26-0621 Woɖe Kristo Fia Le Eŋutɔ Ƒe Nya Me

Gbedasi: 65-0822M Woɖe Kristo Fia Le Eŋutɔ Ƒe Nya Me


BranhamTabernacle.org

Fianyɔnu Lɔlɔ̃tɔ,

Ke egbe la woɖe Ŋugbetɔ la do tso Kristo ƒe ŋutilã me, wòle zɔ ɖem hele nuwɔm tututu ko abe alesi Wògblɔ be Awɔ na ŋkeke sia ene, Ŋugbetɔ la, Fianyɔnu la; Fia kple Fianyɔnu la. Esɔ gbe.

Esi Yesu zu Nya ma katã la, ekema míenye Eƒe akpa aɖe ƔEMAƔI. Abosam aɖeke meli o, ŋusẽ aɖeke meli o, naneke mate ŋu axɔ ema le mía si gbeɖe o. Emae nye luʋɔ ƒe blaɖeŋu sɔti.

Nyɔnyɔ ka gbegbee nye si le Ŋugbetɔ la si sum kple Gbedeasi ɖesiaɖe si sem míele. Egbɔ kukuawo ƒe nyawo be woaɖee gblɔ. Ðikeke ƒe vɔvɔli ɖeka pɛ hã meli o, Mawu tia mí hena mí Eƒe Nya ƒe Ɖeɖefia NYATEƑETƆ na egbe. Eyata míenya amesiwo míenye, Eƒe Fianyɔnu.

Mawu ƒe Gbe si le nu ƒom na Eƒe Ŋugbetɔ le nyaƒokawo dzi la le Eƒe Ŋugbetɔ la wɔm bliboe. Subɔsubɔdɔ bubu aɖeke meli o, gbe bubu aɖeke o; naneke meli si ate ŋu ana Eƒe Ŋugbetɔ nade blibo o negbe Mawu Ŋutɔ si le nu ƒom to amegbetɔ ƒe nuyiwo dzi na Eƒe Ŋugbetɔ tẽ. Ame bubuwo adi be yeaxɔ teƒenɔla, gake Eƒe Ŋugbetɔ la malɔ̃ axɔ nububu aɖeke o negbe Eƒe GBE, Eƒe lɔlɔ̃gbalẽ na Eƒe Ŋugbetɔ la ko; elabena Eƒe Gbe koe Eƒe Alẽwo dia be yewoase.

Amewo gblɔna be míetea gbe ɖe nyagblɔɖila la dzi akpa. Ewɔ nuku ŋutɔ be ameawo melɔ̃ ɖe edzi be Dziƒo Fofo gã la ŋutɔ tsɔ ɖe le eme na Eƒe dɔla ale gbegbe be wòtsɔ vevienyenye gã aɖe na nusianu si ku ɖe eŋu tsitotsito o; alesi wòdo awui, alesi wòwɔ nui, eƒe de, eƒe nuwɔnawo.

Edo awu siwo ƒomevi wòdo gɔ̃ hã nɛ; eƒe dzɔdzɔme, eƒe didi vevie, nusianu abe alesi wòle be wòanɔ ene ko, ɖeko Mawu Ŋutɔ tiae bliboe na mí…emegbe woagblɔ be míetea gbe ɖe nyagblɔɖila la dzi akpa.

Na míawo ya la, Gbe si le nyaƒokawo dzi la menye amegbetɔ ƒe nya o, nenema ke menye amegbetɔ ye Gblɔe o, menye amegbetɔ ye tsɔe vɛ o, nenema ke menye amegbetɔ ye Ɖee fia o. Enye Mawu ƒe Nya si Mawu Ŋutɔ ɖe fia, Eya ŋutɔ ƒe Gɔmeɖela, Kristo si le Eɖokui ɖem fia le Eŋutɔ ƒe Nya me.

Ame aɖewo ate ŋu se, gake womedea dzesii keŋkeŋ o. Àte ŋu agblɔe na wo, afia wo, gake ɖeko womate ŋu kpɔe o. Míelɔ̃a wo, doa gbe ɖa ɖe wo ta, gake nusi Mawu ɖe fia mí enye Eƒe Blibodede.

Litmus dodokpɔ na mama gã si le Kristo ƒe Ŋugbetɔ la dome egbea si gblɔa be nuwuɣi ƒe Gbedeasi gã sia ƒe Ɖeɖefia vavãtɔ le yewo si lae nye esi.

Litmus dodokpɔ ƒe gɔmesese: Nu ɖeka si naa wotsoa nya me, nyabiase, alo nudzɔdzɔ si ɖea nane (alo ame aɖe) ƒe dzɔdzɔme, akwakwanyenye, alo tsitrenɔƒe vavã fiana kabakaba.

Mina magagblɔ gbã zi ɖeka ake be, mexɔ subɔsubɔdɔ vavã si Mawu yɔ dzi se. Hiahiã li, eye teƒe aɖe hã li, na dɔwɔƒe ɖesiaɖe. Ŋɔŋlɔ la gblɔ be ŋutsu siawo ƒe subɔsubɔdɔa li na ame kɔkɔewo ƒe blibodede, gake megblɔ be subɔsubɔdɔ ƒe dɔwɔƒe atɔ̃ ɖesiaɖe ana ame kɔkɔewo nade blibo o.
Nɔviŋutsu Branham gblɔe na mí eme kɔ ƒãa be subɔsubɔdɔ la trana mɔ le agbenɔɣi ɖesiaɖe me, ke aleke WOate ŋu na Ŋugbetɔ la ade blibo?

Gbeƒãɖela, nufiala, apostolo kple nyagblɔɖila geɖewo, geɖewo li siwo ɖe gbeƒã be yewoxɔ nuwuɣi ƒe Gbedeasi sia dzi se eye be Nɔviŋutsu Branham ye nye Nyaɖeɖefia 10:7 ƒe Gbe, amesiwo le gbɔgblɔm fifia be alakpae, enye ameblela, míenye kɔmama.

Amesiawo nye mawunyagblɔla siwo ŋu wode bubui ŋutɔ, siwo si hame gãwo le, siwo tsaa le xexeame katã hesubɔ. Wobu wo be wonye kplɔla gãwo le subɔsubɔdɔ 5awo me, woɖea gbeƒã le takpekpegãwo kple hamewo me le Dukɔ Ƒoƒuawo me godoo. Subɔsubɔdɔ gã aɖe nɔ wo si le amewo ƒe ŋkume, eye wodze wo yome hexɔ wo dzi se be wonye Mawu ƒe amegãwo.

Emegbe mawunyagblɔla aɖewo li egbea siwo wonya nyuie le xexeame godoo be wonye subɔsubɔdɔ 5awo ƒe mawunyagblɔla vavã siwo gblɔna be yewoxɔ Gbedeasi sia dzi se to Exexlẽ na amewo kple Egbeƒãɖeɖe me, gake wogblɔna hã be Gbedeasi sia menye Tɔɖoƒe la o. Ame ɖeka ƒe Gbedeasi ŋkekewo ŋu va yi. Subɔsubɔdɔ 5awo wòle be woana Ŋugbetɔ la nade blibo, eye mele eteƒe be woaƒo nyaƒokawo le hamea me o, be wòaxlẽ nya ʋee aɖewo na amewo.

Míenya be aʋatso amesiaminawo anɔ anyi le nuwuɣia me; nyagblɔɖila la xlɔ̃ nu mí be míalé ŋku ɖe wo ŋu. Woasi ami na woƒe subɔsubɔdɔa. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la anɔ wo si, ale wòaxlẽ gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la na amewo. WOATE ƉE wo nɔewo ŋu ale GBEGBE be aflu ametiatiawo ŋutɔ ɖe wòle bɔbɔe.

MENYE kɔmahatsɔŋkɔwoe ma o. Womete ŋu dze ame tiatiawo beble gɔme o. Eyata ele be wòate ɖe eŋu wu ema gɔ̃ hã. Esia mefia be mawunyagblɔla ƉESIAƉE tra mɔ o, le mɔ aɖeke nu o. Mawu ƒe amegãwo li siwo ɖea gbeƒã hefiaa nyateƒe la, gake nane li si wòle be xɔsetɔ ɖesiaɖe nade dzesii ahabia woɖokui be:

Ðe mawunyagblɔla si yome nèle la ate ŋu awɔ vodadaa?
Àte ŋu agblɔ amen na nya sia nya si wòɖea gbeƒãea?
Èxɔe se be Nya ɖesiaɖe si wòfiana la nye Ale Aƒetɔ la Gblɔ Esia?
Ðe eƒe gbe nye Gbe vevietɔ kekeake si wòle be nàsea?
Ðe wòate ŋu aɖe gbeƒã nu gbegblẽa?
Ðe wòate ŋu awɔ vodada le gbeƒãɖeɖe Gbedeasia ƒe 30 megbe gɔ̃ hã? Ðe wòate ŋu ada ƒua?
Ðe wòate ŋu agblɔ nu siwo mesɔ o na wòa?
Ðe woate ŋu afluia?

Azɔ bia nya mawo ke ɖokuiwò tso Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpee si nàte ŋu ase le nyaƒokawo dzi la ŋu.

Ðee Gbedeasi si le nyaƒokawo dzi ate ŋu awɔ vodada: AO
Àte ŋu axɔ Nya ɖesiaɖe si wògblɔa dzi se ahagblɔ AMEN? Ẽ
Ðe Wòate ŋu ada ƒua? AO
Ðe wòate ŋu aɖe gbeƒã nu gbegblẽwoa? AO
Ðe Ate ŋu agblɔ nu gbegblẽa na wòa? AO
Àte ŋu atu wò dzeƒe mavɔ la ɖe Nya ɖesiaɖe si nèsea dzia…Ẽ!!!
Ðe Wònye Mawu ƒe Gbea: Ẽ

Nukata mele nya siawo gblɔm mahã? Be maɖee afia be amegbetɔwo KATÃ woate ŋu awɔ vodada, eye wowɔa vodada, gake MAWU ƑE GBE si le nyaƒokawo dzi mate ŋu awɔ vodada o. Esia tae Wònye GBE vevietɔ kekeake si WÒLE BE NÀSE. Esia tae wòle be subɔsubɔdɔ la naƒo nyaƒokawo na woƒe hawo ɖo. Enye Mawu ƒe MƆ DEBLIBO SI WONA Eƒe Ŋugbetɔ la.

Kakaɖedzitɔe la, mexɔe se be àte ŋu aɖo to ame bubuwo, gake Gbe ɖeka kolia si WÒLE BE NÀSE eye nàxɔ Nya ɖesiaɖe dzi ase lae nye Gbe si le nyaƒokawo dzi. Gbe ma koe nye ÐEKA si dzi míate ŋu agblɔ be AMEN na Nya ɖesiaɖe le.

Emae nye Mawu ƒe sedede, ele be nàxɔ Nya ɖesiaɖe dzi ase, eye Nya si nèsea le nyaƒokawo dzi lae nye NYA ÐEKA si dzi Dzo Sɔti la ɖo kpe be enye nyateƒe. Mawu gblɔ be William Marrion Branham koe nye Eƒe Nya gɔmeɖela mawumetɔ ÐEKA, elabena Menye eƒe nya ye o, Mawu ƒe Nya ye wònye.

Migatrɔ iota ɖeka alo sue ɖeka o. Ame aɖeke mede blibo nenema gbegbe o; Mawu ƒe Gbe koe de blibo nenema. Ne míese nusi míese gɔme o hã la, ɖeko wòle be míaxɔe ase be emae nye Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe na Eƒe Ŋugbetɔ.

Nyateƒee, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le Mawu ƒe amewo kplɔm. Nyateƒee, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ wo be woanye kplɔlawo kple mawunyagblɔlawo kple nufialawo; nyateƒe wònye, gake womede blibo o. Gake Mawu ta mɔ aɖe si dzi miato ase NYA DEBLIBO la ɣesiaɣi si miaƒo ƒu.

Ameawo, kpakple subɔsubɔdɔa, le teƒenɔlawo dim egbea. Ɖee miate ŋu abu eŋu be ame aɖe awɔ nusi wowɔna na Nɔviŋutsu Branham na mawunyagblɔla aɖea?… Be “Mana miniti 30 wò emegbe ele be nàkpa, gbedeasi aɖe le asinye si wòle be matsɔ vɛ.
Miate ŋu ase nyaƒokawo ɣesiaɣi. Menya nusi wòle be hame sia nase le egbeŋkekea me.” Ame akpa gãtɔ maƒo nyaƒoka ƒe akpa aɖe gɔ̃ hã o, eye wogblɔa be mesɔ be woaƒo Mawu ƒe Gbe le yewoƒe hamewo me o.

Ðe ame aɖe si le eƒe susu nyuitɔ me ate ŋu bu eŋu be mawunyagblɔla aɖe atsɔ taflatsedodo, taflatsedodo ɖesiaɖe, be yemaƒo Mawu ƒe Gbe le yewoƒe hame o le esi yewoxɔe se be ele be yewoaɖe gbeƒã ta? Wogblɔnɛ, gake womexɔe se be Mawu ƒe Gbe ye o, ne menye nenem o la womate ŋu ado taflatse aɖeke gbeɖe be yewomaƒo nyaƒokawo o.

Aleke ame aɖe awɔ agblɔ be yewoxɔe se be Mawu ƒe Gbe yenye esia eye womadi be yewoaƒoe le yewoƒe hame o? Aleke dukɔ aɖe si gblɔna be yewoxɔe se be Mawu ƒe Gbe ye le nu ƒom eye womebiana tso woƒe kplɔlawo si be woaƒo nyaƒokawo le yewoƒe hamewo me o? Elabena gbɔgbɔ ɖeka ma kee le wo si.

Mèganye Nikodemo eye nàgblɔ be, “Mekpɔe eye mexɔe se. Enye Amegbetɔvi si le Eɖokui ɖem fia le amegbetɔ ƒe ŋutilã me ye. Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi ye. Enye Gbedeasi deblibo. Enye Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi, gake ɖeko nyemate ŋu aɖiɖi nye subɔsubɔdɔ la anyi eye magblɔ be Gbe la le vevie wu na nye hamea be wòase o.”

Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, ɖewohĩ mialɔ̃ ɖe nye nya dzi tututu le nya sia ŋu tututu o. Nyemebia tso miasi be miawɔe o. Nu ɖeka koe nye be, mitsɔ ɖe le eme ko. Nusi miagblɔ nam la, matsɔ ɖe le eme. Ne mawunyagblɔlawo gblɔ na woƒe hame be yewomexɔ nyaƒokawo ƒoƒo dzi se le yewoƒe hamewo me o la, esɔgbe, nɔvinyeŋutsu. Nyiwo kple nu ɖe sia ɖe si nèdi.

Mele agbagba dzem le nye ŋutete katã me be manɔ Nya la gbɔ tututu, elabena alẽwo media naneke wu alẽwo ƒe nuɖuɖu o eye míexɔe se be Gbe si le nyaƒokawo dzi lae nye míaƒe Alẽwo ƒe Nuɖuɖu. Emae nye nusi dzi míenɔa agbe to: Nya ɖesiaɖe si doa go…Menye Nya ɖeka ko fifia kple ɣebubuɣi o; ke Nya ɖesiaɖe si doa tso Mawu ƒe nu me, wogblɔe le nyaƒokawo dzi; emae nye nusi dzi míenɔa agbe to.

Mawu netsɔe kem eye miawo hã mitsɔe kem ne medo dziku na mi alo megblɔ nya gbegblẽ aɖe. Esia tututu dzie míexɔe se eye míekpɔe be enye Nyateƒe si dzi míenɔa agbe to. Mawu na MƆ DEBLIBO aɖe mí be míase Eƒe Gbe eye míelɔ̃nɛ.

Abe kokoko ene la, mele amesiame si di be yeawɔ ɖeka kpli mí la kpem be wòase Gbe Ma le game ɖeka me, be wòava kpe ɖe mía ŋu le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, afisi míawɔ ɖeka le abe Glikpo Ɖeka ene: 65-0822M Woɖe Kristo Fia Le Eŋutɔ Ƒe Nya Me

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ hafi ase Gbedeasi la:
Mose II, 4:10-12
Yesaya 53:1-5
Yeremya 1:4-9
Maleaxi 4:5
Luka Kɔkɔe 17:30
Yohanes Kɔkɔe 1:1 / 1:14 / 7:1-3 / 14:12 / 15:24 / 16:13
Galatiatɔwo 1:8
Timoteo II, 3:16-17
Hebritɔwo 1:1-3 / 4:12 / 13:8
Petro II, 1:20-21
Nyaɖeɖefia 1:1-3 / 10:1-7 / 22:18-19