21-1204 KƆKƆDZOE LA

Gbedasi: 65-1204 KƆKƆDZOE LA

PDF



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Gbe Lɔlɔ̃a,

Mexɔese be mate ŋu ƒo nu le míadometɔ ɖe sia ɖe teƒe le esia gbɔgblɔ me be, míaƒe agbe ƒe Akpedavɔsa kɔsiɖa ƒe nuwuwu gãtɔ kekeake me enye esi me míeto ko ye ma. ŊUTIKƆKƆE!!

Míese Nya ɖe Nya dzi, Ɖeɖefia ɖe Ɖeɖefia dzi. Míaƒe Tsikɔwuame ŋu va yi kple nu ɖeka si ate ŋu wɔe: Eƒe Nya la, gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la, Kristo Ŋutɔ si le Eƒe Ŋugbetɔ nuƒom.

Azɔ míele ekpɔm be Nya ma ke si ƒe ŋugbe wodo, kuɖe Luka ŋu, Maleaxi ŋu, egbe ƒe ŋugbedodo mamle siawo katã ŋu la, siwo zu ŋutilã, siwo le agbe le míakatã míadome la, siwo míese kple míaƒe towo la; azɔ míele Eyama kpɔm (kple míaƒe ŋkuwo) si le Eŋutɔ ƒe Nya gɔme ɖem, míehĩa ameaɖeke ƒe gɔmeɖeɖe o. O Mawu gbagbe ƒe hame, le afisia kple telefoniwo dzi, minyɔ̃ kaba, hafi gbada nava yi! Mawu nayra mi.

Ɖee míate ŋu abu eŋu kpɔ be míele Mawu ƒe Nya gbagbe la si woɖe ɖe go kpɔm, kple mía ŋutɔ ƒe ŋkuwo mahã? Míele Nya gbagbe la si gɔme ɖem wole le dzɔdzɔme ƒe nɔnɔme me kpɔm, Mawu le míadome! Mewɔ mo yaa be nunyala xoxoawo kpɔmɔ na ŋkeke sia o, gake FIFIA, míele agbe le ŋkeke mawo siwo ƒe ŋugbe wodo me, le ekpɔm hele Esem esime wole eɖem ɖe go le kple mía ŋutɔ ƒe towo kple ŋkuwo.

Míese woƒo nu le Ŋuwò, be Nàte ŋu wɔ kadzidɔewo. Míese woƒo nu le Ŋuwò, be Nàte ŋu wɔ agbo. Ke fifia míele Wòkpɔm, kple mía ŋutɔ ƒe ŋku! Ɖeɖeɖego la, ŋutega si zu nukpɔkpɔ le kodzogbeme

Nukae Wònye ekema? Nya si woɖe ɖe go nye Mawu ƒe Ŋkɔ ƒe ɖeɖeɖego.

Meka nusi gblɔm nyahelawo le o, míele le Eƒe Lɔlɔ̃nu deblibo me le esime míele ƒu nuƒom le míaƒe aƒewo me, le míaƒe hameawo me, alo afikake míeƒo ƒu ɖo, hele Eƒe Gbe sem.

Ɖee nyemexɔ sɔleme yiyi dzi se o ɖe, nukata hame le asinye mahã? Wole mía si le dua katã me, wotsaka le telefoniwo dzi etsɔ zã me, le agbadroƒe alafa eve skwɛr ɖe sia ɖe dome la nye hameawo ƒe dometɔ ɖeka le.

EƑE hameawo tsaka le telefoniawo dzi le xexeame godoo be woase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu, aɖayɔ Eƒe Ŋugbetɔ do go. Amɔwɔʋaʋã ɖeke mele míadome o, nusihe Mawu Tanyenye la le ŋutilã me ƒe blibodede la katã va míadome. Wole Amegbetɔvi la ɖem ɖe go, le ɖem fia, hele Hame la hem va ɖe du kple Mawu ƒe Mawunyenye blibo la le míadome. Ele dzesi kpɔkpɔ mawo ke kple Eɖokui ƒe ɖeɖeɖego fiam mí abe alesi Wòwɔe le gɔmedzedzea me ene esime Woɖe ɖe go le anyigba dzi le Mawu-Nyagblɔɖila ƒe nɔnɔme me.

Maleaxi 4 do eƒe ŋugbe, Ŋɔŋlɔa ƒe susueawo do eƒe ŋugbe. Fika subɔm míele le mahã? Le Mawu ƒe aƒe me henɔ anyi (le fifi ƒe ɣeyiɣi me).

Mede akpe alegbegbe na Aƒetɔ la ɖe nusiwo katã wɔm Wòle na Eƒe Ŋugbetɔ le ŋkeke mamle siawo me ta. Ele dzidem ƒo na mí, le kakaɖedzi nam mí, be míenye Eƒe Ametiatiawo siwo nɔ Eyama me do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi ke. Ɣeyiɣi dze anyi kae nye esi wòhenye na Eƒe Ŋugbetɔ la.

Aƒetɔ la ɖoe dzi dzi nam be mayi dzi kple Gbedeasi mamle siawo si Wodzraɖo Ɖi na mí na Eƒe Ŋugbetɔ la. Mekpɔ yayra alegbegbe be masusui be, Fofo la na mɔ aɖe be míate ŋu awɔ ɖekae ɖe du, le xexeame godoo me, be míase Gbedeasi siawo. Le nyateƒetoto me la enye, Kristo Ƒe Ŋugbetɔ Ƒe Ɖekawɔwɔ Makpɔmakpɔ La.

Esime wòzu be míete ŋu le takpekpe wɔm ɖe du le míagbɔ o, le Kovid kple gbedoxɔ yeyea ƒe tutu ta la, nu eve li si le míadzrom eye míedi be míawɔ vevie. Woawoe nye nu eve siwo Aƒetɔ la de se na Eƒe Ŋugbetɔ la be wòawɔ yi ɖe Eƒe tɔtrɔgbɔ: Kɔmuniɔ̃ kple Afɔ Kɔklɔ.

Esime menɔ gbedom ɖa hele Aƒetɔ la ŋkume dim la, Ede dzi di nam be míawɔ Kɔmuniɔ̃ kple Afɔ Kɔklɔ kple míaƒe ƒomeawo.

Mekpɔ yayra alegbegbe hekpɔ dzidzɔ alegbegbe esime Wòde esia dzi di nam, kple alesi míawɔe. Míele ewɔ ge le Kɔmuniɔ̃ mamlea ƒe takpekpe si Nɔviŋutsu Branham wɔ esime wònɔ afisia kpli mí, le Dzome 12, 1965 ƒe azã gbe dzi. Míakpɔ yayra hã be eyae le Kɔmuniɔ̃ la kple Afɔ Kɔklɔ takpekpea kplɔ ge na mí zi ɖeka ake.

Maɖo leta ɖo ɖe mi, eye made nusianu si kuɖe ŋu Branham Tabernacle ƒe yiɖɔa dzi, le ŋkeke ʋea ɖewo me. Mele ŋugbe dom na mi be anye ɣeyiɣi aɖe si Ŋugbetɔ la maŋlɔ be o. Mele mɔkpɔkpɔ gã aɖe me alegbegbe na Eƒe yayra gãwo siwo na ge Wòle mí.

Míadze egɔme Memleɖagbe sia, míele to ɖo ge míaƒe Gbe wòatsɔ Gbedeasi: Kɔkɔdzɔe La 65-1204 vɛ na mí, le ŋdi ga 9 me, Jeffersonville ƒe game. Awɔ ƒe 56 ɖe ŋkekea dzi esime Mawu ƒo nu to Eƒe gbedeasitsɔla dzi hede Eƒe nyaseka dzi, alebe Ŋugbetɔ naɖu azã le Eŋu aɖana Yeŋutɔ natsi, anɔ Eɖokui dzram ɖo hena Kɔkɔdzɔe ƒe vava madidi o la.

Míayi ɖoɖo la dzi esime míaƒo ƒu Kɔsiɖagbe le ga 2 me, Jeffersonville ƒe game, be míase: Nusiwo La Va Dzɔ 65-1205.

Emegbe Dzoɖagbe la míase: Egbe Ƒe Nudzɔdzɔwo Me Kɔ To Nyagblɔɖi Dzi 65-1206, eye Blaɖagbe la: Kplɔlanyenye 65-1207. Miate ŋu asewo le ɣeyiɣi si nya dze miakple miaƒe ƒomea ŋu dzi ko. Abe alesi wònɔ Kɔsiɖa si vayi ƒe nuwuwu ene la, míele wode ge Voice Radio dzi le ŋdi ga 9 kple fĩe ga 7 me siãa, Jeffersonville ƒe game dzi.

Ɣletigbalẽa ɖe ye nye esi bɔ ɖe eŋu le afisia kple ŋkekeawo, ɣeyiɣiawo kpakple Gbedeasi siwo se ge míala. Le ŋkeke ʋee siwo gbɔna me la, maɖo leta aɖe ɖo ɖe mi aɖa fia ɖoɖo la mi kuɖe míaƒe Kɔmuniɔ̃ Takpekpe si gbɔna la ŋuti.

Mele mɔkpɔm be manɔ anyi kpli mi, Eƒe Ŋugbetɔ Makpɔmakpɔ la, le Eƒe Fiazi la ŋu.

Aƒetɔ la Nayra Mi,

Nɔvi. Joseph Branham