.
26-0308 Egbe Sia Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Ŋu
Gbedasi: 65-0219 Egbe Sia Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Nu
- 26-0308 Egbe Sia Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Ŋu
- 24-0609 Egbe Sia Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Nu
- 22-1113 Egbe Sia Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Nu
- 19-0616 Egbe Sia Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Nu
Abraham Ƒe Fiaƒome Nuku Si Ƒota,
Ɣeyiɣi si míele mɔ kpɔm na vevie hedi vevie la va ɖo. Míeva ɖo. Míele ekpɔm wòle ʋuʋum le míaƒe ŋkume. Gbesiagbe nyagblɔɖi le eme vam, eye míate ŋu agblɔ be: EGBE SIA WOWU ŊƆŊLƆ SIA ŊU LE MÍAƑE ŊKUWO ME.
Ɖeɖefia ƒe ahamuame ka gbegbee nye si le edzi yim kple Ŋugbetɔ la. Kple Gbedeasi ɖesiaɖe si sem míele la, míesea le mía ɖokui me le míaƒe dziwo kple luʋɔwo me be, “Aleke wòate ŋu adzɔe be wòalolo wu eye wòawɔ nuku wu, Aƒetɔ?” Ekema Egavana mía dome zi ɖeka ake hesia ami na mí esi míesea Eƒe Gbe le míayɔm hele gbɔgblɔm be, “Wòe nye Dzi lɔlɔ̃tɔ. Metia Wò be nànye Nye Ŋugbetɔ. Abe alesi Medo ŋugbe na Wò ene la, megbɔna na Wò. Mele mɔ dzi. Eteƒe madidi o Míanɔ anyi ɖedu hena Mavɔmavɔ.”
Míedoa ɣli tso xexeame katã, tsɔa míaƒe aleluyawo, ŋutikɔkɔewo, kafukafuwo, kple subɔsubɔwo na Eyama ƒoa ɖe Dziƒo dzi abe ahomya ene. Woɖu Satana dzi. Fofo ɖe míaƒe ɖikekewo katã, míaƒe kakaɖedzimanɔamesiwo katã, nususugblɔwo katã ɖa. Míate ŋu aɖe gbeƒã kple míaƒe dzi kple luʋɔ blibo be, MÍENYE Abraham ƒe Fiaƒome Nuku si Ƒota. Fiaƒome Ŋugbetɔ aɖe na Fia ƒe Vi si ŋugbe wòdo.
Aƒetɔ la ƒe anyinɔnɔ wɔ nuku ale gbegbe esi Wònɔ Eƒe Nya ɖem fia mí geɖe wu tsã. Ewɔ Eƒe Ŋugbetɔ la ɖekae kple Eƒe Nya, eye wòde mí Susu ɖeka kple tameɖoɖo ɖeka me abe glikpo ɖeka ene, le to ɖom Mawu ƒe Gbe wòle nu ƒom le míawɔm blibo to Eƒe Nya dzi.
Gbedeasi ɖesiaɖe si míesena la le abe tometsi vudo si le gbagbãm le míaƒe luʋɔ me ene; le sisim, le tutum, kple fiefiem yeye tso Mawu ƒe Fiazikpui la me. Míele tsi nom hele nonom gale nonom, hele fafa nam míaƒe luʋɔwo.
Nɔvinyeŋutsuwo kple Nɔvinyenyɔnuwo, míenye Ŋɔŋlɔ siwo gblɔ be Nya Dzadzɛ ƒe Ŋugbetɔ anɔ Esi la ƒe nuwuwu. Míawoe nye: Egbe sia Wowu Ŋɔŋlɔ sia ŋu.
Mawu Ŋutɔ ƒo nu tso Dziƒo na Eƒe dɔla adrelia eye wògblɔ be, “Abe alesi wodɔ Yohanes Amenyrɔ̃la be wòado ŋgɔ na Kristo ƒe Vava gbãtɔ ene la, wò Gbedeasia ado ŋgɔ na Eƒe Vava evelia, le xexeame katã.” Ŋugbetɔ la ate ŋu agblɔ be: Egbea sia wowu Ŋɔŋlɔ sia ŋu.
Ðe míate ŋu ase egɔme be wogblɔ Mawu ƒe Gbe ŋutɔŋutɔ le míaƒe ŋkekea me to amegbetɔ ƒe nuyiwo dzi, wolée ɖe mɔ̃ dzi, wodzrae ɖo ɖi, eye wokpɔe ta ale be wòate ŋu aƒo nu na mía dometɔ ɖesiaɖe be, Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esia? Ena wòanya wɔ be mehiã be míaxɔ ame aɖeke ƒe nya o, ame aɖeke ƒe susuwo, ame aɖeke ƒe nukpɔsusuwo o, ɖeko míanɔ anyi aɖoto Eƒe Gbe wòaƒo nu na mí tẽ agblɔ Eƒe Nya Dzadzɛ la.
NUKAE LE EMEVAM EGBEA?
Eye Mawu ƒe V-i ɖeka si va le ɣedzeƒe la heɖo kpe Eɖokui dzi abe Mawu si ɖe ɖe go le ŋutilã me la, enye Mawu ƒe V-i ɖeka le anyigba ƒe ɣetoɖoƒe gome afii, esi le dzesi dem Eɖokui le hamea me fiẽ sia, be eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Vi la ƒe fiẽ Kekeli do. Egbe sia wowu Ŋlɔŋlɔ sia nu le míaƒe ŋkume.
ÐE MÍELE MAWU ƑE LƆLƆ̃NU DEBLIBO ME TO GBƆGBLƆ KPLE XƆXƆSE ME BE: “NYAƑOKAWO ƑOƑO NYE MAWU ƑE MƆ SI WÒNA EƑE ŊUGBETƆ LA”?
ÐE NANE LI LOLO WU NYAƑOKAWO SESEA?
Enɔna etɔ̃ me kokoko, abe alesi megblɔe zã si vayi me ene be, woɖea Mawu fiana. Sodomtɔwo li, Lotɔwo li, eye Abrahamtɔwo li. Egale ɖoɖo ma me ke tututu fiẽ sia, xexeame ɖo ɖi nenema tututu.
Mide dzesi be, Ɖeka si tsi anyi kple Abraham la nye Mawu Ŋutɔ. Eve mamlɛwo nye Mawudɔla gbedeasitsɔlawo.
KE AMEKAE LE NUƑOM NA MÍ LE NYAƑOKAWO ME?
Mina mabia mi nya ɖe se. Mikpɔ ɖoɖo sime esia le azɔ la. Abraham yɔ Amesia si ƒo nu nɛ la be, “Elohim.” Hebrigbe ƒe nyati Elohim gɔmee nye “Amesi su te na nusianu, Amesi nye Mavɔmavɔtɔ la,” Elohim, Mawu Ŋutɔ!
ALEKE GBEGBE WÒLE VEVIE BE WOAZI PLAY?
…“ Gbeɖeka la Gbɔgbɔ Kɔkɔe ava eye awɔ numa ke, Ke agblɔ nya ɖeka atsi tre ɖe Eŋu la womatsɔe ake gbeɖe o.” Emae nye egbeŋkeke sia, esime wòle be Nya ɖesiaɖe nabla ɖedu. “Agblɔ nya ɖeka atsi tre ɖe Eŋu la; womatsɔe ake gbeɖe le xexe sia me alo le xexe si gbɔna me o.”
Míaƒe kwasiɖa si vayi ƒe aleluyawo kple kafukafuwo na Aƒetɔ la nye dzadzraɖo ko be míadzra ɖo ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge le Kwasiɖagbe sia ŋu, esime Ŋugbetɔ la agawɔ ɖeka aɖaɖoto MAWU wòanɔ dzidem ƒo na mí anɔ kakaɖedzi nam mí be míenye Yeƒe Ame tiatiawo, eye Yegbɔna kpuie be yeakplɔ mí ayi míaƒe Srɔ̃ɖe Nuɖuɖu gã la ƒe, emegbe míaƒe Etsɔme ƒe Aƒe la me.
Esiae nye ŋkeke si AƑETƆ la wɔ; míakpɔ dzidzɔ eye míadzɔ dzi le eme.
Nɔvi. Joseph Branham
Message: 65-0219 – “Egbe Sia Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Ŋu”
Ŋɔŋlɔawo:
Yohanes Kɔkɔe Ta 16 lia
Yesaya 61:1-2
Luka Kɔkɔe 4:16
26-0301 Nuku La Menyi Domenyila Kple Tsro La o
Gbedasi: 65-0218 Nuku La Menyi Domenyila Kple Tsro La o
- 26-0301 Nuku La Menyi Domenyila Kple Tsro La o
- 24-0602 Nuku La Menyi Domenyila Kple Tsro La o
- 22-1106 Nuku La Menyi Domenyila Kple Tsro La o
- 19-1027 Nuku La Menyi Domenyila Kple Tsro La o
- 17-0104 Nuku La Menyi Domenyila Kple Tsro La o
Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ Si Le Aƒe Na Nya La,
Menɔ anyi ɖe afisia ŋdi sia le amisisi tɔgbui aɖe ŋkɔ sem esi mele Gbedeasi sia si Ŋugbetɔ la ase Kɔsiɖagbe sem, le exlẽm hele esrɔ̃m. Wosi ami na nye ameti bliboa. Nye dzi le fiafiam kple dzidzɔ aɖe tɔgbe esi menya be, MÍ KATÃ MÍAƑO ƑU ƉE DU LE XEXEA ME GODOO KPLE AMESISI SIA KE. Míanɔ dzidzɔ kpɔm, anɔ Aƒetɔ la kafum, mí katã le game ɖeka dzi, esime WÒANƆ nu ƒom na mía dometɔ ɖesiaɖe eye wòaɖe Eƒe Nya la fia.
Amisisi la alolo ale gbegbe be ɣlidodo kple aƒadodo anɔ ɖiɖim be, “aleluya, amen, woakafu Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ” le xexeame godoo le game ɖeka dzi, esi míatsɔ míaƒe kafukafuwo kple subɔsubɔ aƒo ɖe Dziƒo dzi abe ahom ene.
Nukae anɔ dzɔdzɔm? Mawu anɔ ɖeka wɔm aɖanɔ nuƒom na Eƒe Ŋugbetɔ. Míanye Glikpo Ðeka, le susu ɖeka kple tameɖoɖo ɖeka me esi Wòanɔ Eɖokui ɖem fia kple ɖem ɖe go na mí.
Teƒe gã aɖeke meli si nàte ŋu ayi o, Gbe gã aɖeke meli si nàte ŋu ase o; amisisi aɖeke meli si lolo wu Mawu ƒe Gbe si le nu ƒom na wò tẽ le nyaƒokawo dzi o.
Mawu kpɔ Eƒe Nya la ta tso gɔmedzedzea me ke eye wòna teƒe aɖe si Eƒe viawo katã ate ŋu ayi aɖase Eyama wòaƒo nu aɖaɖe Eya Ŋutɔ ƒe Nya gɔme. Teƒe si nususukpɔ aɖeke meli o, mɔkpɔ mɔ be aɖeke meli o, kple nyabiabia ameɖokui aɖeke meli o; Enye teƒe si Mawu na be woase ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI.
Ne woɖee fia wò la, ele abe kekeli gã aɖe si wosi ɖe wò dzi kple luʋɔ me ene…èdoa ɣli be, “yenye esi. Mekpɔe. Nye kple NYA LA MÍELE ÐEKA. MENYE NYA LA. MENYE ŊUGBETƆ LA. MEVA ƉO”
Ele dzɔdzɔm, eye womenyae o. Mikpɔea, eyae ma. Mikpɔea? Ẽ, amegã. “Elabena afisi Nukuku la le la, afimae hɔ̃wo ƒoa ƒu ɖo,” kakaɖedzi le eŋu ko abe xexeame ene. Mikpɔea? Nusi Wògblɔ ye ma. Nukae nye Nukuku la? Nya La. Eyae nye Nya la, Eyae nye Nukuku la, Kristo! “Kristo le miame,” amema ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Alegbegbe Wònye nyateƒee!
Esi míele ƒu ƒom be míase Nya la la, ɖeko míaƒe dzimaɖitsitsiwo katã, míaƒe nuteɖeamedziwo katã, míaƒe kuxiwo katã bua vĩi. Míekpɔa dzidzɔ esi míedea dzesi be naneke mele mía ŋu si ŋu wòle be míavɔ̃ le o; míenye Eƒe Ŋugbetɔ. Meli kpli mí ko o, GAKE ELE MÍA ME. MÍENYE NYA NUKU ŊUGBETƆ. Nusianu de blibo. Eƒe game de blibo. Míede blibo.
Míaƒe dzi kpɔa kɔɖiɖi alegbegbe eye míeda akpe ŋutɔ be míagblɔ be míenye Eƒe Ɖetugbui le aƒe si wodzi to Nya la me amesiwo woɖe ɖe go; Yesu Kristo eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me, le agbe hele mía me. Aleluya!
Míate ŋu awɔ ƒoƒose kple NYA ÐEKA o. Ele be míase Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi.
Ɖee miekpɔ hɔ̃ wɔ ƒoƒose kpɔa? Kpao, amegã. Ƒoƒose wɔwɔ aɖeke mele me o. Nenema ke Kristotɔ vavã mewɔa nenema o. Mebɔbɔ o. Ayi adegbe sẽ ɖe esime wòakpɔ Esia. Amen. Ẽ, amegã. Akpɔ eƒe Lã. Ele Mana yeye dim ye. Aɖiva anyi aɖaku eme sẽ ɖe esime wòakpɔ Esia. Adzo yi ʋii agayi ʋii. Ne ɖeke mele bali sia me o la, agayi ʋii vie wu. Ʋii wu nàyi la, nàgakpɔ nu wu. Eyata game su na ŋkeke sia me ƒe hɔ̃wo be woadze dzodzo ʋii, aku Mawu ƒe ŋugbedodowo me, menye anɔ agbe le akaga si wowu ƒe ƒewo ƒe nuɖuɖu ŋu o; mido go ɖa le me.
Dzra ɖo Ŋugbetɔ, míele Mana yeye ma ɖu ge, anɔ anyi ɖe amisisi gãtɔ kekeake si li te, Kwasiɖagbe sia le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míase: 65-0218 Nuku La Menye Domenyila Kple Tsro La O.
Míele Ŋugbetɔ la kpem tso xexeame ƒe akpa vovovowo be wòava wɔ ɖeka kpli mí be míaɖu azã le Mawu ƒe Mɔ deblibo si wona egbea la dzi. Teƒe ɖeka kolia afisi ŊUGBETƆ la ate ŋu agblɔ amen na Nya ɖesiaɖe le. Afisi Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amisisi kɔkɔtɔ ƒoa nu le eye wònana Eƒe Ŋugbetɔ dea blibo le to Play Zizi kple Eƒe Nya sese kple exɔxɔ̃ me.
Nɔvi. Joseph Branham
Ŋɔŋlɔawo:
Mateo Kɔkɔe 24:24
Luka Kɔkɔe 17:30
Yohanes Kɔkɔe 5:24 / 14:12
Romatɔwo 8:1
Galatiatɔwo 4: 27-31
Hebritɔwo 13:8
1 Yohanes 5:7
Nyaɖeɖefia 10
Maleaxi 4
26-0222 Ame Aɖe Si Le Sisim Ɖa Le Aƒetɔ La Ƒe Ŋkume Gbɔ
Gbedasi: 65-0217 Ame Aɖe Si Le Sisim Ɖa Le Aƒetɔ La Ƒe Ŋkume Gbɔ
- 26-0222 Ame Aɖe Si Le Sisim Ɖa Le Aƒetɔ La Ƒe Ŋkume Gbɔ
- 24-0526 Ame Aɖe Si Le Sisim Ɖa Le Aƒetɔ La Ƒe Ŋkume Gbɔ
- 22-1030 Ame Aɖe Si Le Sisim Ɖa Le Aƒetɔ La Ƒe Ŋkume Gbɔ
Alẽvi Lɔlɔ̃tɔwo,
Bubu kple gomekpɔkpɔ kae nye esi be woagblɔ be, “Míenye Mawu ƒe alẽviwo, siwo Wòdɔ Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia ɖa na be wòayɔ ado go aɖatsɔ Eƒe Mana ɣaɣla si wodzra ɖo la nyii.”
Míekpɔ kɔɖiɖi eye míexɔe se be Gbedeasi sia nye Mawu ƒe Gbe wodɔ be wòana Eƒe Ŋugbetɔ nade blibo. Míexɔe se be tsro la le tetem ɖa le lu la gbɔ, eye azɔ la Eƒe Ŋugbetɔ le Vi la ƒe Ŋkume, le PLAY ZIM be yeatsi.
Ke esia ta míele afisia ɖo, xɔ̃nye, be míanɔ Vi la ƒe Ŋkume sẽ ɖe esime míaƒe ame hatsotso sue si le afisia la, sẽ ɖe esime wòatsi alegbegbe na Kristo, wòazu abolo le Eƒe kplɔ̃ dzi.
Ame ɖesiaɖe si mexɔe se be PLAY ZIZI kple Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe sese be wòaƒo nu nye Gbe vevietɔ si wòle be miase o la, nye amesi le sisim ɖa le Aƒetɔ la ƒe Ŋkume.
Ele be nàkpe akɔ kplii, alo awɔ nane kuɖe eŋu. Dɔ aɖe kpɔ ŋkume na wò, ekpɔ ŋkume na ame ɖesiaɖe, eye ele be miakpe akɔ kple nusiawo.
Alegbegbe numegbe sia nye nyateƒe hele vevie egbea. Mama geɖe le amesiwo Mawu yɔ do go la dome alegbegbe. Ɖee wòle vevie wu be woaƒo nyaƒokawo le hamea me be woase Mawu ƒe Gbe, loo ɖe wòle vevie wu be mawunyagblɔla naɖe gbeƒã Nya la?
Mawu yɔ mawunyagblɔla henae teƒe ɖe afisia be wòalé Nya la ɖi le amewo ŋgɔ. Kplɔlawo wonye. Nya la fiae nenema. Elebe woabu wo aɖade bubu wo ŋu abe amesiwo Mawu yɔ hena teƒe ene.
Míate ŋu, eye mele be míagblɔ, kpɔ be womenye Ŋugbetɔ la o. Ema MELE ETEƑE o eye mele nusi nyagblɔɖila fia mí ŋu o. Mese amewo gblɔ be: “ne womele nyaƒokawo ƒom le woƒe hamewo me o la, wonye Nya la ƒe futɔ.” Mele gbeɖe be miagblɔ numa tɔgbe o. Ema fiam be gbɔgbɔ baɖa la ye le mewò.
Mese bubuwo gblɔ be, “Ele be wokatã nanɔ ka me kple BT [ Branham Tabernacle esi gɔme woɖe be Branham ƒe Agbadɔ. TALA ] ne menye nenem o la wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu godo.” Mele be miagblɔ nane nenema tɔgbe gbeɖe o. Mawu ɖeka koe nya amesi nye kple amesi menye Ŋugbetɔ la o. Numa tɔgbe gbɔgblɔ la menye Ŋugbetɔ la ƒe gbɔgbɔ o.
Amesiwo gɔ hã le kame nɔm kple BT la le gbɔgblɔm be, “ne edea sɔleme hesea nyaƒokawo eye menɔa kame le wò aƒeme o la, tɔwò medzɔ o!” Mele eteƒe o nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo. Ne miele egblɔm la, MIDZUDZƆ, miatɔ medzɔ o. Elebe ame ɖesiaɖe nawɔ le alesi WOSE BE AƑETƆ LA KPLƆ YEWO BE YEWOAWƆ ene.
Mawunyagblɔla geɖewo se le woɖokuiwo me be mawunyagbɔgblɔ yenye mɔ si Mawu na na egbea. Ɖeko míele nuwo kpɔm tovovoe, esɔ gbe. Zi nenie nɔviŋutsu Branham wɔ sɔsɔminasɔe sia? Míese eyama le B&Ŋ [ Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo TALA] me, esime amewo nɔ nuƒom le Nɔviŋutsu Jackson ŋu be etɔ medzɔ o, ebufɔ̃wo le esime wole nu ɖesiaɖe gblɔm tsitre eya kple eƒe hame la ŋu. Mawunya ko gblɔm mele enye si to agbalẽ sia ƒe mɔnu dzi le nusi mexɔ se be enye Mɔ si Mawu na Branham ƒe Agbadɔ la ŋu. Wonye mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo. Wolɔ̃a Aƒetɔ la kple Gbedeasi sia. Nenema ye wose ƒe Aƒetɔ la le yewo kplɔm. Woakafu Aƒetɔ la.
Wole ekpɔm le mɔ aɖe nu eye míele ekpɔm le bubu ŋu, enyo. Nyemate ŋu akpɔe le wotɔ ŋu o eye woawo hã mate ŋu kpɔe le tɔnye ŋu o. Le gbɔnye la, mɔ geɖewo li si Mawu na, gake MƆ DEBLIBO ƉEKA koe li, KE LE GBƆNYE LA, EYAE NYE PLAY ZIZI.
Mele gbedom ɖa be woagasem gɔme baɖa le afisia o. Asidada ɖe amewo dzi kple gbedodoɖa ɖe wo ta la sɔ ɖe Nya ŋu 100%. Amikɔkɔ ɖe ame dzi kple gbedodoɖa ɖe dɔnɔwo ta nye Mawu ƒe Nya le Ŋɔŋlɔawo ŋu. Nɔviŋutsu Branham gblɔ mawunya hefia eveawo siaa mí be wonye Nya la. Gake MAWU ƑE MƆ DEBLIBO SI WÒNA LA YE DIM MELE…AXƆE SE KO ELABE NENEMAE MAWU GBLƆ. Nusi ʋlim mele be mawɔ ye ma.
Ke azɔ kuɖe dɔyɔyɔ ŋu la, Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ko wònye be Eya, “To Eƒe kabiawo me la miekpɔ dɔyɔyɔ.” Azɔ, gbã la nenemae Nya la gblɔ, elebe ema nasu, gake ne miexɔe Nya la dzi se o la, ekema nunanawo le Hamea me abe ame siwo me wogbɔ ɖo be woanya alesi woafia ema siwo woana eme nakɔ na mi alegbegbe, enye, kple xɔse be woaxɔe se.
Mexɔ subɔsubɔdɔ atɔ̃awo dzi se. Mexɔ amesiwo Mawu yɔ be woagblɔ mawunya aɖafia Nya la dzi se. Gake, mexɔese be Mawu ƒe Gbe sese le Nyaƒokawo dzi nye Mawu ƒe LƆLƆ̃NU DEBLIBO NAM.
Ne mele nyaƒokawo sem la, mele nam be mase egɔme gɔ hã o, ƉEKO WÒLE NAM BE MAXƆ NYA ƉESIAƉE SI SEM MELE LA DZI SE. Ameaɖeke, mawunyagblɔla aɖeke, teƒe bubu aɖeke meli si mate ŋu ayi afisi maxɔ NYA ƉESIAƉE dzi se le eye matu nye dzeƒe Mavɔ ɖo o, negbe nyaƒokawo ko.
Medzɔ kpɔ gbeɖe do ŋgɔ na ɣeyiɣi ƒe gɔmedzedze be Mawu na gomekpɔkpɔ kple nutete Etɔwo be woaŋutɔ woase Eƒe Gbe wòaƒo nu ɖe to me na wo o.
Woɖe nyaɣaɣla ɖesiaɖe fia le nyaƒokawo dzi. Woɖo biabia ɖesiaɖe ŋu le nyaƒokawo dzi. Nu ɖesiaɖe si Ŋugbetɔ la hĩa be wòade blibo la le nyaƒokawo dzi.
Nya Ɖesiaɖe si wogblɔ le nyaƒokawo dzi la nye Mawu ƒe Nya. Ɖewohĩ nye mateŋu ase egɔme o alo nutete mate ŋu asu asinye be maɖe nu ɖesiaɖe gɔme o, mele nam be mawɔe o. Ɖeko wòbia tso gbɔnye be maɖe AMEN ƉE NYA ƉESIAƉE DZI, eye NYAƑOKAWO nye teƒe ƉEKA si mate ŋu wɔ ema le.
Gake ne—ne elebe nàwɔ nane si tovovo, ne wòle natɔ ɖe wò nyaƒoɖeamenu kuɖe nusi nènya be enye Nyateƒe la dzi la, afimae nye afisi akpa sesẽ la le, masɔmasɔ lae nye ekema, le afima tututu
Mexɔe se kple nusianu si le menye be, míele Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu deblibo hele ʋu me yina ɖe Niniwe.
Adzrom be xexeame nage ɖe míaƒe ʋu me kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Mawu wòaƒo nu na Eƒe Alẽviwo.
Nɔvi. Joseph Branham.
Message: 65-0217 ” Ame Aɖe Si Le Sisim Ɖa Le Aƒetɔ La Ƒe Ŋkume”
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ:
Yona 1:1-3
Maleaxi 4
Yohanes Kɔkɔe 14:12
Luka 17:30