23-1231 Dzodzodzoetsitsi

Gbedasi: 63-0901E Dzodzodzoetsitsi


BranhamTabernacle.org

Fofo Lɔlɔ‌tɔ,

Míefe dze eteƒe didi akpa.
Míede sɔleme eteƒe didi akpa. Tso keke Gbedeasi, Dzesi La, sese megbe la, eƒu wò Ŋugbetɔ gbe ɖe dzodzodzoetsitsi me.

Míenyae be nane le ɖoɖom be yeadzɔ. Game la tu aƒe. Míedi be Wò nàva aɖaɖe mí dzo le xexe sia me. Míedi be míanɔ anyi kpli Wò. Míetsi dzodzodzoe le míaƒe luʋɔwo me ɖaa ke.

Ɖeko míele nuƒo ƒo ge kuɖe ŋua? Ɖee míetsi dzodzodzoe kakaka? Ɖee míele avifam na Wò abe alesi wòle be míawɔe zã kple kelia?

Oo, Hame, tso eye nàʋuʋu ɖokuiwò! Defe wò dzitsinya ŋu, nyɔ ɖokuiwò, le gaƒoƒo sia me! Elebe míatsi dzodzodzoe, alo míatsrɔ‌!
Nane gbɔna tso Aƒetɔ la gbɔ! Menyae abe ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI ene. Nane gbɔna, ke anyo na mí wu be míatsi dzodzodzoe. Ele ku kple Agbe dome. Ato míadome ayi eye míakpɔe o.

Míenyae be ehĩa dzodzodzoetsitsi be wòahe Wò va kpea dzi. Elebe Wòasu míasi fifia loo míatsrɔ‌. Aƒetɔ, na míazu amesiwo tsi dzodzodzoe abe ɖe míetsii gbeɖe kpɔ o ene, ekema Nàɖe zɔ va kpea dzi eye nàva akplɔ Wò Ŋugbetɔ si le lalam la dzoe.

Kpeɖe míaŋu Fofo be míazi ageɖe Eme. Menye be míazɔ ko ageɖe Eme, bɔbɔeɖe o, gake míazi ageɖe me.
Menye be míaƒo nu kuɖe Eŋu ɖeɖeko eye míayi edzi kple míaƒe gbesiagbe gbenɔnɔwo o. Míedi be míadi Wò kple míaƒe dzi blibowo, kple míaƒe luʋɔ blibowo kple míaƒe susu blibo. Aƒetɔ, kpeɖe míaŋu.

Míenyae be míeda ƒu le ŋu Wò zi geɖe, Aƒetɔ, gake Ègblɔ na mí be ne míeda ƒu la, ema meɖo naneke awɔ le me o; gege míenye be woatsɔ dze egɔme, gake Wò èle tsitre le afima na mí kple asi sesẽ aɖe si àte ŋu ɖo ɖa aɖakɔ mí dzi le tsia tame.

Nyagblɔɖila ɖegbeƒã na mí be Wò nàto míaŋu ayi ko esime Nàkpɔ be wozã Dzesi la. Aƒetɔ, míewɔ ɖe Wò nufiameawo dzi eye míezã Dzesi la hewɔ míaƒe aƒeawo Nyaƒoka Hame, le toɖom hele Nya ɖe sia ɖe dzi xɔm le sesem.

Dzesi la—la koe Wòdea dzesi. Gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi ye ma! Ŋkeke sia ƒe Gbedeasi la! Ɣeyiɣi sia ƒe Gbedeasi ye nye Ema. Le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me, Mixɔe!

Míenya be ele eteƒe, eye míexɔe se hele nu sia nu dzi wɔm le nusi nyagblɔɖila gblɔ na mí ŋu.

Míexɔe se be nu sia nu le eme vam hele dzɔdzɔm le Wò game deblibo me. Naneke medo le eƒe teƒe o. Míekpɔ Wò nukunuwo katã, eye míese heva dzesidede ƒe Dzesi la te.

Azɔ esi míele dzesidede ƒe Dzesi la te la, míele Kɔmunĩɔ ɖu ge Kɔsiɖagbe sia le dzodzodzoetsitsi me. Elabena míenyae be Èle eɖom be yeaƒo nu kple ʋɔŋudɔdrɔ‌.

Nà be Míaɖui abe Ŋutititozã ƒe dzesi ene, esime Woɖui le nɔnɔme kpata me, le dzodzodzoetsitsi ƒe ɣeyiɣi me. Míegale dzodzodzoetsitsi me ake egbe Fofo.

Míeda akpe, Aƒetɔ, be míate ŋu kpɔ megbe le ƒe sia me eye míakpɔ nusiwo katã Nèwɔ na mí la. Èɖe Wò Nya fia mí hena mí Ɖeɖefia ɖe Ɖeɖefia dzi abe esi meva me kpɔ gbeɖe o ene.

Míenyae azɔ be míenye Viwò ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Míenye Wò Ŋugbetɔ Nya Deblibo si Nèlala kpɔ eteƒe didi alegbegbe. Ètia mí, ɖo mí ɖi eye azɔ Ègbɔna na mí.

Aƒetɔ, na be míadi Wò zã kple keli. Nà be míazu amesiwo tsi dzodzodzoe alegbegbe anɔ avifam na Wò sesiẽ. Nà be míazi ageɖe Eme abe alesi medzɔ kpɔ o ene. Nà be esia nanye ƒe si me nàva le na mí.
Míelɔ‌a Wò Fofo, eye míedi be míanɔ Wò Lɔlɔ‌nu deblibo me. Va eye nànɔ anyi kpli mí esime míawɔ ɖeka le fíeɣi ga 5 me, Jeffersonville ƒe game, le Wò Gbe ŋu eye míase Wò nàgblɔ alesi míage ɖe : Dzodzodzoetsitsi 63-0901E me na mí. Ekema nɔ anyi kpli mí esime míakpɔ gome le Aƒetɔ la ƒe Fíeɣinuɖuɖu me, le dzodzodzoetsitsi me.

Esiawoe nye míaƒe agbewo ƒe ŋkeke gãtɔ kekeakewo Fofo. Elabena míenyae be Ègbɔna le madidi me be yeakplɔ mí yiɖe míaƒe Tsɔme Ƒe me kpli Wò. Míele mɔkpɔm gbesiagbe kple mɔkpɔkpɔ gã aɖe na amekɔkɔewo si dzo yi doŋgɔ na mí. Míenyae be ne míekpɔ wo la, Wò vava ƒe game ɖo ye…. ŊUTIKƆKƆE!!!

Míetsi dzodzodzoe na ŋkeke ma, Fofo.

Nɔvi. Joseph Branham.

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Mose II 12:11
Yeremia 29:10-14
Luka Kɔkɔe 16:16
Yohanes Kɔkɔe 14: 23
Galatiatɔwo 5:6
Yakobo Kɔkɔe 5:16