Gbedasi: 65-0801m Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu
- 26-0531 Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu
- 24-0818 Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu
- 23-0129 Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu
- 21-1003 Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu
- 20-0216 Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu
Kristo ƒe Ðetugbi Leaƒe, Nya, Alẽha, Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ:
Aleke míaƒe dziwo kpɔ dzidzɔe esi míese Eƒe dɔla sesẽ la ɖe gbeƒãe be míenye Mawu ƒe Nuku si woɖo ɖi do ŋgɔ si mate ŋu awɔ nububu aɖeke o negbe adze Eƒe Gbe yome ko. Ewu agbe na mí. Miate ŋu aɖe míaƒe agbe ɖa, gake miate ŋu aɖe Eƒe Gbe ɖa o. Míele Ðeka kple Eƒe Nya. Míele Ðeka kple Eƒe Gbe. Míele Ðeka kple Eyama.
Ewɔ nuku na mí ŋutɔ be womese mía gɔme baɖa eye woɖu fewu le mía ŋu ale gbegbe o elabena míegblɔa be míexɔ nyaƒokawo ƒoƒo dzi se; be enye Mawu ƒe Gbe si le nu ƒom na Eƒe Ŋugbetɔ. Satana na woble amewo ale gbegbe be wosusu be to míaƒe gbeƒãɖeɖe dzi be míenye nyaƒoka hame la, enye nane si mele Nya la me o, si gblẽ, eye wole míakplɔm baɖa, esime ɣesiaɣi la Enye Mawu ƒe mɔ deblibo si wona Eƒe Ŋugbetɔ.
Aleke wòate ŋu anye mɔ bubu aɖe? Ne èɖe Nya ɖeka si wogblɔ la gɔme baɖa la, ke èbu. Ðewohĩ susu kple taɖodzinu nyuitɔ le wo si, gake wotɔ medzɔ o. Woate ŋu atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe asi ami na ame aɖe eye etɔ magadzɔ o kokoko.
Ne ɖe Mawu mena mɔ aɖeke si dzi Eƒe Ŋugbetɔa ate ŋu ase Nya ɖesiaɖe na wo ɖokui o le la, ekema mɔ bubu aɖe hã anɔ anyi. Gake Ena mɔ amegbetɔ ɖesiaɖe si le anyigba dzi be mɔnukpɔkpɔ wòasu esi be wòase Nya la aƒo nu na wo tẽe evɔ mahiã be woaɖe egɔme, aɖe eme, alo ana eme nakɔ o. Ekatã nye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi…EVƆ!
Míakatã míelɔ̃ ɖe edzi be ele be míatsi Nya la gbɔ be míanye Eƒe Ŋugbetɔ.
Mexɔe se be woŋlɔ nusiwo katã míehĩa ɖe Afisia tututu, ɖeko wòhĩa be woaɖe egɔme to Gbɔgbɔ Kɔkɔe dzi. Nye mexɔe se be dzena le ame aɖe si le anyigba dzi be wòatsɔ eŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe na Nya la o. Mawu mehĩa ame aɖeke be wòaɖe Eƒe Nya gɔme o. Enye Eŋutɔ Ƒe gɔmeɖela. Egblɔ Yeawɔe, eye Ewɔnɛ.
Edze ƒã be Aƒetɔ la ƒo nu heɖee fia Eƒe Ŋugbetɔ be mɔ bubu aɖeke meli si dzi woato anye Eƒe Ŋugbetɔ tiatia o negbe be woatsi Eƒe Nya la gbɔ. Mawu Ŋutɔ ɖea Eya Ŋutɔ ƒe Nya gɔme, eye dzena mele ame aɖeke si be wòatsɔ eƒe gɔmeɖeɖe akpe ɖe Eŋu o.
Nya la gblɔ hã be Eƒe NYAGBLƆƉILA yenye Eƒe Nya la gɔmeɖela. Eyae nye Mawu ƒe Gbe na amewo. Nusi wògblɔ lae nye Nya na míaƒe ŋkekea.
To Mawu ƒe Gbe sese le nyaƒokawo dzi la, míenye nyagblɔɖi si le me vam.
Naneke meli si ŋu ŋusẽ le wu, si le kɔkɔe wu, naneke meli si le mevam wu, naneke meli si de blibo wu be nànɔ Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe sem wòaƒo nu na wò o.
Ne ame bubuwo ate ŋu agblɔ be naneke mele eme o la, hɔ̃wo le ƒu ƒom hele dzidzɔ kpɔm kple dzidzɔ gã aɖe, kple kakaɖedzi be yewole Mawu ƒe Nya la me lém ɖe asi. Egblɔ na mí be ne nyaƒokamɔ̃ le miasi la, miƒo amewo nu ƒu ɖe du, eye miƒoe, ahase nyuie. To Eƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ me la, nu ma tututue wɔm míele.
Mawu yɔ mí do go tso agbenɔɣi vɔ̃ɖi sia me le Eƒe Ŋkɔ ta. Míele dodokpɔ kple dodokpɔ geɖe me tom alegbegbe wu tsã sasasã. Satana le adã dzi esi wònya be yeƒe ɣeyiɣi la tu aƒe. Àte ŋu abia ɖokuiwò be, aleke mate ŋu anɔ nusiawo katã me tom, eye menye Eƒe Ŋugbetɔ?
Wole miaɖem ɖe go, le miadom kpɔ, eye wole kpe ɖom edzi na Satana be, MÍENYE EƑE ŊUGBETƆ. Míenye Nya la le ŋutilã me. Míate ŋu agblɔ Nya la eye Wòava eme. ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI wònye.
Mawu ƒe Gbe le mía si wòle nu ƒom na Satana tẽ hele gbɔgblɔm nɛ be:
Satana, woɖu dzi wò. Alakpatɔ ye nènye. Eye, abe Mawu ƒe dɔtsɔla ene, kple abe dɔtsɔlawo ene la, míele le se dem na wò be le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me la, wɔ ɖe Mawu ƒe Nya dzi, eye do go le amewo me, elabena woŋlɔ ɖi be, “Le Nye Ŋkɔ me la woanya gbɔgbɔvɔ̃wo do goe.”
Nukake…NUKAKE míehiã la, ɖeko wòle be míabia, axɔe ase eye míatsi afima tututu. Ate ŋu adze enumake; ate ŋu anye kwasiɖa ɖeka, ɣleti ɖeka, ƒe ɖeka. Meka nusi míekpɔ alo se le mía ɖokui me o, EVA ME ƔEMAƔI TUTUTU.
Takpekpe ɖesiaɖe si míeƒoa ƒu ɖe du la le gã dom ɖe edzi na Mawu ƒe Hɔ̃wo. Míeƒo ƒu le susu Ðeka kple tameɖoɖo Ðeka me, henɔ anyi ɖe du le Dziƒo nutowo me, míele to ɖom Gbe la le nu ƒom na mí le míawɔm blibo to Eƒe Nya la dzi.
Míadi vevie be nàva wɔ ɖeka kpli mí le Kwasiɖagbe sia le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míase Mawu ƒe Gbe zi ɖeka ake wòaƒo nu na mí eye wòatsɔ Eya Ŋutɔ ƒe Nya ƒe gɔmeɖeɖe vɛ na mí.
Nɔvi. Joseph Branham
Gbedeasi: Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu 65-0801M
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ hafi ase Gbedeasi la:
Mateo Kɔkɔe ta 24 lia / 27:15-23
Luka Kɔkɔe 17:30
Yohanes Kɔkɔe 1:1 / 14:12
Dɔwɔwɔwo 10:47-48
Korintotɔwo I, 4:1-5 / Ta 14 lia
Korintotɔwo II, 4:1-6
Galatiatɔwo 1:1-4
Efesotɔwo 2:1-2 / 4:30
Tesalonikatɔwo II, 2:2-4 / 2:11
Hebritɔwo ta 7 lia
Yohanes I, ta 1 / 3:10 / 4:4-5
Nyaɖeɖefia 3:14 / 13:4 / ta 6-8 kple 11-12 / 18:1-5
Lododowo 3:5
Yesaya 14:12-14