23-1112 Mawu Meyɔna Ame Va Ʋɔnudɔdrɔ̃ Me Le Toklãnana Eyama Manɔmee Gbã O

Gbedasi: 63-0724 Mawu Meyɔna Ame Va Ʋɔnudɔdrɔ̃ Me Le Toklãnana Eyama Manɔmee Gbã O


BranhamTabernacle.org

Gaƒoɖokui Tometi sue, Tometi gã, Agbledela & Nyɔnu Aƒedzikpɔla Lɔlɔ̃tɔwo,

Nukake ye wònye si le Mawu si na mi be miawɔ la, dzikpɔkpɔ le miasi ɖe ema dzi. Elebe miana akɔŋta Mawu ɖe eta. Meka alesi futɔ la le gbɔgblɔm na mi be mieɖi naneke o la, miele vevie na Mawu alegbegbe be Eƒe wɔti gã la mate ŋu wɔ dɔ miawo manɔmee o.

Eyɔ mi, tia mi, ɖo mi ɖi, eye wòna mi Eƒe nuwuɣi ƒe Gbedeasi gã la ƒe ɖeɖefia. Eɖo ŋu ɖe miaŋu 100%. Miawoe nye Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ ŋutɔŋutɔ, Eƒe Dzi lɔlɔ̃tɔ, eye Wòlɔ̃na mi ŋutɔ.

Enana toklã madzudzɔmadzudzɔe amewo le dukɔwo katã me be, “Mitrɔ dzi me, alo miatsrɔ̃”, “Mitrɔ gbɔ va Nya la gbɔ”, “Midzraɖo, nane le dzɔdzɔ ge.” Ɣeyiɣi ma va ɖo mlɔeba. Mawu gbɔna na Eƒe Ŋugbetɔ la, tututu ko abe alesi Wòdo ŋugbe be yeawɔe ene. Eyɔ Eƒe Ʋufɔti la do go le ʋufɔti la me.

Geɖewo tra mɔ le Mawu ƒe nuwuɣi ƒe Gbedeasi gã la gbɔ egbea, le gbɔgblɔm be, “nusi wògblɔ be adzɔ la, meva me o. Nuwo katã le nenema ke. Dzidzimewoe va yi hafi Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe nyagblɔɖi geɖewo va me. Gake evame tso, tututu abe alesi wogblɔe ene. Nya ɖe Nya dzi.

Eƒe Biblia gblɔ na mí be: Abe alesi wònɔ le Noa ƒe ŋkekewo me ene la, nenema ke wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava me”. Hafi Mawu nadɔ eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖa be yeatsrɔ̃ xexeame le tsiɖɔɖɔ ƒe agbenɔɣi gã ma me la, Mawu dɔ nyagblɔɖila aɖe ɖo xexeame. Nukae nyagblɔɖila ma wɔ?

Edzra amewo ɖi na ɣeyiɣi la. Noa dzra amewo ɖi, ke enye nublanuikpɔkpɔ ƒe yɔyɔ do ŋgɔ na ʋɔŋudɔdrɔ̃ la.

Noa dzra amewo ɖi hafi ʋɔŋudɔdrɔ̃ la va enawo toklã kuɖe eŋu. Enye Mawu ƒe Mɔ si wòta na ŋkeke ma.

Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ na mí be Mawu metrɔna Eƒe ɖoɖo gbeɖe o. Nusi Wòwɔ le ɣeyiɣi ma me la, Egale ewɔm egbea. Ɖeko míele ANYI NƆ GE KPLE ƉOƉO SI MAWU NA EGBEA EYE MÍAZI PLAY.

Abe ɣeyiɣi ma me ene la, amewo gblɔna be míetena gbe ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖila dzi akpa; Gbɔgbɔ Kɔkɔe Wònye, menye William Branham ye o. Míegblɔna be, AMEN, menye amegbetɔ ƒe nyae sem míele o, nusi EYA GBLƆ ko sem míele.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae nye Nyagblɔɖila na gaƒoƒo sia; Ele kpe ɖom Eƒe Nya dzi, hele Eɖem fia. Gbɔgbɔ Kɔkɔe nye Nyagblɔɖila le Mose ŋɔli. Gbɔgbɔ Kɔkɔe nye Nyagblɔɖila le Mixa ŋɔli. Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si ŋlɔ Nya la, va heɖo kpe Nya la dzi.

Gake Nɔviŋutsu Branham gblɔ na mi kɔsiɖa si va yia me pɛ be;

Azɔ, mikpɔea, mikpɔ nyuie kokoko na nusi sem miele la. Mikpɔea? Geɖewo le eme akpa wɔe bena amegbetɔ ƒe akpa ko wònye

Nyemegblɔe bena Aƒetɔ la gblɔ ema nam o. “Me” xɔese, mikpɔea. Eye mexɔese be mele be woawɔe o.

Na nye kple nye aƒe ya, matsɔ nusi Mawu ƒe dɔtsɔla kple gbedeasitsɔla adrelia XƆNASE, SUSUNA ALO GƆ HÃ SENA LE EƉOKUI ME le mawunyagblɔla, bishof alo ame bubu ɖe sia ɖe ta me.

Amekae Mawu dɔ kpɔ be wòadrɔ̃ ʋɔŋu nusi Yeƒe nyagblɔɖila xɔase, sena le eɖokui me alo susuna gɔ hã be wogbɔɖe me alo womegbɔ ɖe eme o hã?…Mina magblɔ amesi mesusu be eyae la na mi.

Mikpɔ Kora, le ŋkeke siwo me Mawu dɔ Mose kple gbedeasi ɖa la ɖa, ke Kora kple Datan bu susu, va Mose gbɔ, hegblɔ be, “Azɔ, lala vie, ele gbe tém ɖe ɖokuiwò dzi akpa! Èsusui be wòenye kpe ɖeka si le aƒua ta; kpakpaxe si le ba me, woénye ɖeka si li. Mana nànyae be ame bubuwo li siwo hã le, kɔkɔe!”

Toklãnana, ʋɔŋudɔdrɔ̃ tu aƒe. Mitrɔ gbɔ va GƆMEDZEDZE NYA la gbɔ. Mitrɔ gbɔ va Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkeke kpɔ. Mitrɔ gbɔ va Mawu ƒe nyagblɔɖila gbɔ. Gbedeasi sia, Eƒe Gbe. Elebe Wòanye GBÃTƆ kple nu vevietɔ la na mi.

Ɖikeke aɖeke meli be gbe, kple yɔyɔ le bubuwo si, be woaɖe gbeƒã aɖafia Gbedeasi sia o. Gake Nyaƒokawo, Gbe ma, elebe wòanye Gbe vevietɔ si miate ŋu se le miaƒe aƒewo me, miaƒe ʋuwo me, eye vevietɔ la, le miaƒe hamea me, ne miedi be mianye Mawu ƒe Ŋugbetɔ.

Miva se Gbe ma kpli mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, le Jeffersonville ƒe game, esime Mawu ƒe nyagblɔɖila anɔ toklã nam xexeame bena Aƒetɔ la ƒe vava tu aƒe. Esia ate ŋu anye zi mamletɔ la.

Nɔvi. Joseph Branham

Mawu Meyɔna Ame Va Ʋɔnudɔdrɔ̃ Me Le Toklãnana Eyama Manɔmee Gbã O.
63-0724

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Yesaya 38:1-5
Amos Ta 1