Category Archives: Uncategorized

24-0218 Nukoklo Le Mawu Ŋu

Gbedasi: 64-0614M Nukoklo Le Mawu Ŋu

PDF


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ Si Le Xɔmetsovɔ La Godo,

Nukata mekpɔtɔ le gbɔgblɔm na mi edzi edzi be, “PLAY ZIZI nye nu vevietɔ kekeake si miate ŋu wɔ mahã”? Nukata mekpɔtɔ le gbɔgblɔm na kplɔlawo bena, “Migbugbɔ Nɔviŋutsu Branham va miaƒe nyagblɔtiawo dzi mahã”?

Ele gblɔe ɖe alea ko. Dɔla gbedeasitsɔla adrelia ƒe Gbe sese le nyaƒokadzi, nye NYA GBAGBE la sese.

Le amewo ŋku me la, Mawu gatsyɔ̃ nu ake heɖo kpe Mose dzi, to nutsyɔnu la dzi, esi wòtsyɔ̃ nu Eɖokui kpakple Dzo ɖeka ma ke, Dzo Lilikpo ma kee ɖi va. Tso—tso ɣemaɣi la…Tso wo gbɔ, ale be Mawu ƒe Nya ɖeɖe ko woate ŋu ase. Mise gɔmea? Nya la ɖeɖe ko, wose Eƒe Gbe. Elabena, na woawo la, Mose nye Nya gbagbe la.

Nuƒom miele kuɖe Mawunyagblɔla Agbagbe ŋua! Gbe si sem míele le nyaƒoka dzi nye Nya Gbagbe la na míaƒe ŋkeke ƒe Gbe. Ɖeko mezua gã wu Ema o.

Le Mose ƒe ŋkeke me la, Israelviwo siwo nɔ asaɖa la me ɖeɖekoe te ŋu se Eƒe Gbe. Gake egbea la, Mawu di be XEXEAME nese Yeƒe Gbe, EYATA WÒNA WOLÉ ƉE NYAƑOKA DZI, alebe Yeƒe Ŋugbetɔ nase Nya Gbagbe la ƒe Gbe.

Mawu ɣla Eɖokui ɖe Eƒe nyagblɔɖila me, be yeagblɔ Yeƒe Nyawo na wo. Numae Wòwɔ. Mose enye Nya gbagbe ma na dukɔ la, si Dzo Lilikpo la tsyɔ nui.

Ne ema ƒe Ɖeɖefia mele miasi na míaƒe ŋkeke o la, miate ŋu anye Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la o. Ne wòle miasi la, ekema mie NYE Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ eye anye na mi be miagblɔ be, “naneke mele vevie wu nyaƒokawo sese o, elabena Enye Mawu ƒe Gbe si le nuƒom ɖe to me na mi.”

Ame geɖewo dzena agbagba be yewoado vɔvɔ̃ na amewo eye wogblɔa be míetea gbe ɖe nyagblɔɖila dzi akpa; míele eyama subɔm. Xɔ̃nyewo, Eyae nye amesi gblɔ nusiawo, menye nyee o. Ɖeko mele Nya la xlẽm.

Abe alesi wòvaa me le agbenɔɣi ɖesiaɖe me ene la, Mawunyenye la ɣla ɖe amegbetɔ ƒe ŋutilã me. Mide dze sii be, Ewɔe. Nyagblɔɖilawo nye Mawunyenye, si tsyɔ̃ nu. Wonye Mawu ƒe Nya (ele teƒea?) si ɣla ɖe amegbetɔ ƒe ŋutilã me. Nenema ke, womede dze si míaƒe Mose la hã o, mikpɔea, Yesu.

Míele amegbetɔ subɔm o, gake Mawu, Amesi wotsyɔ nu eye wòle Eɖokui ɖem fia to nyagblɔɖila dzi. Be miase ema gɔme aɖaxɔ edzi se la, elebe miawɔ esia.

Miawo miegale xɔmetsovɔ ma godo ake o, Ɖevi suewo, Mawu do va gaglagbe na mi.

Míegale xɔmetsovɔ ma godo ake o, míele ekpɔm be Mawu wònye le Eɖokui ɖem fia le gaglagbe. Wole eɖem fia be Gbe ma sese le nyaƒokawo dzi nye Mawu si le nuƒom na Eƒe Ŋugbetɔ. Míexɔe se be Enye Eƒe Mɔ si wota na mí na egbea.

Gbe ma ko Míate ŋu ɖe AMEN na, bubu aɖeke o. Gbe Ma agblɔ mawunya, afia nu eye aɖe nu sia nu si míehĩa be míanya la fia mí. Gbe Ma afia mí míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo. Gbe Ma yenye nusi ɖeɖe ko dim míele kple nusi ɖeɖe ko míehĩa.
Míede akpe ɖe subɔsubɔdɔ atɔ̃awo si zãm Mawu le be woatsɔ asi fia Gbe ma amewo ta; ɖe kplɔla siwo lé ŋutega la eye ɖeɖefia le wosi be nyaƒokawo ƒoƒo le yewoƒe hameawo me la nye nu gãtɔ kekeake si yewoate ŋu wɔ na yewo tɔwo ta.

Míele miakpem be miava ɖo to Nya Gbagbe ƒe Gbe sesẽ ma Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míasee wòaɖe: Nukoklo Le Mawu Ŋu 64-0614M fia.

Nɔvi. Joseph Branham

24-0211 Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu

Gbedasi: 63-1229E Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu


BranhamTabernacle.org

Nuku Lɔlɔ̃tɔ Si Mie,

Ɖeko miate ŋu bu eŋu alesi gbegbe wòadze anyi ne mienɔ anyi eye miese Mawu ƒe dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia wòanɔ gbɔgblɔm na mi alesi megbe Mawu ƒe Toƒoɖonya katã gbɔgblɔ na mi oa? Wòayi ɖe Hehe ƒe ŋusẽ Etɔ̃lia ƒe nyawo me titotito, eye wòafia mi alesi wòle kpeɖom edzii fifia mahã?

Alesi Mawu ƒo nu kadzidɔewo do; tututu ko abe alesi Wòƒo nu agbo do na Abraham ene. Alesi Gbe ma ke gblɔ na eyama be neƒo nu na nɔvinyɔnu bɔbɔɖokui sue ma si woyɔ be Hattie ene, amesi gblɔ nu nyuietɔ la ko, eye wògblɔ na eyama be Gbe ma ke si ƒo nu kadzidɔewo do la gblɔ be yeanɛ nukakee wòhĩa la eye wòakpɔ be ɖe madzɔ kpata ekema o hã.

Alesi gbeɖeka esime wònɔ adegbe le gbedzi kple eƒe xɔ̃wo la, ahom sesẽ aɖe do mo ɖa si be yeazi dzi alebe wòadzo. Gake alesi Mawu ƒo nu, ɖe to me nɛ, hegblɔ be, “Nyee wɔ dziƒowo kple anyigba. Meti ya sesẽwo ŋu le atsiaƒuwo dzi.”

Alesi wòdzo kpo heɖe ƒe kuku esime Gbe ma gblɔ nɛ be, “Ƒo nu na ahom la ko, eye azi ɖoɖui. Nukakee nègblɔ la, eyae ava me.”

Mekeɖi le Gbe ma ŋu gbeɖe o, gake eƒo nu hegblɔ be, “Ahom, wò ziɖoɖui. Eye, ɣe, wò klẽ nyuie ŋkeke ene sɔŋ, sẽ ɖe esime míado go le afisia.”

Mekpɔ ɖe ŋu le me o hafi, ya sesẽ la, snoa kple nusianu dzudzɔ. Alesi le ɣeyiɣi ɖeka me la ɣe dzase nɔ megbe ɖum nɛ. Yawo trɔ eye alilikpoawo, abe amlima nu ene la, nɔ dzi dem, eye ɣe la nɔ keklẽm le miniti ʋee aɖewo me.

Emegbe la ele gbɔgblɔ ge na mi le alesi le ƒe 16 me hafi wòava ɖe ɖe go gɔ hã be, Mawu ɖe fia ye be nutete aɖe le Nɔvinyɔnu Branham ƒe azigolo miakpa dzi tɔ dzi, kple nusita woɖoe afima. Alesi wodogbe ɖa gadogbe ɖa be Mawu ne ɖee ɖa. Ekema, wode dzesii be Mawu ko wònye nɔ yewoƒe xɔse dom kpɔ.

Emegbe hafi woanya ɖee ɖa to amekoko me la, enɔ nuƒom na Mawu henɔ srɔ̃nyɔnu wɔnuku si wònye nɛ la gblɔm na Eyama. Alesi mexanu kpɔ le yeƒe aƒeme manɔmanɔ gbeɖe o la ta o.
Alesi wòdzrana nusianu ɖo ɖi nɛ ne wòdi be yeayi adegbe, be yeadze me aɖaƒo nu na Aƒetɔ la.

Ekema ese nane ŋkɔ le xɔ me. Esime wòwu mo dzi la, Gbe ma gblɔ nɛ be, “Tso,” eye wògblɔ nɛ be, “Azɔ nukakee nàgblɔ la, nenemae wòanɔ.”

Elala miniti aɖe ko, emegbe la egblɔ be, “Hafi ɖɔkita ƒe asi naka eŋu la, Mawu ƒe Asi aɖe nutete la ɖa, eye womagakpɔe gɔ hã o.”

Kasia ɖɔkita ƒe asi naka eŋu la, ekpɔ dɔyɔyɔ. Alesi ɖɔkita gblɔ nɛ be, “Medi be mana nàkpɔ kakaɖedzi, Aƒn. Branham, bena nutete ma mele afima o. Nutete aɖeke mele ŋu wò o.”

Alegbegbe Aƒetɔ la ƒe Nya Debliboe!

Be miase eya wòagblɔ na mi be ɖikeke aɖeke mele yeƒe susu me o, enya nusi nye Hehe ƒe ŋusẽ Etɔ̃lia, eye wònya nusi Wòwɔna. Le eƒe nukpɔsusu ŋu la, anye nane si adze Kɔkɔdzoe la ƒe xɔse gɔme, hena dzodzo la.

Na míawo la mina míanɔ bubu ƒe nɔnɔme me ko, eye míazi ɖoɖoe, esime gaƒoƒo la ade le madidi me afisi Mawu le nu gã aɖewo wɔ ge na mí. Ne ɣeyiɣi ma de, ne zizia va la, ekema míele nusi míekpɔ na ɣeyiɣi aɖe la kpɔ ge be, woaɖe ɖe go le eƒe ŋusẽ ƒe blibodede me.

Míele yayra gã ma xɔ ge Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game. Medi be makpe mi be miakpɔ gome kpli mí esime míase: Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu 63-1229E.

Míele ƒuƒoge ɖe du be míaɖo to ame aɖe o; ame geɖewo le mɔ dzi, eye gbeɖiɖi ɖekae le wosi. Míanɔ mawunyagblɔla aɖe, alo pastɔ aɖe ko kpɔm kple anɔ toɖome o, Yesu ye míanɔ kpɔkpɔm aɖanɔ toɖome. Míele ɖeka wɔ ge ɖe du le xexea katã me be míaɖo to Ame Ma, Mawu ƒe Ame Ma, Yesu Nazaretetɔ ŋutilã me tɔ Ma, si nye Mawu, wòanɔ nuƒom na Eƒe Ŋugbetɔ la.

Elebe nàbia ɖokuiwò be, nukae kpɔm nèle egbe? Nukae kpɔm nèle ne nèɖe ŋku be yeakpɔ nu? Nàkpɔ Eyama ko ne nèɖe ŋku le Eyama kpɔm to Nya la me.

Nusi Wònye esime Wòzɔ le Galilea la, numa kee Wònye le zã sia me le Jeffersonville, numa kee Wònye le Branham ƒe Agbadɔ la me. Nukae nèɖea ŋku be yeakpɔ, gɔmeɖola, kɔmahatsɔŋkɔ ƒe amea? Mèle ekpɔ ge le Yesu me gbeɖe o. Ɖee nèɖea ŋku be yeakpɔ nunɔlanyenye gã aɖea? Mèle ekpɔ ge le Yesu me kpɔ gbeɖe o. Kpao. Aleke nèkpɔna Yesu? To Mawu ƒe Nya si ɖem wole ɖe go dzi, elabena Enye Mawu ƒe Nya si woɖe ɖe go. Nusi Wònye le ɣeyiɣi ma me la, Enyee le zã sia me, eye anyee ɖaa.

Mikpɔ Yesu dzi fifia eye mianɔ agbe; Woŋlɔe ɖe Nya la me, aleluya!
Yenye ko be míawo la “Míakpɔe eye míanɔ agbe.”

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ le dzadzraɖo me na Mawunya sese:
Mose IV 21:5-19
Yesaya 45:22
Zaxaryia 12:10
Yohanes Kɔkɔe 14:12

24-0204 Ame Ađe Le Afisia Si Ate Ŋu Asì Kekeli La

Gbedasi: 63-1229M Ame Ađe Le Afisia Si Ate Ŋu Asì Kekeli La

PDF


BranhamTabernacle.org

Yesu Kristo Ƒe Dzedzeme Lɔlɔ̃tɔ,

Amewo susunɛ be míetsi bome, esime míenɔa anyi ɖe míaƒe aƒewo kple hameawo me, le toɖom nyaƒokawo. Wosusui be míele dɔwuame ku kum. Womele dzesideme be míenɔ anyi ɖe Dasiame Vi la ƒe Kekeli ŋkume, le tsitsim, hele Nuɖuɖu si Wodzraɖo Ɖi na mí ɖum abe nyiviwo le lãkpo me ene o.

Míenye Lu si de ŋgɔ wu, si le gbesɔsɔ be yeatsɔe. Ne wodi be yewoanɔ agbe le yewo ƒe kɔnuwo me la, woneyi di. Menye MÍAWO o, míawo ya míele agbe le míaƒe ŋkeke ƒe Kekeli me.

Nukae nye míaƒe ŋkeke la ƒe Kekeli? Mawu dɔ Eƒe dɔla adrelia sesẽa ɖo ɖe xexeame be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ. Nukae wònye? Enye nyagblɔɖila. Nusi wògblɔ la va me. Enye Mawu ƒe Nya si woɖe ɖe go. Enye Mawu ƒe Nya ƒe Kekeli si woɖe ɖe go. Enye Mawu ƒe Kekeli na egbea.

Mose yi ɖe ŋgɔgbe ko, alekekee hã, elabena enye Agbe la, enye gaƒoƒo la ƒe Kekeli. Nusi nɔ esi la, nukae wònyee? Mawu nɔ Eƒe ŋugbedodo Nya ɖem ɖe go to Mose dzi, eye Mose yenye Kekeli la.

Eliya nye Kekeli la… Kekeli La! Aleluya! Enye Kekeli la. Kekeli La! Enye Mawu ƒe Nya si woɖe ɖe go.

Yohanes, esime wòva anyigba dzi la…Yesu gblɔ be, “Enye Kekeli keklẽ gã aɖe.” Aleluya! Nukata? Enye Nya si woɖe ɖe go.

Ekema le Nya la ŋu la, míaƒe ŋkeke me ƒe Kekeli ye nye Mawu ƒe nyagblɔɖila, William Marrion Branham. Amesi le ɣli dom le Babilonia ƒe gbedadaƒo be, “Mido go ɖa le me, Nye dukɔ, alebe míagakpɔ gome le eƒe nuvɔ̃wo me o.”

Enye Maleaxi 4:5, kple Nyaɖeɖefia 10:7 ƒe nuwuwu. Eƒo nu ko hegblɔ be, “Anɔ afima,” ke enɔ afima, esime naneke menɔ me o. Kadzidɔe aɖeke menɔ esi kpɔ gbeɖe o; ɖeke menɔ afima. Egblɔ ko be, “Ne do,” ke eyae nye ekem.

Mawu ƒe Nya medana ƒu o, eye elebe Wòava me. Míekpɔ Kekeli la; Eƒe Nya si ƒe ŋugbe Wòdo na ŋkeke sia. Woɖe fia heɖo kpe dzi be Enye Nyateƒe la. Enye gaƒoƒo la ƒe Kekeli.

Nuteƒexɔla aɖeke meli o esime míenyae be nusi sem míele la nye Nya si woɖe ɖe go na egbea. TAKPOƉUI AƉEKE MELE ME O…NANEKE O. Ne bubuwo kpɔ kɔɖiɖi kple nububu la, woneyi dzi, gake menye míawo o.

Menye egɔme yenye be miate ŋu aɖo to miaƒe kplɔla, alo mawunyagblɔla ma mate ŋu gblɔ mawunya o; kura kura o, gake ELEBE miatsyɔ nya ɖe sia ɖe si miesena to Mawu ƒe nutsyɔnu gã la dzi, GBEDEASI SIA LE NYAƑOKA dzi.

Ne wobe ame ɖeka Gbedeasi ƒe ŋkekewo wu ŋu vɔ la, TAKPOƉUIWOE ma. Ne wole gbɔgblɔm be Gbedeasi sia menye yewoƒe Tɔɖoƒe o la, TAKPOƉUIWOE ma. Ne wole gbɔgblɔm be nyaƒokawo sese mesu o la, TAKPOƉUIWOE ma.

Naneke meli si kpe wu Play Zizi o, esime mienyae be miate ŋu ɖe AMEN ɖe nya ɖe sia ɖe dzi. Teƒe bubu aɖeke meli si miate ŋu wɔ ema le o negbe gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la sese.

Azɔ míenye Yesu Kristo ƒe dzedzeme na egbea. Míawoe nye Eƒe Nya si woɖe ɖe go. Míawoe nye amesiwo Wòtia be woaxɔ Eƒe nuwuɣi Ɖeɖefia gã la. MÍENYE EƑE ŊUGBETƆ LA.

Eƒe Ŋugbetɔ Ɖeka ko si egbe ƒe ŋkeke ƒe Kekeli ƒe Ɖeɖefia vavã la anɔ. Wole enya ge be, Kekeli sia awɔ yewo amedeblibowo. Kekeli Sia nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le nuƒom to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla dzi.

Ɖee adzro mi be mianɔ anyi ɖe Mawu ƒe Kekeli na gaƒoƒoa ƒe ŋkumea? Ekema mele miakpem be miawɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Ame Aɖe Le Afisia Si Ate Ŋu Asi Dzo La 63-1229M.

Nɔvi. Joseph Branham.

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Mose I 1:3, Ta 2
Psalmo 22
Yoel 2:28
Yesaye 7:14, 9:6, 28:10, 42:1-7
Mateo Kɔkɔe 4:12-17, Ta 24 kple 28
Marko Kɔkɔe Ta 16
Nyaɖeɖefia Ta 3

24-0128 Xɔsetɔ Ƒomevi Etɔwo

Gbedasi: 63-1124E Xɔsetɔ Ƒomevi Etɔwo


BranhamTabernacle.org

Xɔsetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Alegbegbe wòdzeanyi be magblɔ be, MENYE XƆSETƆ. Menye le dzixɔse aɖe me o; Nya la! Menye le kɔmahatsɔŋkɔ aɖe me o; Nya la! Menye nusi ame aɖe le gbɔgblɔm o; gake nusi gblɔm Nya la le!

Míekea ɖi le naneke ŋu o, ɖeko Míexɔnɛ sena. Meka alesi Wòɖina alo nusi le ame bubu aɖe si be yeagblɔ kuɖe Eŋu o la, míenye xɔsetɔ akuakua. Nya la ƒe gbɔgbɔme ɖeɖefia le míasi.

Míele gaƒoƒo si me míele agbe le kpɔm. Míele gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi kpɔm. Míele gaƒoƒo la ƒe gbedeasitsɔla la kpɔm. Míele Mawu kpɔm wòle Eɖokui ɖem fia le Eƒe Nya me. Míekpɔe be nububu aɖeke meli o negbe Gbedeasi Sia, gbedeasitsɔla Sia, Nya Sia.

Xɔsetɔ vavã mesea naneke o negbe Nya la. Evɔ. Eléa ŋku ɖe Nya la ŋu. Medina sisimɔ aɖeke o. Medina ayemɔnu aɖeke o. Exɔa Mawu dzi se, ke ema ɖɔnɛ ɖo, eye ɖeko wòkpɔtɔ yia dzi. Mikpɔea? Xɔsetɔ lae ma.

Míate ŋu se nububu aɖeke o negbe Nya la; Nya la vana na nyagblɔɖila ɖeɖeko. Sisimɔ aɖeke meli o, menye ame aɖe ƒe gɔmeɖeɖe o, Nya Dzadzɛ si woɖe gblɔ hede nyaƒokawo dzi na Ŋugbetɔ la.

Gbɔgbɔ la gbɔ agbe Nya ma le míame eye wòzu agbe. Le xɔse me, míele Ekpɔm hele Exɔm le sesem. Gbeɖiɖi aɖe aɖi tso Dziƒo si atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amenyɔnyrɔ̃ aɖe kɔŋ ade Ŋugbetɔ la me, si akɔ mí tso anyigba dzi, yiɖe Kɔkɔdzoe ƒe Amenuveve me. Mawu do eƒe ŋugbe.

Wotea mí kpɔ ɣesiaɣi, gbe sia gbe. Satana dzena agbagba be yeagblɔ na mí be míaƒe dodokpɔwo kple tetekpɔwo nye Mawu si le tohem na mí. Gake KAFUKAFU NA MAWU, menye yema o, Satana ye le ewɔm ke Mawu ya le mɔɖem le eŋu ye.

Mawu le dzideƒo nam mí, hele míamem be yeakpɔ nusi wɔ ge míala ɖa. Dodokpɔ vana be yeaʋuʋu mí, be yeade mí yiɖe kaka gɔme ke, be yeakpɔ afisi míanɔ tsitre le. Gake míeɖu aʋa ɖe sia ɖe dzi, elabena míenye kpɔɖeŋu gbagbewo; Mawu ƒe Nya le agbe le míame kple to míame.

Aleke gbegbe míele vevie le Eƒe ŋkuwo mee?

Ame aɖeke mate ŋu xɔ wò teƒe o, meka alesi wòle sue o. Miegblɔa be, “nyɔnu aƒedzikpɔla aɖe ko menye.” Ame aɖeke mate ŋu xɔ wò teƒe o. Mawu, le Eƒe nudzraɖoƒe gã me, ɖo Kristo ƒe Ŋutilã, ɖoɖo me, alegbegbe, wɔe be ame aɖeke mate ŋu xɔ wò teƒe o.

Aleke gbegbe wòdze anyii? Teƒe le míadometɔ ɖe sia ɖe si. Míadometɔ ɖe sia ɖe nɔ afisia esime Mawu ƒo nu xexeame dzɔ. Ede míaƒe ŋutilã afisia tututu le ɣeyiɣi ma me. Mawu de mí anyigba be yeawu Yeƒe Nya ŋu aɖana mí Agbe Mavɔ.

Elebe ame sia ame natso nya aɖe me. Afikae miele tsi tre le le Nya sia, Gbedeasi sia, gbedeasitsɔla sia dzii? Aleke gbegbe wòle vevie be woase Nya si woɖe gblɔ le nyaƒokawo dzii?

nyaƒoka siawo le xexea ƒe akpa vovovowo, katã me tom, nyaƒokawo ƒe subɔsubɔdɔwo.

Nyaƒoka ƒe subɔsubɔdɔ wònye Mawu dɔ ɖo ɖe Eƒe Ŋugbetɔ le xexea katã me. Egblɔa afisi nèle na, amesi nènye, kple ne nènye xɔsetɔ le Nya la me na wò tututu.

Èle hatsotso etɔ̃ siawo ƒe dometɔ ɖeka me. Le wò fifi ƒe nɔnɔme me tututu fifia, fifia ƒe nɔnɔme le susu me, be, miawo le afisia le nyasela kpɔ kple ŋkuawo me, kple mi amesiwo le nyaƒoka sia ƒe nyasela makpɔmakpɔawo me, miaƒe fifi ƒe nɔnɔme le susu me le nyaƒoka sia sese megbe, aɖokpe hatsotso si me nèle la dzi na wò.

Le nyaƒoka sia sese vɔ megbe la, aɖo kpe ame ƒe hatsotso si me nèle la na wò. Ame aɖewo xɔese be ame hĩa geɖe wu Nya dzadzɛ si woɖe gblɔ le nyaƒokawo dzi. Ame aɖewo xɔese be ame ɖeka ƒe Gbedeasi ƒe ŋkekewo ŋu va yi; elebe miase miaƒe kplɔla ƒe nya loo miabu.

Mamã gãtɔ kekeake le Gbedeasi la me egbea lae nye asixɔxɔ si wotsɔ na nyaƒokawo sese. Ame aɖewo fiana be egblẽ be woaƒo nyaƒokawo le hame me; kplɔla ɖeka ko wòle be wòagblɔ mawunya. Ame aɖewo be dadasɔ aɖe li, gake womegaƒo nyaƒokawo le hame me gbeɖe o, alo ne wowɔnɛ la medzɔna kabakaba kura o.

Kple tamesusu geɖewo alegbegbe, susu geɖewo alegbegbe, NYA LA ƒe gɔmeɖeɖe geɖewo alegbegbe, ameka tɔ ye dzɔ? Ameka dzi wòle be miaxɔ se? Biabia wòle be míadometɔ ɖe sia ɖe míabia míaɖokuiwo.

Nyagblɔɖila gblɔ na mí be míadzro me kple NYA LA, menye nusi gblɔm ame aɖe le gbɔgblɔm o. Aleke miewɔna ema? MƆ̃ ŊU ɖeka koe li be woawɔ ema, MIZI PLAY.

Elebe ŋuɖoɖo nyuie nanɔ afi aɖe, mɔnu nyuie aɖe. Elebe ame ɖe sia ɖe natso nyame na eɖokui. Kɔsiɖagbe sia atso nya me le amesiwo katã sena Gbedeasi sia ƒe tsɔme ŋu.

Nane si wòle be nàbia ɖokuiwò yenye esi: Amekae nye ame ɖeka si si Ale Aƒetɔ la Gblɔ Esi le? Ameka dzi ye Dzo Lilikpo la ɖo kpee? Amekae atsɔ mí afia Yesu? Amekae ɖe Nya si medana ƒu o gblɔ mahã? Ameka ƒe nya siwo woɖe gblɔ nɔ vevie alegbegbe be, wògaɖi le dziƒo?

Ne miedi be ŋuɖoɖo nyuiewo nesu miasi la, medi be makpe mi be miava se Gbedeasi: 63-1124E—Xɔsetɔ Ƒomevi Etɔ̃wo Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game.

Nɔvi. Joseph Branham

Yohanes Kɔkɔe 6: 60-71

24-0121 Nukae Mawɔ Kple Yesu Si Woyɔna Be Kristo?

Gbedasi: 63-1124M Nukae Mawɔ Kple Yesu Si Woyɔ Be Kristo?


BranhamTabernacle.org

Nyaƒoka Lɔ̃la Lɔlɔ̃tɔwo,

Míelɔ̃a Gbedeasi sia kple míaƒe dzi blibo. Enye Mawu ƒe foŋfoŋ ƒe vivisese. Enye Mawu ƒe Nya si dzi woɖo kpe kɔtɛ, heɖe fia, ɖe dzi ɖe dzi. Gbedeasi Sia nye ŋuɖoɖo na Mawu ƒe Nya. Enye Kristo amesiamina ma ke, Nya si wosi ami na na míaƒe ŋkeke.

Mawu ƒe Nya si dzi woɖo kpe la le afisia le míasi, si dzi wole kpe ɖom, le ɖeɖem fia kple Gbɔgbɔ la, bena Exɔ mí hena mí Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe Nyɔnyrɔ̃. Wonyrɔ̃ mí le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me. Nyanyuie ma ke, dzesi mawo ke, nukunu mawo ke, subɔsubɔdɔ ma ke, gɔ hã Dzo Lilikpo ma ke dze le míaƒe ŋkume, le dzesiwo kple nukunuwo fiam. Taflatse dodo aɖeke meli o, le afia aɖeke o.

Ɖekawɔwɔ ƒe ɣeyiɣi kple Mawu kple Eƒe Ŋugbetɔ ye wònye. Wole Kristo ƒe Ŋugbetɔ la yɔm. Wotre mía ŋu le Mawu ƒe Fiaɖuƒe la me. Gakpoawo le afisia le lalam ko kpɔ Dzo si aɖe mí dzo ɖa le anyigba sia dzi yiɖe Ŋutikɔkɔe me, le Kɔkɔdzoe la me.

Dzo ma nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amegbugbɔ yɔyɔ fũ. Tatsyɔkpe la ava eye wòawɔ ɖeka kple Ŋutilã la. Ekema, ne Ta kple Ŋutilã wɔ ɖeka ɖe du la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ blibo la afɔ MÍ ɖe tsitre eye kukuawo le Kristo me afɔ̃ ɖe tsitre le Eƒe kɔkɔenyenye ƒe nyakpɔnyakpɔ me, aɖadzo yi dziŋgɔliawo me.

Gaƒoƒo ma le gogom kabakaba. Ɣeyiɣi la tu aƒe. Elebe woatso nya mamleawo me. Nukae wɔ ge miala kple míaƒe ŋkeke ƒe Nya si wosi ami na? Kae nye miaƒe tsitrenɔƒe le gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la dzii?

Gbɔgblɔ ge ko nàla be: “Mexɔ Gbedeasi la dzi se. Mexɔe se be Mawu dɔ nyagblɔɖila aɖe ɖaa.”

Migava kaka afisia ko, agblɔ be, “Mexɔ Gbedeasi la dzi se” O. Miwɔ ɖe gbedeasitsɔla ƒe nya dzi.

Ne wòle be MIAWƆ ɖe gbedeasitsɔla ƒe nya dzi la: MIDE DZESI, egblɔ be miwɔ ɖe gbedeasitsɔla ƒe nya dzi. Ekema aleke gbegbe wòle vevie be woaxɔ Nya ɖe sia ɖe si gbedeasitsɔla gblɔ dzi se eye woase mahã?

Miegblɔa be, “Enyo, Mexɔ Nya ɖe sia ɖe si wogblɔ dzi se, Nɔviŋutsu Branham.” Ema nyo, gake ɖeko ema nye—ɖeko ema nye aɖo nutete be woaxlẽ.

Nukatae amewo mate ŋu kpɔ kɔɖiɖi kple nyaƒokawo mahã? Amesiame mate ŋu nye nyagblɔɖila o. Nyagblɔɖila ɖeka koe li, eye Nya la va na nyagblɔɖila ma.

Hame la wɔe nyuie alegbegbe be wodze nyabiabia kuɖe Eŋu; alo wodi gbe vovovowo be woagblɔ nusi nyagblɔɖila ma, gblɔ na yewo, eye woaɖe egɔme na yewo. Wole egbe me Kora kple Datan dim.

Mikpɔea, edze egɔme kple Nya vi aɖe si gɔme woɖe baɖa, eye, numa ke, ele nuwum nenema ke.

Ne wòdze egɔme kplii, eye wòle nuwu ge kple, Nya la ƒe gɔmeɖeɖe baɖa vi aɖe ko la, kakaɖedzitɔe la miede dzesi alesi WÒLE BE mia nɔ anyi kple nyaƒokawo. Kakaɖedzitɔe la mide dzesi nusita Mawu kpɔe gbɔ be woalé Gbedeasi sia ɖe mɔ̃ dzi eye woadzrae ɖo ɖi na Ŋugbetɔ la.

Nyemele nusiawo gblɔm be maɖi gbɔ miaƒe kplɔlawo o, alo be magblɔ be migaɖo to miaƒe kplɔla o, KPAO, gake be mafia mi play zizi kple Gbedeasi sia sese le nyaƒokadzi ƒe asixɔxɔ ye.

Alegbegbe wòle be Hame la nanɔ emedzrom kpɔ ake, kple ake, kple ake!
Míele lalam kpɔ Eƒe Vava. Míele nyɔnyɔm, míele lalam kpɔ dzodzo yi yame la. Anyo na mí wu be míadzro me kple Nya la, menye nusi ame aɖe gblɔ o. Kpɔ kakaɖedzi be ènyae, wòŋutɔ, abe numetoto tɔxɛ kple Kristo ene. Dzroe me Kpɔ ake, kple ake, kple ake.

Nukae WÒGBLƆ? Elebe míadzro me kpɔ kple Nya la ake, kple ake, kple ake. Aleke miele Eme dzrom kpɔ kple Nya la ɖo? Nukae nye Nya la na egbea? Ema ke si wònye tso gɔmedzedzea me ke, Biblia la.

Amekae Mawu gblɔ be enye Yeƒe Nya ƒe gɔmeɖela? Nyea? Miaƒe kplɔla? KPAO, Mawu ƒe nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe na gaƒoƒo la nye Nya la ƒe gɔmeɖela ɖeka si li. Eyata, elebe miadzro Nya ɖe sia ɖe si ame aɖe le gbɔgblɔm la me ake, kple ake, kple ake kple NYAƑOKAWO!

Nye nyameʋuʋu ma nye nyateƒe, eye miexɔe se be nu vevietɔ ɖeka kekeake si ame aɖe, alo kplɔla aɖe ate ŋu wɔ lae, nye AZI PLAY la, ekema nukatae wòsesẽ gbegbe na ame aɖe si le gbɔgblɔm be yexɔ Gbedeasi la dzi se be wòagblɔ ema? Elabena Womexɔe se ko o tae.

Kae nye MIAƑE nyametsotso mamlea? Na nye kple nye aƒe ya, míanɔ anyi kple Gbedeasi sia kple Mawu ƒe gbedeasitsɔla, Nyaƒokawo. Míexɔe se be naneke meli si le vevie wu Mawu ƒe Gbe sese le nyaƒokawo dzi o.

  • Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi ƒe Gbe ƉEKA koe li.
  • Gbe ƉEKA koe li si dzi ye Dzo Lilikpo ɖo kpe.
  • Dɔla gbedeasitsɔla adrelia ƉEKA koe li.
  • Gbe ƉEKA koe li si dzi Ŋugbetɔ la katã ate ŋu alɔ̃ ɖo.
  • Mawu ƒe Gbe ƉEKA koe li na didime sia.

Ne Ɖeɖefia ma ke le miasi la, miva wɔ ɖeka kplim kpakple xɔsetɔwo ƒe hatsotso sue aɖe siwo xɔ numa ke dzi se le xexea katã me, Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase eye míawɔ míaƒe nyametsotso mamlea: Nukae Mawɔ Kple Yesu Si Woyɔna Be Kristo? 63-1124M

Nɔvi. Joseph Branham

24-0114 Amesi Le Miame

Gbedasi: 63-1110E Amesi Le Miame


BranhamTabernacle.org

Xɔsetɔ Lɔlɔ̃tɔ Siwo Si Xɔse Deblibo Le

Gbe sia gbe míaƒe dziwo le ƒoƒom kple mɔkpɔkpɔ gã aɖe. Míele lalam kpɔ Eƒe Vava kpuie la ƒe gaƒoƒo la be wòava ɖo. Vɔvɔ̃ ɖe sia ɖe bu. Nya biabia ameɖokui se megali o, “Ɖee míenye Eƒe Ŋugbetɔa”? Eku seke ɖe míaƒe dziwo me abe ɖe medzɔ kpɔ gbeɖe o ene, MÍENYE EƑE ŊUGBETƆ.

Wokɔ mí yiɖe Dziƒo le Dziƒo ƒe ayaƒoƒo me, le toɖom Yesu Kristo ƒe subɔsubɔdɔ, si gbugbɔ do ŋutilã le Eƒe Hame la me. Woɖo kpe Gbedeasi sia dzi kɔtɛ to Mawu ƒe Nya dzi, bena mate ŋu nye amegbetɔ o, elebe wòanye Mawu si le nuƒom ɖe to me na Eƒe Ŋugbetɔ.

Míexɔe se be menye ame ye le nuƒom na mí le nyaƒoka siawo dzi o, Mawu ye.

Nusi mele agbagba dzem be magblɔ enye be, “Migabu miaƒe kakaɖedzi kpɔ gbeɖe o.” Migaɖe asi Satana wòagblɔ nya baɖa kuɖe ŋunye o; elabena, geɖe li. Gake milé kakaɖedzi ma me ɖe asi; elabena, ne miewɔe o la, mava me o. Migakpɔ dzinye, abe amegbetɔ ene o; amegbetɔ menye, meyɔ fũ kple vodadawo. Gake mikpɔ nusi gblɔm mele kuɖe Eŋu. Eyae Wònye. Eyae nye Amesi ye.

Elebe kakaɖedzi nanɔ miasi eye miaxɔ nusi GBLƆM WÒLE dzi se, LO MELE ME VA GE O. Míekpɔa Mawu ƒe nyagblɔɖila dzi abe ame, abe alesi geɖewo susuna be míewɔnɛ ene o. Míele amegbetɔ ŋutilã ƒe xɔmetsovɔ la godo, eye nusiwo katã kpɔm míele hele sesem la nye Mawu si le nuƒom to amegbetɔ ƒe nuɣiwo dzi, EYE KAKAƉEDZI LE MÍASI EYE MÍEXƆ NYA ƉE SIA ƉE DZI SE.

Yesu Kristo ƒe Ɖeɖefia na egbe lae ma. Be woaxɔe se be Mawu wònye, menye amegbetɔ, si le nuƒom le nyaƒokawo dzi o. Ne nèda ema ƒu la, xɔ̃nye, èda gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la ƒu eye màte ŋu nye Ŋugbetɔ la o.

Satana tsɔ eƒe gɔmeɖeɖe kpeɖe ema ŋu, eye 99% le ɣeyiɣi me la exlẽna Gbedeasi la tututu ko abe alesi wòwɔe na Xawa ene, gake wode se nɛ be wòanɔ anyi kple Nya la; nusi Adam gblɔ nɛ yenye nusi Mawu gblɔ, menye nusi amebubu aɖe gblɔ be egɔme ye wònye o. Elebe wòanɔ anyi kple Mawu ƒe Gbe.

Ŋkeke gãtɔ kekeake si xexeame menya kpɔ o lae nye esi. Yesu Kristo ƒe agbe, si nɔ agbe heɖe Eɖokui fia le Eƒe nyagblɔɖila ƒe agbe me, le agbe azɔ le ŋutilã me le MÍ, Eƒe Ŋugbetɔ la me.

Míele nusi ƒe gbe Wòɖe na mí be míawɔ la wɔm tututu: minɔ anyi kple Nya la to anyinɔnɔ kple Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi me. Enye Mawu ƒe nyaƒoka subɔsubɔdɔ kple ɖoɖo na egbea.

Ne nèxɔ William Marrion Branham dzi se be enye dɔla gbedeasitsɔla adrelia si Mawu tia, amesi Mawu tia be yeaƒo nu na aɖaɖe adzame nyaɣaɣlawo katã fia le Nya la me, Mawu ƒe Gbe na dzidzime sia, ame aɖe si si xɔse le wu ame bubu ɖe sia ɖe vavã, amesi Aƒetɔ la ƒe dɔla gblɔna be “ne nèna amewo xɔ dzi WÒ se la, naneke manɔ tsitre ɖe wò gbedodoɖawo ŋgɔ o”, la ekema Kɔsiɖa sia gbe anye ŋkuɖodzi ŋkeke si meɖi bubu aɖeke na wò.

NANEKE mate ŋu xɔ Gbedeasi Sia ƒe Ɖeɖefia ɖa le míasi o, NANEKE O. Míete ŋu le ɖike ge le Eŋu o. Ne Wògblɔe la, Míexɔe se. Anye be Míate ŋu se Egɔme kura o, gake Míexɔe se tso.

Yesu Ŋutɔ gblɔ na mí be: “Amesi le mia me Etri akɔ wu Amesi le xexeame.” Mina ema nageɖe míaƒe dziwo me nyuie. Eƒe Gbɔgbɔ le agbe le mía me. Ɖee míate ŋu se ema gɔmea? Fifi laa, esi miele leta sia xlẽm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Mawu Ŋutɔ, Dzo Lilikpo la, le agbe hele mía mea? Aleke míewɔe henya be enye nyateƒe mahã? MAWU YE GBLƆE NENEMA!!

Satana le egblɔm na mí madzudzɔmadzudzɔe be míenye amedokponu alegbegbe. Ke etɔ dzɔ, nenema míele. Eɖoa ŋku dzi na mí be, míele afisi wòle be míanɔ le Nya me o. Etɔ gadzɔ ake, míele afima o. Míewɔa nusiwo míenya nu be míate ŋu wɔ wu nenema.
Tsɔ ke mí Aƒetɔ, etɔ dzɔ.

Gake kple míaƒe vodadawo katã, míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo katã, míaƒe kpododonuwo katã gɔ hã la, metrɔ nyateƒe sia be, MÍENYE ŊUGBETƆ LA. MÍEXƆ NYA ƉE SIA ƉE DZI SE o!

Míele míaɖokuiwo alo nane si míate ŋu wɔ dzi kpɔm o, míele nyama. Ɖeko míenyae be Etia mí hena mí Eƒe Nya ƒe Ɖeɖefia eye naneke mate ŋu xɔ Ɖeɖefia ma le mía si o. Eku se ke ɖe míaƒe dzi kple luʋɔ me.

Egblɔ na mí be XƆSE DEBLIBO nenɔ míasi. Ele míasi Aƒetɔ, XƆSE DEBLIBO le Wò Nya me. Xɔse le míasi le nusi Wò nyagblɔɖila gblɔ me be Enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Menye eƒe nya ye o, gake Wò Nya na mí ye.

Wò nyagblɔɖila gblɔ na mí be nukake míehĩa la, ne ɖeko míaxɔe se ko, heɖo xɔse ɖe Wò Nya me la, nu sia nu si míehĩa la ate ŋu su mía si. MÍEXƆ SE.

Aƒetɔ, hĩa aɖe le ŋunye. Megbɔna ŋku Wò me kple xɔse ɖe sia ɖe si le asinye le Wò Nya me, elabena Mate ŋu da ƒu o. Gake egbea la, Aƒetɔ, nyemegbɔna ŋku Wò me kple nye xɔse ɖeɖeko o, gake kple xɔse si Nèna Wò dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia sesẽ la.

O Aƒetɔ Mawu, mele Wò biam be nàkpɔ nublanui na mí. Eye nàbe ŋutsu ɖe sia ɖe kple nyɔnu ɖe sia ɖe si nɔ anyi ɖe afisia, si ŋu dɔlele ƒomevi alo fukpekpe ɖe sia ɖe le la eye abe alesi Mose tsɔ eɖokui de gbagbaƒe, ɖe amewo ta ene la, zã sia me la melolo nye dzi ɖe ŋku Wò me, Aƒetɔ. Kple xɔse ɖe sia ɖe si le asinye, si le me Wò, si Wò nènam la, metsɔwo na wò.

Azɔ mele gbɔgblɔm be: Nusi le asinye la, tsɔm mele na nyasela siawo! Le Yesu Kristo Nazaretetɔ ƒe Ŋkɔ me la, gbenu le wò dɔlele gbɔ, elabena Amesi le wò me la tri akɔ wu, wu gbɔgbɔvɔ̃ ma si le agbagba dzem be yeaɖe wò agbe ɖa. Mawu ƒe viwo mienye. Woxɔ mi ƒle.

Evɔ. Eƒe Nya mate ŋu da ƒu o. Nukake míehĩa la, ate ŋu su míasi.

Va wɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, be míaxɔ yayra kple amisisi gã sia tso Mawu gbɔ esime Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe aƒo ƒu ɖe du le xexea katã me ase Mawu ƒe Gbe wòatsɔ eƒe Xɔse awɔ ɖeka kple míaƒe XƆSE.

Nɔvi. Joseph Branham

63-1110E Amesi Le Mia Me

24-0107 Luʋɔ Siwo Le Gaxɔ Me Fifia

Gbedasi: 63-1110M Luʋɔ Siwo Le Gaxɔ Me Fifia

PDF


BranhamTabernacle.org

Dukɔ Lɔlɔ̃tɔ Si Ma Ɖa,

Mawu va le míaƒe ŋkeke me heɖe Eɖokui fia le amegbetɔ ŋutilã me, le ŋutsu aɖe si woyɔ be William Marrion Branham me, alebe Wòate ŋu wu Eƒe Nya ŋu. Yesu Kristo le míaƒe ŋkeke me ƒe Ɖeɖefia ye ma.

Ase Gbe ma kple axɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se la nye Mawu ƒe Mɔ ɖeka si wona na egbea. Edɔ ŋutsu geɖewo si wosi ami na kple Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖo ɖe xexeame, gake ŋutsu ɖeka ko Wòdɔ heƒo nu to dzi be yeaɖe Yeƒe Nya fia aɖakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ.

Metrɔa Eƒe Ɖoɖo alo Eƒe alesi Wòwɔa nuwo kpɔ gbeɖe o. Alesi Wòwɔe zi gbãtɔ la, Ewɔnɛ nenema ɣesiaɣi. Ekplɔa Eƒe dukɔ le Eɖokui si, to Dzo Lilikpo la dzi.

Migaŋlɔe be kpɔ gbeɖe o, MIENYE Mawu ƒe Ŋugbetɔ tiatia eye naneke meli si abosam ate ŋu wɔ alo agblɔ si ate ŋu aɖe ɖa le gbɔwò o, NANEKE o! Eɖowò ɖi doŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ke. Enya wò le ɣeyiɣi ma me, eye ènɔ anyi kple Eyama. Enya wò ŋkɔ xoxo. Enya nu sia nu kuɖe ŋu wò xoxo. Enya wò nɔnɔme deamedziwo kple madeamedziwo xoxo. Enya wò kpododonuwo, wò vodadawo xoxo, gake Ekpɔtɔ lɔ̃ wò hetia wò elabena ènye Eƒe akpa aɖe.

Eƒe Nya ko wò luʋɔ ate ŋu ɖu. Naneke mate ŋu na wò kɔɖiɖi o negbe Eƒe Nya. Èlɔ̃a Eƒe Nya xexlẽ kple ŋugbledede le Eyama ŋu, gbedodoɖa tso wò dzi me ɖaa ke. Ne èse Eƒe Gbe ƒo nu na wò teŋ la, ekɔa wò dzi yiɖe ɣeyiɣi ƒe xɔmetsovɔ la godo. Elabena ènyae be ènɔ anyi kple Eyama le Dziƒo nutowome esime Wòle nuƒom ɖe to me na wò, le Eƒe Nya ɖem fia, le ŋku ɖom dzi na wò be, NYE ŊUGBETƆ YE NÈNYE.

Abosam ate ŋu to wò aɖato wò agato wò memie. Àte ŋu ɖiɖi alegbegbe ɣeaɖewoɣi eye nàse le ɖokuiwò me be ènye ame si doa kpo nu keŋkeŋ; àse le ɖokuiwò me be edokpo nu na Eyama wu ame bubu ɖe sia ɖe. Ènye vɔ̃ɖitɔwo ƒe vɔ̃ɖitɔ, gake le afi aɖe, le wò luʋɔ me ɖaa ke la, èle Gbe Vi Fatu ma sem le gbɔgblɔm na wò be: “Naneke mate ŋu ma wò ɖa le gbɔ NYE o, NYE NYAE NÈNYE. Mede wò ŋkɔ Nye Alẽvi Ƒe Agbegbalẽ me, Nyeŋutɔ.”

Nukae mate ŋu gblɔ be made dzi ƒo na wò egbea?

Nɔ Nya la me ko. ZI PLAY gbe sia gbe eye se Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu be Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi eye wòagblɔ na wò be; mele ɖeka wɔm kpli wò le Nye Nya ŋu. Àte ŋu ɖu NUSIANU dzi, elabena Nye Nya le agbe hele mewò. Meɖo kpe dzi na wò be, XƆSE DEBLIBO le asiwò. Ezã Dzesi La, ke Ede wò dzodzodzoetsitsi me.

Manɔ tsitre ɖe Nye Nya megbe. Mawɔ nusi Megblɔ be Mawɔ la.
Alegbegbe Eƒe Nyawo si Wògblɔa na mí le nyaƒokawo dzi wɔ nukue. Míenyae be Menye ame aɖe, ŋutilãme me aɖe ye le míadome o. Mawu Mavɔ la Ye le nuƒom na mí, Eƒe Ŋugbetɔ la.

Wokpe wò be nàwɔ ɖeka kple Ŋugbetɔ la Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míaƒo ƒu ɖe du ase Gbe Vi Fatu ma: 63-1110M Luʋɔ Siwo Le Gaxɔ Me Fifia.

Nɔvi. Joseph Branham

Mose I 15:16
Mateo Kɔkɔe 23:27-34
Yohanes Kɔkɔe 4:23-24 / 6:49 / 14:12
Petro I 3: 18-22
Petro II 2:4-5
Yuda 1:5-6

23-1231 Dzodzodzoetsitsi

Gbedasi: 63-0901E Dzodzodzoetsitsi


BranhamTabernacle.org

Fofo Lɔlɔ‌tɔ,

Míefe dze eteƒe didi akpa.
Míede sɔleme eteƒe didi akpa. Tso keke Gbedeasi, Dzesi La, sese megbe la, eƒu wò Ŋugbetɔ gbe ɖe dzodzodzoetsitsi me.

Míenyae be nane le ɖoɖom be yeadzɔ. Game la tu aƒe. Míedi be Wò nàva aɖaɖe mí dzo le xexe sia me. Míedi be míanɔ anyi kpli Wò. Míetsi dzodzodzoe le míaƒe luʋɔwo me ɖaa ke.

Ɖeko míele nuƒo ƒo ge kuɖe ŋua? Ɖee míetsi dzodzodzoe kakaka? Ɖee míele avifam na Wò abe alesi wòle be míawɔe zã kple kelia?

Oo, Hame, tso eye nàʋuʋu ɖokuiwò! Defe wò dzitsinya ŋu, nyɔ ɖokuiwò, le gaƒoƒo sia me! Elebe míatsi dzodzodzoe, alo míatsrɔ‌!
Nane gbɔna tso Aƒetɔ la gbɔ! Menyae abe ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI ene. Nane gbɔna, ke anyo na mí wu be míatsi dzodzodzoe. Ele ku kple Agbe dome. Ato míadome ayi eye míakpɔe o.

Míenyae be ehĩa dzodzodzoetsitsi be wòahe Wò va kpea dzi. Elebe Wòasu míasi fifia loo míatsrɔ‌. Aƒetɔ, na míazu amesiwo tsi dzodzodzoe abe ɖe míetsii gbeɖe kpɔ o ene, ekema Nàɖe zɔ va kpea dzi eye nàva akplɔ Wò Ŋugbetɔ si le lalam la dzoe.

Kpeɖe míaŋu Fofo be míazi ageɖe Eme. Menye be míazɔ ko ageɖe Eme, bɔbɔeɖe o, gake míazi ageɖe me.
Menye be míaƒo nu kuɖe Eŋu ɖeɖeko eye míayi edzi kple míaƒe gbesiagbe gbenɔnɔwo o. Míedi be míadi Wò kple míaƒe dzi blibowo, kple míaƒe luʋɔ blibowo kple míaƒe susu blibo. Aƒetɔ, kpeɖe míaŋu.

Míenyae be míeda ƒu le ŋu Wò zi geɖe, Aƒetɔ, gake Ègblɔ na mí be ne míeda ƒu la, ema meɖo naneke awɔ le me o; gege míenye be woatsɔ dze egɔme, gake Wò èle tsitre le afima na mí kple asi sesẽ aɖe si àte ŋu ɖo ɖa aɖakɔ mí dzi le tsia tame.

Nyagblɔɖila ɖegbeƒã na mí be Wò nàto míaŋu ayi ko esime Nàkpɔ be wozã Dzesi la. Aƒetɔ, míewɔ ɖe Wò nufiameawo dzi eye míezã Dzesi la hewɔ míaƒe aƒeawo Nyaƒoka Hame, le toɖom hele Nya ɖe sia ɖe dzi xɔm le sesem.

Dzesi la—la koe Wòdea dzesi. Gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi ye ma! Ŋkeke sia ƒe Gbedeasi la! Ɣeyiɣi sia ƒe Gbedeasi ye nye Ema. Le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me, Mixɔe!

Míenya be ele eteƒe, eye míexɔe se hele nu sia nu dzi wɔm le nusi nyagblɔɖila gblɔ na mí ŋu.

Míexɔe se be nu sia nu le eme vam hele dzɔdzɔm le Wò game deblibo me. Naneke medo le eƒe teƒe o. Míekpɔ Wò nukunuwo katã, eye míese heva dzesidede ƒe Dzesi la te.

Azɔ esi míele dzesidede ƒe Dzesi la te la, míele Kɔmunĩɔ ɖu ge Kɔsiɖagbe sia le dzodzodzoetsitsi me. Elabena míenyae be Èle eɖom be yeaƒo nu kple ʋɔŋudɔdrɔ‌.

Nà be Míaɖui abe Ŋutititozã ƒe dzesi ene, esime Woɖui le nɔnɔme kpata me, le dzodzodzoetsitsi ƒe ɣeyiɣi me. Míegale dzodzodzoetsitsi me ake egbe Fofo.

Míeda akpe, Aƒetɔ, be míate ŋu kpɔ megbe le ƒe sia me eye míakpɔ nusiwo katã Nèwɔ na mí la. Èɖe Wò Nya fia mí hena mí Ɖeɖefia ɖe Ɖeɖefia dzi abe esi meva me kpɔ gbeɖe o ene.

Míenyae azɔ be míenye Viwò ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Míenye Wò Ŋugbetɔ Nya Deblibo si Nèlala kpɔ eteƒe didi alegbegbe. Ètia mí, ɖo mí ɖi eye azɔ Ègbɔna na mí.

Aƒetɔ, na be míadi Wò zã kple keli. Nà be míazu amesiwo tsi dzodzodzoe alegbegbe anɔ avifam na Wò sesiẽ. Nà be míazi ageɖe Eme abe alesi medzɔ kpɔ o ene. Nà be esia nanye ƒe si me nàva le na mí.
Míelɔ‌a Wò Fofo, eye míedi be míanɔ Wò Lɔlɔ‌nu deblibo me. Va eye nànɔ anyi kpli mí esime míawɔ ɖeka le fíeɣi ga 5 me, Jeffersonville ƒe game, le Wò Gbe ŋu eye míase Wò nàgblɔ alesi míage ɖe : Dzodzodzoetsitsi 63-0901E me na mí. Ekema nɔ anyi kpli mí esime míakpɔ gome le Aƒetɔ la ƒe Fíeɣinuɖuɖu me, le dzodzodzoetsitsi me.

Esiawoe nye míaƒe agbewo ƒe ŋkeke gãtɔ kekeakewo Fofo. Elabena míenyae be Ègbɔna le madidi me be yeakplɔ mí yiɖe míaƒe Tsɔme Ƒe me kpli Wò. Míele mɔkpɔm gbesiagbe kple mɔkpɔkpɔ gã aɖe na amekɔkɔewo si dzo yi doŋgɔ na mí. Míenyae be ne míekpɔ wo la, Wò vava ƒe game ɖo ye…. ŊUTIKƆKƆE!!!

Míetsi dzodzodzoe na ŋkeke ma, Fofo.

Nɔvi. Joseph Branham.

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Mose II 12:11
Yeremia 29:10-14
Luka Kɔkɔe 16:16
Yohanes Kɔkɔe 14: 23
Galatiatɔwo 5:6
Yakobo Kɔkɔe 5:16

23-1224 Nukata Betlexem Sue La?

Gbedasi: 58-1228 Nukata Betlexem Sue La?


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ Si Zã Dzesi La,

Medi be míakatã míadzra míaɖokuiwo ɖo hena Aƒeme Kɔmuniɔ̃ tɔxɛ aɖe ŋutɔ ƒe takpekpe le Ƒe Yeye la ƒe dzodragbe, Kɔsiɖagbe, Dzome 31lia. Míase Gbedeasi, 63- 0901E Dzodzodzoetsitsi, si mee Nɔviŋutsu Branham yi ɖe Kɔmuniɔ̃ kple Afɔkɔklɔ takpekpewo me le nyaƒoka la ƒe nuwuwu.

Wole Gbedeasi la ƒo ge le Voice Radio dzi (le Eŋlisigbe me ɖeɖeko), eye míakplɔ takpekpe la ƒe ɖoɖo ɖo abe alesi míewɔe hena Aƒeme Kɔmuniɔ̃ takpekpe siwo vayi ene, kpeɖe saŋku hagbe la ŋu le takpekpe la ƒe Kɔmunĩɔ ƒe akpa ƒe ɣeyiɣi me, kpakple Nyanyuie Hagbewo le Afɔ Kɔklɔ ƒe ɣeyiɣi me. Míadze takpekpe la gɔme le Jeffersonville ƒe fĩeɣi ga 5 me. Na mi amesiwo le ƒu godo la, meɖekuku mivo faa be miaƒo nyaƒoka eye miawɔ Kɔmunĩɔ le miaƒe du me ƒe ɣeyiɣi me alebe miawɔ Kɔmunĩɔ do ŋgɔ na zã ga wuieve le 2023 me.

Nyemate ŋu asusu mɔŋu nyuie aɖe be míawu ƒe 2023 sia ŋu, eye míadze dɔtsɔtsɔ na Aƒetɔ la ƒe ƒe yeye gɔme le 2024 me, wu be míazi kpoo le Eƒe ŋkume, atsi dzodzodzoe wu na Eyama, amã Eƒe fíeɣinuɖuɖu, anɔ gbedom ɖa ɖe míanɔewo eye atsɔ nɔ míanɔewo kem, anɔ afɔ klɔm na Eƒe amekɔkɔewo, kple Eƒe Nya sese o. Fíeɣi tɔxɛ ka nye ge wòala.

Mɔnu si woato axɔ/adzra Kɔmunĩɔ ƒe wein kple abolo la woenye esi woɖo ɖe gɔme.

Meda akpe alegbegbe be Aƒetɔ na mɔ aɖe mí be míawɔ ɖeka ɖe du hena mɔnukpɔkpɔ kɔkɔe tɔgbe aɖe alea. Kakaɖedzitɔe la mele mɔkpɔm be mado go miakatã le Eƒe kplɔ̃ ŋu.

Kɔsiɖagbe sia, míele Kristmas Gbedeasi la se ge: Nukata Betlexem Sue La? 58-1228 ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game.

Mawu nayra mi,

Nɔviŋutsu Joseph Branham

Kɔsiɖagbe, Dzome 24, 2023

58-1228 Nukata Betlexem Sue La?
Ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe Ga me

Kɔsiɖagbe, Dzome 31, 2023

63- 0901E Dzodzodzoetsitsi / Aƒeme Kɔmuniɔ̃ kple Afɔ Kɔklɔ fĩeɣi ga 5 Jeffersonville ƒe Game

23-1217 Dzesi

Gbedasi: 63-0901M Dzesi



BranhamTabernacle.org

Nye Dzi Lɔlɔ̃tɔ,

Ɖeko nye dzi fiana ɖe dzi ko ne mekpɔ miawo katã le ƒuƒom ɖe du le Nye Gbe Ŋu, le Nye Nya sem, esime meƒoa nu na mi to Nye dɔla dzi.

Ewɔa be dzi Dzɔam alegbegbe be manyae be amesi Metia be wòanye Nye Gbe na wò la ƒe Ɖeɖefia le asiwò. Be nàxɔ Nya ɖe sia ɖe si wòɖe gblɔ dzi se be menye eƒe nya o, gake Nye Nya na wò.

Enɔ vevie Nam alegbegbe be, Mena Wolé ɖe mɔ̃ dzi hedzrae ɖo ɖi na wò, alebe nàte ŋu See agase agase ake. Nyemedi kpɔ gbeɖe be nàŋlɔ nusi megblɔ be be etso nye dzi me o. Menyae be Anye mɔnu ɖeka si dzi Mate ŋu to ana mi Xɔse Deblibo ma si miehĩa, alebena míate ŋu nɔ du.

Ame ɖeka kokoko ko mezãna tsɔ ƒoa nu heɖea Nye Nya fiana Nye Ŋugbetɔ. Tututu ko abe alesi Mewɔe kple Mose ene. Nusi wòbia la, eyae su esi, elabena Nye Nyawo ɖeɖeko ye wòɖe gblɔ. Megblɔnɛ ŋutɔ gɔ hã be, mawɔwò mawu. Ànye mawu, eye Aaron anye wò nyagblɔɖila. Mele nuƒo ge, eye amewo mate ŋu gbenu le egbɔ o. Nukake NÈGBLƆ LA, ava me.

Azɔ esime Xɔse Deblibo su asiwò le Nye Nya me la, mede dzesi amesi Medɔ ɖo ɖe wò be wòanye Nye Gbe ko o, gake fifia la ède dzesi be Nye Nya le agbe hele me WÒ, eye wòna wò XƆSE DEBLIBO.

Mienya amesi mienye. Miele Menye, eye Nye Nya le miame. Mibia nusi dim miele; woatsɔe na mi. Le Nye Ŋkɔ me la MIA nya gbɔgbɔvɔ̃wo ado goe; menye, Mawɔe o, MIAWƆE. Ne MIE gblɔ na to sia; menye Ne Megblɔ o, ne MIE gblɔ na to sia.

Ŋusẽ aɖeke megale miaƒe futɔ la si ɖe miadzi o. Miawo kple Nye Nya la le ƉEKA. Ne viwo alo lɔlɔ̃tɔwo le miasi siwo mele afisi wòle be woanɔ o la, mibiawo ta se. Ne Wòwɔ dɔ ɖe miadzi la, ekema mizã miaƒe XƆSE DEBLIBO le Nye NYA DEBLIBO si le miame la me, eye nusi biam miele la ate ŋu su miasi.

Oo, melala kpɔ wò eteƒe didi ŋutɔ be nàde dzesi amesi nènye. Be makpɔ wò nànɔ ɖokuiwò dzram ɖo to Nye Nya sese dzi. Dzidzɔm alegbegbe be ɣeyiɣi la va ɖo mlɔeba.

Nya Deblibo ma si meɖe gblɔ hedzraɖo ɖi na wò la nye Nye Dzesi na xɔsetɔ ɖe sia ɖe egbea. Gbɔgbɔ Kɔkɔe ye wònye; menye ʋu o, menye tsia o, gake Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe Wònye, Nye Nya, si le agbe hele wòmee.

Dzesi ma fiafia ƒe game La tu aƒe. Elebe nàkɔ Dzesi la kpli wò zã kple keli; menye Kɔsiɖagbe ɖeɖeko o, elebe nà Zi Play ɣeawokatãɣi.

Dzesi la—la koe Wòdea dzesii. Gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi ye ma! Ŋkeke sia ƒe Gbedeasi ye ma! Ɣeyiɣi sia ƒe Gbedeasi ye ma! Le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me la, Mixɔe!

Gbedeasi geɖewo le egodo le afima, gake Nye Gbe ye nye gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi. Elebe mialɔ̃ axɔ eye miaxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se. Elebe woazãe le fĩeɣi ŋɔli.

Mi amesiwo le xexeame kpeɖo, hele esem le nyaƒokawo dzi, dzesi la ƒe gaƒoƒo la le afisia. Dzesi aɖe li si wòle be woazã, eye ɣeyiɣi bubu aɖeke meli si me Wòate ŋu ava lé o…ɖee miele Eléma?

Va eye nazã Nye Dzesi na wò agbe kple nye Ŋugbetɔ Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Nye Gbedeasi na Ŋugbetɔ la: Dzesi La 63-0901M.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la sese:

Mose I 4:10
Mose II ta 12lia
Yosua ta 12lia
Dɔwɔwɔwo 16:31 / 19:1-7
Romatɔwo 8:1
Korintotɔwo I 12:13
Efesotɔwo 2:12 / 4:30
Hebritɔwo 6:4 / 9:11-14 / 10:26-29 / 11:37 / 12:24 / 13:8, 10-20
Yohanes Kɔkɔe 14:12