All posts by admin5

25-0105 Nyaɖeɖefia, Ta Ene Akpa II

Gbedasi: 61-0101 Nyaɖeɖefia, Ta Ene Akpa II


BranhamTabernacle.org

Aƒeme Hame Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Mina míakatã míaƒo ƒu eye míase Gbedeasi, 61-0101 Nyaɖeɖefia, Ta Ene Akpa II Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi.

Nɔviŋutsu Joseph Branham

24-1231 Kametete La

Gbedasi: 62-1231 Aʋawɔwɔ


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Meka ɖe edzi be mia dometɔ ɖesiaɖe ɖu Kristmas nyui aɖe kple mia xɔ̃wo kple ƒometɔwo. Aleke gbegbe meda akpee nye si egbea be menya be míaƒe Aƒetɔ Yesu meku ɖe lãnuɖunu me abe alesi xexeame kpɔa Eyama egbea ene o, ke boŋ Ele agbe eye wòle Eƒe Ŋugbetɔ la titina, hele Eɖokui ɖem fia to Eƒe Gbe dzi wu tsã, WOAKAFU AƑETƆ LA.

Abe alesi meɖe gbeƒãe xoxo ene la, medi be míagawɔ Kɔmunĩɔ le míaƒe aƒewo/hamewo me le Ƒe Yeye ƒe Dzodzragbe dzi, Dzome 31lia. Le amesiwo di be yewoakpɔ gome le eme la, míase Gbedasi, 62-1231 Kametete, eye emegbe míage ɖe Kɔmunĩɔ ƒe subɔsubɔdɔa me tẽ, si Nɔviŋutsu Branham ŋutɔ kplɔ le Gbedasi la ƒe nuwuwu.

Kple xɔsetɔ siwo le nutoa me la, míadze nyaƒoka la gɔme le Ɣetrɔ ga 7. Gake le amesiwo le game bubuwo nutowo me la, taflatse midze Gbedeasi la gɔme le game si sɔ na mi dzi. Ne Nɔviŋutsu Branham tsɔ eƒe Ƒe Yeye Dzodzragbe Gbedeasi vɛ vɔ la, míatɔ te nyaƒoka le xexlẽme 59 lia ƒe nuwuwu, eye míaƒo piano hagbe si ade miniti 10 ne míele Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖum. Emegbe míayi nyaƒoka la dzi esime Nɔviŋutsu Branham anɔ takpekpea nu wum. Le nyaƒoka sia dzi la, mewɔ subɔsubɔa ƒe akpa si nye afɔkɔklɔ la ŋudɔ o, míahã míawɔe o.

Miate ŋu kpɔ nufiame siwo kuɖe alesi woawɔ akpɔ wein, kple alesi woaɖa Kɔmunĩɔ ƒe aboloa ŋu le link siwo le gɔme la me. Miate ŋu aƒo odioa alo awɔ eƒe kɔpi tso ɣiɖɔ la dzi, alo miate ŋu aƒo subɔsubɔa tso Voice Radio dzi le Lifeline app dzi (si woaƒo le Eŋlisigbe me le ƔETRƆ ga 7 me le Jeffersonville ƒe game dzi.) ko.

Esi míegogo subɔsubɔ na mía Aƒetɔ la ƒe ƒe bubu la, mina míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ afia Eyama to Eƒe Gbe sese gbã me, eye emegbe la mina míaɖu Eƒe Fiẽnuɖuɖua. Ŋutikɔkɔe kple kɔkɔenyenye ƒe ɣeyiɣi ka gbegbee nye si wòanye esi míagbugbɔ akɔ míaƒe agbe ŋu na Eƒe Subɔsubɔ.
Mawu neyra mi,
Nɔviŋutsu Joseph

24-1229 Nyaɖeɖefia, Ta Ene Akpa I

Gbedasi: 60-1231 Nyaɖeɖefia, Ta Ene Akpa I


BranhamTabernacle.org

Ame Kɔkɔe Siwo Do Awu Ɣi Ʋlaya Lɔlɔ̃tɔwo,

Ne míese Mawu ƒe Gbe le nu ƒom na mí la, nane dzɔna le míaƒe luʋɔ me ɖaa ke. Míaƒe ameti bliboa trɔna eye edze abe xexe si ƒo xlã mí la nu yina ene.

Aleke ame ate ŋu aɖe nusi le edzi yim le míaƒe dziwo, míaƒe susuwo, kple míaƒe luʋɔ me afia, esime Mawu ƒe Gbe le nuklom le Eƒe Nya la ŋu kple Gbedeasi ɖesiaɖe si sem míele?

Abe míaƒe nyagblɔɖila ene la, míesena le mía ɖokui me be wokɔ mí yi dziƒo etɔ̃lia me eye wòdze abe ɖe míaƒe gbɔgbɔ dzo le ŋutilã kuku sia me ene. Nya aɖeke meli si míatsɔ aɖe nusi míesena le mía ɖokui me afia esime Mawu le Eƒe Nya ɖem fia mí wu tsã ene o.

Wotsɔ Yohanes da ɖe Patmo ƒukpo dzi eye wobia tso esi be wòaŋlɔ nu si wòkpɔ la ade agbalẽ aɖe si woyɔ be Nyaɖeɖefia me, ale be wòato agbenɔɣiawo me. Woɣla nya ɣaɣla mawo vaseɖe esime woɖe wo fia mí to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla 7 lia tiatia dzi.

Emegbe la Yohanes se Gbe ma ke le etame eye wokɔe yi dziƒo etɔ̃lia. Gbe ma fia eyama hame ƒe agbenɔɣiwo, Yudatɔwo ƒe vava, fuwɔamewo ƒe kɔkɔɖi, Kɔkɔdzoe, Tɔtrɔ gbɔ la, Milenium la, kple Eƒe ɖeɖekpɔlawo ƒe Aƒe Mavɔ la. Ekɔ Yohanes yi dzi eye wòna wòto nu bliboa me abe alesi Wògblɔ be Yeawɔe ene.

Gake amekae Yohanes kpɔ esi wòkpɔ nukpɔkpɔ la do ŋgɔ? Ame aɖeke menyae ŋutɔ kɔŋ vaseɖe egbe o.

Nu gbãtɔ si wòkpɔ le vava la mee nye Mose. Etsi tre ɖi na ame kɔkɔe kuku siwo woafɔ ɖe tsitre; agbenɔɣi ade siwo katã dɔ alɔ̃.
Gake menye Mose koe tsi tre ɖe afima o, ke Eliya hã nɔ afima.

Amekae nye Eliya ma si nɔ tsitre?

Gake Eliya nɔ afima; ŋkeke mamlɛa ƒe gbedeasitsɔla, kple eƒe hatsotso la, amesiwo ƒe nɔnɔme trɔ, Amesiwo Wokɔ dzoe.

GLORIA…HALELUYA…amekae Yohanes kpɔ wòtsi tre ɖe afima?

Ame bubu aɖeke o negbe Mawu ƒe dɔla gbedeasitsɔla 7 lia, William Marrion Branham, kple EƑE HATSOTSO SI ƑE NƆNƆME WOTRƆ HEKƆ DZO … MÍA DOMETƆ ÐESIAƉE!!

Eliya tsi tre ɖi na ha si wokɔ dzo la. Miɖo ŋku edzi be, Mose ye nye gbã, ke emegbe Eliya. Ele be Eliya nanye ŋkeke mamlɛa ƒe gbedeasitsɔla, be tsitretsitsia ava kple eyama kpeɖe eƒe hatsotsoa ŋu…ava…enyo, Kɔkɔdzoe ava, gblɔm mele. Mose he tsitretsitsi vɛ eye Eliya kplɔ hatsotso si Wokɔ dzoe geɖe me. Ke, le afima la, wonɔ tsitre ɖi na wo evea siaa le afima tututu.

Nukoklo le nu ŋu, ɖeɖefia, kple Nyaɖeɖefia ƒe nya gblɔm mielea.

Yenye Esi! Ele afisia kpli Mí tututu azɔ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Yesu Kristo, eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Mienye…Ele gbeƒã ɖem na mi, Ele nu fiam mi, Ele agbagba dzem be yeana miakpɔ nusi nye nyui kple vɔ̃. Enye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Ŋutɔ si le nu ƒom to amegbetɔ ƒe nuyiwo dzi, le dɔ wɔm le amegbetɔwo dome, le agbagba dzem be yeaɖe nublanuikpɔkpɔ kple amenuveve afia.

Míawoe nye Ame Kɔkɔe siwo do Awu Ʋlaya Ɣi siwo eƒe dɔla kpɔ siwo tso anyigba ƒe akpa sia akpa va ɖu Agbebolo la. Míele agɔsɔ me Kplii eye míeɖe Eyama hese Eƒe ŋugbedodo ƒe ŋugbugbɔ le míaƒe dzi me. Míeɖe adzɔgbe na Eyama, ke na Eƒe Gbe ɖeɖeko. Míe, eye míatsɔ gbe bubu aɖeke aƒoɖi míaɖokui o.

Ŋugbetɔ le dzadzram ɖo be yealia dzi abe alesi Yohanes wɔe ene; age ɖe Mawu ƒe Ŋkume. Wolé míakɔ ge adzo le Hamea ƒe Kɔkɔdzoe me. Aleke gbegbe ema ʋãa míaƒe luʋɔ ko enye si!

Nukae Wòaɖe afia mí emegbe?

Ʋɔnudɔdrɔ̃wo; sardis kpe, kple nusi wòle tsi tre ɖi na; akpa si wòwɔ. Yaspis, kple kpe vovovoawo katã. Atsɔ esiawo katã ayi to Ezekiel dzi, atrɔ ayi Mose I, atrɔ ayi Nyaɖeɖefia gbɔ, aɖiɖi ɖe Biblia titina, ablae ɖe du; kpe vovovo siawo katã kple amadedewo.

Enye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ke, Mawu ma ke, si le dzesi mawo ke ɖem fia, nukunu mawo ke, le nu ma ke wɔm abe alesi Wòdo ŋugbee ene. Enye Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ si le Eɖokui dzram ɖo to Eƒe Gbe sese me.

Míaxɔ wò nyuie be nàwɔ ɖeka kple mí esime míage ɖe dziƒo nutowo me le ɣetrɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, be míase Eliya, Mawu ƒe gbedeasitsɔla na agbenɔɣi mamle sia, wòaɖe nya ɣaɣla siwo woɣla le agbenɔɣiawo katã me la afia.

Nɔvi. Joseph Branham

Gbedeasi: 60-1231 Nyaɖeɖefia, Ta Ene Akpa I

  • Taflatse miɖo ŋku míaƒe Ƒe Yeye ƒe Gbedeasi la dzi, Blaɖa zã: Kametete 62-1231. Mɔ nyui aɖeke megali si dzi woato adze Ƒe Yeyea gɔme o.

24-1222 Mawu Ƒe Nunana Si Woxatsa

Gbedasi: 60-1225 Mawu Ƒe Nunana Si Woxatsa


BranhamTabernacle.org

Aƒenɔ JÉSUS Lɔlɔ̃tɔ,

Oo Mawu ƒe Alẽvi, Wòe nye Mawu ƒe Nunana gã si woxatsa na xexeame. Èna Nunana gãtɔ kekeake si wona mí kpɔ, Wò Ŋutɔ. Hafi Nàwɔ ɣletivi gbãtɔ, hafi Nàwɔ anyigba, dzinu, ɣletinyigba la, Ènya mí eye nètia mí be míanye Wò Ŋugbetɔ.

Esi Èkpɔ mí ɣemaɣi la, Èlɔ̃ mí. Míenye ŋutilã tso Wò ŋutilã me, ƒu tso Wò ƒu me; míenye Wò akpa aɖe. Alesi Nèlɔ̃ mí eye nèdi be yeade ka kpli míi. Èdi be yeama Wò Agbe Mavɔ la kpli mí. Míenya ɣemaɣi be, míanye Wò Aƒenɔ JÉSUS.

Èkpɔe be míada ƒu, eyata ele be Nàta mɔ aɖe be yeagbugbɔ ɖo mí te. Míebu eye mɔkpɔkpɔ aɖeke menɔ mía si o. Mɔ ɖeka koe li, Ele be Nàzu “Nuwɔwɔ Yeye”. Ele be Mawu kple ame nazu Ðeka. Ele be Nàzu mí, ale be míate ŋu azu Wò. Ale, Ètsɔ Wò ɖoɖo gã la de dɔwɔwɔ me ƒe akpe geɖe enye si le Eden-bɔa me.

Èdi vevie be yeanɔ anyi kpli mí, Wò Nya Ŋugbetɔ deblibo la, gake Ènya gbã be ele be yeagbugbɔ mí aɖo nusiwo katã bu le gɔmedzedzea me la gbɔ. Èlala eye nèlala eye nèlala vaseɖe ŋkeke sia be yeawu Wò ɖoɖoa nu.

Ŋkeke la va ɖo. Hatsotso sue ma si Nèkpɔ le gɔmedzedzea me la le afisia. Wò lɔlɔ̃tɔ si lɔ̃a Wò kple Wò Nya wu nusianu.

Ɣeyiɣia de na Wò be nàva ɖe Ɖokuiwò afia le amegbetɔ ƒe ŋutilã me abe alesi Nèwɔe na Abraham, kple abe alesi Nèwɔe esime Nèzu Nuwɔwɔ yeye ene. Alesi Nèdi ŋkeke sia vevie ale be Nàte ŋu aɖe Wò nyaɣaɣla gã siwo katã woɣla tso xexeame ƒe gɔmeɖoanyi ke la afia mí.

Èkpɔ ŋudzedze le Wò Ŋugbetɔ la ŋu ale gbegbe. Alesi Nèlɔ̃a Eyama ɖeɖefia eye nàgblɔ na Satana be, “Nuka kee nèɖadze agbagba be yeawɔ na wo o, womaʋã o; womaŋe ŋku ƒu Nye Nya, Nye Gbe dzi o. Woawoe nye Nye ŊUGBETƆ NYA DEBLIBO La.” Wonya kpɔ Nam ale gbegbe. Kpɔ wo ɖa ko! To woƒe dodokpɔwo kple tetekpɔwo katã me la, wotsi nuteƒewɔlawo na Nye Nya la. Mana nunana mavɔ wo. Nusianu si menye la, metsɔ na wo. MÍANYE AME ÐEKA.

Nusi míate ŋu agblɔ koe nye: “JÉSUS, MÍELƆ̃ WÒ. Na míaxɔ Wò ɖe míaƒe aƒeme. Na míasi ami na Wò eye míaklɔ Wò afɔwo kple míaƒe aɖatsiwo eye míakisi na wo. Na míagblɔ alesi míelɔ̃ Wò na Wò.”

Nusiwo katã míenye la, míetsɔe na WÒ JÉSUS. Emae nye míaƒe nunana na Wò JÉSUS. Míelɔ̃a Wò. Míesubɔa Wò. Míede ta agu na Wò.

Mele mia dometɔ ɖesiaɖe kpem be miava wɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, eye miaxɔ JÉSUS ɖe miaƒe aƒeme, ɖe miaƒe hamewo me, le miaƒe ʋu me, afisiafi si miate ŋu anɔ, eye miaxɔ Nunana gãtɔ kekeake si wona ame kpɔ; Mawu Ŋutɔ si le nu ƒom hele ha dem kpli mi.

Nɔvi. Joseph Branham

60-1225 Mawu Ƒe Nunana Si Woxatsa

Gbeƒãɖeɖe Tɔxɛ

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Aƒetɔ la tsɔe da ɖe nye dzi dzi be míawɔ Gbedeasi kple Kɔmuniɔ̃ ƒe Subɔsubɔdɔ Tɔxɛ aɖe Ƒe Yeye ƒe dzodzragbe ƒe sia me ake. Nu gã kae míate ŋu awɔ, xɔlɔ̃wo, wu be míase Mawu ƒe Gbe aƒo nu na mí, akpɔ gome le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua me, eye míagagbugbɔ kɔ míaƒe agbewo ŋu na Eƒe Dɔ le Ƒe Yeye la ƒe gɔmedzedze me. Ɣeyiɣi kɔkɔe ka gbegbee wòanye be míama ɖa le xexeame gbɔ, eye míawɔ ɖeka kple Ŋugbetɔ la hena kpekpe Tɔxɛ sia le Nya la me, esime míanɔ gblɔgblɔm tso míaƒe dzi me be, “Aƒetɔ, tsɔ vodada siwo katã míewɔ la ƒe bliboa me ke mí; fifia míele tetem ɖe ŋu Wò, hele biabiam be Nàlé míaƒe asi ahafia mɔ mí le ƒe sia si gbɔna me. Neva eme be míasubɔ Wò wu alesi míesubɔa kokoko, eye ne ele Wò Mawume Lɔlɔ̃nu me la, nà be wòanye Kɔkɔdzoe gã si wòle be wòadzɔ ƒe ƒe. Aƒetɔ, ɖeko míedi be míayi Aƒeme aɖanɔ Gbɔwò le Mavɔmavɔ me.” Meti dzi be maƒo ƒu ɖe Eƒe Fiazikpui la ŋu hena adzɔgbeɖeɖe yeye tɔxɛ sia ƒe takpekpe, woakafu Aƒetɔ la.

Le xɔsetɔ siwo le Jeffersonville nutoa me gome la, madi be madze nyaƒoka la gɔme le zã ga 7 me le míaƒe nutoa me ƒe game nu. Gbedeasi kple Kɔmunĩɔ ƒe subɔsubɔdɔ bliboa anɔ Gbeɖiɖi ƒe Radio dzi ɣemaɣi, abe alesi míewɔe va yi ene. Míana Kɔmunĩɔ wein bablaawo nanɔ anyi le Kuɖa, Dzome 18lia, tso ŋdɔ ga 1yi 5, be miaxɔ le YFYC xɔa me.

Le mi amesiwo le Jeffersonville nutoa godo la, taflatse miwɔ subɔsubɔdɔ tɔxɛ sia le game si sɔ na mi dzi. Míakpɔ link aɖe si woate ŋu atsɔ axɔ Gbedeasi la kple Nuɖuɖu Kɔkɔe ƒe takpekpea.

Esi míele Kristmas Mɔkeke la gogom la, medi be mado DEDIENƆNƆ Mɔkeke Zãgbe WƆNUKU , kple KRISTOmas ƒe dzɔgbenyuie, si yɔ fũ kple Aƒetɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre ƒe dzidzɔ…NYA la na wò kple wò ƒomea.

Mawu neyra mi,

Nɔviŋutsu Joseph

24-1208 Laodikea Hame Ƒe Agbenɔɣi La

Gbedasi: 60-1211E Laodikea Hame Ƒe Agbenɔɣi La


BranhamTabernacle.org

Ame Tiatia Lɔlɔ̃tɔwo,

Kpɔɖa, Mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom: ne amea ɖe se nye gbe, eye wòʋu ʋɔa la, Mage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu Kplim.

Subɔsubɔdɔ, miʋu miaƒe ʋɔtruwo na Mawu ƒe dɔla hafi gbada nava yi. Migbugbɔ Mawu ƒe Gbe la de miaƒe nyagblɔtiwo dzi to nyaƒokawo ƒoƒo me. Enye Mawu ƒe Gbe ɖeka kolia si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkeke la kple Nya siwo medana ƒu o. Enye Gbe ɖeka kolia kple Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Enye Gbe ɖeka kolia si Ŋugbetɔa katã ate ŋu agblɔ AMEN na.

Agbenɔɣi gãtɔ kekeake le ɣeyiɣiawo katã me yenye esi. Yesu le Eɖokui ŋu ɖɔm na mí esime Eƒe amenuveve ŋkekewo le nuwum. Ɣeyiɣia va ɖo nuwuwu. Eɖe Eƒe dzesidedewo fiam mí le agbenɔɣi mamlɛ sia me. Ena míekpɔ Eya ŋutɔ ƒe Mawunyenye gã kekeake kple amenuvevetɔ la zi mamlɛtɔ. Agbenɔɣi siae nye Eya ŋutɔ ƒe ɖeɖefia ƒe tamekpe la.

Mawu va le Laodikea ƒe agbenɔɣi sia me eye wòƒo nu to amegbetɔ ƒe ŋutilã dzi. Wolé Eƒe Gbe ɖe mɔ̃ dzi eye wodzrae ɖo be wòakplɔ Eƒe Nya Ŋugbetɔ la ahade blibo. Ðeko Gbe bubu aɖeke mateŋu awɔ Eƒe Ŋugbetɔ wòade blibo o negbe Eya Ŋutɔ ƒe Gbe ko.

Le agbenɔɣi mamlɛtɔ sia me la, wotsɔ Eƒe Gbe si le nyaƒokawo dzi la da ɖe akpa; woɖee do goe le hameawo me. Ðeko womedi be yewoaƒo nyaƒokawo o. Eyata Mawu gblɔ be, “Mele tsitre tsi ge ɖe miakatã miaŋu. Matu wò aƒu gbe tso Nye nu me. Nuwuwu lae nye esi.”

“Le agbenɔɣi adreawo katã me la, nyemekpɔ naneke o negbe ame siwo dea bubu woawo ŋutɔ ƒe nya ŋu wu Tɔnye ko. Eyata le agbenɔɣi sia ƒe nuwuwu la, mele miatsɔ ge aƒu gbe tso Nye nu me. Ekpan. Mele nu ƒo ge nyuie. Ẽ, mele afisia le Hame la titina. Mawu ƒe Amen, nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ aɖe Eɖokui afia eye anye NYE NYAGBLƆƉILA.”

Abe alesi wònɔ tsã ene la, wole du dzi vavã be yewoawɔ abe alesi wo tɔgbuiwo wɔe le Axab ŋɔli ene. Wonɔ alafa ene eye wo katã woda asi ɖe edzi; eye to wo katã ƒe nya ɖeka gbɔgblɔ me la, woble amewo. Gake nyagblɔɖila ÐEKA, ÐEKA KO, tɔ dzɔ eye susɔeawo katã mesɔ o elabena Mawu tsɔ ɖeɖefia la de asi na ame ÐEKA KO.

Esia menye gbɔgblɔm mele be subɔsubɔdɔwo katã nye alakpa eye wole amewo blem o. Eye nyemele gbɔgblɔm hã be ame si si yɔyɔ le be wòasubɔla mate ŋu aɖe gbeƒã alo afia nu o. Mele gbɔgblɔm be subɔsubɔdɔ atɔ̃ vavãtɔa la atsɔ NYAƑOKAWO, Mawu ƒe Gbe na Ŋugbetɔa la, aɖo Gbe vevitɔ kekeake si WÒLE BE MIASE. Gbe si le nyaƒokawo dzi lae nye Gbe ÐEKA si dzi Mawu ŋutɔ ɖo kpe be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi.

Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu, elabena amegãxi nyanyrãwo wonye.

Aleke miawɔ anya mɔ nyuitɔ si dzi miato egbea la kple kakaɖedzi? Mamã aɖe tɔgbe le xɔsetɔwo dome. Hatsotso ɖeka gblɔ be subɔsubɔdɔ atɔ̃a la ana Ŋugbetɔa ade blibo, eye bubu gblɔ be Mizi Play ko. Mele be míama o; ele be míawɔ ɖeka abe ŊUGBETƆ ÐEKA ene. Nukae nye ŋuɖoɖo nyuitɔ?

Mina míaʋu miaƒe dziwo ɖe du eye míase nya si Mawu le gbɔgblɔm to Eƒe nyagblɔɖila dzi na Ŋugbetɔ la. Elabena mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be Nɔviŋutsu Branham nye Eƒe dɔla adrelia.

Le amegbetɔ ƒe nuwɔna ɖeɖeko nu la, ame sia ame nya be afisi ame geɖe le la, nukpɔsusu kukluklui gɔ̃ hã nɔa nufiafia gã aɖe ƒe nya suesuesue siwo wokatã wolé ɖe asi ŋu. Ekema ameka si ŋusẽ si medana ƒu o si woagbugbɔ aɖo te le agbenɔɣi mamlɛ sia me anɔ, elabena esia atrɔ ayi Nya Dzadzɛ Ŋugbetɔ la ɖeɖeɖego na agbenɔɣi mamlea gbɔ? Ema gɔmee nye be Nya la agasu mía si ake abe alesi wotsɔe na bliboe, eye wose egɔme bliboe le Paulo ƒe ŋkekeawo me. Magblɔ amesi si wòanɔ na mi. Anye nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe bliboe, alo esi dzi woɖo kpe bliboe wu nyagblɔɖila ɖesiaɖe le agbenɔɣiawo katã me tso Henox dzi vaseɖe egbe gɔ hã, elabena ahiã be nyagblɔɖisubɔsubɔdɔ si nye tamekpetɔ la nanɔ ame sia si, eye Mawu aɖee afia. Mahiã be wòaƒo nu na eɖokui o, Mawu aƒo nu ɖe eta to dzesi la ƒe gbe dzi. Amen.

Alea, Gbedeasi sia si Eƒe gbedeasitsɔla ɖe gblɔ la, wotsɔe na bliboe, eye wose egɔme bliboe.

Nukae Mawu gagblɔ tso Eƒe dɔla adrelia kple eƒe Gbedeasia ŋu? dɔla adrelia kple eƒe Gbedeasia ŋu?

• Mawu gbɔ koe wòasenu tso.
• “Ale Aƒetɔ la gblɔ esi” anɔ esi eye wòaƒo nu ɖe Mawu nu.
• Anye Mawu ƒe nuƒola.
• EYA, ABE ALESI WOÐE GBLƆ LE MALEAXI 4:6 ME ENE LA, ATRƆ ÐEVIWO ƑE DZIWO ATRƆ AÐE FOFOWO ŊU..
• Agbugbɔ he ŋkeke mamlɛa ƒe ametiatiawo la vɛ eye woase nyagblɔɖila aɖe si dzi woɖo kpe la wòagblɔ nyateƒea tututu abe alesi wònɔ kple Paulo ene.
• Agbugbɔ nyateƒea aɖo te abe alesi wònɔ wo si ene.

Ke emegbea ɖe nya kae Wògblɔ tso mía ŋu?

Eye amesiwo wotia kplii le ŋkeke ma dzi la woanye amesiwo aɖe Aƒetɔ la ɖe go vavã eye woanye Eƒe Ŋutilã kple woanye Eƒe gbe eye woawɔ Eƒe dɔwɔwɔwo. Aleluya! Ɖee miekpɔea?

Ne ɖikeke aɖe gakpɔtɔ le miame la, mibia Mawu to Eƒe Gbɔgbɔ me be wòayɔ mi fũ eye wòakplɔ mi, elabena Nya la gblɔ be, “ WOMATEŊU AFLU AME TIATIAWO ŊUTƆ KƆŊ O ”. Ame aɖeke meli si ate ŋu aflu mi nenye be mienye Ŋugbetɔ la o.

Esi Metodistetɔwo da ƒu la, Mawu fɔ ame bubuwo ɖe tsitre eye ale wòyi edzi le ƒeawo me vaseɖe esime le ŋkeke mamlɛ sia me la, dukɔ bubu aɖe gava le anyigba dzi, amesiwo le woƒe gbedeasitsɔla te la woanye gbe mamlɛtɔ na agbenɔɣi mamlɛtɔ.

Ẽ amegã. Hame la meganye Mawu ƒe “nuƒola” o. Ezu eya ŋutɔ ƒe nuƒola. Eyata Mawu le tɔtrɔm ɖe eŋu. Ato nyagblɔɖila la kple ŋugbetɔ la dzi atɔtɔe, elabena Mawu ƒe gbe anɔ eme. Ẽ ele nenema, elabena egblɔ le Nyaɖeɖefia ƒe ta mamlɛa kpuikpui 17 me be, “Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la gblɔ bena: Va.” Zi ɖeka ake la xexeame agase nu tso Mawu gbɔ tẽ abe alesi wònɔ le Pentekoste dzi ene; gake ẽ ɖe, woagbe Nya Ŋugbetɔ ma abe alesi wònɔ le agbenɔɣi gbãtɔa me ene.

Gbe le Ŋugbetɔa si, gake nusi le nyaƒokawo dzi koe wòagblɔ. Elabena Gbe ma TSO MAWU GBƆ TẼ, eyata mehiã gɔmeɖeɖe aɖeke o le esime wotsɔe na bliboe eye wose egɔme bliboe ta.

Va wɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míase Gbe ma wòaɖe: Laodikea Hame La Ƒe Agbenɔɣi La 60-1211E fia mí.

Nɔvi. Joseph Branham

24-1201 Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo

Gbedasi: 60-1211M Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo


BranhamTabernacle.org

Ŋdi Na Mi Xɔ̃wo,

Ɣeyiɣi aɖeke meva kpɔ le xexeame ƒe ŋutinya me si me Kristo ƒe Ŋugbetɔ si tso xexeame ƒe akpa vovovowo ate ŋu awɔ ɖeka ɖe du le ɖekawɔwɔ me abe esia ene, esime gbeɖiɖi aɖe tso Dziƒo, Mawu ƒe Gbe ŋutɔ, te ŋu va ge ɖe eme adãtɔe o.

Ŋɔŋlɔawo le eme vam. Enye ɖekawɔwɔ Nuku ƒe ɣeyiɣi la ƒe dzesi. Kristo ƒe Ŋugbetɔ ƒe ɖekawɔwɔ makpɔmakpɔ la le edzi yim esi míenɔ anyi ɖe Vi la ŋkume, le tsitsim, le Eɖokui dzram ɖo to Mawu ƒe Gbe ŋutɔ sese me.

Wole míawɔm blibo to Eƒe subɔsubɔdɔ atɔ̃a dzi.

Ame nenie xɔe se be dzimetɔtrɔ aɖeke mele nunanawo kple yɔyɔwo me o? Biblia gblɔ be nunana atɔ̃ le hamea me. Mawu ɖo Apostolowo, alo dɔgbedelawo, apostolowo, nyagblɔɖilawo, nufialawo, nyanyuigblɔlawo, kplɔlawo ɖe hamea me.

  • Mawunyagblɔla: Maɖi ɖe mɔadzi. Ame aɖe agblɔ be, “Mawunyagblɔlae nènyea?” Magblɔ be, “Ẽ amegã. Oo, ẽ, mawunyagblɔlae menye.”
  • Nufiala: Ke azɔ nusita nyemetsɔe yi ɖaɖe gbeƒã ŋdi sia gbeɖe o, enye be, mesusu be, le nufiafia me la, míase egɔme nyuie wu be míatsɔ mawunyakpukpui aɖe ko adzo le edzi. Ðeko míafiae.
  • Apostolo: Nya “dɔgbedela” gɔmee nye “ame si wodɔ.” “Apostolo” gɔmee nye “ame si wodɔ.” Dɔgbedela nye apostolo. Me—me, dɔgbedela menye, abe alesi mienya ene la, mewɔa nyanyuigbɔgblɔdɔ, dɔgbededɔ, abe zi adre ene le ƒugodo, le xexeame godoo.
  • Nyagblɔɖila: Èxɔ dzinye se be Mawu ƒe nyagblɔɖilae menyea? Ekema yi ɖawɔ nu si megblɔ na wò be nàwɔ.
  • Kplɔla: Mienya nusi mewɔ na mia? Mieyɔam be miaƒe kplɔla, ke miegblɔnɛ nyuie, elabena eyae menye.

Eye mekpɔ ame miliɔn mawo le tsitre ɖe afima, megblɔ be, “Branham wokatã nyea?” Egblɔ be, “Kpao.” Egblɔ be, “Wò dzimetrɔlawoe wonye.” Eye megblɔ be, nye—megblɔ be, “Medi be makpɔ Yesu.” Egblɔ be, “Menye haɖe o. Awɔ ɣeyiɣi aɖe hafi Wòva haɖe. Gake Ava gbɔwò gbã eye woadrɔ̃ ʋɔnu wò to Nya si nèɖe gbeƒãe la dzi,

Emegbe mí katã míado míaƒe asiwo ɖe dzi agblɔ be, “Ema dzie míele dzudzɔm ɖo!”

Nane le dzadzram ɖo be wòadzɔ. Nukae le dzɔdzɔm? Ame kuku siwo le Kristo me la dze tsitretsitsi gɔme ƒo xlãm godoo. Mele sesem le ɖokuinye me be tɔtrɔ aɖe va le nye ŋutilã me. Nye ɖa ɣi, edzo. Kpɔ nye mo ɖa…nye ayilele katã bu. Nye vevesesewo kple teƒeɖuɖuwo….WODZO. Nye blanuiléle ƒe seselelãme nu yi enumake. Wotrɔm le ɣeyiɣi kpui aɖe me, le aɖabaƒoƒo me.

Emegbe míadze ŋkutsatsa ɖe mía ŋu ƒo xlã eye míakpɔ míaƒe lɔlɔ̃tɔwo. Oo míatɔwo, Dada kple Papa woema… Ŋutikɔkɔe, vinyeŋutsuvi…vinyenyɔnuvi. Tɔgbuinye, Mamanye, oo, mi ame evea siaa dzrom vevie. Eeh…nye zɔhɛ xoxoa lae ma. Oo MIKPƆ, Nɔviŋutsu Branham, míaƒe nyagblɔɖila ɖa, Aleluya!! Ekpan vɔ. Ele dzɔdzɔm!

Emegbe ɖe du la, kasia la, woakɔ mí adzoe ɖaa le yamenutome le anyigba ta me. Míado go Aƒetɔ la le Eƒe mɔ dzi esime wòaɖi gbɔna. Míanɔ tsitre ɖe afima kplii le anyigba sia ƒe klobototowo dzi eye míadzi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe hadzidziwo. Míadzi ha eye míakafu Eyama ɖe Eƒe amenuveve xɔname si Wòna mí ta.

Nusiwo katã wodzra ɖo ɖi na Eƒe Ŋugbetɔ. Ɣeyiɣi kae nye me to ge míala le mavɔmavɔ me kple mía nɔewo, kple mía Aƒetɔ Yesu. Amesiwo ŋu ku le mate ŋu aɖe alesi míesena le mía ɖokui me le míaƒe dziwo me afia o, Aƒetɔ.

Ne èdi be yease Eyama wòayɔ wò be Eƒe Ŋugbetɔ, eye wòagblɔ alesi wòanɔ Kplii na wò la, va wɔ ɖeka kpli mí le Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, eye woayra wò agbɔ eme.

Nɔvi. Joseph Branham

60-1211M Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo

24-1124 Filadelfia Hame La Ƒe Agbenɔɣi

Gbedasi: Filadelfia Hame La Ƒe Agbenɔɣi 60-1210


BranhamTabernacle.org

Aƒenɔ Yesu Kristo Lɔlɔ̃tɔ,

Nukae Kwasiɖagbe sia ahe vɛ na Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la? Nukawoe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la aɖe afia mí keŋkeŋ? Dzesidede Deblibo. Míase egɔme bliboe azɔ to Ɖeɖefia dzi, nuŋtɔŋtɔa si wotsɔ tsitre ɖe sɔɖenua ŋu kple vavãtɔa kple vɔvɔlia. Yesu ye nye Agbe ƒe Abolo vavãtɔ la. Eyae nye Eƒe bliboa. Mawu Ðekae Wònye. Eyae nye Hebritɔwo 13:8. Eyae nye MENYE LA.

Kristo, to dzedze le ŋutilã me kple Eya ŋutɔ ƒe Ʋu kɔkɔɖi me la, eɖe míaƒe nuvɔ̃wo ɖa zi ɖeka tegbee to Eŋutɔ ƒe vɔsa me; eyata Ewɔ mí BLIBOE azɔ. Eƒe agbe ŋutɔŋutɔ le mía me. Eƒe Ʋu kɔ mía ŋu. Eƒe Gbɔgbɔ yɔa mí fũ. Eƒe kabiwo yɔ dɔ mí vɔ XOXO.
Eƒe Nya la le míaƒe dzi kple nu me. Kristo Wònye le míaƒe agbe me ke menye nu bubu aɖeke o, esime nusianu si le míaƒe agbe me le gbegblẽm le nu maɖinu zum, negbe Eya kple Eƒe Nya la ko.

Míaƒe dzi ayɔ fũ kple dzidzɔ esi Wòle gbɔgblɔm na mí to Eƒe Mawu ƒe sedede dzi be, Yenya amesi tututu anye Yeƒe Ŋugbetɔ. Alesi Wòtia míi. Eyɔ mí. Eku ɖe mía ta. Exe fe ɖe mía ta eye míenye Etɔ, ke Eya ɖeka ko tɔ. Eƒoa nu, eye míeɖoa to, elabena enyɔa mía ŋu. Míawo koe nye Eƒe nunɔamesi eye ame bubu aɖeke mele esi o negbe MÍAWO ko. Eyae nye míaƒe Fiawo dzi Fia eye míenye Eƒe fiaɖuƒe. Míenye Eƒe nunɔamesi mavɔ.

Ado ŋusẽ mí eye wòaklẽ na mí to Eƒe Gbe Nya me. Aɖe eme eme nakɔ eye wòaɖee afia be Yee nye alẽawo ƒe Ʋɔtru. Enye Alfa kple Omega siaa. Eyae nye Fofo, Eyae nye Vi la, eye Eyae nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Ele Ðeka, eye míele Ðeka kplii kple le Eyama me.

Afia dzigbɔɖi mí, abe alesi Wòwɔe na Abraham ene, to alesi wòle be míalala dzigbɔɖitɔe ahado dzi ne míedi be ŋugbedodo aɖe nasu mía si la gɔmeɖeɖe me.

Aɖe ŋkeke si me tututu míele afia mí kɔtɛ. Alesi xexeame katã ƒe aɖaŋuɖeha asẽ ŋu alea gbegbe le dunyahehe me, eye wòazi ɖe dziɖuɖua dzi be amewo katã nawɔ ɖeka kplii to asidada ɖe gɔmeɖose siwo wowɔ wòzu se dzi, ale be womade dzesi ame aɖeke abe wonye hamewo ene o negbe ɖe woƒe aɖaŋuɖoha ɖu wodzi tẽ alo le mɔ si mele tẽ o nu hafi.
Aɖe ame ƒe agbɔsɔsɔme si ayi kpli wo, asusu be yewole Mawu subɔm
le ɖoɖowɔha la ƒe ŋkɔ me. Gake Egblɔ na mí be, “Migavɔ̃ o, elabena womaflu Ŋugbetɔ la o, míanɔ Eƒe Nya, Eƒe Gbe la gbɔ.”

Aleke gbegbe wòade dzi ƒo na mí enye si be míase Eyama wòagblɔ na mí be: “Milé me ɖe asi sesĩe, midzrae ɖo. Migana ta gbeɖe o, ke boŋ mido Mawu ƒe aʋawɔnu bliboa, aʋawɔnu ɖesiaɖe, nunana ɖesiaɖe si mena mi la le mia si. Dzi megaɖe le ƒowò gbeɖe o lɔlɔ̃tɔ, ɖeko nànɔ ŋgɔ kpɔm kple dzidzɔ elabena Nye, wò Fiawo dzi Fia kple Aƒetɔwo dzi Aƒetɔ, Srɔ̃wò, ye le fiakuku ɖo ge na wò.”

Wòenye Nye hame vavã la; Mawu ƒe gbedoxɔ ŋutɔ ŋutɔ la to Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le agbe le miame la dzi. Miazu sɔtiwo le gbedoxɔ yeye la me;
Gɔmeɖokpe ŋutɔ ŋutɔ si alé xɔtutu gã la. Maɖo mi abe dziɖulawo ene kple apostoloawo kple nyagblɔɖilawo, elabena Mena mi Nye Nya la, nye Ŋutɔ ƒe ɖeɖefia.

Aɖee fia mí eme akɔ be woŋlɔ míaƒe ŋkɔwo ɖe Eƒe Alẽvi la ƒe Agbe Ƒe Agbalẽ me doŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ke. Eyata míele Eƒe Fiazikpui ŋkume nɔ ge zã kple keli be míasubɔ le Eƒe gbedoxɔ me. Míenye amesiwo Aƒetɔ la léna bena tɔxɛ; Eƒe Ŋugbetɔ míenye.

Ŋkɔ yeye asu mía si le Eƒe ŋkɔ tsɔtsɔ me. Anye ŋkɔ si woatsɔ na mí ne Wòxɔ mí ɖe Eŋutɔ gbɔ. Míanye Eƒe Aƒenɔ Yesu Kristo.

Yerusalem yeye la ɖiɖi gbɔna tso Mawu gbɔ le dziƒo, Ŋugbetɔ aɖe si wowɔ leke na na Srɔ̃a. Ku, vevesese, alo avifafa maganɔ anyi o. Nenema ke vevesese maganɔ anyi o elabena nuxoxowo ŋu va yi. Mawu ƒe ŋugbedodo dzeanyiwo katã avame. Tɔtrɔ la ade blibo. Alẽvi la kple Eƒe Ŋugbetɔ woaxɔ anyi anɔ le Mawu ƒe blibodedewo katã me.

Aƒn. Yesu Kristo lɔlɔ̃tɔ, TSƆE KU DRƆ̃. Adzeanyi wu nusi nàte asusu.

Mele amesiame kpem be wòava wɔ ɖeka kpli mí le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míaƒe Srɔ̃, Yesu Kristo, aƒo nu to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia sesẽ dzi aɖagblɔ nu siawo katã na mí.

Nɔvi. Joseph Branham

Gbedeasi: Filadelfia Hame La Ƒe Agbenɔɣi 60-1210

24-1117 Sardes Hame Ƒe Agbenɔɣi La

Gbedasi: 60-1209 Sardes Hame Ƒe Agbenɔɣi La


BranhamTabernacle.org

Nyaƒokatɔ Lɔlɔ̃tɔwo,

Aleke gbegbe wònye dzidzɔ na mí enye si be woyɔ mí be “Nyaƒokatɔwo”. Míaƒe dziwo ƒua du kple dzo kwasiɖa sia kwasiɖa esi míenya be míawɔ ɖeka ɖe du le xexeame godoo to Mawu ƒe Gbe si le nu ƒom na mí sese me.

Míenya be, ɖikeke ɖeka pɛ hã ƒe vɔvɔli aɖeke manɔmee la, míele Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu deblibo la me to anyinɔnɔ kple Eƒe Nya la me; toɖoɖo Eƒe Gbe to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia sese la dzi.

Gbedeasitsɔla si Wòtia na míaƒe ŋkekea ye nye William Marrion Branham. Eyae nye Mawu ƒe akaɖi na xexeame, si ɖea Mawu ƒe kekeli fiana. Ele Eƒe Nya Dzadzɛ Ŋugbetɔ tiatia la yɔm to Eƒe dɔla dzi.

To Eƒe Nya la sɔsrɔ̃ nyuie me la, Eɖee fia mí to Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi be William Marrion Branham ye nye dɔla si Wòtia be yeatsɔ Eƒe Ɖeɖefia kple Subɔsubɔdɔ ana na míaƒe ŋkekea. Míekpɔ Eƒe dɔla, MÍAƑE ƔLETIVI, le Eƒe nuɖusi me esi Wòle Eƒe ŋusẽ name be wòaɖe Eƒe Nya la afia eye wòayɔ Eƒe Ŋugbetɔ la do goe.

Ena Eya ŋutɔ ƒe Ɖeɖefia blibo la mí. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de dzesi Eɖokui fia mí to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia ƒe agbenɔnɔ me; dɔla si Wòtia be wòanye Eƒe ŋkuwo na míaƒe ŋkekea.

Alesi míaƒe dziwo bia le mía me esi Wògblɔa na mí kple Gbedeasi ɖesiaɖe be enye Yeƒe tameɖoɖo be yeakplɔ mí ava Yeɖokui gbɔ; be míenye Eƒe Nya Ŋugbetɔ.

Elɔ̃a alesi Wòtia mí hafi woɖo xexeame gɔme anyi le YE ME la gbɔgblɔ na mí zi gbɔ zi geɖe. Alesi Wònya mí helɔ̃ mí do ŋgɔ.

Alesi míelɔ̃a Eyama sese wòanɔ nuƒome eye wògblɔna na mí be Eƒe Ʋu ye ɖe mí eye míate ŋu ava fɔbubu me GBEÐE o. Míate ŋu anɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me gbeɖe o, elabena womate ŋu abu nuvɔ̃ ɖe mía ŋu o.

Alesi míanɔ anyi Kplii esi wòaxɔ Eƒe anyigbadzifiazikpui si nye Dawid tɔ, eye míaɖu fia Kplii; abe alesi Wòwɔe le dziƒo ene, kple ŋusẽ kple atsekpakpa ɖe anyigba blibo la katã dzi. Agbe sia ƒe tetekpɔ kple dodokpɔwo maɖi naneke o le ɣemaɣi.

Gake Exlɔ̃ nu mí hã kuɖe alesi wòle be míaɖɔ ŋu ɖoe ŋu. Be le agbenɔɣiwo katã me la, weinti eveawo tsi ɖe wo nɔewo xa. Alesi futɔa te ɖe ŋu alea gbegbe ɣesiaɣie; fluna ame ale gbegbe. Mawu tia Yuda gɔ̃ hã, eye wòfia nui le nyateƒe me. Egblɔ nyaɣaɣlawo ŋuti sidzedze na amewo. Wotsɔ ŋusẽ ƒe subɔsubɔdɔ aɖe nɛ eye wòda gbe le dɔnɔwo ŋu eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le Yesu ƒe Ŋkɔ me. Gake mete ŋu yi mɔa ƒe nuwuwu o.

Màte ŋu ayi kple Nya la ƒe akpa aɖe ko o, ele be nàxɔ Nya la KATÃ. Ame aɖewo li siwo dze abe ɖe woƒo wo ɖokui ɖe Mawu ƒe nuwo me alafa ɖe alafa dzi kloe ene, gake o.

Egblɔ be mesu be Yeŋutɔ yeawɔ ɖeka kple hame bliboa, alo Efesotɔwo ene ƒe subɔsubɔdɔ atɔ̃awo gɔ̃ hã o. Exlɔ̃ nu mí be le agbenɔɣi ɖesiaɖe me la, hamea trana, eye menye hameviwo ɖeɖekoe o ke boŋ nunɔlawo ƒe hatsotsoa hã — alẽkplɔlawo tɔ medzɔ o tututu ko abe alẽawo hã ene.

Eyata to Eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu ƒe aɖaŋuɖoɖo si wòɖo kplikpaa me la, Etsɔ Eɖokui va kpea dzi le míaƒe agbenɔɣia me abe Alẽkplɔla Gãtɔ ene le Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia ƒe subɔsubɔdɔa me be wòakplɔ Yeƒe dukɔ atrɔ ayi nyateƒea kple nyateƒe ma ƒe ŋusẽ gbogbo la gbɔ.

Ele Eƒe gbedeasitsɔla me eye amesi adi be Mawu ƒe blibonyenye nanɔ yesi la adze gbedeasitsɔla la yome abe alesi gbedeasitsɔla la nye Aƒetɔ la yomedzela to Eƒe Nya dzi ene.

Medi be Mawu ƒe blibonyenye nanɔ asinye eye madze Eƒe gbedeasitsɔla yome. Eyata na mí, Branham ƒe Agbadɔ la, mɔ ɖeka kolia si dzi míato adze gbedeasitsɔla la yome esi wòle Aƒetɔ la yome dzem to Eƒe Nya dzi la, yenye be MÍAZI PLAY dzi eye míase Mawu ƒe Gbe Dzadzɛ la wòagblɔ nya siwo medana o na mí.

Mehiã be míasusu alo alé ŋku ɖe nusi sem míele ŋu o, ɖeko wòle be míazi Play dzi eye míaxɔ Nya ɖesiaɖe si sem míele la dzi ase.

Mese Nɔviŋutsu Branham gblɔ nya si gbɔna la gbeɖeka ŋdi kanya le Voice radio dzi. Esi Mesee la, eva nye dzi me be alea tututue me / míesena le mía ɖokui me ne míegblɔ be:

ÐEKO MÍEZIA PLAY HESENA NYAƑOKAWO.

Eɖi míaƒe Xɔse ƒe nyagbɔgblɔ nam.

Susuma tae mexɔa Gbedasi sia dzi se, enye be Etso Mawu ƒe Nya la me. Eye nusianu si le Mawu ƒe Nya godo la, nyemexɔe se o. Ate ŋu anɔ nenema, gake kokoko la, ɖeko manɔ anyi kple nusi Mawu gblɔ la, eye emegbe maka ɖe edzi be tɔnye dzɔ. Azɔ, Mawu ate ŋu awɔ nusi Wòdi. Eyae nye Mawu. Gake zi alesi mele Eƒe Nya la gbɔ ko la, ekema menya be ele eteƒe. Mexɔe se.

Ŋutikɔkɔe, egblɔe wòde BLIBO ale gbegbe. Subɔsubɔdɔ bubuawo katã ateŋu anyee, elabena Mawu ateŋu awɔ nusi Wòdi, kple amesi Wòdi, Enye Mawu. Gake zi alesi meli kpli Eƒe Nya, Eƒe Gbe, Nyaƒokawo ko la, ekema menya be ele eteƒe. Mexɔe se.

Menya be ame geɖewo xlẽa nye lɛtawo eye wosea nya si megblɔna kple nusi mexɔ se be enye Aƒetɔ la ƒe Lɔlɔ̃nu na míaƒe hame la gɔme baɖa. Magagblɔe ɖokuibɔbɔtɔe dzro abe alesi nyagblɔɖila la gblɔe ene be: “Nye hame ɖeɖeko tɔe nye lɛta siawo. Amesiwo di be yewoayɔ Branham ƒe Agbadɔa be yewoƒe hame. Amesiwo DI BE WOADE DZESI YEWO EYE WOAYƆ YEWO BE NYAƑOKA TƆWO”.

Ne mielɔ̃ ɖe nusi megblɔ kple mexɔ se dzi o la, ekema enyo 100% nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo. Nye lɛtawo menye miatɔ alo tsi tre ɖe miawo alo miaƒe hamewo ŋu o. Miaƒe hame le eɖokui si eye ele be miawɔ abe alesi miese le mia ɖokui me be wokplɔ mi be yewoawɔ ene, gake le Nya la nu la, nenema ke mía tɔ hã le, eye esiae nye nusi míexɔ se be enye Mawu ƒe mɔ si wota na mí.

Míexɔa amesiame ɣesiaɣi be woawɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe ɖesiaɖe le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi. Kwasiɖa sia me la, Mawu ƒe Ɣletivi na míaƒe agbenɔɣia, William Marrion Branham, atsɔ Gbedasi, 60-1209 Sardes Hame La ƒe Agbenɔɣi vɛ na mí.

Nɔvi. Joseph Branham