22-0508 Kristo Yenye Mawu Ƒe Nyaɣlaɣla Si Woɖe Fia

Gbedasi: 63-0728 Kristo Yenye Mawu Ƒe Nyaɣlaɣla Si Woɖe Fia


BranhamTabernacle.org

Eƒe Dzi Ƒe Gadamaklui Lɔlɔ̃a,

Mexɔ bubu gãtɔ kekeake le xexeame. Aƒetɔ le mɔ ɖem nam be maɖo Yeŋutɔ ŋkume na mi, alebena Wòate ŋu aƒo nu na mi teŋ to nugo si Wòtia doŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ke me be wòaƒo nu aɖaɖe Eƒe Nya katã fia mi.

Menye Mawu ƒe ame ko wònye o, Enye Mawu Ŋutɔ, Dzo Lilikpo la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le nuƒom na mi teŋ, tso nuɣi me yiɖe to me, azɔ bubu kple gomekpɔkpɔ su mía si be míayɔ Eƒe nyagblɔɖila tiatia la be, MÍAƑE KPLƆLA.

Menyae be ɖeko wòtina gbɔgbɔ ɖe ƒo na amewo, gake míawo ya la ɖeko míemi Nɛ gbla. Elabena Eyae nye nu ɖeka si tina míaƒe tsikɔwuame ŋu heɖiakɔ na míaƒe luʋɔ. Enye Agbe Mavɔ ƒe Nyawo. Na míawo ya la, Enye Mawu ƒe Gbe. Enye gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la. Eyata, enye Nya la, Gbe la, Nyaƒokawo, ALO NUBUBU AƉEKE O!

Míewɔ ɖeka ɖe du le Ta ɖeka te abe gbaɖegbe Israel ene. Mawu ɖeka, si dzi woɖo kpe kple Dzo Lilikpo, hele Eɖokui ɖem fia to Eƒe nyagblɔɖila dzi be enye Nya la. Mawu ma ke, Dzo Lilikpo ma ke, nenema ke wògale egbea. Mawu mate ŋu trɔ Eƒe dzɔdzɔme gbeɖe o. Eƒe ɖoɖo mate ŋu atrɔ gbeɖe tso le nusi Wòtsɔ dze egɔme gbɔ o, elabena Enye seƒemanɔsitɔ eye Eƒe ɖoɖo kpakple Eƒe susuwo katã deblibo.

Ema tae míele mɔkpɔkpɔ gã aɖe me be míase nusi ɖe ge Wòle afia mí Kɔsiɖagbe. Egblɔ be Yetɔ asi eƒe go ɖe sia ɖe ƒo xlã, eƒe ememe kple egodo, eye ŋutɔ gɔ hã fia to Ŋɔŋlɔ la kple ɖoɖo le ɣeyiɣia me dzi, vasẽɖe esime míenyae be Gbedeasi sia nye Nyateƒe la. Vodada aɖeke meli o.

Gake Kɔsiɖagbe la, Gbɔgbɔ le Gbedeasi sia lé ge Aɖadee afisi Wòle fifia. Aɖo Esia anyi tututu le afisi Wodze egɔme le, Aɖaɖoe anyi ɖe fifi ɣeyiɣi me.
Mina míano vi aɖe le nusi Mawu le gbɔgblɔ ge na mí hele ɖeɖe ge afia mí to míaƒe kplɔla dzi Kɔsiɖagbe me:

Mienye nye dzi ƒe gadamaklui, amesiwo wodzi na Aƒetɔ la to Gbɔgbɔ la kple to Nyateƒe Nya dzi. Ɖeko mele gbedom ɖa hele Aƒetɔ la biam be neyra mi aɖalé mi ɖe du ɖe bablame le Kristo ƒe lɔlɔ̃ ƒe bablawo me.

Aƒetɔ la na medzra Nuɖuɖu ɖo ɖi na mi; gbe damawo, nyuie, le afisia le agbadɔ sia me. Azɔ egbe la, miele nyaƒoka blibo aɖe xɔ ge. Gbedeasi sia alé mi ɖe te aɖado ŋusẽ mi. Ana mi Gbɔgbɔ me ŋusẽ hena dɔdeasi si le ŋgɔgbe la.

Mina magagblɔ na mi abe alesi menyae be evivia na mi be miase ene: wotia mi, xexlẽme si woɖo ɖi, amemawo siwo woase. Miawoe nye Ŋugbetɔ tiatia si madaƒu o boŋ alé Nya ma me ɖe asi meka nusi wòle be xexeame ƒe susɔe awɔ kuɖe Eŋu o. Miawo nye Nya Ŋugbetɔ la!

Mawu ɖe nyaɣlaɣla gã sia fia mí, ke esiae nye Didi yeye. Azɔ Ele mia ŋu ƒom ɖe du afisi ɖeɖefia le ɖekawɔwɔ deblibo me le. Mawu le nuwɔna mawo ke ɖem fia to Eƒe Nya dzi, numawo ke si Wòwɔ, hele Nya la ɖem ɖe go le mia me.

Migaŋlɔ esia be kpɔ gbeɖe o, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, ɖeɖeko, yenye Amesi ɖea Kristo ƒe Mawume ɖeɖefia fia na, eye nenema ko wònɔ le agbenɔɣiawo katã me! Amekae Aƒetɔ la ƒe Nya la va naa? Nyagblɔɖila, ɖeɖeko.

Mede dzesi be mele nuƒom na ame akpewo le nyaƒoka dzi, nyaƒoka subɔsubɔdɔ le mía si le xexea katã me. Eye eze ko abe míate ŋu awɔ nyaƒoka le afisia si nyoawu zi gbɔ zi ewo wu afi bubu ɖe sia ɖe. Ɖeko mekpɔmɔ be ŋutsu ɖe sia ɖe si le nyaƒoka sia sem, kple nyɔnu ɖe sia ɖe, nase egɔme.

Azɔ ekpɔ ŋkume na wo ne wodi be yewoase nyaƒoka ɖe sia ɖe, gake nyemedi be miadaƒu esia o. Mi nyaƒoka dukɔ; le egodo le avetsuwo me kple afikake miele Esem le, azɔ mise.

Nyaƒokawo le mía si kuɖe nusi dzi míexɔ se ŋu. Míeɖo nyaƒokawo kuɖe ɖoɖo le hame me, alesi míawɔ nu le míakplɔ míaɖokui le Mawu ƒe hame la me ŋu, alesi wòle be míava ɖe du aɖanɔ anyi ɖe du le Dziƒo nutowome.

Mekpɔ mɔ be ame sia ame le nyaƒoka dzi le esia lém. Ne mieda ƒu la, migbugbɔ va nyaƒoka sia gbɔ ake. Nyemenya zi gbɔ zi nenie manɔ miagbɔ o. Miɖo ŋku dzi, Esiae nye Nyateƒe la, kuɖe ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI ŋu. Nyateƒe lae Wònye. Ŋɔŋlɔ lae Wònye.

Ta kple Ŋutilã la wozu nu ɖeka. Mawu wònye woɖe ɖe go le miame, Etɔwo. Susuma tae srɔ̃ŋutsu la kple srɔ̃nyɔnu la womeganye venɔvi o; wole ɖeka. Mawu kple Eƒe Hame le ɖeka, “Kristo le mia me,” Mawu ƒe ɖeɖefia gã.

Menye nye susu ye o; Eƒe ŋusẽ Wònye, Eƒe Nya wònye. Edo Eƒe ŋugbe; Egblɔ be anɔ afisia, ke eyae nye esi. Mawu ƒe viŋutsuwo mienye. Menye miava nye ye o; MIENYE FIFIA!

Yɔ míaƒe kplu fũ Aƒetɔ, míedoe ɖe dzi Aƒetɔ, va eye náti míaƒe luʋɔ ƒe tsikɔwuame ŋu. Dziƒo Bolo, nyi mí, sẽ ɖe esime míagadi ake o. Yɔ míaƒe kplu fũ, yɔe fũ eye yɔdɔ mí keŋ.

Nyɔnyɔ ƒe ɣeyiɣi kae nye esi míele ɖoɖo ge le xexea katã me esime míaƒo ƒu ɖe du Kɔsiɖagbe be míase: Kristo Yenye Mawu Ƒe Nyaɣlaɣla Si Woɖe Fia 63-0728 le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ Siwo Woaxlẽ

Mateo Kɔkɔe 16:15-17
Luka Kɔkɔe Ta 24
Yohanes Kɔkɔe 5:24/14:12
Korintotɔwo I Ta 2lia
Efesetɔwo Ta 1
Kolosetɔwo Ta 1
Nyaɖeɖefia 7:9-10