23-1029 Gatɔ

Gbedasi: 63-0717 Gatɔ

PDF


BranhamTabernacle.org

Gaxɔmenɔtɔ Lɔlɔ̃tɔwo,

Agbe si nɔm miele fifia la aɖe agbe si mianɔ ɖe mienɔ agbe le Noa, alo Mose ƒe ŋkekewo me, elabena gbɔgbɔ ma kee xɔ mi do. Gbɔgbɔ ma ke si le miame fifia la nɔ amewo me le ɣeyiɣi ma me.

Ɖee mienɔ agbe le Noa ƒe ŋkekewo me la, ameka ƒe akpa dzi mianɔ le ɣeyiɣi ma mee? Ɖee miage ɖe tɔdziʋu la me kple Noa anɔ exɔm nɔ sesem be eyae nye amesi Mawu tia be wòatu aɖakaʋu la eye wòakplɔ amewo, loo ɖee miagblɔ be, “Nye hã mate ŋu atu aɖakaʋu. Nye hã menye tɔdziʋuƒetɔ nyuie kple tɔdziʋutula”?

Kae kuɖe ɖee mienɔ agbe le Mose ƒe ŋkekewo me ŋu? Ɖee mianɔ anyi kple Mose aɖaxɔe se be eyae nye amesi Mawu tia be wòakplɔ amewo, loo ɖee miadzo ayi kple Datan kple Kora esime wogblɔ bena “Míawo hã míele kɔkɔe, nane le míasi be míagblɔ. Mawu tia míawo hã.”?

Elebe míadometɔ ɖe sia ɖe natia, egbe sia, le ku kple agbe dome.
Nyemetsɔ ɖeke le me na akpa si dzi ebe yele o. Nusi wɔm nèle, gbe sia gbe la, ɖoa kpe nusi nènye la dzi. Míele Play Zim GBE SIA GBE.

Ɖee nèle Nya me gbe sia gbea? Ɖee nèle gbedom ɖa, le Aƒetɔ la ƒe Lɔlɔ̃nu deblibo dim le nu sia nu si nèwɔna mea? Ɖee nèle play zim hele Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe la sem gbe sia gbea? Ɖee nèxɔe se be ele vevie kutɔkutɔe be Woazi Play mahã? Ɖee nèxɔe se be Gbe ma si le nyaƒokawo dzi la nye Mawu ƒe Gbe na egbea?

Na míawo ya la, ŋuɖoɖo lae nye Ẽ. Míele egblɔm na xexeame be míenye Mawu ƒe Nya, Eƒe Gbedeasi la, Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkeke la ƒe Gaxɔmenɔtɔwo. Ẽ, míexɔ Play Zizi dzi se kple míaƒe dzi blibo. Ẽ, míexɔe se be woyɔ hame ƒe agbenɔɣi 7lia ƒe gbedeasitsɔla be wòakplɔ Ŋugbetɔ la. Ẽ, Gbe ma si le nyaƒokawo dzi la nye Gbe vevietɔ si wòle be woase.

Mawu ƒe Lɔlɔ̃ La, Eƒe Gbe, Gbedeasi sia tri akɔ alegbegbe, enye Ɖeɖefia tɔgbe aɖe na mí, si Gbɔ míate ŋu ate ɖa le o. Míezu Eƒe Gaxɔmenɔtɔ.

Míedzra nububu ɖe sia ɖe. Meka nusi ame aɖe le gbɔgblɔm o la, Wotsɔe de numega na mí. Nane kuɖe Eŋu wɔe be ɖeko míate ŋu te ɖa le Egbɔ o. Míaƒe agbewo ƒe dzidzɔ ye ma. Míate ŋu nɔ agbe Esia manɔmee o.

Dzi le míadzɔm alegbegbe, míede akpe alegbegbe, míele adegbe ƒom alegbegbe be míenye Aƒetɔ la kple Eƒe Gbedeasi la ƒe gaxɔmenɔtɔ; elabena ɖekae wole. Ewu agbe na mí. Gbesiagbe la eme le kɔkɔm na mí wu hele nu vavã zum na mí wu bena míenye Eƒe Ŋugbetɔ la. Míele Eƒe Lɔlɔ̃nu deblibo me. Míate ŋu aɖe Nya la agblɔ, elabena míenye Nya si zu ŋutilã.

Míetsa ka kple nububu aɖeke o negbe Kristo kple Eƒe Gbedeasi la na gaƒoƒo la; neganye mía fofo ŋutɔ hã, mía da, míanɔviŋutsu, míanɔvinyɔnu, míasrɔ̃ŋutsu, míasrɔ̃nyɔnu, ame ɖesiaɖe. Kristo ɖeka ko míetsa ka kple, eye Eya ɖeka ko. Míetsa ka kple Gbedeasi sia, Gbe sia eye míele Eƒe kɔkuti te, elabena enye Mawu ƒe Mɔ si wota na ŋkeke sia, KE MƆ BUBU AƉEKE MEGALI O.

Míeganye gaxɔmenɔtɔwo na míaŋutɔwo ƒe ameti ɖokuitɔdilawo, na míaŋutɔwo ƒe nugãwo didi o. Míetsɔ míaɖokuiwo na keŋkeŋ eye míele Eƒe kɔkuti te. Meka nusi xexeame ƒe susɔe le wɔwɔm o, wotsɔ lɔlɔ̃ ƒe kɔsɔkɔsɔwo de mí Eƒe kɔkuti kple Eƒe Gbe te.

Míele akpedam alegbegbe be míenye Gaxɔmenɔtɔwo. Gblɔe nam, Fofo, nusi wòle bena mawɔ gbesiagbe ƒe miniti ɖe sia ɖe ƒe aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe. Na Wò Gbe wòafia nu mí le nusianu si míewɔna, si míegblɔna, kple alesi míeɖena zɔ me. Míedi be míanya naneke o negbe Wò.

Va eye woade ga nume na wò kple Mawu ƒe Nya kpakple Eƒe Gbe Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase alesi míawɔ azu: Gaxɔmenɔtɔ 63-0717.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ

Filemon 1:1: Paulo Yesu Kristo ƒe gaxɔmenɔto, kple Timoteo míanɔviŋutsu, ɖo ɖe Filemon mía lɔlɔ̃tɔ kple hadɔwɔla.

Nyanyanana: Nɔviŋutsu Branham, míe LƆ̃NA alesi nèyɔna Filemon, EDEBLIBO na Ŋugbetɔ la.