22-0619 Luʋɔ Siwo Le Gaxɔ Me Fifia

Gbedasi: 63-1110M Luʋɔ Siwo Le Gaxɔ Me Fifia

PDF


BranhamTabernacle.org

Fofo Lɔlɔ̃a, nukae magate ŋu aŋlɔ egbea alebe Nàte ŋu azãm, le nɔnɔme sue aɖe me, atsɔ ade diƒo na Wò Ŋugbetɔ xɔasi laa?

Mawu va le míaƒe ŋkeke me henɔ agbe le amegbetɔ ŋutilã me, le ŋutsu aɖe si ŋkɔ nye William Marrion Branham me, alebena Wóate ŋu aɖe Nya la fia aɖawu eŋu. Emae nye Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia le míaƒe ŋkeke me.

Be woase Gbe ma aɖaxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se be enye Mawu ƒe mɔ ɖeka si wona na egbe. Edɔ ame geɖewo siwo wosi ami na kple Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖo ɖe xexeame, gake Ame ɖeka ko wòdɔ̃ heƒo nu to edzi be yeaɖe Yeƒe Nya afia aɖakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la.

Metrɔa Eƒe Ɖoɖo alo Eƒe Alesi wòwɔna nuwoe kpɔ gbeɖe o. Alesi Wòwɔe zi gbãtɔ la, nenema Wòwɔnɛ ɣesiaɣi. Eya Ŋutɔ kplɔa Etɔwo, kple Dzo Lilikpo la.

Mienye Mawu ƒe Ŋugbetɔ si wotia hetia eye naneke meli si abosam ate ŋu awɔ alo agblɔ si ate ŋu axɔ ema le miasi o, NANEKE O! Eɖo mi ɖi do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ke. Enya mi xoxoxo le ɣeyiɣi ma me, eye mienɔ anyi Kplii le ɣeyiɣi ma me. Enya miaƒe ŋkɔ xoxoxo. Enya nusianu kuɖe mia ŋu xoxoxo. Enya miaƒe nyui kple vɔ̃wo xoxoxo. Enya miaƒe gegewo xoxoxo, miaƒe vodadawo, eye Ekpɔtɔ lɔ̃ mi, elabena mienye Eƒe akpa aɖe.

Eƒe Nya ko miaƒe luʋɔ ate ŋu ɖu. Naneke mate ŋu aɖikɔ na mi o negbe Eƒe Nya la. Mielɔ̃a Eƒe Nya xexlẽ kple ŋugbledede le Eyama ŋu, gbedodoɖa tso miaƒe dzi ƒe gogloƒewo ke, gake ne miese Eƒe Gbe wòle nuƒom teŋ na mi la, ekɔa mi yi dzi yi le ɣeyiɣi ƒe xɔmetsovɔ la godo. Elabena mienyae bena mienɔ anyi kple Eyama le Dziƒo nutowome esime Wòle nuƒom tso nuɣi dzi yi ɖe tome na mi, hele Eƒe Nya ɖem fia, le ŋku ɖom edzi na mi be, MIENYE NYE ŊUGBETƆ.
Abosam ate ŋu anɔ zizim aɖanɔ zizim aganɔ zizim ɖe mia dzi. Àte ŋu aɖiɖi ɣeaɖewoɣi kakaka aɖase le ɖokuiwò me be enye amesi kpɔ gege deblibo; ase le ɖokuiwò me wòe dze agɔ le edzi wu ame sia ame. Wòenye vɔ̃ɖitɔ kekeake ƒe vɔ̃ɖitɔ kekeake la, gake le afiaɖe la, le eme ɖaa le wò luʋɔ me la, esea Gbe Vi Fatu ma agblɔ na wò be: “Naneke mate ŋu amawò ɖa le Nye Nya gbɔ o, NYE NYA YE NÈNYE. Mede wò ŋkɔ Nye Alẽvi La Ƒe Agbe Gbalẽ Me, Nyeŋutɔ.”

Nukae mate ŋu agblɔ aɖade dziƒo na mi egbea? Mizi play ko gbesiagbe eye miase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu aɖagblɔ na mi be: Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi.

Wokpe mi be miatu Ŋugbetɔ la Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míaƒoƒu ɖe du be míase Gbe Vi Fatu ma: 63-1110M Luʋɔ Siwo Le Gaxɔ Me Fifia.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ:

Mose I 15:16
Mateo Kɔkɔe 23: 27-34
Yohanes Kɔkɔe 4: 23-24/6:49/14:12
Petro I 3:18-22
Petro II 2:4-5
Yuda 1:5-6