Amesiame neɖu eƒe asibidɛ, mide fe miaƒe luʋɔ, ne miaho miaƒe dzi le dɔme. Egbea la Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la le ɣli dom be:
Egbe sia, wowu nyagblɔɖi sia ŋu le míaƒe ŋkuwo me.
Mexɔe se be, le ŋutikɔkɔe ŋkeke siawo dometɔ ɖeka me, esime hamewo ƒe ƒuƒoƒo ƒe habɔbɔ sia aƒoƒu, eye papa yeyea ado tso Amerika Dukɔ Ƒoƒuawo me eye woaɖoe ɖe afima le nyagblɔɖi la ŋu la, ekema woawɔ nɔnɔme na lã la.
Mawu ƒe nyagblɔɖila ƒe Gbe Ɖee gblɔ le Dzome ƒe ŋkeke 19lia, ƒe 1954 me, eye le ɣleti 9 megbe la, wodzi, Robert Prevost, si míenya fifia abe Papa Leo XIV lia ene. “Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi” la va eme.
Le Dame ƒe ŋkeke 7lia, ƒe 1946 me la, MAWU da Eƒe nyagblɔɖila ɖe ɖoƒe le Green’s Mill, Indiana, be yeatsɔ eƒe dɔdeasi nɛ eye yeaɖe gbeƒã na xexeame be, Nye dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia ŋusẽtɔ la, Nye Gbe na xexeame yenye esi. Miɖo To Eyama.
Esime Aƒetɔ la ƒe Dɔla dogom le egodo le afima le Green’s Mill, Indiana, ƒe enyi woenye esi, le esime wònɔ nye ɖo kplɔm, tso ɖevime ke, nɔ ŋutegawo fiam, esime meyi ɖe Egbɔ la, Egblɔ be, Egblɔ be, “Ne nàɖo mo vevie, ana amewo naxɔ dziwò se la, naneke manɔ te ɖe gbedodoɖa ŋgɔ o.”
William Marrion Branham nye Gbe si Mawu tia na xexeame. Nyagblɔɖila ŋusẽtɔ aɖe si gbɔ Mawu ƒe Nya la vana. Le Nya la ŋu la, eyae nye Mawu ƒe Nya ƒe Mawume gɔmeɖela ƉEKA si li.
Mawu Ŋutɔ ɖo kpe eyama Dzi, kple Dzo Lilikpo la.
Dame ƒe ŋkeke 7lia, ƒe 2025 me la, SATANA na ɖoƒe eƒe Kardinalwo ƒe Takpekpe le Sistine Sɔlemexɔ me le Roma be woatia woaƒe Kristo Teƒenɔla, be woawu Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi ŋu.
Amegbetɔ ɖo kpe eyama dzi kple DUDZƆ ƔI SI KAKA.
Kristo ƒe Ŋugbetɔ la le xexeame godoo le dzidzɔ kpɔm, le ɣli dom, aƒadom hele Aƒetɔ la kafum esime míele nyagblɔɖila ƒe nyagblɔɖi sem, hele ekpɔm kple míaŋutɔ ƒe ŋkuwo, wòle eme vam.
Ele abe ɖee míele Ƒu Dzĩ la kpɔm le ʋuʋu ɖi le míaƒe ŋkuwo me ene. Mana Yeye le gegem tso dziƒo. Tegli miliɔ̃wo le Ŋugbetɔ la nyim. Tsi le dodom tso Agakpe la me. Dzo le ɖiɖim le vɔ̃sa la bim kple Eliya.
Nyagblɔɖi le emevam gbesiagbe. Mawu ƒe Nya si ƒe ŋugbe wodo la le ɖeɖem ɖe go le míaƒe agbewo me. Nuwo le dzɔdzɔm ƒo xlã. Ŋugbetɔ la dzra Eɖokui ɖi vɔ xoxo to Nya la sese kple edzixɔse me. Míawoe nye Nya si zu ŋutilã.
Nyateƒee, míeva ɖo. Ɣeyiɣi la tu aƒe. Ŋugbetɔ la le dzidzɔ kpɔm hele ɖeka wɔm ɖe du le xexeame godoo abe alesi medzɔ kpɔ o. Nyagblɔɖila la le kakaɖedzi nam Ŋugbetɔa to gbɔgblɔ na mí me be míenye Mawu ƒe fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ tɔxɛ aɖe si woyɔ, wotia, wotsɔ, eye woɖe ɖe aga.
AZƆ MÍENYE Mawu ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo, siwo Mawu ƒe Gbɔgbɔ le kpɔkplɔm; Menye amegbetɔe o, ke boŋ Gbɔgbɔ lae. Míenya, ɖikeke ƒe vɔvɔli ɖeka manɔmee be, míenye Eƒe Ŋugbetɔ. Míaƒe xɔse le kɔkɔƒe yeyewo ɖom gbesiagbe. Tetɔtɔ mí alo hehe mí ɖe megbe aɖeke meli o, Mawu Ɖee fia hekui seke ɖe míaƒe dzi kple luʋɔ me.
Ŋugbetɔ la de dzesi amesiwo míenye la bliboe. Míele míaƒe gbɔgbɔme Ŋugbedodonyigba dzi, le nusianu si le mía si la me keŋkeŋ. Dziƒo ŋutifafa, Dziƒo yayrawo, Dziƒo Gbɔgbɔ le mía si. NUSIANU NYE MÍATƆ. Ðeko míele dzadzram ɖo ɖe nusi le Esi na mí le emegbe ŋu.
Aƒetɔ la ƒe kpẽ la aɖi, eye ame kukuwo le Kristo me la, woafɔ gbã. Dziƒoŋutilã siawo aɖiɖi ava anyigba eye woado anyigbatɔawo, ŋutikɔkɔe ƒe ŋutilãwo eye woatrɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe me, le aɖabaƒoƒo ɖeka me. Woakɔ mí adzoe ɖe du kpli wo, be míado go Aƒetɔ la le yame.
Ŋkeke kae nye nye si. Ɣeyiɣi kae nye si. Mɔ aɖeke meli si dzi mato agblɔ nusi mí katã míele sesem le mía ɖokui me le míaƒe luʋɔwo me. Míaƒe dziwo le du dzi. Míele ewɔm be wòadzɔ o, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le abe tometsi vudo aɖe si le fiafiam le mía me ene. Ŋugbetɔ la nɔ ɣeyiɣi sia lalam tso Adam ƒe ŋkekeawo me…eye MÍELE AFISIA AZƆ.
Míele dza dom na mi. Míele miakpem. Míele kokoƒom na mi. Mivawɔ ɖeka kpli mí hena ɣeyiɣi wɔnukutɔ kekeake si xexeame nya gɔ̃ hã, esi míase Mawu ƒe Gbe wòaɖe Eƒe Nya la fia mí Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: 60-0518 Vixɔxɔ #2.
Nɔvi. Joseph Branham
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ doŋgɔ na Gbedeasi Mose I, 1:26 Efesotɔwo ƒe ta gbãtɔ Romatɔwo 8:19 Galatiatɔwo 1:6-9 Hebritɔwo ƒe Ta Adelia Yohanes 1:17
Azɔ míele Mawu ƒe nu sesẽwo ɖum eye Eƒe Nya la ƒe gɔmesese nyuietɔ le míasi. Mawu tsɔ Eƒe Nya ƒe Ɖeɖefia vavãtɔ na mí. Míaƒe gbɔgbɔmesusu metɔtɔ o.
MÍENYA amesi tututu Wònye. MÍENYA nusi tututu Wònye. MÍENYA afisi tututu míeyina. MÍENYA amesi tututu míenye. MÍENYA Amesi dzi míexɔ se eye woƒoe ɖe míanu be Ate ŋu lé nusi míetsɔ ɖo Esi la ɖe ŋkekea ŋu.
Eƒo nu eye wòɖe nya ɣaɣla siwo katã woɣla tso esime woɖo xexeame gɔme anyi na mí la ɖe go. Egblɔ alesi ame bubuwo gbea Eƒe mɔ si wona ɣesiaɣi hedia kplɔla bubu aɖe la na mí, gake hatsotso sue aɖe anɔ esi si anye nuteƒewɔla anɔ anyi kple Eƒe Nya la.
Xexeame godoo, womaƒo ƒu wo ɖe teƒe ɖeka bene woawɔ nuwo hamenue o. Gake woƒe hatsotso suesuewo akaka ɖe anyigba katã dzi.
Ŋutikɔkɔe, míekaka ɖe anyigba katã dzi, gake míewɔ Ɖeka abe ame Ɖeka ene to Play Zizi kple Mawu ƒe Gbe si le nuƒom na mí sese me.
Mina míafi nusi Wòagblɔ na mí to eƒe dɔla ŋusẽtɔ la dzi le Kwasiɖagbe kpɔ aɖaɖɔese.
Nye lɔlɔ̃tɔ Tiatiawo, mienɔ anyi ɖe du le Dziƒo nutowo me fifia. Menye le egodo le afi sia afi ko o, ke boŋ le “Dziƒo” nutowo me; Enye miaƒe ɖoƒe abe xɔsetɔ ene. Miedo gbe ɖa ʋu hele gbesɔsɔ na Gbedeasi la. Mieƒo mia ɖokuiwo nu ƒu abe ame kɔkɔewo ene, wotsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nyrɔ̃ mí, míeyɔ fũ kple Mawu ƒe yayrawo. Woyɔ mi, wotia mi, eye wotsɔ miaƒe gbɔgbɔ geɖe Dziƒo ƒe ayaƒoƒo me.
Nukae ate ŋu dzɔ. Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la anɔ agbasam le dzi ɖesiaɖe dzi. Wogbugbɔmi dzi eye miezu nuwɔwɔ yeye le Kristo Yesu me. Miaƒe nuvɔ̃wo katã le Ʋu la te. Miele subɔsubɔ deblibo me, kple miaƒe asiwo kple dziwo le dzi ɖo Ɖem, le Nye subɔm ɖe du le Dziƒo Nutowo me.
Woɖo mi Ɖi, Wotia mi, le Nye Nunyadaɖi me. Wotia mi, Wokɔ mia ŋu, Wotso afia na mi to ɖoɖoɖi me. Manya wɔ be woaflu mi o. Meɖo mi ɖi doŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi ke. Mawu suewo mienye, wotre mia nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋugbedodo; Menye ɖeko wodzi mi ɖe ƒomea me o, Vinyeŋutsuwo kple Vinyenyɔnuwo siwo mexɔ vi.
Dzi ɖesiaɖe ayɔ fũ kple Nye Gbɔgbɔ. Miazɔ ɖe du, anɔ anyi ɖe du, le Dziƒo nutowo me. Tamesusu vɔ̃ɖi ɖeka pɛ hã mele mia dome o, sigareti ɖeka pɛ hã womeyɔ o, awu kpui ɖeka pɛ hã o, menye esia ɖeka, ema alo bubu o, susu vɔ̃ɖi ɖeka pɛ hã o, ame aɖeke meɖo naneke ɖe wo nɔewo ŋu o, amesiame si le nu ƒom le lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ me, amesiame kple gbe le du le teƒe ɖeka.
Ekema kasia, gbeɖiɖi aɖe aɖi tso Dziƒo abe ya sesẽ aɖe ene eye Matsɔ gbɔgbɔme yayrawo katã ayra wò. Ekema mianɔ abe Dawid ene, anɔ ɣe ɖum le Aɖaka la ŋgɔ, anɔ gbɔgblɔm na xexeame be ŋu mele miakpem o, MIENYE NYE NYAƑOKA ŊUGBETƆ! Miezia play dzi eye miexɔa NYA ƉESIAƉE si megblɔna dzi sena. Wome, eye womate ŋu aʋã mi o!
Ame bubuwo ate ŋu agbee, alo womase egɔme o, gake na miawo ya la, miaƒe bubu ƒe akɔtagbalẽvi ye. Abe alesi Dawid gblɔe na srɔ̃a ene be; “Èsusu be esia nye nane lo, lala vaseɖe etsɔ ko, míanɔ to ɖom nyaƒoka geɖe wu gɔ̃ hã, anɔ Aƒetɔ la kafum, esime míayɔ fũ kple Eƒe Gbɔgbɔ; elabena míele Kanaan, yina ɖe ŋugbedodonyigba la dzi.”
Ekema makpɔ anyi me tso Dziƒo agblɔ na mi be:
“Mienye Ŋugbetɔ le Nye ŋutɔ Nye dzi ŋu.”
Yayra siawo ate ŋu anye wòhã tɔwò. Va, wɔ ɖeka kpli mí le Kwasiɖagbe sia le ɣetrɔ ga 12, Jeffersonville ƒe Game, eye nàkpɔ Aƒetɔ la ƒe amegbɔnɔnɔ si tɔgbe mèkpɔ kpɔ o esi míase Mawu ƒe Gbe na egbe wòaƒo nu na mí eye wòatsɔ Gbedeasi la vɛ na mí: Vixɔxɔ#1 60-0515E.
Miɖo ŋku dzi be, esia yi na hame la, menye na egodotɔ o. Enye nyaɣaɣla si nye adzototo nɛ, mete ŋu se egɔme kpɔ o, enye nusi kɔkɔ gbɔ eta, meganya naneke kura koŋ kuɖe eŋuti o. Gake, na hamea ya la, anyitsi wònye le agakpe me, dzidzɔ manyagblɔ ye, kakaɖedzi yayra la ye, luʋɔ ƒe seke ye, míaƒe mɔkpɔkpɔ kple ziɔɖeŋu ye, Dzidzimewo ƒe Agakpe ye, oo, enye nusianu si nyo la. Elabena dziƒowo kple anyigba nu ava yi, gake Mawu ƒe Nya la nu mayi akpɔ o.
Nɔvi. Joseph Branham
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ hafi Gbedeasia nadze egɔme: Yoel 2:28. Efesotɔwo 1:1-5. Korintotɔwo I 12:13 Petro I 1:20 . Nyaɖeɖefia 17:8. Nyaɖeɖefia 13
Nye lɔlɔ̃tɔwo vinye malɔ̃nugbɔwo to Nyanyui me, vi siwo medzi na Mawu,
Kwasiɖanuwuwu wɔnuku kae nye si me míeto kple míaƒe Aƒetɔ la. Ðeko naneke mede eŋu o, ɣeyiɣi me toto kple Eyama, nuƒoƒo na Eyama, Eƒe Gbe sese, Eyama subɔsubɔ, akpe dada na Eyama, kple gbɔgblɔ na Eyama alesi gbegbe míelɔ̃a Eyama.
Bubu ka gbegbee nye si wònye be woanɔ agbe le ŋkeke sia me eye woanye Ŋɔŋlɔa ƒe akpa aɖe si ŋu wum wole. Aleke ame si ŋu ku le ƒe nyawo ate ŋu aɖe nusiwo katã le míaƒe dzi me afia? Abe alesi Nyagblɔɖila la gblɔe ene la, menye nyee o, Nane koe le ememe goglo, si le tutum hele fiafiam le menye; Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe tometsi vudo. Enye Ŋugbetɔa si le Eɖokui dzram ɖo na Ŋugbetɔsrɔ̃ la.
Aleke gbegbe ŋugbetɔ aɖe dzrana ɖo dzidzɔtɔe do ŋgɔ na eƒe srɔ̃ɖeɖe. Eƒe dzi dzea ƒoƒo kabakaba gɔme ale gbegbe ne aɖabaƒoƒo mamlɛawo va le yiyim….enya be ɣeyiɣia va ɖo mlɔeba. “Medzra ɖokuinye ɖo. Egbɔna ɖe tanye. Míanye ƉEKA azɔ.”
Míele agbe le nuwuɣi ƒe ɣeyiɣi mlɔetɔwo me vavã. Madidi o woakɔ Ŋugbetɔa dzoe eye woayɔe ayi míaƒe srɔ̃ɖemɔzɔzɔ ƒe Nuɖuɖu la me. Ele mía kplɔm yi kɔkɔƒe yeyewo. Biabia aɖeke megali o; Nyabiabia ameɖokui megali o; MÍAWOE NYE ŊUGBETƆ LA.
Eye Mekpɔ wu enu haɖe o. Egadi kokoko be yeayra eye yeade dzi ƒo na Yeƒe Ŋugbetɔ tiatia lɔlɔ̃a. Alesi Wòlɔ̃a dzidedeƒo na Eyama eye Wògblɔa alesi gbegbe Wòlɔ̃a Eyama Nɛ. Aleke gbegbe Wònye aglotunu Nɛ.
Ɖeɖefia tɔxɛ bubu aɖe gale esi wòatsɔ Anae. Esime gbe geɖe alegbegbe le xexeame siwo le ŋugbem nyaƒokawo ƒoƒo gbɔ la, Egadi zi ɖeka ake be yeana kakaɖedzi Ŋugbetɔa be wole Yeƒe Lɔlɔ̃nu deblibo kple Yeƒe Mɔ si wota la me.
Wogbea eƒe ɖoɖo kokoko. Wotia eƒe Nugbetɔa yome kokoko. Amewo dina kokoko be yewoƒe susu nanɔ yewo si, yewoƒe susu. Wodi be kplɔla bubu aɖe nakplɔ yewo. Ke Mawu dɔ kplɔla ƉEKA be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ, Eyaŋutɔ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, ke egbe sia ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la abe alesi wòle LE ŊKEKE BUBUWO KATÃ ME ENE LA, NYE MAWU ƑE NYAGBLƆƉILA.
Wodi kokoko be amewo nakplɔ yewo. Le Samuel ƒe ŋkekea me la, Mawu gblɔ be wole ŋu gbem le Yegbɔ le esime womedi be Samuel nakplɔ yewo o ta. Edze nu saga le esime Samuel hã nye ame ta, gake vovototoae nye be Samuel nye ame si Mawu tia be wòakplɔ wo. Menye Samuel ye o, ke Mawu ye nɔ Samuel zãm. EYAE NYE MAWU ƑE GBE KPLE AMEGBETƆ SI wòtia be WÒAKPLƆ WO, gake wodi gbe bubuwo.
Saul nya be amewo vɔ̃ Samuel, eyata ele nɛ be wòaɖe gbeƒã be, “Saul KPLE Samuel”. Ele nɛ be wòado vɔvɔ̃ na amewo ale be woadze eyome. Nyateƒee, woyɔe. Nyateƒee, Samuel si ami nɛ be wòanye woƒe fia, gake Mɔ si Mawu ta la GAKPƆTƆ le Mawu si, kple nyagblɔɖila si Wòtia be wòakplɔ wo, be wòakplɔ Saul gɔ̃ hã. Mawu ƒo nu na Eƒe Nyagblɔɖila eye wògblɔ na Saul nusi wòle be wòawɔ. Esi Saul tso nya me be woasi ami na ye hã, eye medi be yeaɖo to Nyagblɔɖila ɖeɖeko o la, Mawu ɖe eƒe fiaɖuƒea ɖa.
Ale la esime wowɔ nenema, le esime wokpɔ dziɖuɖu gã ma la, tete Saul fli nyi dami eve heɖoe ɖe dukɔ la katã me. Eye adzrom be miade dzesi afisia, esime Saul ɖo nyi lãkɔ ɖe Israel katã, hegblɔ bena, “Amesiame si madze Samuel kple Saul yome o la, nenɔ nɛ, abe nyi sia, abe esia ene.” Ɖe mikpɔ alesi wotsɔ beble yɔ eɖokui te ɖe Mawu ƒe ame la ŋua? Alesi—alesie wònye nu madzekristotɔa! Vɔvɔ̃ si nɔ dukɔ la me la Samuel tae. Gake Saul na be wo katã wodze eyome elabena dukɔ la vɔ̃ Samuel. “Mina woadze Samuel kple Saul yome.”
Gbeɖeka Saul tsaka ale gbegbe. Mete ŋu xɔ ŋuɖoɖo aɖe tso Mawu gbɔ o. Mete ŋu kpɔ akɔfafa o. Edi ŋuɖoɖowo. Enya afisi wòle be wòayi aɖakpɔ ŋuɖoɖo si wòdi; Teƒe ɖeka koe nɔ anyi, MAWU ƑE NYAGBLƆƉILA, SAMUEL. Eku, gake egakpɔtɔ nye MAWU ƑE GBE, LE PARADISO GƆ̃ HÃ ME.
Papa di be Yeƒe Ŋugbetɔa nanya amesi Wòtia be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ le ŋkeke mamlɛ sia me, eyata Etsɔ Eƒe dɔla ŋusẽtɔ la yi ɣeyiɣi ƒe xɔmetsovɔ la godo be yeagagblɔ na mí ake, afa akɔ na mí, eye wòade dzi ƒo na mí be míele Yeƒe Lɔlɔ̃nu blibo kple si wona me.
Miɖo to nusiwo KATÃ nyagblɔɖi le gbɔgblɔm nyuie.
Azɔ, nyemadi be míagbugbɔ gblɔ esia o. Esia la nye hamea ƒe ŋku mee, alo alẽha si kplɔm mele la.
Hafi wòagblɔ nane na mí la, edi gbã be míanya be esia nye MÍAWO KO tɔ, EƑE HAME, EƑE ALẼWO, ESIWO WÒLE KPƆKPLƆM. Ale, ne màte ŋu agblɔ be, “Nɔviŋutsu Branham nye NYE pastɔ,” o la megblɔe tsã, gake ɖeko mehiã be maxlẽ yi ŋgɔ o, esia menye tɔwò o, hekpe ɖe eŋu la, medi be míagbugbɔe agblɔ na ame aɖeke gɔ̃ hã o negbe na amesi xɔe se hegblɔa be, “Nɔviŋutsu Branham nye nye pastɔ”.
Míaƒe ŋuɖoɖo na biabia si ta míexɔa ɖeklemi geɖe ale gbegbe le esi míegblɔna be: “Nɔviŋutsu Branham nye míaƒe pastɔ” lae ma tututu. (Nyaƒokatɔ mawoe ma.) Wole eteƒe, ele nenema, míawo hã míele nenema.
Taflatse migado dziku ɖe ŋunye o lo, nyemele nya siawo gblɔm be mado dziku na ame aɖeke o, ema anye nusi gblẽ, gake nusi Wòle gbɔgblɔm na Ŋugbetɔ lae ma. Nyemele nye gɔmeɖeɖe dem eme o, Ele egblɔm eme kɔ…Mawu ƒe Nya la mehiã gɔmeɖeɖe aɖeke o.
Eɖanye, ŋutilã sia mee o alo egodoe o la, ɖe woɖakɔe yii o la, nusia mesɔ kple ŋutega siwo mekpɔ vaseɖe fifia ƒe ɖeke o.
Azɔ ele gbɔgblɔm na mí be esia mele abe ŋutega ɖesiaɖe si wòkpɔ kpɔ ene o. Eyi teƒe aɖe si meyi kpɔ o. ELOLO wu ŋutega ɖesiaɖe si wòkpɔ kpɔ gɔ̃ hã. Menye drɔ̃ee kum wònɔ o, ekpɔ eƒe ŋutilã le aba dzi; ENƆ AFIMA.
Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la, esia ne geɖe me nyuie ŋutɔ. Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ si le akpa kemɛ, le fifi ƒe ɣeyiɣi me, si va egbɔ le du dzi, le ɣli dom hele elém, tsɔ abɔwo kplae hele gbɔgblɔm be, “Oo, mía nɔviŋutsu xɔasi !”
Enɔ afima; ete ŋu se le eɖokui me; Ete ŋu se wo ŋkɔ. Wonɔ nu ƒom nɛ. Etɔ, eye wòkpɔ nu, enye sɔhɛ. Etrɔ kpɔ eƒe ŋutilã tsitsia mlɔ afima eye wòtsɔ eƒe asiwo ɖo ta megbe.
Azɔ míeɖoe anyi be EYI ƉE AFIMA, eye Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ YE kpɔm wònɔ. Azɔ mina míase nusi gbe aɖe nɔ gbɔgblɔm nɛ tso dzi.
Tete, Gbe ma si nɔ nu ƒom, le nye tame la, gblɔ bena, “Ènyaa, woŋlɔ̃ ɖi le Biblia me bena nyagblɔɖilawo ƒoaƒu kple wotɔwo.”
Menye ɖeko Mawu nɔ eƒe Nyagblɔɖila la ɖem fia hele dzi dem ƒo nɛ ko o, ke nu geɖe gali hã. Atrɔ ava agblɔ afisi míeyina kple alesi wòanɔ la na mí o, ke boŋ be wòagblɔ na mí be míele Yeƒe Lɔlɔ̃nu deblibo me to Play Zizi me eye aleae mieɖoa afisi Ŋugbetɔa le.
Nɔviŋutsu Branham gblɔ be yedi be yeakpɔ Yesu vevie. Gake wogblɔ nɛ be:
“Fifia la, Ele kɔkɔƒe wu esia vie, le dzi afima tututu.” Ebe, “Gbeɖeka la Ava gbɔwò.”
Eyi dzi gblɔ AMESI WÒNYE NƐ.
“Wodɔ wò ɖa, be nanye kplɔla. Eye Mawu ava. Eye ne Eva la, Adrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe nusi nèfia wo la nu, gbã, ne woage ɖe eme loo alo womage ɖe me o. Míage ɖe eme tsã le wò nufiafia la nu.”
Amekae woɖo ɖa abe kplɔla ene? Woadrɔ̃ ʋɔnu mí le nusi ameka fia mí nu? Míage ɖe dziƒo le ameka ƒe nufiafia nu?
Ame aɖe ate ŋu agblɔ be, mefiaa nusi tututu Nɔviŋutsu Branham gblɔ la tɔnyewo…amen, ele be miawɔe eye mexɔe se be ame aɖewo hã le ewɔm, gake migawɔe be “nɔviŋutsu Branham kple nye” o.
Mina míayi dzi axlẽe abe esi Wòdi be YEAKPƆ EGBƆ nyuie be míese egɔme emekɔ nyuie.
Woadrɔ̃ ʋɔnu mí to Nya si WÒɖe gbeƒã na mí la dzi. Alea, ʋɔnudɔdrɔ̃ tso nusi Mawu ƒe gbe gblɔ le nyaƒokawo dzi gbɔ. Aleke ame aɖe ate ŋu agblɔ be Gbe si le nyaƒokawo dzi la menye GBE VEVITƆ KEKEAKE si nàte ŋu ase o?
Ke ne woxɔ wò le ɣemaɣi la, eye woaxɔ wò hã,”
Ðe miele klaloa. Esia ate gbe ɖe nusi nye Aƒetɔ la ƒe Lɔlɔ̃nu deblibo la dzi na Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la. Ŋugbetɔa le nusi nyagblɔɖila AWƆ la gblɔm na Nyagblɔɖila la. Ame bubu aɖeke meli o. Menye hatsotso aɖe o. Menye pastɔ bubu aɖe o, Mawu ƒe Nyagblɔɖila, William Marrion Branham ye.
Amekae wòle be wòafia mɔ mí yi ɖe Egbɔ? Amekae le Ŋugbetɔ la kplɔm? Ŋugbetɔa le gbɔgblɔm nɛ be AFIA MƆ ŊUGBETƆA AYI EGBƆ, emegbe míatrɔ ayi Anyigba dzi aɖanɔ agbe tegbee.
Ne Ɖeɖefia AƉE le mewò kura gɔ̃ hã. Ne ègblɔ be yexɔ Gbedeasi Sia dzi se la, mele gbe dom ɖa be Mawu naɖe afia wò be ELEBE nàtsɔ eƒe gbe, nyaƒokawo, GBÃ. Pastɔwo, migbugbɔ nyagblɔɖila la ɖe miaƒe nyagblɔtiwo dzi. Nyaƒokawo nye Gbe vevitɔ kekeake si wòle be miase esime GBE MA adrɔ̃ ʋɔnu mi.
Le Nya la nu la, míele Eƒe Lɔlɔ̃nu deblibo si wona na míaƒe ŋkeke la me to Mawu ƒe Gbe sese le nyaƒokawo dzi me.
Ne Mawu ʋu wò ŋku ɖe Ɖeɖefia vavãtɔ ŋu na Eƒe Nya la, mele kpewòm be nàva wɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase 60-0515m Fia Si Wogbe
Fofo le míanu ƒom ɖedu to Eƒe Nya dzi, kple Ɖeɖefia ma ƒe kpeɖodzinu si le míamum. Etia mí do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi ke, elabena Enya bena míanye nuteƒewɔlawo na Eƒe Nya to míaŋutɔ ƒe tiatia dzi.
Mina magagblɔ ema ake alebe wòageɖe me wòade to vavã. Etsa ŋku le ɣeyiɣi me, yi ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe nuwuwu, eye WÒKPƆ MÍ…ɖe miese ema? EKPƆ MI, EKPƆM, helɔ̃ mí, elabena to míaŋutɔ ƒe tiatia dzi, míele ANYI NƆ GE KPLE EƑE NYA LA.
Zi ɖeka la, elebe Wòayɔ Eƒe mawudɔlawo kple kerubiwo ɖe du aɖatsɔ asi fia mí agblɔ be: “EYAE MA,” “NYE ŊUGBETƆ LAE MA,” “AMESIWO MELE LALAM KPƆ WOENYE ESI!”
Abe Yohanes ene la, susuma tae míele ɣli kple aƒa siawo katã dom, hele Aƒetɔ la kafum, Weine Yeye la mu mí eye míenyae, ƉIKEKE AƉEKE MANƆMEE BE, MÍENYE Eƒe Ŋugbetɔ.
Ele abe tsidzadza kple dziɖegbehom siwo katã míeɖo le afisia le Jeffersonville kɔsiɖa sia me ene…Míawo hã míele TOKLANANA nya ɖom ɖo ɖe xexeame.
ƉEƉEFIA ƑE DZIƉEGBEHOM le Ŋugbetɔ la si sum, EYE ELE ƉEƉEFIA ƑE TSIƉƆƉƆ ƑE KEKLẼ NAM. ŊUGBETƆ LA DZRA EƉOKUI ƉO VƆ XOXO EYE WODE DZESI AMESI WONYE. MIYI ƉE DEDIENƆNƆƑE ENUMAKE. MIZI PLAY ALO WOATSRƆ̃ MI.
Míele agbe le Dzata ƒe Agbenɔɣi, alo Nyitsu ƒe Agbenɔɣi, alo Amegbetɔ ƒe Agbenɔɣi me o; míele agbe le HƆ̃ ƑE AGBENƆƔI me, eye Mawu dɔ hɔ̃ sesẽ, Maleaxi 4 ɖa, be wòayɔ aɖakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la do goe.
Aleke gbegbe wòasɔ Kɔsiɖagbe sia, esime míawɔ ɖeka ɖe du ase Nutrenu Enelia. Anye Mawu ƒe hɔ̃ nyagblɔɖila sesẽ la ƒe dzigbezã.
Mina míaɖu ŋkeke nyuie sia ƒe azã aɖado akpe na Aƒetɔ la be edɔ̃ Eƒe hɔ̃ gbedeasitsɔla ɖo ɖe mí, amesi Wòdɔ be wòayɔ mí do go aɖaɖe Eƒe Nya fia.
Mina madze leta gɔme kple Mawu ƒe atomik bɔmb; menye tu .22tɔ la o, ATOMIK BƆMB na Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la.
Azɔ, ne miedi be miaŋlɔ wo daɖi la; tsã ɖe, mi katã mienya wo: Yesu, Yohanes 14:12; eye Yoel, Yoel 2:38; Paulo, Timoteo Evelia 3; Maleaxi, ta 4 lia; eye Yohanes nyaɖeɖefiaŋlɔla, Nyaɖeɖefia 10, wuiadre, tso gbã yi wuiadre. Mikpɔea, nusi tututu ava dzɔ fifia!
Dzesidede kple toklanana: numegbe si gbɔna menye miatɔ ne miexɔe se.
“Míetea gbe ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖila dzi akpa.” “Miate ŋu anye Ŋugbetɔ ne to ko mieɖona nyagblɔɖila la o.” “Nyaƒokawo ƒoƒo le hamea me menyo o.” “Wotsɔ akaɖi la na ame bubu vɔ xo; nu vevietɔ kekeake egbea yenye toɖoɖo subɔsubɔdɔ la.” “Amesiame ƒe play zizi le game ɖeka dzi nye kɔmahatsɔŋkɔ.”
Na hame la, nuka Wònye? Nya si xɔ ŋutilã zu ŋutilã le Etɔwo dome ake! Mikpɔea?
KABOOM…Alea to play zizi dzi la, míate ŋu ase Nya si xɔ ŋutilã zu ŋutilã, wòanɔ nuƒom tso nuyi dzi yiɖe tome na mí esime Wòle Eƒe Nya la ɖem fia mí.
Eye ame aɖe ate ŋu agblɔ be Menye GBE VEVIETƆ SI WÒLE BE MIASE YE OA? Numegbea ƒe akpa sia nye tɔwò.
Ke ɖeko womexɔ Edzi se o.
Ɖeɖefia geɖe wu si Aƒetɔ la na mí kuɖe Eƒe Nya, kple amesi míenye ŋu la, gawu amesiame si le Ɖeɖefia ma godo yina.
Mina magblɔ esia, nyateƒetɔe, ale be mia…ne wòaɖi ɖe mia me ɖaa ke. Medi be woase esia egɔme. Eyae nye nusi nye miaƒe kuxi la egbe, mikpɔea, mienya Nya la o! Mikpɔea?
Mawu si ami na amewo be woaɖe gbeƒã Gbedeasi Sia, gake Tɔɖoƒe ɖeka koe li: Nya la. Ne èse mawunyagblɔla aɖe, alo ame aɖe le nu ƒom la, ele be xɔse nanɔ asiwò hafi nàxɔe ase be nya si gblɔm wòle la nye nusi TUTUTU Mawu ƒe nyagblɔɖila la gblɔ vɔ. Woƒe nya, woƒe ɖeɖefia, woƒe gɔmeɖeɖe ate ŋu ada ƒu; Mawu ƒe Gbe si le nyaƒokawo dzi MATEŊU ADAƑU GBEÐE O.
Mawu le gblɔenyenye me to play zizi me ƒe nya gblɔm mielea…Egale egblɔm AKE.
Woda Eyama ƒu, Nya gbagbe si woɖe ɖe go le ŋutilã me, to Nya si ŋugbe wodo la me. Nya la do ŋugbe be yeawɔ nusiawo. Wodo ŋugbe la, bena ava nɔ alea le ŋkeke mamleawo me.
Miɖoto Eƒe Dziɖegbe. Dziɖegbe nye Mawu ƒe Gbe. William Marrion Branham nye Mawu ƒe Gbe na dzidzime sia.
Ŋu—Ŋugbetɔ la mekpɔ nyɔnyɔ̃ haɖe o. Mikpɔea? Nyɔnyɔ̃ aɖeke mele afima o, Mawu ƒe ɖeɖeɖego aɖeke meli be wòaʋuʋu Ŋugbetɔ la haɖe o. Mikpɔea? Míele mɔ kpɔm nɛ fifia. Ahiã na Dziɖegbe adre manyamanya mawo le afima, be woanyɔ̃ Eyama ake, mikpɔea. Ɛ̃ ɖe. Adɔe ɖa. Edo eƒe ŋugbe. Azɔ milé ŋku ɖe eŋu.
Miate ŋu atrɔe ne mielɔ̃, gake Dziɖegbe Adreawo ana Ŋugbetɔ la ɖeɖefia ƒe ahamumu kple kɔkɔdzoe ƒe xɔse, si vana to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ƒoa nu to Mawu ƒe nyagblɔɖila dzi ko me. Ele eme vam FIFI LAA le xexeame godoo. Mawu na Eƒe Ŋugbetɔ mu aha kple Eƒe Nya.
Menye ema ɖeɖeko o, ke boŋ Egblɔ nusi Wòle be míaƒe futɔ nawɔ xoxo.
Ɖe wò asiwo ɖa le wo ŋu. Wonya afisi yim wole, elabena wosi ami na wo kple Nye Ami. Eye esi wosi ami na wo kple Nye Ami ta la, dzidzɔ ƒe aha le wo me, elabena wonya Nye ŋugbedodo Nya la, ‘Magafɔ wo ɖe tsitre ake.’ Migawɔ vɔ̃ Ema o! Migayi anɔ didim be miatsaka wo o.
Egblɔ na míaƒe futɔ be wòaɖe eƒe asi nyɔŋuwo ɖa le mía ŋu. Gake ɖe dɔléle ate ŋu aƒo ɖe mía dzi kokokoa? Ɛ̃. Ðe kuxiwo gakpɔtɔ le mía ŋua? Ɛ̃. Gake Egblɔ nu si míawɔ hã na mí.
Egoglo. Mixlẽe blewu kple zi gbɔ zi geɖe.
Doŋgɔ na Nya la la, enye susu aɖe. Eye wòle be woawɔ susua ɖe. Esɔ gbe. Eyata, Mawu ƒe susuwo trɔ zu nuwɔwɔ esime woƒo nu, kple Nya aɖe. Ɣemaɣie Wòtsɔe ɖo—ɖo mia ŋku me abe susu ene, Eƒe susu, eye woɖee fia mi. Ekema, ekpɔtɔ nye susu vaseɖe esime nà-ƒo nu.
Eƒe tamesusuwo zu nuwɔwɔ ne wogblɔe. Emegbe, wotsɔ Eƒe susuwo ɖo ŋkume eye woɖee fia mí abe Nya la ene. Fifia Egakpɔtɔ nye susu aɖe kpli mí gbɔ vaseɖe esime Míaɖe agblɔ. ALE MÍEƑO NU… EYE MÍEXƆE SE.
Nyee nye Abraham ƒe Fiaƒome Nuku la. Nyee nye Kristo ƒe Ŋugbetɔ. Wotiam eye woɖom ɖi do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi be manye Eƒe Ŋugbetɔ, eye naneke mate ŋu atrɔ ema o. Ŋugbedodo ɖe sia ɖe si le Biblia me la nye tɔnye. Eƒe Nyae wònye nam. Nyee nye Ŋugbedodo la ŋutɔ ƒe domenyila. Eyae nye Aƒetɔ Mawu, si daa gbe le nye dɔlélewo katã ŋu. Nusianu si mehiã la nye tɔnye, Mawu gblɔe nenema.
Mawu le Gblɔenyenye me: Xɔse tsoa nusese me, Nya la sese me. Nya la vana na nyagblɔɖila la.
Amesiame dina be yeazã “NUMEGBEWO” atsɔ aɖo kpe yeƒe susuwo, yeƒe tamesusuwo, yeƒe gbedeasi dzi. Eye wotɔ dzɔ, nye hã nenemake, esiata numegbewo ko mena mi be magblɔ na mi be: Minɔ anyi kple Nyaƒokawo. Miɖo to Gbe ma. Gbe ma nye Mawu ƒe Gbe. Ele be miaxɔ Nya ɖesiaɖe dzi se le nyaƒokawo dzi, ke menye nya si ame bubu aɖeke gblɔ o. Gbe Ma NYE GBE VEVIETƆ SI WÒLE BE MIASE.
Ame bubuwo zãa numegbewo tsɔ kplɔa mi vaa woƒe subɔsubɔdɔ gbɔ, vaa woƒe hame me, vaa woƒe gɔmeɖeɖe, woƒe ɖeɖefia gbɔ. “Minɔ miaƒe pastɔ gbɔ.” (Enyo, melɔ̃a ema hã, elabena míelɔ̃nɛ, pastɔ bubu aɖe ko.) “Menye eya koe nye kpekui ɖeka si le ƒua ta o.” “Megblɔ kpɔ be woaƒo nyaƒokawo le hamea me o.”
Migatsɔ ame ŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe aɖeke Nɛ o. Edi be nenɔ dzadzɛ, asimakae, asililiŋu gɔ̃ hã o. Nyemadi be srɔ̃nye nanɔ asi lim ŋutsu bubu ŋu o. Eye ne miele to ɖom nyagɔmetoto ɖesiaɖe ƒomevi la, le Ema godo la, miele to ɖomee la, miele ahiã wɔm kple Satana. Amen! Ðe mewɔ be miekpɔ mia ɖokui mawusubɔla oa? Mawu di tso mia gbɔ be mianɔ anyi asimakae. Minɔ afima ko kple Nya ma. Minɔ anyi Kplii ko. Esɔ gbe.
Nye kple nye aƒe ya la, míazi play dzi eye míadze Mawu ƒe Nya si trɔ zu Ŋutilã la yome wòanɔ nu ƒom to Eƒe dɔla adrelia dzi. Míatsɔ míaŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe akpe ɖe Eŋu o; míawɔ ahĩa alo aɖo to susuɖeɖe aɖe o. Míanɔ anyi kple NYA MA ABE ALESI WOƉE GBLƆ LE NYAƑOKAWO DZI ENE. Mawu wònye le Gblɔenyenye me.
Ŋutikɔkɔeɣeyiɣi ka gbegbee nye si míato Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esime míase: Nutrenu Etɔ̃lia 63-0320. Medi be makpe mi be miava wɔ ɖeka kpli mí esi míawɔ ɖeka le Nya la ŋu na egbe.
Nɔvi. Joseph Branham
Ŋɔŋlɔ siwo miaxlẽ hafi ase Gbedeasia: Mateo Kɔkɔe 25:3-4 Yohanes Kɔkɔe 1:1, 1:14, 14:12, 17:17 Dɔwɔwɔwo Ta 2 lia Timoteo I, 3:16 Hebritɔwo 4:12, 13:8 Yohanes I, 5:7 3 Mose 8:12 Yeremya Ta 32 lia Yoel 2:28 Zaxarya 4:12
Mina mawɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ atsɔ ana eme nakɔ ake. Nyemetsi tre ɖe subɔsubɔdɔ atɔ̃awo ŋu o. Mexɔ subɔsubɔdɔ atɔ̃awo dzi se. Nyemese le ɖokuinye me be egblẽ be woaɖo to mawunyagblɔla aɖe o. Mexɔe se be ele be miaɖo to miaƒe pastɔ le afisi Mawu da mi ɖo. Nye nyae nye be, mexɔe se be Mawu dɔ nyagblɔɖila aɖe ɖa le míaƒe ŋkekea me. Mawu ɖe Eƒe Nya la fia Eƒe nyagblɔɖila. Mateŋu awɔ vodada, miaƒe pastɔ ateŋu awɔ vodada, gake ELE BE míalɔ̃ ɖe edzi (ne míegblɔ be míexɔe se be GBEDEASI SIA nye nyateƒe eye Nɔviŋutsu Branham nye Mawu ƒe nyagblɔɖila) nusi wogblɔ le nyaƒokawo dzi enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Ne miexɔe se nenema o la, ekema miexɔ Gbedeasi sia dzi se o. Eyata mexɔe se be eyae nye GBE VEVIETƆ SI WÒLE BE MIASE. Mehiã be miase nye nya o, mehiã be miase ame bubu aɖeke ƒe nya o, gake ELE BE MIASE GBE MA LE NYAƑOKAWO DZI.