All posts by admin5

23-0212 Eye Mènyae O

Gbedasi: 65-0815 Eye Mènyae O



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔ̃lɔtɔ Si Le Lalam,

Eye menyae be, le nye dzodzo le anyigba sia dzi megbe la, nyaƒokamawo kple agbalẽmawo anɔ agbe ɖaa, ke mi ɖevi suewo miele ekpɔ ge, le ŋkeke siwo gbɔna me, bena esia nye Nyateƒe la tututu, elabena mele egblɔm le Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ me.

Va ƒoƒu ɖe du kpli mí Hɔ̃wo, Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase 65-0815- Eye Mènyae O.

Nɔvi. Joseph Branham

23-0205 Nudzɔdzɔ Siwo Mekɔ To Nyagblɔɖi Me

Gbedasi: 65-0801e Nudzɔdzɔ Siwo Mekɔ To Nyagblɔɖi Me



BranhamTabernacle.org

Gaƒoƒo La Ƒe Ame Lɔlɔ̃awo,

Fofo, míelɔ̃awò alegbegbe. Aleke míate ŋu dze nusi sem míele le míaɖokuiwo me ɖem gbɔgblɔ mahã. Ètia mí, Eɖo mí ɖi, hezu Ame gbagbe be yeatsɔ Wò Agbe na ɖe míata.

Èŋlɔ Wòŋutɔ Wò susuwo na mí to Wò nyagblɔɖilawo dzi, alebe Wò Nya nàsu míasi. Ekema, abe alesi Nèdo ŋugbe ene la, Ègava zi ɖeka ake, le Ɖokuiwò ɖem fia le amegbetɔ ŋutilã me to nudzɔdzɔ siwo me kɔ to nyagblɔɖi me dzi, be yeaɖe Yeƒe Nya gɔme aɖaɖefia.

Le Wòŋutɔ wò tiatia ŋu la, Ètia William Marrion Branham be wòanye gaƒoƒo la ƒe ame. Ètia eyama be wòalé míaƒe susu. Èna eƒe asiwo ʋã. Èna eƒe ŋkuwo ʋã le ŋutegãwo me.
Mate ŋu agblɔ naneke o negbe nusi Nède eƒe nu me. Èɖo kpɔkplɔ blibo ɖe eƒe aɖe, asibidɛwo, kple ɖe eƒe ŋutilã ƒe ŋutinu ɖe sia ɖe dzi. Enɔ Wò kpɔkplɔ te keŋkeŋ.

Ekema, le Wò tiatia ŋu zi ɖeka ake, Ètia mí be míanye gaƒoƒo la ƒe amewo. Wò hatsotso sue ƒoƒu ɖe du kple Wò Nya ƒe gbɔgbɔɖeame me, si gale Yesu Kristo ƒe agbe, tsem ake. Míenye Wò Nya si le ɖeka wɔm kple Nya la. Míate ŋu awɔ nu bubu aɖeke o.

Fofo, míedi be míanɔ Wò Lɔlɔ̃nu deblibo me; nu bubu aɖeke mele vevie na mí o. Míele míaƒe susu, míaƒe tamesusuwo, alo nusi ame bubu aɖe le gbɔgblɔm dim o, negbe Wò lɔlɔ̃nu.

Míeyi Wò Nya la gbɔ be míakpɔ nusi Nègblɔ be elebe míawɔ be míanye Wò Ŋugbetɔ. Ègblɔ be Èle ʋɔnudrɔ̃ge xexeame gbeɖeka kple Wò Nya la. Ègblɔ na mí be Wò Nya vana na Wò nyagblɔɖilawo ƉEƉEKO, amesiwo Nèɖoɖi kple siwo nèɖoɖi do ŋgɔ.

Ègblɔ na mí be Mevana na mawuŋunusrɔ̃la aɖe alo na amewo ƒe hatsotso aɖe gbeɖe o, negbe to Wò nyagblɔɖila dzi. Anye Wò Nya gɔmeɖela mawumetɔ ɖeka. Menye eƒe susuwo, eƒe tamesusuwo, eƒe gɔmeɖeɖe o, boŋ Wò si le nuƒom to eyama dzi, le Wòŋutɔ wò Nya gɔme ɖem ye.

Le agbenɔɣi ɖe sia ɖe me la, amewo ɖe mɔ amegbetɔwo na woŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe Wò Nya la, ke enana be woƒe ŋkuwo gbãna. Ewɔna numa ke si wòwɔ na Farizitɔwo kple Zadukitɔwo. Susuma tae amewo da ƒu Egɔme sese egbea. Wole nusi ame bubu aɖe le gbɔgblɔm kuɖe Eŋu la sem, le esime wòle be woase Nya si Wò nyagblɔɖila gblɔ na wo be woawɔ la.

Ègblɔ be, gbã Medɔ Nye Nya ɖa, ekema ne amewo maxɔ Nye Nya dzi se o la, ekema madɔ subɔsubɔdɔ la ɖo ɖe wo. Ègblɔ hã be le agbenɔɣi ɖe sia ɖe me la subɔsubɔdɔ la trana mɔ; menye wokatã o, gake wodometɔ geɖewo, eye wole amewo kplɔm va woɖokuiwo gbɔ. Míedi be míanɔ Wò Ɖoɖo gɔmedzetɔ la me.

Ele ametsakam alegbegbe, mawunyagblɔlawo mate ŋu lɔ̃ ɖe dzi kple wonɔewo o. Nɔvi. Ale mate ŋu alɔ̃ ɖe dzi kple Nɔvi. Sia o; Nɔvi. Sia mele lɔlɔ̃m ɖe dzi kple Nɔvi. Kemea o. Womate ŋu lɔ̃ ɖe dzi kple wonɔewo o. Nu ɖeka dzi ko wòle zezem be wole lɔlɔ̃m ɖo yenye be, mele be míaƒo nyaƒokawo le hamea me o.

Eganye Babilɔn zi ɖeka ake, ele ame tsakam alegbegbe. Míexɔese be Kpɔɖeŋu ɖeka koe li eye elebe míalã míaɖokuiwo be míasɔ kple Kpɔɖeŋu ma, menye be míadze agbagba be míalã Kpɔɖeŋu la be wòasɔ kpli mí o.

Subɔsubɔdɔ geɖewo alegbegbe tso kple woŋutɔ ƒe tamesusuwo, woŋutɔ woƒe gɔmeɖeɖewo kple nufiafiawo. Wokatã womede afia ɖeke o. Mawunyagblɔla gã siwo dzi woda asi ɖo wotso be yewole gbeƒãɖem hele gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la xlẽm, eye yewoƒe subɔsubɔdɔ lae nye Mawu ƒe Mɔ si wona na egbe, menye nyaƒokawo o.

Woɖo ame wɔnuteƒewo siwo le woƒe hamewo me yim, le toɖom wo hena ƒewo. Woɖo mawunyagblɔla geɖewo siwo srãnawo kpɔ, takpekpewo, nyɔnyɔ̃wo, siwo le gbeƒã ɖem, le gbɔgblɔm be nusi gblɔm yewole lae nye Wò Mɔ si nèna, menye nyaƒokawo o. Ekema gbeɖeka wogblɔ be, Gbedeasi la menye nyateƒe o.

Ɖee womenɔ nusi gblɔm wònɔ dzrom kple nyaƒokawo oa? Ɖeko wonɔ nusi wògblɔ be enye Nya la, Mawu ƒe Mɔ si wona na Egbea tsɔma? Ɖee wòƒo nyaƒokawo la, Wò Gbe si dzi woɖokpe na amewo, le esime woatsɔ woɖokuiwo ɖi abe gbe vevietɔ kekeake la, ɖee woanya be nusi sem yewonɔ la nye amesiamina alakpatɔ le nuwuɣi ƒe nufiafia me.

Menye egɔme yenye be miehĩa kplɔla o. Menye egɔme yenye be wokatã wonye kplɔla alakpatɔwo o. Menye egɔme yenye be geɖewo le gbeƒãɖem nusi Nɔviŋutsu Branham gblɔ tututu o. Egɔme yenye be nu vevietɔ kekeake si wòle be miase yenye Gbedeasi la le nyaƒokawo dzi; Eyae nye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI ƉEKA la.

Eyae nye Mɔfiafli la. Eyae nye Tɔɖoƒe la. Eyae nye Nya mamle la. Eyae nye Nya Deblibo la. Negbe dza kplɔla aɖe, wò gbɔgbɔme kplɔla, le toɖom Nya dzadzea kple etɔwo la, nane agblẽ.

Nukata subɔsubɔdɔ la medi be yeaƒo Wò Gbe si dzi woɖo kpe le woƒe hameawo me mahã? Aleke woate ŋu agblɔ be menyo o esime wole gbɔgblɔm be yewoxɔese be Enye Nya laa? Nukata wole taflatse ƒomevi vovovowo dom hele gbɔgblɔm be yewoƒe subɔsubɔdɔ lae nye Wò Mɔ si wona na egbe, menye Wò Gbe si dzi woɖo kpe le nyaƒoka dzi ye o mahã?

Nukata wole vɔvɔ̃dom na amewo le esime wole gbɔgblɔm be esime míegblɔna be “MIZI PLAY” be woase Wò Gbe ta, ame ye subɔm míele ke menye Wò si le nuƒom to ame la dzie o mahã?

FOFO WÒ KO subɔm míele. Míedzroe eme kple Wò Nya la zi geɖe. Ègblɔ na mí to Wò Nyagblɔɖila kple Gbedeasi ɖe sia ɖe si míesena le nyaƒokawo dzi bena: Wò Mɔ ɖeka si wona na egbe lae ma.

Afika gɔ̃ Wò Ŋugbetɔ la agayi negbe tẽ yiɖe Wò Nya la gbɔ. Míenye Wò Nya Ŋugbetɔ le Aƒe la. Elebe míanɔ anyi kple Wò Dzo Lilikpo la. Eyae nye teƒe ɖeka si míate ŋu kpɔ kɔɖiɖi le eye míaɖe amen ɖe Nya ɖe sia ɖe si míesena dzi.

Fofo, míele Wò kpɔm le Wò hame la godo le agbagba dzem be yeage ɖe eme, ke ele míaƒe dzi gbãm. Safeteƒe la le ememe ke míeʋu ʋɔtru la na Wò be nàgeɖe eme. Míenya nububu aɖeke o. Míele nu bubu aɖeke dim o. Míate ŋu atsɔ nu bubu aɖeke o. Wò Nya la do fu mí.

Akpe na Wò Fofo ɖe Wò Nya ƒe Ɖeɖefia ta. Míetsi tre ɖe ame aɖeke ŋu o, Wò Nya si me kɔ to nyagblɔɖi me koe míele na. Míanɔ tsitre le Wò ŋku me gbeɖeka le ʋɔnudɔdrɔ̃ me. Kple míaƒe dzi blibowo míedi be míagblɔ be, “Fofo, míenɔ anyi kple Wò Nya la.”

Lé dzi ɖe ƒo na wò kplɔla, wò kplɔla gbɔgbɔmetɔ la, be wòa Zi Play Kɔsiɖagbe sia aɖase Mawu ƒe Gbe. Wole ʋɔnudrɔ̃ge wò gbeɖeka kple nusi Mawu ƒe Nya le gbɔgblɔm le nyaƒokawo dzi. Aleke nàte ŋu ado ɖokuiwò afɔku me kple nububu mahã?

Wokpe wò be nàva wɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, be míase: Nudzɔdzɔ Siwo Me Kɔ To Nyagblɔɖi Dzi 65-0801e, esime Mawu anɔ nuƒom to ame si Wòtia ƒe nuɣiwo dzi. Amesi Wòtsɔ Eƒe sukuxɔ na, eƒe nunana na. Enae eƒe dzɔdzɔme, eƒe alesi wòwɔnanue, alesi wòƒonanue, kple nukakee wòwɔna. Ewɔ William Marrion Branham gaƒoƒo la ƒe ame be wòatsɔ lé gaƒoƒo la ƒe amewo, ke míenye GAƑOƑO LA ƑE AMEWO.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔawo:

Mose I 22:17-18
Psalmowo: 16:10/ Ta 22 / 35:11 / 41:9
Zaxaria 11:12 / 13:7
Yesaya: 9:6 / 40: 3-5 / 50:6 / 53:7-12
Maleaxi: 3:1 / ta 4lia
Yohanes Kɔkɔe 15:26
Luka Kɔkɔe: 17:30 / 24:12-35
Romatɔwo: 8:5-13
Hebritɔwo: 1:1 / 13:8
Nyaɖeɖefia: 1:1-3 / Ta 10

23-0129 Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu

Gbedasi: 65-0801m Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu



BranhamTabernacle.org

Kristo ƒe Alẽha Ɖetugbui le Aƒe sue, Nya Lɔlɔ̃a,

Míate ŋu anye nu bubu aɖeke o. Míate ŋu ase nu bubu aɖeke o. Míenya nu bubu aɖeke o. Míehĩa nu bubu aɖeke o. Afisi Lã si ƒo ʋu le, PLAY ZIZI, esi nye azãgbe la ƒe Nya la, afimae hɔ̃wo woaƒo ƒu ɖo. Nya le Agbe zum le míame.

Míenye ame ɖeka ma ke abe ame bubu ɖesiaɖe ene o! Mienye dukɔ aɖe si mã, le kɔkɔe na Aƒetɔ la, si tsɔ eɖokui na Nya kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ, be yeatse Eƒe ŋugbedodo ƒe kutsetse na ŋkeke sia. Míele tsitsim edzi edzi hele ɖiɖim to Mawu ƒe Gbe sese dzi.

Nyagblɔɖila gblɔ na mí be míatrɔ gbɔ va nyaƒokasiawo gbɔ. Ne nyaƒoka mɔ̃ aɖe le miasi la, miƒo ame hatsotso aɖewo nu ƒu eye miƒoe, aɖase nyuie. Mise Eƒe Gbe, nusi gblɔm Wòle na mí. Mawu ƒe Nya mehĩa gɔmeɖeɖe aɖeke o; Enana Eŋutɔ eƒe gɔmeɖeɖe. “Menye Mawu ƒe Gbe na mi.”

Ke Eyae nye esi, Biblia, mele be woatsɔ ɖeka Kpee o alo aɖe ɖe le Eme o. Minɔ anyi kple aaGbe ma ɖeɖeko. “Womadze ame tutɔ aɖe yome o,”

Aleke ame aɖe mate ŋu akpɔ Mɔ si Mawu na na egbe mahã? Gake ŋutikɔkɔe na Mawu, míete ŋu le Ekpɔm, elabena wotia mí be míakpɔe. Womable mí o, eye womate ŋui o, elabena míenye Eƒe Nya si woɖe ɖe go.

Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, mina ema nageɖe eme vie minuti ɖeka ko, MÍENYE NYA SI WOƉE ƉE GO!!
Mawu Ŋutɔ, le nuƒom to agbetɔ ƒe nuɣiwo dzi, le gbɔgblɔm MÍENYE NYA LA. Naneke meli be míavɔ̃ o. Nu sia nu si míehĩa la nye míatɔ.

Kɔsiɖa sia kɔsiɖa la míenɔna mɔkpɔkpɔ gã aɖe me be Aƒetɔ la nasrã mí kpɔ. Teƒe mele míasi le afisia be míana ame sia ame nanɔ anyi o, nenema ke ame sia ame mate ŋu va Jeffersonville o, eyata ɖeko wòle be míadɔ Nya ɖo ɖe wo to internet [yiɖɔ, ka me—Tala] ƒe mɔnu dzi.

Míele míaƒe aƒewo me, le míaƒe hameawo £me, le míaƒe ʋuwo me, ƒoƒu ɖe míaƒe mikrofoni suewo ŋu le xexea katã £me, hele lalam kpɔ Aƒetɔ la ƒe Vava.

Woƒo ƒu ɖe du kpli mí le Afrika, le lalam kpɔ Aƒetɔ la ƒe Vava. Woƒo ƒu ɖe du kpli mí le Mexico, le lalam kpɔ Aƒetɔ la ƒe Vava. Le Europa, Scandinavia, Australia, Ɣedzeƒe titina, Nyiehe Amerika, tso anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, le lalam kpɔ Aƒetɔ la ƒe Vava.

Ke míeƒoƒu le afisia le hame tanɔƒe la, agbadɔ la me, le lalam kpɔ Aƒetɔ la ƒe Vava. Gaƒoƒo geɖewo mã míadome, gake míele du abe KPEAA ƉEKA ene, xɔsetɔwo, le Mawu ƒe Gbe Asem, le lalam kpɔ Mesia ƒe Vava la.

MÍENYE dukɔ si Mawu yɔ hetia hetia do go le agbenɔɣi vɔ̃ɖi sia me na Eƒe Ŋkɔ. Wole míadom kpɔ hele míafiam Satana be míenye Nya la. Míenye Ŋugbetɔ Ti Gɔmedzetɔa ƒe akpa aɖe. Míele míaƒe agbe kpɔm wole eɖem ɖe go to Nya ma dzi.

Enye nu bɔbɔe na ame sia ame be wòaxɔe se be Yesu nye ŋuɖoɖo tẽ na nyagblɔɖi ɖe sia ɖe si wòle be wòava me le Eyama me, elabena wole megbe kpɔm be yewoa kpɔ be eva me. Gake le fifia ƒe agbenɔɣi vɔ̃ɖi sia me la, wogale numa ke si wowɔ tsã la wɔm, to Egɔme ɖeɖe le mɔnu bubu aɖe dzi, eye wona amewo geɖe beble sẽŋuwo me be woaxɔ alakpa aɖe dzi se. Ne ɖe woate ŋu ade dzesi be Nya ma kee le ɖeɖem ɖe go na agbenɔɣi sia ko.

Nu ɖeka koe ate ŋu he Ŋugbetɔ la va ɖe du, Gbedeasi siae. Nu ɖeka dzi ko míakatã miate ŋu alɔ̃ ɖo, Gbedeasi siae. Gbe ɖeka dzi ko woɖo kpe be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi, Mawu ƒe Gbe le nyaƒoka dzi.

Azɔ, hame fafɛwo, ŋkumenuwɔlawo, ƒuƒu kplakplakplawo, kple wotɔewo, mawuŋunusɔsrɔ̃ ametɔwɔwɔe, ema mawɔe o; Ametiatiawo matsɔ ɖeke le me na ema kura o. Gake ele dzigbe le afima ɖi nu vavãtɔ la kloe. Aɖe asi le Nya ɖeka ŋu ko ye nye nusi katã wòle be nàwɔ. Ŋugbe si wodo na agbenɔɣi la; ɣeyiɣi gã aɖe ŋutɔ! Kristotɔwo, afisiafi, mitsɔ ɖe le eme na gaƒoƒo si me míele agbe le! Miŋlɔ nu ɖi, eye mixlẽ, aɖase nyuie.

Agbenɔɣi vɔ̃ɖi sia ƒe mawu le ɖe sia ɖe si wòate ŋu awɔ wɔm be yeable amewo esime wòalé Eƒe Gbe ma si dzi woɖo kpe te ɖa le wogbɔ. Edzena agbagba be yeana woakeɖi Nya ɖeka ko, abe alesi wòwɔe na Xawa le gɔmedzedzea me ene.

Gake Kristo ƒe Nya-Ŋugbetɔ la gbɔna Ta aɖe gbɔ. Míegbugbɔ le ɖeka wɔm kple míaƒe Zɔ̃he la le afisi míedze egɔme le. Gododo ƒe ɣeyiɣi la tu aƒe. Mawu gbɔna na Eƒe Ŋugbetɔ si le anyinɔm kple Eƒe Nya la.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le afisia le Ŋugbetɔ aɖe yɔm do go na Kristo. Ele ewɔm to kpeɖoɖo Eƒe ŋugbedodo ƒe Nya dzi na Ŋugbetɔ dzi, na agbenɔɣi sia, le fiafiam be Kristo ye Wònye.

Naneke mele gã wu be nàwɔ ɖeka kple Ŋugbetɔ la le xexeame godoo, anɔ Mawu ƒe Gbe sem wòaƒo nu na wò teŋ o. Mehĩa be nàkpɔ mɔ, abia nya ɖokuiwò se alo ado gbeɖa ŋutɔ gɔ hã be nusi sem nèle la nye nyateƒe o. Elabena Enye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI ƑE GBE, ƉEKA SI DZI WOƉO KPE.

Va wɔ ɖeka kpli mí:

Ke le nusiawo megbe la mekpɔ dɔla bubu aɖe si ɖi tso dziƒo va, ŋusẽ gã aɖe le esi; ke anyigba la klẽ kple eƒe ŋutikɔkɔe.

Le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu 65-0801M.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi sese:

Mateo Kɔkɔe ta 24lia/ 27: 15-23
Luka Kɔkɔe 17:30
Yohanes Kɔkɔe 1:1/14:12
Dɔwɔwɔwo 10:47-48
Korintotɔwo I 4:1-5/ ta 14 lia
Korintotɔwo II 4:1-6
Galatiatɔwo 1:1–4
Efesotɔwo 2:1-2/ 4:30
Tesalonikatɔwo II 2:2-4 / 2:11
Hebritɔwo ta 7 lia
Yohanes I Ta 1 / 3:10 / 4:4-5
Nyaɖeɖefia 3:14 / 13:4 / Ta 6-8 kple 11-12 / 18:1-5
Lododowo 3:5
Yesaya 14:12-14

23-0115 Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi

Gbedasi: 65-0725M Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi

PDF



BranhamTabernacle.org

Alẽ Kpo Ƒoƒula Lɔlɔ̃awo,

Mekpɔ kɔɖiɖi alegbegbe henye akpedala na Aƒetɔ la be ele miadometɔ ɖe sia ɖe ƒom nu ƒu ɖe Mawu ƒe Alẽ Kpo me kɔsiɖa sia kɔsiɖa, afisi woɣla mí ɖa le míaƒe adzame teƒe me le, míele nuɖum hele agbenɔm le Nuɖuɖu Ɣaɣla ma ŋu. Yesu Kristo ƒe Ɖeɖefia, si le kpeɖom hele Eɖokui ɖem fia mí ye.

Eɣla Eɖokui alebena bubuwo Nakpɔe Gã gake Womakpɔe o, gake na mí, Eƒe Ŋugbetɔ tiatia la, míele Ekpɔm emekɔ ƒã hele Nya ɖe sia ɖe dzi xɔm le sesem. Míenɔ anyi kple Eƒe Nya kpakple Eƒe nyagblɔɖila esime wonye nu Ɖeka kple numa ke.

Eye ne ènye Mawu-vi la, ànɔ anyi kple nyagblɔɖila si le Biblia sia me. Nya lae.

Nyagblɔɖila geɖe siwo wosi ami na egbea la gblɔna be “Gbɔgbɔ Kɔkɔe wòle be mianɔ anyi kpli, menye nyagblɔɖila o.” Abe gbaɖegbe nyagblɔɖilawo ene la, ne biabia aɖe le míasi la, ele be ŋuɖoɖo nyuie aɖe nanɔ anyi nɛ. Ele be míayi ƉE NYA LA GBƆ be míakpɔ nusi nyagblɔɖila si do ŋgɔ na mí la gblɔ.

Gake Kristo, Gbɔgbɔ, vavãtɔ la li eye eyae nye Nya si zu ŋutilã abe alesi Wòdo ŋugbe be yeawɔe la ene.

Kristo Gbɔgbɔ vavãtɔ ƉEKA si ƒe ŋugbe Wòdo, Maleaxi 4, Luka 17, Amegbetɔ Vi la si le Eɖokui ɖem fia le amegbetɔ ŋutilã me.

Ẽ, amesiaminawo li. Ẽ, woɖo yɔyɔ aɖe. Ẽ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe vavãtɔ la le wosi. Ẽ, susu nyuietɔ kple tameɖoɖo nyuietɔ le wosi.

Ekema aleke wɔ ge míala anya nusi nyo kple nusi menyo o mahã?

Mide dzesii bena, woɖi nu ɖeka. Wosi ami na wo ɖekae. Ke mide dzesii bena, “Miatsɔ woƒe kutsetsewo…”

Meléa fu nusiawo gbɔgblɔ gake gaƒoƒo la yi boo eye ɣeyiɣi la ŋu va le yiyim. Nusi amegãxi nyanyra mawo siwo ŋuti Paulo na toklã hame la le, kple alakpa amesiaminawo siwo nɔviŋutsu Branham gblɔ be wole vava ge la le gbɔgblɔm hele gbeƒã ɖem la yenye esi. Wole míadome le afisia tututu, tututu ko abe alesi wogblɔe ene.

Leta aɖe si mawunyagblɔla aɖe ŋlɔ ƒe akpa aɖe yenye esi. Woƒe kutsetse le agbagba dzem be yewoatsɔ ɖikeke aƒu gbe ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖila dzi. Wonana toklã wotɔwo be míenye nyagblɔɖila subɔlawo to nyagblɔɖila kple Play Zizi yomedzedze dzi.

Miɖo to alesi gbegbe wònye beble nu la.

Evem bena gbɔgbɔvɔ̃ sia geɖe míaƒe gbedeasi la me wɔebe fifia míele William Branham ƒe mawunyawo gbeƒãɖeɖewo yɔm be MAWU ƑE GBE YE. William Branham menye Mawu ƒe Gbe ŋutɔ ŋutɔ o ke boŋ ame aɖe si Mawu zã ƒe gbe ye. Biblia megblɔ kpɔ be enye Mawu ƒe gbe o, ke boŋ ɖe Biblia de dzesi eyama abe dɔla 7lia ƒe gbe ene ye. (Nya. 3:14; 10:7).

Mina míayi ɖe NYA la gbɔ eye míana Mawu ƒe nyagblɔɖila wòaklo nu le alakpa nufiafia sia dzi.

Ne medze agɔ le miadzi le esia gbɔgblɔ me la, mitsɔe kem, gake, mese be ate ŋu ve dɔme na ame faa, gake, MENYE MAWU ƑE GBE NA MI.

Azɔ ameka dzi ye miaxɔ se, alakpa nyagblɔɖila sia si wosi ami na, alo MAWU ƑE DƆLA KPLE GBEDEASITSƆLA ADRELIA SI DZI WOƉOKPEA? Aleke miate ŋu abɔbɔ nɔ anyi ɖe mawunyagblɔla aɖe si axɔ numawo tɔgbe dzi se alo fiana wo dzi se mahã te? Anyo na mi wu be miage ɖe Nya la me esime ɣeyiɣi kpɔtɔ li.

Gbedeasi ƒe habɔbɔ la wɔ vodada dziŋɔ aɖe le William Branham wɔwɔ Mawu me esime wotsɔe wɔ tɔɖoƒe ta! William Branham menye tɔɖoƒe la kpɔ gbeɖe o. Mawu ƒe Nya lae nye tɔɖoƒe la .

Amen, Mawu ƒe Nya la NYE míaƒe Tɔɖoƒe. Amekae Nya la va naa, wòa alo EYAE? Amekae nye MAWU ƑE NYA ƒe gɔmeɖela mawumetɔ laa, wòa alo EYAE mahã? Ameka dzi ye Dzo Lilikpo ɖo kpe be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi, wòa alo EYAE mahã?

Elabena ne ame eve le miasi la, nukpɔsusu evewoe anɔ miasi.

Míehĩa ame eve alo woƒe nukpɔsusuwo o, nusi Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ le nyaƒoka dzi ko míehĩa.

Ke ele be wòava tɔɖoƒe mamlea gbɔ, ke nye tɔɖoƒe yenye Nya la, Biblia.

Yenye ma, tututu ko abe alesi nègblɔe ene la, Biblia yenye eya kple míaƒe Tɔɖoƒe, gake emegbe la egblɔ be:

Menyae be mi, míanɔviawo, miekpɔnam be menye miaƒe tɔɖoƒe ɖe ƒomevie.

Ke lala vie, esia le ɖiɖim be etsi tre ɖe nusi NÈGBLƆ ŊUE. Egblɔ be míekpɔna ye be yenye míaƒe Tɔɖoƒe.

Zi geɖe alesi medzea Mawu yome, abe alesi Paulo gblɔe le Ŋɔŋlɔa me ene be, “midze yonyeme abe alesi medzea Kristo yome ene.”

Ɖee wome si ami na ema oa? Ɖee menya nusi ŋu wònɔ nuƒom le oa?

Nuka ŋue Mawu ƒe nyagblɔɖila nɔ nuƒom na mí le le kɔsiɖa si va yi me ko mahã ?

Míekpɔ bena ne amea ɖe va, eye Mawue dɔe, woɖoe ɖi tso Mawu gbɔ, kple ALE AƑETƆ GBLƆ ESI vavãtɔ la, gbedeasi la kple gbedeasitsɔla la wozua ɖeka.

Egblɔ be miate ŋu ama wodome o, wonye nu ɖeka, gake wòya ɖe nèle gbɔgblɔm be míawɔea?

William Branham metovovo le amegbetɔ si ŋu ku le ɖeke gbɔ o, elabena enye ame si nu vena, abe alesi Eliya hã nɔ ene.

Amen, ame ko wònye kakaɖedzitɔe, gake eyae nye AME SI Mawu tia be wòaɖe Eƒe Nya katã fia, eye wòakplɔ mí ayi ɖe Ŋugbedo Nyigba la dzi. Eyae nye amesi Mawu gblɔ na be, na amewo naxɔ dzi WÒ se.

Nu ɖeka ma ke, amesiaminawo, amesiwo le Pentekoste ƒe Nyanyuia gblɔm fia, gake wogbe egbeŋkekea ƒe Nya ƒe ŋugbedodo si dzi woɖo kpee, “Yesu Kristoe nye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me.”

Aleke míawɔ anya vovototo la ne wonye amesiwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ami na vavã mahã? Ena mí kpɔɖeŋuwo alebe míate ŋu nya alakpa nyagblɔɖilawo le nyagblɔɖila vavãtɔ la gbɔ.

Bileam kple Mose. Mixa kple Zedekia. Yeremia kple Hanania. Le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la eveawo nye amesiwo Mawu si ami na, gake nukae wògblɔ na mí be míawɔ, MINƆ ANYI KPLE NYAGBLƆƉILA SI DZI MAWU ƉO KPE LA. Eyae nye mɔnu ƉEKA be ame nàkpɔ kakaɖedzi godoo be yele Mɔ si Mawu na la yome dzem, eye be nèle Eƒe lɔlɔ̃nu deblibo me.

Amea ɖe ko menye te ɖe eŋu esime Wòle ewɔm. Gbea ɖe ko menye si Wòzã, tsɔ gblɔ Esia. Menye nusi menya lae o; nusi meɖe asi le ɖokuinye ŋu na lae, bene Eya naƒo nu to menye.

Nusi ko dim kple hĩam Ŋugbetɔ la le yema. Gbe Ɖeka. Nyagblɔɖila ɖeka. Gbedeasi ɖeka. Gbedeasitsɔla ɖeka.

Oo, Fofo, alegbegbe míele akpedam ɖe Wò amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ na mí la ta. Ègblɔ na mí be naneke meli si mele bɔbɔe na Wò o. Naneke meli si mele bɔbɔe na mí o. Elabena nusianu le bɔbɔe na amesiwo xɔese, eye míe XƆESE.

Va wɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Mawu ƒe Gbe si wotia le míasi le agblɔ nusianu na mí kuɖe Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi 65-0725M ŋu.

Nɔvi. Joseph Branham

23-0108 Gbɔgbɔme Nuɖuɖu Le Eɖuɣi

Gbedasi: 65-0718e Gbɔgbɔme Nuɖuɖu Le Eɖuɣi

PDF



BranhamTabernacle.org

Sikakula Lɔlɔ̃awo,

Ɖeɖefia ƒe tometsi vudo aɖe li si le fiafiam le míame wu tsã. Míese Gbedeasi sia le míaƒe agbea katã me, eye míexɔna Nya ɖe sia ɖe dzi se kokoko, gake FIFIA Ezu nu si woɖe ɖe go le míame wu tsã.

Fifia yenye ɣeyiɣi la, fifia yenye azãgbe si dzi míele Mawu ƒe nuɣaɣla siwo woɣla ɖe xexeame ɖum le. Nusi kom amewo le la yenye nusi ta míele gbedom ɖa ɖo. Nusi amewo yɔna be “bometsitsi” la, míeyɔna be “Gã!”
Mawu ɖe fia mí be mɔ ɖeka ko wona be woanye Eƒe Ŋugbetɔ, ZI PLAY.

Gake akpe na Mawu, Nuɖuɖu ɣaɣla la le mía si, nye gbɔgbɔme Nuɖuɖu, si ŋuti míele agbe ɖo le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia ƒe dɔmenyonyo kple amenuveve me le ŋkeke mlɔe siawo me, esi le kpe ɖom Ye ŋutɔ ɖokui dzi le Eƒe dukɔ la titina.

Kple Gbedeasi ɖe sia ɖe si sem Ŋugbetɔ la le la, Eɖoa kpe edzi na mí bena Enye Yeƒe Lɔlɔ̃nu Deblibo. Menye nusi míe SUSUNA be Ele gbɔgblɔm ye o, nenema ke Menye nusi míe SUSUNA be Enye eƒe gɔmeɖeɖe ye o, nusi gblɔm Wòle la TUTUTU YE ke gblɔeɖe la bubuwo mate ŋu Kpɔe o; wogbã ŋku na wo. Mawu Ɣlae. Wole Ekpɔm gã, gake womele Ekpɔm o. Na míawo ya la, NUSI KPƆM MÍELE KOE MA.

Abe alesi míeƒoa ƒu kɔsiɖa ɖe sia ɖe la, mele sɔsɔm na mí be míase nusi gblɔ ge Wòala na mí kple aɖe fia mí o. Kɔsiɖagbe sia la, Mele sikakɔ̃ ɣaɣla sue aɖewo na ge mí o, Ele sikakuƒe la na ge mí eye WÒAWOE awoe agawoe alebe wòakpɔ egbɔ nyuie be Esu míasi.

• Nyagblɔɖila la nɔ Mawu ƒe Ŋku me ale gbegbe! Nubabla Xoxoa me ƒe nyagblɔɖilawo, alo ɣeyiɣi ɖesiaɖe tɔ ko, ne wonɔ agbe le Mawu ƒe Ŋku me ʋuu vaseɖe esi wozu Nya la, ekem woƒe Gbedeasi la nye Nya la Ŋutɔŋutɔ. Eye, miɖo ŋku dzi be, egblɔ be, “ALE AƑETƆ GBLƆ ESI.”

• Míekpɔ bena ne amea ɖe va, eye Mawue dɔe, woɖoe ɖi tso Mawu gbɔ, kple ALE AƑETƆ GBLƆ ESI vavãtɔ la, gbedeasi la kple gbedeasitsɔla la wozua ɖeka.

• Ekema ne amea ɖe va kple ALE AƑETƆ GBLƆ ESI la, eya kple Gbeadeasi la wole ɖeka.

• Dziƒo ɖe gbe ƒãe, Biblia ɖe gbe ƒãe, Gbedeasi la ɖe gbe ƒãe, wo katã nenema pɛpɛpɛ.

• Nyagblɔɖila, Nya la, Gbedeasi la; gbedeasitsɔla la, Gbedeasi la, kple Gbedeasi la, wole ɖeka.

• Ame ɖesiaɖe kple eƒe gbedeasi la ɖeka ko wole.

Sika Kuƒe Ƒe Nya gblɔm mielea.

Ne Ɖeɖefia aɖe le miasi kura la, mexɔe se be ena ema me kɔ ƒã be; Gbedeasi La kple gbedeasitsɔla la ƉEKA wole. Ɖee miele nusi wògblɔ la sema…ƉEKA!! Ekema miate ŋu ama gbedeasitsɔla ɖa le Gbedeasi la gbɔ o, mawunyagblɔlawo.

Elebe miade GBEDEASITSƆLA la miaƒe hame la me ɖe du kple Gbedeasi si wòtsɔ va ne menye nenem o la mielɔ̃ le GBEDEASI LA KATÃ xɔm o. MÍENYE ŊUGBETƆ LA O.

Oo! Zi ɖeka ake la, awɔ Gbedeasi la kple gbedeasitsɔla la woazu nu ɖeka. Gbɔgbɔme Nuɖuɖu la sɔ gbe, eye Eɖuɣi lae nye fifi laa.

Na mí, amesiwo xɔ Mawu ƒe gaƒoƒo sia si me míele agbe le la, gbedeasitsɔla si Wòdɔ ɖo ɖa, Nya ɖe sia ɖe si wògblɔ dzi se la; nusiawo nye Nuɖuɖu ɣaɣla.

Alegbegbe míelɔ̃na Gbedeasi siae, eye ne nènya susu ko be, “Aleke geɖe aganɔ anyi ɖo mahã?” La Eɖoa tatsyɔkpe aɖe Edzi esime wògblɔna amesi míenye azɔ la na mí.

Ɖe miekpɔ Mawu gbagbe la ƒe dziɖuɖu le Ŋugbetɔ Hame gbagbe la me oa? Dɔlélawo kpɔ dɔyɔyɔ, amekukuwo fɔ ɖe tsitre, gbafawo zɔ azɔli, ŋkuagbatɔwo kpɔ nu, eye Nyanyui la ɖe zɔ le Eƒe Ŋusẽ me, elabena Gbedeasi la kple gbedeasitsɔla la wole ɖeka. Nya la le Hamea me, le ame me.

Nya Ma le MÍA ME. Míenye Gbedeasi la. Míeɖo dziɖuɖu. Míakple Gbedeasi Sia MÍELE ƉEKA!! Nuƒom miele kuɖe nufiafia dzi ɖaa ɖaa ɖa ŋua.

Ŋugbetɔ la nye Ŋugbetsɔsrɔ̃a ƒe akpaa ɖe, numa ke Hamea hã nye na Kristo. “Dɔ siwo wɔm Mele la miawo hã miawɔe.”

Míenye Ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe akpa aɖe!!

MÍENYE NU ƉEKA KE ABE KRISTO ENE!!

Miesusui be ele ɖiɖim nyuie azɔ , eye wòle miaƒe dzi yram esime miele numegbe siawo xlẽm alo, milala vie ko sẽ ɖe esime miase Mawu ƒe Gbe wòagblɔ wo na mi tso nuɣi dzi yiɖe tome Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: 65-0718E Gbɔgbɔme Nuɖuɖu Le Eɖuɣi.

Wokpe mi be miava wɔ ɖeka kpli mí. Ne miate ŋui o la, MIZI PLAY ɣesiaɣi, Gbedeasi ɖe sia ɖe, le afi sia afi, ke miase Mawu ƒe gbedeasitsɔla wòatsɔ Mawu ƒe Gbedeasi vɛ na mi.

Nɔvi. Joseph Branham.

Nenema kee nye egbe, bena Agbe-Bolo si ɖeviwo ɖuna la, kplɔa Mawu ƒe Gbedeasi la ɖo, ale be wòana woatsi agbe le kuɖiɣi.

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ
Fiawo I 17:1-7
Amos 3:7
Yoel 2:28
Maleaxi 4:4
Luka 17:30
Yohanes Kɔkɔe 14:12

22-1231 Aʋawɔwɔ & Kɔmuniɔ

Gbedasi: 62-1231 Aʋawɔwɔ

PDF



BranhamTabernacle.org

Nutomegbadɔ Ƒe Alẽha Lɔlɔ̃a,

Medi be míagaɖo Kɔmuniɔ zi ɖeka ake le míaƒe aƒewo me le Ƒe Yeye la ƒe Zodragbe, Dzome 31lia. Nufiamewo kuɖe alesi woawɔ axɔ wein, kple alesi woaɖa Kɔmuniɔ bolo ŋu la woateŋu akpɔe le linkawo me le gɔme. Takpekpe la ƒe odio ƒe link si dzi woato axɔe ɖe mɔ̃ dzi la anɔ gbesɔsɔ le madidi me le míaƒe website la dzi. Alo, miate ŋu aƒo takpekpe la ƒe odio le Lifeline ƒe app dzi.

Na dumevi siwo le Jeffersonville nuto me la.
miate ŋu ava Kɔmuniɔ̃ ƒe wein la Fiɖagbe, Dzome 30lia, le ɣetrɔ ga 1 kple ɣetrɔ ga 4 dome, le VGR ƒe avɔgbadɔ la te.

Míele 62-1231Aʋawɔwɔ La se ge, adze egɔme le ɣetrɔ ga 5 ƔEDZEƑE ƒe game le Memleɖagbe, Dzome 31lia dzi. Ne nɔviŋutsu Branham tsɔ Dzoɖagbe Ƒe Gbedeasi La vɛ la, míele nyaƒoka tɔ ge te eye neglo la míaɖo miniti 10 ƒe Subɔsubɔ Hawo esime míanɔ dzadzraɖo wɔm na Aƒetɔ la ƒe Fĩenuɖuɖu la. Emegbe la míagazi nyaƒoka dzi le afisi Nɔviŋutsu Branham dze Kɔmuniɔ̃ takpekpe la gɔme le. Le nyaƒoka sia dzi la, mewɔ takpekpe la ƒe afɔkɔklɔ ƒe akpa ŋutidɔ o, míele ewɔ ge hã o.

Esime míele tɔtrɔm ɖe ƒe bubu me le Eƒe Dɔ me la, mina míagbugbɔ kɔ míaƒe agbewo ŋu na Eyama yeye to Nya la sese me gbã, ke emegbe la akpɔ gome le Eƒe Fĩenuɖuɖu me. Gomekpɔkpɔ xɔasi kae nye esi míegaɖo ake be míawɔ míaƒe aƒewo me Gbedoxɔ be míado woezɔ na Fiawo dzi Fia be wòava awɔ ɖeka kpli mí.
Mawu nayra mi,

Nɔviŋutsu Joseph

22-1225 Akpe Ŋu

Gbedasi: 65-0711 Akpe Ŋu



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Rebekah Lɔlɔ̃a,

Fofo dɔ Eƒe dɔtsɔla Eliezer Nuteƒewɔla ɖo ɖa, be wòadi Yeƒe Ŋugbetɔ Rebekah la. Míede dzesi eyama, Eƒe dɔla adrelia kple gbedeasitsɔla, William Marrion Branham, amesi Wòde dɔ asi na be: Wòayɔ, Aƒo ƒu, Akplɔ eye mlɔeba la Wòafia mí, Eyama.

Ena Eƒe Ŋusẽ si gbɔagbe nu kɔ ɖe mía dzi le agbɔsɔsɔ me eye wòna míede dzesi míaƒe tsitrenɔƒe, míaƒe teƒe, kple míaƒe dɔdeasiwo, esime míenye dukɔ aɖe si woyɔ, hemã ɖa tso le xexeame gbɔ, si kɔ eɖokui ŋuti na Mawu. Ele mɔfiam mí hele míakplɔm yina le nusiwo míewɔna kple gblɔna me, hele bubu kple ŋutikɔkɔe hem va na Eƒe Ŋkɔ.

Naneke meli, le afia ɖeke, si ate ŋu ama mí ɖa tso Ema gbɔ o, NANEKE O. Míele dedie Mavɔmavɔtɔe ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe me. Fofo tu Eƒe Nutrenu ɖe míadzi yiɖe míaƒe dzeƒe ƒe nuwuwu.

Abosam le míaƒom ŋkeke kple zã. Ele nusianu gblɔm na mí, hele nyatsɔm ɖe mía ŋu, hele agbagba dzem be yeawɔ mí be míasusu be míenye Ŋugbetɔ ma o. Etsɔa nu ɖe sia ɖe ƒua gbe ɖe míaƒe mɔ dzi be yeadze agbagba aɖe míaƒe susu ɖa, abe dɔlele kple vevesese, gake míele toɖom eyama o. Ŋusẽ Ma si Gbɔagbe nu le míame AZƆ eye wotre mía ŋu hetu mí ɖe Nya ma dzi. Míele kpodzom le míaƒe kposɔ dzi, le du sim yiɖe Eyama gbɔ le míaƒe mɔ dzi yiɖe míaƒe Srɔ̃ɖe Nuɖuɖu gã la me.

Ŋu mele míakpem le nusi míexɔ se la me o; ke boŋ la, miedi be xexeame nanyea be, MÍENYE NYAƑOKA DUKƆ SI XƆ NYA ƉE SIA ƉE SI EƑE NUTEƑEWƆLA ELIEZER NYAGBLƆƉILA LA GBLƆ DZI SE amesi Wòdɔ ɖo ɖa be wòayɔ do go eye wòaɖa kplɔ YEƑE ŊUGBETƆ REBEKAH. Míetsɔna ɖeke kpenɛ alo ɖea Nya ƉEKA le eme o. Gbedeasi Sia nye míaƒe Tɔɖoƒe.

Aleke ame aɖe si yɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, yɔ fũ kple Mawu ƒe Ŋusẽ, kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ le eƒe dzi me, ate ŋu aƒo nu na ame aɖe eye matɔ asi nane kuɖe Gbedeasi la ŋu si wòse le Nyaƒoka dzi teti koe nye esi mahã?

Ne nèle go dom kple amesiwo gblɔna be yewonye nuwuɣi ƒe xɔsetɔwo le nuwuɣi ƒe Gbedeasi sia me la, àte ŋu aƒo nu kpli wo miniti ʋea ɖewo ko eye nàte ŋu agblɔ afisi wole tsitre ɖo le nyaƒokawo ƒoƒo ŋu. Loo wonye Nyaƒoka Dukɔ alo womenye o.

Ewɔ mo yaa ŋutɔ be wobu nɛ be ŋukpe ye wònye, alo be egblẽ ŋutɔ gɔ hã, ne nègblɔ be yeƒona nyaƒokawo le yeƒe hame alo aƒeme. Wokpɔ nɛ be enye Nya la ƒe futɔ ke menye Mɔ si Mawu na o. Womebua wò o elabena ègblɔna be yenye “Nyaƒoka Tɔ”.

Wohena nya ɖe Mawunyagblɔla siwo ƒoa nyaƒokawo le woƒe hameawo me ŋu, eye woyɔna wo be kuviatɔwo gɔ hã. Eye ne nèle nyaƒoka ɖeka ma ke sem le game ɖeka ma ke dzi la, enyo, mènye mawunyagblɔla ŋutɔ gɔ hã o, ènye kɔmahatsɔŋkɔ, alo ame subɔla.

Mesusui be ame mawo katã siwo do ŋgɔ na mí siwo tsaka kple telefoni le woƒe hamewo kple aƒewo me, le toɖom Nɔviŋutsu Branham wokatã le game ɖeka ma ke dzi la, ele be woawo hã woanye kɔmahatsɔŋkɔe. Ele be woanɔ Mawu ƒe Ɖoɖo la godo yemae. Ŋu mekpe wo o NENEMA KE MÍAWO HÃ MELE MÍAKPEM O.

Le miniti ʋea ɖewo me teti ko ne ènya ƒonu na amewo ko la, woana nànya afisi wole tsitre ɖo enumake be: Ẽ, Míezina Play. Ẽ, míesena nyaƒokawo Kɔsiɖagbe le míaƒe Hamewo alo aƒewo me. Ẽ, nyaƒoka ɖeka ma ke, le game ɖeka ma ke dzi.

Tsyo bubuwo ya gblɔa be, “Míedena sɔleme Kɔsiɖagbe ŋdi, Kɔsiɖagbe zã me, kple Kuɖagbe zã me. Pastɔ nyuie aɖe ŋutɔe le míasi; enana eme kɔna na mí ƒã hekɔna titotito be míase egɔme. Eɖena Gbedeasi la gɔme alebena mate ŋu se Egɔme. Elebe subɔsubɔdɔ nanɔ asiwò be nànye Ŋugbetɔ. Nɔviŋutsu Branham megblɔ kpɔ be miƒo nyaƒokawo le hame me o.”

Nukae gblɔm miele be enye nu vevietɔ la? Nusi gblɔm mawunyagblɔlawo lea, nusi gblɔm Nɔviŋutsu Joseph le, alo nusi gblɔm Mawu ƒe Gbea ŋutɔ le le Nyaƒoka dzie mahã? Nukae nye miaƒe Tɔɖoƒe laa? Nusi le Nyaƒoka dziea, alo nusi gblɔm ame bubu aɖe le ye mahã?

Subɔsubɔdɔ la dzeanyi, eye wòle nya la me. Míehĩawo. Gake kae nye VEVIETƆ LA, mawunyagbɔgblɔ alo Nyaƒokawo mahã?

Ne Nyaƒokawo menye nu vevietɔ le wòŋutɔ wò agbea me, le wò hame ƒe agbe me o la, ekema nane gblẽ. Èdo le Mawu ƒe Ɖoɖo Lɔlɔ̃nu Deblibotɔ la me. TRƆ GBƆ VA FLI ME.

Ne ame aɖe do go Mawu kpɔ; menye le seselelãme si wokpa wɔ, dzodzo aɖe, alo subɔsubɔ ƒe nufiafia, alo katekismo alo dzixɔse, alo nuɖoanyi aɖe si wòlɔ̃ abe a—akɔfafa aɖe na eŋutɔ o, gake ne wòva ɖo teƒe aɖe abe alesi Mose wɔe ene, le gbedadaƒo ƒe megbe, zɔ yi do go Mawu Ŋusẽkatãtɔ ŋkume kple ŋkume, eye nèkpɔ Mawu ƒe Gbe le nuƒom na wò, tututu kple Nya la kpakple gaƒoƒo la ƒe gbedeasi la, nane li si wòwɔna na wò! Mikpɔea, ŋu makpe wò le Eŋu o, Ewɔa nane na wò.

Le míaƒe ŋkeke me la, wodze kɔnu ƒe xɔmetsovɔ la. Dzo Lilikpo lae nye esi le tsitre, le Nya la ɖem ɖe go na ŋkeke sia. Mawunyenye si dzi agbetɔ ŋutilã tsyɔ. Shekina Ŋutikɔkɔe hena míaƒe egbe. Mawu le tsitre hele nuƒom le míaƒe ŋkume, agbetɔ ŋutilã tsyɔ edzi.

Nya la nɔ Mose si. Azɔ miɖo ŋku dzi, esime woɖe Nya la ɖe go vɔ megbe la, Mose gazu Mose ake. Mikpɔea? Gake esime Nya sia nɔ eme be woatsɔe ana la, enye Mawu; enyo, meganye Mose ake o. Aƒetɔ ƒe Nya na agbenɔɣi ma nɔ esi.

KRISTmas Kae nye esi mí Rebekahwo le ɖoɖo ge Kɔsiɖagbe sia. Le ŋkeke blibo la me, le game vovovowo dzi le ŋkeke la katã me. Míele míaƒe Eliezer se ge wòayɔ Eƒe Ŋugbetɔ la do go eye míele gbɔgblɔ ge na Eyama be Ŋu mele mía kpem o.

Aƒetɔ la nàna mi KRISTmas dze anyi aɖe, si yɔ fũ kple “EƑE AMEGBƆNƆNƆ.”

Nɔvi. Joseph Branham

Gbedeasi: 65-0711 Akpe Ŋu

Ŋɔŋlɔ la: Marko Kɔkɔe 8:34-38

Kristmas ƒe Ðoɖowɔɖi

Nɔviŋutsu Kple Nɔvinyɔnu Lɔlɔ̃tɔwo,

Esime Kristmas dze Kɔsiɖagbe dzi ƒe sia me ta la, mese le nye dzi me be nyemagatia game aɖeke na mí be míase Gbedeasi la gbemagbe o. Ƒome geɖewo ɖo ɖevi suewo siwo tsina dzodzodzoe alegbegbe be yewoaʋu yewoƒe nunanawo le Kristmas ŋdi me, ke asesẽ na wo ŋutɔ be woanɔ anyi aɖase Gbedeasi la alo be woana woalala sẽ ɖe game aɖe megbe.
Ke, kokoko, le Kristmas la, mienya, ɖevi suewo, miate ŋu agblɔe na wo woase eme o. Wo, ɖeko, enye Kristmas ɣeyiɣi na wo. Ke womatsɔ woƒe afɔwui suea aku nu ŋu o, nane anɔ anyi. Kɔnue, ŋutɔ gɔ hã le míaƒe dukɔ la me, bena wokuna afɔwui aɖe, kple nububu aɖe ŋu. Tsyo, mewɔe, esime menye ɖevi, ke—ke togbɔ be e—edzo ɖa le Ŋɔŋlɔa gbɔ, mɔ dodo la gbɔ abe alesi wòle. Kokoko la, ɖeviwo le, wosena ɖevi bubuwo gblɔa be, “Enyo, mexɔ esia na Kristmas. Mexɔ esia.” Ɖevi sueawo nɔa tsitre ƒo xlã, kpɔa nu, minyae. Miawo, miate ŋu ana woase egɔme o. Mikpɔea? Eyata, ɖeko, Kristmas le afisia be yeatsi anyi ye. Ẽ ɖe.

Bubuwo hã woate ŋu adi boŋ be yewoanyɔ kaba aɖase Gbedeasi la, esime ɖoɖowo le wosi kple ƒometɔ bubuwo emegbe le ŋkeke ma ke dzi ta. Eyata metso nyame bena ƒome ɖe sia ɖe netia game si asɔ nyuietɔ wu kple woƒe ɖoɖowɔɖi hena Gbedeasi la sese. Míele Gbedeasi la ƒo ge le Lifeline dzi le game etɔ̃ vovovowo dzi le Kristmas Ŋkeke dzi: Ŋdi ga 9 – Ŋdɔ ga 12 – Ɣetrɔ ga 5. Meɖe kuku megase le ɖokuiwòme be ele be nàse le game siawo ƒe dometɔ ɖeka dzi o, gake tia game nyuietɔ la na wò kple wò ƒomea. Nu vevietɔ lae nye, ZI PLAY.


Ate ŋu aɖi kokoe aɖe tɔgbe, ŋdi sia, be medo nye awuʋlaya le kpeadzi, gake dzidzɔm alegbegbe be ma- matsɔ awuʋlaya nyuie ma si hame la nam afia. Mekpɔ nɔviŋutsu Neville le dzi le afisia etsɔ, kple kotu nyuie ma le eŋu, esɔ kplii nyuie alegbegbe, ke mesusu be, enyo, me—me…enyo alegbegbe, eye esi ƒuƒoƒea le nuƒom kuɖe eŋu ta la, mesusu be, “ɖeko mado nye awuʋlaya atsɔ va kpea dzi.” Ɖeko me…
Mienya, mexɔe se be míetsina kpɔ gbeɖe o. Míe kokoko…Ke nyemedi be matsi o. Kae kuɖe ema ŋu, nɔviŋutsu Luther? Kpao, nyemedi kpɔ gbeɖe be matsi o. Ɖeko míele didim be míakpɔtɔ anyi ɖeviwo ɖaa.

Aƒetɔ la nena mi mɔkeke dzeanyi aɖe si yɔ fũ kple Eƒe Amegbɔnɔnɔ.

Nɔvi. Joseph Branham