23-0406 KƆMUNIƆN LA

Gbedasi: 57-0418 KƆMUNIƆN LA



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔti Lɔlɔ̃tɔ Si Woɖɔɖo,

Le ƒea katã me la, menɔ mɔkpɔm na kɔsiɖa ƒe nuwuwu aɖe si me mate ŋu ado ʋɔtru ɖe xexeame keŋkeŋ, ati nye mɔ̃wo katã, aɖo gbeɖa le ŋkeke la katã me, ase Eƒe Gbe wòaƒo nu na nye dzi, aɖo Kɔmuniɔn kple Eyama, eye magbugbɔ kɔ nye agbe la ŋu na Eƒe Dɔ la keŋkeŋ le. Ele be GBE SIA GBE nanye Ista ŋkeke na mí, gake kɔsiɖa ƒe nuwuwu sia la le tɔxɛ ŋutɔ, mɔnukpɔkpɔ kɔkɔe; ɖeɖe ɖe aga ƒe ɣeyiɣi aɖe na Ŋugbetɔ la be wòava ɖe du aɖa Subɔ. Metsi DZODZODZOE ALEGBEGBE le eta xɔ̃nyewo. Bebli mate ŋu lala be mado ʋɔtru le ɣaɣlaƒe kple Mawu, afima le Gbɔgbɔ me, anɔ Eƒe Ŋkume kpɔm; awɔ ɖeka kple Kristo ƒe Ŋugbetɔ la xexea katã me, anɔ anyi ɖe Dziƒo nutowo me. Woakafu Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ! Ele be wòanye míaƒe agbewo ƒe kɔsiɖa ƒe nuwuwu kɔkɔe kple si do ŋgɔ kekeake.

Oo, mina míatɔ te minuti bubu ɖeka ɖe afisia. “Le Dziƒo nutowo me.” Azɔ, menye le egodo afiaɖe ko o, ke boŋ le Dziƒo nutowo me. Míeƒo ƒu ɖe “Dziƒowo,” esia fia xɔsetɔ ƒe nɔƒe. Bena, ne medo gbe ɖa ʋuu, ne èdo gbe ɖa ʋuu, alo ne hamea do gbe ɖa ʋuu, eye míesɔ gbe na Gbedeasi, Eye míeƒo ƒu mí katã abe amekɔkɔewo, siwo woyɔ, siwo wonyrɔ̃ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe me, yɔ mí fũ kple Mawu ƒe yayrawo, siwo woyɔ, siwo wotia, siwo bɔbɔ nɔ Dziƒo nutowo me ɖe du fifia, míenye Dziƒotɔwo le míaƒe luʋɔ me. Míaƒe Gbɔgbɔwo kplɔ mí ge ɖe Dziƒo yaƒoƒowo me. Oo, nɔviŋutsu! Yee koe ma, Dziƒo yaƒoƒowo! Oo, nukae ate ŋu adzɔ fiẽ sia, nukae ate ŋu adzɔ fiẽ sia ne anye be míanɔ anyi ɖe afisia le Dziƒo yaƒoƒowo me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe nanɔ agba sam ɖe dzi sia dzi si wogbugbɔ dzi eye wòzu nuwɔwɔ yeye le Kristo Yesu me la dzi? Nuvɔ̃wo katã le Ʋua te, le subɔsubɔ deblibo me, hekɔ míaƒe asiwo ɖe dzi ɖoɖe Mawu gbɔ eye míaƒe dziwo lia yi dzi, ɖanɔ Dziƒo nutowo me le Kristo Yesu me, hele subɔsubɔ tsɔm na ɖe du le Dziƒo nutowo me.
Ɖe enɔ anyi ɖe eɖe me kpɔa? Oo, menɔ eme ʋuu vaseɖe esi mafa dzidzɔ vi agblɔ be, “Mawu, gana madzo le afisia akpɔ o.” Dziƒo nutowome le Kristo Yesu me dzaa ko!
Woyra ɖe mía dzi kple nuka? Mawume dɔyɔyɔ, nyanyaɖi, ɖeɖefia, ŋutegawo, ŋusẽwo, aɖeyeyewo, gɔmeɖeɖewo, nunya, sidzedze, Dziƒo yayrawo katã, kple dzidzɔ manyagblɔ si yɔ fũ kple Ŋutikɔkɔe, dzi ɖesiaɖe yɔ fũ kple Gbɔgbɔ, míele zɔzɔm ɖe du, nɔ anyi ɖe Dziƒo nutowo me ɖe du, susu vɔ̃ ɖeɖe ɖeka hã manɔ mía dome o, sigareti yɔyɔ ɖeka hã o, awukpui ɖeka hã o, esia ɖeka, ema alo ekemɛ hã o, susu vɔ̃ ɖeɖe ɖeka hã o, amea ɖeke meɖo nyaa ɖeke ɖe nɔvia ŋu o, amesiame anɔ nu ƒom le lɔlɔ̃ kple nusɔsɔe me, amesiame le dzi ƒe ɖekawɔwɔ me le teƒe ɖeka, “eye kasia gbea ɖe ɖi tso Dziƒo va abe yaƒoƒo sesẽ ene.” Yee koe ma, “Yra ɖe mía dzi kpakple Gbɔgbɔ me yayrawo.”

Aƒetɔ Yesu xɔ míaƒe subɔsubɔ na Wò Ista ƒe kɔsiɖa ƒe nuwuwu sia. Mina míage ɖe Dziƒo nutowo me le Kristo Yesu me; mina míadze to me ayi ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me. Susu vɔ̃ ɖeɖe ɖeka hã manɔ anyi o, modzaka ɖeɖe aɖeke o, gake le susu ɖeka me, le Teƒe ɖeka la; ekema gbeɖiɖi aɖe neɖi tso Dziƒo abe ya sesẽ aɖe ene le míaƒe aƒewo me. “Va Aƒetɔ Yesu “, míele gbesɔsɔ be míakpɔ Wò ŋkume kple ŋkume.

Elabena woɖɔ Ŋugbetɔ la ɖo to míaƒe fĩeɣi Kekeli ƒe Gbedeasi la dzi; to Maleaxi 4 ƒe Gbedeasi la dzi. Míele akpe dam na Wò Aƒetɔ ɖe Kristo ƒe ɖeɖeɖego blibo le Eƒe Hamea me ta; menye hame aɖe si wotu kple asi o, gake Kristo ƒe ɖeɖeɖego blibo si woɖe fia le ame aɖe me, Wò nyagblɔɖila, to dzesi gãwo kple nukunuwo dzi, eye wògaɖe Mawu ƒe Nya katã la fia ake.
Ke azɔ Ele agbe le Wò Ŋugbetɔ la me le xexea katã me. Akpe na Wò be Èna be míele agbe be míakpɔ fĩeɣi Kekeli gã sia, le nyagblɔɖi ŋu.

Ke susu ka tae fĩeɣi Kekeli la do go ɖo? Nukata fĩeɣi Kekeli la? Be wòaɖɔ nu ɖo ye. Whew! Mise egɔmea? [Ƒuƒoƒe la gblɔ be, “Amen.” Fĩeɣi Kekeli la ɖo taɖodzinu ma ke si nɔ ŋdi Kekeli la si, be wòaɖɔ nusi Blukɔ ƒe Agbenɔɣi la tso, to Roma dzi ɖo. Mawu le nu ɖɔ ge ɖo, to fĩeɣi Kekeli la keklẽ dzi (nuka?), agaɖɔ Mawu ƒe Nya katã la ɖo ake, Kristo ƒe ɖeɖeɖego blibo la le Eƒe Hamea me. Nu sia nu si Wòwɔ, tututu ko abe alesi Wòwɔe ene la, agatrɔ nɔ anyi ale le fĩeɣi Kekeli me. Mikpɔ nusi gblɔm melea? Oo, ɖee medze anyi oa? [“Amen.”] Azɔ be míanyae be míele agbe le afisia tututu be Míakpɔe azɔ, fĩeɣi Kekeli la, le nyagblɔɖi la ŋu tututu.

Ŋugbetɔ vavã la metɔna le Afiatsotso dzi o, togbɔ be Enya be Yeƒe nuvɔ̃wo le abe ɖe Yemewɔwo kpɔ o ene; Metɔna le Kɔkɔenyenye dzi o, togbɔ be wokɔ Eŋu hedae ɖe aga hena dɔ la; Metɔna le Pentekoste o, togbɔ be Exɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amenyɔnyrɔ̃ la; gake Eyia dzi yi MÍAƑE ŊKEKE ƑE NYA gbɔ:
Maleaxi 4, Nya la Ŋutɔ ga zu ŋutilã ake le agbetɔ me. “Maɖɔeɖo Yehowae gblɔe,” la, si ana Kɔkɔedzo Xɔse Ŋugbetɔ la. Azɔ Nya ma si woɖe ɖe go la ate ŋu va KO to Nyaƒokawo sese me, woakafu Eƒe Ŋkɔ dzeanyi la.

Wo dometɔ ɖeka, Martin Luther, edze Kekeli aɖe keklẽ. Kekeli sue aɖe nɔ Anyi, afiatsotso, ƒe ŋusẽ vi aɖe ŋutɔ ko.

Wesley va, esesẽ wu, kɔkɔenyenye.

Wesley megbe la, esi sesẽ wui la va, Pentekoste, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amenyɔnyrɔ̃ la, le nyagblɔɖila gã bubu aɖe me. Mikpɔea?

Gake le Maleaxi 4 ƒe, ŋkeke mamleawo me la, elebe Eliya nava kple Nya la ŋutɔ. “Aƒetɔ la ƒe Nya va na nyagblɔɖila la.” Le fĩeɣi Kekeliawo me la, ele be wòava, aɖɔ nu ɖo aɖahenu gbɔ va. Nuka? “Atrɔ ɖeviwo ƒe dziwo gbɔ va Mawu ƒe Xɔse la gbɔ.” Kekeli Enelia!

Miva ƒoƒu kpli mí le Nya la ŋu, le miaƒe aƒewo me, le Ista ƒe kɔsiɖa nuwuwu me eye mina Míasubɔ Aƒetɔ la. Miti miaƒe kaƒomɔ̃wo negbe na foto ɖeɖe, na Egbe Ƒe Numegbe sese, kple na nyaƒokawo ƒoƒo le Table ƒe app, Lifeline ƒe app dzi, alo le link siwo dzi wotoa hena nu ɖe mɔ̃ dzi ta.
Medi be míakatã míawɔ ɖeka na ɖoɖo sia:

YAWOƉAGBE

Yawoɖagbe zã mee Aƒetɔ Yesu ɖu fĩeɣi Nuɖuɖu Mamlea kple Eƒe nusrɔ̃lawo, le ŋkuɖoɖo Ŋutititozã do ŋgɔ na Israel viwo ƒe dodo dzi. Mɔnukpɔkpɔ kae nye esi be míadoka kple Aƒetɔ la le míaƒe aƒewo me, do ŋgɔ na míaƒe kɔsiɖa ƒe nuwuwu kɔkɔe la, eye míabia Eyama be wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, eye wòana mí nusiwo katã hĩa mí na míaƒe mɔzɔzɔ la.

Mawu, dzro míaƒe dziwo me kpɔ azɔ. Ɖe Ʋu la le afima, Aƒetɔ? Ne meli o la, míele gbe dom ɖa bena—bena Wò nasisi ʋu la ɖee fifi laa, nàɖe míaƒe nuvɔ̃wo ɖa eye nàtsyɔ nu wo dzi, eye woaɖe ɖa le mía ŋu, Aƒetɔ, xexe sia me ƒe nuvɔ̃wo, ale be míate ŋu anɔ kɔkɔe ado ɖe mía Fofo ŋkume azɔ esi míeva be míaxɔ ŋu—ŋutilã la kple míaƒe Alẽvi la ƒe Ʋu si kɔ ɖi, Mawu ƒe Vi, mía Ɖela.

Mina míakatã míadze egɔme le fĩeɣi ga 6 me, le miaƒe nutome ƒe game dzi, eye míase:

Kɔmuniɔn La 57-0418.

Le Gbedeasia sese me la, míele ƒuƒo ge kple míaƒe ƒomeawo le míaƒe aƒewo me aɖaɖu Aƒetɔ la ƒe fĩeɣi Nuɖuɖu.

Le madidi me o la míele link aɖe ɖo ge si awɔe be miate ŋu xɔ nyaƒoka la kple Kɔmuniɔn ƒe takpekpe la ɖe mɔ̃ dzi, alo, anɔ Voice ƒe Radio dzi.

FIƉAGBE

Mina míayi ɖe gbedodoɖa me kple míaƒe ƒomeawo le ŋdi ga 9 me, eye ake le ŋdɔ ga 12 me, anɔ Aƒetɔ la kpem be wòanɔ nyi kpli mí eye wòayɔ míaƒe aƒewo me fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la esime míanɔ míaɖokuiwo ŋuti kɔm Nɛ.

Mina míaƒe susuwo woagbugbɔ yiɖe Kalvaria, le ƒe 2000 megbe, eye míakpɔ míaƒe Ɖela le atsitsoga la ŋu, eye emegbe la míade míaɖokuiwo Eƒe asiwo me be míawo hã míawɔ nusi dzea Fofo la ŋu kokoko:

Azɔ míele ekpɔm bena Eɖe Eyama fia nyuie. Atiŋudɔwɔla na wogaɖe Nya la fia le Aɖaŋudɔwɔwɔ me ake, si woyɔ be Eƒe Vi, Mawu, Imanuel. Misusui ko, bena Ame aɖe tsɔ eɖokui na alegbegbe sẽ ɖe esime Mawu de dzesi Eɖokui le eme le afima, le ŋutilã ma me, ke Ezu, Eyama kple Mawu zu Ɖeka. “Nye kple Fofonye míele Ɖeka. Fofonye le Menye. Mewɔna nusi dzea Fofo la ŋu kokoko.”

Nukae ne Kristotɔ egbe aɖo ɖaseɖiɖi aɖe nenema? Mianye aɖaŋudɔwɔwɔ le afisia tututu le Yuma, le mɔ dzi. Ne nènye nyɔnu nunyatɔ le xɔxɔnu le afima le nunyagba godo la, èkpɔtɔ nye aɖaŋudɔwɔwɔ na Mawu, esime ate ŋu gblɔ be, “Mewɔna nusi dzea Mawu ŋu kokoko,” eye xexea katã ate ŋu kpɔ Yesu Kristo ƒe — ƒe dɔ si le ɖeɖem ɖe go le mewò.

Emegbe le ŋdɔ ga 12 me la, mina míawɔ ɖeka le míaƒe aƒewo me ase, Blibodede La 57-0419

Emegbe la mina míagawɔ ɖeka ɖe du ake le gbedodoɖa me le ɣetrɔ ga 3 me le ŋkuɖoɖo míaƒe Aƒetɔ ƒe kaklã ɖe atsitsoga ŋu dzi.

MEMLEƉAGBE

Mina míakatã míagawɔ ɖeka ake le ŋdi ga 9, kple le ŋdɔ ga 12 me, eye míadzra míaƒe dziwo ɖo ɖe nu gã siwo wɔ ge Wòala na mí le míadome ta.

Aƒetɔ! Míeɖe kuku, Aƒetɔ! Oo, mate ŋu adzi ha fũ akpa. Mate ŋu agblɔ mawunya fũ akpa. Mate ŋu ado ɣli fũ akpa. Mate ŋu afa avi fũ akpa. Gake nyemate ŋu ado gbe ɖa fũ akpa o. Oo Mawu, dzro menye nadom kpɔ.

Menɔ nu ƒom, sẽ va yi laa, tso ta goglo aɖe ŋu, ale si ɣletiviwo klẽna to eme; tsɔ Wò Gbɔgbɔ ƒe gogloƒe de mía me, Aƒetɔ, abe alesi nyagblɔɖila Dawid gblɔ ene bena, “Gbɔɖeme ƒe tɔwo nu wòkplɔm yii,” menye tɔ siwo le hoo wɔm o. Gbɔɖeme ƒe tɔwo, kplɔm yi afima, Aƒetɔ. Na mazi kpoo.

Ekema emegbe le ŋdɔ ga 12 me la, míakatã míava ɖe du ase NYA la: Ameɖiɖi 57-0420

ŊKUƉODZI ŊKEKE kae nye ge wòala na Eƒe Ŋugbetɔ le xexea katã me.

Emegbe la mina míaƒoƒu ɖe du zi ɖeka ake le gbedodoɖa me le ɣetrɔ ga 3 me.

KƆSIƉAGBE

Ŋkeke deblibo Kae nye esi be míase eye míakpɔ gome le Ŋugbetɔti La Ƒe Ɖɔɖɔɖo Mee. Mina míafɔ̃ kaba abe alesi nɔviŋutsu Branham wɔe ene esime eƒe xɔlɔ̃ sue, akɔtadzĩ, fɔ̃ eyama le ŋdi ga 5 me ene. Mina míada akpe na Aƒetɔ la ko be efɔ̃ Yesu ɖe tsitre tso kukuawo dome:

le ŋdi ga atɔ̃ ŋdi sia la, xɔ̃nye sue kple akɔtadzĩ la dzo va frese la to hefɔ̃m. Edze ko abe eƒe dzi sue la awo ene, esime wòle gbɔgblɔm be, “Efɔ̃ ɖe tsitre.”

Le ŋdi ga 9 me la mina míagawɔ ɖeka ake le míaƒe gbedodoɖa Kɔsɔkɔsɔ la me, anɔ gbedom ɖa ɖe míanɔewo ta eye míanɔ míaɖokuiwo dzram ɖo be míase Mawu ƒe Gbe.

Le ŋdɔ ga 12:30 me la, míele ƒuƒoge ɖe du be míase míaƒe Ista Gbedeasi la: Ŋugbetɔti La Ƒe Ɖɔɖɔɖo 62-0422.

Le takpekpe sia megbe la, mina míagawɔ ɖeka ake le gbedodoɖa me, anɔ akpedam Nɛ ɖe KƆSIƉA DZEANYI SI WÒNA MÍ KPLE EYAMA KPAKPLE KPLE EƑE ŊUGBETƆ LE XEXEA KATÃ ME ta.

Na nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo le ƒugodo la, abe ƒe si va yi ene la, medi be makpe mi be miawɔ ɖeka kpli mí na nudzɔdzɔsiawo le Jeffersonville ƒe game dzi, le esi ka gbedodoɖa ƒe ɣeyiɣiawo katã le ɖoɖo sia dzi kple nyaƒoka si míaƒo le Kɔsiɖagbe ɣetrɔ ŋu. Mede dzesi, alekekee hã, be Nyaƒokawo ƒoƒo le Yawoɖagbe, Fiɖagbe, kple le Memleɖagbe ɣetrɔ le Jeffersonville ƒe game dzi la asesẽ ŋutɔ na miadometɔ geɖewo, eyata meɖe kuku mivo fãa be miaƒo Gbedeasi mawo le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe si adze edzi na mi dzi. Medi, alekekee hã, be míakatã míaƒoƒu ɖe du le Kɔsiɖagbe ŋdɔ ga 12:30 me le Jeffersonville ƒe game, be míase míaƒe Kɔsiɖagbe Gbedeasi la ɖe du.

Medi be magakpe mia kple miaƒe viwo be miakpɔ gome le Nutata ƒe agbalẽviwo ƒe wɔna kple nufiameawo, kple le YF ƒe quizwo me, esime avivi miakple miaƒe ƒomea katã ŋu ɖe du. Míesusui be miele wolɔ̃ ge esime wotu wokatã ɖe NYA si se ge míele le kɔsiɖa ƒe nuwuwu sia dzi ta.

Kuɖe Kɔsiɖanuwuwu ɖoɖo la ŋu la, nyanyanana kuɖe nuɖaɖa ŋu kuɖe Kɔmuniɔn takpekpe la ŋu, dɔwɔnu siwo hĩa ge wòle na Nutata ɖoɖowo, Ista ƒe Quizwo, kple nyanyanana bubuwo la, mikpɔ link siwo le gɔme.

Enye bubu aɖe tɔgbe nam be makpe wò kple wò ƒome va ɖe du kple Ŋugbetɔ la le xexea katã me na Kɔsiɖanuwuwu si yɔ fũu kple SUBƆSUBƆ, KAFUKAFU KPLE DƆYƆYƆ. Mexɔe se vavã be enye Kɔsiɖanuwuwu aɖe si atrɔ wò agbe yiɖe mavɔmavɔ me.

Nɔviŋutsu Joseph Branham


Takpekpe la ƒe Audio

Ista Kɔsiɖanuwuwua ƒe Tanyawoe nye si. Yawoɖagbe ƒe Kɔmuniɔn kple afɔkɔklɔ le nusiwo woaxɔ ɖe mɔ̃ dzi la me.

YAWOƉAGBE – Ɣetrɔ ga 6 (miaƒe game dzi)

(NYAƑOKA ƑE AKPA AƉE) + KƆMUNIƆN LA 57-0418

FIƉAGBE – ŋdɔ ga 12:30 me (miaƒe ga me dzi)

Blibodede 57-0419

MEMLEƉAGBE– ŋdɔ ga 12:30 (miaƒe game dzi)

Ameɖiɖi 57-0420

KƆSIƉAGBE– Ŋdɔ ga 12:30 me (Jeffersonville ƒe game dzi)

Ŋugbetɔti La Ƒe Ɖɔɖɔɖo 62-0422