21-1024 Woɖe Kristo Fia Le Eŋutɔ Ƒe Nya Me

Gbedasi: 65-0822M Woɖe Kristo Fia Le Eŋutɔ Ƒe Nya Me



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ si me Dzoxɔxɔ le Lɔlɔ̃a,

Dzi me dzɔ mí kpɔ gbeɖe wu, alo míekpɔ kɔɖiɖi wu le míaƒe agbe me o. Dzoxɔxɔ to Ɖeɖefia me le mía si wu gbeɖe tsã. Xexeame le to yim. Amewo dze aɖaʋa keŋkeŋ. Míele nusiwo ŋu míese nu le le míaƒe agbea katã me la kpɔm wole me vam le míaƒe ŋkuwo me tututu azɔ.

Gbedeasi Ɖesiaɖe si sem míele sɔ le game dzi tututu henye nusi míehĩa be míase. Enye Gbɔgbɔme Nuɖuɖu Le Eɖuɣi. Míekpɔ kɔɖiɖi be Menye ame aɖe ƒe susuwo o, nenema ke Menye ameaɖe ƒe Nyawo o, Enye Mawu ƒe Nyawo siwo le nuƒom to Ame me, hele Eƒe Ŋugbetɔ yɔm do go.

Míate ŋu agblɔ tso míaƒe dzi ƒe gogloƒe me ke be:

•Gbedeasi Sia nye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi.
• Enye Mawu ƒe mɔ si wona na egbe.
•Mehĩa gɔmeɖeɖe aɖeke o.
•Enye Nyawo si medana ƒu o.

Gbedeasia ƒe takpekpe mamle siawo sese nye nye agbe ƒe kɔkɔƒe. Ɖeko medi be mama numegbe ɖe numegbe yome kple amesiame. “Ɖee miese numegbe sia…Nyemese Esia nenema kpɔ gbeɖe tsã o…Mese nyaƒokama zi ene sɔŋ le ŋkeke ʋee mamleawo me ke nyemelé kpɔ abe alesi mewɔe egbe ene o. Gbedeasi sia le asia dzi wu esime woɖe gbeƒãe ƒe 56 enye esi”.

Naneke meli abe dzidzɔ sɔŋ be nànyae be yele Mawu ƒe Gbe dzadze si dzi woɖo kpe la sem o. Mehĩa be nàkpɔ nyuie aɖanɔ ŋudzɔ o. Mehĩa be nàbia ɖokuiwò se be, ɖe esia sɔ kple Nya la mahã o. Eƒe susuwoe loo alo eƒe gɔmeɖeɖe ye mahã? Elebe mayiɖa dzroe kpɔ kple Nya la.

Menye míawo o, ɖeko míenɔa anyi kpoo, vona, heɖea AMEN ɖe Nya ɖesiaɖe dzi, esime míenyae be nusianu si sem míele la nye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI.

Gblɔeɖe ko la menyoa ɖe dzi wu alo nɔa bɔbɔe wu ema o.

Menɔ gbedom ɖa hele Aƒetɔ la dim eye Wòle nyekplɔm be mayi dzi kple Gbedeasi mamle siawo siwo nyagblɔɖila gblɔ. Menyae be míese Gbedeasi siawo siwo adze eyome, ɣleti ʋee aɖewo koe nye esi, gake ɣesiaɣi si míeseawo la Ele geɖe ɖem fia wu gawu ɖe dzi na mí.

Ne mele Eƒe Ŋugbetɔ ŋu bum be, eƒo ƒu ɖe du le xexea katã me, le lalam kple dzitsitsi gã aɖe be yewoadze yewoƒe Gbedeasi la gɔme be yewoase Mawu wòaƒo nu na yewo tso Eƒe nyagblɔɖila ƒe nuɣiwo dzi la, metsi dzi ŋutɔ. Nuka ɖe ge Wòle afia mí egbe mahã?

Nyɔnyɔ̃ gã aɖe le emevam le xexea katã me. Ŋugbetɔ La le ɣli dom sesiẽ, hele gbɔgblɔm be: “Míedi be míase nyaƒokawo. Míedi be míazi play. Míedi be míawɔ ɖeka kple Ŋugbetɔ la le Nya La ŋu”.

Míele ɖeka wɔm hele anyinɔm le Vi la ƒe ŋkume, hele tsitsim, hele dzradzraɖo wɔm hena Kɔkɔdzoe la. Medi be makpe mi be miava aɖatsi kpli mí le ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Mawu wòaƒo nu na Eƒe Ŋugbetɔ la aɖatsɔ Gbedeasi, Woɖe Kristo Fia Le Eŋutɔ Ƒe Nya Me 65-0822M vɛ na mí.

Nɔvi Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ hafi woase Gbedeasi la:

Mose Evelia 4: 10-12
Yesaya 53:1-5
Yeremya 1:4-9
Maleaxi: 4:5
Luka Kɔkɔe 17:30
Yohanes Kɔkɔe 1:1/1:14/7:1-3/14:12/15:24/16:13
Galatiatɔwo 1:8
Timoteo II 3:16-17
Hebritɔwɔ 1:1-3/4:12/13:8
Petro II 1:20-21
Nyaɖeɖefia 1:1-3/10:1-7/22:18-19