22-0515 Ɖekawɔwɔ Ƒe Ɣeyiɣi Kple Dzesi

Gbedasi: 63-0818 Ɖekawɔwɔ Ƒe Ɣeyiɣi Kple Dzesi

PDF


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃ Gbãtɔa,

Esime míenɔ anyi ɖe du le Dziƒo nutowome le xexea katã me Kɔsiɖagbe la, míenɔ to ɖom Mawu ƒe Gbe ɖeka si dzi woɖo kpe wònɔ nuƒom na mí. Abe kokoko ene la, míenɔ mɔkpɔkpɔ gã aɖe me be míase nusi gblɔ ge Wòala na mí. Nukae Gbɔgbɔ Kɔkɔe la aɖe afia mí egbe mahã?

Ɖewomahĩ míese Eƒe Nyawo zi geɖe tsã, gake míenyae be ŋkeke ma le vovo to ge. Míele nane se ge si míese kpɔ tsã o. Míele Ɖeɖefia xɔ ge wu esi ŋu míate ŋu bu gɔ hã. Ele míaƒe dziwo, míaƒe susuwo kple luʋɔ ʋu ge, aɖaɖe nane si wòle be, woaɖe fia FIFIA, le Eƒe azãgbe nyuietɔ la me.

Ekema Eva me. Nyagbe gãtɔwo kekeake si Ŋugbetɔsrɔ̃ la ate ŋu agblɔ aɖaɖe fia Eƒe Ŋugbetɔ la, “Miawoe nye Tanyenye la ƒe blibodede keŋkeŋ le ŋutilã me, gbãtɔa la. Nusiwo katã Menye va yi la, Metrɔe ɖe Kristo me; nusiwo katã Kristo nye vayi la, Metrɔe ɖe MIAME. MIAWOE NYE nye Nya Ŋugbetɔ tiatia la.”

Míaƒe ameti la katã dzo kpo kple dzidzɔ. Ɖeko Fofo la gblɔ na mí bena, míenye Eƒe Ŋugbetɔ la. Míawoe nye amesiwo Wòlɔ̃na. Wodo fu mí kple Eƒe Nya la, ke Eƒe Nya ƉEƉEKO. Míaƒe vidzidɔ tu do nu bubu ɖe sia ɖe. Elala, hedi mí vevie…ƉE MÍATA!!

Ke minya nusia? Medɔ amebubu aɖeke ɖo ɖa be wòagblɔ Nya siawo na mí o, Eva heganɔ amegbetɔ ŋutilã me zi ɖeka ake, alebena Wòate ŋu aƒo nu teŋ, tso nuɣi me yiɖe to me, aɖa GBLƆ NA MÍ BE: “Melɔ̃a mi, nye Ŋugbetɔ dzi lɔlɔ̃a.”

Míelɔ̃a hadzidzi, míelɔ̃a kadodo, míelɔ̃a ƒuƒoƒo ɖe du kple xɔsetɔwo, gake nusi míelɔ̃a kekeake yenye Mawu ƒe Gbe sese; Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi, si le nuƒom na mí teŋ. Gbedeasi Ɖe sia ɖe nye lɔlɔ̃ leta tɔxɛ NA MÍ. NYA ɖe sia ɖe si Wòdi be yeagblɔ na mí la Edee nyaƒoka dzi alebe míaŋutɔwo míasewo.

Nukae gblɔ ge Wòala aɖaɖe fia mí Kɔsiɖagbe sia esime míaƒoƒu mahã? Kae nye azãgbe laa ?

Yesaya ƒo nu hegblɔ be, “Ɖetugbui le aƒe afɔ fu eye wòadzi viŋutsuvi aɖe”, gake ƒe 700 megbe hafi azãgbe la va ɖo be wòava me. Fia Dawid gblɔ bena, “Woŋɔ nye asiwo kple nye afɔwo,” gake Mekpɔ nye azãgbe lae nye ema be wòava me o elabena ega susɔ ƒe 1000.

Mawu ƒo nu to míaƒe nyagblɔɖila dzi le míaƒe ŋkeke me hegblɔ nu geɖewo siwo mate ŋu ava me o negbe egbe. Míele dukɔwo kpɔm wole ɖeka wɔm kple xexeame wu gbeɖe tsã. Míesusui be kɔmunism la nye nusi vayi vɔ be wotsrɔe, ke azɔ míele ekpɔm be ele agbe ŋutɔ henye dɔwɔnu le Mawu ƒe asiwo me, esime eya gblɔ nya ɖi va yi hegblɔ na mí be eyae wònye.

Xexeame susui be dukɔwo dome nyaʋiʋlia la wu enu, be nuklia ƒe aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzidoname megali o. Gake egbe la, nuklia ƒe aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzidoname la zu nuvavã. Wodzra nu sia nu ɖi ko le agbɔsɔsɔ me abe alesi wògblɔ na mí be anɔ ene. Azãgbe la va ɖo.

Kɔsiɖagbe la, Egale NU ƑO GE NA MÍ TEŊ zi ɖeka ake, eye míegale lɔlɔ̃ leta bubu aɖe si woɖe gblɔ hedzra ɖo ɖi na mí ko be míase se ge. Nuka gblɔ ge Wòala aɖa ɖe fia mí mahã? Kae nye azãgbe laa? Nukae le dzɔdzɔm?

Mawu le Eƒe Ŋugbetɔ la wɔm ɖekae. Ele ƒu ƒom ɖekae, tso Ɣedzeƒe va Ɣetoɖoƒe, kple Anyiehe yi Dziehe. Ɖekawɔwɔ ƒe ɣeyiɣia ɖe li, eye eyae le dzi yim fifi laa. Nukae Wòle ɖeka wɔm na? Kɔkɔdzoe La.

Ke nukae Gbedeasi Sia le wɔwɔm esime míele toɖom Mawu ƒe Gbe le xexea katã me mahã? Ele Ŋugbetɔ la kple Nya la wɔm ɖekae. Nya lae nye Mawu. Ŋugbetɔsrɔ̃ lae nye Nya la. Ŋugbetɔ lae nye Nya ma sela, eye míele vavam ɖe du le Ɖekawɔwɔ aɖe me. Míele dzadzraɖo wɔm na Srɔ̃ɖeƒe aɖe afisi míele Ɖeka zum kple Nya la le.

Nusiwo katã Fofo la nye la, Menye; eye nusiwo katã Menye la, mienye; eye nusiwo katã mienye la, Menye. Le ŋkeke ma me la miadzesi be Mele Fofo la me, Fofo la le Menye, Mele miame, eye miawo le Menye.” Mikpɔea? Le “ŋkeke ma me.” Ŋkeke kaa? Ŋkeke sia ye! Míekpɔ Mawu ƒe nyaɣlaɣla gã siwo woɣla la wole woɖem fia. Oo, alegbegbe melɔ̃ ema!

Azɔ game lae nye esi. Azɔ azãgbe lae nye esi. Ŋugbetɔ la dzra Eɖokui ɖo vɔ xoxo na Ŋugbetɔsrɔ̃ la. Míele toɖom esime míele zãtitina ɣli la sem be “Kpɔɖa, Ŋugbetɔsrɔ̃ la gbɔna!” Míele nuwuwuɣi tututu.

Va wɔ ɖeka kpli mí esime míawɔ ɖeka le Nya ŋu, Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Mawu ƒe Gbe wòagblɔ na mí bena: Ɖekawɔwɔ Ƒe Ɣeyiɣi Kple Dzesi 63-0818 yenye esi.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ

Psalmo 86:1-11

Mateo Kɔkɔe 16:1-3