23-1001 Dodo Etɔ̃lia

Gbedasi: 63-0630m Dodo Etɔ̃lia


BranhamTabernacle.org

Dodo Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Nusiawo siwo kpɔm míele wole emevam egbe la womete ŋu dzɔ ƒe blaeve woenye esi, alo ƒe blaene woenye esi o; egbe ɖeɖeko dzɔm wole. Gaƒoƒo lae nye esi! Game lae nye esi! Game lae nye esi be woava me. Mawu do Eƒe ŋugbe, EYE EYAE NYE ESI.

Gbɔgbɔme nugɔmesese le míasi; dukɔ sia ƒe dzidada yɔ fũ. Gaƒoƒo la va ɖo. Game su be míayi ɖe ŋugbedodo Nyigba ma dzi. Menye du bubu me si míayi ko o, gake míaƒe Tsɔme Ƒe si lalam míele la me.

Mibu eŋu kpɔ ko, nusi le míakplɔm la wu nyagblɔɖila. Enye Mawu si woɖe ɖe go le ŋutilã me le míadome, kple Eƒe Nya la be woaɖo kpe dzi. Nyagblɔɖila aɖe si wɔ zigbɔ zi akpewo wu nyagblɔɖila bubu ɖe sia ɖe. Enye Dzo Lilikpo si le míakplɔm yina ɖe ŋugbedodo Nyigba ma dzi, Milenium la.

Etia míaƒe nyagblɔɖila eye wònɛ Dzo Lilikpo la ƒe gbɔgbɔme dzesi, alebe megawɔ vodada o. Nusi nyagblɔɖila gblɔ la nye Mawu ƒe Nyawo ŋutɔ. Etsɔ míaƒe nyagblɔɖila, nɛ tutuɖo, emegbe hegbugbɔdɔe ɖa kple Dzo Lilikpo, be yeaɖokpe Yeɖokui dzi na mí, hena mí Eƒe Nya katã ƒe Ɖeɖefia deblibo.

Ne míedi be míayi ɖe ŋugbedodo Nyigba ma dzi la, mele be míaŋlɔ be kpɔ gbeɖe o, Mawu mate ŋu, eye Matrɔ, Eƒe ɖoɖo kpɔ gbeɖe o. Enye Mawu, eye Mate ŋui o. Egblɔ na mí be Yemawɔ dɔ kple hatsotso aɖe gbeɖe o. Mewɔe kpɔ gbeɖe o. Ewɔadɔ kpli mí tɔxɛ tɔxɛ. Edo ŋugbe na mí le Eƒe Nya me be yeadɔ Maleaxi 4 ɖa be wòakplɔ mí yiɖe Anyigba sia dzi, ke Ewɔe.

Gake, mikpɔea, Ahab ɖo nuɖoanyi aɖe si wòsusu be etso Aƒetɔ la gbɔ. Egblɔ be, “Wo ame alafa enewoe le asinye, hedewo suku henawo tutuɖo.” Eye woŋutɔ wobe yewonye Hebritɔ ƒe nyagblɔɖilawo, abe alesi mawunyagblɔla hatsotsowo wɔna egbea ene

Geɖewo medi be yewoalɔ̃ axɔe o, gake abe gbaɖegbe ƒe Eliya ene la, Mawu ƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia, míaƒe pastɔa, nye xexeame katã ƒe pastɔ be wòakplɔ Eƒe Ŋugbetɔ la.

Enye Maleaxi 4:5, kple Nyaɖeɖefia 10:7. Enye Ŋɔŋlɔawo katã ƒe nuwuwu si Biblia gblɔ do ŋgɔ kuɖe eyama ŋu. Gbedeasi siae Wònye, Gbe sia, si nye Mawu ƒe Gbe si le Eƒe Ŋugbetɔ la yɔm. Enye Mawu ƒe ɖoɖo la le nɔnɔmetata ƒe nɔnɔme me na egbea.

Dzo Lilikpo ƒe nɔnɔme ma kee, to nuɖoanyi ma ke si wosi ami la dzie. Mawu ma ke si le numawo ke wɔm.

Azɔ Nya la zu ŋutilã hele anyinɔm le míadome le míaƒe ŋutilã me, Eƒe Ŋugbetɔ Nya la.

Mina míadoɣli sesiẽ na Eyama aɖada akpe na Eyama, akafu Eyama, asubɔ Eyama, ɖe nusiwo katã Wòwɔ la ta: be Eɖemí, ɖo mí ɖi, tso afia na mí.

Nusi wɔm Wòle na mí fifia tututu; le Ɖeɖefia ɖe Ɖeɖefia dzi nam mí, le amesiwo míenye gblɔm na mí. Kple nusiwo katã wɔge Wòala na mí… Ava eye wòalé mí abe Eƒe Ŋugbetɔ ene eye wòakɔ mí yiɖe míaƒe Tsɔme Ƒe si Wòtu na mí la me, be míanɔ kple Eyama yiɖe Mavɔmavɔme.

Nukakee míehĩa la, le ɣlidom sesiẽ na Eyama. Nusi dim Wòle be Yeƒe viwo nawɔ yema. Mido ɣli Nɛ sesiẽ sẽ ɖe esime míakpɔ kɔɖiɖi aɖaxɔ nusi míehĩa.

Va eye nàwɔ ɖeka kple Eƒe Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, eye míase Mawu ƒe pastɔ na xexeame, William Marrion Branham, wòagblɔ nusianu na mí kuɖe Dodo Etɔ̃lia 63-0630M ŋu.

Nɔvi Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ Siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la:

Mose II 3:1-12
Mose I Ta 37
Mose I Ta 43