21-0718 Dodo Etɔ̃lia

Gbedasi: 63-0630m Dodo Etɔ̃lia


BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Mawu Viŋutsu kple Vinyɔnu Lɔlɔ̃awo Siwo Woɖe Ɖe Go,

Bebli hafi ame nate ŋu anya afisi wòadze egɔme le. Be míabu eŋu be míenɔ anyi ɖedu le Dziƒo yaƒoƒo me, tso xexeame katã, hele tsi nom tso Tsi Gbagbe ma me, hele Eƒe viŋutsu kple Vinyɔnu siwo woɖe ɖe go zum. Gbedeasi sia le gɔmesese deblibo nam mí, le míadam ɖe tsitrenɔƒe, hele amesi MÍENYE le Kristo Yesu me gblɔm na mí.

Nuka wɔm Gbedeasi Sia le?

“Elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, bena matsɔ ɖetugbi dzadzɛ atu tsitre na Kristo.”

Ŋutikɔkɔe, Mawu dɔ Eƒe dɔla kple gbedasitsɔla 7lia be wòado mía ŋugbe na Eyama abe ɖetugbui dzadzɛ ene. Woatsɔ nya ɖe sia ɖe si WÒGBLƆ LA adrɔ̃ʋɔnu mí. Ema gɔmee nye be edze be MIAZI PLAY.

Eŋlɔ Eƒe Biblia gbãtɔ ɖe dziŋgɔli me. Emegbe la Eŋlɔ Eƒe Biblia evelia ɖe kpe me. Eŋlɔ Eƒe Biblia etɔ̃lia ɖe agbalẽ dzi na xexe gã, tagbɔ zɔzrɔetɔ kple agbalẽnyala si ava la. Gake egbe, ɖeɖefia gã ƒe ŋkeke la, Eƒe Aɖaŋudɔwɔwɔ si nu wowu kple deblibo la su mía si, Mawu ƒe Gbe ŋutɔ si le Eƒe Ŋugbetɔ la yɔm doe, to Nyaƒokawo Dzi:

“Eye natsɔ mí ɖo Aƒetɔ Yesu Ŋku me ne Eva, abe wò subɔsubɔdɔ ƒe aboyonuwo ene.”

Eye míakatã míede ɣli kple gbe ɖeka be,

“Míenya nenema! Mílala kple kakaɖedzi.” Wobe, “Nakplɔ mí ɖe Eŋku me, eye emegbe mí katã míatrɔ yi anyigba dzi, be míanɔ agbe tegbetegbe.”
Amekae Kristo ƒe Ŋugbetɔ do ɣli sesiẽ hegblɔ be akplɔ mí fia Mawu? Mawu ƒe Nyagblɔɖila to EƑE SUBƆSUBƆDƆ dzie. Aleke miate ŋu adi be míaƒo nyaƒoka siawo le miaƒe hamea me mahã?

Gbedeasi Sia Koe, nyaƒokasiawo, ate ŋu he Hame la va ɖekawɔwɔ aɖe me kple Mawu alegbegbe, sẽ ɖe esime woaɖe Ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe ɖeɖeɖego fia le mía me. Aleke wɔ menyae be elebe magblɔ na mi be “minɔ anyi kple Nyaƒokawo,” megbugbɔ yi ɖe ɖoɖo la me be makpɔ nusi nyagblɔɖila gblɔ ye.

Mekpɔmɔ be gbɔgbɔme susu la nate ŋu lé. Mekaɖedzi be míewɔe. Gake mele ɖokuinye biam se, le egodo le afima. Alekekee hã, miate ŋu asrã dukɔ ɖe sia ɖe o. Miate ŋu aɖo nyaƒokawo ɖee. Mɔ aɖe anɔ Mawu si le egodo le afima be yealé susu ma le afisi woƒã nuku ma ɖo. Esɔ gbe. Ke zi alesi Kekelia nya ƒoe ko la, edzo, gbɔ Agbe. Abe nyɔnu sue si le vudo la to ene, egblɔ be,”Yee nye Esi.” Elé Esia.

Na míawo ya la, anyitsi wònye le agakpe me, dzidzɔ manyagblɔ ye, kakaɖedzi yayra la ye, luʋɔ ƒe seke ye, míaƒe mɔkpɔkpɔ kple ziɔɖeŋu ye, Dzidzimewo ƒe Agakpe ye, enye nusianu.

Míaƒe gbɔgbɔme susume kɔ keŋkeŋ. Míenya amesie Wònye tututu. Míenya nusi Wònye tututu. Míenya amesiwo míenye tututu. Míenya afisi yim míele tututu. Míenya amesi Dzie míexɔse eye míexɔ nyaƒoɖe amenu be nutete le Eyama si be wòalé nusi míede Eyama si sẽ ɖe ŋkeke ma dzi.

Ke ekema ne Mawu ɖe fia mí be míenye Eƒe teƒenɔlawo la, ŋusẽ siwo katã le Dziƒo, nusi katã Mawu nye la, Eƒe Dɔlawo katã kple Eƒe ŋusẽ katã le tsitre ɖe MÍAƑE NYAWO megbe. Ele be Mawu nade bubu Nya la ŋu, elabena Egblɔ, bena “Nusianu si nàbla le anyigba dzi la, Nye la mablae le Dziƒo. Nusianu si nàtu le anyigba dzi la, Nye la matui le Dziƒo. Eye matsɔ Fiaɖuƒe la ƒe safuiwo ana wò.”

Game su be míayi Aƒe. Dodo la tu aƒe. Mawu le amesi nye amesi fiam mí. Woaɖe Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la, do go, yi ɖe Anyigba si ƒe ŋugbe wodo la dzi.

Le Eƒe dodo gbãtɔ me la, Eɖewo do le kodzogbemenyigba dzi, yi ɖe kodzogbemenyigba dzi. Le dodo evelia me la, Eɖewo do go le gbɔgbɔme ƒe nɔnɔme me , yi ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nyɔnyrɔ me, azɔ ele mîaɖem do go le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nyɔnyrɔ̃ me yi ɖe Mavɔmavɔ la me, to Dzo Lilikpo ma ke dzi, to nuɖoanyi ma si wosi ami na ake dzi, Mawu ma ke si le numawo ke wɔm!

Yawo neƒo fãa. Ahomwo te ŋu tu fãa, míele dedie ɖaa. Míele dzudzɔm ɖe afima tututu ɖe Nya sia Nya dzi.

Va tu mí Kɔsiɖagbe le ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe ga me, aɖadudzɔ ɖe Nya sia Nya si Mawu gblɔ na míaƒe ŋkeke la dzi. Dzra ɖokuiwò ɖo na Eƒe vava si tu aƒe la aɖase: Dodo Etɔ̃lia 63-0630M.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ doŋgɔ na Gbedeasi la sese:

Mose II 3:1-12
Mose I, Ta 37
Mose I, Ta 43