21-1121 Tsikɔwuame

Gbedasi: 65-0919 Tsikɔwuame

BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Aƒenɔ Tiatia Lɔlɔ̃a,

Ɖekawɔwɔ gã mamlɛtɔ la le mevam na Kɔkɔdzɔe la. Gbɔgbɔ Kɔkɔe le Eƒe Ŋugbetɔ la hem va ɖe du tso dukɔwo me; tso Ɣetoɖoƒe Ƒuta yi Ɣedzeƒe Ƒuta, tso Dziehe yi Nyiehe, tso xexeame ƒe dzogoe eneawo me.

Ele míanu ƒom ɖe du le míaƒe hameawo kple le míaƒe aƒewo me to yaʋala nyuiea ɖe ŋutɔ me. Eganyo wu nuƒoƒo tso nyakakadɔwɔƒe gɔ hã. Telefoni tsatsa le kame ye. Míede mɔ̃wo alo mikrofoniwo, alo nukake wònye la, xɔa me, ke ɖeko wòle tututu abe ɖe míele xɔa me kple Eƒe Nyagblɔɖila ene. Enye mɔ si Mawu na egbe be woawɔ Eƒe Ŋugbetɔ la ɖekae aɖahee va ɖe du kple, “Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi”.

Ƒe bla atɔ̃ vɔ ade ye nye esi, Mawu dze Eƒe ɖoɖo si nye ƒuƒoƒo Eƒe Ŋugbetɔ la ɖe du gɔme ale be woakatã woateŋu ase Eyama wòaƒo nu to Eƒe dɔla sesẽ dzi ɖe du le ɣeyiɣi ɖeka me. Ena ŋutɔ gɔ hã be Eƒe subɔsubɔdɔ atɔ̃awo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe eye woƒoƒu wotɔwo ɖe du, hetsaka telefoni ɖe woƒe hameawo me, esime Wòdi be Eƒe Ŋugbetɔ la katã nase Eƒe Gbe le ɣeyiɣi ɖeka me ta. Eƒe ɖoɖo gã la dze egɔme. Meva me kpɔ gbeɖe le xexeame ƒe nutinya me o. Eƒe nyagblɔɖila nyae eye wòkpɔ dzidzɔ alegbegbe. Azɔ Mawu ate ŋu ƒo nu teŋ na Eƒe Ŋugbetɔ la katã le ɣeyiɣi ɖeka me. Woakatã woateŋu ase na woɖokuiwo, Mawu si le nuƒom na wo teŋ, eye mahĩa gɔmeɖeɖe aɖeke o.

Egbe la, xexeame ƒe mo wɔ yaa. Nukata amewo katã tso xexeame kpeɖo, teƒe vovowo ƒe gamewo dzi; 12:00, 2:00 woale me, zã ga 8:00, zã tiƒe, le ƒuƒom ɖe du le ɣeyiɣi ɖeka me be woase Gbedeasi aɖe si woateŋu ase le ɣeaɖekpeɣi fãa. Nukae nye hehe laa?

Woɖe fia wo be esia nye Mawu ƒe ɖoɖo la, Mawu ƒe mɔ si wona be woawɔ wo ɖekae le gbɔgbɔ me. Mawu wònye le dzadzra ɖo wɔm be yeaƒo nu na Yeƒe Ŋugbetɔ la katã le ɣeyiɣi ɖeka me.

NUBUBU AƉEKE wu Mawu ƒe Gbe, Eƒe Nya, Gbedeasi sia, si Eƒe nyagblɔɖila ɖe gblɔ mateŋu awɔ esia o. Amea ɖeke meli, nububu aɖeke hã meli, si dzi Ŋugbetɔ la katã ate ŋu alɔ̃ ɖo o.

Ameaɖe ateŋu agblɔ be, “Meɖoa to nye kplɔla esime wòxlẽa Nya la heɖea gbeƒãe ko tututu abe alesi nɔviŋutsu Branham gblɔ be newɔe ene.” Woakafu Aƒetɔ la. Ema nyo ŋutɔ eye woyrawò ŋutɔ be kplɔla aɖe le asiwò si nɔa anyi kple Nya la. Woyɔe be wòalé alẽha la ɖe du eye be wòaɖana wò aɖafia asi Nya la na wò, gake menye numa ŋu mele nuƒom kuɖe o. Edze be Tɔɖoƒe aɖe, Nya mamlea aɖe nanɔ asiwò. Nya siwo dzi mía KATà MÍATE ŊU ALƆ̃ ƉO. Meka alesi woyɔ ame aɖe hesi ami nɛ o la, amea ɖeke ƒe nya mede blibo, eye ame aɖeke ƒe subɔsubɔdɔ mate ŋu awɔ Ŋugbetɔ la ɖekae o.

“Ema susuwò kple wò nukpɔsusu ko wònye. Ɖo kpe esia dzi kple Nya la, Nɔviŋutsu Joseph.”

Elabena ne ame eve le miasi la, nukpɔsusu eve woe le miasi ye ma. Ke ele be wòava ɖo tɔɖoƒe mamlɛtɔ ɖeka aɖe gbɔ, ke nye tɔɖoƒe lae nye Nya la, Biblia. Ke abe kplɔla na hamea le teƒe sia la, nye tɔɖoƒe lae Nya la, ke medi…menya mi, mía nɔviŋutsuwo, miekpɔa dzi nye abe miaƒe tɔɖoƒe tɔgbe na nuka…zi geɖe alesi ke medzea Mawu yome, abe alesi Paulo gblɔe le Ŋɔŋlɔ la me ene la, “Midze yonyeme, abe alesi medzea Kristo yome ene.”

Alea la, ne nyagblɔɖila ƒo nu la, enye Tɔɖoƒe na Ŋugbetɔ la. Eƒe Gbedeasi la menye eƒe nya, alo nye eƒe gɔmeɖeɖe ku ɖe Nya la ŋu o. Enye Mawu si le Eŋutɔ ƒe Nya gɔme ɖem to Eƒe mɔ ɖeka si wona be woawɔe nenema dzi: to Eƒe nyagblɔɖila dzi.

Ne nèbe nèxɔ Gbedeasi Sia dzi se. Ne nèbe nèxɔ numegbe sia dzi se. Ne nèbe eye nèxɔe se be nènye Kristo ƒe Ŋugbetɔ la, ekema elebe nusi wogblɔ le nyaƒoka dzi nanye wò Tɔɖoƒe.

Alea ɖe, nububu kae ate ŋu wɔ Kristo ƒe Ŋugbetɔ la ɖekae ɖe du negbe míaƒe Tɔɖoƒe la mahã? NANEKE O. Nyaƒokawo nye Eƒe Gbe, Eƒe Nya, míaƒe Tɔɖoƒe la. Nyagblɔɖila gblɔ na mí be nyagblɔɖila na egbe lae nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la tia ame ƉEKA, Gbe ƉEKA be wòaɖe Eƒe Nya fia eyama eye Gbe ma le Eƒe Ŋugbetɔ la wɔm ɖekae to Eƒe mɔ si wòna na egbe dzi, TO PLAY ZIZI DZI.

Mele tɔnye nyuietɔ kekeake sinu wɔm be manɔ anyi kple Nya la, ɖe esiawo si wode nye asiwo me na Mawu la ta, elabena alẽwo dia alẽ ƒe nuɖuɖu, ẽ ɖe. ” Nye alẽwo sea Nye Gbe.” Ke esia dzi ye míenɔa agbe to, Nya ɖe sia ɖe si doa…Menye wokatã…Menye Nya ɖeka ko fifia kple emegbe o; gake Nya ɖe sia ɖe si doa le Mawu ƒe nu me dzi, emae dzi ye wòle be amekɔkɔeawo na nɔ agbe to.

Edze be míanɔ agbe to Nya ɖe sia ɖe si doa tso Mawu ƒe nu me dzi. Kae nye Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe na egbe mahã? Nye yea? Nyemenye Mawu ƒe dɔla kple Gbedeasitsɔla 7lia si dzi woɖo kpe o, nenema ke wò kplɔla alo ame bubu aɖeke menye o; Mawu wònye le WILLIAM MARRION BRANHAM ƒe gbe zãm.

Gbedeasi si WÒGBLƆ ƉE nyaƒoka dzi ye woatsɔ drɔ ʋɔŋu mí. Menye kple ame bubu aɖe ƒe gɔmeɖeɖe alo si le gbeƒã ɖem nusi wògblɔ o boŋ kple Nya la le NYAƑOKA DZI. Meka alesi woasi ami na mí kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe o la, míatɔ mate ŋu dzɔ o fãa. Nyemele gbɔgblɔm be gbeƒãɖela aɖe nye alakpatɔ alo tɔ medzɔ o; woyɔ mí bena míaɖe gbeƒã, aɖafia nu, aɖanɔ anyi kple Nya la, gake míaƒe yɔyɔ lae nye be míafia asi NYA LA NA mi, eye NYA DE BLIBO ƉEKA SI DZI WOƉO KPE la le Nyaƒoka dzi.

Abe Kristo ƒe Ŋugbetɔ ene la, nu geɖe fũ le mía si, si ta wòle be míade akpe ɖo.

Ne míetsɔ nuŋlɔtsi yɔ ‘tsiaƒu hã
Eye dziŋgɔli zu agbalẽ la,
Ne atilẽwo zu nuŋlɔ̃ti,
Ye ameƒomea katã zu nuŋlɔla hã la;
Be woaŋlɔ̃ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la
Ana ƒu la amie keŋkeŋ;
Dziŋgɔli hã masu nɛ o
Tso gunu yi agunu

Míaƒe agbewo ƒe Akpedavɔsa gãtɔ kekeake gɔmedze ge míele ye ma.
Gbɔgbɔ me Nuɖuɖu ƒe azã be wòaɖi ƒo na míaƒe luʋɔwo.
Azã aɖe me le afisi woawɔ Ŋugbetɔ la ɖekae le eye wòanɔ anyi ɖe du le Ŋdɔkutsu la ƒe Ŋkume anɔ tsitsim.

Mawu le nuƒo ge to Eƒe Gbedeasitsɔla dzi aɖagblɔ na mí be:

•Míenye Yeƒe Aƒenɔ Tiatia la.
•Míaƒe ŋkɔwo le Alẽvi la fe Agbe Gbalẽ la me.
•Nuvɔ̃ aɖeke mele mía ŋu o.
•Wotso afia na mí do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi ke.
•Míawoe nye amesiwo woyɔ do go kple amesiwo wotia la.
•Míawoe nye amesiwo Mawu ƒe ɖoɖo blibo la le lalam kpɔ.
•Míawoe nye Mawu gbagbe la ƒe Vi ƒe Ŋugbetɔ dzadze, zazɛ, si ŋu nuvɔ̃ mele o.
•Míede blibo le Eƒe ŋkume.

Nuwuwu meli na nusiwo katã Gbɔgbɔ Kɔkɔe la aɖe fia kple awɔ na mí ŋɔŋlɔ o.

Akpedavɔsa ƒe nya gblɔ míele a!!!

Mese le menye be wozi ɖe nye Gbɔgbɔ dzi tso Aƒetɔ la gbɔ be míakɔ kɔsiɖa katã ŋuti, adze egɔme tso Kɔsiɖagbe sia dzi, hena Akpedavɔsa na Aƒetɔ la.

Ɖoɖo la ƒe agbalẽ kple ŋkekeawo, ɣeyiɣiawo kpakple Gbedeasi siwo se ge míala woe nye esi.

Abe alesi miele ekpɔm la, Kɔsiɖagbe la míakatã míaƒoƒu ɖe du le míaƒe ɣeyiɣi ga sia ga me tɔ si nye woale ga 2 me, Jeffersonville ƒe game dzi, be míase Gbedeasi: Tsikɔwuame 65-0919.

Dzoɖagbe yiɖe Kuɖagbe la, madi be míase Gbedeasi 3 siwo Nɔviŋutsu Branham gblɔ ɖe ɖoɖo nu, le 1965 me. Míele wo de ge Voice Radio dzi le ŋdi ga 9 me kple le wòtrɔ ga 7 me ake, Jeffersonville ƒe ga me dzi.

Menyae be asese na ame geɖewo be woase le ɣeyiɣi ɖo ɖi aɖe dzi le woƒe dɔme ƒe ɣeyiɣigbalẽ alo dɔdeasi bubuwo siwo kpɔ woƒe ŋkume ta, gake mɔkpɔkpɔtɔe la miate ŋu ase le ɣeyiɣi siawo ƒe dometɔ ɖeka dzi ɖe du kple miaƒe ƒomewo.

Emegbe le Yawoɖagbe, Aɖeamakpɔxɛ 25lia dzi la, adzrom be míaƒoƒu ɖe du le Jeffersonville ƒe ga me dzi, be míadze míaƒe Akpedavɔsa kɔsiɖa nuwuwu dze anyi la gɔme esime míaga geɖe ka me ake aɖase Mawu ƒe Gbe wòahe míaƒe kɔsiɖa nuwuwu ƒe Gbedeasi: Kristo Ƒe Ŋugbetɔ Ƒe Ɖekawɔwɔ Makpɔmakpɔ La 65-1125 vɛ na mí.

Enye yayra tɔxe aɖe nam alegbegbe be made dzesi be anye ƒe 56 woenye esi, ɖe ŋkekea dzi, esime Mawu ƒo nu to Eƒe nyagblɔɖila dzi be wòahe Gbedeasi siawo siwo ɖo ɖe wonɔewo nu vɛ na mí. Ewɔ ƒe 56 tso keke nɔviŋutsu Branham ƒe dzigbe le 1909 me, yi 1965, esime wògblɔ Gbedeasi siawo.

Nuka wɔge míala ne míenyae be nɔviŋutsu Branham le Shevreport, LA nɔ ge le kɔsiɖa ƒe nuwuwu sia be wòahe Gbedeasi siawo vɛ na mí mahã? Naneke…medi be magblɔ be NANEKE mateŋu ahemɔ yiyi na mí o. Ɖoɖo aɖe le Mawu si na eƒe Ŋugbetɔ egbe, eye NANEKE mele mɔ xe ge nɛ o.

Mele gbedom ɖa be miadometɔ ɖe sia ɖe nanɔ mɔkpɔkpɔ gã aɖe te hena kɔsiɖa ƒe nuwuwu dze anyi aɖe si me to ge míele ɖe du kple Aƒetɔ la; anɔ akpe dem Nɛ, anɔ Eyama kafum ɖe nusiwo katã Wòwɔ, kple esiwo katã wɔge Wòle na míadometɔ ɖe sia ɖe si nye EƑE AƑENƆ TIATIA la.

Nɔvi. Joseph Branham