23-0923 Eƒe Vava Ƒe Dzodzĩ Miamiamia La

Gbedasi: 63-0623E Eƒe Vava Ƒe Dzodzĩ Miamiamia La



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ Si Mevɔ̃a O,

TOKLÃ LO!! TOKLÃ SEE!! Dzodzĩ la le dzo sim miamiamia. Xɔmetsovɔ la ɖiɖi. Elebe míagblẽ nu sia nu ɖi, NUSIANU lo, alebe míadzra ɖo. Míele nuwuwu. Ɣeyiɣi si míenɔ lalam kpɔ tso gɔmedzedzea me ke la va ɖo. Nyagblɔɖi le mevam azɔ.

Mawu kɔ Eƒe hɔ̃ dɔtsɔla sesẽ la yi dzi le dziƒowo boo be wòakpɔ nu ƒe blaade gbɔ 1963 ta keke va egbe, Dasiamime 2023 me, be wòakpɔ nusiwo katã anɔ dzɔdzɔm le míaƒe ŋkeke me… Nɔnɔme si me xexeame anɔ, nyɔnu ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, hamea le eƒe nɔnɔme me, amewo ƒe tagbɔgbegblẽ; vɔ̃ɖitɔ, ŋkuagbãtɔ, amamanɔla, gbologã la le dziɖuɖu la ƒe alɔdzeawo katã me, gbegblẽ le dunyahehe me, ke ena mí toklã kuɖe nusi le dzɔdzɔ ge ŋu.

Azɔ míele ekpɔm be eɖe ɖe go le míaƒe ŋkuwo me tututu abe alesi wògblɔ na mí be adzɔ ene. Míawoe nye amesiwo kpɔ nusiawo katã ƒe mevava. Nusianu le gbesɔsɔ. Ezu ɖiƒoƒo ƒe go lolo gã aɖe.

Xexea katã le vɔvɔ̃ me.
Wonyae be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o. Ele nyanyram ɖe dzi gbe sia gbe. Vɔvɔ̃ le Anyigba katã dzi xɔm. Ganyawo ŋu tso, amewuwuwo ɖe susu aɖeke ta o, nyɔnuwo di be yewoazu ŋutsuwo, ŋutsuwo di be yewoazu nyɔnu. Wolɔ̃ xɔ nu ɖe sia ɖe kple nusianu. Nukae ate ŋu dzɔ le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me? Wonyae be ele abe dzo ƒe to ene; ele wowó ge le aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe me. Miele ekpɔm le woƒe mowo me, le woƒe nuwɔnawo me, MƆKPƆKPƆ AƉEKE O, VƆVƆ̃.

Hame siwo yɔa woɖokuiwo be Kristotɔwo gɔ hã le asikplam kɔ na amesiwo trɔ woƒe vidzinu be wonye yewoƒe pastɔwo, amewo ƒe gbɔgbɔme kplɔlawo. Eva nyrã wu Sodom kple Gomora gɔ hã. Satana kple eƒe fiaɖuƒe la le ɖekawɔm eye wozu ɖeka. Ewu eƒe taɖodzinu la ŋu.

GAKE ŊUTIKƆKƆE NA MAWU, le gbegblẽ sia kple vɔvɔ̃ sia katã me la, Fofo la lé MÍ ɖi, Eƒe amehatsotso tiatia la, Eƒe Ŋugbetɔ dzi lɔlɔ̃tɔ, dedienɔnɔtɔe ɖe Eƒe Asiwo me eye míele ɖeka wɔm le Gbɔgbɔme kple Eyama nusi medzɔ gbeɖe tsã kpɔ o. Esiae nye míaƒe agbewo me ƒe ɣeyiɣi gãtɔ kekeake. Edzeanyi. Enye ŋutikɔkɔe nu. Enye gbɔgbɔme nu. Ewu nya siwo míate ŋu ɖe gblɔ.

Míaƒe ŋutilã le Nya zum, ke Nya la le ŋutilã zum; woɖe ɖe go, woɖo kpe dzi. Nusi tututu Biblia gblɔ be adzɔ le ŋkeke sia me la, ele dzɔdzɔm, gbe sia gbe.

Nuwo le mevam hele dzɔdzɔm kabakaba alegbegbe wɔe be bebli hafi míete ŋu le eɖo kplɔm. Míete gogo míaƒe Aƒetɔ Yesu ƒe Vava alegbegbe; be míawɔ ɖeka kple Eyama, afisi Nya la zua Nya la le.

Kple nusiawo katã siwo le dzɔdzɔm le míaŋu la, míe KPƆ DZIDZƆ WU GBEƉE, dzɔdzi wu alo kpɔ kɔɖiɖi wu nenema kpɔ o. Míaƒe dziwo kple luʋɔwo le fiafiam gbagbo kple dzidzɔ manyagblɔ heyɔ fũ kple ŋutikɔkɔe. Amlima wònye.

Míele akɔfafa xɔm wu alesi menɔ kpɔ gbeɖe tsã o, esime míenyae be tso gɔmedzedzea me tututu la, woɖomí ɖi be míanye Mawu ƒe viŋutsu kple vinyɔnu.

MÍAWOE NYE Kristo ƒe Ŋugbetɔ zazãe, siwo wolétsi na le Kristo ƒe Ʋu la me. Mawu ƒe Vi xɔasi, zazãe nuvɔ̃manɔŋutɔ le tsitre kple Nya-Ŋugbetɔ tsimatɔe, dzadze la si Wòlétsi na kple Eŋutɔ Ƒe Ʋu ƒe Tsi. Woɖomí ɖi ɖe Fofo la ƒe akɔme do ŋgɔ na ɣeyiɣi la ƒe gɔmedzedze; tututu ko abe alesi wònɔ na Ehã ene…. ŊUTIKƆKƆE!! ALELUYA!

Míenye ema ɖeɖeko o, gake le madidi me kaba ŋutɔ la míeyina ɖe Srɔ̃ɖeɖe me le dziƒo, hedo amesiwo woɖoɖi ƒe srɔ̃ɖesigue. Enya MÍ…
mide ŋugble le ema ŋu ko, ENYA MÍ do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi, Eyata Wòdo srɔ̃ɖesigue na mí le AFIMA hede MÍAƑE ŊKƆ ALẼVI LA ƑE AGBEGBALẼ LA ME, wometsɔ ke mí ɖeɖeko o lo, gake WOTSO AFIA na mí.

Mɔ ɖeka koe li be nusiawo katã nasu asiwò, elebe nàva to Mɔ ɖeka si Mawu na la dzi. Gɔmedzedze Nya la, ZI PLAY.

Míede akpe alegbegbe be Ɖeɖefia sia le míasi. Emekɔ na mí ƒãa abe kristalo ene. Ŋutilã kple ʋu meɖe Esia fia mí o, negbe mía Fofo si le Dziƒo eye ɖeko nya aɖeke mele míaƒe nyagbɔgblɔ me be míaɖe gblɔe na Eyama alesi míelɔ̃na Eyama ɖe eta o….AMENUVEVE WƆ NUKU.

Naneke meli abe Mawu ƒe Gbe sese wòaƒo nu na wò tso nuɣi me yiɖe to me o. Dzidzɔ si yɔa míaƒe luʋɔ me. Nyabiabia ameɖokuise ɖeke meli o, nuŋutibubukpɔ aɖeke o, o, mɔkpɔkpɔ ŋutɔ gɔ hã o, MÍENYA BE, ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI WÒNYE. Miate ŋu aɖo kakaɖedzi 100% le teƒe bubu aɖeke o negbe le nyaƒoka dzi.

Medi be makpe mi be miava wɔ ɖeka kpli mí esime míase Mawu ƒe Gbe wòagblɔ nusianu na mí kuɖe ŋkeke si me míele agbe le me ŋu, esime Wòaƒo nu to Eƒe hɔ̃ nyagblɔɖila sesẽ la dzi aɖahe Gbedeasi: Eƒe Vava Ƒe Dzo Dzĩ Miamiamia Si Nye Ƒe Dzesi La 63-0623E vɛ na mí.

Míele ƒuƒoge le xexea katã le ŋdɔ ga 12 me Jeffersonville ƒe game. Ne màte ŋu awɔ ɖeka kpli mí, afikake nèle o, nukake wɔm nèle o la, Zi Play eye se Agbe Mavɔ ƒe Nyawo.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ doŋgɔ na Gbedeasi la sese:

Mateo kɔkɔe 5:28 / 22:20 / Ta 24lia
Timoteo II Ta 4 lia
Yuda 1:7
Mose I Ta 6lia