24-0107 Luʋɔ Siwo Le Gaxɔ Me Fifia

Gbedasi: 63-1110M Luʋɔ Siwo Le Gaxɔ Me Fifia

PDF


BranhamTabernacle.org

Dukɔ Lɔlɔ̃tɔ Si Ma Ɖa,

Mawu va le míaƒe ŋkeke me heɖe Eɖokui fia le amegbetɔ ŋutilã me, le ŋutsu aɖe si woyɔ be William Marrion Branham me, alebe Wòate ŋu wu Eƒe Nya ŋu. Yesu Kristo le míaƒe ŋkeke me ƒe Ɖeɖefia ye ma.

Ase Gbe ma kple axɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se la nye Mawu ƒe Mɔ ɖeka si wona na egbea. Edɔ ŋutsu geɖewo si wosi ami na kple Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖo ɖe xexeame, gake ŋutsu ɖeka ko Wòdɔ heƒo nu to dzi be yeaɖe Yeƒe Nya fia aɖakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ.

Metrɔa Eƒe Ɖoɖo alo Eƒe alesi Wòwɔa nuwo kpɔ gbeɖe o. Alesi Wòwɔe zi gbãtɔ la, Ewɔnɛ nenema ɣesiaɣi. Ekplɔa Eƒe dukɔ le Eɖokui si, to Dzo Lilikpo la dzi.

Migaŋlɔe be kpɔ gbeɖe o, MIENYE Mawu ƒe Ŋugbetɔ tiatia eye naneke meli si abosam ate ŋu wɔ alo agblɔ si ate ŋu aɖe ɖa le gbɔwò o, NANEKE o! Eɖowò ɖi doŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ke. Enya wò le ɣeyiɣi ma me, eye ènɔ anyi kple Eyama. Enya wò ŋkɔ xoxo. Enya nu sia nu kuɖe ŋu wò xoxo. Enya wò nɔnɔme deamedziwo kple madeamedziwo xoxo. Enya wò kpododonuwo, wò vodadawo xoxo, gake Ekpɔtɔ lɔ̃ wò hetia wò elabena ènye Eƒe akpa aɖe.

Eƒe Nya ko wò luʋɔ ate ŋu ɖu. Naneke mate ŋu na wò kɔɖiɖi o negbe Eƒe Nya. Èlɔ̃a Eƒe Nya xexlẽ kple ŋugbledede le Eyama ŋu, gbedodoɖa tso wò dzi me ɖaa ke. Ne èse Eƒe Gbe ƒo nu na wò teŋ la, ekɔa wò dzi yiɖe ɣeyiɣi ƒe xɔmetsovɔ la godo. Elabena ènyae be ènɔ anyi kple Eyama le Dziƒo nutowome esime Wòle nuƒom ɖe to me na wò, le Eƒe Nya ɖem fia, le ŋku ɖom dzi na wò be, NYE ŊUGBETƆ YE NÈNYE.

Abosam ate ŋu to wò aɖato wò agato wò memie. Àte ŋu ɖiɖi alegbegbe ɣeaɖewoɣi eye nàse le ɖokuiwò me be ènye ame si doa kpo nu keŋkeŋ; àse le ɖokuiwò me be edokpo nu na Eyama wu ame bubu ɖe sia ɖe. Ènye vɔ̃ɖitɔwo ƒe vɔ̃ɖitɔ, gake le afi aɖe, le wò luʋɔ me ɖaa ke la, èle Gbe Vi Fatu ma sem le gbɔgblɔm na wò be: “Naneke mate ŋu ma wò ɖa le gbɔ NYE o, NYE NYAE NÈNYE. Mede wò ŋkɔ Nye Alẽvi Ƒe Agbegbalẽ me, Nyeŋutɔ.”

Nukae mate ŋu gblɔ be made dzi ƒo na wò egbea?

Nɔ Nya la me ko. ZI PLAY gbe sia gbe eye se Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu be Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi eye wòagblɔ na wò be; mele ɖeka wɔm kpli wò le Nye Nya ŋu. Àte ŋu ɖu NUSIANU dzi, elabena Nye Nya le agbe hele mewò. Meɖo kpe dzi na wò be, XƆSE DEBLIBO le asiwò. Ezã Dzesi La, ke Ede wò dzodzodzoetsitsi me.

Manɔ tsitre ɖe Nye Nya megbe. Mawɔ nusi Megblɔ be Mawɔ la.
Alegbegbe Eƒe Nyawo si Wògblɔa na mí le nyaƒokawo dzi wɔ nukue. Míenyae be Menye ame aɖe, ŋutilãme me aɖe ye le míadome o. Mawu Mavɔ la Ye le nuƒom na mí, Eƒe Ŋugbetɔ la.

Wokpe wò be nàwɔ ɖeka kple Ŋugbetɔ la Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míaƒo ƒu ɖe du ase Gbe Vi Fatu ma: 63-1110M Luʋɔ Siwo Le Gaxɔ Me Fifia.

Nɔvi. Joseph Branham

Mose I 15:16
Mateo Kɔkɔe 23:27-34
Yohanes Kɔkɔe 4:23-24 / 6:49 / 14:12
Petro I 3: 18-22
Petro II 2:4-5
Yuda 1:5-6