21-1017 Eye Mènyae O

Gbedasi: 65-0815 Eye Mènyae O



BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Hɔ̃ Lɔlɔ̃awo Siwo Le Ƒuƒom,

Oo, ɣeyiɣi kae nye esi, ga kamee nye esi! Naneke meli si wogblẽ ɖi mawɔmawɔ o. Mawu ƒe Hɔ̃wo le ƒuƒom ɖe Nukuku la ŋu. Nyagblɔɖi le emevam. Esia Medaƒu ga aɖeke game kpɔ o, eye Mele ewɔge hã o, elabena mí, amesiwo woɖoɖi be Woakpɔe la, le Ekpɔm.

Tso esime Fofo kplɔ Eƒe nyagblɔɖila yi Aƒe la, Eƒe Ŋugbetɔ mewɔ ɖeka le Eƒe Gbe ŋu kpɔ abe egbe ene o. Etia mɔ si dzi eƒe Nya ato ava, ke to Eƒe Nyagblɔɖilawo, amesiwo woɖoɖi heda asi ɖe wodzi do ŋgɔ dzie. Ke míekpɔ kɔɖiɖi, hexɔ kakaɖedzi be Yesu Kristo ye nye esia le Eɖokui ɖem fia hele dzesi dem Eɖokui le nyagblɔɖi me.

Alesi wônɔ be Wôkplɔ Israelviwo to gbedadaƒo, le woƒe mɔzɔzɔ me, abe amesiwo woyɔ do go egbe ƒe kpɔɖeŋu ene. Eyae Nye esi, to dzɔdzɔmenunya numekuku me, ŋutɔ gɔ hã de dzesi Eɖokui le dzɔdzɔmenunya ŋku me. Ke to Eƒe nuwɔnawo ŋutɔ me kple to Eƒe nyagblɔɖi ŋutɔ me, nusiwo ƒe nya wogblɔ ɖi kuɖe Eyama ŋu be woawɔ le ŋkeke sia me, be woawɔ Eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me la, woɖo kpe dzi wôde blibo keŋ. Ɖee esia mesu be wôana míaƒe dziwo nabi le mía me mahã?

Abe ŋkeke ma ƒe apostolo mawo ene la, woɖomí na Agbe. Nu ɖeka si wôle be míawɔ ye nye be míana woanya Eƒe Gbe. Ke Gbe mae nye Mawu ƒe susuwo ŋutɔ si woɖe gblɔ. Míexɔ Eƒe ɖesiaɖe dzi se. Míehĩa be míaɖo kpe naneke dzi, loo abia zadukitɔ aɖe alo Farizitɔ aɖe, alo ame bubu aɖe nane se kuɖe Eŋu o. Egblɔe Esia ke míexɔ Esia se. Eƒe alẽwo sea Eƒe Gbe, si le nuƒom to Eƒe Nyagblɔɖila dzi.

Gbedeasi sia nye Mawu ƒe Gbe le nyaƒoka dzi. Enye Yesu Kristo eyama ƒe Ɖeɖefia katã, Nubabla Xoxoa kple Yeyea ƒoƒu ɖe du. Woɖe nyaɣlaɣlawo katã fia. Míetsɔa ɖe Kpee alo ɖea ɖe le Me o. Míewɔna ko tututu abe alesi Wôde se na mí be míawɔ ene, MINƆ ANYI KPLE NYA LA.

Yee nye ekem. Ame ememe tɔ mae. Ememe ma aƒu Nya la dzi, aku ɖe Nya ŋu, meka nusi dzɔ o.

Egblɔ nya ɖi hegblɔ nusi avadzɔ na mí. Xexeame katã adze aɖaʋa, ke avɔ̃ɖi agavɔ̃ɖi agavɔ̃ɖi, sẽ ɖe esime woazu aɖaʋatɔwo ƒe hatsotso.

Egblɔ be gaƒoƒo la tu aƒe afisi míele nane kpɔ ge le wôadzɔ, nane le eme va ge. Ke Gbedeasi siawo katã gɔmeɖoanyi kple gɔmeɖokpe na Gbedeasi kpui kple kaba aɖe si aʋuʋu dukɔawo katã. Mexɔe se azɔ be míele nusiawo kpɔm wole dzɔdzɔm fifi laa.

Ke menyae be, ne medzo ɖa le anyigba sia dzi vɔ megbe la, nyaƒoka mawo kple agbalẽmawo woayi dzi anɔ agbe, ke mi sɔhɛwo dometɔ geɖewo akpɔ, le ŋkeke siwo gbɔna me, be esia nye Nyateƒe la tututu, elabena megblɔe le Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ me.

Mina míaɖo to aɖalé to nyuie ɖe drɔ̃e siwo nyagblɔɖila li na mí ƒe teƒe ɖesiaɖe ŋu. Alesi wokpɔ eyama wônɔ tsitre ɖe agakpe aɖe dzi si keke tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, le toxɔ ƒe nɔnɔme me. Alesi wônɔ sɔ aɖe si womekpɔ naneke sɔ kpli nenema le woƒe agbe me kpɔ o dzi; sɔ gã ɣi aɖe, kple ɖa gã ɣi aɖe si ɖiɖi va anyi.

Alesi alilikpo ɣi aɖe ɖi va helée hekɔe dzoe. Ekema emegbe vie la etsɔe nɔ anyi ɖe kplɔ aɖe ƒe ŋgɔ ke eyama le ɣi abe sno ene. Enɔ tsitre ɖe afima ƒo nu kple tɔtete. Emekɔ ƒã. Amesiame se nusi wôgblɔ gɔme tututu.

“Magato mɔ sia dzi zi ɖeka ake”

Mexɔe se be míele ema kpɔm wôle emevam egbe. Gbedeasi Siawo gale mɔadzi tom zi ɖeka ake. Mawu le Eƒe Hɔ̃wo yɔm wole ƒuƒom ɖedu le xexea katã me. Wole ɖeka wɔm le Eƒe Nya, Eƒe Gbe, Gbedeasi Sia ŋu.

Xexeame nye amamanɔla, hĩatɔ, nublanuitɔ, ŋkugbagbãtɔ, eye menyae o. Gake Ŋugbetɔ la wodo awu na eyama kple Nya la, ele ŋutikɔkɔe me le Gbɔgbɔ me, le dzidzɔ kpɔkpɔ me to Eƒe Amenuveve me, eye míele ekpɔm henya amesi míenye la: EƑE ŊUGBETƆ.

Le nusi míenya ŋu la egblɔ na mí be, yemekpɔ naneke si le mɔxem, le ɣeyiɣi sia me, na Aƒetɔ Yesu ƒe Vava la, tovovo na Eƒe Hame ƒe dzadzraɖo o.

Hɔ̃wo, mina míadzra míaɖokuiwo ɖo. Mele miakpem be miaƒo ƒu kpli mi le Nukuku la ŋu Kɔsiɖa gbe le ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe ga me aɖase Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke wôadzra mí ɖo na Kɔkɔdzoe si gbɔna kpuie esime míase: 65-0815 Eye Mènyae O

Nɔvi Joseph Branham

Nyaɖeɖefia 3:14-19
Kolosetɔwo 1: 9-20