23-0416 Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia

Gbedasi: 60-1204M Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia 60-1204M



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔti Lɔlɔ̃tɔ,

Yubili kae nye esi Ŋugbetɔti la le ɖoɖom. Míaƒe dzi kple luʋɔwo le bibim le míame abe gbeɖe tsã ene. Ele zɔzɔm kpli mí hele nuƒom kple mí, le Eƒe Nya ɖem fia. Nuwo le dzɔdzɔm kabakaba alegbegbe be bebli míete ŋu le ŋku lém ɖe Woŋu.

Míele Nya Mawu ƒe Nya deblibo si Nyagblɔɖilati deblibo la ɖe ɖe go sem, si le gbeƒãɖem Nyagblɔɖila Nya deblibo la, hele Nyagblɔɖila deblibo ƒe ku tsem, to Mawu ƒe Nya deblibo dzi.

Nusianu si ku ƒe gbedeasitsɔla ene siwo wu ati la tsrɔ̃ heɖu la, Agbe ƒe gbedeasitsɔla eneawo ɖoe ɖo azɔ. Menye gbedeasitsɔla ATɔ̃ o, menye gbedeasitsɔla atɔ̃ hatsotso o, menye hatsotso aɖe o; gbedeasitsɔla ENE dɔ Ŋugbetɔti la ɖo.

Tso keke ɣeyiɣia ƒe gɔmedzedze me ke, Mawu lala kpɔ ŋkeke sia kple azãgbe sia be wòava eme alebe Yeate ŋu kpɔ Eƒe kutsetse, le Yeƒe ɣeyiɣi me, to nyagblɔɖila ƒe azãgbe dzi. Míawoe nye Kutsetse la. Azãgbe lae nye esi. Ŋuŋeɣi la ɖo.

Ista Kɔsiɖanuwuwu sia tovovo na Ista bubu ɖe sia ɖe si ƒe numetoto ame wɔ kpɔ. Míaganye amemawo ke kpɔ gbeɖe o. Aƒetɔ la ƒe amegbɔnɔnɔ aɖe alea. Menɔ lalam kpɔ Kɔkɔedzoe la be wòava me le aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe me.

Le Biblia me la, Dawid gblɔ Nyasiawo be: Woŋɔ nye asiwo kple afɔwo. Mate ŋu gblɔ be nye ƒuwo katã la: wole nye kpɔm helé ŋku ɖe ŋunye titotito.

Amewo xlẽ kpukpui ma hese kpukpui ma ƒe alafa alafawo, gake esime Yesu nɔ atsitsoga ŋu le afima le woƒe ŋkuwo me la, anye ne Ŋugbetɔ la kpɔ Eyama hede dzesi be, Egbe Sia, Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Ŋu le míaƒe ŋkuwo me tututu.

Nukae woase le woɖokui me esime wonɔ dzesi deme be yewole Ŋɔŋlɔ ma si le mevam, kple yewoƒe ŋkuwo, eye wònye Nya si woŋlɔ la ƒe akpa aɖe.

Míawoe ma AZƆ. Míele agbe le ŋkeke siwo me Ŋɔŋlɔ mamleawo le mevam le míaƒe ŋkuwo me le; eye míenye Ŋɔŋlɔ ma ƒe akpa aɖe.

Ele agba sam le míatitina tututu. Ŋkeke etɔ̃lia ƒe nuwuwu wònye. Edze hefia mí Eƒe tsitretsitsi ƒe dzesi la. Enye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Míenye Eƒe Amegbɔnɔnɔ ƒe kutsetse gbagbewo. Woɖee ɖe go eye ele dzedzem na míakatã, Eƒe Hame la.

ALEKE WÒLE EWƆ ƉO?

Woɖe nyagblɔɖila dzo ɖa le anyigba sia dzi, gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le nyaƒokawo dzi, eye wòle dukɔwo me tom kple xexeame ƒom xlã. ENYE AƑETƆ YESU KRISTO ƑE SUBƆSUBƆDƆ AGBAGBE. Ele Eƒe Ŋugbetɔ nuƒom ɖe du kple nu ɖeka si ate ŋu, eye awɔe dzi: Eƒe Nya. Eƒe Gbe. PLAY ZIZI!

Egbe Sia, Wowu Ŋɔŋlɔ, Sia Ŋu.

Eyae nye Ŋugbetɔsrɔ̃ti La tso Eden ƒe Abɔ la me. Gake Ŋugbetɔsrɔ̃ti La asi manɔmee la, mate ŋu tse ku o; Elebe Ŋugbetɔti Aɖe nanɔ esi. MIAWOE ma. Wodzimi kple dɔwɔnu ma ɖeka ke. Nya La zu ŋutilã le MIA me. Agbe Ma ke si le Ŋubetɔsrɔ̃ la me la le MIA me azɔ.

Ŋugbetɔ la le ɣli dom be: Aleluya, Amen, Ŋutikɔkɔe!!

Nukae Woɖo le nudzraɖoƒe na mí emegbe?

Ɣeyiɣi tɔxɛ sia ƒe taɖodzinu nye be mía… Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖo nyaƒoɖeamenu ƒe toklãnana nye dzi dzi, bena, ‘Elebe Hame la ŋkeke sia me naɖo Gbedeasi sia.” Elabena, mexɔe se bena enye Biblia me ƒe Gbedeasi vevietɔawo kekeake, elabena ele Kristo ɖem fia le Eƒe Hamea me le ɣeyiɣi sia me.

Alea la, Ŋugbetɔ la aƒoƒu Kɔsiɖa gbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia 60-1204M

Medi be mado dziƒo na mi miase, alo axlẽ nu, kɔsiɖa sia kɔsiɖa le Hame ƒe Agbenɔɣi ƒe Agbalẽ la me, tanya si míese Kɔsiɖagbe ɖe sia ɖe la. Míele eda ge ɖe Lifeline Voice Radio dzi gbe sia gbe le game vovovowo dzi, gake mivo fãa be miaxlẽ, ase aɖasrɔ̃e le kɔsiɖa katã me le ga sia game.

Mina míakpɔ dzidzɔ eye míadzɔdzi. Miaƒe susu meganɔ xexe sia me kple nuvɔ̃ kpakple mɔkpɔkpɔbubu si ɖe to mí la dzi o. Mina míaɖu azã le nusianu si wɔm Wòle na mí gbe sia gbe la dzi.

Le Mose ŋɔli la, mekaɖe dzi be amewo kpɔtɔ nɔ Mose biam se be,
“Ɣekaɣie míadzo ɖa le teƒesia mahã? Ɣekaɣie míado go ɖa le afisia mahã?”

Ɖeko mese Mose wòna amewo dze akɔ anyi hegblɔ be:

“Ne Mawu sɔgbe. Gake fifia la, mikpɔ dzidzɔ le nusi wɔm Wòle na MI ŋu”.

Abitowo le aƒeme na mía? O.
Ʋetsuviwo le míaƒe atiwo ɖuma? O.
Tsi si me ʋu le ye nom mielea? O.
Miele tometsi fafɛ nom. Minɔ anyi ko hele vivisem le nusiwo katã wɔm Wòle hele ɖeɖem fia mi ŋu.

Enye ku, tsɔtsrɔ̃wo kple ʋɔnudɔdrɔ na wo. Gake na miawo ya, ŋkeke gãtɔ kekeake woenye esi le anyigba dzi. Dzidzɔ, ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ nesu miasi. Mikafu Aƒetɔ la ko, ɖe nusiwo katã wɔm Wòle ta, eye mikpɔmɔ na nusi wɔge Wòle emegbe.

Nɔvi. Joseph Branham