23-1008 Ɖee Wò Agbe Dze Na Nyanyuie Laa?

Gbedasi: 63-0630E Ɖee Wò Agbe Dze Na Nyanyuie Laa?

PDF


BranhamTabernacle.org

Mawu Ƒe Nyagblɔɖila Ƒe Alẽha Lɔlɔ̃tɔ,

Mina míado gbeɖa.

Dziƒo Fofo, alegbegbe míeda akpe be míega ƒoƒu ɖe du zi ɖeka ake le xexea katã me le Mavɔmavɔnyenye ƒe akpa sia. Be míanɔ susu ɖeka me kple alɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi kpli Wò; be míase Wò Gbe wòaƒo nu na mí. Zi ɖeka ake la míele mɔkpɔm na ŋusẽ ƒe yeyewɔwɔ be wòava tso Gbɔwò, be nàna mí dzideƒo kple ŋusẽ hena mɔzɔzɔ si le ŋgɔgbe la.

Míele ƒuƒom ɖe du be míaxɔ Mana si nam wole mí. Gbɔgbɔme Mana ma si Wodzra ɖo ɖi be wòana mí ŋusẽ hena mɔzɔzɔ la. Eyae nye nu ƉEKA si ate ŋu lé mí ɖe te le ŋkeke siwo gbɔna me.

Ègblɔ na mí be, hafi Nàɖo Wò Hamea ɖoɖo me la, elebe Nàhemí va ɖe du, le teƒe ɖeka, kple tame ɖeka. Emegbe la Nàdɔ Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖe mí hena amekpɔkplɔ; menye haƒoƒuwo ƒe aɖaŋuɖeha o, menye amewo ƒe hatsotso o, gake Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe be wòaƒo nu na mí tso nume yi ɖe to me.

ȃo nu to Wò dɔla me hegblɔ na mí be:

“Medi be mianɔ anyi kple miaƒe pastɔ eye mianɔ anyi kple Nufiafia si fiam wole le afisia. Minɔ anyi kple Nya sia, migadzo le Egbɔ o! Minɔ anyi kple Nya la meka nusi vaa kple dzoa o, minɔ anyi kple Nya ma!”

Fofo, míele le wɔwɔm ɖe Wò Nya dzi hele anyinɔm kple míaƒe pastɔ la. Mawu ƒe Gbe na egbea ɖeɖekoe le Wò Nya dzadze si dzi wole kpeɖom kple si ɖe ɖe go na míaƒe ŋkeke la ɖem le gbɔgblɔm.

Ègblɔ na mí be abe alesi wònɔ le Sodom ƒe ŋkekewo me ene la, nenema ke wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe Vava me; bena nu evewoe le míakplɔ ge, eye xexeame ƒe susɔe aɖo nu eve. Woƒe nu evea woenye mawunyagblɔla eve.

Gake na Wò gbɔgbɔme Hamea, Wò ameɖoɖi, Ŋugbetɔ Aƒenɔ Tiatia la, míaƒe nu eveawo anye Wò, si woɖe ɖe go le amegbetɔ ŋutilã me, si le míakplɔm kple Dzo Lilikpo La.

Yawo neƒo sesiẽ fãa. Ahomwo netu fãa. Míele dedie, ɖaa. Míele dzudzɔm ɖe afima tututu le Wò Nya dzi. Game la va ɖo. Gbɔgbɔme ƒe dodo la ɖo. Míele zɔzɔm hele nuƒom kple Wò gbesiagbe, le Wò Gbe sem. Míele kadodo me kpli Wò eŋueŋu.

Míedi be míanye Wò Asiwo, Wò Ŋkuwo, Wò Aɖe. Wòenye weinti la, míenye Wò alɔdzeawo. Na mí ŋusẽ, Fofo, be míatse Wò ku. Míaƒe didi ɖeɖekoe yenye be míaɖo agbe aɖe si dze na Wò Nyanyuie la.

Ɖe Ɖokuiwò ɖe go to míame, Fofo, be míayi Wò dɔ la dzi aɖawu Wò ŋugbedodo Nya dzi. Míaƒe didi ɖeɖekoe yenye be míanye Wò gbedeasitsɔlawo na egbea, be míawu dzɔdzɔenyenyewo katã ŋu.

Míedi be míase Wò nàgblɔ na mí be:

Nye gbedodoɖa enye, na amesiwo le radio dzi alo esiwo le xɔa me…le nyaƒokawo ƒe nutowo me, kple amesiwo le teƒe sia. Amenuvevewo katã ƒe Mawu, si le Dziƒo, naklẽ Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe yayraa la ɖe mí katã mía dzi, ale gbegbe be, tso zã sia me dzi, heyina la, míate ŋu anɔ agbe si ŋu Mawu agblɔ le be, “Edze Ŋunye. Ge ɖe dzidzɔ Mavɔ si wodzra ɖo ɖi na wò tso xexeame ƒe gɔmeɖoanyi me ke la me.” Be Dziƒo Mawu la nadɔ Eƒe yayrawo ɖe mi amesiawo katã dzi.

ŊUTIKƆKƆE…míawoe nye ema Fofo, Wò Ŋugbetɔ la le Nyaƒoka Nyigba dzi. Vavã, Èle Wò yayrawo dɔm ɖe míadzi hele Wò Nya ɖem fia mí, le gbɔgblɔm na mí kple Gbedeasi ɖe sia ɖe si míesena be, edze ŋu Wò nyuie, MÍENYE WÒ ŊUGBETƆ.

Ne nèdi be yeaɖoto míaƒe pastɔ, Mawu ƒe pastɔ na xexeame amesi Wòdɔ ɖa be wòayɔ Eƒe Ŋugbetɔ do go aɖakplɔe la, va tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, be míase eyama wòagblɔ Agbe Mavɔ ƒe Nyawo, esime wòahe Gbedeasi vɛ na mí tso Mawu gbɔ: Ɖee Wò Agbe Dze Nyanyuie La? 63-0630E.

Nɔvi. Joseph Branham

Nyanyananu Tɔxɛ: Ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, míawɔ Kɔmuniɔn / Afɔkɔklɔ Ƒe Takpekpe Kɔsiɖagbe si gbɔna zã me, ɣleti ewolia ƒe ŋkeke 15lia.