Category Archives: Uncategorized

25-0907 Dodo Etɔ̃lia

Gbedasi: 63-0630m Dodo Etɔ̃lia


BranhamTabernacle.org

Dodo Etɔ̃lia ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Ne gbɔgbɔme ŋku mele asiwò o la, ke mele asiwò ye. Gake gbɔgbɔme ŋku ate ŋu akpɔ Mawu ƒe Ŋusẽ le zɔɖem elabena Ele kpli Nya la tututu. Nya lae, eye Mawu ƒe Nya la metrɔna gbeɖe o. Nusi Wòwɔ le gɔmedzedzea me la, Ele nu ma ke wɔm fifia eye Gbɔgbɔme ŋku la le ekpɔm, le edzi xɔm se, hele ESIA SEM.
    
Xexeame ate ŋu agbe lɔlɔ̃ ɖe nusi mexɔ se be enye Mawu ƒe mɔ si wona egbea la me dzi kplim: Gbe vevitɔ kekeake si wòle be miase yenye Mawu ƒe Gbe le Nyaƒokawo dzi. Ele be miaƒo nyaƒokawo le miaƒe hamewo me, gake NE miexɔ Gbedeasi sia dzi se vavã la, ekema miate ŋu agbe lɔlɔ̃ ɖe nusi Mawu ƒe Nyagblɔɖila le gbɔgblɔm dzi o.

Kwasiɖagbe sia la, míaƒo ƒu abe alesi Hebriviwo wɔe ene be woaxɔ mana si wona wo le zã me, si alé wo ɖe te le ŋkeke si gbɔna me. Míaƒo ƒu ɖe míaƒe Gbɔgbɔme Mana si ana ŋusẽ mí ɖe míaƒe Dodo gã si gbɔna kpuie la ta.

Ðeko mɔ nyui aɖeke meli si dzi woato ana Mawu ƒe Gbe Ŋutɔ nagblɔe, tso Eɖokui ŋu o, eye Gbedeasi sia si míase la KPE!

Mawu kplɔ ame ɖeka yi gbedzi, nɛ tutuɖo. Ke ekplɔe gbɔ, eye wòxɔ nua ŋgɔ, eye wòkplɔ dukɔ la do goe. Miekpɔ nusi gblɔm melea? Mate ŋu atrɔ Eƒe ɖoɖo o. Eyae nye Mawu.

Ke le afisia la, Ele egblɔm na mí kɔte be yemetrɔa Yeƒe ɖoɖo gbeɖe o. Nusi Wòwɔ tso gɔmedzedzea me ke la, Agawɔe le nuwuwu, Edo ŋugbe. Eyata azɔ la ele be míanya nusi Eƒe ɖoɖo nye ɣemaɣi elabena Aganye Ɖoɖo ma ke fifia.

Mawɔ dɔ kple hatsotso gbeɖe o. Mewɔe kpɔ o. Ewɔa dɔ kple ame ɖeka; ke Ewɔe, eye Wòagawɔe. Edo ŋugbe, le Maleaxi 4 gɔ̃ hã me be, Yeawɔe.

Mewɔa dɔ kple hatsotso gbeɖe o. Eyata, Edo ŋugbe le míaƒe ŋkekea me be Yeadɔ ame ɖeka, Maleaxi 4, kple Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi ɖa.

Esɔ gbe. Ke Eƒe ŋugbedodo yenye ema, nusi Wònye va yi; edo ŋugbe be nusi Yegblɔ la ye Yeawɔ, eye míawoe nye esi. Dukɔ ka gbegbee nye si, dzidzɔtɔwo, wòle be míanye; le dzesi nam wo, to Eƒe Nya dzesi si ŋugbe wodo, Nya si ŋugbe wodo la me. Edo ŋugbe be Yeawɔe.

Aleke Mawu tia be yeakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ agbɔ ɣemaɣi?

Mawu tia, le dodo ƒe ŋkekeawo me, Eyɔ hatsotso aɖe do goe. Eye tso hatsotso ma me la, medi be miade dzesi nane, eve koe su Esi siwo yi ɖe ŋugbedodonyigba la dzi. Nukae Wòtia be yeatsɔ akplɔ wo ado goe?

Eyae nye esi. Esia le vevie ale gbegbe be gbɔgbɔmesusu nalé. Aleke wɔ Mawu tia be yeakplɔ Ŋugbetɔ la alé ayi Ŋugbedodonyigba dzi?

Dunyahehe? Ɖoɖowɔha? Etia nyagblɔɖila aɖe, kple Dzosɔti ƒe gbɔgbɔme dzesi, be dukɔ la megawɔ vodada o. Nusi nyagblɔɖila gblɔ la nye Nyateƒe. Ke Mawu ɖi, le Dzosɔti aɖe me, heɖo kpe Eɖokui dzi, ɖe Eƒe Nya la fia. Ele eteƒea? Nusi Wòhe vɛ ema, Eƒe dodo gbãtɔ la. Eƒe dodo evelia…

Eyata, be wòakpɔ egbɔ be dukɔ la mawɔ vodada o la, Edɔ nyagblɔɖila aɖe kple Dzo Sɔti la ƒe gbɔgbɔme dzesi na woƒe dodo gã la.

Nukae Wòwɔ, dodo gbãtɔ la? Edɔ nyagblɔɖila aɖe, si wosi ami na kple Dzosɔti, eye Wòyɔ dukɔ la do goe. Emae nye Eƒe dodo gbãtɔ…

Dodo evelia, Ekplɔ Nyagblɔɖila aɖe, amesiamina, si nye Via, Mawu-Nyagblɔɖila vɛ. Mose gblɔ be Anye Nyagblɔɖila; eye Dzosɔti la nɔ esi, eye wòwɔ dzesiwo kple nukunuwo…

Eye le afisia la Edo ŋugbe ma ke le dodo la me le ŋkeke mamlɛawo me, eye Mate ŋu atrɔe o…

Ame geɖewo alɔ̃ ɖe edzi to gbɔgblɔ me be, ẽ, Edɔ nyagblɔɖila aɖe ɖa be wòayɔ Ŋugbetɔ aɖe do goe, gake fifia la Gbɔgbɔ Kɔkɔe la akplɔ Ŋugbetɔ la to subɔsubɔdɔa dzi; gake Megblɔe nenema o…mina míayi nuxexlẽ la dzi.

Mide dzesi Dzosɔti si yɔ wo do goe, kplɔ wo yi ŋugbedodonyigba la dzi, le nyagblɔɖila ƒe amisisi te. Dzosɔti aɖe si dzi woate ŋu akpɔ, kplɔ wo yi ŋugbedodonyigba la dzi, le nyagblɔɖila amesiamina te. Eye woyi edzi gbe nu le egbɔ. Esɔ gbea? Kakaɖedzitɔe.

Dzosɔti sia ke gale dukɔ la kplɔm yi Ŋugbedodonyigba aɖe dzi, Milenium lae.

Dzosɔti la, le Mawu ƒe kpɔkplɔ te…Mawue nye Dzo la, eye Dzosɔti la si ami na nyagblɔɖila la ɖeɖe ko. Dzosɔti la tɔ yenye be wòanɔtsi tre abe Dziƒoɖasefo ene be woyɔ Mose

Azɔ, miɖo ŋku edzi be Mose menye Dzosɔti la o. Eyae nye kplɔla amesiamina, le Dzosɔti ma te, eye Dzosɔti la ɖo kpe eƒe Gbedeasi la dzi kple dzesiwo kple nukunuwo ɖeɖe ko.

Vodada aɖeke meli o, xɔ̃wo. Menye nusi gblɔm mele ye o; mia nɔviŋutsu koe menye. Gake, nusi dzi Mawu le kpe ɖom na mi lae, nusi wɔe wònye Nyateƒe. Dzosɔti ma ke si Wòzã na eve kemeawo la, Ehee va mia dome egbea, eye Wòɖo kpe Edzi kple dzɔdzɔmenunya.

Mawu metrɔa Eƒe ɖoɖo gbeɖe o. Mɔ aɖe le Mawu si na Eƒe Ŋugbetɔ la egbea: Dzosɔti, le Mawu ƒe kplɔkplɔ te…Mawu nye Dzo la, eye Dzosɔti la si ami na Nyagblɔɖila ɖeɖe ko.

Gbe ɖeka koe li, nyagblɔɖila ɖeka, si si Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi la le, William Marrion Braham ye. Menye Dzosɔti la o, gake enye kplɔla si wosi ami na le Dzosɔti ma te,

Míakatã míedi be míanɔ Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu DEBLIBO la me. Eƒe Nya YENYE Eƒe Lɔlɔ̃nu Deblibo. Nya si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkeke la yenye Gbedeasi sia. Wotia Eƒe nyagblɔɖila be wòakplɔ Eƒe Ŋugbetɔ la. Ne miexɔ ema dzi se o la, miate ŋu anye Eƒe Ŋugbetɔ la o.

Miva dzra ɖo na míaƒe Dodo gã la to Mawu ƒe Nya Deblibo la sese kpli mí me Kwasiɖagbe le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míase: Dodo Etɔ̃lia 63-0630M.
Nɔvi. Joseph Branham

25-0831 Nukata Nèle Ɣlidom? Ƒonu

Gbedasi: 63-0714M Nukata Nèle Ɣlidom? Ƒonu


BranhamTabernacle.org

Mawu Ƒe Hame Lɔlɔ̃tɔ,

Mawu ƒo nu hegblɔ bena, “Nyemewɔa dɔ le anyigba dzi o, negbe to amegbetɔ dzi. Nye—nye—nyee nye Weinti la; miawoe nye alɔdzeawo. Eye Maɖe Ɖokuinye ɖe go ko ne Mate ŋu akpɔ ame ÐEKA. Eye Metiae, William Marrion Branham ye. Medɔe ɖa be wòayɔ Nye Ŋugbetɔ do goe. Matsɔ Nye Nya la ade nu me nɛ. Nye Nya la anye eƒe Nya. Agblɔ Nye Nyawo eye wòagblɔ nusi magblɔ ko.”

Ŋɔŋlɔ la ƒe Gbe ƒo nu to Dzosɔti la dzi eye wògblɔ nɛ be, “Metia wò, William Branham. Wòe nye ame la. Medo wò ɖe dzi ɖe taɖodzinu sia ta. Matsɔ dzesiwo kple nukunuwo aɖo kpe dzi wò. Èle ɖiɖim be yeaɖe Nye Nya la afia eye yeakplɔ Nye Ŋugbetɔ. Elebe Nye Nya la na va me to dzi WÒ.”

Míaƒe nyagblɔɖila nya be taɖodzinu si tututu tae wodɔ ye ɖo yenye be yeaɖe Biblia me nyaɣaɣlawo katã afia eye yeakplɔ Mawu ƒe Ŋugbetɔ la ayi Ŋugbedodo Nyigba dzi. Enya be nusi wògblɔ la, Mawu ade bubu eŋu eye wòana wòava eme. Medi be miagaŋlɔ Nya ma be gbeɖe o. Nusi míaƒe nyagblɔɖila gblɔ la, Mawu ade bubu eŋu, elabena Mawu ƒe Nya nɔ William Marrion Branham me. Eyae nye Mawu ƒe Gbe na xexeame.

Enya be yenye Mawu ƒe dɔla gbedeasitɔla amesiamina adrelia. Enya nya siwo katã Mawu gblɔ tso eŋu le Eƒe Nya la me le eƒe dzi me. Nusi nɔ bibim le eƒe dzi me ɖaa ke la zu nu vavã. Wosi ami nɛ eye wònya be ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI le ye si. Naneke mele mɔ xe ge nɛ be wòayi aɖagblɔ Mawu ƒe Nya la o.

Mawu gblɔ nɛ be, “Nye Nya, kple wò, Nye gbedeasitsɔla la, mile ɖeka.” Enya be yee wotia be yeagblɔ Nya si medana la o. Ema koe nye nusi wòhiã. AƑO NU, EYE MAWU ANA WÒAVA ME.

Gbedeasi sia ƒe Ɖeɖefia KPLE Mawu ƒe gbedeasitsɔla si ami na míaƒe xɔse geɖe wu tsã. Eʋu mí yi ɖe fli gãwo me. Ema mí ɖa tso nusianu gbɔ negbe Eƒe Gbedeasi, Eƒe Nya, Eƒe Gbe, Eƒe nyaƒokawo ko.

Meka alesi gbegbe míeɖanye ame ʋɛ o, alekeke gbegbe wokoa mí, woɖua fewu le mía ŋu o la, mewɔa naneke kura o. MÍEKPƆE. MÍEXƆE SE. Nane le mía me. Woɖo mí ɖi be míakpɔ ESIA eye naneke mele mɔ xe ge na mí be míaxɔ ESIA se o.

Mieɖo ŋku nusi nutega ma gblɔ be, “Yi ɖadzra Nuɖuɖu ɖo.” Afikae ye nudzraɖoƒe ma le? Branham ƒe Agbadɔ la ye. Afikae nane si le abe esia ene le le dukɔa me, alo le xexeame ƒo xlã le afisiafi, si asɔ kple Gbedeasi siwo le mía si? EYAE nye Gbe ɖeka si dzi Mawu Ŋutɔ ɖo kpe enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. GBE ƉEKA KOLIA!

Teƒe bubu kae míagate ŋu, alo teƒe bubu kae míadi be míayi, esi wògblɔ be;

Afisiae wodzra Nuɖuɖu la ɖo…

Wodzrae ɖo ɖe afisia. Ele nyaƒokawo dzi. Ayi ɖe xexeame godoo le nyaƒokawo dzi, afisi amewo le woƒe aƒewo me le. Nyaƒokamawo adze Mawu ƒe ameɖoɖiwo siwo me tututu. Ate ŋu afia mɔ Nya la, Afia mɔ nusianu ɖe eƒe mɔ nu pɛpɛpɛ. Susuma tae Wògbugbɔm ɖo ɖa be mawɔ esia: “Dzra Nuɖuɖu la ɖo ɖe afisia.”

Míenye Eƒe Nya Deblibo Ŋugbetɔ si tsi Eƒe Nuɖuɖu Si Wodzra Ɖo Ɖi la gbɔ. Megahiã be míade ɣli azɔ o, ɖeko míeɖea Nya la gblɔna eye míeyia ŋgɔ, elabena MÍENYE Nya la.

Naneke meli si ŋu woatsi dzi ɖo o. Mehiã be míawɔ zã bliboa katã ƒe gbedodoɖa kpekpewo atsɔ aɖe amesiwo míenye afia o, woɖe Nya la ɖe go na mí. Míenya amesiwo míenye, abe Mawu ƒe nyagblɔɖila ene, eye wògblɔ amesi yina na mí xoxo.

Mía dometɔ ɖesiaɖe! Eɖanye aƒenɔ nènye o, alo ènye dɔ—dɔlanyɔnu sue aɖe, alo nyɔnu tsitsi, alo ɖekakpui, alo ŋutsu tsitsi, alo nukake nènye la, míele yiyim, alekeke hã. Mía dometɔ ɖeke magasusɔ o.” Amen “Mía dometɔ ɖesiaɖe le yiyim, eye míagatɔ te nu bubu aɖeke o.”

Kɔkɔdzoe le XƆSE me nana mí ƒe Nya gblɔm mielea!!!…

Va wɔ ɖeka kple Mawu ƒe Ŋugbetɔ ƒe akpa aɖe esi míaƒo ƒu ɖe Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe ŋu, esi Wòaƒo nu agblɔ na mí be: Nye Lɔlɔ̃tɔ, Nye Ametiatia, Nye Ŋugbetɔ, Nukata Nèle Ɣli dom, Ƒo Nu, eye ɖe zɔ.

Nɔvi. Joseph Branham

Gbedeasi: 63-0714M Nukata Nèle Ɣli Dom? Ƒo nu!
Game: ƔETRƆ ga 12, Jeffersonville ƒe game
Teƒe:

Gake Hame vavã ɖeka koe li, eye mègea ɖe Eme o. Wodzia wò ɖe Eme ye. Mikpɔea? Eye ne wodzi wò ɖe Eme la, Mawu gbagbe la Ŋutɔ wɔadɔ to dziwò, eye wòɖea Eɖokui fiana. Mikpɔea? Afimae Mawu nɔa, Eƒe Hamea me. Mawu dea Sɔleme gbesiagbe, ɖeko wònɔa Sɔlemeha me. Enɔa agbe le mewò. Wòenye Eƒe Hame. Ènye Eƒe Hamea. Agbadɔ si me Mawu nɔa ye nènye. Mawu gbagbe la ƒe Hame wò ŋutɔ, nènye.

25-0824 Kɔmuniɔ̃

Gbedasi: 65-1212 Kɔmuniɔ̃


BranhamTabernacle.org

Nya Ŋugbetɔ Ɖeka Lɔlɔ̃tɔ Si Dzi Woɖo Kpe,

Ale gbegbe míeda akpe na Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe Eƒe Nya si dzi woɖo kpe na egbea ƒe Ɖeɖefia vavãtɔ la ta. Geɖewo ʋuna eme be yewoxɔe se be Nɔviŋutsu Branham nye Mawu ƒe Nyagblɔɖila si le Ŋɔŋlɔ siwo ŋugbe wodo kuɖe eɖokui ŋu la ŋu wum, gake woɣla Nya la ƒe Ɖeɖefia vavãtɔ kple Mawu ƒe ɖoɖo la ɖe wo.

Kple lɔlɔ̃ leta ƒe Gbedeasi ɖesiaɖe si Ŋugbetɔ la sena la, Mawu ɖoa kpe edzi na mí be míele Yeƒe lɔlɔ̃nu deblibo la me to toɖoɖo Eƒe Mɔ si wona na egbea me, Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi.

Eye ele be míadze Eyama yome, nye mɔ ɖeka kolia si dzi míato akpɔ Agbe Mavɔ. Eyata Mawu ƒe kplɔlanyenye enye: midze gaƒoƒoa ƒe Nya si dzi woɖo kpe la yome to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.

Mɔ ɖeka KOLIA si yia Agbe Mavɔ me enye: Gbɔgbɔ Kɔkɔe la si kplɔa mi be miadze Nya si dzi woɖo kpe la yome. Ameka su Nya si dzi woɖo kpe egbea la le? Amekae Mawu tia be wòaɖe Yeƒe Nya la gɔme? Amekae Mawu gblɔ be enye Yeƒe Gbe na egbea? Amekae Mawu Ŋutɔ gblɔ be eyae nye kplɔla si dzi woɖo kpe la be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la egbea? Subɔsubɔdɔa?

Ele ko abe alesi megblɔe ene bena, hɔ̃vi la esime wòse Ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe Gbe la, eyi ɖe Egbɔ, Mawu ƒe Nya siamina, si dzi woɖo kpe na ŋkeke mamlea.

Noa enye Nya si dzi woɖo kpe na eƒe ŋkeke la.

Mose enye Nya si dzi woɖo kpe na eƒe ŋkeke la.

Yohanes enye Nya si dzi woɖo kpe.

Woate ŋu ade tsakatsaka alo gɔmeɖeɖe ɖesiaɖe si wodi Eŋu, gake:

WILLIAM MARRION BRANHAM NYE MAWU ƑE NYA SI DZI WOƉO KPE NA EGBEA!!

Eyata Mawu ƒe kplɔlanyenye enye: midze gaƒoƒoa ƒe Nya si dzi woɖo kpe la yome to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.

Eye Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe ƒoƒo le miaƒe hame me menye nu vevitɔ kekeake si Ŋugbetɔ la ate ŋu awɔ oa? Ele vevie wu be miase gbe aɖe si tovovoa?

Amewo ƒe hatsotso aɖe kple woƒe subɔsubɔdɔa ye awɔ Ŋugbetɔ la ɖeka aɖa kplɔea? Ðe nusi subɔsubɔdɔ la le gbɔgblɔm la awɔ Ŋugbetɔ la ɖekaa? Wo katã wogblɔa nane si tovovo, eyata ameka yome wòle be míadze?

Ðe woƒe gɔmeɖeɖe kuɖe Gbedeasi sia ŋu nye nusi woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu mía? Ðe Dzo Sɔti aɖe le wo si ɖo kpe woƒe subɔsubɔdɔ dzia? Ðe woƒe gɔmeɖeɖe kuɖe Nya la ŋu nye miaƒe Tɔɖoƒea?

Nyagblɔɖila la gblɔ be Ŋugbetɔ la awɔ ƉEKA. Bia ɖokuiwò be ɖe, nukae ana nyagblɔɖi sia ava me ale be Aƒetɔ la nava akɔ Eƒe Ŋugbetɔ la adzoe?

Eye emegbe, ne Mawu tɔwo gadze ƒuƒoƒo gɔme ake la, ɖekawɔwɔ nɔa anyi, ŋusẽ nɔa anyi. Mikpɔea? Eye ɣesiaɣi ne Mawu tɔwo dze ƒuƒoƒo keŋkeŋ la, mexɔe se be tsitretsitsia adzɔ le ɣemaɣi me. Kɔkɔdzoe ƒe ɣeyiɣi aɖe anɔ anyi ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la adze eƒuƒoƒo gɔme. Wo—anɔ ame ʋɛawo me, ẽ ɖe, gake ƒuƒoƒo gã aɖe anɔ anyi.

Ðe ƒuƒoƒo gã aɖe anɔ ame aɖe ƒe subɔsubɔdɔ ŋu, wu Mawu ƒe Nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe la tɔa? Ðe wòanye mawunyagblɔlawo ƒe HATSOTSO AƉEA elabena mawunyagblɔla atɔ̃awo dometɔ aɖewo gblɔ be mele be miaƒo Mawu ƒe Gbe le miaƒe hame me GBEƉE o, be egblẽ. Ðe woakplɔ Ŋugbetɔ la ekema?

TAFLATSE MIKPE ƉE ŊUNYE LO! MAWUNYAGBLƆLA KA YOME WÒLE BE MADZE, LE ESI MEDI BE MAWƆ ƉEKA LE ƑUƑOƑO GÃ MA ME.

Ame aɖewo gblɔna be Dziɖegbe Adreawo ƒe mawunyagblɔla atɔ̃awo awɔ Ŋugbetɔ la adeblibo. Mawunyagblɔla atɔ̃a ɖewo gblɔna be Ame Ɖeka ƒe subɔsubɔdɔ ŋkekewo wu enu. Mawunyagblɔla atɔ̃a ɖewo gblɔna be ele be míatrɔ ayi ɖe Pentekoste. Ame aɖewo gblɔna be Gbedeasi la menye Tɔɖoƒe la O. Ame aɖewo gblɔna be ne mieƒo nyaƒokawo la, mienye mawunyenye dzixɔsela. Wo katã wogblɔa nya aɖe si to vovo, eye wo KATÃ gɔmeɖeɖe vovovowo, susu vovovowo le wo si, gake wo dometɔ ɖesiaɖe gblɔa be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ye le YEWO Kplɔm.

MAWUNYAGBLƆLA ATƆ̃AWO DOMETƆ KA YOME WÒLE BE MADZE? Zi alesi mekplɔ “NYE” Pastɔ si le atɔ̃awo dome ɖo ko la, manye Ŋugbetɔ laa? Mawunyagblɔla atɔ̃awo ƒe “Hatsotso” vovovowo sɔ gbɔ ale gbegbe. Mawunyagblɔla 20 siawo ƒoa ƒu eye wowɔa woƒe takpekpewo, gake womelɔ̃ ɖe dzi kple mawunyagblɔla 20 bubu siwo le takpekpe bubuwo wɔm kura o…Takpekpe kawoe wòle be mayi be madeblibo eye mawɔ ɖeka…wo dometɔ aɖewoa…wokatã?

Eye amewo xɔe se be TƆTƆTƆTƆ SIA AWƆ ŊUGBETƆ LA ƉEKA EYE WÒANA WÒADE BLIBOA? Wo katã wogblɔna be yewo le MAWUNYAGBLƆLA ATƆ̃ VAVÃTƆ SI MAWU YƆ LA DOME. Gake womele miakplɔm yina ɖe KPLƆLANYENYE VAVÃTƆ LA GBƆ TO GBƆGBƆ KƆKƆE LA DZI O, WOLE MIAKPLƆM YINA ƉE WOƉOKUIWO KPLE WOƑE SUBƆSUBƆDƆ GBƆ.

Na nyea la, ɖeɖefia aɖe mehĩa na mi gɔ̃ hã hafi mianya be ema mate ŋu awɔ Ŋugbetɔ la ƉEKA alo AKPLƆ Ŋugbetɔ blibo la GBEƉE o. NYA la ƉEKA koe awɔ Ŋugbetɔ ɖeka, to Mawu ŊUTƆ ƑE GBE LE NYAƑOKAWO DZI.

Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, anyo na mi wu be mianyɔ ne miele pastɔ aɖe si le Nya la gbeƒãɖeɖe kple xexlẽ ko dzi, nusi wɔ nuku eye WÒNYE NUSI TUTUTU wòle be wòanɔ wɔwɔm, gake mele egblɔm na mi, eye vevietɔ wu la MELE EDZI WƆM, to MAWU ƑE GBE ƑOƑO LE NYAƑOKAWO DZI LE MIAƑE HAMEA ME O yome dzem.

Nɔviŋutsu Branham gblɔ na mí be:

Azɔ, kodzogbeme Mawume ɖoɖo etɔ̃ wogblẽ ɖi na mí: wodometɔ ɖekae nye—nye kɔmuniɔ, afɔkɔklɔ, nyɔnyrɔ̃ le tsi me. Nu etɔ̃awo ɖeɖe koe ma. Blibodede la, na etɔ̃a woe ma, mikpɔea.

Medi be míawɔ Kɔmuniɔ kple Afɔ Kɔklɔ Takpekpe le Kwasiɖagbe sia, ne Aƒetɔ la lɔ̃. Abe alesi míewɔe va yi ene la, made dzi ƒo na mi be miadze egɔme le fiẽɣi ga 5 me le miaƒe nutoa me le miaƒe game dzi. Togbɔ be Nɔviŋutsu Branham gblɔ be apostoloawo wɔa Kɔmuniɔ ɣesiaɣi si wova ƒoa ƒu la, etia be yeawɔe le fiẽɣi me, eye wòyɔe be Aƒetɔ la ƒe Fiẽnuɖuɖu.
Gbedeasi la kple Kɔmuniɔ Takpekpe la anɔ Voice Radio dzi, eye linka ɖe hã akplɔ mi yiɖe faɛl si woate ŋu awɔ kɔpi na, na amesiwo mate ŋu ayi ɖe Voice Radio dzi le Kwasiɖagbe fiẽ o.

Nɔviŋutsu Joseph Branham

25-0817 Kplɔlanyenye

Gbedasi: 65-1207 Kplɔlanyenye


BranhamTabernacle.org

Kristo ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a, mina míaƒo ƒu Kwasiɖagbe le ƔETRƆ ga 12, Jeffersonville ƒe game dzi, be míase 65-1207 Kplɔlanyenye.

Nɔvi. Joseph Branham ƒe agbalẽa me

Kristo ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a, mina míaƒo ƒu Kwasiɖagbe le ƔETRƆ ga 12, Jeffersonville ƒe game dzi, be míase 65-1207 Kplɔlanyenye.

Nɔvi. Joseph Branham

25-0810 Egbe Me Nudzɔdzɔwo Me Kɔ To Nyagblɔɖi Dzi

Gbedasi: 21-1206 Egbe Me Nudzɔdzɔwo Me Kɔ To Nyagblɔɖi Dzi


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Vavã Kple Agbagbe Lɔlɔ̃tɔ,

Esime Yesu, Nya la Ŋutɔ, va anyigba dzi ƒe 2000 enye si la, Eva abe alesi Wògblɔ be Yeava ene, abe Nyagblɔɖila ene. Eƒe Nya la ɖe gbeƒãe be, hafi Wòagava la, Yesu Kristo ƒe Ameti la ƒe ɖeɖego blibo la agaɖe ɖe go le ŋutilã me, le nyagblɔɖila aɖe me. Nyagblɔɖila ma va, eƒe ŋkɔe nye William Marrion Branham.

Aleke ame aɖe mate ŋu ade dzesii be toɖoɖo Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na wo tẽ le nyaƒokawo dzi la menye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu deblibo la o? Míenyae be Nya la vana na Eƒe nyagblɔɖila ɣesiaɣi; Mate ŋu ava to mɔ bubu aɖeke dzi o. Ele be wòava to Mawu ƒe tó mɔ̃ si dzi wòto la dzi si ŋu Wòƒo nu le na mí doŋgɔ. Ema koe nye mɔ si dzi Wòato ava. Mawu ɖea zɔ le mɔ si dzi Wòdo ŋugbe be Yeawɔe le la dzi. Medoa kpo ewɔwɔ le mɔ ma ke si dzi Wòwɔnɛ le ɣesiaɣi gbeɖe o.

Wo dometɔ ɖesiaɖe ɖu nu ɖeka ma ke, wo katã woɖu ɣe le Gbɔgbɔ la me, nusianu nɔ wo katã si ɖe du; gake esime mamaɣi ɖo la, Nya lae wɔ ame dome mama la. Nenema kee wòle egbea! Nya lae wɔ ame dome mama la! Ne ɣeyiɣia de la…

Míekpɔe be ɣeyiɣi ma le eme vam fifia, Nya la le ame dome mam. Wotsɔ Nya ɖe Ŋugbetɔ la nu be wotea gbe ɖe Nyagblɔɖila la dzi akpa le esime wogblɔa bena, “ame bubuwo li siwo Mawu yɔ, siwo yɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la be woakplɔ Ŋugbetɔ la egbea. Miehiã geɖe wu nyaƒokawo ɖeɖeko. Mawu ɖo amewo egbea be woakplɔ hame la.”

“Èle agbagba dzem be yeasusu be wòenye ame ɖeka koe le hatsotso la me lo. Ƒuƒoƒea katã le kɔkɔe!” Mawu mewɔ dɔ nenema kpɔ o. Ðe wòle be wòanya nu nyuie wu ema hafi. Eye wògblɔ be, “Enyo, ƒuƒoƒea katã le kɔkɔe. Èle agbagba dzem be yeawɔ ye ɖokui…” Ne míagblɔe egbea la, le akla gbe me la, “Kpe ɖeka kolia si le ƒuata.”

Gake Mose nyae be Mawu ye dɔ ye ɖe afima ɖe ema ta.

Ame siwo yɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le Mawu si be woakplɔ Eƒe Ŋugbetɔ la; akplɔ wo yi ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI, NYAGBLƆƉILA GBEDEASITSƆLA LA GBƆ. Elabena Gbedeasi la kple gbedeasitsɔla la wole ɖeka. Emae nye Mawu ƒe mɔ si wona matrɔmatrɔ na egbe, kple ɣesiaɣi.

Elabena woɖo to vodada aɖe. Esime Mose, amesi dzi Mawu ɖo kpe, kple kplɔla si afia wo mɔ ayi ŋugbedodonyigba la dzi, eye wova ɖo didiƒe ʋii vɔ, gake emegbe la, womedi be yewoayi edzi kplii o…. Azɔ, xɔsetɔwo ate ŋu akpɔ Esia, gake dzimaxɔsetɔwo mate ŋu akpɔ Ema si dzi woɖo kpe o.

Menye ɖeko wotia mi be miaxɔ nuwuɣi ƒe Ɖeɖefia gã sia na egbea ko o, gake Mawu, to Eƒe nyaƒoka Nuɖuɖu siwo wodzra ɖo ɖi dzi la, ƒo nu le fliawo dome na Eƒe Ŋugbeto lɔlɔ̃tɔ.

Ekema ne mienye Mawu ƒe viŋutsu alo Mawu ƒe vinyɔnu la, ke mienɔ Mawu me ɣesiaɣi. Gake Enya anyigba si dzi kple ɣeyiɣi si me woado mi. Eyata fifia wowɔ mi nuwɔwɔ, Mawu ƒe viŋutsu, Mawu ƒe viŋutsu alo Mawu ƒe vinyɔnu si woɖe ɖe go be woado go gaƒoƒo sia ƒe ataŋukaka be woaɖo kpe gaƒoƒo sia ƒe Mawu vavã kple agbagbe, Gbedeasi si le dodom le ɣeyiɣi sia me dzi. Esɔ gbe! Wowɔ mi le afima doŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ke.

Lɔlɔ̃ ƒe lɛta kae nye si le fliawo dome na Eƒe Ŋugbetɔ la, ŊUTIKƆKƆE!!! Menye ɖeko Wònya mí hetia mí doŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ko o lo, ke Ele gbɔgblɔm na mí le afisia be Yetia mí be míanye Yeƒe viŋutsu kple vinyɔnu siwo woɖe ɖe go na EGBEA. Eɖo mí ɖe afisia le anyigba dzi egbea, ƒo ame kɔkɔe bubuwo katã ta tso gɔmedzedzea me ke, elabena enya be míado go gaƒoƒo sia ƒe ataŋukaka be míatsɔ aɖo kpe gaƒoƒo sia ƒe Mawu vavãtɔ kple agbagbe la, Gbedasi si le dodom le ɣeyiɣi sia me dzi.

Míenɔ Mawu me, agbekui aɖe, nya aɖe, nyenye aɖe tso gɔmedzedzea me ke, gake AZƆ míenɔ anyi ƉE DU le Dziƒo nutowo me le Kristo Yesu me, le hadem Kplii to Eƒe Nya dzi, le Eƒe Nya me; Elabena MÍENYE EƑE NYA, eye Wòle míaƒe luʋɔwo nyim.

Míate ŋu, eye míade, naneke míaƒe agbewo me o, negbe Mawu ƒe Nya tsimatɔe la. Míede dzesii eye míexɔe se be Enye mɔ si Mawu na na egbea.

Míadi vevie be miawɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe Game, esi míase GBE ƉEKA kolia, Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi, miate ŋu aɖe AMEN na, nya ɖesiaɖe si miase.

Nɔvi. Joseph Branham

Gbedeasi: Egbe Ƒe nudzɔdzɔwo Siwo Me kɔ To Nyagblɔɖi dzi 65-1206.

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ hafi woase gbedeasi la:
Mose I, 22 .
Mose V, 18:15.
Psalmowo 16:10 / 22:1 / 22:18 / 22:7-8 / 35:11.
Yesaya 7:14 / 9:6 / 35:7 / 50:6 / 53:9 / 53:12 / 40:3
Amos 3:7
Zaxarya 11:12/13:7/14:7
Maleaxi 3:1/ 4:5-6
Mateo Kɔkɔe 4:4/ 24:24/11:1-19
Luka Kɔkɔe 17:22-30/ 25:13-27
Hebritɔwo 13:8/1:1
Yohanes Kɔkɔe 1:1
Nyaɖeɖefia 3:14-21/10:7

25-0803 Nusiwo Lava Nɔ Anyi

Gbedasi: 65-1205 Nusiwo Lava Nɔ Anyi

PDF


BranhamTabernacle.org

Mawu ƒe Nyenye Lɔlɔ̃tɔwo,

Nya ɖesiaɖe si wogblɔ le Gbedeasi sia me la nye lɔlɔ̃ ƒe leta na Eƒe Ŋugbetɔ. Be míabui be mía Fofo si le Dziƒo la lɔ̃ mí ale gbegbe, be menye ɖeko Wòdi be míaxlẽ Yeƒe Nya la ko o, ke boŋ Edi be míase Yeƒe Gbe wòaƒo nu na míaƒe dziwo ale be wòate ŋu agblɔ na mí be: “Miawoe nye Nye dunyuie gbagbe, Nye nyenye gbagbe, si Mate ŋu aɖe afia xexeame.”

Emegbe be woabui be le Eƒe vɔsa siwo katã Wòwɔ le anyigba dzi afii, agbe si Wònɔ, mɔ si dzi Wòzɔ la megbe, nu ɖeka pɛ Wòbia:

“Bene afisi Mele la, woawo hã woanɔe.” Ebia míaƒe nɔvikadede. Eyae nye nu ɖeka hɔ̃ si Wòbia Fofo la le gbedodoɖa me, miaƒe hadede heyi ɖaa.

Afisi Mele, “Eƒe Nya,” ele be míawo hã míanɔ, be míaxɔ Eƒe nɔvikadede, Eƒe hadede, heyi ɖaa. Eyata, ele be míanɔ agbe ɖe Nya ɖesiaɖe si Wògblɔ na mí le nyaƒokawo dzi nu be míanye Eƒe Nya Ŋugbetɔ le Aƒe, si wɔ mí Ŋugbetɔsrɔ̃a ƒe akpa aɖe.

Emae nye Yesu Kristo ƒe ƉEƉEFIA le gaƒoƒo sia me. Menye nusi Wònye le gaƒoƒo bubu me o, amesi Wònye FIFIA. Nya la na egbea. Afisi Mawu le egbea. Emae nye Ɖeɖefia na egbea. Fifia ele tsitsim le Ŋugbetɔ la me, si na míele viŋutsu kple vinyɔnu ƒe nɔnɔme deblibowo zum.

Míekpɔa mía ɖokuiwo le Eƒe Nya la me. Míenya amesiwo míenye. Míenya be míele Eƒe ɖoɖo la me. Esiae nye Mawu ƒe Mɔ na egbea. Míenya be Kɔkɔdzoe la tu aƒe. Eteƒe madidi o míaƒe lɔlɔ̃tɔwo adze. Ekema míanya be: Míeva ɖo. Míakatã míele yiyim ɖe Dziƒo…ẽ, Dziƒo, teƒe ŋutɔŋutɔ abe esia ene.

Míeyina ɖe teƒe vavã aɖe afisi míawɔ nuwo le, afisi míanɔ agbe le. Míawɔ dɔ. Míadzɔ dzi. Míanɔ agbe. Míeyina ɖe Agbe me, ɖe Agbe Mavɔ vavã me. Míeyina ɖe Dziƒo, paradiso aɖe me. Tututu abe alesi Adam kple Xawa wowɔ dɔ, nɔ agbe, ɖu nu, hedzɔ dzi, le Eden bɔ la me hafi nuvɔ̃ va ge ɖe me la, míele mɔ dzi trɔ yina ɖe teƒe ma tututu ake, tututu, míetrɔ yina tẽ. Adam gbãtɔ, to nuvɔ̃ me, ɖe mí do goe. Adam Evelia, to dzɔdzɔenyenye me, gbugbɔ kplɔ mí ge ɖe me ake; tso afia na mí hegbugbɔ kplɔ mi ge ɖe me.

Aleke ame aɖe nusi esia nye na mí agblɔ? Nuvavã sia be míeyina ɖe paradiso me afisi míanɔ agbe le Mavɔmavɔ me ɖe du. Blanuilélé, vevesese alo ŋɔdi maganɔ anyi o, blibodede ɖe blibodede dzi ko.

Míaƒe dziwo le dzidzɔ kpɔm, míaƒe luʋɔwo lé dzo le mía me. Satana le zizim ɖe míadzi geɖe geɖe wu gbesiagbe, gake míekpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm. Nukata:

  • MÍENYA, AMESIWO MÍENYE.
  • MÍENYA BE, MÍME, EYE MÍA ƉE DZI LE ƑO NA EYAMA O.
  • MÍENYA BE, MÍELE EƑE LƆLƆ̃NU DEBLIBO ME.
  • MÍENYA BE, ENA EƑE NYA ƑE ÐEƉEFIA VAVÃTƆ LA MÍ.

Nᴐviŋutsu. Joseph, nu ɖeka ma ke nèŋlɔna kwasiɖa sia kwasiɖa. ŊUTIKƆKƆE, maŋlɔe kwasiɖa sia kwasiɖa elabena Edi be mianya alesi gbegbe Yelɔ̃a mie. Amesi mienye. Afisi yim miele. Vɔvɔ̃li la le vavãtɔ la zum. Miawoe nye Nya si le Nya la zum.

Xexeme lɔlɔ̃tɔ, miva wɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, le telefoni ƒe katsatsa la ŋu, menye le esi “me” kpe mi ta o, ke boŋ le esi “EYA” kpe mi ta. Menye le esi “me” tia nyaƒoka la ta o, ke boŋ be míase Nya la kple Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe le xexeame godoo le game ɖeka dzi.

Ðe míate ŋu ade dzesii, be ele bɔbɔe be Ŋugbetɔ la nase Mawu ƒe Gbe, le xexeame godoo, wo katã le game ɖeka ma tututu dzia? Mawu wòle be ema nanye. Mawu na nyagblɔɖila la wɔe esime Eƒe dɔla nɔ anyigba dzi afisia. Ede dzi ƒo na Ŋugbetɔ la be woawɔ ɖeka le gbedodoɖa me, WO KATÃ LE JEFFERSONVILLE ƑE GAME DZI, ga 9, ga 12, ga 3; aleke gbegbe wòlolo wu fifia, be Ŋugbetɔ la ate ŋu aƒoƒu abe AME ÐEKA ene be wòase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na wo katã le game ɖeka dzii?

Nɔvi. Joseph Branham

Gbedeasi: Nusiwo Lava Nɔ Anyi 65-1205

Ŋɔŋlɔawo:
Mateo Kɔkɔe 22:1-14
Yohanes Kɔkɔe 14:1-7
Hebritɔwo 7:1-10

25-0727 Kɔkɔdzoe La

Gbedasi: 65-1204 Kɔkɔdzoe La

PDF


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Semanɔŋutɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Aƒetɔ la na ɣeyiɣi wɔnuku tɔgbe aɖe mí le kamp le kwasiɖa si va yi me esi Wòɖe Eƒe Nya la fia mí. Eɖo kpe edzi, to Eƒe Nya me, be míaƒe Tɔɖoƒe lae nye: Eƒe Nya, Gbedeasi Sia, Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi; wo katã wole ɖeka, Yesu Kristo eyama ke etsɔ, egbe yiɖe mavɔmavɔ me.

Míese alesi abosam dzea agbagba be yeama Gbedeasi la kple gbedeasitsɔla dome, gake woakafu Aƒetɔ Yesu, Mawu Ŋutɔ ƒo nu to Eƒe dɔla sesẽ la dzi hegblɔ na mí be:

Míekpɔ bena ne amea ɖe va, eye Mawue dɔe, woɖoe ɖi tso Mawu gbɔ, kple ALE AƑETƆ GBLƆ ESI vavãtɔ la, gbedeasi la kple gbedeasitsɔla la wozua ɖeka. Elabena wodɔe ɖa be wòaxɔ ALE AƑETƆ GBLƆ ESI la teƒe, Nya ƒu Nya dzi, eyata eya kple gbedeasi la wozu nu ɖeka.

Miate ŋu ama Gbedeasi la kple gbedeasitsɔla dome o, wole ɖeka, ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI. Meka nusi alakpa amesiamina ɖesiaɖe gblɔ o, Mawu gblɔ be wole ɖeka eye womate ŋu ama wo dome o.

Emegbe Egblɔ na mí be míehiã na ɖo vuvu be míalé nudzodzoevi aɖeke ne míele to ɖom nyaƒokawo o, elabena nudzodzoevi aɖeke alo nudzodzoevi ƒe tsi aɖeke mele Gbedeasi Sia me o. Enye Eƒe Tometsi vudo si le sisim ɣesiaɣi dzadzɛ kple kɔkɔe. Le fiefiem ɣesiaɣi, meƒuna gbeɖe o, ɖeko wòyia edzi nɔa tutum henɔa tutum, si naa Eƒe Nya la ƒe Ɖeɖefia geɖe geɖe wu mí.

Eɖo ŋku edzi na mí be MIGAŊLƆ BE GBEÐE be Yeƒe nubabla kpli mí la nye esi ŋu womate ŋu agbe ŋu le o, womate ŋu aƒo asi le eŋu o, gake vevietɔ wu la, Se mele eŋu o.

Eɖanye lɔlɔ̃, kpekpeɖeŋunana, alo ɖokuitsɔtsɔna o, ne nane nye nusi ŋu se aɖeke mele o la, enye TƆƉOƑE eye mele nyagbɔgblɔ alo nɔnɔme tɔxɛ aɖeke te o: ava eme meka nububu si dzɔ o.

Emegbe la Edi be yeaƒo gatagbadzɛ la dzi sesĩe, alea Wògblɔ na mí be egbe sia la, wole Yeƒe Ŋɔŋlɔawo ŋu wum le míaƒe ŋkume.

Ɖeka ma ke si nye ɣ-e dzena le ɣedzeƒe la eya ke koe nye ɣ-e si ɖoa to le ɣetoɖoƒe. Eye Mawu ƒe V-i ɖeka si va le ɣedzeƒe la heɖo kpe Eɖokui dzi abe Mawu si ɖe ɖe go le ŋutilã me la, enye Mawu ƒe V-i ɖeka le anyigba ƒe ɣetoɖoƒe gome afii, esi le dzesi dem Eɖokui le hamea me fiẽ sia, be eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Vi la ƒe fiẽ Kekeli do. Egbe sia wowu Ŋlɔŋlɔ sia nu le míaƒe ŋkume.

Amegbetɔvi la gava le amegbetɔ ƒe ŋutilã me le míaƒe ŋkekea me, tututu ko abe alesi Wòdo ŋugbe be Yeawɔ ene, ayɔ Ŋugbetɔ aɖe do. Yesu Kristo ye le nu ƒom na mí tẽ, eye Mehiã ame aɖeke ƒe gɔmeɖeɖe o. Nu ɖe sia ɖe si míehiã, nu ɖe sia ɖe si míedi koe nye Mawu ƒe Gbe si le nu ƒom le nyaƒoka dzi tso Mawu Ŋutɔ gbɔ.

Enye ɖeɖefia na Nya si wowɔ nyateƒee la ƒe ɖeɖeɖego. Eye míele agbe le ŋkeke ma me; woakafu Mawu; Eɖokui nyaɣaɣla la ƒe ɖeɖefia.

Ŋutikɔkɔe ƒe ɣeyiɣi ka gbegbee nye si me tom Ŋugbetɔ la le, le Vi la ŋkume, le tsitsim. Lu la gatrɔ va lu la gbɔ ake, eye amɔwɔʋãʋã aɖeke mele mía dome o. Mawu ƒe Gbe dzadzɛ ko le nu ƒom na mí, le míamem hele míawɔm ɖe Kristo, Nya la ƒe nɔnɔme ŋu.

Míenye Mawu ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo, Eƒe nyenye si Wòɖo ɖi be wòava le agbenɔɣi sia me, si nye agbenɔɣi gãtɔ kekeake le xexeame ƒe ŋutinya me. Enya be míadaƒu o, míawɔ kpɔmewɔe o, gake míanye Eƒe Nya Ŋugbetɔ nyateƒetɔ kple wɔnuteƒe, Eƒe Abraham ƒe Fiaƒome Nuku gãtɔ si ŋugbe wodo be egbɔna.

Kɔkɔdzoe la tu aƒe. Ɣeyiɣi la va ɖo nuwuwu. Egbɔna na Eƒe Ŋugbetɔ si dzra Eɖokui ɖo gake wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Vi la ŋkume, hele Eƒe Gbe sem le awu dom na Eƒe Ŋugbetɔ la. Le madidi me o la míadze míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo yi ɣeyiɣi ƒe xɔmetsovɔ la godo, siwo le lalam hele didim vevie be yewoanɔ anyi kpli mí la kpɔkpɔ.

Nyaƒokawo nye mɔ si Mawu na be wòana Eƒe Ŋugbetɔ nade blibo. Nyaƒokasia wo koe nye nu ɖeka si awɔ Eƒe Ŋugbetɔ la ɖeka. Nyaƒoka sia woenye Mawu ƒe Gbe na Eƒe Ŋugbetɔ.

Mele miakpem be miava wɔ ɖeka kpli mí, Eƒe Ŋugbetɔ ƒe akpa aɖe, Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míase nusianu tso nusi le dzadzram ɖo be yeadzɔ kpuie ŋutɔ ŋu: Kɔkɔdzoe La 65-1204.

Nɔvi. Joseph Branham

25-0720 Le Ahɔnɛ Ɣi Ƒe Aʋalawo Dzi

Gbedasi: 65-1128e Le Ahɔnɛ Ɣi Ƒe Aʋalawo Dzi


BranhamTabernacle.org

Kristo ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ, mina míaƒo ƒu ɖe du Kwasiɖagbe ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, be míase 65-1128E Le Hɔnɛ Ɣi Ƒe Aʋalawo Dzi

Nɔvi. Joseph Branham

25-0713 Subɔsubɔ Teƒe Ɖeka Si Mawu Na

Gbedasi: 65-1128m Subɔsubɔ Teƒe Ɖeka Si Mawu Na


BranhamTabernacle.org

Yesu Kristo ƒe Ƒome Lɔlɔ̃tɔ,

Nane le dzɔdzɔm geɖe wu tsã kple Kristo ƒe Ŋugbetɔ si le xexeame godoo la. Nu siwo ŋu míese nu le kple di vevie be míakpɔ la azɔ ɖe ɖe go le míaƒe ŋkume.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le Eƒe Ŋugbetɔ la wɔm ɖekae abe alesi Wògblɔ be Yeawɔe, to Yeƒe mɔ ƉEKA kolia si wona na egbea, Mawu ƒe gbe le nyaƒokawo dzi dzi.

Ele eƒe Nya la ɖem fia hele kpe ɖom edzi geɖe wu tsã. Abe tometsi vudo ene la, Ɖeɖefia le fiafiam le mía me.

Kristo kple Eƒe Hame ƒe ɖekawɔwɔ gbɔgbɔmetɔ ma azɔ, esime ŋutilã le Nya la zum, eye Nya la le ŋutilã zum, woɖee ɖe go, heɖo kpe dzi. Nusi tututu Biblia gblɔ be ava me le ŋkeke sia me, ele eme vam, gbeawotsogbe. Nukaŋutie, ele tetem ƒoƒu kabakaba ŋutɔ le afima, le gbedada mawo ƒo, eye nuwo le dzɔdzɔm, ale be nyemate ŋu akplɔe ɖo o.

Gbesiagbe la, wole Ɖeɖefia geɖe wu ɖem fia eye wole wo ɖem ɖe go na mí. Abe Nyagblɔɖila ene la, nuwo le dzɔdzɔm eye wole eme vam kabakaba alegbegbe, míate ŋu akplɔe Eɖo gɔ̃ hã o…ŊUTIKƆKƆE!!!

Míaƒe ɣeyiɣia va ɖo. Ŋɔŋlɔawo le eme vam. Ŋutilã le Nya zum, eye Nya la le ŋutilã zum. Nusi tututu Nyagblɔɖila la gblɔ be adzɔ la le eme vam fifia.

Nukata míawo?

Amɔwɔʋaʋã aɖeke meli o, gbeɖiɖi si me mekɔ meli o, amegbetɔ ƒe gɔmeɖeɖe aɖeke meli si hiã le mía dome o. Ðeko míele nya Deblibo Dzadzɛ si tso Mawu ƒe nu me la sem esi Wòle nu ƒom na mí tso nuyi me yiɖe to me.

Azɔ míekpɔ Ŋugbedodonya ma ke, Luka tɔ, Maleaxi tɔ, ŋugbedodo bubu siawo katã tso egbe, wozu ŋutilã, le mía dome, esiwo míese kple míaƒe towo; azɔ míekpɔ Eyama (kple míaƒe ŋkuwo) wòle Eya Ŋutɔ ƒe Nya gɔme ɖem, míehiã amegbetɔ ƒe gɔmeɖeɖe aɖeke o.

Ŋugbetɔ, ɖeko eme magate ŋu kɔ wu ema o. Mawu Wònye, le tsitre ɖe Eƒe Ŋugbetɔ ŋkume le amegbetɔ ƒe ŋutilã me, be míate ŋu akpɔe kple mía ŋutɔwo ƒe ŋkuwo wòaƒonu aɖaɖe Eya Ŋutɔ ƒe Nya gɔme, aɖadee Nyaƒoka dzi. Nya Deblibo si Mawu Ŋutɔ ɖe gblɔ eye wòlé ɖe mɔ̃ dzi, alebe mehiã amegbetɔ ƒe gɔmeɖeɖe aɖeke o.

  • Mawu le nu ƒom na Eƒe Ŋugbetɔ tẽ, le nyaƒokawo dzi.
  • Mawu le Eya Ŋutɔ ƒe Nya la gɔme ɖem, le nyaƒokawo dzi.
  • Mawu le Eɖokui ɖem fia, le nyaƒokawo dzi.
  • Mawu le gbɔgblɔm na Eƒe Ŋugbetɔ la be, miehiã amegbetɔ ƒe gɔmeɖeɖe aɖeke o, Nye Nya le nyaƒokawo dzi koe nye nusi NYE ŊUGBETƆ LA HIÃ.

Miɖo ŋui, ne miedzo le afisia la, adze ʋuʋu dzo le tsro la me azɔ la; miele gege ge ɖe nuku la me, gake minɔ Vi la ƒe Anyinɔnɔ me. Migatsɔ kpe, nusi megblɔ o; migaɖe le, nusi megblɔ me o. Elabena, megblɔa Nyateƒe la abe alesi Menyae ene, abe alesi Fofo la tsɔe nam ene. Mikpɔea? Migatsɔ Kpee o, migblɔ nusi Megblɔ la ko.

Mawu ta MƆ DEBLIBO ƉEKA si dzi Ŋugbetɔ la ato awɔ abe alesi Wòde se na mí be míawɔ ko ene. Esia mete ŋu dzɔ kpɔ gbeɖe, vaseɖe egbea o. Nuŋuti bubu kpɔ aɖeke meli o, nyabiabia ameɖokui se meli o, biabia meli be ɖe wotsɔ nane kpee lo, woɖe le eme loo, alo ɖe egɔme hã o. Wotsɔ Ɖeɖefia vavãtɔ la na Ŋugbetɔ la: NYAƑOKAWO ƑOƑO NYE MAWU ƑE MƆ DEBLIBO. 

Be eme nekɔ la, mina magagblɔe ake. Nye Ɖeɖefia yenye be Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ, menye bubuwo o lo, ŊUGBETƆ LA, mehiã NU BUBU AƉEKE wu o negbe Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi.  

Gake ne Gbɔgbɔ kɔkɔe ma vavã nya…Nya akuakua va geɖe mewò la (Nya la, Yesu), ekema, nɔviŋutsu, Gbedeasi la meganye nyaɣaɣla na wò o ekema; Ènyae, nɔviŋutsu, Eme akɔ na wò ƒãa.

Gbedeasi la menye nyaɣaɣla nam o. Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ, egbe yiɖe mavɔmavɔ me. Woyɔa dziƒo kple anyigba katã be Yesu. Yesu yenye Nya la.

Ke Ŋkɔ la le Nya la me elabena Enye Nya la. Amen! Nukae Wònye ekema? Nya si gɔme woɖe nye Mawu ƒe Ŋkɔ ƒe ɖeɖeɖego.

Mawu le Eƒe Ŋugbetɔ la wɔm ɖekae kple Eƒe Gbe, si Wòlé ɖe mɔ̃ dzi hedzra ɖo ɖi na egbea ale be wòate ŋu aƒo eƒe Ŋugbetɔ la nu ƒu abe Nu Ɖeka ene. Ŋugbetɔ la akpɔe eye wòade Dzesii abe MƆ ƉEKA si dzi Wòato ate ŋu aƒo Eƒe Ŋugbetɔ la nu ƒu.

Ewɔe ƒe 60 kple edzivɔ yenye si be yeatsɔ fia alesi Wòle ewɔ ge egbea la mí. Míenye “eƒe hameawo dometɔ ɖeka le telefoni ƒe katsatsa la dzi”

Ne nyemexɔ hame yiyi dzi se o la, nukaŋutie hame aganɔ asinye? Miakpɔ wo le dukɔa katã me, siwo tsa ka kpli mí nyitsɔ zãme, le agbadroƒe alafa eve ɖesiaɖe domee kpeɖo la nye hamewo dometɔ ɖeka li.

Mawunyagblɔla geɖewo gblɔna na woƒe hamewo be “telefoni ƒe katsatsa” dzi nɔnɔ alo “strimin”, “Gbedeasi ɖeka sese le game ɖeka dzi”, menye sɔleme dede o. ÐEKO WÒGBLƆ FIFIA BE EYAE! Ðeko womenya Nya la o loo womate ŋu axlẽ lɔlɔ̃gbalẽa abe alesi Ŋugbetɔ la ate ŋui ene o.

Nukae nye hame? Mina míakpɔ nusi Nɔviŋutsu Branham gblɔ be enye hame la ɖa ko.

Ƒuƒoƒe geɖewo, geɖewo la mɔ̃ siawo le wo si abe alesi wole mia katã si le afisia le agbadɔa me ene. Wotsa ka le Phoenix hã, bena afisiafi si subɔsubɔwo le la, edena afima tẽ…Eye woƒoa ƒu ɖe hamewo kple aƒewo me, kple nuwo nenema , to yaʋala nyuia ɖe dzi.

Nɔviŋutsu Branham gblɔ eme kɔ ƒã be amewo le woƒe “aƒewo” kple “nuwo nenema” me nye yeƒe hamewo dometɔ ɖeka le telefoni ƒe katsatsa me. Ale la aƒewo, amidzraƒewo, xɔtutuwo, ƒomewo ƒe ƒuƒoƒo ɖe dzu ɖe eƒe telefoni ƒe katsatsa dzi la wɔwo wozu hame.

Mina míagaxlẽ LƆLƆ̃GBALẼ vi aɖe wu.

Míele gbedom ɖa ɖe hameawo kple ƒuƒoƒeawo katã siwo ƒoƒu ɖe mikrofoni s—s—sueawo ŋu le egodo le, dukɔa katã me, ʋuu tso Ɣetoɖoƒe Ƒuta, le dzigbe geɖe Arizona towo me, le anyigbe geɖe Texas nyigbawo dzi, ʋuu geɖe Ɣedzeƒe Ƒuta, le dua katã me, Aƒetɔ afisi woƒo ƒu ɖo ta. Gaƒoƒo geɖewo ma míadome, le ɣeyiɣi me, gake, Aƒetɔ, míele du zã sia me abe nu ɖeka ene, xɔsetɔ, siwo le lalam kpɔ Mesia la ƒe Vava.

Ke anɔ Telefoni ƒe Katsatsa dzi, anɔ to ɖom Nɔviŋutsu Branham ƉE DU LE GAME ƉEKA DZI la; wo/míele du abe nu ɖeka ene, xɔsetɔ, siwo le lalam kpɔ Mesia la ƒe Vava.

Gake wò ya èle gbɔgblɔm be ne miewɔ ema egbea la, ema menye sɔlemedede o, egblẽ, menye ƒuƒoƒo ɖe du zi geɖe wu alesi nu míele ŋkeke la kpɔm wòle gogom o, menye sɔleme dede yema oa?

Miɖe mɔ mabia nya aɖe mi eye miaɖo ŋu na miaƒe ƒuƒoƒea. Ne Nɔviŋutsu Branham le afisia egbea, le ŋutilã me, eye miateŋu ayi ɖe internet dzi alo atsa ka le telefoni dzi be miaɖo to eyama Kwasiɖagbe ŋdi ɖesiaɖe, ɖe du le game ɖeka dzi kple Ŋugbetɔ la le xexeame godoo ɖe, pastɔwo ye, ƉE MIATSA KA LE TELEFONI DZI aɖaɖo to Nɔviŋutsu Branham alo miagblɔ mawunya mahã?

Nɔviŋutsu Branham gblɔe kɔtɛ be miaƒe dɔ yenye miaƒe hame. Ne mienɔ afisia ƒe 60 enye si eye Nɔviŋutsu Branham nɔ takpekpe aɖe wɔm, gake miaƒe hame la mava o gake woa ŋutɔ woawɔ woƒe takpekpe ɖe (nusi mawunyagblɔla geɖewo wɔ le ɣemaɣi me), ɖe miayi “miaƒe hamea” me, alo miayi “Branham ƒe Agbadɔ” la me be yewoaɖo to Nɔviŋutsu Branham aa?

Mana mi nye ŋuɖoɖo la. Manɔ tsi tre ɖe ʋɔtrua nu le tsidzadza, sno alo ahom sesĩe me be mage ɖe Agbadɔ la me be maɖo to Mawu ƒe Nyagblɔɖila. Nenye be hame bubu ma mee ME YINA la, maɖɔ li hame le zã ma me.

Gake nyɔnu ma, menya ne ŋusẽ la le atizɔti la me alo o, gake enya be Mawu le Eliya me. Afima ye Mawu le: le Eƒe nyagblɔɖila me. Egblɔ be, “Yehowa le agbe, eye wò luʋɔ hã le agbe, nyemagblẽ wò ɖi o.”

Mele miakpem be miava wɔ ɖeka kpli mí eye mianye Nɔviŋutsu Branham ƒe hamewo dometɔ ɖeka le telefoni ƒe katsatsa dzi Kwasiɖagbe le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe Game, esi míase Mawu ƒe Gbe, wòatsɔ Gbedeasi: Mawu Ƒe Subɔsubɔ Teƒe Ɖeka Si Wona 65-1128m vɛ na mí.

Nɔvi. Joseph Branham

25-0706 Mese Ke Fifia Mele Ekpɔm

Gbedasi: 65-1127e Mese Ke Fifia Mele Ekpɔm


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ Si Le Telefoni Ƒe Ka Nu,

Egbea la, Nya siawo siwo Mawu gblɔ to Eƒe Dɔla Adrelia dzi la GAKPƆTƆ le eme vam to MÍ, YESU KRISTO ƑE ŊUGBETƆ la dzi.

Ne nyemexɔ hame yiyi dzi se o la, nukaŋutie hame aganɔ asinye? Miakpɔ wo le dukɔa katã me, siwo tsa ka kpli mí nyitsɔ zãme, le agbadroƒe alafa eve ɖesiaɖe domee kpeɖo la nye hamewo dometɔ ɖeka li.

Wonɔ hamewo, aƒewo, xɔtutu suewo, kple mɔ̃memidzraƒe gɔ̃ hã me; kaka ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo me godoo, nɔ to ɖom Nya si nɔ dodom, wo katã le game ma ke tututu me.

Eye egbea la, míegakpɔtɔ nye EƑE HAMEWO DOMETƆ ÐEKA. EGAKPƆTƆ nye MÍAƑE KPLƆLA. Eƒe Nya la KOKOKO MEHIÃ GƆMEÐEÐE AÐEKE O, eye míe GAKPƆTƆ ƒoƒu ɖe xexeame godoo, TSA KA, le Mawu ƒe GBE sem le Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la wɔm bliboe.

Egbe sia la, wokpɔtɔ le Nya sia ŋu wum.

Nukatae wowɔ nenema ɣemaɣi? Nukatae kplɔlawo tu woƒe hameawo be yewoase Gbedeasi la ɣemaɣi tututu? Woate ŋu alala ko axɔ nyaƒokawo, emegbe woaŋutɔ woaɖe gbeƒã Gbedeasi la na woƒe amewo emegbe hafi; eye meka ɖe edzi be ame geɖe siwo si Ɖeɖefia aɖe mele o hã wɔe nenema.

Alo ɖewohĩ ame aɖewo gblɔ na woƒe ƒuƒoƒeawo be, “Azɔ miɖo to, míexɔe se be Nɔviŋutsu Branham nye Mawu ƒe nyagblɔɖila, gake megblɔ be ele be míaɖo to ye le míaƒe hamewo me o. Mele gbeƒã ɖem Kwasiɖagbe sia, kple Kwasiɖagbe ɖesiaɖe; mixɔ nyaƒokawo eye miɖo to wo le miaƒe aƒewo me.”

Ŋugbetɔ la ɣemaɣi me, tututu ko abe Ŋugbetɔ la fifia ene la, Ɖeɖefia aɖe nɔ wosi, eye wodi be yewoase Mawu ƒe Gbe tẽ na yewoɖokui. Wodi be yewoawɔ ɖeka kple Ŋugbetɔ la le dukɔa me godoo be yewoase Mawu ƒe Gbe esime wònɔ dodom. Wodi be woade dzesi yewo abe eƒe hamewo, aƒewo, alo afisiafi si yewole la dometɔ ɖeka, kple Gbedeasi, Gbe la, ke azɔ la, nyaƒokawo.

Egbe sia la, Nya sia gakpɔtɔ le eme vam.

Nukatae wo/míele Ekpɔm eye ame bubuwo mele ekpɔm o hã? To nunyaɖi dzi la, woɖo mí be míakpɔ Esia. Gake wò si womeɖo o la, Màkpɔe gbeɖe o. Lu la le Ekpɔm eye wòdze tetem ɖa.

Menye egɔme yenye be nàdzudzɔ wò hame yiyi o. Nenema ke menye egɔme hã yenye be wò kplɔla nadzudzɔ subɔsubɔdɔa wɔwɔ o. Gblɔeɖe la egɔme yenye be gbeƒãɖela kple kplɔla geɖewo ŋlɔ NU VEVIETƆ la be, eye womegblɔa na wotɔwo be GBE VEVIETƆ KEKEAKE si wòle be miase yenye Mawu ƒe GBE le nyaƒokawo dzi o.

Sɔlemedede le kwasiɖa ƒe ŋkeke ɖesiaɖe me mewɔa wò Ŋugbetɔ o; ema menye Mawu ƒe dzizizi o. Farisitɔwo kple Zadukitɔwo lé nufiafia ma ɖe susu me. Wonya Nya ɖesiaɖe ƒe ŋɔŋlɔdzesi ɖesiaɖe, gake Nya Gbagbe la nɔ tsitre ɖe AFIMA TUTUTU le amegbetɔ ƒe ŋutilã me, gake nukae wowɔ? Nu ma ke si geɖewo le wɔwɔm egbea.

Woagblɔ be, “Ema ya kɔmahatsɔŋkɔwo gblɔm wònɔ. Womaɖe mɔ na Nɔviŋutsu Branham le woƒe hamewo me be wòaɖe gbeƒã o, gake míawo ya míeɖea gbeƒã Nya la hegblɔa nusi tututu wògblɔ.”

Ema wɔ nuku loo. Woakafu Aƒetɔ la. Emae nye nusi wòle be nàwɔ. Ke emegbe nàgblɔ be, egbea la, eto vovo, mele eteƒe be woaƒo Nɔviŋutsu Branham ƒe nyaƒokawo le wò hame me o. Mètovovo ɖeke ɖeke le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo, alo kɔmahatsɔŋkɔwo gbɔ o.

Alakpanuwɔla nènye.

Abe alesi wònɔ ɣemaɣi ene la, Yesu Wònye, si le tsitre ɖe ʋɔtrua nu le eƒom, le agbagba dzem be yeage ɖe eme aƒo nu na Eƒe Hame la tẽ, eye womaʋu woƒe ʋɔtruwo o, eye womaƒo nyaƒokawo le woƒe hameawo me o. “Mava míaƒe hame me aɖegbeƒã o”.

Futɔ la atrogbo ema eye wòatrɔe le mɔ geɖe nu le esi WÒLÉA FUI be woaklo nu le ye nu ta, gake ke hã, wole eɖem ɖe go le míaƒe ŋkume tututu eye ame geɖe le tetem ɖa.

“Le gɔmedzedzea me la,” [Ƒuƒoƒea gblɔ be, “Nya la li,”—Tala.] “eye Nya la li kple” [“Mawu,”] “eye Nya la nye” [“Mawu.”] “Eye Nya la zu ŋutilã, eye wòva nɔ mía dome.” Esɔ gbea? Azɔ míekpɔ ŋugbedodonya ma ke, Luka tɔ, Maleaxi tɔ, ŋugbedodo bubu siawo katã tso egbe, wozu ŋutilã, le mía dome, esiwo míese kple míaƒe towo; azɔ míekpɔ Eyama (kple míaƒe ŋkuwo) wòle Eya Ŋutɔ ƒe Nya gɔme ɖem, míehiã amegbetɔ ƒe gɔmeɖeɖe aɖeke o. O Mawu gbagbe la ƒe Hame, le afisia kple le telefoniwo dzi, minyɔ kaba, hafi gbada nayi!

Miʋu miaƒe dziwo eye miase nusi Mawu gblɔ na mi fifia, eƒe hamewo katã fifia ko. Azɔ míekpɔ EYAMA, kple míaƒe ŋkuwo, le EYA ŊUTƆ ƑE NYA GƆME ƉEM. Míehiã amegbetɔ ƒe gɔmeɖeɖe aɖeke o!! MINYƆ HAFI GBADA NAYI!!

Míese wogblɔ nusiawo le míaƒe agbewo katã me nusi ava dzɔ le nuwuɣia me. Azɔ míele ekpɔm kple míaƒe ŋkuwo be wole dzɔdzɔm.

Egblɔ na mí be, MƆ ƉEKA KOE LI, EMAE NYE MƆ SI MAWU NA SI WÒTA NA EƑE ŊUGBETƆ. ELE BE MIANƆ ANYI KPLE MAWU ƑE GBE LE NYAƑOKAWO DZI.

Mele xexeame kpem be woava wɔ ɖeka kpli mí le Kwasiɖagbe le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, eye míase Mɔ si Mawu na egbe. Ekema wòhã àte ŋu agblɔ be, “Wogblɔ Nya Le Ŋuwò Mesee, Ke Azɔ Nye Ŋkuwo Kpɔ Wò”.

Nɔvi. Joseph Branham .

Gbedeasi: 65-1127E Wogblɔ Nya Le Ŋuwò Mesee Ke Azɔ Nye Ŋkuwo Kpɔ Wò.

Ŋɔŋlɔawo

Mose I, 17
Mose II, 14:13-16
Hiob 14 lia kple 42:1-5
Amos 3:7
Marko 11:22-26 kple 14:3-9
Luka 17:28-30