22-0501 Mawu Meyɔna Ame Va Ʋɔnudɔdrɔ̃ Me Le Toklãnana Eyama Manɔmee Gbã O

Gbedasi: 63-0724 Mawu Meyɔna Ame Va Ʋɔnudɔdrɔ̃ Me Le Toklãnana Eyama Manɔmee Gbã O


BranhamTabernacle.org

Gaƒoɖokui Tometi Sue, Tometigã, alo nukake mienye Lɔlɔ̃a:

Míakatã míenye Kristo ƒe Ŋutilã, le míaƒe tsitrenɔƒe, le ɖekawɔwɔ me, le agbagba dzem be míawɔ dɔ nyuietɔ kekeake si míate ŋu wɔ na Eyama. Nububu aɖeke mele vevie na mí o, negbe Eƒe Nya, Gbedeasi sia.

Ɖeko míelɔ̃a be míase Mawu ƒe nyagblɔɖila wòagblɔ na mí be:
“Ɖeko nane li si kuɖe mi ameaɖewo ŋu. Ɖeko míenye ame tɔxewo le nye agbe me. Ɖeko nububu aɖe li si melɔ̃a ko be mado go kpli mi eye maƒo nu kpli mi ko.”

“Metsa ŋku ƒoxlã le nyeŋutɔ ƒe subɔsubɔdɔ sue gblɔe la me; Yesu Kristo amema ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me, eye mekpɔ nusi wɔm Wòle; le Ŋugbetɔ ƒe hatsotso la yɔm ɖe du hele ewɔm ɖekae. Ele Ʋufɔti aɖe ɖem do go le ʋufɔti la me”.

Míenyae be menye ame ye o, Enye Mawu ƒe Nya si le Eƒe Ŋugbetɔ la hem va ɖe du. Nusiwo kpɔm míele wole wɔwɔm la menye naneke wu Mawu o. Ɖewomahĩ eyae ma, ate ŋu nye, ewɔ abe ate ŋu anye megali o, MAWU YE WÒNYE!!
Míeva ɖo ɖoƒe ma be Enye Adzagba xɔasi la na mí. Míete ɖa le nu sia nu si ame bubu aɖe gblɔ na mí si tsitre ɖe Eŋu gbɔ. Míekpɔna nusi ame aɖe wɔ alo le gbɔgblɔm dzi o, míekpɔa nusi Mawu gblɔ kple nusi Wòdo ŋugbe be Yeawɔ le míaƒe ŋkeke me, kpakple Nusi míekpɔ Eyama le wɔwɔm dzi.

Míaƒe Tɔɖoƒe lae ma. Nu sia nu si míenye la, nu sia nu si míenye va yi la, nu sia nu si míele mɔkpɔm be míanye la, wotui ɖe Gbedeasi sia dzi. Ewu agbe na mí.

Wu gbeɖe tsã le xexeame ƒe ŋutinya me la, míele Mawu kpɔm wòle toklã nam, hele dzadzraɖo wɔm na ʋɔnudɔdrɔ̃. Atomik bɔmbawo le agbadɔwo te, wole nu sia nu dzram ɖo ɖi.

Akɔ ya, meganye na ame hatsotso sue aɖe ko, abe alesi wònɔ le Noa ƒe ŋkekewo me, alo le Abraham ƒe ŋkekewo me o; enye Mawu si le toklã nam xexeametɔwo, hele nuƒom to Eƒe nyagblɔɖila me, miaƒe toklã mamleae nye esi.

Ele gbɔgblɔm na mí be, “Hafi Mate ŋu aɖe mɔ be nusia nadzɔ la, mele yɔyɔ mamlea aɖe wɔm, tututu ko abe alesi Mewɔ na Sodom ene, mido go le eme. Minɔ klalo. Nane le dzɔdzɔ ge.”

Xexeame le ziɔziɔm ɖe woƒe dzɔdzɔmenunya nuwɔwɔ gãwo ŋu; nuwotɔtɔtɔ si he ku va na didimeawo. Tagbɔɖaɖɛtɔwo kple amedesukuwo le tagomenunya ƒe akpawo dzi yim: UN(Dukɔ Wɔɖekawo), NATO( Dziehe Atlantik Nubabla Habɔbɔ) , Leagues of Nations (Dukɔwo ƒe Habɔbɔwo). Gbe sia gbe la míele ʋɔnudɔdrɔ̃ kpɔm wòle gogom wu hele gogom wu. Nusi nyagblɔɖila kpɔ le didiƒe hegblɔ na mí be ava dzɔ la, le emevam: Rɔshia, Aʋa, Ami, Vatican, Yudatɔwo, Nuklia Bɔmbwo.

Nyabiabia ameɖokui se be nukae adzɔ hã megali o. Míele ekpɔm wòle eme vam gbe sia gbe, eye vɔvɔ̃ le xexeame nye nuvavã eye wòle gã zum ɖe dzi wu kple gã ɖe dzi wu gbe sia gbe.

Gake tututu ko abe alesi Wòwɔ le Xizkiyia ƒe ŋkekewo me, esime Mawu ƒo nu to Eƒe nyagblɔɖila me hena toklã amewo ene be, “Dzra ɖokuiwò ɖo, elabena ʋɔnudɔdrɔ̃wo le gbesɔsɔ na vava”. Eƒe nyagblɔɖila nɔ amewo dzram ɖo hena ɣeyiɣi si gbɔna la.

Noa dzra amewo ɖo na eƒe ɣeyiɣi. Enye nublanuikpɔkpɔ ƒe yɔyɔ do ŋgɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃. Mawu na mɔ aɖe, nyagblɔɖila aɖe be wòakplɔ wo.

Ke kokoko la Edɔa Eƒe Nya ɖa to Eƒe nyagblɔɖila dzi, abe alesi Wòwɔe le Noa ŋɔli me ene. Le Eli-…Mose ƒe ŋkekewo me la, míekpɔe be Ewɔ numa ke. Edɔ Eƒe nyagblɔɖila ɖo ɖe wo, eye womã woɖokuiwo ɖa tso dzimaxɔse gbɔ. Azɔ, amesi ƒomeviwo do go woenye ema. Amesi ƒomeviwo Xɔe se woenye ema.

Míema míaɖokuiwo ɖa tso dzimaxɔse gbɔ. Mawu na mɔ aɖe Eƒe Ŋugbetɔ la egbe. Edo ŋugbe na mí le Eƒe Nya me be, “Doŋgɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ la, madɔ nyagblɔɖila aɖe ɖo ɖe mí be wòaƒo ƒu Nye Alẽha suea gblɔe la, eye Mana woagbɔ ɖe eme le akpa ɖeka, aɖanɔ ŋutifafa me, anɔ lalam kpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna la kple sisimɔ la”.

Míawoe nye Alẽha sue ma. Míawoe nye amemawo si Fofo la lɔ̃a eye míele lalam kpɔ Eƒe Vava kpuie la kple mɔkpɔkpɔ gã aɖe. Xexeame le gbegblẽm ƒo xlã mí, gake míele dzudzɔ kple ŋutifafa me.

Míenyae be míele Eƒe lɔlɔ̃nu deblibo me. Meka afisi míele le xexeame o, Mɔ aɖe li si Mawu na si dzi míakatã míate ŋu awɔ ɖeka ɖe du le le Eƒe Nya ŋu, le Eƒe Gbe ŋu. Enye mɔ si Mawu na la.

Azɔ nyagblɔɖila sia kplɔ wo yiɖe mɔ si Mawu na la dzi. Azɔ, alesi Mawu wɔa Eƒe nu woenye ma. Mikpɔea?

Misi va le ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna ŋgɔ kpli mí aɖase: 63-0724 Mawu Meyɔna Ame Va Ʋɔnudɔdrɔ̃ Me Le Toklãnana Eyama Manɔmee Gbã O, Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game. Enye Mawu ƒe Gbe si le nuƒom hele gbɔgblɔm na mí be: Mɔ si Mena na egbe lae nye esi.

Nɔvi. Joseph Branham

Yesaya 38:1-5
Amos Ta 1