All posts by admin5

22-0731 Nukoklo Le Mawu Ŋu

Gbedasi: 64-0614M Nukoklo Le Mawu Ŋu

PDF


BranhamTabernacle.org

Nya Lɔlɔ̃a Si Woŋlɔ La,

Kɔsiɖa ɖe sia ɖe zua gã ɖe gã dzi. Kɔsiɖagbe la, gomekpɔkpɔ su míasi be míakpɔ, aɖatso nya me, NUKAE MÍEKPƆ MAHÃ? Ɖee míekpɔ mawunyagblɔla aɖea, O! Ɖee míekpɔ míaƒe kplɔlaa, O! Esime míekpɔ amegbetɔ ƒe nutsyɔnua godo la míekpɔ Yesu Kristo si le Eɖokui ɖem fia hele Eɖokui ɖem ɖe go.

Esime míele toɖom nyaƒoka mawo esime wole vavam la, Eme kɔ wu hegakɔ wu, ne to le miasi be miase nu eye ŋkuwo le miasi be miakpɔ nu. Míele Mawu kpɔm le gãa azɔ. Wodze nutsyɔnu la, míele Mawu kpɔm wòle tsitre gãa le mía ŋkume. Dzo Lilikpo la le Eɖokui ɖem ɖe go le gaglagbe.

Egbã ŋku na ame aɖewo, gake na míawo ya la, Eɖe Nyateƒe la fia mí. Mawu kɔ Eƒe gbedeasitsɔla ŋuti le mía ŋkume, tututu abe alesi Wòwɔe na Mose ene.

Miegale nutsyɔnu ma godo ake o, vi suewo, Mawu va le gaglagbe na mi keŋkeŋ azɔ.

Nukae wònye? Mawunyenye si ŋu wotsyɔnu le amegbetɔ ŋutilã me. Mawu, le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me, le Eɖokui ɣlam le woƒe ŋkume. Ame ko kpɔm woteŋu le hele gbɔgblɔm be Mawu ƒe nyagblɔɖila wɔa vodadawo, eya ŋutɔ hã gblɔe nenemae, hele agbagba dzem be yewoafia amewo be vodadawo le nyaƒokawo dzi. Gake na mí, Eƒe Ŋugbetɔ si Woɖo ɖi la, míele ekpɔm eye míele Mawu sem ke vodada aɖeke meli o.

Ame ɖeka kpɔ amegbetɔ, ke ame evelia ya kpɔ Mawu. Mikpɔea? Ke enye Mawu si ɣla ɖe amegbetɔ me, nusi wɔe be woa kple eve la tɔ dzɔ, gake wò xɔse le nusi kpɔm mèle o la me lae.

Na míawo ya la, míaxɔ se eye míadze Mawu ƒe nyagblɔɖila si dzi woɖokpe ƒe vodadawo yome, ne eɖe li, hafi míava tsɔ aɖaxɔ woƒe Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi dzi ase.

Mele be Mose na ƒo Agakpe la zi evelia o. Gbɔgbɔ ma ke agblɔ le ŋkeke ma me be ɖe, “Mikpɔ, Mose wɔa vodada.” Gake tsi la do alekeke hã, eye ne mieno tsi tso nusi yɔm miele be Mose ƒe vodada me o la, mieku. Nenema ke wòle egbea. Nyatsɔɖeamenuawo sɔ gbɔ akpa.

Nya la nɔ Mose si. Azɔ miɖo ŋku dzi, esime woɖe Nya la ɖe go vɔ la, Mose ga nye Mose ake. Mikpɔea? Gake esime Nya ma nɔ eyama me be wòaɖe do go la, enye Mawu; enyo, meganye Mose ake o.

Nya la nɔ Nɔviŋutsu Branham si. Esime woɖe Nya la ɖe go vɔ la, Nɔviŋutsu Branham ganye Nɔviŋutsu Branham, gake esime Nya ma nɔ eyama me be wòaɖe do go na amewo ɖe nyaƒoka dzi la, enye Mawu; menye Nɔviŋutsu Branham o. Alea míele esrɔ̃m be, nusiwo le nyaƒokawo dzi la nye Mawu ƒe Nyawo, eye vodada aɖeke mele Mawu ƒe Nyawo me o.

Meɖe ko míexɔ Nɛ sena o, gake míenɔa Eƒe agbe. Ne woame susɔeawo katã zɔ dzo ɖa le Egbɔ la, míenɔa anyi Kplii! Míexɔ Nɛ sena! Meka nusi ame bubu aɖe le wɔwɔm alo le gbɔgblɔm o la, míexɔ Nɛ sena eye míeɖea zɔ ɖe dzi. Ne mewɔnɛ o la, ekema Mexɔe se o.

Nenema ke gblɔm mele, le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me be: migatsɔ nu ɖeka kpe o, migaɖe, migade miaŋutɔwo ƒe tamesusuwo Eme o, miawo la migblɔ nusi wogblɔ le nyaƒokamawo dzi ko, miawo la miwɔ nusi tututu Aƒetɔ Mawu de se na mi be miawɔ; migatsɔ Kpee o!

Mizi play eye mixɔ NYA ƉE SIA ƉE dzi se abe alesi Mawu de se na mí be míawɔ ene. Mawu Wònye le nuƒom tso nuɣi me ɖe to me na Eƒe Ŋugbetɔ la.

Mawu gatsyɔ̃ nu ake heɖo kpe Mose dzi, to nutsyɔnu la dzi, esi wòtsyɔ̃ nu Eɖokui kpakple Dzo ɖeka ma ke, Dzo Lilikpo ma kee ɖi va. Tso—tso ɣemaɣi la…Tso wo gbɔ, ale be Mawu ƒe Nya ɖeɖe ko woate ŋu ase. Mise gɔmea? Nya la ɖeɖe ko, wose Eƒe Gbe. Elabena, na woawo la, Mose nye Nya gbagbe la.

Mawu metrɔna, eye Mateŋu, atrɔ Eƒe ɖoɖo la o. Enye Yesu Kristo eyama ke etsɔ, egbe yiɖe mavɔmavɔ me. Alea la, na míawo ya la, Eƒe nyagblɔɖila si dzi woɖokpe, William Marrion Branham la nye míaƒe Mawu ƒe Gbe, kple Nya Gbagbe la na míaƒe ŋkeke.

Azɔ meganye Nya si woŋlɔ la ko wònye na mí o, ke boŋ ezu nu vavã. Míele Eyama me. Azɔ míele gome kpɔm. Azɔ míekpɔ Eyama. Azɔ míekpɔ Eyama, Nya la, si le Eɖokui ɖem ɖe go. Woɣlae, le afima, elabena (nuka?) Eɣla ɖe amegbetɔ ƒe ŋutilã me. Mikpɔea?

Meka nusi ye o la, womele Ekpɔm o. Nukata? Womedɔe ɖo ɖe wo o.

Le esime miele Ekpɔm ta la, ɖee miele gbesɔsɔ be yewoase Eyama wòagagblɔ AMESI MIENYE na mi zi ɖeka akea? Ne Wòle nu kpɔm tso Ŋutikɔkɔe ƒe ametakpɔgli sesẽawo dzi hele miakpɔm la, ameka Wòkpɔna mahã?

•Mele Nya si woɖe ɖe go kpɔm. Nusi Wògblɔ be Yeawɔ le ŋkeke mamlea siawo me la, mekpɔ wole tsitsim. Mekpɔ ɖevi siwo le Shekina ƒe Abolo la ɖum tso Nya ma ƒe tsitsi me, esiwo le Exɔm le sesem. Amen!

•Emegbe la miezu Eyama ƒe akpa aɖe, esime miawoe nye nutsyɔnu si tsyɔ Eyama dzi. Mienye Eyama ƒe akpa aɖe, zi geɖe alesi Kristo le miame, abe alesi Kristo nɔ Mawu me ene. Elabena Mawu nɔ Eyama me, wɔ Eyama Mawu. Eye esime Kristo le miame, Ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la, miezu Kristo ƒe akpa aɖe.

• “Miawo,” Egblɔ be, “mienye agbalẽŋɔŋlɔwo,” alo la, “mienye Nya la, si woŋlɔ, si ɖe ɖe go,”_womate ŋu atsɔ naneke Akpee o. Màte ŋu agblɔ be, “Menye agbalẽŋɔŋlɔ,” evɔ anɔ agbe bubu ƒomevi si menye esi Esia ŋlɔ daɖi xoxo la o, elabena womate ŋu atsɔ naneke akpee alo aɖee le me o.

Woakafu Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ. ELE MÍAKPƆM. MÍELE EKPƆM. Míenye Eƒe Nya si woɖe ɖe go egbea.

Va tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Mawu anɔ tsitre le ŋkume na mí; Dzo Lilikpo la si wotsɔ amegbetɔ ŋutilã tsyɔ, eye wòaɖe Nya si dzi wòle be míanɔ agbe ɖo le ŋkeke sia me gblɔ na mí. Enye Shekina ƒe Ŋutikɔkɔe si na míele tsitsim. Ŋkumeɖobolo na xɔsetɔ la.

Nukoklo Le Mawu Ŋu 64-0614M

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la sese:

Mateo 24:24
Luka Kɔkɔe 17:28-29
Yohanes Kɔkɔe 14:14
Korintotɔwo I 12:13
Korintotɔwo II 3:6 – Korintotɔwo Il 4:3
Filipitɔwo 2:1-8
Timoteo I 3:16
Hebritɔwo 13:8
Nyaɖeɖefia 10:7 & 19:13
Mose II ta 19 & 20
Yoel 2:28
Maleaxi 4:5

22-0724 Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu

Gbedasi: 63-1229E Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu


BranhamTabernacle.org

Kekeli Lɔlɔ̃awo Siwo Woɖe Ɖe Go,

Mina míakatã míaƒoƒu ɖe du aɖase Gbedeasi 63-1229E Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game.

Nɔviŋutsu Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ le dzadzraɖo me na mawunya la sese:

Mose IV 21:5-19

Yesaya 45:22

Zaxarya 12:10

Yohanes Kɔkɔe 14:12

22-0717 Ame Aɖe Le Afisia Si Ate Ŋu Asi Dzo La

Gbedasi: 63-1229M Ame Aɖe Le Afisia Si Ate ŋu Asi Dzo La


BranhamTabernacle.org

Yesu Kristo Ƒe Dzedzeme Lɔlɔ̃tɔ,

Abe alesi ŋutsuvi sue si kpɔ ahuhɔ̃ea me ene eye mede dzesi be yenɔ yeɖokui kpɔm o la, azɔ míele Mawu ƒe Ahuhɔ̃e me kpɔm, Eƒe Nya la, eye míele dzesi deme be, FOFO, NYEE MA, menye Wò Nya la ƒe dzedzeme. Menye Wò Nya si woɖe ɖe go. Xɔsetɔ ye menye, menye Wò Ŋugbetɔ!

Gbedeasi ɖe sia ɖe si míesena la kɔa míaƒe Xɔse yia kɔkɔƒe yeyewo. Egblɔ na mí be edze be míanɔ hatsotso etɔ̃ siawo ƒe dometɔ ɖeka me: Xɔsetɔwo, ame wɔ woɖokui xɔsetɔwo alo dzimaxɔsetɔwo. Esime míekpɔ Eƒe ahuhɔ̃e me la míedo ɣli be, “Mele ekpɔm, ɖikeke ƒe vɔvɔ̃li aɖeke manɔmee be, míenye Xɔsetɔwo. Elabena Xɔsetɔ ɖeka koe ate ŋu axɔ nuŋɔŋlɔ ɖe sia ɖe kple nyati ɖe sia ɖe dzi ase; FOFO, NYEE.”

Naneke meli si ate ŋu aɖikɔ na mí aɖana mí Agbe o negbe Mawu ƒe Nya si woɖe gblɔ ɖe nyaƒoka dzi. Mɔ ma ɖeka dzi ko Agbe ate ŋu ato ava, to Eƒe Nya si woɖe gblɔ, Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke la dzi.

Midzra ɖo, geɖe wu gbɔna Kɔsiɖagbe sia, Siamlɔm 17, ƒe 2022. Amea ɖe le afisia si le Dzo la si ge, eye ne Ewɔe la, míakatã ƒe gbewo me ahe le ɣlidodo kple aƒadodo sesĩe be Amen, Aleluya, Woakafu Aƒetɔ la Ƒe Ŋkɔ, Ŋutikɔkɔe na Mawu ta, elabena Mawu Ŋutɔ ye anɔ nuƒom na mí teŋ aɖaɖe Eƒe Nya fia mí awu.

Abe alesi ŋdɔkutsu ma ke, si le keklẽm egbe la, ana bena nuku la naɖi hena nuŋeŋe la le Siamlɔm me ene. Mikpɔ nusi gblɔm mele la? Gake egbe ƒe Kekeli la mawɔ nyuie aɖeke le megbe le afima le Siamlɔm me o. Esẽnu wu. Lu la de ŋgɔ wu; ele klalo be Yeaxɔe. Amen. Kakaɖedzitɔe la nenema wòle.

Nuŋeŋe la tsi! Míede ŋgɔ wu hele klalo wu be Míaxɔe. Yesu ɖo nuɖukplɔ̃, afisi wonyia Mawu ƒe amekɔkɔeawo le kple ŋkeke la ƒe Nuɖuɖu si ɖi. Nyanyuie la ƒe Kekeli le kpeɖom edzi hele efiam bena Ele afisia egbea kpli mí. Ame kɔkɔewo le gbɔgbɔme Nuɖuɖu si wodzraɖo ɖi la ɖum, hele dzadzram ɖo hena Kɔkɔdzoe.

Ne míaƒe Pastɔ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le nuƒom to Eƒe nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe dzi la, trɔ asi le dzosimɔ̃ ma ŋu hesi Ɖeɖefia ƒe kekeli la, Agblɔ amesi Wònye le míaƒe ŋkeke me la na mí ko. Ado ɣli aɖana mí toklã be, mekpɔmɔ be miele alɔ̃ dɔm o ɖe.

Noa nye Kekeli le eƒe ŋkeke me. Mose nye eƒe gaƒoƒo la ƒe Kekeli, azɔ medɔ nyagblɔɖila sesẽ aɖe ɖo ɖe wò le wò ŋkeke me eye mele Nye Nya si ƒe ŋugbe medo la ɖem ɖe go. Enye Mawu ƒe Nya si woɖe ɖe go le wò ŋkeke me. Eyae nye egbe ƒe Kekeli la.

Esime Menɔ afisia le anyigba dzi le ŋutilã me zi mamlɛtɔ la, Metsɔ ƒo ƒe abolo atɔ̃ gbãtɔawo eye medze aboloawo ŋeŋe gɔme. Mewɔ abolo tso gbãtɔa me eye wòna nuɖuɖu ame akpe atɔ̃.

Emegbe la Metsɔ tɔmelã ɖeka, eye tso tɔmelã ma dzi la, mewɔ tɔmelã bubu gawɔ tɔmelã bubu ake, henyi ame akpe atɔ̃.

Gake le wò ŋkeke me la, naneke menɔ Asinye o. Ɖeko meƒo nu hegblɔ be, “Gblɔe anɔ afima,” eye wònɔ afima, naneke manɔmee. Kadzidɔe menɔ asinye kpɔ o; ɖeke menɔ afima o. Ɖeko Megblɔ be, “Nedo,” eye wòdo. Nye Nya medana ƒu o, eye elebe wòava me.

Abe Israel viwo ene, esime wonɔ woƒe mɔzɔzɔ me la, wonɔ mana yeye ɖum gbe sia gbe. Wonɔ zɔzɔm le Dzo Lilikpo ƒe Kekeli me. Dzo Lilikpo ma nye Yesu Kristo.

Egbe la Egali kpli mí ake, Dzo Lilikpo ma ake, le numawo ke si Wòwɔ wɔm esime Wònɔ anyigba dzi le afisia hele Eƒe Nya la ŋu wum.

Míele wò kpem be nàva tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game esime míaƒe pastɔ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Dzo Lilikpo la, asi Ɖeɖefia ƒe Kekeli la, esime míase: 63-1229M “Ame Aɖe Le Afisia Si Ate Ŋu Asi Dzo La”.

Nɔvi. Joseph Branham

Mose I 1:3, Ta 2
Psalmowo 22
Yoel 2:28
Yesaya 7:14, 9:6, 28:10, 42:1-7
Mateo Kɔkɔe 4:12-17, Ta 24 kple 28
Marko Kɔkɔe ta 16
Nyaɖeɖefia ta 3

22-0710 Xɔsetɔ Ƒomevi Etɔwo

Gbedasi: 63-1124E Xɔsetɔ Ƒomevi Etɔwo


BranhamTabernacle.org

Xɔsetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Bu eŋu ko, Mawu, Amesi wɔ nuwo katã heɖoe ɖoɖo me la, ɖi va hezu ŋutilã le mía dome, be yeaɖe mí. Ke emegbe la Ado bubu mía ŋu alegbegbe kple Eƒe Amegbenɔnɔ gã la, alebena Wòanɔ tsitre ɖe afisia le nuvɔ̃nyigba sia dzi le ŋkeke mamleawo me, heɖo kpe Eƒe Nya dzi be ele nenema, elabena Nya ma kpɔ ŋkume na Eyama.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ agbe Nya ma na mí. Egbɔ agbe. Le Xɔse me la míele ekpɔm. Míenyae be ele alea elabena Nya la gblɔe nenema, eye Gbɔgbɔ la gbɔa agbe Nya ma na mí. Azɔ míele ɖeka wɔm to Mawu ƒe Nya si ɖe ɖe go le ŋutilã me dzi, tututu ko abe alesi nyagblɔɖila gblɔ be Awɔe ene.

Xɔsetɔ la xɔ Nɛ sena, xɔa (Nuka) sena? Nya la. Menye dzixɔse o; Nya la! Menye kɔmahatsɔŋkɔ la o; Nya la! Menye nusi ame bubu aɖe gblɔ o; nusi Nya la le gbɔgblɔm ye!
Azɔ, miɖo ŋku dzi be, xɔsetɔ lae ma. Xɔsetɔ mebiaa Nya aɖeke sena o. Xɔsetɔ megblɔna be, “Aleke wòate ŋui ɖo? Ne mate ŋu ana woaɖe Egɔme!” Dzimaxɔsetɔ ye ma. Uh-huh. Xɔsetɔ ye, ema, meka nusi Wònye o la, “Ne Wònye Nya la la, Nya la Wònye! Ema nye Nyateƒe.” Xɔsetɔ lae ma.

Ele be nàxɔ sue ɖe sia ɖe kple vi ɖe sia ɖe dzi se, kple nu sia nu si wogblɔ le eme le Afima. Elebe wòanye nyateƒe. Ne nègblɔ be, “Nyemexɔ ema dzi se o. Ɖewo nye Mawu, ɖewo nye agbetɔ, ɖewo le me nye adegbe yiyi ŋutinyawo sɔŋ ko.” Enyo, ekema dzimaxɔsetɔ ye nènye. Xɔsetɔ mebiaa nya aɖeke sena o. xɔsetɔ xɔ Nɛ sena, meka alesi Wòle gbe ɖem alo nusi wòle be ame bubu aɖe nagblɔ kuɖe Eŋu o, meka alesi Wòle dzedzem o la, MÍEXƆE SE!

Ame sia ame si le afisia, fifia, ame sia ame si le nyaƒoka sia sem; ke togbɔ be gbeɖeka elebe madzo le xexe sia me hã la, nyaƒoka siawo woakpɔtɔ anɔ agbe. Esɔ gbe. Mikpɔea? Ke miele hatsotso siawo dometɔ ɖeka me. Ele be mianye wodometɔ ɖeka.

Míele agbe le ŋkeke mamleawo me eye edze be nàkpɔ wò agbea ɖa aɖakpɔ hatsotso si ƒomevi mee nèle. Ɖee nègblɔa be, “Mexɔe se be Mawu dɔ nyagblɔɖila aɖe si dzi woɖo kpe kple Dzo Lilikpo ɖa?” Egblɔ na mí be míaxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se. Be míagblɔ nusi le nyaƒokawo dzi TUTUTU eye migatrɔ nya Ɖeka le me o. Wole ʋɔnudrɔge mí kple nusi WÒGBLƆ LA, menye kple nusi amea ɖe gblɔ be eya gblɔ, alo nusi le gbɔgblɔm be egɔme wònye o, gake kple nusi gblɔm nyaƒokawo le.

Alo, ɖee nèle yiyi ge kple Kora kple Datan, kpakple amesiwo gblɔa bena, “Menye eyae nye ame kɔkɔe ɖeka si li o. Woyɔ ame bubuwo be woawɔ nusiawo si wòwɔ la. Miete na gbe ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖila dzi akpa. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le míakplɔm fifia. Agbenɔɣi bubu yenye esi”.

Miele hatsotso siawo ƒe ɖeka me. Le miaƒe fifia ƒe nɔnɔme tututu azɔ, susu ƒe nɔnɔme fifia tɔ, bena, miele mi le afisia le nyasela siawo siwo kpɔm mele kple ŋku do me, kple mi amesiwo le nyaƒoka sia selawo siwo kpɔm nyemele kple ŋku o dome la, miaƒe susu ƒe nɔnɔme fifiatɔ le nyaƒoka sia sese megbe la, le kpeɖom hatsotso si me miele la na mi la dzi. Egblɔa afisi miele la na mi tututu, ne mienye xɔsetɔ le Nya la me eye mianɔ anyi Kplii lo miazɔ ado go, lo miatsi nyaƒoka ma.

Woakafu Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ, míenye XƆSETƆ akuakuawo, menye ame aɖe si dzi ame bubu aɖe ƒo nya ɖo o; menye kple nu bubu aɖe o, gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe Nya la Ŋutɔ fia mí. Míele Nya la si wona emekɔ ƒã, ɖo kpe edzi heɖe ɖe go kpɔm.

Wodo mi kpɔ kple dodokpɔwo, mɔdodowo siwo yɔ fũ kple ʋuʋudedi, yometiti ƒe ŋdɔkutsu xɔdzo la, gake míaƒe dziwo ƒe nuteƒewɔwɔ le ƒoƒom kple Nya la ƒe dɔwɔnu ma. Míele gbesɔsɔ azɔ be míazɔ ayi ɖe bafinya me. Míenye Mawu ƒe viwo, siwo wowɔ tututu ɖe Eƒe Nya dzi. Míenye kpɔɖeŋu gbagbewo, eye Mawu ƒe Nya le agbe nɔm to míame. Dodokpɔwo vaa be yewoaʋuʋu mí, be yewoana míayi ɖe keke to me ɖaa ke, be woakpɔ afisi míanɔ tsitre ɖo ɖa. Gake míate ŋu aʋã o, míele tsitre ɖe Nya ɖe sia ɖe dzi.

Ɖo esime Wòle amesi nènye la gblɔm na wò.

Ɖo ŋku edzi ko be wò akpa ɖe sia ɖe nɔ afisia, esime Mawu ƒo nu xexeame dzɔ. Ede wò ŋutilã afisia tututu. Eye naneke mate ŋu aɖe ɖa o, negbe Mawu.

Naneke mate ŋu Aɖee ɖa le gbɔwò o. Ame aɖeke mate ŋu axɔ wò teƒe meka alesi nèle sue o. Àgblɔ be, “nyɔnu aƒedzikpɔla aɖe ko menye.” Ame aɖeke mate ŋu axɔ wò teƒe o! Mawu, le Eƒe nudzraɖoƒe gã me la, ɖo Kristo ƒe Ŋutilã le ɖoɖo me alegbegbe, wɔe be ame aɖeke mate ŋu axɔ wò teƒe o.

Ŋutikɔkɔe… Aleluya…Aɖo to Mawu ƒe Nuɖuɖu si wodzraɖo ɖi la le gã dom wu hele GÃ DOM WU ɖe dzi. Ga wu míele Mawu sem wòle nuƒom to Eƒe gbedeasitsɔla tiatia la dzi hele amesi míenye la gblɔm na mí la, gã wu míaƒe Xɔse zua.
Dzidzɔkpɔkpɔ si gbɔ eme be woanya be:

•Míenye “XƆSETƆ AKUAKUAWO”
•Míenye “WO DOMETƆ ƉEKA”
•Míenye “ŊUGBETƆ LA”

Medi be MAKPE wò be NAZI PLAY kplim, Branham Ƒe Agbadɔ la, kpakple Ŋugbetɔ ƒe akpa aɖe tso xexea katã me le ŋdɔ ga 12 me, le Jeffersonville ƒe game, esime míele ƒu ƒo ge ɖe du tso Ɣedzeƒe, Ɣetoɖoƒe, Dziehe kple Nyiehe aɖase: Xɔsetɔ Ƒomevi Etɔwo 63-1124E. Nusi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le míakplɔm be míawɔ lae nye esi. Na míawo la, Mawu ƒe ɖoɖo lae nye esi.

• Zi Play: Nyaƒoka kake Mawu ɖo wòdzi dzi.

• Zi Play: Ɖo to le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe si nètia la dzi.

• ZI PLAY: Yenye nye gbedeasi na wò.

Nɔvi. Joseph Branham

Yohanes Kɔkɔe 6:60-71

22-0703 Nukae Mawɔ Kple Yesu Si Woyɔna Be Kristo?

Gbedasi: 63-1124M Nukae Mawɔ Kple Yesu Si Woyɔ Be Kristo?


BranhamTabernacle.org

Hɔ̃ Lɔlɔ̃awo, mina mí katã míaƒo ƒu ɖekae eye míase Gbedasi 63-1124M – Nukae Mawɔ Kple Yesu Si Woyɔna Be Kristo? Kwasiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12:00 me, le Jeffersonville ƒe game dzi.
Nɔviŋutsu Joseph Branham

22-0626 Amesi Le Miame

Gbedasi: 63-1110E Amesi Le Miame


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Xɔse Gãtɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Menya be esia nye lɛta bɔbɔe aɖe ko si me gbeŋutise si mesɔ o le, gake medi be xexeame nanya be míexɔ nya ɖesiaɖe si míaƒe nyagblɔɖila gblɔ dzi se eye míelɔ̃ ɖe edzi be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔe Esi. Ne míese egblɔ nya aɖe le nyaƒoka dzi la, Míexɔe se, Míexɔe, eye emegbe mía ŋutɔwo Míexɔe abe Mawu ŋutɔ le nu ƒom na mí tẽ ene.

Woɖe gbeƒãe, eye Mawu ƒe Nya la ɖo kpe edzi bliboe, be mate ŋu anye amegbetɔ o, ele be wòanye Mawu.

Míexɔe se be ŋutilãmedzesi mawo ke dze le anyigba dzi egbea siwo dze esime Yesu nɔ afisia. Dzo Sɔti ma ke si Paulo Kɔkɔe kpɔ kple Dzɔdzɔme ma ke, nɔ nu ma ke wɔm la, va le míaƒe ŋkekea me. Mawue le nu ƒom na mí tẽe be:

Gbɔgbɔ me dzesi ma ke si tututu Eŋutɔ Ɖe fia be Yenye Mesia la, ɖe Eyama fia egbea. Egakpɔtɔ nye Mesia la!

Àte ŋu axɔ yayra gã siawo NE èxɔe se be Nya ɖesiaɖe nye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi, to play zizi me. Nenye be ènye ame aɖe si mexɔe se nenema o, eye wòle be nàtso nya me le nunya me alo to ame aɖe ƒe gbɔgblɔ na wò me be: “Aƒetɔ la ƒe Nyae nye esia, eye Nɔviŋutsu Branham ƒe nuƒoƒo koe nye esia,” la ekema esia menye tɔ wò o.

Le ɣeyiɣi si me Mose kplɔ Israel-viwo la, ɖeka nɔ anyi, eyae nye Mose. Ðeko wo dometɔ mamlɛawo dze Gbedeasia yome. Mikpɔea?

Gake egbea, na mí amesiwo XƆESE NENEMAE LA, míaƒe dziwo yɔ fũ kple dzidzɔ eye wole gogbam ale gbegbe be, míate ŋu aɖu mía ɖokuiwo dzi kura o.

Mesena le ɖokuinye me be Eɖe mí. Mesena le ɖokuinye me be míaƒe ŋkɔwo le Eƒe Agbalẽa me. Mexɔe se be Alẽvi la ƒe Ʋu lae ɖe mí.

Esi míexɔe se be Gbedasi sia nye Mawu ƒe Gbe si le nu ƒom na mí tẽ ta la, míexɔ esia be Mawu ŋutɔ le nu ƒom na mí tso nuyi me yi to me. ÐIKEKE AƉEKE meli be míaƒe ŋkɔwo le Eƒe Agbalẽa me o.

Magblɔe alea dzro, Yesu Kristo ƒe subɔsubɔdɔ si gbugbɔ dzɔ le Eƒe Hamea me le ŋkeke mamlɛ sia me. Emae nye nusi dzi mía dometɔ geɖe xɔ se. Mexɔe se kpli mi.

Alea tututue míexɔe se, Yesu Kristo gbugbɔ dzɔ, nɔ nu ƒom na Eƒe Ŋugbetɔ le nyaƒoka dzi.

Ɣesiaɣi si míezia play dzi la míaƒe xɔse ɖoa kɔkɔƒe yeyewo. Menye mawunyagblɔla bubu aɖe koe nye esia le nu ƒom o, Mawu Ŋutɔe nye esi le nu ƒom na mí. Nya dzadzɛ 100% koe dim míele.

Na mabia nya aɖe wò. Ðe William Marrion Branham nye wò pastɔa? Ðe eyae nye Mawu ƒe dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia si dzi woɖo kpeea? Èxɔe se be nusi wòbia tso Mawu si be wòawɔ la, be Mawu wɔea? Èxɔe se be enye Mawu ƒe Gbe na ŋkeke siaa? Èxɔ nya ɖe sia ɖe si wògblɔ la dzi sea? Ekema wogale wòyra ge wu nyagbɔgblɔ Kwasiɖagbe.

Mɔ bubu aɖeke meli si dzi nàto axɔ yayra sia o negbe ɖe nèle to ɖom nyaƒokawo eye nèxɔe se be nusi sem nèle la nye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Ele be nàxɔe ase be nya si gblɔm wòle lae nye Mawu si le nu ƒom na wò tẽ.

Nye, abe miaƒe pastɔ, mianɔvi ene, kple xɔse si le asinye la, mebia Mawu be wòatsɔe ade miadzi. Mexɔe se be maxɔ nusi mebia la. Azɔ ne miexɔe se kplim la; Metsɔ xɔse si le asinye la na mi hena gaƒoƒo sia.

Le mía gome la, eyae nye míaƒe kplɔla. Ame aɖeke meli le xexeame si si Xɔse le wu, alo lolo wu MÍAƑE PASTƆ, Mawu ƒe nyagblɔɖila o. Fifia Mawu ƒe nyagblɔɖila bia tso Mawu si be wòana EƑE XƆSE GÃ la mí. NE èxɔe se kple wò dzi blibo la, Azɔ enye WÒ XƆSE…. ŊUTIKƆKƆE, MÍEXƆE SE!!! Míaƒe Xɔse ate ŋu agbɔdzɔ hafi, gake megagbɔdzɔ zɔ o, elabena eƒe XƆSE le mía si fifia.

Ke azɔ, le Yesu Kristo, Mawu ƒe Vi la ƒe Ŋkɔ me la, gbe nu le wò fukpekpe, wò dɔléle gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, “Ele be nàdzo,” ‘elabena wò xɔse le asiwò, kpe ɖe nye xɔse ŋu, kple Yesu Kristo ƒe ŋusẽ, Amesi ƒe afisiafi nɔnɔ le afisia be yeatsɔ aɖo kpe edzi eye yeatsɔ afia be Yele afisia la, ana nàhaya le ɣeyiɣi sia me.

Nukae mate ŋu agblɔ si ana be nàva wɔ ɖeka kpli mí eye nàxɔ yayra gã sia? Bu eŋu kpɔ, nusianu si nèhiã la, àte ŋu akpɔe ne èva ɖo to eye Nàxɔe ase ko.

Va ɖo to Kwasiɖagbe le ŋdɔ ga 12:00, Jeffersonville ƒe game dzi, kple Ŋugbetɔ la. Míele ƒu ƒo ge ƒu eye míaɖo to tso Ɣedzeƒe, Ɣetoɖoƒe, Dziehe kple Anyiehe, míakatã le ɣeyiɣi ɖeka me, esime Ale Aƒetɔ la Gblɔ Esi aƒo nu na mí eye wòagblɔ nusianu na mí tso: Amesi Le Miame 63-1110E la ŋu na mí.

Ne màteŋu aɖo to kpli mí le ɣeyiɣi ɖeka me Kwasiɖagbe o la, mehiã o, ɖeko nàzi play dzi ɣesiaɣi eye nàɖo to eye nàxɔ nusi sem nèle la dzi ase be enye Mawu ƒe Gbe si le nu ƒom na wò.

Nɔvi. Joseph Branham

22-0619 Luʋɔ Siwo Le Gaxɔ Me Fifia

Gbedasi: 63-1110M Luʋɔ Siwo Le Gaxɔ Me Fifia

PDF


BranhamTabernacle.org

Fofo Lɔlɔ̃a, nukae magate ŋu aŋlɔ egbea alebe Nàte ŋu azãm, le nɔnɔme sue aɖe me, atsɔ ade diƒo na Wò Ŋugbetɔ xɔasi laa?

Mawu va le míaƒe ŋkeke me henɔ agbe le amegbetɔ ŋutilã me, le ŋutsu aɖe si ŋkɔ nye William Marrion Branham me, alebena Wóate ŋu aɖe Nya la fia aɖawu eŋu. Emae nye Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia le míaƒe ŋkeke me.

Be woase Gbe ma aɖaxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se be enye Mawu ƒe mɔ ɖeka si wona na egbe. Edɔ ame geɖewo siwo wosi ami na kple Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖo ɖe xexeame, gake Ame ɖeka ko wòdɔ̃ heƒo nu to edzi be yeaɖe Yeƒe Nya afia aɖakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la.

Metrɔa Eƒe Ɖoɖo alo Eƒe Alesi wòwɔna nuwoe kpɔ gbeɖe o. Alesi Wòwɔe zi gbãtɔ la, nenema Wòwɔnɛ ɣesiaɣi. Eya Ŋutɔ kplɔa Etɔwo, kple Dzo Lilikpo la.

Mienye Mawu ƒe Ŋugbetɔ si wotia hetia eye naneke meli si abosam ate ŋu awɔ alo agblɔ si ate ŋu axɔ ema le miasi o, NANEKE O! Eɖo mi ɖi do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ke. Enya mi xoxoxo le ɣeyiɣi ma me, eye mienɔ anyi Kplii le ɣeyiɣi ma me. Enya miaƒe ŋkɔ xoxoxo. Enya nusianu kuɖe mia ŋu xoxoxo. Enya miaƒe nyui kple vɔ̃wo xoxoxo. Enya miaƒe gegewo xoxoxo, miaƒe vodadawo, eye Ekpɔtɔ lɔ̃ mi, elabena mienye Eƒe akpa aɖe.

Eƒe Nya ko miaƒe luʋɔ ate ŋu ɖu. Naneke mate ŋu aɖikɔ na mi o negbe Eƒe Nya la. Mielɔ̃a Eƒe Nya xexlẽ kple ŋugbledede le Eyama ŋu, gbedodoɖa tso miaƒe dzi ƒe gogloƒewo ke, gake ne miese Eƒe Gbe wòle nuƒom teŋ na mi la, ekɔa mi yi dzi yi le ɣeyiɣi ƒe xɔmetsovɔ la godo. Elabena mienyae bena mienɔ anyi kple Eyama le Dziƒo nutowome esime Wòle nuƒom tso nuɣi dzi yi ɖe tome na mi, hele Eƒe Nya ɖem fia, le ŋku ɖom edzi na mi be, MIENYE NYE ŊUGBETƆ.
Abosam ate ŋu anɔ zizim aɖanɔ zizim aganɔ zizim ɖe mia dzi. Àte ŋu aɖiɖi ɣeaɖewoɣi kakaka aɖase le ɖokuiwò me be enye amesi kpɔ gege deblibo; ase le ɖokuiwò me wòe dze agɔ le edzi wu ame sia ame. Wòenye vɔ̃ɖitɔ kekeake ƒe vɔ̃ɖitɔ kekeake la, gake le afiaɖe la, le eme ɖaa le wò luʋɔ me la, esea Gbe Vi Fatu ma agblɔ na wò be: “Naneke mate ŋu amawò ɖa le Nye Nya gbɔ o, NYE NYA YE NÈNYE. Mede wò ŋkɔ Nye Alẽvi La Ƒe Agbe Gbalẽ Me, Nyeŋutɔ.”

Nukae mate ŋu agblɔ aɖade dziƒo na mi egbea? Mizi play ko gbesiagbe eye miase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu aɖagblɔ na mi be: Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi.

Wokpe mi be miatu Ŋugbetɔ la Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míaƒoƒu ɖe du be míase Gbe Vi Fatu ma: 63-1110M Luʋɔ Siwo Le Gaxɔ Me Fifia.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ:

Mose I 15:16
Mateo Kɔkɔe 23: 27-34
Yohanes Kɔkɔe 4: 23-24/6:49/14:12
Petro I 3:18-22
Petro II 2:4-5
Yuda 1:5-6

22-0612 Dzodzodzoetsitsi

Gbedasi: 63-0901E Dzodzodzoetsitsi


BranhamTabernacle.org

Mawu ƒe Ʋu kadodo, Dzesi kadodo, Nubabla dukɔ lɔlɔ̃a.

Miɖo ŋku dzi ko be, míenye Xawa o, míenye ɖikela siawo dometɔ ɖeka siwo le ƒoƒose wɔm kple Satana o. Xɔse maʋamaʋa le mía si ɖe Nya sia me! Míelé Mawu ƒe Nya ɖe sia ɖe si Wòŋlɔ hegblɔ ɖe Nyaƒokawo dzi me ɖe asi sesĩe. Ena mí XƆSE DEBLIBO.

Míele xɔse gã aɖe si wòdze be wòanɔ míaŋutɔwo me dzi kpɔm o. Míele agbagba dzem be míanyo kakaka o; míete ŋu le nyonyo ge kakaka kpɔ gbeɖe o, míele ƒu da ge kokoko. Menye nu ma mee Wògblɔ na mí be míaɖo xɔse ɖo o. Egblɔ be xɔse nanɔ mia si eye mixɔ NYA ƉE SIA ƉE si Wògblɔ dzi se be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. MÍELE EWƆM eye Wòna mí XƆSE DEBLIBO ƉE EƑE NYA ME.

Mina míase nusi Gbɔgbɔ Kɔkɔe le nanam abe akɔŋta hele gbɔgblɔm na Fofo la kuɖe mía ŋu la ɖa.

“Meɖo to wò sededeawo. Medi hekpɔ ame ƒe hatsotso sue aɖewo siwo kaka ɖe xexea katã me. Medɔ nyaƒokaƒola aɖewo ɖo ɖe woƒe aƒe me eye woƒo nyaƒoka aɖewo. Esime wose nyaƒokawo la, woxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se. Azɔ wotrɔ woƒe aƒe zu hame be wòaxɔ Gbedeasi la. Wonye Wò Hɔ̃wo siwo le ƒuƒom be yewoase Wò Nya la.

Megblɔ na wo be amesiwo katã ava Dzesi La, gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la te la, woakpɔ ɖeɖe. Megblɔ na wo bena woazu Ɖeka kpli Wò kple Wò Nya la. Ne Wòwɔ dɔ ɖe wodzi la, ekema zã Dzesi ma ɖe woviwo dzi. Zãe ɖe woƒe lɔlɔ̃tɔwo dzi eye kplɔwo va Dzesi ma te ke woawo hã woakpɔ ɖeɖe.

Megblɔ na amesiwo nɔ nyaƒoka la sem be: Mebia wo na Mawu. Woxɔ Esia se esime Megblɔ Esia, kple woƒe dziwo kple luʋɔwo katã.
Tɔnye wonye, amesiwo melɔ̃na siwo le nyaƒokawo sem.

Megblɔ na wo be woalé ŋku ɖe nusi ava le Nutrenu Adreawo megbe ŋu: amewo ƒe ɖekawɔwɔ, dzesiwo ƒe ɖekawɔwɔ, dzodzĩ si le keklẽm mĩamĩamĩa le ŋkeke mamleawo me, wotsyɔ ta na wo le nu ɖeka sia me, Dzesi la.”

Oo, Hame, tso eye ʋuʋu ɖokuiwò! Do fetsu wò dzitsinya, nyo ɖokuiwò, le gaƒoƒo sia me! Edze be míatsi dzodzodzoe! Nane gbɔna tso Aƒetɔ la gbɔ! Menyae abe ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI ene. Nane gbɔna, eye anyo na mí wu be míatsi dzodzodzoe. Ele Agbe kple ku do me. Ato mía ŋu eye míakpɔe o.

Míenya bena nane le dzadzraɖo wɔm be yeadzɔ. Aƒetɔ la ƒe vava anye dzodzo kpata, kple aɖzametɔ. Míezu amesiwo tsi dzodzodzoe. Ɣeyiɣi la tu aƒe. Míede dzesi Dzesi la na míaƒe ŋkeke la eye wozãe.

Míele ŋutititozã ƒe dzesiwo ŋuti dɔ wɔm le Kɔsiɖagbe sia esi woɖu le nɔnɔme kpata aɖe me, le dzodzodzoetsitsi ƒe ɣeyiɣiwo me. Míele ƒuƒom ɖe du le xexea katã me, le Eƒe Nya ŋu.

Va kpɔ gome le nudzɔdzɔ gã sia me Kɔsiɖagbe sia le wòtrɔ ga 4 me, Jeffersonville ƒe game, esime míaƒoƒu be míase Nya : 63-0901E —Dzodzodzoetsitsi.

Nɔvi. Joseph Branham

Mose II 12:11
Yeremya 29:10-14
Luka Kɔkɔe 16:16
Yohanes Kɔkɔe 14:23
Galatiatɔwo 5:6
Yakobo Kɔkɔe 5:16

22-0529 Xɔse Deblibo

Gbedasi: 63-0825E Xɔse Deblibo


BranhamTabernacle.org

Xɔse Deblibo Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a,

Zi ɖeka ake la, mekpɔe be gbɔgblɔ mele eŋu be woagblɔ nusi Gbedeasi sia, Mawu ŋutɔ ƒe Lɔlɔ̃ letawo, si woŋlɔ kple Eƒe Ʋu, si woɖe gblɔ kple Eƒe Gbe, nye na mí o. Nububu ɖe sia ɖe menye naneke na mí o. Míelɔ̃a Eyama tso míaƒe dzi ƒe gogloƒewo me eye Esia na mí Lɔlɔ̃ Deblibo na Eyama. Naneke mate ŋu ate mí ɖa le Nya ma gbɔ o. Dzidzemekpɔkpɔ aɖeke mele míaƒe agbewo me wu be míase Eyama wòadoka kpli mí abe Xɔlɔ̃ kple xɔlɔ̃ ene o.

Menye míawo ŋutɔ gɔ hã wònye o, Eyae wònye le agbenɔm le míame, le ameyɔm do go va Eɖokui gbɔ. Enye gogloƒe si le gogoƒle yɔm. Dzidzɔkpɔkpɔ be míele nyaƒoka dzi zim eye be míase Mawu wòazã amegbetɔ ƒe gbe aɖagblɔ na mí be, míenye Eƒe ametiatiawo. Be wòagblɔ na mí be Yelɔ̃ mí do ŋgɔ xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi; elabena Enyae be míele Ye lɔ̃ ge kple nusiwo katã le mía me, eye míawɔ nuteƒe na Eyama kple Eƒe Nya la.

Nusiwo katã míehĩa la, Etsɔe na mí. Naneke meʋete o. Eŋlɔ Eƒe Nya le leta ƒe nɔnɔme me heli ɖi na ƒe akpe akpewo alebe wòate ŋu gblɔ Lɔlɔ̃ sɔŋ si nɔ Eƒe dzi me na mí.
Emegbe la Eƒe lɔlɔ̃ zu gã wu na mí ŋutɔ gɔ hã esime Wògblɔ na mí be: “Magatrɔ gbɔ va le ŋutilã me zi ɖeka ake aɖaƒo nu tso nuɣi me yi to me na mi alebe nugɔmemasemase, tsakatsaka maganɔ anyi o, gɔmeɖeɖe magahĩa o. Matsɔ Nye ɣeyiɣi aɖaɖe Nye Lɔlɔ̃ gblɔ na mi, eye nutete asu miasi be miagbugbɔ se aɖase agase ake. Medi be mianyae be, Fofo la le Menye, Mele miame, miele Menye, míele ƉEKA. Miaƒe ŋutilã nye nye Ŋutilã, miaƒe ƒu nye nye Ƒu, miaƒe gbɔgbɔ nye Nye Gbɔgbɔ.

Magblɔ nusiwo katã le Nye Dzi me na mi la tsitotsito. Mana eme nakɔ ƒãa alegbegbe be mianyae ɖikeke aɖeke manɔmee be, Nya siwo meŋlɔ heɖegblɔ la nye miatɔ, eye womadaƒu kpɔ o.

Mana mi Xɔse Deblibo, eye Anye Aƒetɔ na nɔnɔme ɖe sia ɖe. Meka nusi futɔ la gblɔ o la, Aɖu dzi esime Xɔse Deblibo le mia si le nusi Nye Nya gblɔ be mienye la me. Meka nusi futɔ la le agbagba dzem be yeagblɔ na mi o la, miawo la migaɖotoe gɔ hã o. Miaƒe towo ku na nububu ɖe sia ɖe negbe nusi Nye Gbɔgbɔ gblɔ na mi vɔ ko. Eku seke ɖe miaƒe dziwo me, eye naneke mele miate ge ɖa le Egbɔ o.”

Xɔse Deblibo ma si le mía si le sidzedze Gbedeasi sia me be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi la, míele XƆSE DEBLIBO ma ke zãm na ŋugbedodo ɖe sia ɖe si Wògblɔ na mí be enye míatɔ le Eƒe Nya me. Ne míedze dɔ hehĩa dɔyɔyɔ la, enye míatɔ. Ne míehĩa nu ɖe sia ɖe la, ate ŋu asu mía si, elabena míezu amesiwo wo si ami na kple Eƒe Gbɔgbɔ la. Míenye Eƒe mesiya ŋkeke mamlea tɔ siwo wosi ami na, siwo le Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi fiam.

Enye lɔlɔ̃ ƒe nya Esime Wòle Eɖokui kɔm ɖe mía me. Míele ƉEKA zum kple Eyama hena Srɔ̃ɖeɖe Nuɖuɖu la. Eƒe Gbɔgbɔ le afisia kpli mí kple le mía me. Nu ɖeka koe le mía si be míawɔ, ke eyae nye be Miaxɔe se, alɔ̃ Axɔe.

Míenye Mawu ƒe dɔla kple Gbedeasitsɔla 7lia o, gake míenye Eƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuviwo. Míaƒe asiwo nye Eƒe Asiwo. Míexɔ nusi wogblɔ le nyaƒoka dzi be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Enye Nya gbagbe la.

Eƒe nyagblɔɖila nye míaƒe kplɔla. Esi míele Nya si wolé ɖe mɔ̃ dzi sem la, míexɔe se be Enye Mawu si le nu ƒom na mí teŋ. Xɔse Deblibo le míasi le emadzi xɔxɔ se me.

Esime míele ƒuƒom ɖe du le xexea katã me be míase Mawu wòaƒo nu na mí to Eƒe nyagblɔɖila dzi la, míaƒe xɔse le dzi dem bobobo esime Mawu le Eƒe Ŋugbetɔ hem va ɖe du le Eƒe Nya si dzi woɖokpe la ŋu.

Ŋkeke aɖeke manɔ anyi abe etsɔ ene o. Míele míaƒe Xɔse Deblibo si Wòna mí tsɔ ge eye míele Ezã ge na nukake hĩa mí, eye míele exɔ ge esime Dzo Lilikpo la anɔ nuƒom to Eƒe gbedeasitsɔla tiatia la dzi aɖagblɔ na mí be:

Ɖee mienya nusi mewɔ na mi laa? Mieyɔm be, “miaƒe kplɔla”; eye miegblɔe nyuie, elabena eyae menye. Ne Yesu Kristo de dzesi nye, miaƒe kplɔla, be Mele Eƒe dɔ wɔm la, ekema mixɔ nye Nya dzi se. To xɔse ƒe dɔ sia wɔwɔ me, to nye asiwo dada ɖe mia dzi la, mebufɔ̃ dɔvɔ̃ kple teteɖeanyi sia si le nuƒo dom na mi. Mixɔe se, ke miaxɔe, meka nusi wònye o, elabena nusianu le bɔbɔe na amesiwo xɔase. Eye ne miele gbedom ɖa la, mixɔe se be miexɔ nusi miebia la. Ke mexɔe se vavã be mexɔe, eye le nye dzi me la melɔ̃ xɔ miadometɔ ɖe sia ɖe ƒe dɔyɔyɔ, melɔ̃ xɔe, be eva me. Mexɔe se, Mexɔe se kple nusiwo katã le menye.

Míexɔe se kple nusiwo katã le mía me be, Gbedeasi sia nye Mawu Ƒe Gbe, si woɖe gblɔ, lé ɖi ɖe mɔ̃ dzi, ɖo kpe dzi hedzraɖo ɖi na ŋkeke sia. Míexɔe se be nukake míebia la, míele exɔ ge, elabena Enye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI MÍATƆ WÒNYE.

Va tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, be nàxɔ nukake nèhĩa esime míaɖo to Mawu ƒe nyagblɔɖila wòagblɔ na mí alesi míawɔ axɔ: Xɔse Deblibo 63-0825E

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ:

Marko Kɔkɔe 11:22-26/ 16:15-18
Yohanes Kɔkɔe 14:12/15:7
Hebritɔwo 11:1/4:14
Yakobo 5:14
Yohanes I 3:21