21-0613 Fia Si Wogbe

Gbedasi: 60-0515m Fia Si Wogbe

PDF

BranhamTabernacle.org

HƆ̃WO LE ƑUƑOM ƉEDU

Xɔ̃ xɔasi lɔlɔ̃awo, lɔlɔ̃tɔwo, Nyanyuie la ƒe ame lɔlɔ̃awo, vi siwo wodzi na Mawu,

Mede akpe alegbegbe be míele toɖom míaƒe kplɔla. Míawoe nye alẽ siwo kplɔm wòle. Míawoe nye eƒe hame la. Wolé nyaƒoka siawo ɖi hedzrawo ɖo ɖi na mí. Míenye Eƒe dɔla kple gbedasitsɔla 7lia ƒe xɔ̃wo, kpakple Nyanyuie la ƒe lɔlɔ̃tɔ veviewo. Míenye eƒe viwo siwo wòdzi na Mawu.

Gbeɖeka la gbedeasi sia klẽ ɖe mía ŋgɔ eye míeɖo to Yesu Kristo amesi nye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Ena míaƒe dzodzro kpɔ kɔɖiɖi, eye geɖe wu ƒe dɔ le míawum. Gbedeasi sia, Eƒe Nya, Eƒe Gbe, nye Aƒetɔ Yesu Kristo. Eyae nye nusiwo katã hĩa mí, nusiwo katã dim míele kpakple nusiwo katã le mía si.

Ne wòle be woaɖo ɖeɖefia aɖe ŋkume na mí si atovovo na Nya si Woŋlɔ ɖi la, míele exɔ ge kpɔ gbeɖe o, elabena emae nye nusi Satana wɔ na Xawa tututu. Nya nɔ eyama si, gake enɔ kekeli yeye dim, ke Satana kpɔ gbɔ be nesu eyama si. Míedi kpɔ gbeɖe be míatsɔ nane akpe Nya, alo aɖe nane le Nya me o; gake miɖe asi le Ŋu alesi Wòle la. Minɔ anyi kple Nya la tututu, elabena nusianu si tovovo nɛ la nye dzimaxɔse. Edze be MÍANƆ ANYI KPLE NYAƑOKA ƑE SUBƆSUBƆDƆ LA.

“Nyemeɖe gbeƒã naneke kpɔ, le nye agbe me, esi kpe ŋu nam o. Nyemagbugbɔ nyaƒoka ɖeke alo nuléɖi aɖeke gbɔe o. Meli kpakple nusi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ. Eyae manɔ agbe na ahaku na.” Azɔ menye didim mele be maƒo nu le ɖokuinye ŋu o. Ke ɖeko mele didim be mana kpɔɖeŋu aɖe mi le nusi le edzi yim la ŋu, ale be miakpɔe eye ase egɔme. Amewoe le didim be amewo nakplɔ yewo.

Nyaƒokawo nye nusi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm tsɔ le Ŋugbetɔ la kplɔme. Míele agbe na Nya ɖesiaɖe eye míaku na Nya ɖesiaɖe, elabena Enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Míanɔ tsitre kple Mawu ƒe Nya la gɔ hã ne wòhĩa nusianu si le míaƒe agbe me; míanɔ anyi kple Nya la.

Nyaƒoka ɖesiaɖe si míesena hea mí ɖe Eyama ŋu wu heɖea Eƒe Nya fia mí wu. Nusi míehĩa na ŋkeke sia ko wònye. Míele Kis viŋutsu aɖeke dim be wòakplɔ mí o, míele mɔ si Mawu ta dim: Eƒe Nyagblɔɖila.

Míaƒe gbedodoɖae nye, “Oo, Mawu kpeɖe mía ŋu be míaŋɛ ŋku ƒu Nya ɖeka dzi teti kpɔ gbeɖe o. Mina míanɔ Nya ma dzi tututu tẽ ko, eye míanɔ Eƒe agbe. Míetsɔ ɖeke le me na nusi va alo dzo o, nusi amebubu aɖe gblɔ alo wɔ o, na míanɔ anyi kple Wò Nya la.”

Aʋawo le ŋusẽm hele ŋusẽm ɖe dzi gbesiagbe. Satana le ada dzi geɖe wu tsã. Enyae be yeƒe ɣeyiɣia tu aƒe, eƒe ŋkekewo le xexlẽ azɔ. Xexeame le eƒe kpɔkplɔ te, eyata ele ƒoƒom ɖe Ŋugbetɔ la dzi.

Ɣeaɖewoɣi la aʋawo ŋu va sẽa alegbegbe. Ɖeɖi tea míanu eye nutia kɔ na mí eye míedoa ɣli be:

Aƒe le dzroyem vevie, medi be makpɔ Yesu.
Ase ʋudzeƒe ga viviwo ƒe ɖiɖi.
Aklẽ nam le mɔa dzi aɖe nye vɔvɔ̃wo ɖa.
Aƒetɔ, na míakpɔ ɣeyiɣi metsovɔ la godo.

Fofo nyae be ɖeɖi ate míanu eye nu atikɔ na mí, tututu ko abe Eƒe Nyagblɔɖila ene. Eyata le ŋdikanya ɖe me la Enyɔ Eƒe dɔtsɔla, be yeade dziƒo na eyama. Ena wòkpɔ heyi Ɣeyiɣi Metsovɔ La Godo.

Emegbe la Egbugbɔ ɖoe ɖa be wòagblɔ nusi ɖi ge wòala na mí. Ŋuʋaʋã ɖeke menɔ anyi o. Ɖeɖite amenu aɖeke menɔ anyi o. ku aɖeke alo dɔlele aɖeke menɔ Afima o. Ku magana míaku amegã kpɔ gbeɖe ake o. Egbɔ blibodede ta.

Emegbe la Ŋugbetɔ la kɔ eyama yi dzi, heɖoe te ɖe teƒe gã lolo kɔkɔ aɖe dzi hede ɣli gblɔ be:

“Míenyae bena mía kpli wò, míele tɔtrɔ ge ayi anyigba dzi, gbeɖeka.” Wogblɔ bena, “Yesu lava, eye woadrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe Nya si nèɖe gbeƒãe na mí la nu. Ke ne woxɔ wò le ɣemaɣi la, eye woaxɔ wò hã,” eye wogblɔ be, “ekem àtsɔ mí aɖo Eƒe ŋkume, abe wò subɔsubɔdɔ ƒe aboyonuwo ene.”

Eyata, ne Ŋugbetɔ la gbɔ va anyigba dzi la, mía gbɔ va kple eyama, Mawu ƒe nyagblɔɖila, ke ATSƆ MÍ AƉO “EƑE” ŊKUME ABE EƑE SUBƆSUBƆDƆ ƑE ABOYONUWO ENE. Eyata , edze be míanɔ anyi kple nyaƒoka ƒe subɔsubɔdɔ la.

Mesusui be ele vevie be made nusi míese nyagblɔɖila gblɔ kɔsiɖa ʋeea ɖewo nye esi afisia:

Nyaƒokasiawo yia…mele nuƒom na nye ƒuƒoƒea, nɔviŋutsu. Nusi Mawu na wò be nàkplɔ la mekpɔ ŋkume nam o; Nuɖuɖu si ƒomevi metsɔ nyia amesiawo ye kpɔ ŋkume nam. Esia nye agbadɔ sia ɖeɖeko tɔ. Mikpɔea? Azɔ, ne amewo di be yewoase nyaƒokawo la, ema kpɔ wogbɔ. Gake mele nuƒom na amesiwo Mawu nam.

Esia tae míenɔ anyi kple nyaƒokawo ɖo. Esia tae míele egblɔm be William Marrion Branham ye nye míaƒe kplɔla. Esia tae míele egblɔm be míenye eƒe ƒuƒoƒe la. Míawoe nye amesiwo Mawu na Eyama. Ẽ, míenye WODOMETƆ ƉEKA, ŊUTIKƆKƆE.

Ne miedi be mianye eƒe ƒuƒoƒe me tɔ la, MIZI PLAY. Ne miedi be miase nyaƒokawo kpli mí la, míekpe mi be miava tu mí Kɔsiɖagbe ga 2 wole me, Jeffersonville ƒe game, esime míawɔ ɖeka kple xɔsetɔ mamleawo tso xexea katã me aɖase : Fia Si Wogbe 60-0515M.

Nɔvi. Joseph Branham

Nyaŋukɔkɔ: Menɔ gbedom ɖa be manya nusi Fofo di be míase azɔ. Mese abe Ele nyekplɔm be maƒo, “Vixɔxɔ Ƒe Mawunyawo” ene. Medze gbedodo ɖa hedze Eƒe Lɔlɔ̃nu didi. Esi mekpa gbedodoɖa la, metso, ʋu nye Biblia ko nenema eye medze nuxexlẽ, Galatiatɔwo 4:1-7 me wònye.
Fofo ɖo kpe dzi nam hegaɖo nye gbedodoɖawo ŋu nam zi ɖeka ake.

Nye kple VGR ƒe dɔwɔlawo le gbɔɖemeɣi xɔ ge na kɔsiɖa 3 siwo gbɔna la. Esime míanɔ mɔkeke me la, ɖeko manɔ kpeɖodzi leta sue kuɖe gbedeasi si se ge míala ŋu ɖom ɖe mí.

Meɖe kuku miɖo ŋku nye kple VGR dɔwɔlawo dzi le miaƒe gbedodoɖawo me.

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ doŋgɔ na gbedeasi la sese

Samuel gbãtɔ ta 8 lia

Marko Kɔkɔe 16:15-18