24-0114 Amesi Le Miame

Gbedasi: 63-1110E Amesi Le Miame


BranhamTabernacle.org

Xɔsetɔ Lɔlɔ̃tɔ Siwo Si Xɔse Deblibo Le

Gbe sia gbe míaƒe dziwo le ƒoƒom kple mɔkpɔkpɔ gã aɖe. Míele lalam kpɔ Eƒe Vava kpuie la ƒe gaƒoƒo la be wòava ɖo. Vɔvɔ̃ ɖe sia ɖe bu. Nya biabia ameɖokui se megali o, “Ɖee míenye Eƒe Ŋugbetɔa”? Eku seke ɖe míaƒe dziwo me abe ɖe medzɔ kpɔ gbeɖe o ene, MÍENYE EƑE ŊUGBETƆ.

Wokɔ mí yiɖe Dziƒo le Dziƒo ƒe ayaƒoƒo me, le toɖom Yesu Kristo ƒe subɔsubɔdɔ, si gbugbɔ do ŋutilã le Eƒe Hame la me. Woɖo kpe Gbedeasi sia dzi kɔtɛ to Mawu ƒe Nya dzi, bena mate ŋu nye amegbetɔ o, elebe wòanye Mawu si le nuƒom ɖe to me na Eƒe Ŋugbetɔ.

Míexɔe se be menye ame ye le nuƒom na mí le nyaƒoka siawo dzi o, Mawu ye.

Nusi mele agbagba dzem be magblɔ enye be, “Migabu miaƒe kakaɖedzi kpɔ gbeɖe o.” Migaɖe asi Satana wòagblɔ nya baɖa kuɖe ŋunye o; elabena, geɖe li. Gake milé kakaɖedzi ma me ɖe asi; elabena, ne miewɔe o la, mava me o. Migakpɔ dzinye, abe amegbetɔ ene o; amegbetɔ menye, meyɔ fũ kple vodadawo. Gake mikpɔ nusi gblɔm mele kuɖe Eŋu. Eyae Wònye. Eyae nye Amesi ye.

Elebe kakaɖedzi nanɔ miasi eye miaxɔ nusi GBLƆM WÒLE dzi se, LO MELE ME VA GE O. Míekpɔa Mawu ƒe nyagblɔɖila dzi abe ame, abe alesi geɖewo susuna be míewɔnɛ ene o. Míele amegbetɔ ŋutilã ƒe xɔmetsovɔ la godo, eye nusiwo katã kpɔm míele hele sesem la nye Mawu si le nuƒom to amegbetɔ ƒe nuɣiwo dzi, EYE KAKAƉEDZI LE MÍASI EYE MÍEXƆ NYA ƉE SIA ƉE DZI SE.

Yesu Kristo ƒe Ɖeɖefia na egbe lae ma. Be woaxɔe se be Mawu wònye, menye amegbetɔ, si le nuƒom le nyaƒokawo dzi o. Ne nèda ema ƒu la, xɔ̃nye, èda gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la ƒu eye màte ŋu nye Ŋugbetɔ la o.

Satana tsɔ eƒe gɔmeɖeɖe kpeɖe ema ŋu, eye 99% le ɣeyiɣi me la exlẽna Gbedeasi la tututu ko abe alesi wòwɔe na Xawa ene, gake wode se nɛ be wòanɔ anyi kple Nya la; nusi Adam gblɔ nɛ yenye nusi Mawu gblɔ, menye nusi amebubu aɖe gblɔ be egɔme ye wònye o. Elebe wòanɔ anyi kple Mawu ƒe Gbe.

Ŋkeke gãtɔ kekeake si xexeame menya kpɔ o lae nye esi. Yesu Kristo ƒe agbe, si nɔ agbe heɖe Eɖokui fia le Eƒe nyagblɔɖila ƒe agbe me, le agbe azɔ le ŋutilã me le MÍ, Eƒe Ŋugbetɔ la me.

Míele nusi ƒe gbe Wòɖe na mí be míawɔ la wɔm tututu: minɔ anyi kple Nya la to anyinɔnɔ kple Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi me. Enye Mawu ƒe nyaƒoka subɔsubɔdɔ kple ɖoɖo na egbea.

Ne nèxɔ William Marrion Branham dzi se be enye dɔla gbedeasitsɔla adrelia si Mawu tia, amesi Mawu tia be yeaƒo nu na aɖaɖe adzame nyaɣaɣlawo katã fia le Nya la me, Mawu ƒe Gbe na dzidzime sia, ame aɖe si si xɔse le wu ame bubu ɖe sia ɖe vavã, amesi Aƒetɔ la ƒe dɔla gblɔna be “ne nèna amewo xɔ dzi WÒ se la, naneke manɔ tsitre ɖe wò gbedodoɖawo ŋgɔ o”, la ekema Kɔsiɖa sia gbe anye ŋkuɖodzi ŋkeke si meɖi bubu aɖeke na wò.

NANEKE mate ŋu xɔ Gbedeasi Sia ƒe Ɖeɖefia ɖa le míasi o, NANEKE O. Míete ŋu le ɖike ge le Eŋu o. Ne Wògblɔe la, Míexɔe se. Anye be Míate ŋu se Egɔme kura o, gake Míexɔe se tso.

Yesu Ŋutɔ gblɔ na mí be: “Amesi le mia me Etri akɔ wu Amesi le xexeame.” Mina ema nageɖe míaƒe dziwo me nyuie. Eƒe Gbɔgbɔ le agbe le mía me. Ɖee míate ŋu se ema gɔmea? Fifi laa, esi miele leta sia xlẽm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Mawu Ŋutɔ, Dzo Lilikpo la, le agbe hele mía mea? Aleke míewɔe henya be enye nyateƒe mahã? MAWU YE GBLƆE NENEMA!!

Satana le egblɔm na mí madzudzɔmadzudzɔe be míenye amedokponu alegbegbe. Ke etɔ dzɔ, nenema míele. Eɖoa ŋku dzi na mí be, míele afisi wòle be míanɔ le Nya me o. Etɔ gadzɔ ake, míele afima o. Míewɔa nusiwo míenya nu be míate ŋu wɔ wu nenema.
Tsɔ ke mí Aƒetɔ, etɔ dzɔ.

Gake kple míaƒe vodadawo katã, míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo katã, míaƒe kpododonuwo katã gɔ hã la, metrɔ nyateƒe sia be, MÍENYE ŊUGBETƆ LA. MÍEXƆ NYA ƉE SIA ƉE DZI SE o!

Míele míaɖokuiwo alo nane si míate ŋu wɔ dzi kpɔm o, míele nyama. Ɖeko míenyae be Etia mí hena mí Eƒe Nya ƒe Ɖeɖefia eye naneke mate ŋu xɔ Ɖeɖefia ma le mía si o. Eku se ke ɖe míaƒe dzi kple luʋɔ me.

Egblɔ na mí be XƆSE DEBLIBO nenɔ míasi. Ele míasi Aƒetɔ, XƆSE DEBLIBO le Wò Nya me. Xɔse le míasi le nusi Wò nyagblɔɖila gblɔ me be Enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Menye eƒe nya ye o, gake Wò Nya na mí ye.

Wò nyagblɔɖila gblɔ na mí be nukake míehĩa la, ne ɖeko míaxɔe se ko, heɖo xɔse ɖe Wò Nya me la, nu sia nu si míehĩa la ate ŋu su mía si. MÍEXƆ SE.

Aƒetɔ, hĩa aɖe le ŋunye. Megbɔna ŋku Wò me kple xɔse ɖe sia ɖe si le asinye le Wò Nya me, elabena Mate ŋu da ƒu o. Gake egbea la, Aƒetɔ, nyemegbɔna ŋku Wò me kple nye xɔse ɖeɖeko o, gake kple xɔse si Nèna Wò dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia sesẽ la.

O Aƒetɔ Mawu, mele Wò biam be nàkpɔ nublanui na mí. Eye nàbe ŋutsu ɖe sia ɖe kple nyɔnu ɖe sia ɖe si nɔ anyi ɖe afisia, si ŋu dɔlele ƒomevi alo fukpekpe ɖe sia ɖe le la eye abe alesi Mose tsɔ eɖokui de gbagbaƒe, ɖe amewo ta ene la, zã sia me la melolo nye dzi ɖe ŋku Wò me, Aƒetɔ. Kple xɔse ɖe sia ɖe si le asinye, si le me Wò, si Wò nènam la, metsɔwo na wò.

Azɔ mele gbɔgblɔm be: Nusi le asinye la, tsɔm mele na nyasela siawo! Le Yesu Kristo Nazaretetɔ ƒe Ŋkɔ me la, gbenu le wò dɔlele gbɔ, elabena Amesi le wò me la tri akɔ wu, wu gbɔgbɔvɔ̃ ma si le agbagba dzem be yeaɖe wò agbe ɖa. Mawu ƒe viwo mienye. Woxɔ mi ƒle.

Evɔ. Eƒe Nya mate ŋu da ƒu o. Nukake míehĩa la, ate ŋu su míasi.

Va wɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, be míaxɔ yayra kple amisisi gã sia tso Mawu gbɔ esime Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe aƒo ƒu ɖe du le xexea katã me ase Mawu ƒe Gbe wòatsɔ eƒe Xɔse awɔ ɖeka kple míaƒe XƆSE.

Nɔvi. Joseph Branham

63-1110E Amesi Le Mia Me