Category Archives: Uncategorized

25-0406 Nutrenu Enelia

Gbedasi: 63-0321 Nutrenu Enelia

PDF


BranhamTabernacle.org

Amekɔkɔe Lɔlɔ̃tɔwo Siwo Wodzi Tso Dziƒo,

Fofo le míanu ƒom ɖedu to Eƒe Nya dzi, kple Ɖeɖefia ma ƒe kpeɖodzinu si le míamum. Etia mí do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi ke, elabena Enya bena míanye nuteƒewɔlawo na Eƒe Nya to míaŋutɔ ƒe tiatia dzi.

Mina magagblɔ ema ake alebe wòageɖe me wòade to vavã. Etsa ŋku le ɣeyiɣi me, yi ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe nuwuwu, eye WÒKPƆ MÍ…ɖe miese ema? EKPƆ MI, EKPƆM, helɔ̃ mí, elabena to míaŋutɔ ƒe tiatia dzi, míele ANYI NƆ GE KPLE EƑE NYA LA.

Zi ɖeka la, elebe Wòayɔ Eƒe mawudɔlawo kple kerubiwo ɖe du aɖatsɔ asi fia mí agblɔ be: “EYAE MA,” “NYE ŊUGBETƆ LAE MA,” “AMESIWO MELE LALAM KPƆ WOENYE ESI!”

Abe Yohanes ene la, susuma tae míele ɣli kple aƒa siawo katã dom, hele Aƒetɔ la kafum, Weine Yeye la mu mí eye míenyae, ƉIKEKE AƉEKE MANƆMEE BE, MÍENYE Eƒe Ŋugbetɔ.

Ele abe tsidzadza kple dziɖegbehom siwo katã míeɖo le afisia le Jeffersonville kɔsiɖa sia me ene…Míawo hã míele TOKLANANA nya ɖom ɖo ɖe xexeame.

ƉEƉEFIA ƑE DZIƉEGBEHOM le Ŋugbetɔ la si sum, EYE ELE ƉEƉEFIA ƑE TSIƉƆƉƆ ƑE KEKLẼ NAM. ŊUGBETƆ LA DZRA EƉOKUI ƉO VƆ XOXO EYE WODE DZESI AMESI WONYE. MIYI ƉE DEDIENƆNƆƑE ENUMAKE. MIZI PLAY ALO WOATSRƆ̃ MI.

Míele agbe le Dzata ƒe Agbenɔɣi, alo Nyitsu ƒe Agbenɔɣi, alo Amegbetɔ ƒe Agbenɔɣi me o; míele agbe le HƆ̃ ƑE AGBENƆƔI me, eye Mawu dɔ hɔ̃ sesẽ, Maleaxi 4 ɖa, be wòayɔ aɖakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la do goe.

Aleke gbegbe wòasɔ Kɔsiɖagbe sia, esime míawɔ ɖeka ɖe du ase Nutrenu Enelia. Anye Mawu ƒe hɔ̃ nyagblɔɖila sesẽ la ƒe dzigbezã.

Mina míaɖu ŋkeke nyuie sia ƒe azã aɖado akpe na Aƒetɔ la be edɔ̃ Eƒe hɔ̃ gbedeasitsɔla ɖo ɖe mí, amesi Wòdɔ be wòayɔ mí do go aɖaɖe Eƒe Nya fia.

Nɔvi. Joseph Branham

Gbedeasi: Nutrenu Enelia 63-0321
Ɣeyiɣi: ƔETRƆ GA 12, Jeffersonville ƒe game.

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ le dzadzraɖo me.

Mateo Kɔkɔe 4
Luka Kɔkɔe 24:49
Yohanes Kɔkɔe 6:63
Dɔwɔwɔwo 2:38
Nyaɖeɖefia 2:18-23, 6:7-8, 10:1-7, 12:13, 13:1-14, 16:12-16, 19:15-17
Mose I, 1:1
Psalmowo 16:8-11
Samuel II, 6:14
Yeremya 32 lia
Yoel 2:28
Amos 3:7
Maleaxi 4 lia

25-0330 Nutrenu Etɔ̃lia

Gbedasi: 63-0320 Nutrenu Etɔ̃lia

PDF


BranhamTabernacle.org

Gbɔgbɔme Xawa Lɔlɔ̃tɔ,

Mina madze leta gɔme kple Mawu ƒe atomik bɔmb; menye tu .22tɔ la o, ATOMIK BƆMB na Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la.

Azɔ, ne miedi be miaŋlɔ wo daɖi la; tsã ɖe, mi katã mienya wo: Yesu, Yohanes 14:12; eye Yoel, Yoel 2:38; Paulo, Timoteo Evelia 3; Maleaxi, ta 4 lia; eye Yohanes nyaɖeɖefiaŋlɔla, Nyaɖeɖefia 10, wuiadre, tso gbã yi wuiadre. Mikpɔea, nusi tututu ava dzɔ fifia!

Dzesidede kple toklanana: numegbe si gbɔna menye miatɔ ne miexɔe se.

“Míetea gbe ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖila dzi akpa.”
“Miate ŋu anye Ŋugbetɔ ne to ko mieɖona nyagblɔɖila la o.” “Nyaƒokawo ƒoƒo le hamea me menyo o.” “Wotsɔ akaɖi la na ame bubu vɔ xo; nu vevietɔ kekeake egbea yenye toɖoɖo subɔsubɔdɔ la.” “Amesiame ƒe play zizi le game ɖeka dzi nye kɔmahatsɔŋkɔ.”

Na hame la, nuka Wònye? Nya si xɔ ŋutilã zu ŋutilã le Etɔwo dome ake! Mikpɔea?

KABOOM…Alea to play zizi dzi la, míate ŋu ase Nya si xɔ ŋutilã zu ŋutilã, wòanɔ nuƒom tso nuyi dzi yiɖe tome na mí esime Wòle Eƒe Nya la ɖem fia mí.

Eye ame aɖe ate ŋu agblɔ be Menye GBE VEVIETƆ SI WÒLE BE MIASE YE OA? Numegbea ƒe akpa sia nye tɔwò.

Ke ɖeko womexɔ Edzi se o.

Ɖeɖefia geɖe wu si Aƒetɔ la na mí kuɖe Eƒe Nya, kple amesi míenye ŋu la, gawu amesiame si le Ɖeɖefia ma godo yina.

Mina magblɔ esia, nyateƒetɔe, ale be mia…ne wòaɖi ɖe mia me ɖaa ke. Medi be woase esia egɔme. Eyae nye nusi nye miaƒe kuxi la egbe, mikpɔea, mienya Nya la o! Mikpɔea?

Mawu si ami na amewo be woaɖe gbeƒã Gbedeasi Sia, gake Tɔɖoƒe ɖeka koe li: Nya la. Ne èse mawunyagblɔla aɖe, alo ame aɖe le nu ƒom la, ele be xɔse nanɔ asiwò hafi nàxɔe ase be nya si gblɔm wòle la nye nusi TUTUTU Mawu ƒe nyagblɔɖila la gblɔ vɔ. Woƒe nya, woƒe ɖeɖefia, woƒe gɔmeɖeɖe ate ŋu ada ƒu; Mawu ƒe Gbe si le nyaƒokawo dzi MATEŊU ADAƑU GBEÐE O.

Mawu le gblɔenyenye me to play zizi me ƒe nya gblɔm mielea…Egale egblɔm AKE.

Woda Eyama ƒu, Nya gbagbe si woɖe ɖe go le ŋutilã me, to Nya si ŋugbe wodo la me. Nya la do ŋugbe be yeawɔ nusiawo. Wodo ŋugbe la, bena ava nɔ alea le ŋkeke mamleawo me.

Miɖoto Eƒe Dziɖegbe. Dziɖegbe nye Mawu ƒe Gbe. William Marrion Branham nye Mawu ƒe Gbe na dzidzime sia.

Ŋu—Ŋugbetɔ la mekpɔ nyɔnyɔ̃ haɖe o. Mikpɔea? Nyɔnyɔ̃ aɖeke mele afima o, Mawu ƒe ɖeɖeɖego aɖeke meli be wòaʋuʋu Ŋugbetɔ la haɖe o. Mikpɔea? Míele mɔ kpɔm nɛ fifia. Ahiã na Dziɖegbe adre manyamanya mawo le afima, be woanyɔ̃ Eyama ake, mikpɔea. Ɛ̃ ɖe. Adɔe ɖa. Edo eƒe ŋugbe. Azɔ milé ŋku ɖe eŋu.

Miate ŋu atrɔe ne mielɔ̃, gake Dziɖegbe Adreawo ana Ŋugbetɔ la ɖeɖefia ƒe ahamumu kple kɔkɔdzoe ƒe xɔse, si vana to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ƒoa nu to Mawu ƒe nyagblɔɖila dzi ko me. Ele eme vam FIFI LAA le xexeame godoo. Mawu na Eƒe Ŋugbetɔ mu aha kple Eƒe Nya.

Menye ema ɖeɖeko o, ke boŋ Egblɔ nusi Wòle be míaƒe futɔ nawɔ xoxo.

Ɖe wò asiwo ɖa le wo ŋu. Wonya afisi yim wole, elabena wosi ami na wo kple Nye Ami. Eye esi wosi ami na wo kple Nye Ami ta la, dzidzɔ ƒe aha le wo me, elabena wonya Nye ŋugbedodo Nya la, ‘Magafɔ wo ɖe tsitre ake.’ Migawɔ vɔ̃ Ema o! Migayi anɔ didim be miatsaka wo o.

Egblɔ na míaƒe futɔ be wòaɖe eƒe asi nyɔŋuwo ɖa le mía ŋu. Gake ɖe dɔléle ate ŋu aƒo ɖe mía dzi kokokoa? Ɛ̃. Ðe kuxiwo gakpɔtɔ le mía ŋua? Ɛ̃. Gake Egblɔ nu si míawɔ hã na mí.

Egoglo. Mixlẽe blewu kple zi gbɔ zi geɖe.

Doŋgɔ na Nya la la, enye susu aɖe. Eye wòle be woawɔ susua ɖe. Esɔ gbe. Eyata, Mawu ƒe susuwo trɔ zu nuwɔwɔ esime woƒo nu, kple Nya aɖe. Ɣemaɣie Wòtsɔe ɖo—ɖo mia ŋku me abe susu ene, Eƒe susu, eye woɖee fia mi. Ekema, ekpɔtɔ nye susu vaseɖe esime nà-ƒo nu.

Eƒe tamesusuwo zu nuwɔwɔ ne wogblɔe. Emegbe, wotsɔ Eƒe susuwo ɖo ŋkume eye woɖee fia mí abe Nya la ene. Fifia Egakpɔtɔ nye susu aɖe kpli mí gbɔ vaseɖe esime Míaɖe agblɔ. ALE MÍEƑO NU… EYE MÍEXƆE SE.

Nyee nye Abraham ƒe Fiaƒome Nuku la. Nyee nye Kristo ƒe Ŋugbetɔ. Wotiam eye woɖom ɖi do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi be manye Eƒe Ŋugbetɔ, eye naneke mate ŋu atrɔ ema o. Ŋugbedodo ɖe sia ɖe si le Biblia me la nye tɔnye. Eƒe Nyae wònye nam. Nyee nye Ŋugbedodo la ŋutɔ ƒe domenyila. Eyae nye Aƒetɔ Mawu, si daa gbe le nye dɔlélewo katã ŋu. Nusianu si mehiã la nye tɔnye, Mawu gblɔe nenema.

Mawu le Gblɔenyenye me: Xɔse tsoa nusese me, Nya la sese me. Nya la vana na nyagblɔɖila la.

Amesiame dina be yeazã “NUMEGBEWO” atsɔ aɖo kpe yeƒe susuwo, yeƒe tamesusuwo, yeƒe gbedeasi dzi. Eye wotɔ dzɔ, nye hã nenemake, esiata numegbewo ko mena mi be magblɔ na mi be: Minɔ anyi kple Nyaƒokawo. Miɖo to Gbe ma. Gbe ma nye Mawu ƒe Gbe. Ele be miaxɔ Nya ɖesiaɖe dzi se le nyaƒokawo dzi, ke menye nya si ame bubu aɖeke gblɔ o. Gbe Ma NYE GBE VEVIETƆ SI WÒLE BE MIASE.

Ame bubuwo zãa numegbewo tsɔ kplɔa mi vaa woƒe subɔsubɔdɔ gbɔ, vaa woƒe hame me, vaa woƒe gɔmeɖeɖe, woƒe ɖeɖefia gbɔ. “Minɔ miaƒe pastɔ gbɔ.” (Enyo, melɔ̃a ema hã, elabena míelɔ̃nɛ, pastɔ bubu aɖe ko.) “Menye eya koe nye kpekui ɖeka si le ƒua ta o.” “Megblɔ kpɔ be woaƒo nyaƒokawo le hamea me o.”

Migatsɔ ame ŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe aɖeke Nɛ o. Edi be nenɔ dzadzɛ, asimakae, asililiŋu gɔ̃ hã o. Nyemadi be srɔ̃nye nanɔ asi lim ŋutsu bubu ŋu o. Eye ne miele to ɖom nyagɔmetoto ɖesiaɖe ƒomevi la, le Ema godo la, miele to ɖomee la, miele ahiã wɔm kple Satana. Amen! Ðe mewɔ be miekpɔ mia ɖokui mawusubɔla oa? Mawu di tso mia gbɔ be mianɔ anyi asimakae. Minɔ afima ko kple Nya ma. Minɔ anyi Kplii ko. Esɔ gbe.

Nye kple nye aƒe ya la, míazi play dzi eye míadze Mawu ƒe Nya si trɔ zu Ŋutilã la yome wòanɔ nu ƒom to Eƒe dɔla adrelia dzi. Míatsɔ míaŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe akpe ɖe Eŋu o; míawɔ ahĩa alo aɖo to susuɖeɖe aɖe o. Míanɔ anyi kple NYA MA ABE ALESI WOƉE GBLƆ LE NYAƑOKAWO DZI ENE. Mawu wònye le Gblɔenyenye me.

Ŋutikɔkɔeɣeyiɣi ka gbegbee nye si míato Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esime míase: Nutrenu Etɔ̃lia 63-0320. Medi be makpe mi be miava wɔ ɖeka kpli mí esi míawɔ ɖeka le Nya la ŋu na egbe.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo miaxlẽ hafi ase Gbedeasia:
Mateo Kɔkɔe 25:3-4
Yohanes Kɔkɔe 1:1, 1:14, 14:12, 17:17
Dɔwɔwɔwo Ta 2 lia
Timoteo I, 3:16
Hebritɔwo 4:12, 13:8
Yohanes I, 5:7
3 Mose 8:12
Yeremya Ta 32 lia
Yoel 2:28
Zaxarya 4:12

Mina mawɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ atsɔ ana eme nakɔ ake. Nyemetsi tre ɖe subɔsubɔdɔ atɔ̃awo ŋu o. Mexɔ subɔsubɔdɔ atɔ̃awo dzi se. Nyemese le ɖokuinye me be egblẽ be woaɖo to mawunyagblɔla aɖe o. Mexɔe se be ele be miaɖo to miaƒe pastɔ le afisi Mawu da mi ɖo. Nye nyae nye be, mexɔe se be Mawu dɔ nyagblɔɖila aɖe ɖa le míaƒe ŋkekea me. Mawu ɖe Eƒe Nya la fia Eƒe nyagblɔɖila. Mateŋu awɔ vodada, miaƒe pastɔ ateŋu awɔ vodada, gake ELE BE míalɔ̃ ɖe edzi (ne míegblɔ be míexɔe se be GBEDEASI SIA nye nyateƒe eye Nɔviŋutsu Branham nye Mawu ƒe nyagblɔɖila) nusi wogblɔ le nyaƒokawo dzi enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Ne miexɔe se nenema o la, ekema miexɔ Gbedeasi sia dzi se o. Eyata mexɔe se be eyae nye GBE VEVIETƆ SI WÒLE BE MIASE. Mehiã be miase nye nya o, mehiã be miase ame bubu aɖeke ƒe nya o, gake ELE BE MIASE GBE MA LE NYAƑOKAWO DZI.

25-0323 Nutrenu Evelia

Gbedasi: 63-0319 Nutrenu Evelia

PDF


BranhamTabernacle.org

Nyaƒokasela Lɔlɔ̃tɔwo,

B: Ɖee míele Eƒe Lɔlɔ̃nu deblibo mea to Nyaƒokawo ƒoƒo mea?
Ŋ: Ẽ

B: Ɖee Ŋugbetɔ hĩa nane wu nusi wogblɔ le Nyaƒokawo dzia?
Ŋ: O.

B: Ɖee nane le míaŋu tom le Nyaƒokawo ƉEƉEKO sese mea?
Ŋ: O

B: Ɖee míate ŋu anye Ŋugbetɔ to Nyaƒokawo ƉEƉEKO sese mea?
A: Ẽ, SESẼTƆ KEKEAKE!

Azɔ miɖo ŋku dzi, “Naneke meli woaɖe fia o; Mawu mawɔ naneke, kura o, negbe ɖe Wòɖee fia Eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo hafi.”

Alea, NUSIANU si míehĩa la wogblɔe ɖe nyaƒokawo dzi; alo, ne Eƒe dɔla adrelia gbɔ va anyigba dzi la, Agblɔe na mí ekema.

Oo Ŋugbetɔ, mina míabu nusi le dzɔdzɔm kple Kristo ƒe Ŋugbetɔ le xexea katã me la ŋu. Fofo la le Eƒe Ŋugbetɔ nu ƒom ɖe du to Eƒe Gbe dzi hele Gbeɖem be “Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi.”

Miɖo ŋku dzi be, egblɔ nusi Dziɖegbeawo nye na mí: “Dziɖegbe ƒe gbeɖeɖe sesĩe la nye Mawu ƒe Gbe.” Eye nukae nye Mawu na Ŋugbetɔ la? Mawu ƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia, William Marrion Branham.

Egblɔ be Dziɖegbe adre wɔnuku siwo womeŋlɔ gɔ hã o la gbɔna. Eye be to Dziɖegbe Adre mawo me la, aƒo Ŋugbetɔ la nu ƒu na Kɔkɔdzoe ƒe xɔse la.

Aƒetɔ la ƒe Nya la vana na Eƒe Nyagblɔɖila. Ɖee nuɖoanyi si nyo wu nɔ Esi la, anye ne Azãe. Etia nuɖoanyi nyuietɔa le gɔmedzedzea me eye Mate ŋu, eye mele, tɔtrɔ ge o.

Alea, Mawu ƒe Gbe, si le nuƒom to Eƒe dɔla adrelia dzi, le Eƒe Ŋugbetɔ la nuƒom ɖe du hele Kɔkɔdzoe ƒe Xɔse nam mí.

Hame la mebia eɖokui se tso keke 1933, le tɔsisi la me gbemagbe, be William Marrion Branham nye Mawu
ƒe Gbe, le Gbe ɖem be, “Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi,” eye wodɔe be wòayɔ, aƒo ƒu, aɖa kplɔ Ŋugbetɔ la mahã o.

Medi be makpe mi be miava se kpli mí le ƔETRƆ ga 12 me Jeffersonville ƒe game, esime míaƒe Aƒetɔ Yesu aʋu Agbalẽ la, aɖe Nutrenu la, eye wòaɖo Esia ɖo ɖe anyigba dzi, ɖo ɖe Eƒe dɔla adrelia, be wòaɖe Esia fia MÍ!

Nɔvi. Joseph Branham

Azã: Kɔsiɖagbe, Tedoxe 23, 2025
Gbedeasi: Nutrenu Evelia 63-0319
Game: ƔETRƆ GA 12, Jeffersonville ƒe game

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la sese:
Mateo Kɔkɔe 4:8 / 11:25-26 / 24:6
Marko Kɔkɔe 16:16
Yohanes Kɔkɔe 14:12
Tesalonikatɔwo II 2:3
Hebritɔwo 4:12
Nyaɖeɖefia 4:12 / 6:3-4 / Ta 17lia / 19:11-16
Yoel 2:25
Amos 3:6-7

25-0316 Nutrenu Gbãtɔ

Gbedasi: 63-0318 Nutrenu Gbãtɔ

PDF


BranhamTabernacle.org

Nye Dziƒo Fiasrɔ̃ Lɔlɔ̃tɔ,

Nu geɖe ŋutɔ le Asinye na mi le Kwasiɖagbe sia. Gbã la, miase Dziɖegbe ƒe gbeɖeɖe. Anye Nye Gbe, Mawu ƒe Gbe si le nu ƒom na mi, Nye Ŋugbetɔ. Maɖe Nye Nya la afia mi wu tsã. Miakpɔ Nye, Alẽvi si ƒo ʋu si wowu tso xexeame ƒe gɔmeɖoanyi ke la, maxɔ Agbalẽa aʋui, azẽ Nutrenuawo, eye Maɖoe ɖe anyigba dzi, na Nye gbedeasitsɔla adrelia, William Marrion Branham, be wòaɖe nya ɣaɣla siwo woɣla tso xexeame ƒe gɔmeɖoanyi ke la afia MI!

Ɣlidodo, aƒadodo, kple aleluyawo atso xexeame ƒe akpa sia akpa esime manɔ nu ƒom na mi. Dzata la anɔ gbeɖem; amesiamina, ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, ɖeɖeɖego awu gbɔgblɔ. Mi, Nye Fiasrɔ̃, anɔ anyi ɖedu le dziƒo nutowo me esime Manɔ nu ƒom na mi ana mi Kɔkɔdzoe le Xɔse me.

Miɖo ŋku edzi be ele be Xɔse ma si wotsɔ de asi na amekɔkɔewo tsã la nanɔ asiwò. Megblɔ na mi be, ele be miaɖo to Nye dɔla si Medɔ ɖe miagbɔ.

Ele be “wòaɖɔ ɖeviwo ƒe Xɔse ɖo atrɔ yi fofowo gbɔ.” Ele be Biblia ƒe Xɔse gɔmedzetɔa la mawudɔla adrelia naɖɔe ɖo.

Nye Nya gblɔ na mi be, le mawudɔla adrelia ƒe Gbe ƒe ŋkekeawo, eƒe gbeɖiɖi, Nyanyui la ƒe kpẽkuku me la; ele be wòawu Mawu ƒe nyaɣaɣlawo katã nu. Womate ŋu atsɔ nu ɖeka pɛ hã akpe ɖe eŋu eye womaɖe naneke le nya siwo megblɔ le nyaƒokawo dzi la me o; migblɔ nusi Megblɔ to Nye dɔla gbedeasitsɔla dzi ko. Esia tae Mena wolée ɖe mɔ̃ dzi, ale be miate ŋu AZI PLAY dzi ko eye miase nu si tututu Megblɔ, kple alesi Megblɔe. Ana Kɔkɔdzoe le Xɔse me mi.

Nye Fiasrɔ̃ lɔlɔ̃a, le Nye Ŋkuwo nu la, ènye nuvɔ̃manɔŋutɔ bliboe, kura, le Nye ŋkume. Mègatsi dzi o, màto xaxa la me O; elabena èlɔ̃ xɔ Nye Ʋu, Nye Nya, Nye dɔla, Nye Gbe, aleae nènye nuvɔ̃manɔŋutɔ keŋkeŋ le nye ŋkume.

Nu gã mawo tɔgbe le Asinye na wò. Èkpɔ Nye Nya la wòle ʋuʋum le wò ŋkume gbesiagbe. Mele dzesiwo dem yame be magblɔ na wò be nane le dzadzram ɖo be yeadzɔ. Megbɔna, dzra ɖo. Tsɔ Nye Nya, Nye Gbe, ɖo nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me.

Gblẽ nusianu ɖi, naneke mele vevie wu Nye Nya o. Menya be futɔ la le agbagba dzem be yeatéwò ɖe anyi, gake Medo ŋugbe na wò be Mado wò ɖe dzi. Meli kpli wò le WÒ ME gɔ hã. Nye kpli wò la míele le Ɖeka zum esime Mele Nye Nya ɖem fia wò.
Ènya le wò dzi me be, wòe NYE nye Fiasrɔ̃ Ŋugbetɔ. Ènya be Meɖowò ɖi. Ènya be Melɔ̃ wò. Ènya be Meli kpli wò gbesiagbe ƒe aɖabaƒoƒo. Ènya be nyemagblẽ WÒ ƉI GBEÐE O.

Míanɔ ɣeyiɣi wɔnuku aɖe me tom esi Mele nu geɖe ɖe ge fia mi Kwasiɖagbe ɖesiaɖe, gbesiagbe, esi miase Maƒo nu to Nye mawudɔla dzi na mi. Ame bubuwo mate ŋu ase nusi gɔme sem miele gɔme alo akpɔe o, gake Eku seke ɖe miaƒe dzi me be esiae nye Nye Mɔ si wona.

Sitsoƒe ka gbegbee nye si Mena mi. Àte ŋu Azi Play dzi ko ɣesiaɣi, zã alo keli, be nàse Nye maƒonu na wò. Mahe akɔfafa vɛ na wò luʋɔ esi Manɔ Nye Nya la ɖem fia eye Manɔ amesi nènye la gblɔm na wò. Gbedasi ɖesiaɖe nye tɔwò, eye wò ɖeɖeko tɔ. Míate ŋu ade ha kple asubɔ ɖe du ɣesiaɣi si nèdi.

Kwasiɖagbe ƔETRƆ GA 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi la, woaƒo Ŋugbetɔa ƒe akpa aɖe nu ƒu tso xexeame ƒe akpa vovovowo be woase nya ɣaɣla gã siawo ɖeɖefia. Mekpe wò be nàva kpe wɔ ɖeka kpli mí esime míase, 63-0318 – “Nutrenu Gbãtɔ”.

Nɔvi. Joseph

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ atsɔ adzra ɖo na Gbedasi la sese:
Mateo Kɔkɔe 10:1 / 11:1-14 / 24:6 / 28:19
Yohanes Kɔkɔe 12:23-28
Dɔwɔwɔwo 2:38
2 Tesalonikatɔwo 2:3-12
Hebritɔwo 4:12
Nyaɖeɖefia 6:1-2 / 10:1-7 / 12:7-9 / 13:16 / 19:11-16
Maleaxi Ta 3 lia kple 4 lia
Daniel 8:23-25 / 11:21 / 9:25-27

25-0309 Gbagbãƒe Si Le Hamea ƒe Agbenɔɣi Adreawo Kple Nutrenu Adreawo Dome

Gbedasi: 63-0317E Gbagbãƒe Si Le Hamea ƒe Agbenɔɣi Adreawo Kple Nutrenu Adreawo Dome

PDF


BranhamTabernacle.org

Lɔlɔ̃tɔ Siwo Wogbugbɔ Ɖo Te,
Ðeɖi metea ŋunye gbeɖe be mase Mawu ƒe Gbe wòagblɔ amesiwo míenye, afisi míetso, afisi míeyina, nusi míenye na mí o domenyila, kple alesi gbegbe Wòlɔ̃ míi.

Gbɔgbɔme nunɔlanyenye aɖe, fiaƒome dukɔa ɖe, si le gbɔgbɔme vɔsawo tsɔm na Mawu, Si nye woƒe nuyiwo ƒe kutsetsewo, hele kafukafu tsɔm na Eƒe Ŋkɔ.” Du—dukɔ kae nye si! Etɔ wònye.

Míaƒe akɔfafa kple ŋutifafa ɖeka kolia tsoa Mawu ƒe Gbe sese si le nu ƒom na mí me, emegbe be míagbugbɔ aƒo nu na Fofo to gbɔgbɔme vɔsawo tsɔtsɔ sa vɔe to míaƒe nuyi ƒe kutsetsewo me, kafukafu na Eƒe Ŋkɔ.

Xexe blibo sia le ŋeŋem. Dzɔdzɔme la le ŋeŋem. Míele ŋeŋem hele Aƒetɔ la ƒe vava la lalam. Xexe sia melé naneke ɖe asi na mí o. Míele klalo be míadzo eye míayi míaƒe Srɔ̃ɖeɖe Nuɖuɖu kple Tsɔme Ƒe me kple Eyama kpakple amesiwo katã le Afima xoxo, le ɣeyiɣi ƒe xɔmetsovɔa godo tututu, hele mía lalam.

Mina míatso aɖaʋuʋu míaɖokuiwo! Míade fe míaƒe dzitsinya, anyɔ̃ míaɖokuiwo le nusi le dzɔdzɔm fifi laa kple le nusi le dzɔdzɔ ge ŋu le aɖabaƒoƒo ɖeka ƒe ɣeyiɣi me.

Le xexeame ƒe ŋutinya me la, medzɔ kpɔ be Kristo ƒe Ŋugbetɔ la nawɔ ɖeka tso xexeame ƒe akpa vovovowo, wo katã le ɣeyiɣi ɖeka me tututu, be woase Mawu ƒe Gbe wòanɔ nu ƒom ahaɖe Eƒe Nya la afia Eƒe Ŋugbetɔ o.

Xɔsetɔwo, mibia mia ɖokuiwo be, gbe kae, mawunyagblɔla kae, ame kae, ate ŋu awɔ Kristo ƒe Ŋugbetɔ la katã ɖekae aɖaƒo ƒui? Ne ènye Kristo ƒe Ŋugbetɔ la, ke ènya be ɖeko Gbe bubu aɖeke meli o negbe Mawu ƒe Gbe ko le nyaƒokawo dzi.

Ẽ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le mía dometɔ ɖesiaɖe me, hamea ƒe dɔwɔƒe ɖesiaɖe, gake Mawu ŋutɔ gblɔ na mí be Yeadrɔ̃ ʋɔnu xexeame to yeƒe Nya dzi. Ŋugbetɔ la nya be Eƒe Nya la va Eƒe nyagblɔɖila gbɔ. Eƒe nyagblɔɖila koe nye Eƒe Nya gɔmeɖela ƉEKA si tso Mawu gbɔ. Womate ŋu atsɔ kpe nusi Wògblɔ la alo aɖee le eme o. Nya lae Wònye, le nyaƒokawo dzi, si woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu míakatã, eye nya bubu aɖeke alo nya ma gɔmeɖeɖe aɖeke meli o.

Mate ŋu ava me be gbe bubu aɖe nawɔ Ŋugbetɔ la ɖekae o. Mawu ƒe Gbe si le nyaƒokawo dzi koe ate ŋu awɔ Eƒe Ŋugbetɔ la ɖekae. Enye Nya ɖeka kolia si dzi Ŋugbetɔ la katã ate ŋu alɔ̃ ɖo. Enye Gbe ɖeka kolia si dzi Mawu ŋutɔ ɖo kpe be enye Yeƒe Gbe na Yeƒe Ŋugbetɔ. Ele be Eƒe Ŋugbetɔ nanɔ Susu Ðeka kple Nubabla Ðeka me alebe wòanɔ Eyama gbɔ.

Subɔsubɔdɔwo woateŋu gblɔ mawunya, nufialawo ateŋu afia nu, pastɔwo ateŋu anye pastɔ, gake ele be Mawu ƒe Gbe si le nyaƒokawo dzi nanye Gbe vevitɔ kekeake si wòle be woatsɔ ade ameawo ŋkume. Enye Ŋugbetɔ la ƒe Tɔɖoƒe.

Ne ɖeɖefia aɖe le asiwò le ema ŋu la, ekema esiae nye nusi gbɔna dzɔdzɔ ge.

Nya la gblɔ na mí be Adam bu eƒe domenyinu, si nye anyigba. Etso eƒe asi me yi amesi wòdzrae na, Satana, gbɔ. Edzra eƒe xɔse le Mawu me, ɖe Satana ƒe suɖeɖewo nu. Ebu nu vi ɖesiaɖe hedee Satana siwo me. Etsɔe tso eƒe asi me na Satana.

Mawue nye xexeame katã ƒe Mawu, afisiafi, gake Eƒe Vi, Adam, ya ɖo kpɔkplɔ ɖe anyigba sia dzi. Ate ŋu aƒo nu, ate ŋu ana ŋkɔ, ate ŋu agblɔ nya, ate ŋu atɔ te dzɔdzɔmea, ate ŋu awɔ nusianu si wòdi. Ekpɔ ŋusẽ, si ƒo ɖesiaɖe ta ɖe anyigba dzi bliboe.

Adam bu wokatã, gake ŋutikɔkɔe na Mawu, nusiwo katã wòbu kple nusiwo wògblẽ ɖi la, míaƒe Ƒometɔ Ðela, ame bubu aɖeke wu Mawu Ŋusẽkatãtɔ, si va zu Imanuel, mía dometɔ ɖeka, ye xɔ wo ƒle. FIFIA, MÍATƆ WÒNYE.

Míenye Eƒe viŋutsu kple vinyɔnu siwo aɖu fia eye míanye fiawo kple nunɔlawo Kple Eyama. Agbe mavɔ le mía si Kplii kple amesiwo katã míelɔ̃. Dɔléle maganɔ anyi o, vevesese maganɔ anyi o, ku maganɔ anyi o, mavɔmavɔ ɖeɖeko sɔŋ.

Ne míebu esia ŋu la, aleke míawɔ ana abosam nate mí ɖe anyi? MÍATƆ wònye, afimae míeɖo tae kpuie ŋutɔ. Etsɔ nu gãtɔ kekeake si Wòate ŋu ana mí la na mí. Míaƒe DZIƉUƉU GÃ SI LE ŊGƆ NA MÍ ŊKEKEWO KO LA anyrɔ̃ míaƒe ŋkeke ʋee ƒe tetekpɔ kple dodokpɔ le anyigba sia dzi.

MÍAƑE XƆSE me lolo alea gbegbe kpɔ o. Míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ mekɔ alea gbegbe kpɔ o. Míenya amesiwo míenye kple afisi míeyina. Míenya be míele Eƒe Lɔlɔ̃nu deblibo me to Eƒe Nya la dzi nɔnɔ me. Nusi wòle be míawɔ koe nye be míanɔ kpli nyaƒokawo eye míaxɔ Nya ɖesiaɖe dzi ase; menye miase wo katã gɔme o, GAKE AXƆ NYA ÐESIAƉE DZI SE…eye MÍELE EWƆM!

Xɔse tsoa nusese me, nya la sese. Nya la vana na nyagblɔɖila. Mawue Gblɔe. Mawu Lée ɖe mɔ̃ dzi. Mawu Ɖee fia. Míese Nɛ. Míexɔe Edzi se.

Ne èse Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi ko hafi nàte ŋu axɔ Ɖeɖefia sia.

Nusi katã Kristo awɔ le nuwuwu la woaɖee afia mí le kwasiɖa sia me, le Nutrenu Adreawo me, ne Mawu aɖe mɔ na mí. Mikpɔea? Esɔ gbe. Woaɖee afia. Eye woaɖee fia, esime Nutrenuawo aʋu ahaɖe asi le wo ŋu na mí, ekema míate ŋu akpɔ nusi xɔxɔkpɔkpɔ ƒe ɖoɖo gã sia nye, eye ɣesiɣi kple alesi woawɔe. Ye katã le ɣaɣla ɖe nyaɣaɣla ƒe Agbalẽ sia me le afii. Wotre enu, wokɔe ɖe dzi kple Nutrenu Adreawo, eye ale Alẽvi ɖeka koe nye Amesi ate ŋu aʋu wo.

Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi la, Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe tso xexeame ƒe akpa vovovowo ase Mawu ƒe Gbe le game ɖeka dzi. Míaʋuʋu dziƒo kple míaƒe gbedodoɖawo abe ahom ene ahanɔ ta dem agu na Eyama. Mele miakpem be miava kpe ɖe mía ŋu esi míase: Gbagbãƒe Si Le Hame Ƒe Agbenɔɣi Adreawo Kple Nutrenu Adreawo Dome 63-0317E.

Taflatse migaŋlɔ ɣeyiɣi ƒe tɔtrɔ le Jeffersonville le kwasiɖanuwuwu sia be o.

Nɔvi. Joseph Branham