Category Archives: Uncategorized

23-0723 Nutrenu Gbãtɔ La

Gbedasi: 63-0318 Nutrenu Gbãtɔ

PDF


BranhamTabernacle.org

Lɔlɔ̃tɔwo…Mele miayɔ ge be Ŋugbetɔ,

Mawu, Wɔla Gã, Alpha eye Omega, Dzogbenya tso balime, Saron ƒe Rosa, Ŋke Ɣletivi Keklẽ la, Fofo la, Vi la, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe, Dzo Lilikpo la, Mawu Ŋutɔ, va anyigba dzi heƒo nu to ame ƒe nuɣiwo dzi na mí, ŊUTIKƆKƆE!, Hedee nyaƒoka dzi, ale be miase EYAMA wòayɔ mi… “MI” YEƑE ŊUGBETƆ.

Mibu ema ŋu kpɔ xɔ̃nyewo. Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo, le miaƒe ŋkume kpɔm hele gbɔgblɔm na mi be: “Nye Ŋugbetɔ mienye. Melɔ̃a mi. Melala kpɔ mi eteƒe didi. Na Nyea la, miede blibo. Mienye ŋutilã tso Nye ŋutilã me, ƒu tso Nye ƒu me. Metia mi hafi Mewɔ Anyigba alo ɣletiviwo. Melɔ̃a mi alegbegbe. Mianɔ Mavɔmavɔ me ɖe du. Azɔ, Megbɔna ɖe miata.”

Ema ɖeɖe ko ana míadometɔ ɖe sia ɖe Kɔkɔdzoe Le Xɔese. Nukae abosam ate ŋu ƒu gbe ɖe mia ŋu, agblɔ na mi, ada ɖe mia dzi si awɔ vɔ̃ mi mahã? NANEKE O, KRISTO ƑE ŊUGBETƆ YE MIENYE! Mienye Eƒe Nya si zu ŋutilã, míenye Aƒn. Yesu Kristo.

Aleke wɔ ame aɖe, le gbegbɔgblɔ aɖe me, aŋlɔ nu eye wòaɖe nusi gɔme wònye na mí ? Ɖeko miate ŋu awɔe o.

Teƒe aɖeke meli le xexeame si me miate ŋu axɔ bubu kple gomekpɔkpɔ le be miase Nya siawo o negbe ko mieɖo Ɖeɖefia nyuietɔ la eye MIEZINA PLAY.

Nudzɔdzɔ gãtɔ kekeake siwo xexeame le lalam kpɔ tso ɣeyiɣia ƒe gɔmedzedze me ke la, le mevam fifia tututu, eye míekpɔ gome le Eme. Elala kpɔ ŋkeke sia, gaƒoƒo sia, ame siawo; MIAWO, be yeawu Yeƒe Ɖoɖo Gã ŋu eye yeana wòava me.

Nutrenu Adreawo ƒe nyaɣaɣla ƒe Ɖeɖefia, Dziɖegbeawo ƒe ɖeɖefia, míaƒe blibodede, Eƒe Adam si wogbugbɔ ɖɔɖo keŋkeŋ, Eƒe Vava, wole nusiawo katã ɖem ɖe go eye wole emevam FIFIA, le MI, EƑE ŊUGBETƆA me!

Menye le Mose ƒe ŋkeke me o. Menye le Noa ƒe ŋkeke me o. Menye le Yesu ƒe ŋkeke me o, menye le Yohanes alo Paulo gɔ hã ƒe ŋkeke me o; Ele emevam fifia, FIFI LA TUTUTU, KPLI MI.

Miedi be Míadae ƒu o. Míedi be míanɔ gbesɔsɔ na Eƒe Vava la. Be miawɔ ema la, wode se na mí be míayi ɖe NYA la gbɔ na míaƒe ŋuɖoɖowo. Menye nye tamesusu, alo ame aɖe ƒe tamesusu alo susuwo o, gake nusi gblɔm Mawu ƒe Nya si dzi woɖo kpe la le ye.

Míenyae be elebe Ŋugbetɔ naɖe “Amen” ɖe Nya ɖe sia ɖe dzi eye Wòawɔ ɖeka ɖe du abe Ɖeka ene. Eyata elebe míakpɔ Mawu ƒe Nya me be míakpɔ nusi le Ŋugbetɔ la wɔge ɖekae ɖe du la ɖa.

Ke emegbe la Dziɖegbe nyaɣaɣla adre siwo womeŋlɔ ɖi gɔ hã kura o la gbɔna. Esɔ gbe. Ke mexɔe se be, to Dziɖegbe Adre mawo dzi la, wole ɖe ge ɖe go le ŋkeke mamle siawo me alebe wòaƒo Ŋugbetɔ la ɖe du hena Kɔkɔdzoe ƒe xɔse.

Ele Nya Me le Afima tututu. Wole Dziɖegbe Adreawo ɖe ge afia le miaƒe ŋkeke me alebe wòaƒoƒu Ŋugbetɔ la ɖe du hena Kɔkɔdzoe ƒe xɔse.

Ekema biabia evelia si wòle be míanya yenye esi: Nukae nye Dziɖegbeawo?

Esime, wo “ɖegbe la.” Miɖo ŋku dzi be, Dziɖegbe aɖe ƒe gbeɖiɖi sesĩe ƒe howɔwɔ lae nye Mawu ƒe Gbe. Nusi gblɔm Biblia le ye ma, mikpɔea, “Dziɖegbe ƒe gbeɖiɖi.” Wosusui dziɖegbe ye, gake Mawu Wònye. Ese Egɔme, elabena Woɖe fia Eyama. Mikpɔea? Dziɖegbe ye Wònye.

Eyata Dziɖegbeawo la nye Mawu ƒe Gbe si le Ŋugbetɔ la he ge ava ɖe du eye wòana wo (MÍ) kɔkɔdzoe ƒe xɔse. Míaƒe ŋuɖoɖo lae ma.

Amekae nye Mawu ƒe Gbe na Ŋugbetɔ la? William Marrion Branham ye.

Azɔ, míanɔviŋutsu ko menye, to Mawu ƒe amenuveve me, gake ne Aƒetɔ la ƒe Dɔla ɖiɖi va la, ezua, ekema, Mawu ƒe Gbe na mi… Nyemateŋu agblɔ naneke le ɖokuinye si o, negbe nusi Wòfiam ko, ye megblɔ na. Mixɔe se eye milé ŋku ɖe nusi adzɔ la ŋu.

Mixɔe Se eye milé ŋku ɖe nusi adzɔ kple ava me Kɔsiɖagbe sia ŋu, esime míaƒo ƒu ɖe du, anɔ kɔkɔdzoe ƒe xɔse xɔm, anɔ toɖom Eyama wòa ɖegbe abe Dziɖegbe ene na Eƒe Ŋugbetɔ la.

“Anyinɔnɔ ɖe Dziƒo nutowo me” ƒe nya gblɔm mielea? Nukae wòanye! Ne míate ŋu ase le míaɖokuiwo me alea, esime míenɔ anyi ɖe afisia le anyigba dzi, hafi Kɔkɔdzoe la nava, le nɔnɔme sia si me míele fifia; eye miate ŋu ase vivi, anɔ tsitre ɖe gliawo ŋu ƒo xlãae, kple anɔ tsitre le tsidzadza me, be míase Esia ko ɖe; nuka gɔ̃ wòanye ne míekpɔ Eyama wònɔ anyi ɖe afima! Oo, míatɔwo! Oo, anye ŋutikɔkɔe ƒe ɣeyiɣi aɖe.

Migada ŋutikɔkɔe ɣeyiɣi sia ƒu o. Mekpe mí be míaƒo ƒu kpli mí esime míase: Nutrenu Gbãtɔ La 63-0318, le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game.

Nɔvi. Joseph Branham

Mateo Kɔkɔe 10.1 / 11:1-14/ 24:6 / 28:19
Yohanes Kɔkɔe 12: 23-28
Dɔwɔwɔwo 2: 38
Tesalonikatɔwo 2: 3-12
Hebritɔwo 4:12
Nyaɖeɖefia 6:1-2 / 10:1-7 / 12:7-9 / 13:16 / 19: 11-16
Maleaxi 3lia kple Ta 4lia
Daniel 8:22-25 / 11:21 / 9:25-27

23-0716 Gbagbãƒe Si Le Hame Ƒe Agbenɔɣi Adreawo Kple Nutrenu Adreawo Dom

Gbedasi: 63-0317E Gbagbãƒe Si Le Hamea ƒe Agbenɔɣi Adreawo Kple Nutrenu Adreawo Dome

PDF


BranhamTabernacle.org

Ta Me Dzogbenya Lɔlɔ̃tɔwo,

Míehe míaɖokuiwo va tsiba ta me hekeke míaƒe aʋalawo. Míaƒe aŋgba susueawo do eye wole Balime Dzogbenya la ɖem ɖe go azɔ. Míekɔ míaƒe agbewo ŋuti na Mawu kple Eƒe Nya la keŋkeŋ.

Míele nuwuɣi, hetso Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe, Dziehe kple Nyiehe, le dzadzram ɖo na Kɔkɔdzoe ma. Míele míaɖokuiwo lém sesĩe hena miniti ʋe aɖewo sẽ ɖe esime lãwɔekui ɖe sia ɖe nayɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Míele dzadzraɖo wɔm be MÍAYI DZI.

Ŋkeke la va ɖo. Ele Etɔwo yɔm ƒoƒu ɖe Eɖokui gbɔ, le ɖekanyenye vavãtɔ la me kple Eɖokui. Enye Yesu Kristo si le agbe kple Eƒe Gbɔgbɔ le míaƒe ŋutilã me, le numawo ke si Wòwɔ la wɔm abe dzesifiati aɖe na xexeame ene.

Nu si de ŋgɔ wu ɖe sia ɖe le Ŋɔŋlɔa me la le mevam le míaƒe ŋkeke me.
Nuwɔna aɖe, si Mawudɔla aɖe gɔ hã, naneke, mete ŋu wɔe o, negbe Alẽvi la. Eva hexɔ Agbalẽ la le Amesi nɔ anyi ɖe Fiazi la dzi ƒe Nuɖusi me, Ʋui, ʋu Nutrenuawo, Heɖowo ɖo ɖa anyigba dzi, ɖo ɖe Eƒe dɔla adrelia, be Wòaɖe afia MÍ, Eƒe Ŋugbetɔ la.

Nusiwo le dzɔdzɔm la; Nya si ɖem Wòle fia mí gbe sia gbe la, gbɔgblɔ mele ŋu o. Míele míaƒe gbewo kɔm dzi hele ɣli dom hele ɣli dom sesĩe be, Aleluya! Amisisi la, ŋusẽ la, ŋutikɔkɔe la, ɖeɖeɖego la, Eƒe Nya ƒe Ɖeɖefia la lolo wu alesi Wònɔ kpɔ tso gɔmedzedzea me ke.

Kple nuwɔwɔ ɖe sia ɖe si le Dziƒo, kple le anyigba dzi, kpakple le anyigba te, le atsiaƒu me, kple nusiwo katã le wo me la míedo ɣli sesĩe be: yayrawo, bubu, ŋutikɔkɔe, ŋusẽ, na Amesi nɔ anyi ɖe fiazi la dzi, kple Alẽvi la yi ɖe mavɔ mavɔ me, amen! Amen, kple amen!

Nuwɔwɔ ɖe sia ɖe, ame ɖe sia ɖe tso ɣeyiɣi ƒe gɔmedzedze me la lala kpɔ ŋkeke sia be wòava. Gɔ hã Eŋutɔ lala sẽ ɖe esime Eƒe dɔla tiatia va anyigba dzi hafi Wòdo va be yeaxɔ Agbalẽ la, Aʋui eye wòaɖe Eƒe nyaɣaɣlawo katã fia Eƒe Ŋugbetɔ tiatia la.

Azɔ míenya nusi ame aɖeke le anyigba dzi menya o, tso ɣeyiɣi ƒe gɔmedzedze me, ke. Nu sia nu si woɣla ɖe Eƒe Nya me.
Nu sia nu si Ŋugbetɔ la hĩa la wolé ɖe mɔ̃ dzi hedae ɖe Mawu ƒe nudzraɖoƒe sue la.

Efia ɣeyiɣi xɔmetsovɔ la godo mí eye míele míaɖokuiwo kpɔm kple Eyama le Go kemea dzi. Ŋugbetɔ la dzra Eɖokui ɖo vɔ xoxo to Nya la sese dzi.

Míenɔ tutuɖo me. Míekpla Mawu ƒe aʋawɔnu la katã. Naneke mate ŋu ʋã mí o. Naneke mate ŋu do vɔvɔ̃ na mí o. Naneke mate ŋu na míaŋɛ ŋku ƒu Nya ɖeka dzi o. MÍENYE NYA LA.

Míele lalam kpɔ Eyama kple míaƒe seƒoƒotihe. Gaƒoɖokui xoxoa le ʋuʋum. Míele sɔwo ƒe du sisi sem, ke le mimlim le ʋufɔtiawo te. Tasiaɖam xoxoe la le tɔtɔ mɔ dzi.

Ne Wòva ɖo la míele kpo dzo ge tso xexe xoxo sia me ayi ɖe Eƒe Abɔwo me tẽ. Alé mí sesĩe agblɔ be, “Medzo be madzra nɔƒe aɖe ɖi na mi, gake fifia la evɔ vɔ, lɔlɔ̃tɔ”.

Eƒe Vava tu aƒe alegbegbe. Míele mɔkpɔkpɔ me wu gbeɖe tsã. Dzi le míadzɔm alegbegbe esime Wòle didim be míase Nutrenu Adreawo zi ɖeka ake. Míenyae be míegale Ɖeɖefia geɖe xɔ ge wu, elabena Gbedeasi ɖe sia ɖe si míesena la le abe ɖee Míesee gbeɖe kpɔ o ene.

Be woanɔ agbe egbe eye woase Gbedeasi sia la lolo gɔ hã wu ɣeyiɣi ma si me Wolée ɖe mɔ̃ dzi. Ele geɖe ɖem fia mí wu ŋutɔ gɔ hã fifia. Nuka ate ŋu dzɔ?

Miva ƒoƒu kpli mí le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, eye míase vivi le : 63-0317E Gbagbãƒe Si Le Hame Ƒe Agbenɔɣi Adreawo Kple Nutrenu Adreawo Dome sese me. Enye Nuɖuɖu si Aƒetɔ la Dzra Ɖo Ɖi na Ŋugbetɔ la be wòaɖu.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ le dzadzraɖo me na Gbedeasi la sese:

Mose III 25:47-55
Yeremia 32: 1-15
Zaxaria 3: 8-9/ 4:10
Romatɔwo 8: 22-23
Efesotɔwo 1:13-14 / 4:30
Nyaɖeɖefia 1:12-18 / Ta 5lia / 10:1-7 / 11:18

23-0709 Mawu Si Le Eɖokui Ɣlam Le Gblɔenyenye Me, Emegbe Le Eɖokui Ɖem Fia Nenema Ke

Gbedasi: 63-0317M Mawu Ɣlana Eđokui đe Gblɔenyenye Me, Emegbe Gađea Eđokui Fiana Nenema Ke

PDF


BranhamTabernacle.org

Dukɔ Tɔxɛ, Saga, Tutɔ, Gbɔgbɔme Nunɔlanyenye, Fiaƒome Dukɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Ŋutikɔkɔe ƒe ɣeyiɣi kae nye esi Wòle Eƒe Ŋugbetɔ la nam, hele Eƒe Nya ɖem fia wu gbeɖe tsã. Gbedeasi Ɖe sia ɖe si sem míele la dze ko abe ɖe Míese doŋgɔ kpɔ gbeɖe o ene. Míaƒe dziwo kple luʋɔwo yɔ fũ kple dzidzɔ esime míele azã ɖum le Mana Yeye si le ɖiɖim tso Dziƒo ŋu. Míele sesem abe ŋgɔdonu na míaƒe Srɔ̃ɖeɖe Ŋkekenyuie ene esime Wòle míanyim Ɖeɖefia ɖe Ɖeɖefia megbe.

Míele gbɔgbɔme vɔsasãwo sam na Mawu, to míaƒe nuɣiwo ƒe kutsetsewo dzi, le kafukafu tsɔm na Eƒe Ŋkɔ. Míexɔ míaƒe tsitrenɔƒe abe dziƒo ɣletiviwo ene.

Eƒoƒu mí ɖe du le dziƒo nutowo me, le Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe kɔm ɖe míadzi, le míadzram ɖo na Eƒe Vava kpuie la. Numa ŋu ko míate ŋu abu susu ku ɖo. Esi ɖeɖe le míaƒe susuwo me ye ma. Nusi míedi be míawɔ lae nye MÍASE NYA LA. Egbugbɔ le egblɔm na mí gale egblɔm na mí be míenye Yeƒe Ŋugbetɔ. Esiae nye Eƒe Lɔlɔ̃nu Deblibo be míanɔ anyi kple Eƒe Mɔ si wota la.

Asrafowo míenye le Eƒe Nyaƒoka Subɔsubɔdɔ Dɔwɔƒe la me, eye edze míaŋu ŋutɔ. Enye bubu ƒe akɔtagbalẽvi. Míedi be míade ɣli sesĩe aɖagblɔe na xexeame be, Ẽ, MÍENYE WODOMETƆ ƉEKA.

Edzra Nuɖuɖu ɖo na mí be míaɖu. Mawu Ŋutɔ ƒe Mana ŋutɔ le nuƒom na Eƒe Ŋugbetɔ la, le míanam míele nyanyam be míele le Yeƒe aʋakɔ me.

Míele ƒuƒom ɖe du le dziƒo ƒe avɔgbadɔ gã la te le ɖekawɔwɔ ƒomevi aɖe me, wɔe be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ɖoƒe Ŋutilã la me ƒe ŋutinu ɖe sia ɖe sẽ ɖe esime luʋɔ kple ŋutilã siãa ƒe dɔyɔyɔ kpatawo le emevam.

Míetsɔa Mawu ƒe Nya la hele abosam kple eƒe ŋusẽ dzi ɖum. Míele evuvum ʋayaʋaya abe avɔka ene kple Nya ma. Míaƒe Aʋafia Gã la gblɔ na mí bena: “Mienye Nya la. Migavɔ̃ o. Mizɔ tẽ yi abosam gbɔ aɖagblɔ be, “WOŊLƆE ƉI BE.”

Etia mí be míanye Yeƒe asrafowo. Míenɔ tutuɖo me, wotsɔ Eƒe Nya la tɔ kpɔtɔ do mí. Míedo awu azɔ hele gbesɔsɔ na aʋawɔwɔ. Míaƒe Aʋafia si xɔ ka ɣletivi atɔ̃ la de nusi míawɔ la ƒe se na mí be: Minɔ anyi kple Nye nyaƒoka ƒe nufiafia la tututu.

ke miawo la mikaɖe edzi, migblɔ nusi gblɔm nyaƒoka la le ko. Migagblɔ nububu aɖeke o. Mikpɔea? Elabena, nyemele Ema gblɔm le ɖokuinye si o. Eyae Ye le Egblɔm, mikpɔea. Eye zi geɖe alegbegbe la, tsakatsaka, amewo tsona hegblɔna be, “Enyo, Asi me Si gblɔ be Egɔme yenye alea kple alea.” Miɖe asi le Eŋu alesi Wòle la ko.

Menye nusi William Branham le gbɔgblɔm na mí le nyaƒokawo dzi ye o, nusi gblɔm MAWU le na Eƒe Ŋugbetɔ le nyaƒokawo dzi Lae. Eƒe GBEƉEƉEWOE Esiawo nye. Mɔnu ɖeka koe li be miaɖo to Gbeɖeɖe siawo tso miaƒe Aʋafia si xɔ ka Ɣletivi atɔ̃ gbɔ eye miaɖe asi le Eŋu alesi Wòle la, MIZI PLAY.

Míele Mawu ƒe aʋakɔ me, alea la elebe míaɖo míaƒe gbeɖeɖewo Nya ɖe Nya dzi. Míele taɖom ŋgɔgbe. Míenye kalẽtɔwo, xɔsemewo, ŋusẽmewo, nugɔmeselawo, Ɖeɖefiamewo.

Le kadede deblibo me kple Fofo la, esime míele tsitre le ʋea ƒe akpa kemea, kple nuvɔ̃ aɖe si tsitre ɖe míaŋu ƒe ŋkuɖoɖodzi aɖeke o la míele. Eƒe Adam si Wogbugbɔ ɖo te la zum.

Eganye Mawu le gblɔenyenye me zi ɖeka ake. Menye ame sia ame tɔ ye o, Eƒe Ŋugbetɔ la ɖeɖe tɔe, azɔ míele Ekpɔm emekɔ ƒã eye wòle gaglagbe.

Mele mɔkpɔkpɔ gã aɖe me be magase Nutrenu Adreawo zi ɖeka ake. Ele Eƒe Nya ɖe ge afia mí wu gbeɖe tsã. Míele Eƒe Nya ƒe Ɖeɖefia gã wu aɖe xɔ ge.

Elala sẽ ɖe ŋkeke sia me be yeaɖe geɖe fia mí wu. Nusianu si míehĩa la wolé ɖe mɔ̃ dzi eye wòle asitsɔƒe na mí le esime míatsɔ míaƒe asibidɛ aka asi nu ŋu ko.

Gbedeasi sia nye Dziɖegbe Adre mawo siwo ana be Ŋugbetɔ la adeblibo; elabena WOLE NYAƔAƔLAWO KATÃ ƉE GE AFIA TO MÍAƑE GBEDEASITSƆLA DƆLA 7LIA DZI NA ŊUGBETƆ LA.

Ŋutikɔkɔe ɣeyiɣi kekeake le xexeame ƒe ŋutinya me yenye esi. Eƒe Vava na Eƒe Ŋugbetɔ la gogo na mí. Xexeame le mɔkpɔm na nusiawo katã siwo woɖe gblɔ le Ŋɔŋlɔawo me; abe ɣe si ŋu atsi le ŋdɔ me ene kple nu ƒomevi vovovowo be woadzɔ evɔ edzɔvɔ ke womenyae o.

Miɖo ŋku dzi be, Wotre eŋu kple Dziɖegbe nyaɣaɣla Adre mawo. Mikpɔea?

Nu gãwo le dzɔdzɔ ge esime míele gale ƒuƒo ge zi ɖeka be míase Mawu Wòaɖegbe aɖe geɖe fia Eƒe Ŋugbetɔ la kuɖe Nutrenu Adreawo ŋu.

Mele miakpem be miawɔ ɖeka kpli mí le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míadze takpekpe fɔ ɖe wonɔewo ŋu gã sia gɔme kple Gbedeasi: 63-0317M Mawu Si Le Eɖokui Ɣlam Le Gblɔenyenye Me, Emegbe Le Eɖokui Ɖem Fia Nenema Ke.

Esime Nɔviŋutsu Branham agbugbɔ nɔ Branham ƒe Agbadɔ la kple amewo ŋuti kɔm na Mawu la, mina míagbugbɔ kɔ míaɖokuiwo, míaƒe aƒewo, míaƒe hameawo, alo afikakee míeƒoƒu ɖo ŋu, na Eyama.

Nɔvi. Joseph Branham

Kronika I 17:1-8
Yesaya 35:8 / 40:1-5 / 53:1
Maleaxi Ta 3lia
Mateo Kɔkɔe 11:10; 11:25-26
Yohanes Kɔkɔe 14:1-6
Korintotɔwo Ta 13 lia
Nyaɖeɖefia Ta 21

23-0625 Ɖee Esiae Nye Nuwuwu Dzesi laa, Amegã?

Gbedasi: 62-1230E Amegã, Nuwuwu Ƒe Dzesie Nye Esia?

PDF


BranhamTabernacle.org

Nya Ɖe Nya Dzi Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Nyagblɔɖila aɖeke, apostolo aɖeke, gbeɖe, le ɣeyiɣi aɖeke me, menɔ agbe le ɣeyiɣi tɔgbe aɖeke me kpɔ abe alesi míele agbenɔm fifia ene o. Nuwuwu lae nye esi. Dzo Lilikpo la trɔ gbɔ. Dzo Lilikpo la kplɔ Israel-viwo; Amema ke Si mu Saul ƒu anyi le eƒe mɔ dzi yina ɖe Damasko. Amema Ke va kple Ŋusẽ ma ke, le numawo ke wɔm, hele Nya ma ke ɖem fia, hele anyi nɔm kple Nya la ɖe Nya dzi kple Biblia!

Woɖe nyaɣaɣlawo katã fia eyama. Ɖe miede dzesia, nyaɣaɣlawo KATÃ. Nu yeye aɖeke o, womegble naneke ɖi o, womele naneke ɖe ge fia tso ame bubu aɖeke gbɔ o; woɖe nuwo KATÃ fia Eƒe dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia eye wotsɔe na MÍ, Eƒe Ŋugbetɔ la, le Nyaƒoka dzi.

Nusi KO Ŋugbetɔ la hĩa ye ma; MIGADE DZESI AKE, NUSI KO ŊUGBETƆ LA HĨA. Bubuwo hĩa nu bubuwo, eye wotsɔe na wo. Gake nusi míehĩa la wolé ɖe mɔ̃ dzi hetsɔe na mí ɖe Nyaƒoka dzi eye ELE Kɔkɔdzoe ƒe XƆSE nam mí.

Míawoe nye hame si Aƒetɔ Mawu na eyama. Eƒe tanɔƒe lae nye esi. Afisi Wògblɔ na mí be míanɔ yenye esi. Menye xɔtutu aɖe o, NYAƑOKAWO. Míawoe nye amehatsotso ma si xɔse eye dɔ le míawum eye míelé Nya ɖe sia ɖe me ɖe asi. Egblɔ na mí be míanɔ afisia eye míakpɔ Kpe Ɣi, Kpe ɣi tititi aɖe, NYA ƉE NYAƑOKAWO DZI DZI.

Gbe aɖe tso Dziƒo ƒo nu nɛ hegblɔ be, “He Nuɖuɖu vɛ. Dzrae Ɖo. Mɔ ma ɖeka dzi ko nàte ŋu aléwo ɖe afisia, eyae nye be nàna wo Nuɖuɖu”. Megblɔ be woadi nububu, alo be ɖeɖefia yeyewo atso amebubu gbɔ o; mikpɔ NUƉUƉU SIA SI WODZRAƉO ƉE NYAƑOKA DZI LA DZI, MITSI AFIMA.

Gake tututu ko abe alesi wowɔ le drɔewo katã si Wòɖe fia me ene la, ɖewo tsɔ mɔ ɖeka, eye ɖewo tsɔ bubu. Ʋee aɖe ŋutɔ koe tsi anyi hekpɔ nusi Wògblɔ na wo la dzi.

Azɔ mitsɔ esia gɔ̃ hã sɔ kple ame mamleawo tɔ, drɔ̃eawo. Esia nye ŋutega. Nuɖuɖu la, Eyae nye si. Afisiae nye teƒe la.

Eƒe nya me magate ŋu kɔ wu nenema na Eƒe Ŋugbetɔ o. Esia ŋutega ye, menye drɔ̃e o, ŊUTEGA. Nuɖuɖu la le afisia: NYAƑOKAWO. Afisiae nye teƒe la: NYAƑOKAWO. Nusi Wògblɔ na mí be míawɔ la wɔm míele tututu: Mise NYAƑOKAWO!

Ehĩa Gbɔgbɔme Ɖeɖefia aɖe be míase nusiawo gɔme. Ele Gbɔgbɔme Ɖeɖefia hĩa ge be woaxɔse eye be woase nusiwo katã gblɔ ge Wòle na mí Kɔsiɖagbe sia. Anye ŋutikɔkɔe ɣeyiɣi na Ŋugbetɔ la.

Nu geɖewo li alegbegbe si Mawu le gbɔgblɔm hele ɖeɖem fia mí le Gbedeasi sia me. Medi be ma kɔpi numegbe ɖe numegbe megbe eye Matsɔe na mi, gake menyae be Aɖe Sikakɔ̃ ɖe sia ɖe afia mi elabena amesi Wògblɔ be mienye yenye esi:

Esia enye hame si Aƒetɔ Mawu nam. Afisiae nye nye tanɔƒe. Afisiae menɔna…elabena ame hatsotso aɖe le afisia si xɔe se, eye dɔ le wo wum eye woku ɖe eŋu.

Míawoe nye hatsotso ma si dɔ le ewum kple le kukum ɖe eŋu. Geɖewo le egɔme sem baɖa hele feŋu ɖum le mía ŋu, gake ema nyo, míelɔ̃na wo hedoa gbe ɖa ɖe wo ta; gake GBE ƉEKA ko dim míele be wòakplɔ mí.

Mitsɔe kem lo, gake elebe mana mí numegbe sia.

“Esime wòde asi kpẽ kuku la, woawu nyaɣaɣla la nu.” Azɔ, mide dzesii, ekema ɣeyiɣia nye ma, be Nyaɖeɖefia 10, ƒe Nutrenu Adreawo ƒe gbewo la, woaɖe afia. Mise egɔmea? Esime wowu Agbalẽa me ƒe nyaɣaɣlawo katã nu! Eye Biblia gblɔ, le afisia, bena awu nyaɣaɣlawo nu.

Amekae awu nyaɣaɣlawo nu mahã? Wò pastɔa? Hatsotso aɖea? Nyea? Dɔla Kple Gbedeasitsɔla Adrelia: William Marrion Branham ye. Ame aɖeke do ŋgɔ na eya, le eƒe ŋɔli me, alo le eya megbe o. AWU NYAƔAƔLAWO NU.

Ate ŋu anye nuwuwu ƒe game. Ate ŋu anye game si anyieʋɔwo ado ɖe dziŋgɔli me, eye gbeƒãɖeɖe aɖe atso dziƒowo, agblɔ be, “Game megali o.” Nenye nenemae la, mina míadzra mía ɖokuiwo ɖo, xɔ̃wo, be míakpe míaƒe Mawu.

Ẽ Aƒetɔ, míedi be míadzra míaɖokuiwo ɖo be míakpe Wò. Míedi be míawɔ nusiwo katã míate ŋu. Míedi be míanɔ Wò Lɔlɔ̃nu deblibo me. Míeɖe kuku Fofo, nuka wòle be míawɔ be míadzra míaɖokuiwo ɖo mahã?

Woli kɔ nuɖuɖu sɔgbɔ ɖi fifia. Mina míawɔ Eŋudɔ. Mina míawɔ Eŋudɔ azɔ.

Akpe na Wò Fofo ɖe Nuɖuɖu si nèli kɔ ɖi na Wò Ŋugbetɔ la kple ɖe Eƒe Ɖeɖefia la ta. Míele Eŋudɔm wɔm gbe sia gbe.

Medo gbe ɖa bia tsɔtsɔke na nye hame sue sia, si Èdɔm ɖe afisia, be—be—be—be manɔ ŋgɔ akplɔ wo la. Yra wo, Aƒetɔ. Mewɔ ɖe alesi ŋutegawo kple drɔ̃ewo gblɔ la nu, ale, le nye nunya ƒe nyuitɔ kekeake me. Meƒo ƒu Nuɖuɖu la katã alesi ko menya, na wo, Aƒetɔ. Ɖesiaɖe wònye la, Aƒetɔ, Tɔwò míenye.

Akpe na Wò Aƒetɔ, Ega gblɔ na mí zi ɖeka ake be Nèƒoƒu Nuɖuɖu si ɖeɖe míehĩa na míaƒe mɔzɔzɔ la.

Mele tsɔtsɔm nam be mase, Amegã, Nuwuwu Ƒe Dzesie Nye Esia? 62-1230E, kple miadometɔ ɖe sia ɖe Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game o. Menyae be wole nuwo ɖe ge afia mí geɖe wu tsã. Esia ate nu anye zi mamletɔ si míele Ese ge.

Nuka nenye be enye nane si ana míanya alesi míage ɖe Kɔkɔedzoe ƒe Xɔse me? Eya yea? Ɖe míaʋu du, aflɔ gliwoa? Eye ne nane di be yeadzɔ, eye ŋutilã xoxo, gbegblẽ, gbɔlo siawo le tɔtrɔ ge ɖe? Ɖe manɔ agbe akpɔ eteƒea, Oo Aƒetɔ? Etu aƒe ale gbegbe be makpɔea? Ɖe dzidzime lae nye siaa? Amegãwoe, nɔvinyewo, game kae nye si? Afika míeɖo?

Nɔvi. Joseph Branham

23-0618 Laodikea Hame Ƒe Agbenɔɣi La

Gbedasi: 60-1211E Laodikea Hame Ƒe Agbenɔɣi La


BranhamTabernacle.org

Nya Si Medanaƒu O La Xɔsetɔ Lɔlɔ̃tɔwo

Alegbegbe wòwɔ nuku esi míenɔ Hame ƒe Agbenɔɣi Adreawo sem kple xlẽme. Kple Gbedeasi ɖe sia ɖe si miesena, ta ɖe sia ɖe si míexlẽna la, Ele Ɖeɖefia geɖe nam mí wu. Míele míaɖokuiwo kpɔm to hame ƒe agbenɔɣi ɖe sia ɖe me…Eƒe Ŋugbetɔ la, si nɔ anyi kple Nya gɔmedzetɔ la.

Le agbenɔɣiawo me la míele gbɔgbɔ eve kpɔm emekɔ ƒã; Satana ƒe amebeble kple alakpawo, le asi trɔm le Mawu ƒe Nya ŋu ƒo xlã, le amewo blem, gblẽm hele wodzi ɖum. Gake ɣe sia ɣi la Mawu ƒe amehatsotso sue wɔnuteƒe la le, Eƒe Ŋugbetɔ la, le kukum ɖe Nya ɖe sia ɖe ŋu.

Toklãnana aɖe li kokoko si wona amewo, elebe mianɔ ANYI KPLE NYA LA. Ɣeyiɣi si me tututu miadzo ɖa le Nya ma ƒe megbe la, woalé mi ɖe Satana ƒe ɣiɖɔka gã la me; abe alesi Xawa wɔe tso gɔmedzedze la me ene. Eda Nya la zazã ƒu. Adam da ƒu le tomaɖomaɖo Nya la me tẽ. Gake Yesu, le Eŋutɔ ƒe Agbe tɔxɛa me, esime wònɔ ʋiʋlim kple Eɖokui la, eɖudi to toɖoɖo Mawu ƒe Nya la dzi me.

Egblɔ be ne míedi be míanɔ anyi ɖe Yeƒe fiazi me la, elebe míanye Nya gbagbe ma. Míaƒe gbedodoɖawo, ŋutsitsidɔ, alo míaƒe dzimetɔtrɔwo gɔ hã la mana mí gomekpɔkpɔ ma o. NYA Ŋugbetɔ la ko woatsɔe ana.

Geɖewo li si medi be magblɔ alegbegbe, kple numegbewo si malɔ̃ be mamã kple miadometɔ ɖe sia ɖe; nuwuwu meli nɛ o. Menyae be Gbedeasi sia le bibim le miadometɔ ɖe sia ɖe ƒe dziwo me eye mielɔ̃na Nya ɖe sia ɖe, tututu ko abe alesi mewɔnɛ ene. Nusi míedi be míawɔ la koe nye be míaƒo nu aɖadeka tso Eŋu. Míedi be xexeame nenyae be: Ẽ, míenye nyaƒokatɔwo. Ẽ, Míezina Play.
Ẽ, míexɔe se be Gbe si le Nyaƒokawo dzi lae nye nusi awɔ Ŋugbetɔ la ɖekae. Ẽ, Play Zizi lae nye Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Deblibo la. Ẽ, menye Eƒe Ŋugbetɔ la.

Menyae be nya ɖeka ko gblɔm mele le leta geɖewo me, gake dzi le dzɔnyem alegbegbe, meda akpe alegbegbe, mekaɖe edzi alegbegbe…ɖeko womateŋu keɖi ke eŋu o, Mawu ƒe Ɖoɖo na Eƒe Ŋugbetɔ lae nye esi.

Kple Gbedeasi ɖe sia ɖe si míesena la, ewɔa mo yaa na mí le biabia wɔwɔ na míaɖokuiwo me be, aleke womate ŋu akpɔ, axlẽ alo ase nusi sem míele o la mahã? Ele afima tututu, le nyaƒoka dzi, ɖe nyaƒoka dzi, ɖe nyaƒoka dzi. Ewɔa be mese le ɖokuinye me abe ɖe wòle be magblɔ na wo abe alesi Yesu gblɔ na Nikodemo ene be: “Wò nènye Israel ƒe nufiala, eye menya nusiawo oa?”

Miɖo to alesi dɔla wɔnɛ gblɔeɖe la ko.

Le agbetɔ ƒe nuwɔna ɖeɖeko ƒe gɔmeɖoɖoanyi dzi la, ame sia ame nyae bena afisi ame geɖewo le la nukpɔsusu vovovowo kuɖe nufiafia gã aɖe si me wokatã wolé ɖe asi ƒe nya suewo ŋu nɔa afima

Le agbetɔ ƒe nuwɔna ƉEƉE ŋu, gbɔgbɔme nugɔmesese aɖeke mehĩa o, ame sia ame nyae bena ame eve woaɖo nukpɔsusu vovovowo le nufiafia gã aɖe ƒe NYA SUEWO ŋu.

Woakatã woateŋu alɔ̃ ɖe edzi aɖagblɔ bena ne amewo mewɔ nusi yewogblɔ dzi o, alo ne wodzo le yewogblɔ la, ekema tsɔtsrɔ̃ adze woyome. Gake nyagblɔɖila vavã aɖe la akplɔ ame aɖe yiɖe Nya la gbɔ kokoko eye wòabla amewo ɖe Yesu Kristo ŋu eye magblɔ na amewo be woavɔ̃ ye alo nusi gblɔm yele o, gake be woavɔ̃ nusi gblɔm Nya la le.

Nukae gblɔm Nya la lee? Madɔ Nyagblɔɖila Eliya ɖo ɖe mi. Le GBE la ƒe ŋkekewo me. Nya nyagblɔɖila Ɖeka anɔ anyi…ƉEKA KO…Elabena Mawu de Ɖeɖefia asi na AMEMA ƉEKA KO. Eyae wòle be wòaɖɔ Nye Ŋugbetɔ la ɖo.

Gbe geɖewo alegbegbe kple nukpɔsusu geɖewo kple numegbewo alea la, aleke ame aɖe ate ŋu akpɔ KAKAƉEDZI BLIBO?

Amekae aɖo madamada ƒe ŋusẽ si wòle be woaɖɔ ɖo le agbenɔɣi mamlɛ sia me, elabena agbenɔɣi mamlɛ sia agatrɔ gbɔ va Nya Dzadze Ŋugbetɔ la ƒe ɖeɖeɖego gbɔ ake mahã?

Amema ye Ŋugbetɔ la di be yeaɖo to, amesi ɖo madamada ƒe ŋusẽ la; elabena eyae anye amesi AƉƆ Ŋugbetɔ la ɖo. Maɖo nukpɔsusu tovovowo o, Enye Nya la.

Biabia: Aƒetɔ, míedi be míanya, amekae nye amema si aɖo Nya madamadawo?

_Magblɔ amesi si wòanɔ la na mi. Anye nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe vavã, alo si dzi wogaɖokpe vavã geɖe wu nyagblɔɖila ɖe sia ɖe le agbenɔɣiwo katã tso Enox dzi sẽ ɖe egbe sia, elabena ŋutsu sia aɖo tatsyɔkpe ƒe nyagblɔɖi subɔsubɔdɔ la godoo, eye Mawu aɖe eyama afia. Mahĩa be wòaƒo nu le eɖokui ŋu o, Mawu aƒo nu le eyama ŋu to dzesi la ƒe Gbe dzi. Amen.

Ŋuɖoɖo lae nye: William Marrion Branham.

Na malé dzi ɖe ƒo na wò egbea Ŋugbetɔ Tiatia. MÀTE ŊU, EYE WOMELE, WÒ BLE GE O. Ɖee nèse ema gɔmea? Ame aɖeke màte ŋu able wò o. Paulo mate ŋu able ame tiatia aɖeke o, ne ɖe etɔ medzɔ o. Ŋutɔ gɔ hã le Efeso ƒe hame ƒe agbenɔɣi gbãtɔ la me, womete ŋu ble ametiatiawo o. Wodo apostolo kple nyagblɔɖila alakpatɔwo kpɔ eye wokpɔwo be wonye aʋatsokalawo eye wonya wo do go.

ŊUTIKƆKƆE ŊUGBETƆ…EƑE alẽwo mienye eye Mise Eƒe Gbe hele EYAMA yome dzem. MIENYE ŊUGBETƆ NYA GBAGBE LA!!

Gblɔeɖe la naneke mele gã wu be woanya Nya siawo o. Be nànyae le wò dzi kple luʋɔ me be, ènye Eƒe Ŋugbetɔ la. Ŋkeke siwo xexeame nɔ lalam kpɔ la va ɖo. Ŋugbetɔ la le sidzem Eɖokui eye ele ƉEKA zum KPLE EYAMA; míenye MAWU ƑE NUWƆWƆ YEYE.

Zi ɖeka ake la mele koko ƒom na mi be, MISE MAWU ƑE GBE Kɔsiɖagbe, le afikake ye miele ƒuƒo ge le. Meka Gbedeasi si sem miele o esi wònya nye Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe sem miele ko. Gbe Ma nye Gbe si Mawu yɔ hetia be wòaɖɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la ɖo aɖa ƒo eyama nu ƒu.

Na hameawo katã, amewo katã la, míele miakpem be míava se kpli mí, Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Laodikea Hame Ƒe Agbenɔɣi La 60-1211E.

Nɔvi. Joseph Branham

23-0611 Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo

Gbedasi: 60-1211M Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo


BranhamTabernacle.org

Mana Lɔ̃la Lɔlɔ̃tɔwo,

Dzidzɔmí elabena míate ŋu ɖu Nuɖuɖu si Me ƒu alo nuku mele o. Abolo siwo le ɖiɖim tso Dziƒo, si woyɔ be “Mana,” tsyɔ nu sia nu dzi kple Dziƒo ƒe vivisese.

To Gbɔgbɔme Ɖeɖefia dzi la Eɖe fia mí be teƒe ɖeka koe li afisi míate ŋu xɔ Mana Yeye sia nukuwo manɔmee le: to Mawu ƒe Gbe si Wòna Eƒe Ŋugbetɔ sese dzi.

Enye Eƒe kukuɖeɖe ɣesiaɣi le agbenɔɣi ɖe sia ɖe me bena hameawo nase Aƒetɔ la ƒe Gbe. Le agbenɔɣi mamlɛ sia me la, Eƒe kukuɖeɖe la ga sesẽ wu agbenɔɣi bubu ɖe sia ɖe gɔ hã; elabena esiae nye Aƒetɔ la ƒe Vava ƒe ŋkeke. Ena toklã mí, kple nɔnɔme kpata ɖe sia ɖe, bena elebe míase Eƒe Gbe, si dzi woɖo kpe, nyateƒetɔ la.

Oo, gbe geɖewo li ale gbegbe le xexeame — kuxi kple hĩahĩawo geɖewo li le ɣli dom be woakpɔ yewogbɔ; gake gbe aɖeke mele anyi nɔ ge si le vevie alegbegbe hedze na toɖoɖo abe Gbɔgbɔ la ƒe gbe ene o. Eyata, “Amesi ke tosenu li nɛ la, ne se nusi Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm na hameawo.”

Eyae nye ema, Eƒe toklã na hameawo, alegbegbe wòle vevie be woase Gbɔgbɔ la ƒe GBE. Kakaɖedzitɔe la afimae futɔ la aƒo ame le, anɔ agbagba dzem be yewoale GBE MA sese ƒe asixɔxɔ dzo ɖa le amewo gbɔ.

Egblɔ na mí be GBE GEƉEWO li. Kuxi kple hiahĩa geɖewo li, le ɣli dom be woakpɔ yewogbɔ, gake migaŋlɔ be kpɔ gbeɖe o, ele be miase EƑE GBE SI DZI WOƉO KPE la.

Ne medze agɔ le miadzi le ema gbɔgblɔ me la, mitsɔe kem, gake, mese be ate ŋu ave ame, gake, menye Mawu ƒe Gbe na mi.

Ŋuɖoɖo lae ma: MENYE MAWU ƑE GBE NA MI.

Eme kɔ alegbegbe na Eƒe Ŋugbetɔ la. Mele ɣaɣla o, Ele afima tututu le gaglagbe; ame sia ame ate ŋu Xlẽe.

Nyemele nane Eya megblɔ o la na amewo o…Nyemele ekpam ye o. Ele nu vevietɔ si wòle be míawɔ la gblɔm na mí eme kɔ.
Mawu ƒe lɔlɔ̃nu deblibo lae nye be WOASE EƑE GBE EYE EYAE NYE MAWU ƑE GBE NA MÍ.

Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, nyemele gbɔgblɔm be miate ŋu ɖo to miaƒe pastɔwo o. Nyemele gbɔgblɔm be wonye alakpatɔ alo wotɔ me dzɔ ne wole subɔsubɔ wɔm o. Emekɔ be Aƒetɔ la ɖo mí afisia be míanye kpeɖeŋutɔ na Ŋugbetɔ la aɖa fia asi mi GBƆ va Nya gɔmedzetɔ la gbɔ; be míada Gbe ma ɖe miaŋgɔ abe vevietɔ kekeake si miate ŋu ase ene. Elebe míatrɔ GBƆ va Mawu ƒe LƆLƆ̃NU DEBLIBO gbɔ. Adam si Wogbugbɔ ɖo te bliboe, si wotsɔ Nya la tɔ glikpɔ do. Mawu ƒo nu gbe sia gbe ɖe to me na Adam le Abɔ la me, eye egbe la, Ele numa ke wɔm.

Ɖe wòle be míanɔ tsitre le gbagbãƒe anɔ gbɔgblɔm be, “Nɔviwo míenye!”
Míemã o, Ŋutilã ɖeka Míakatã míenye; Ɖeka le mɔkpɔkpɔ kple Nufiafia me, (Biblia ƒe Nufiafia La.)

Nɔviwo míenye. Nyemele agbagba dzem be mamã Hameawo dome o, mele agbagba dzem be mahe míakatã va ɖe du kple nu ƉEKA si ate ŋu he Ŋugbetɔ la va ɖe du. Míakatã míate ŋu lɔ̃ ɖe dzi kple AME AƉE, ALO MAWUNYAGBLƆLAWO ƑE HATSOTSO o; wokatã tovo, eye wòle nuvovowo gblɔm. Dɔla gbedeasitsɔla adrelia ƉEKA koe li. Mawu ƒe Gbe ɖeka koe li. Gbe Si Mawu na Eƒe Ŋugbetɔ la le nyaƒoka dzi.

Mana nye nya me nakɔ. Nye Ɖeɖefia yenye be: toɖoɖo Mawu ƒe Gbe le nyaƒoka dzi lae NYE MAWU ƑE LƆLƆ̃NU DEBLIBO.

Abe le Samuel ƒe ŋkekewo me ene, esime amewo gogo eyama hegblɔ na eyama be yewodi fia aɖe be wòaɖu fia ɖe yewodzi. Ede abi eƒe dzi ŋu. Eyi ɖe Mawu gbɔ hegblɔ nusi wodi na Eyama.
Mawu gblɔ na Samuel be, womegbe nu le gbɔwò o, Samuel, Gbɔnyee wogbe nu le, be Nyemaɖu fia ɖe yewodzi o.

Aleke Wònɔ fia ɖum ɖe wodzi ɖo? TO EƑE NYAGBLƆƉILA, SAMUEL DZI. Eƒe LƆLƆ̃NU DEBLIBO ye ma, eye wogbenu le egbɔ. Be nànye Eƒe Ŋugbetɔ la elebe nàtrɔ GBƆ va Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Deblibo gbɔ. Màte ŋu aɖo LƆLƆ̃NU DEBLIBO 2 o.

Aleke wòadzrom be Ŋugbetɔ la katã na va ƒoƒu ɖe du le xexea katã me be wòase Mawu ƒe Gbe ɖe du le game ɖeka dzi. Menye le esi “Me” le egblɔm ta o, gake le esime Mawu LE EWƆM tae. Eyae nye nu ɖeka be woahe Eƒe Ŋugbetɔ la va ɖe du.

Mele miakpem be miava ɖo to kple Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe, kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, be míase: Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo 60-1211M.

Ne miate ŋu awɔ ɖeka kpli mí o la, mide dziƒo na miaƒe pastɔ be miaɖoto Mawu ƒe Gbe Kɔsiɖagbe ŋdi sia le miaƒe hamea me. Ɖee miate ŋu abu eŋu kpɔa, Ŋugbetɔ le xexea katã me, le hame ɖe sia ɖe me, aƒe ɖe sia ɖe me, alo afikake ye miele, le Mana Yeye la sem tsyɔ afisiafi dzi kple Dziƒo ƒe vivisese.

Nɔvi. Joseph Branham

23-0604 Filadelfia Hame La Ƒe Agbenɔɣi

Gbedasi: Filadelfia Hame La Ƒe Agbenɔɣi 60-1210

BranhamTabernacle.org

Aƒn. Yesu Kristo lɔlɔ̃tɔ,

Ðe ema meɖi nu wɔnuku aɖe oa? Alẽvi la kple Eƒe Ŋugbetɔ la nɔ Mawu ƒe blibodedewo katã me tegbee. Aleke míate ŋu do sɔlie? Míebua eŋu. Míekua drɔ̃e tso eŋu. Míexlẽa nusi Nya la gblɔ tso eŋu. Míekpɔe wòle Eya ŋutɔ ƒe Kɔkɔenyenye mam kpli MÍ. Le Eyama me la, míezu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ŋutɔŋutɔ.

Dzidzɔ ka gbegbee nye si wòhena vɛ na mí ne míezi play dzi, eye míese Mawu ŋutɔ le nu ƒom na mí to Eƒe dɔla sesẽ la dzi eye wògblɔ nusiawo na mí.

Naneke mele agbe sia me o, aleke kee wòadze be eɖikɔ na ame o, aleke kee wòadze be enyo o, gake àkpɔ blibodede katã ƒe ƒuƒoƒo le Kristo me. Nusianu nu zua nu maɖinu le Eyama godo.

Egblɔ na MÍ be ŋkɔ yeye aɖe anɔ mía si, Eƒe Ŋkɔ. Woatsɔ Eƒe Ŋkɔ ana mí ne Ekplɔ mí yi Eɖokui gbɔ. Awɔ nuku wu alesi míate ŋu asusui. Míayi afi sia afi si Ŋugbetɔsrɔ̃a ayi. Eyama magblẽ Mí ɖi gbeɖe o. Míadzo le Eƒe Akpa dzi gbeɖe o. Míama Eƒe Fiazikpui la kplii. Woatsɔ Eƒe ŋutikɔkɔe kple bubu aɖo fiakuku na mí.

Eye esi Wòle kpe ɖom Eɖokui dzi na xexeame, eye xexeame katã bɔbɔ ɖe Eƒe afɔ nu la, ɣemaɣi la, xexeame katã abɔbɔ ɖe ame kɔkɔewo ƒe afɔ nu, atsɔ aɖo kpe edzi be yewotɔ dzɔ le yewoƒe tsitrenɔƒe me Kplii. Woakafu Mawu tegbee!

Enya mí do ŋgɔ to Mawu ƒe sedede dzi be míanye Eƒe Ŋugbetɔ. Etia MÍ; míetia Eyama o. Eyae yɔ MÍ; míeva le mía ɖokui si o. Eku ɖe MÍA ta. Elé tsi na MÍ le Eya ŋutɔ ƒe Ʋu me. Exe fe la ɖe MÍA ta. Eya tɔe míenye, eye Eya ɖeɖeko tɔe míenye. Míetsɔ mía ɖokui na Eyama bliboe eye Elɔ̃ ɖe dzizizi la dzi. Eyae nye MÍAƑE ta. Eƒoa nu na mí to Eƒe dɔla dzi eye míeɖoa to, elabena emae nye míaƒe dzidzɔ.

Tso gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu la, Gbedasi si le nyaƒokawo dzi la katã nye MAWU na MÍ. Agbe ma nanɔ MÍA me Dzro. Nena wòanye Eƒe Ʋu si kɔa MÍA ŋu. Nena wòanye Eƒe Gbɔgbɔ si yɔa MÍ fũ. Nena wòanye Eƒe Nya le míaƒe dzi kple nu me. Nenye Eƒe kabiawo si da gbe le MÍA ŋu. Mina wòanye Yesu, kple Yesu ɖeɖeko. Menye to dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔwɔ, siwo míewɔ la me o. Kristoe nye nye agbe. Gbedasi siae nye míaƒe agbe, elabena Eyae nye Kristo.

Oo, gbe geɖewo le xexeame — kuxi kple hiahiã geɖewo le avi fam be woalé ŋku ɖe wo ŋu; gake gbe aɖeke manɔ anyi si le vevie eye wòdze be woade eme abe Gbɔgbɔ la ƒe gbe ene gbeɖe o. Eya ta, “Amesi si to le be wòase la, nese nya si Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm na hameawo.”

Gbe aɖe le Mawu si na egbe sia. Woɖo kpe dzi kple Dzo Lilikpo la be enye Mawu ƒe Gbe. Gbe aɖeke mele Anyi nɔ ge kpɔ gbeɖe si le VEVIE ALEGBEGBE KPLE SI DZE ALEGBEGBE abe Gbe si le nyaƒoka dzi na egbe ene o.

Va wɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe le ŋdɔ ga 12:00 me, Jeffersonville ƒe game dzi. Míeɖo kotoku blibo aɖe si yɔ fũ kple anyitsi. Míatsɔe ade Agakpe la dzi, ke menye hame aɖeke dzi o; le Agakpe, Kristo Yesu la dzi. Eye mi alẽwo miɖuɖɔe. Miahaya enumake godoo. Nuvɔ̃ ƒe kuxiwo katã nu ayi ne mieɖuɖɔ Agakpe la. Ema koe nye nusi wòle be miawɔ, miva se Mawu ƒe Gbe wòagblɔ nusianu na mí tso: Filadelfia Hame La Ƒe Agbenɔɣi 60-1210 ŋu.

Nɔvi Joseph Branham

23-0528 Sardes Hame Ƒe Agbenɔɣi La

Gbedasi: 60-1209 Sardes Hame Ƒe Agbenɔɣi La


BranhamTabernacle.org

Lɔlɔ̃tɔ Dzedzetɔwo, Ame Dzɔdzɔewo,

Hɔ̃wo, ɖe miele klalo be yewoaƒo ƒu Kwasiɖagbe sia be yewoase Yesu ƒe Gbe vivi la aƒo nu na mi ahagblɔ be:
“Miedze.” “Tɔnye ye mienye.” “Mienye ame dzɔdzɔewo.” “Miazɔ kplim le awu ɣi me.” “Woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe Dziƒo.”

Esiawo menye nye nyawo o, ke boŋ wonye mía Fofo si le Dziƒo la ƒe Nya siwo tututu le nu ƒom na MI, Eƒe Ŋugbetɔ tiatia la. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gava ake eye wònɔ agbe le amegbetɔ ƒe ŋutilã me, ale be wòate ŋu aƒo nu ɖe to me na Eƒe Aƒenɔ tiatia le Nya wɔnuku siawo me.

Ewɔ nuku ŋutɔ be mase wo tso gbɔnye, alo amesiame si agblɔ be “Yesu gblɔ be” gbɔ, gake be mase EYAMA wòaƒonu to Eƒe Gbe tiatia dzi; esi Wògblɔna na wò tsã, tɔxɛ la…ɖeko naneke meli si lolo wu ema o.

Gbe geɖewo li siwo Mawu zãna tsɔ tsɔa Eƒe Nya la vaa xexeame. Etia wo eye wòɖo wo ɖi be woanye yayra na xexeame kple Yeƒe Ŋugbetɔ la.

Esime Yesu nɔ anyigba dzi afisia le amegbetɔ ƒe ŋutilã me la, etia ŋutsuwo hã, Eƒe apostolowo, be woadze Yeyome eye woaƒo nu le nu siwo wokpɔ be woɖo hoho ɖe wodzi eye wose la nu. Ŋutsu siawoe Wòdɔ ɖa be woakaka nyanyui la, du nyui si nye be Mesia la va; Enɔ afima, le anyigba dzi kpli wo. Edɔ wo eve eve be woaɖe gbeƒã Nya Gã sia eye woahe amewo katã ava Eɖokui gbɔ.

Esi Wòƒo wo nu ƒu le zã ɖeka me la, Ebia wo be, “Amekae wogblɔ be Menye?” Woɖo eŋu be, “Ame aɖewo gblɔna be Wòe nye Eliya; ame aɖewo gblɔna be Wòe nye Yohanes Amenyrɔ̃la.” Ke Egblɔ be, “Gake amekae GBLƆM miele be Menye?” Emegbe Petro gblɔ nya gã mawo be, “Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe Vi.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Petro, ŋutilã kple ʋu meɖe esia fia wò o, ke Fofonye Si le dziƒo la ɖe esia fia wò, eye le Kpe gbadza (Nyaɖeɖefia) sia dzie Matu Nye hamea ɖo.”

Xexeame kli nu le nya ɣaɣla gã sia ŋu kpeɖo. Ame aɖewo xɔe se be Petroe gblɔm Wònɔ. Ame aɖewo xɔe se be kpe aɖee nɔ afima. Ame aɖewo xɔe se be Yesue. Gake to Nyaɖeɖefia, si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la tsɔ na mí me la, míenya be enye AMESI WÒNYE ƑE ƉEƉEFIA.

Le Yesu ƒe ku, eɖiɖi kple tsitretsitsi megbe, le Pentekoste ŋkekea dzi la, wodɔ wo ɖa be woayi ɖagblɔ nya gã sia na xexeame. Wogatia Petro ake be wòanye nyanuɖela eye wòayi ameawo ŋgɔ eye wòaɖe gbeƒã alesi woaxɔ Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Egblɔ be, ele be miatrɔ dzime eye miaxɔ nyɔnyrɔ le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me.

Ðoƒe kae nye si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la tsɔ Petro ɖo. Ðeko míate ŋu asusu alesi amewo kpɔ eyama dzie. Ezɔ kple Yesu esime wònɔ ŋutilã me le anyigba dzi afisia. Enye Exɔlɔ̃. Enɔ Eƒe axadzi gbesiagbe. Ame si Wòtia be yeatsɔ Nyaɖeɖefia la ana. Gake Mawu tia AME BUBU be wòanye yeƒe nyagblɔɖila: Paulo.

Esi Petro va Antioxia be yeanɔ Paulo gbɔ la, enɔ nu ɖum henɔ nu nom kple Trɔ̃subɔlawo. Gake esi amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe tso Yakobo gbɔ va afima la, eɖe eɖokui ɖa eye wòvɔ̃. Paulo ka mo nɛ gaglãa le ame mamlɛawo ŋkume hegblɔ be mezɔ dzɔdzɔe le nyateƒea nu o eye ele be woabu fɔe. Nɔviŋutsu Branham gblɔ be Yudatɔwo ɖo hoho ɖe eyama dzi.

Nukae esia fia mí na egbea? Meka amesi wònye o. Aleke gbegbe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le wo si o. Ŋusẽ alo yɔyɔ kae le wo si o. ELE BE MIANƆ ANYI KPLE MAWU ƑE NYAGBLƆƉILA TIATIA ABE MIAƑE TƆƉOƑE ENE. ELABENA EYA, KE EYA ÐEKA YE NYE MAWU ƑE NYA GƆMEƉELA MAWUTƆ.

Esia metsi tre ɖe Petro alo Mawu ƒe nusrɔ̃la tiatia dometɔ aɖeke ŋu o, ɣemaɣi alo fifia o. Wotia wo be woakaka nyanyui la, gake Mawu tia AME ÐEKA ɖe Eƒe Hamea ŋu. Eya ɖeka koe nye Mawu ƒe nyagblɔɖila tiatia kple Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi, ke menye woawo o. Woɖo woƒe teƒe, gake NYAGBLƆƉILA ÐEKA le esi be wòaɖo Eƒe Hamea ɖoɖo me, kple Nya mamlɛtɔ na Eƒe Ŋugbetɔ la.

Esia ɖe alesi tututu wòle be míaɖɔ ŋu ɖo be míase Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkekea la fia mí. AMESI Wòtia be wòanye Eƒe Nya gɔmeɖela si tso Mawu gbɔ. Naneke megali Gã wu be nàse Eƒe Gbe wòaƒo nu to Eƒe dɔla dzi o; Eƒe Gbe si Wòtia la, ke menye míatɔwo o.

Míele ekpɔm le agbenɔɣiawo katã me alesi Mawu ɖo amehatsotso aɖe si wòtia be ANƆ KPLE YEƑE NYA kple Yeƒe gbedeasitsɔla tiatia la. Gbe Ma le gbeƒã ɖem amesiwo míenye na mí gbesiagbe, WO DOMETƆ ÐEKA.

Adɔ ɖɔɖɔɖowɔlawo ɖe Eƒe hame la, gake le ŊKEKE SIA me la, Edɔ Eƒe gbugbɔgaɖola ɖa; “Aƒetɔ ye gblɔe be, Magbugbɔe aɖo te, eye Matrɔ ɖeviawo ƒe dzi, elabena nu geɖewo le asinye magblɔ na mi le Nye Gbe ƒe ŋkekeawo me.”

Míele miakpem be miava se Gbe ma kpli mí, Kwasiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Wòle nu ƒo ge na mí hele Nyateƒe kple alakpa hame la fia ge mí le: Sardes Hame Ƒe Agbenɔɣi La 60-1209 me.

Nɔvi. Joseph Branham

23-0521 Tiatira Hame Ƒe Agbenɔɣi La

Gbedasi: 60-1208 Tiatira Hame Ƒe Agbenɔɣi La


BranhamTabernacle.org

Ɣletivi Lɔlɔ̃tɔwo Le Eƒe Fiakuku Me,

Dzɔdzi Ŋugbetɔ. Míele Ɖeka zum kple Eyama. Gbawotsogbe la, Ele Ɖeɖefia nam mí wu kuɖe Eɖokui kple Míaɖokuiwo ŋu. Míele dzesi dem Ŋusẽ ma si Gbɔagbe nu la be ele agbe hexɔ anyi nɔ ɖe míame.

Míate ŋu adze alesi míesena le mía ɖokui me gɔ̃ hã me ɖeɖe gɔme o. Eƒe Gbɔgbɔ lé mí vɔ. Enye míaƒe susu ɖesiaɖe. Nu bubu aɖeke megale vevie na mí o. Míele Eƒe Nya kpɔm wòle Nya zum le mía me. Enaa nuɖuɖu míaƒe luʋɔ. Míele agbe gbesiagbe be míasubɔ Eyama, akafu Eyama, aɖa daa akpe Nɛ be míete ŋu le Eƒe Gbe sem le nu ƒom na mí.

Esi míele míaƒe Hame ƒe Agbenɔɣi Agbalẽa xlẽm la, míate ŋu atsɔe ade anyi kura o; míaƒe dziwo le wowóm. Gbesiagbe hea Ɖeɖefia geɖe vɛ. Míedi be míati kpo ado ɣli, aƒu du atsa le xɔa me ado ɣli be: “Ŋutikɔkɔe, Haleluya, Kafu Yehowa.” “Èxlẽ nya siaa?” “Mede dzesie ga de dzesie, gake nyemexlẽe nenema kpɔ o, GBEÐE.” Ele Biblia bliboa ɖem fia mí tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ vaseɖe Nyaɖeɖefia dzi, eye mekpɔ MÍA ÐOKUIWO LE EƑE NYA ME.

Míekpɔ Ŋugbetɔ Vavãtɔ ma si nɔ anyi kple Nya la agbenɔɣiawo katã me eye Satana ƒe amebeble gã la meblee o. Edi be woasubɔ ye abe Mawu ene. Gake le ɣeyiɣi mawo katã me la, ŊUGBETƆ VAVÃ aɖe li, eye wònɔ nuteƒe wɔm na Eƒe Nya la. Hatsotso tiatia sue ma si tsi Eƒe gbedeasitsɔla gbɔ. Abe míawo ke ene la, womate ŋu aɖe asi le nu ŋu o, eye womaɖe asi le wo ŋu hã o. Wonya be MƆ ÐEKA KOE li si dzi woato aka ɖe edzi: minɔ anyi kple Eƒe Mɔ si wona, Eƒe Nya, Eƒe dɔla la.

Aleke gbegbe Satana ble ame le ɣeyiɣiawo katã me enye si. Ewɔ dɔ le Hame ƒe Agbenɔɣi vovovoawo me vaseɖe esime wòɖo eƒe taɖodzinuwo gbɔ. Fifia ete ɖe AME DEBLIBO la ŋu ale gbegbe be ate ŋu aflu ame tiatia ŋutɔŋutɔwo ne anya wɔ….gake kafukafu na Mawu, MATEŊUI O, WOMEBLE MÍ O. Nukata? MÍETSI ANYI KPLE MAWU ƑE GBE, EƑE NYA SI ZU ŊUTILÃ LA.

Mɔ aɖeke meli si dzi woato aƒo xlãe o. Mawu ƒe Gbee nye Eƒe Mɔ si wona egbea. Míeyi edzi le Eƒe dɔwɔwɔwo wɔm nuteƒewɔwɔtɔe va se ɖe nuwuwu. Wona ŋusẽ mí ɖe dukɔwo dzi, eye míenye dziɖula sesẽ, ŋutetetɔwo, siwo mebɔbɔna o, siwo ate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme ɖesiaɖe nu ŋusẽtɔe alea gbegbe. Míaƒe futɔ ŋusẽtɔ kekeake gɔ̃ hã gbã. Míaƒe dziɖuɖu ƒe ɖeɖeɖego, to Eƒe Ŋusẽ me, le abe Vi la ŋutɔ tɔ ene.

Oo, aleke gbegbe míedi be míatsɔ nyawo agblɔ alesi sem míele le mía ɖokui me. Gbeɖeka míawɔe xɔ̃nyewo. Míanɔ Mavɔmavɔ me kple mía Aƒetɔ, Eƒe dɔla, kple mía nɔewo.

Abe aƒenɔ ameyibɔ si le Memphis ene la, míenya be Eyae esi míeɖo to Eyama. Nu ka ta? Oo, míenye WO DOMETƆ ƉEKA.

Èdi be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la naƒo nu
na wò eye wòagblɔ amesi nènye na wòa? Va wɔ Aƒetɔ la ƒe amegbɔnɔnɔ ƒe numetoto kpli mí le Kwasiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12:00 P.M., Jeffersonville ƒe game, esime míase: Tiatira Hame Ƒe Agbenɔɣi La 60-1208. Atrɔ wò agbenɔnɔ.

Nɔvi. Joseph Branham