23-0115 Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi

Gbedasi: 65-0725M Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi

PDF



BranhamTabernacle.org

Alẽ Kpo Ƒoƒula Lɔlɔ̃awo,

Mekpɔ kɔɖiɖi alegbegbe henye akpedala na Aƒetɔ la be ele miadometɔ ɖe sia ɖe ƒom nu ƒu ɖe Mawu ƒe Alẽ Kpo me kɔsiɖa sia kɔsiɖa, afisi woɣla mí ɖa le míaƒe adzame teƒe me le, míele nuɖum hele agbenɔm le Nuɖuɖu Ɣaɣla ma ŋu. Yesu Kristo ƒe Ɖeɖefia, si le kpeɖom hele Eɖokui ɖem fia mí ye.

Eɣla Eɖokui alebena bubuwo Nakpɔe Gã gake Womakpɔe o, gake na mí, Eƒe Ŋugbetɔ tiatia la, míele Ekpɔm emekɔ ƒã hele Nya ɖe sia ɖe dzi xɔm le sesem. Míenɔ anyi kple Eƒe Nya kpakple Eƒe nyagblɔɖila esime wonye nu Ɖeka kple numa ke.

Eye ne ènye Mawu-vi la, ànɔ anyi kple nyagblɔɖila si le Biblia sia me. Nya lae.

Nyagblɔɖila geɖe siwo wosi ami na egbea la gblɔna be “Gbɔgbɔ Kɔkɔe wòle be mianɔ anyi kpli, menye nyagblɔɖila o.” Abe gbaɖegbe nyagblɔɖilawo ene la, ne biabia aɖe le míasi la, ele be ŋuɖoɖo nyuie aɖe nanɔ anyi nɛ. Ele be míayi ƉE NYA LA GBƆ be míakpɔ nusi nyagblɔɖila si do ŋgɔ na mí la gblɔ.

Gake Kristo, Gbɔgbɔ, vavãtɔ la li eye eyae nye Nya si zu ŋutilã abe alesi Wòdo ŋugbe be yeawɔe la ene.

Kristo Gbɔgbɔ vavãtɔ ƉEKA si ƒe ŋugbe Wòdo, Maleaxi 4, Luka 17, Amegbetɔ Vi la si le Eɖokui ɖem fia le amegbetɔ ŋutilã me.

Ẽ, amesiaminawo li. Ẽ, woɖo yɔyɔ aɖe. Ẽ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe vavãtɔ la le wosi. Ẽ, susu nyuietɔ kple tameɖoɖo nyuietɔ le wosi.

Ekema aleke wɔ ge míala anya nusi nyo kple nusi menyo o mahã?

Mide dzesii bena, woɖi nu ɖeka. Wosi ami na wo ɖekae. Ke mide dzesii bena, “Miatsɔ woƒe kutsetsewo…”

Meléa fu nusiawo gbɔgblɔ gake gaƒoƒo la yi boo eye ɣeyiɣi la ŋu va le yiyim. Nusi amegãxi nyanyra mawo siwo ŋuti Paulo na toklã hame la le, kple alakpa amesiaminawo siwo nɔviŋutsu Branham gblɔ be wole vava ge la le gbɔgblɔm hele gbeƒã ɖem la yenye esi. Wole míadome le afisia tututu, tututu ko abe alesi wogblɔe ene.

Leta aɖe si mawunyagblɔla aɖe ŋlɔ ƒe akpa aɖe yenye esi. Woƒe kutsetse le agbagba dzem be yewoatsɔ ɖikeke aƒu gbe ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖila dzi. Wonana toklã wotɔwo be míenye nyagblɔɖila subɔlawo to nyagblɔɖila kple Play Zizi yomedzedze dzi.

Miɖo to alesi gbegbe wònye beble nu la.

Evem bena gbɔgbɔvɔ̃ sia geɖe míaƒe gbedeasi la me wɔebe fifia míele William Branham ƒe mawunyawo gbeƒãɖeɖewo yɔm be MAWU ƑE GBE YE. William Branham menye Mawu ƒe Gbe ŋutɔ ŋutɔ o ke boŋ ame aɖe si Mawu zã ƒe gbe ye. Biblia megblɔ kpɔ be enye Mawu ƒe gbe o, ke boŋ ɖe Biblia de dzesi eyama abe dɔla 7lia ƒe gbe ene ye. (Nya. 3:14; 10:7).

Mina míayi ɖe NYA la gbɔ eye míana Mawu ƒe nyagblɔɖila wòaklo nu le alakpa nufiafia sia dzi.

Ne medze agɔ le miadzi le esia gbɔgblɔ me la, mitsɔe kem, gake, mese be ate ŋu ve dɔme na ame faa, gake, MENYE MAWU ƑE GBE NA MI.

Azɔ ameka dzi ye miaxɔ se, alakpa nyagblɔɖila sia si wosi ami na, alo MAWU ƑE DƆLA KPLE GBEDEASITSƆLA ADRELIA SI DZI WOƉOKPEA? Aleke miate ŋu abɔbɔ nɔ anyi ɖe mawunyagblɔla aɖe si axɔ numawo tɔgbe dzi se alo fiana wo dzi se mahã te? Anyo na mi wu be miage ɖe Nya la me esime ɣeyiɣi kpɔtɔ li.

Gbedeasi ƒe habɔbɔ la wɔ vodada dziŋɔ aɖe le William Branham wɔwɔ Mawu me esime wotsɔe wɔ tɔɖoƒe ta! William Branham menye tɔɖoƒe la kpɔ gbeɖe o. Mawu ƒe Nya lae nye tɔɖoƒe la .

Amen, Mawu ƒe Nya la NYE míaƒe Tɔɖoƒe. Amekae Nya la va naa, wòa alo EYAE? Amekae nye MAWU ƑE NYA ƒe gɔmeɖela mawumetɔ laa, wòa alo EYAE mahã? Ameka dzi ye Dzo Lilikpo ɖo kpe be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi, wòa alo EYAE mahã?

Elabena ne ame eve le miasi la, nukpɔsusu evewoe anɔ miasi.

Míehĩa ame eve alo woƒe nukpɔsusuwo o, nusi Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ le nyaƒoka dzi ko míehĩa.

Ke ele be wòava tɔɖoƒe mamlea gbɔ, ke nye tɔɖoƒe yenye Nya la, Biblia.

Yenye ma, tututu ko abe alesi nègblɔe ene la, Biblia yenye eya kple míaƒe Tɔɖoƒe, gake emegbe la egblɔ be:

Menyae be mi, míanɔviawo, miekpɔnam be menye miaƒe tɔɖoƒe ɖe ƒomevie.

Ke lala vie, esia le ɖiɖim be etsi tre ɖe nusi NÈGBLƆ ŊUE. Egblɔ be míekpɔna ye be yenye míaƒe Tɔɖoƒe.

Zi geɖe alesi medzea Mawu yome, abe alesi Paulo gblɔe le Ŋɔŋlɔa me ene be, “midze yonyeme abe alesi medzea Kristo yome ene.”

Ɖee wome si ami na ema oa? Ɖee menya nusi ŋu wònɔ nuƒom le oa?

Nuka ŋue Mawu ƒe nyagblɔɖila nɔ nuƒom na mí le le kɔsiɖa si va yi me ko mahã ?

Míekpɔ bena ne amea ɖe va, eye Mawue dɔe, woɖoe ɖi tso Mawu gbɔ, kple ALE AƑETƆ GBLƆ ESI vavãtɔ la, gbedeasi la kple gbedeasitsɔla la wozua ɖeka.

Egblɔ be miate ŋu ama wodome o, wonye nu ɖeka, gake wòya ɖe nèle gbɔgblɔm be míawɔea?

William Branham metovovo le amegbetɔ si ŋu ku le ɖeke gbɔ o, elabena enye ame si nu vena, abe alesi Eliya hã nɔ ene.

Amen, ame ko wònye kakaɖedzitɔe, gake eyae nye AME SI Mawu tia be wòaɖe Eƒe Nya katã fia, eye wòakplɔ mí ayi ɖe Ŋugbedo Nyigba la dzi. Eyae nye amesi Mawu gblɔ na be, na amewo naxɔ dzi WÒ se.

Nu ɖeka ma ke, amesiaminawo, amesiwo le Pentekoste ƒe Nyanyuia gblɔm fia, gake wogbe egbeŋkekea ƒe Nya ƒe ŋugbedodo si dzi woɖo kpee, “Yesu Kristoe nye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me.”

Aleke míawɔ anya vovototo la ne wonye amesiwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ami na vavã mahã? Ena mí kpɔɖeŋuwo alebe míate ŋu nya alakpa nyagblɔɖilawo le nyagblɔɖila vavãtɔ la gbɔ.

Bileam kple Mose. Mixa kple Zedekia. Yeremia kple Hanania. Le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la eveawo nye amesiwo Mawu si ami na, gake nukae wògblɔ na mí be míawɔ, MINƆ ANYI KPLE NYAGBLƆƉILA SI DZI MAWU ƉO KPE LA. Eyae nye mɔnu ƉEKA be ame nàkpɔ kakaɖedzi godoo be yele Mɔ si Mawu na la yome dzem, eye be nèle Eƒe lɔlɔ̃nu deblibo me.

Amea ɖe ko menye te ɖe eŋu esime Wòle ewɔm. Gbea ɖe ko menye si Wòzã, tsɔ gblɔ Esia. Menye nusi menya lae o; nusi meɖe asi le ɖokuinye ŋu na lae, bene Eya naƒo nu to menye.

Nusi ko dim kple hĩam Ŋugbetɔ la le yema. Gbe Ɖeka. Nyagblɔɖila ɖeka. Gbedeasi ɖeka. Gbedeasitsɔla ɖeka.

Oo, Fofo, alegbegbe míele akpedam ɖe Wò amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ na mí la ta. Ègblɔ na mí be naneke meli si mele bɔbɔe na Wò o. Naneke meli si mele bɔbɔe na mí o. Elabena nusianu le bɔbɔe na amesiwo xɔese, eye míe XƆESE.

Va wɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Mawu ƒe Gbe si wotia le míasi le agblɔ nusianu na mí kuɖe Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi 65-0725M ŋu.

Nɔvi. Joseph Branham