All posts by admin5

21-1121 Tsikɔwuame

Gbedasi: 65-0919 Tsikɔwuame

BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Aƒenɔ Tiatia Lɔlɔ̃a,

Ɖekawɔwɔ gã mamlɛtɔ la le mevam na Kɔkɔdzɔe la. Gbɔgbɔ Kɔkɔe le Eƒe Ŋugbetɔ la hem va ɖe du tso dukɔwo me; tso Ɣetoɖoƒe Ƒuta yi Ɣedzeƒe Ƒuta, tso Dziehe yi Nyiehe, tso xexeame ƒe dzogoe eneawo me.

Ele míanu ƒom ɖe du le míaƒe hameawo kple le míaƒe aƒewo me to yaʋala nyuiea ɖe ŋutɔ me. Eganyo wu nuƒoƒo tso nyakakadɔwɔƒe gɔ hã. Telefoni tsatsa le kame ye. Míede mɔ̃wo alo mikrofoniwo, alo nukake wònye la, xɔa me, ke ɖeko wòle tututu abe ɖe míele xɔa me kple Eƒe Nyagblɔɖila ene. Enye mɔ si Mawu na egbe be woawɔ Eƒe Ŋugbetɔ la ɖekae aɖahee va ɖe du kple, “Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi”.

Ƒe bla atɔ̃ vɔ ade ye nye esi, Mawu dze Eƒe ɖoɖo si nye ƒuƒoƒo Eƒe Ŋugbetɔ la ɖe du gɔme ale be woakatã woateŋu ase Eyama wòaƒo nu to Eƒe dɔla sesẽ dzi ɖe du le ɣeyiɣi ɖeka me. Ena ŋutɔ gɔ hã be Eƒe subɔsubɔdɔ atɔ̃awo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe eye woƒoƒu wotɔwo ɖe du, hetsaka telefoni ɖe woƒe hameawo me, esime Wòdi be Eƒe Ŋugbetɔ la katã nase Eƒe Gbe le ɣeyiɣi ɖeka me ta. Eƒe ɖoɖo gã la dze egɔme. Meva me kpɔ gbeɖe le xexeame ƒe nutinya me o. Eƒe nyagblɔɖila nyae eye wòkpɔ dzidzɔ alegbegbe. Azɔ Mawu ate ŋu ƒo nu teŋ na Eƒe Ŋugbetɔ la katã le ɣeyiɣi ɖeka me. Woakatã woateŋu ase na woɖokuiwo, Mawu si le nuƒom na wo teŋ, eye mahĩa gɔmeɖeɖe aɖeke o.

Egbe la, xexeame ƒe mo wɔ yaa. Nukata amewo katã tso xexeame kpeɖo, teƒe vovowo ƒe gamewo dzi; 12:00, 2:00 woale me, zã ga 8:00, zã tiƒe, le ƒuƒom ɖe du le ɣeyiɣi ɖeka me be woase Gbedeasi aɖe si woateŋu ase le ɣeaɖekpeɣi fãa. Nukae nye hehe laa?

Woɖe fia wo be esia nye Mawu ƒe ɖoɖo la, Mawu ƒe mɔ si wona be woawɔ wo ɖekae le gbɔgbɔ me. Mawu wònye le dzadzra ɖo wɔm be yeaƒo nu na Yeƒe Ŋugbetɔ la katã le ɣeyiɣi ɖeka me.

NUBUBU AƉEKE wu Mawu ƒe Gbe, Eƒe Nya, Gbedeasi sia, si Eƒe nyagblɔɖila ɖe gblɔ mateŋu awɔ esia o. Amea ɖeke meli, nububu aɖeke hã meli, si dzi Ŋugbetɔ la katã ate ŋu alɔ̃ ɖo o.

Ameaɖe ateŋu agblɔ be, “Meɖoa to nye kplɔla esime wòxlẽa Nya la heɖea gbeƒãe ko tututu abe alesi nɔviŋutsu Branham gblɔ be newɔe ene.” Woakafu Aƒetɔ la. Ema nyo ŋutɔ eye woyrawò ŋutɔ be kplɔla aɖe le asiwò si nɔa anyi kple Nya la. Woyɔe be wòalé alẽha la ɖe du eye be wòaɖana wò aɖafia asi Nya la na wò, gake menye numa ŋu mele nuƒom kuɖe o. Edze be Tɔɖoƒe aɖe, Nya mamlea aɖe nanɔ asiwò. Nya siwo dzi mía KATà MÍATE ŊU ALƆ̃ ƉO. Meka alesi woyɔ ame aɖe hesi ami nɛ o la, amea ɖeke ƒe nya mede blibo, eye ame aɖeke ƒe subɔsubɔdɔ mate ŋu awɔ Ŋugbetɔ la ɖekae o.

“Ema susuwò kple wò nukpɔsusu ko wònye. Ɖo kpe esia dzi kple Nya la, Nɔviŋutsu Joseph.”

Elabena ne ame eve le miasi la, nukpɔsusu eve woe le miasi ye ma. Ke ele be wòava ɖo tɔɖoƒe mamlɛtɔ ɖeka aɖe gbɔ, ke nye tɔɖoƒe lae nye Nya la, Biblia. Ke abe kplɔla na hamea le teƒe sia la, nye tɔɖoƒe lae Nya la, ke medi…menya mi, mía nɔviŋutsuwo, miekpɔa dzi nye abe miaƒe tɔɖoƒe tɔgbe na nuka…zi geɖe alesi ke medzea Mawu yome, abe alesi Paulo gblɔe le Ŋɔŋlɔ la me ene la, “Midze yonyeme, abe alesi medzea Kristo yome ene.”

Alea la, ne nyagblɔɖila ƒo nu la, enye Tɔɖoƒe na Ŋugbetɔ la. Eƒe Gbedeasi la menye eƒe nya, alo nye eƒe gɔmeɖeɖe ku ɖe Nya la ŋu o. Enye Mawu si le Eŋutɔ ƒe Nya gɔme ɖem to Eƒe mɔ ɖeka si wona be woawɔe nenema dzi: to Eƒe nyagblɔɖila dzi.

Ne nèbe nèxɔ Gbedeasi Sia dzi se. Ne nèbe nèxɔ numegbe sia dzi se. Ne nèbe eye nèxɔe se be nènye Kristo ƒe Ŋugbetɔ la, ekema elebe nusi wogblɔ le nyaƒoka dzi nanye wò Tɔɖoƒe.

Alea ɖe, nububu kae ate ŋu wɔ Kristo ƒe Ŋugbetɔ la ɖekae ɖe du negbe míaƒe Tɔɖoƒe la mahã? NANEKE O. Nyaƒokawo nye Eƒe Gbe, Eƒe Nya, míaƒe Tɔɖoƒe la. Nyagblɔɖila gblɔ na mí be nyagblɔɖila na egbe lae nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la tia ame ƉEKA, Gbe ƉEKA be wòaɖe Eƒe Nya fia eyama eye Gbe ma le Eƒe Ŋugbetɔ la wɔm ɖekae to Eƒe mɔ si wòna na egbe dzi, TO PLAY ZIZI DZI.

Mele tɔnye nyuietɔ kekeake sinu wɔm be manɔ anyi kple Nya la, ɖe esiawo si wode nye asiwo me na Mawu la ta, elabena alẽwo dia alẽ ƒe nuɖuɖu, ẽ ɖe. ” Nye alẽwo sea Nye Gbe.” Ke esia dzi ye míenɔa agbe to, Nya ɖe sia ɖe si doa…Menye wokatã…Menye Nya ɖeka ko fifia kple emegbe o; gake Nya ɖe sia ɖe si doa le Mawu ƒe nu me dzi, emae dzi ye wòle be amekɔkɔeawo na nɔ agbe to.

Edze be míanɔ agbe to Nya ɖe sia ɖe si doa tso Mawu ƒe nu me dzi. Kae nye Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe na egbe mahã? Nye yea? Nyemenye Mawu ƒe dɔla kple Gbedeasitsɔla 7lia si dzi woɖo kpe o, nenema ke wò kplɔla alo ame bubu aɖeke menye o; Mawu wònye le WILLIAM MARRION BRANHAM ƒe gbe zãm.

Gbedeasi si WÒGBLƆ ƉE nyaƒoka dzi ye woatsɔ drɔ ʋɔŋu mí. Menye kple ame bubu aɖe ƒe gɔmeɖeɖe alo si le gbeƒã ɖem nusi wògblɔ o boŋ kple Nya la le NYAƑOKA DZI. Meka alesi woasi ami na mí kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe o la, míatɔ mate ŋu dzɔ o fãa. Nyemele gbɔgblɔm be gbeƒãɖela aɖe nye alakpatɔ alo tɔ medzɔ o; woyɔ mí bena míaɖe gbeƒã, aɖafia nu, aɖanɔ anyi kple Nya la, gake míaƒe yɔyɔ lae nye be míafia asi NYA LA NA mi, eye NYA DE BLIBO ƉEKA SI DZI WOƉO KPE la le Nyaƒoka dzi.

Abe Kristo ƒe Ŋugbetɔ ene la, nu geɖe fũ le mía si, si ta wòle be míade akpe ɖo.

Ne míetsɔ nuŋlɔtsi yɔ ‘tsiaƒu hã
Eye dziŋgɔli zu agbalẽ la,
Ne atilẽwo zu nuŋlɔ̃ti,
Ye ameƒomea katã zu nuŋlɔla hã la;
Be woaŋlɔ̃ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la
Ana ƒu la amie keŋkeŋ;
Dziŋgɔli hã masu nɛ o
Tso gunu yi agunu

Míaƒe agbewo ƒe Akpedavɔsa gãtɔ kekeake gɔmedze ge míele ye ma.
Gbɔgbɔ me Nuɖuɖu ƒe azã be wòaɖi ƒo na míaƒe luʋɔwo.
Azã aɖe me le afisi woawɔ Ŋugbetɔ la ɖekae le eye wòanɔ anyi ɖe du le Ŋdɔkutsu la ƒe Ŋkume anɔ tsitsim.

Mawu le nuƒo ge to Eƒe Gbedeasitsɔla dzi aɖagblɔ na mí be:

•Míenye Yeƒe Aƒenɔ Tiatia la.
•Míaƒe ŋkɔwo le Alẽvi la fe Agbe Gbalẽ la me.
•Nuvɔ̃ aɖeke mele mía ŋu o.
•Wotso afia na mí do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi ke.
•Míawoe nye amesiwo woyɔ do go kple amesiwo wotia la.
•Míawoe nye amesiwo Mawu ƒe ɖoɖo blibo la le lalam kpɔ.
•Míawoe nye Mawu gbagbe la ƒe Vi ƒe Ŋugbetɔ dzadze, zazɛ, si ŋu nuvɔ̃ mele o.
•Míede blibo le Eƒe ŋkume.

Nuwuwu meli na nusiwo katã Gbɔgbɔ Kɔkɔe la aɖe fia kple awɔ na mí ŋɔŋlɔ o.

Akpedavɔsa ƒe nya gblɔ míele a!!!

Mese le menye be wozi ɖe nye Gbɔgbɔ dzi tso Aƒetɔ la gbɔ be míakɔ kɔsiɖa katã ŋuti, adze egɔme tso Kɔsiɖagbe sia dzi, hena Akpedavɔsa na Aƒetɔ la.

Ɖoɖo la ƒe agbalẽ kple ŋkekeawo, ɣeyiɣiawo kpakple Gbedeasi siwo se ge míala woe nye esi.

Abe alesi miele ekpɔm la, Kɔsiɖagbe la míakatã míaƒoƒu ɖe du le míaƒe ɣeyiɣi ga sia ga me tɔ si nye woale ga 2 me, Jeffersonville ƒe game dzi, be míase Gbedeasi: Tsikɔwuame 65-0919.

Dzoɖagbe yiɖe Kuɖagbe la, madi be míase Gbedeasi 3 siwo Nɔviŋutsu Branham gblɔ ɖe ɖoɖo nu, le 1965 me. Míele wo de ge Voice Radio dzi le ŋdi ga 9 me kple le wòtrɔ ga 7 me ake, Jeffersonville ƒe ga me dzi.

Menyae be asese na ame geɖewo be woase le ɣeyiɣi ɖo ɖi aɖe dzi le woƒe dɔme ƒe ɣeyiɣigbalẽ alo dɔdeasi bubuwo siwo kpɔ woƒe ŋkume ta, gake mɔkpɔkpɔtɔe la miate ŋu ase le ɣeyiɣi siawo ƒe dometɔ ɖeka dzi ɖe du kple miaƒe ƒomewo.

Emegbe le Yawoɖagbe, Aɖeamakpɔxɛ 25lia dzi la, adzrom be míaƒoƒu ɖe du le Jeffersonville ƒe ga me dzi, be míadze míaƒe Akpedavɔsa kɔsiɖa nuwuwu dze anyi la gɔme esime míaga geɖe ka me ake aɖase Mawu ƒe Gbe wòahe míaƒe kɔsiɖa nuwuwu ƒe Gbedeasi: Kristo Ƒe Ŋugbetɔ Ƒe Ɖekawɔwɔ Makpɔmakpɔ La 65-1125 vɛ na mí.

Enye yayra tɔxe aɖe nam alegbegbe be made dzesi be anye ƒe 56 woenye esi, ɖe ŋkekea dzi, esime Mawu ƒo nu to Eƒe nyagblɔɖila dzi be wòahe Gbedeasi siawo siwo ɖo ɖe wonɔewo nu vɛ na mí. Ewɔ ƒe 56 tso keke nɔviŋutsu Branham ƒe dzigbe le 1909 me, yi 1965, esime wògblɔ Gbedeasi siawo.

Nuka wɔge míala ne míenyae be nɔviŋutsu Branham le Shevreport, LA nɔ ge le kɔsiɖa ƒe nuwuwu sia be wòahe Gbedeasi siawo vɛ na mí mahã? Naneke…medi be magblɔ be NANEKE mateŋu ahemɔ yiyi na mí o. Ɖoɖo aɖe le Mawu si na eƒe Ŋugbetɔ egbe, eye NANEKE mele mɔ xe ge nɛ o.

Mele gbedom ɖa be miadometɔ ɖe sia ɖe nanɔ mɔkpɔkpɔ gã aɖe te hena kɔsiɖa ƒe nuwuwu dze anyi aɖe si me to ge míele ɖe du kple Aƒetɔ la; anɔ akpe dem Nɛ, anɔ Eyama kafum ɖe nusiwo katã Wòwɔ, kple esiwo katã wɔge Wòle na míadometɔ ɖe sia ɖe si nye EƑE AƑENƆ TIATIA la.

Nɔvi. Joseph Branham

21-1114 Mawu Ƒe Tɔtrɔ Ŋusẽ

Gbedasi: 65-0911 Mawu Ƒe Tɔtrɔ Ŋusẽ

BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Hɔ̃ Lɔlɔ̃awo, mina míakatã míaƒoƒu ɖe du aɖase Gbedeasi 65-0911 Mawu Ƒe Tɔtrɔ Ŋusẽ Kɔsiɖagbe sia le ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe game.

Nɔviŋutsu Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ:

Mose Gbãtɔ Ta 4lia
Yesaya 9:6/ 14:12-14
Mateo Kɔkɔe 5:6/24:24
Yohanes Kɔkɔe 1:1
Romatɔwo 12:1-2
Tesalonikatɔwo 2: 3-4
Hebritɔwɔ 10:26-27
Nyaɖeɖefia Ta 3lia

21-1107 Satana Ƒe Eden

Gbedasi: 65-0829 Satana Ƒe Eden

PDF



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a Si Woklẽ Na,

Esime ŋkekea nu va yi boo la míesi mɔ̃ la míege ɖe ka me eye Eyama geɖe míaƒe aƒewo me henɔ anyi kpli mí. Le duawo me la, Kristo ƒe Ŋutilã ƒe akpa aɖe, Si wona dzena Eƒe nyagblɔɖila be wòanyi la, nɔ anyi ɖe du le Dziƒo nutowo me esime EYA ƒo nu na mí to Eƒe dɔla sesẽ si Wòdɔ̃ ɖo ɖa dzi; be wòaklẽ na xexeame to Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe dzi le eyama me, alebe wòayɔ Eƒe Ŋugbetɔ la do go.

Mawu dɔ, le ta 18lia sia me la, dɔla sesẽ aɖe, esime wonya nyaɣlaɣla ma megbe, dɔla sesẽ aɖe, alo, gbedeasitsɔla aɖe ɖa….

Mawu dɔ dɔla aɖe ɖa, gbedeasitsɔla aɖe be (nuka?) wòayɔ do go, “Mi do go!” Gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la!….

Mido do go le eyama dome! Mawu dɔ geɖe…dɔla sesẽ aɖe, alo, gbedeasitsɔla aɖe ɖa.
Ke eƒe Kekeli metsi dzogoe aɖe me o, Ekaka ɖe anyigba katã dzi… Be wòaklẽ ɖe anyigba dzi, aɖayɔ Eƒe dukɔ la do go le wodome…

Azɔ, mienyae be ema nye Nyateƒe la. Wodɔ gbedeasitsɔla aɖe tso Dziƒo, be wòayɔ Mawu ƒe dukɔ do go le Babylɔn me. Ke eƒe Kekeli klẽ na anyigba la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe gã la.

Le kɔsiɖa si va yi me la gbeƒãɖela aɖe gblɔ na eƒe ƒuƒoƒe la be nye medi be amewo naxɔ se be Nɔviŋutsu Branham ye nye Nyaɖeɖefia 18 ƒe dɔla, evɔ eya fia asi be ema nye dɔla tso Dziƒo, ke mate ŋu anye Nɔviŋutsu Branham o. Ne ɖe ko nɔviŋutsu la wɔ nusi nyagblɔɖila GBLƆ na eyama be wòawɔ, dzroe kpɔ kple NYA la, ke MENYE kple eƒe nugɔmesese o la, ANYE NE ASE BE, LE NYATEƑE ME LA, NƆVIŊUTSU BRANHAM YE GBLƆ BE YENYE DƆLA MA.

…Mide dzesi, Kekeli ƒe dɔla ye nye esi, miɖo ŋui, dɔla mamlea la, eyae nye dɔla si le Laodikea ƒe hamea ƒe agbenɔɣi me. Eyae nye Laodikea ƒe gbedeasitsɔla, si, eyae nye mamlea, elabena ta si va le emegbe teti lae nye ta 19lia, si nye Ŋugbetɔ la ƒe vava.

Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, MELEA FU nusiawo gbɔgblɔ kple asitɔtɔ wo dzi. Abe alesi Nɔviŋutsu Branham gblɔna ene la, “wosea nye gɔme baɖa alegbegbe”. Nyemele gbɔgblɔm be gbeƒãɖelawo katã woe le nusiawo gblɔm o, nenema ke nyemexɔe se hã be gbeƒãɖelawo katã nye alakpatɔwo o, alo mele be woaɖe gbeƒã o. KPAO, gake geɖewo ŋutɔ le amewo flum le esime wole asixɔxɔ geɖe tsɔm na woƒe subɔsubɔdɔ to Nya la gbeƒãɖeɖe me, wu play zizi kple woatɔwo aɖase se nusi nyagblɔɖila gblɔ TUTUTU.

Ne woɖowò ɖi la, Nèle ekpɔm. Mɔnu aɖeke meli be Woaɣlae do wò o. Nàkpɔ aɖagblɔ be, “Emekɔ ƒãa le ŋkunye me alegbegbe! Mele Ekpɔm tututu. Mekpɔ Esia. Eyae nye Esi, Nya la, Nya ɖe sia ɖe, Nya ɖe Nya dzi. Woɖe ɖe go le ŋgɔ nam ke woxatsa nye luʋɔ ɖe Eme.”

Mina mana mi numegbe sia nɔvinyeŋutsu gbeƒãɖelawo, si ɖe nusi ko nye, kple hame si Aƒetɔ la nam be makplɔ, míexɔ se kuɖe nyaƒokawo ƒoƒo ŋu le hame me fia.

Ke wole esia lém ɖi; na gbeƒãɖelawo le afisiafi, ɣesiaɣi la, womele esia gblɔm be woaɖigbɔ miaƒe nufiafiawo o, womele esia gblɔm na miaƒe alẽawo gɔ hã o. Gbedeasi sia, kple Gbedeasia ƒe susɔeawo katã si megblɔna la, nye ƒuƒoƒe la mele egblɔm na. Menye na miaƒe ƒuƒoƒe la o negbe dza wodi be yewoaxɔ Esia. Gake amesiawo le afisia gblɔm Melee na.

Amewo ƒlea nyaƒoka siawo. Amewo le xexea katã me ƒleawo heƒoawo. Zi geɖe la woŋlɔa nu ɖo ɖem. Ke ɣesiaɣi la medɔawo ɖa, ne wonye hamea aɖe me tɔ la be, “Kpɔ kplɔlawò.”

Wokpɔam abe woƒe kɔmegbadɔ kplɔla ene, eyata mele egblɔm na wo be, “MEXƆ NYAƑOKAWO XƆXƆ KPLE PLAY ZIZI DZI SE. Nɔviŋutsu Branham nye míaƒe kplɔla. Míenye eƒe ƒuƒoƒe me tɔ.”

Azɔ, kplɔla, medi be nànyae be, be, esia nye ƒuƒoƒe la ɖeɖeko mele nusiawo gblɔm na. Ke dzena le asinye be mawɔe, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖom anyi be makpɔ alẽ siawo ta. Ke baba nam ne nyemegblɔ nusi mesusu be enye Nyateƒe, kple alesi mesusui be Wòva na wo o. Gake Menye xexeame alo hameawo ƒe susɔeawo tɔ o. Wò la wɔ nusi Mawu gblɔ na wò be nàwɔ. Nyemate ŋu ana akɔŋta ɖe tewòƒe o, nenema ke wòhã mate ŋu ana akɔŋta ɖe tenyeƒe o. Gake edzebe míakatã míana akɔŋta le Mawu ŋkume, ɖe míaƒe subɔsubɔdɔ ta.

Edze be mana akɔŋta Mawu ɖe subɔsubɔdɔ si Wònam la ta. Kple nye ŋutilã ƒe ŋutinu ɖe sia ɖe la mexɔe se be edze be nàƒo Mawu Ƒe Gbe to Gbedeasi siwo wolé ɖe mɔ̃ dzi ƒe mɔnu dzi le wò hamea me. Enye Mawu ƒe mɔ si wona na egbe be Eƒe Ŋugbetɔ la natsi. Eyae nye mɔ ƉEKA si dzi Ŋugbetɔ la ato awɔ ɖeka aɖadeblibo.

Gbedeasi si se ge míala Kɔsiɖagbe la wogblɔe helé ɖe mɔ̃ dzi na EGBE. Enye Gbɔgbɔme Nuɖuɖu Le Eɖuɣi. Mina míaʋu míaƒe dziwo alebe Gbɔgbɔ Kɔkɔe wòasi ami na mí be míase nusi Wònɔ toklã nam mí be míanɔ ŋudzɔ na le ŋkeke mamlesiawo me.

Egblɔ na mí be woaɖe gbɔgbɔ eveawo ɖe go keŋkeŋ le ŋkeke mamlea me. Egblɔ na mí be woaɖi wonɔewo alegbegbe be woaflu ametiatiawo ne wòle bɔbɔe. Ŋkeke ma va ɖo.

Mikpɔ ɖa, esime Yesu va la, mikpɔea, Satana nɔ Yudatɔwo ƒe nufialawo, kple nufialawo kpakple nunɔlawo ƒe hatsotso ma me, henɔ agbagba dzem nɔ gbɔgblɔm na wo be woale Mose ƒe se la me ɖe asi, esime Nya la ŋutɔ gblɔ bena le ŋkeke ma me la woaɖe amegbetɔ Vi la afia, mikpɔea, bena Aɖe Eɖokui afia. Alea wonɔ agbagba dzem, zi geɖe alesi wole wo ɖi subɔlawo, eye le Mose ƒe se dzi la…Mikpɔ nusi wòwɔa?
Enɔ agbagba dzem be yeagblɔ na wo be, ” Nya la ƒe akpa ma le eteƒe tututu, gake Ame ma menye Amea o.” Mikpɔ alesi wòble na amea? Emae nye amebeble ƒe ŋkeke vavã ma.

WOMATE ŊU able mí o, míenye Ŋugbetɔ la. Míe NYE Mawu ƒe Viwo. Míe NYE Mawu ƒe nyenye ƒe akpa aɖe si nɔ Eyama me, siwo zu ŋutilã abe alesi Eya hã zu ŋutilã ene, alebena míate ŋu adeka kple míanɔewo abe Mawu ƒe ƒome ene le anyigba dzi. Míele ŋku ɖom edzi fifia o, gake míenɔ afima. Enyae. Ke Edzi mí be míazu nenema alebe Yeatsa ka kpli mí, aƒo nu kpli mí aɖalɔ̃ mí, aɖaʋuʋu míaƒe asiwo, ŊUTIKƆKƆE!!!

“MESUSUI BE menye Eƒe Ŋugbetɔ. MEKPƆMƆ be menye Eƒe Ŋugbetɔ” megali o. MÍENYAE BE MÍENYE EƑE ŊUGBETƆ LA.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe le dɔ dzi le míame. Agbe Wònye, menye seseɖelãme o; menye ŋutilã me kpeɖodzinu aɖe o, gake Ame ye Wònye, Yesu Kristo, Mawu ƒe Nya si woɖo anyi de míaƒe dzi me, be wòagbɔ agbe agbenɔɣi sia ƒe Nya ɖe sia ɖe.

Miawoezɔ va kpe mí le ka me Kɔsiɖagbe ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe game, esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe le keklẽm na mí kple Eƒe Nya si woɖe gblɔ to Eƒe dɔla dzi, aɖahe Gbedeasi: Satana Ƒe Eden 65-0829 vɛ na mí.

Nɔvi. Joseph Branham.

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ

Timoteo II 3:1-9
Nyaɖeɖefia 3:14
Tesalonikatɔwo II 2:1-4
Yesaya 14:12-14
Mateo 24:24

21-1024 Woɖe Kristo Fia Le Eŋutɔ Ƒe Nya Me

Gbedasi: 65-0822M Woɖe Kristo Fia Le Eŋutɔ Ƒe Nya Me



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ si me Dzoxɔxɔ le Lɔlɔ̃a,

Dzi me dzɔ mí kpɔ gbeɖe wu, alo míekpɔ kɔɖiɖi wu le míaƒe agbe me o. Dzoxɔxɔ to Ɖeɖefia me le mía si wu gbeɖe tsã. Xexeame le to yim. Amewo dze aɖaʋa keŋkeŋ. Míele nusiwo ŋu míese nu le le míaƒe agbea katã me la kpɔm wole me vam le míaƒe ŋkuwo me tututu azɔ.

Gbedeasi Ɖesiaɖe si sem míele sɔ le game dzi tututu henye nusi míehĩa be míase. Enye Gbɔgbɔme Nuɖuɖu Le Eɖuɣi. Míekpɔ kɔɖiɖi be Menye ame aɖe ƒe susuwo o, nenema ke Menye ameaɖe ƒe Nyawo o, Enye Mawu ƒe Nyawo siwo le nuƒom to Ame me, hele Eƒe Ŋugbetɔ yɔm do go.

Míate ŋu agblɔ tso míaƒe dzi ƒe gogloƒe me ke be:

•Gbedeasi Sia nye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi.
• Enye Mawu ƒe mɔ si wona na egbe.
•Mehĩa gɔmeɖeɖe aɖeke o.
•Enye Nyawo si medana ƒu o.

Gbedeasia ƒe takpekpe mamle siawo sese nye nye agbe ƒe kɔkɔƒe. Ɖeko medi be mama numegbe ɖe numegbe yome kple amesiame. “Ɖee miese numegbe sia…Nyemese Esia nenema kpɔ gbeɖe tsã o…Mese nyaƒokama zi ene sɔŋ le ŋkeke ʋee mamleawo me ke nyemelé kpɔ abe alesi mewɔe egbe ene o. Gbedeasi sia le asia dzi wu esime woɖe gbeƒãe ƒe 56 enye esi”.

Naneke meli abe dzidzɔ sɔŋ be nànyae be yele Mawu ƒe Gbe dzadze si dzi woɖo kpe la sem o. Mehĩa be nàkpɔ nyuie aɖanɔ ŋudzɔ o. Mehĩa be nàbia ɖokuiwò se be, ɖe esia sɔ kple Nya la mahã o. Eƒe susuwoe loo alo eƒe gɔmeɖeɖe ye mahã? Elebe mayiɖa dzroe kpɔ kple Nya la.

Menye míawo o, ɖeko míenɔa anyi kpoo, vona, heɖea AMEN ɖe Nya ɖesiaɖe dzi, esime míenyae be nusianu si sem míele la nye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI.

Gblɔeɖe ko la menyoa ɖe dzi wu alo nɔa bɔbɔe wu ema o.

Menɔ gbedom ɖa hele Aƒetɔ la dim eye Wòle nyekplɔm be mayi dzi kple Gbedeasi mamle siawo siwo nyagblɔɖila gblɔ. Menyae be míese Gbedeasi siawo siwo adze eyome, ɣleti ʋee aɖewo koe nye esi, gake ɣesiaɣi si míeseawo la Ele geɖe ɖem fia wu gawu ɖe dzi na mí.

Ne mele Eƒe Ŋugbetɔ ŋu bum be, eƒo ƒu ɖe du le xexea katã me, le lalam kple dzitsitsi gã aɖe be yewoadze yewoƒe Gbedeasi la gɔme be yewoase Mawu wòaƒo nu na yewo tso Eƒe nyagblɔɖila ƒe nuɣiwo dzi la, metsi dzi ŋutɔ. Nuka ɖe ge Wòle afia mí egbe mahã?

Nyɔnyɔ̃ gã aɖe le emevam le xexea katã me. Ŋugbetɔ La le ɣli dom sesiẽ, hele gbɔgblɔm be: “Míedi be míase nyaƒokawo. Míedi be míazi play. Míedi be míawɔ ɖeka kple Ŋugbetɔ la le Nya La ŋu”.

Míele ɖeka wɔm hele anyinɔm le Vi la ƒe ŋkume, hele tsitsim, hele dzradzraɖo wɔm hena Kɔkɔdzoe la. Medi be makpe mi be miava aɖatsi kpli mí le ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Mawu wòaƒo nu na Eƒe Ŋugbetɔ la aɖatsɔ Gbedeasi, Woɖe Kristo Fia Le Eŋutɔ Ƒe Nya Me 65-0822M vɛ na mí.

Nɔvi Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ hafi woase Gbedeasi la:

Mose Evelia 4: 10-12
Yesaya 53:1-5
Yeremya 1:4-9
Maleaxi: 4:5
Luka Kɔkɔe 17:30
Yohanes Kɔkɔe 1:1/1:14/7:1-3/14:12/15:24/16:13
Galatiatɔwo 1:8
Timoteo II 3:16-17
Hebritɔwɔ 1:1-3/4:12/13:8
Petro II 1:20-21
Nyaɖeɖefia 1:1-3/10:1-7/22:18-19

21-1017 Eye Mènyae O

Gbedasi: 65-0815 Eye Mènyae O



BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Hɔ̃ Lɔlɔ̃awo Siwo Le Ƒuƒom,

Oo, ɣeyiɣi kae nye esi, ga kamee nye esi! Naneke meli si wogblẽ ɖi mawɔmawɔ o. Mawu ƒe Hɔ̃wo le ƒuƒom ɖe Nukuku la ŋu. Nyagblɔɖi le emevam. Esia Medaƒu ga aɖeke game kpɔ o, eye Mele ewɔge hã o, elabena mí, amesiwo woɖoɖi be Woakpɔe la, le Ekpɔm.

Tso esime Fofo kplɔ Eƒe nyagblɔɖila yi Aƒe la, Eƒe Ŋugbetɔ mewɔ ɖeka le Eƒe Gbe ŋu kpɔ abe egbe ene o. Etia mɔ si dzi eƒe Nya ato ava, ke to Eƒe Nyagblɔɖilawo, amesiwo woɖoɖi heda asi ɖe wodzi do ŋgɔ dzie. Ke míekpɔ kɔɖiɖi, hexɔ kakaɖedzi be Yesu Kristo ye nye esia le Eɖokui ɖem fia hele dzesi dem Eɖokui le nyagblɔɖi me.

Alesi wônɔ be Wôkplɔ Israelviwo to gbedadaƒo, le woƒe mɔzɔzɔ me, abe amesiwo woyɔ do go egbe ƒe kpɔɖeŋu ene. Eyae Nye esi, to dzɔdzɔmenunya numekuku me, ŋutɔ gɔ hã de dzesi Eɖokui le dzɔdzɔmenunya ŋku me. Ke to Eƒe nuwɔnawo ŋutɔ me kple to Eƒe nyagblɔɖi ŋutɔ me, nusiwo ƒe nya wogblɔ ɖi kuɖe Eyama ŋu be woawɔ le ŋkeke sia me, be woawɔ Eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me la, woɖo kpe dzi wôde blibo keŋ. Ɖee esia mesu be wôana míaƒe dziwo nabi le mía me mahã?

Abe ŋkeke ma ƒe apostolo mawo ene la, woɖomí na Agbe. Nu ɖeka si wôle be míawɔ ye nye be míana woanya Eƒe Gbe. Ke Gbe mae nye Mawu ƒe susuwo ŋutɔ si woɖe gblɔ. Míexɔ Eƒe ɖesiaɖe dzi se. Míehĩa be míaɖo kpe naneke dzi, loo abia zadukitɔ aɖe alo Farizitɔ aɖe, alo ame bubu aɖe nane se kuɖe Eŋu o. Egblɔe Esia ke míexɔ Esia se. Eƒe alẽwo sea Eƒe Gbe, si le nuƒom to Eƒe Nyagblɔɖila dzi.

Gbedeasi sia nye Mawu ƒe Gbe le nyaƒoka dzi. Enye Yesu Kristo eyama ƒe Ɖeɖefia katã, Nubabla Xoxoa kple Yeyea ƒoƒu ɖe du. Woɖe nyaɣlaɣlawo katã fia. Míetsɔa ɖe Kpee alo ɖea ɖe le Me o. Míewɔna ko tututu abe alesi Wôde se na mí be míawɔ ene, MINƆ ANYI KPLE NYA LA.

Yee nye ekem. Ame ememe tɔ mae. Ememe ma aƒu Nya la dzi, aku ɖe Nya ŋu, meka nusi dzɔ o.

Egblɔ nya ɖi hegblɔ nusi avadzɔ na mí. Xexeame katã adze aɖaʋa, ke avɔ̃ɖi agavɔ̃ɖi agavɔ̃ɖi, sẽ ɖe esime woazu aɖaʋatɔwo ƒe hatsotso.

Egblɔ be gaƒoƒo la tu aƒe afisi míele nane kpɔ ge le wôadzɔ, nane le eme va ge. Ke Gbedeasi siawo katã gɔmeɖoanyi kple gɔmeɖokpe na Gbedeasi kpui kple kaba aɖe si aʋuʋu dukɔawo katã. Mexɔe se azɔ be míele nusiawo kpɔm wole dzɔdzɔm fifi laa.

Ke menyae be, ne medzo ɖa le anyigba sia dzi vɔ megbe la, nyaƒoka mawo kple agbalẽmawo woayi dzi anɔ agbe, ke mi sɔhɛwo dometɔ geɖewo akpɔ, le ŋkeke siwo gbɔna me, be esia nye Nyateƒe la tututu, elabena megblɔe le Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ me.

Mina míaɖo to aɖalé to nyuie ɖe drɔ̃e siwo nyagblɔɖila li na mí ƒe teƒe ɖesiaɖe ŋu. Alesi wokpɔ eyama wônɔ tsitre ɖe agakpe aɖe dzi si keke tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, le toxɔ ƒe nɔnɔme me. Alesi wônɔ sɔ aɖe si womekpɔ naneke sɔ kpli nenema le woƒe agbe me kpɔ o dzi; sɔ gã ɣi aɖe, kple ɖa gã ɣi aɖe si ɖiɖi va anyi.

Alesi alilikpo ɣi aɖe ɖi va helée hekɔe dzoe. Ekema emegbe vie la etsɔe nɔ anyi ɖe kplɔ aɖe ƒe ŋgɔ ke eyama le ɣi abe sno ene. Enɔ tsitre ɖe afima ƒo nu kple tɔtete. Emekɔ ƒã. Amesiame se nusi wôgblɔ gɔme tututu.

“Magato mɔ sia dzi zi ɖeka ake”

Mexɔe se be míele ema kpɔm wôle emevam egbe. Gbedeasi Siawo gale mɔadzi tom zi ɖeka ake. Mawu le Eƒe Hɔ̃wo yɔm wole ƒuƒom ɖedu le xexea katã me. Wole ɖeka wɔm le Eƒe Nya, Eƒe Gbe, Gbedeasi Sia ŋu.

Xexeame nye amamanɔla, hĩatɔ, nublanuitɔ, ŋkugbagbãtɔ, eye menyae o. Gake Ŋugbetɔ la wodo awu na eyama kple Nya la, ele ŋutikɔkɔe me le Gbɔgbɔ me, le dzidzɔ kpɔkpɔ me to Eƒe Amenuveve me, eye míele ekpɔm henya amesi míenye la: EƑE ŊUGBETƆ.

Le nusi míenya ŋu la egblɔ na mí be, yemekpɔ naneke si le mɔxem, le ɣeyiɣi sia me, na Aƒetɔ Yesu ƒe Vava la, tovovo na Eƒe Hame ƒe dzadzraɖo o.

Hɔ̃wo, mina míadzra míaɖokuiwo ɖo. Mele miakpem be miaƒo ƒu kpli mi le Nukuku la ŋu Kɔsiɖa gbe le ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe ga me aɖase Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke wôadzra mí ɖo na Kɔkɔdzoe si gbɔna kpuie esime míase: 65-0815 Eye Mènyae O

Nɔvi Joseph Branham

Nyaɖeɖefia 3:14-19
Kolosetɔwo 1: 9-20

21-1010 Nudzɔdzɔ Siwo Mekɔ To Nyagblɔɖi Me

Gbedasi: 65-0801e Nudzɔdzɔ Siwo Mekɔ To Nyagblɔɖi Me

BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Kristo Ƒe Ɖetugbui le Aƒe, Nya, Ha, Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a,

Míenye Eƒe Nya Ŋugbetɔ si le míaƒe Nya Ŋugbetɔsrɔ̃ kple Eƒe ƒe Akpeɖeka srɔ̃ɖemɔkeke lalam. Gbe ɖeka ko se ge míala. “Nye alẽwo sea Nye Gbe. Womakplɔ ame tutɔ aɖe do o.” Nukae nye Eƒe Gbe?

Ame ɖesiaɖe ƒe gbe nye eƒe nya. Ke eyae nye Esi, Biblia, mele be woatsɔ nya ɖeka Kpee alo woaɖe eɖe le Eme o. Minɔ anyi kple Gbe ma ko. ” Womadze ame tutɔ yome o,” kɔmahatsɔŋkɔ.

Gbe ma nye Eƒe Gbe, si le nuƒom le nyaƒoka dzi to Eƒe Nya gɔmeɖela mawumetɔ ɖeka, Eƒe nyagblɔɖila, William Marrion Branham dzi. Yesu Kristo wônye le nuƒom to amegbetɔ ƒe nuɣiwo dzi. Míetsɔ ɖeke le me na ame ƒe nyawo, ame ƒe susuwo alo ame ƒe gɔmeɖeɖe o, Gbe ɖeka si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkeke la me ko míetsɔa ɖe le na. ALE AƑETƆ GBLƆ ESI wônye.

Mawu ʋã míaƒe nyagblɔɖila ƒe asiwo. Mawu ʋã eƒe ŋkuwo le ŋutegawo me. Mate ŋu agblɔ nububu wu nusi kpɔm wôle o. Mate ŋu agblɔ naneke o, elabena Mawu ɖo kpɔkplɔ blibo ɖe eƒe aɖe, eƒe asibidɛ dzi, eƒe ŋutinu ɖesiaɖe le Mawu ƒe gbeɖeɖe ŋu. Mewɔ mo yaa be Biblia gblɔ be Eƒe nyagblɔɖilawo nye mawuwo o; wonye Mawu ƒe akpa aɖe! Enye Mawu ƒe Nya si ɖem wole ɖe go na míaƒe ŋkeke la.

Biblia sia gblɔ, ŋkeke kple ɣeyiɣi si me míele agbe le, to nyagblɔɖi dzi do ŋgɔ. Nudzɔdzɔ si ƒomeviwo avadzɔ. Egblɔe ɖi do ŋgɔ le ŋɔŋlɔa nu tututu, ke meda agbenɔɣi ɖeka ƒu kpɔ o. Amesiwo woɖo ɖi be Woakpɔe la, le Ekpɔ ge. Nya la wônye le ɖeka wɔm kple Nya la.

Le agbenɔɣi ɖesiaɖe me la, ameha ɖe asi le amewo ŋu wotsɔ woŋutɔwo ƒe gɔmeɖeɖe kpe Nya sia, ke ewɔe be ŋku gbã na wo na nudzɔdzɔ si va me la. Numa ke wôwɔ na Farisitɔwo kple Zadukitɔwo.

Wogblɔ na amewo be, ” Míenye Mawu ƒe amesiaminawo. Miehĩa mí be miagblɔ nusi gblɔm Nya la le na mi. Miehĩa mí be míaɖe Egɔme na mi.”

Abe alesi wônɔ le ŋkeke ma me la nenema ke wôle egbe. Akpa si blea ame lae nye be wosi ami na wo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Woxɔ yɔyɔ tso Mawu gbɔ be woaɖe gbeƒã Nya la. Ele be woagblɔ nusi nyagblɔɖila gblɔ, gake woadometɔ geɖewo TSƆA WOƑE GƆMEƉEƉE KPEE esime wotsɔa asixɔxɔ na woaƒe subɔsubɔdɔ wu Mawu Ƒe Gbe ŋutɔ.

Mide dzesi alesi wodi be yewoaƒo amewo nu ƒu ɖe du ɖe woƒe subɔsubɔdɔ ŋu, ɖe woƒe gɔmeɖeɖe kuɖe nusi Mawu ƒe Nyagblɔɖilawo gblɔ ŋu, gake ɖeko womete ŋu le ewɔge o.

Woɣla na ɖe megbe hedoa vɔvɔ̃ na amewo atsɔ tso afia na wɔna sia be womele nyaƒokawo ƒom le woƒe hameawo me o le esia gbɔgblɔ me be, “Amemawo tea gbe ɖe amea dzi glo hele eyama subɔm ke menye Yesu Kristo o. Kɔmahatsɔŋkɔ wônye be woase gbedeasi ɖe du le ɣeyiɣi ɖeka tso teƒe ɖeka. Nɔviŋutsu Branham megblɔ kpɔ be woaƒo nyaƒokawo le hamea me o”, alea la wole sisim le susu vavãtɔa la gbɔ, gblɔe ɖe la ɖee womedi be yeawoaƒo nyaƒokawo le woƒe hameawo me o. Woƒe subɔsubɔdɔ, woƒe nugɔmesese, woƒe yɔyɔ, le vevie wu nyaƒokawo sese le hamea me. Womakatse agblɔ ema o, GBEƉE, gake woƒe nuwɔnawo le nuƒom le wo teƒe.

Gbeƒãɖela vavã nyateƒetɔ ɖesiaɖe, si gblɔa be yexɔe se be esia nye nuwuwuɣi ƒe Gbedeasi vavã, Mawu Ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke la, makpɔ taflatse ado ɖe wɔna sia ta be yemele nyaƒokawo ƒom le yewoƒe hame me ta o. MIDO NYAGBƆGBLƆ MA KPƆ̃ KPLE ŊUGBETƆ NYA LA.

Nyemegblɔ kpɔ be edze be amesiame naɖo to le ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe ga me, loo menye Ŋugbetɔ o, GBEƉE. Nyemesubɔ ame kpɔ gbeɖe o. Yesu Kristo ye le ŋutikɔkɔea katã xɔm. Mele Mawu si le ame la me subɔm abe alesi NYA LA gblɔ na mí be míawɔe ene. Alegbegbe wonye ameblelawo kple ŋkugbagbãtɔwo nenema. Xlẽ Ŋɔŋlɔawo ko nɔvinyeŋutsu, ele afima tututu.

Abosam NYAE be gbeƒãɖela ɖesiaɖe, alo gbeƒãɖelawo ƒe hatsotso, mana Ŋugbetɔ la nawɔ ɖeka kpɔ GBEƉE o; womelɔ̃a ɖe dzi na wonɔewo gɔ hã o. Tututu ko abe alesi Metodistetɔ, Baptistetɔ, Presbyteriatɔ kple Pentekostetɔ ene la, aleke wodometɔ ɖeka alo woƒe ƒuƒoƒo awɔ Ŋugbetɔ la ɖekae… Gblɔeɖe la MATE ŊUI O.

NU ƉEKA SI AWƆ ŊUGBETƆ LA ƉEKA YE NYE MAWU ƑE GBE LE NYAƑOKA DZI… KE ELE EWƆM HÃ!

Futɔ la léfui, eyata ele agbagba dzem be yeatsrɔ̃e, gake mele me va ge kura be wôawɔe nenema o…. ŊUTIKƆKƆE!

Abe koko ene la, le agbenɔɣi la ƒe nuwuwu la, wogena ɖe afẽ me to woƒe mawuŋunusrɔ̃lawo kple nunɔlawo dzi alegbegbe afẽ ko wônyea kokoko. Kokoko la woƒe gɔmeɖeɖe gblẽa, ɣeyiɣi aɖeke menɔ anyi kpɔ si wôgbe gbegblẽ kpɔ o. Ke ɣeyiyi aɖeke hã menɔ anyi kpɔ si Mawu ƒe Nya tɔ gbe dzɔdzɔ kpɔ o. Vovototo lae nye ma.

Mɔnu ɖeka koe li kakaɖedzitɔe be, woanɔ anyi kple Nya la, Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi. Xlẽ wô Biblia, agblɔ nudzɔdzɔ siwo ava me le ŋkeke sia me na wô. Aƒo nu na wô tso Eƒe dɔla sesẽ si wôle be wôava le ŋkeke sia me na wô ŋu. Agblɔ na wô be na nɔ anyi kple Gbe ma, nɔ anyi kple Eƒe gbedeasitsɔla tiatia la.

Ne Satana léafu Biblia ƒe Agbalẽ aɖe la, Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽ ye. Kristo Ŋutɔe ŋlɔe. Ekema le gbɔgbɔ ma ŋu la, Kristo Ŋutɔ te gbe ɖe Eƒe dɔla adrelia dzi glo.

Ke le nusiawo megbe la mekpɔ dɔla bubu aɖe ɖi tso dziƒo, ŋusẽ gã aɖe le esi ; ke eƒe ŋutikɔkɔe klẽ ɖe anyigba dzi.

Kristo Ŋutɔ gblɔ be EƑE ŊUTIKƆKƆE KLẼ ƉE anyigba dzi. Megblɔ be ” Nye Ŋutikɔkɔe” klẽ ɖe edzi o. Ekema le wô nugɔmesese ŋu la, ɖee nèle nya tsɔm ɖe Kristo Ŋutɔ ŋu be ele gbe tem ɖe Eƒe dɔla kple gbedeasitsɔla 7lia dzi glo lo.

Anyigba dzi gbedeasitsɔla ma te ɖe Kristo Ŋutɔ ŋu alegbegbe be, Yohanes tee kpɔ be yeasubɔe, ZI EVE, gake egblɔ be, “KPAO !, subɔ Mawu.” Nusi wɔm míele tututue ma, míele Mawu subɔm. Míele gbetem ɖe ame la dzi akpa o, nusi KRISTO NYA LA GBLƆ ko gblɔm míele…. “eƒe ŋutikɔkɔe klẽ ɖe anyigba dzi”. Esia na mí Dzoxɔxɔ To Ɖeɖefia me.

Mawu wɔa Eŋutɔ Eƒe tiatia, to nyanyaɖi dzi, tia nyagblɔɖilawo na agbenɔɣi ɖesiaɖe. Mide dzesii. Ewɔa be nyagblɔɖila ma ƒe dzɔdzɔme sɔa kple agbenɔɣi ma. Mikpɔea, Etia eƒe nuwɔna, nusianu si wôwɔna. Etia eyama eɖanye eyi suku loo meyi o. Etia eƒe nunanawo, nɔnɔme si me wôle gbeƒã ɖe ge le, nunana siwo le eyama si nɔ ge. Azɔ Gbedeasi la na agbenɔɣi ma tututu la, Mawu ɖo numa tututu da ɖi be wôadzɔ ke nububu aɖeke mate ŋu xɔ eƒe teƒe o.

Ƒo nyaƒoka aɖe, nyaƒoka ɖesiaɖe, Kɔsiɖa gbe, naneke mate ŋu xɔ Eƒe teƒe o. Ne nèdi be yeawɔ ɖeka kple Branham Ƒe Agbadɔ esime míele nyaƒoka sem la, wôezon ke míele wôkpem be nàwɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe ga me, esime míase : Nudzɔdzɔ Siwo Mekɔ To Nyagblɔɖi Me 65-0801E.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔwo:
Mose I: 22:17-18
Psalmowo: 16:10/Ta 22/35:11/41:9
Zaxarya 11:12/13:7
Yesaya 9:6/40:3-5/50:6/53:7-12
Maleaxi 3:1/ Ta 4lia
Yohanes Kɔkɔe 15:26
Yohanes Kɔkɔe 17:30/24:12-35
Romatɔwo:8:5-13
Hebritɔwo :1:1/13:8
Nyaɖeɖefia :1:1-3/Ta 10

21-1003 Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu

Gbedasi: 65-0801m Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu

BranhamTabernacle.org

Ʋanyaʋanya to Ɖeɖefia Me Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a,

Nukae nɔ dzɔdzɔm le xexea katã me le kɔsiɖa si vayi me ƒe nuwuwu? Nukae nɔ me vam? Nukae nye hôwɔwɔ mawo katã? Ŋugbetɔ la tso xexea katã me wɔ ɖeka ɖe du, henɔ towo wɔm kple akalo, anyikɔ, ke kple atiwo. Wonɔ ƒuƒom ɖe dzowo ŋu, nɔ subɔsubɔ kple kafukafu hawo dzim na Aƒetɔ la. Ametsitsiwo kple sɔhɛwo, do dziwuwo siwo dzi woŋlɔ ɖo be Stimulation By Revelation(Ʋanyaʋanya To Ɖeɖefia Me). Wotso Michigan yi Florida, tso Maine yi California, tso Nyiehe America yi Dziehe America, Europa, Afrika, Asia, Australia, anyigba ƒe dzogoe ɖesiaɖe me. Wonɔto ɖom to ka me le woƒe aƒewo me, nɔ Mawu Ƒe Gbe sem wônɔ nuƒom nawo teŋ.

Nukae nye hehe la? Mawu ƒe Nuku si woɖo ɖi si mate ŋu wɔ nububu aɖeke wu adze gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi yome o, siwo xɔ Nya ɖesiaɖe si woɖe gblɔ to Mawu ƒe nu dzi, woƒo ƒu ɖe du le kafukafu, subɔsubɔ, kple nudzɔdzɔ gã ƒe azãɖuɖu si va me le míaƒe ŋkeke me le Sunset To la dzi me.

Mawu wônye nɔ kpeɖom Eƒe Nya dzi. Numae nye howɔwɔ sia katã. Mide dzesi, Mawu wônye le Eƒe Nya si ƒe ŋugbe wodo nuwum ake, kuɖe Nyaɖeɖefia 10: 1 yi 7 ŋu, ”ke boŋ le mawudɔla adrelia ƒe gbeɖeɖeŋkekewo me, esime wôagblɔ gbedeasi la, woawu Mawu ƒe nya ɣaɣla la nu.”

Mawu wônye nɔ ŋutinya wɔm. Mawu wônye nɔ nyagblɔɖi nuwum. Enye ŋuɖoɖo na nyagblɔɖila ƒe nyagblɔɖia. Ke míedi be míanɔ afima axɔ aɖase nusianu si Wôwɔ to Eƒe nyagblɔɖila dzi.

Míetsɔ ɖeke le me na dzimaxɔsetɔ kple amewɔɖokuixɔsetɔwo ƒe nyahehe o. Míele nyaŋuɖem kpliwo o. Nu ɖekae le mía si be míawɔ, eyae nye be míaxɔse aɖalé Eƒe ɖesiaɖe si míate ŋu. Míeƒoa ƒu ɖe du abe kpe ɖeka ene be míase Mawu ƒe Gbe, esime míele lalam kpɔ Mesia ƒe Vava.

Gaƒoƒo gã kae nye esi me míele agbe le. Be míakpɔ Ŋɔŋlɔa wôawu nu le mía ŋutɔwo ƒe agbe me. Gake Ena mí toklã le Eƒe Nya me be amisisi alakpatɔ agogo nua alegbegbe be, able Mawu ƒe ametiatia ŋutɔ gɔ hã Ne wôle bɔbɔe. Gake woakafu Mawu, manɔ bɔbɔe be woable Eƒe Ŋugbetɔ la o, elabena wole anyi nɔ ge kple Mawu Ƒe Gbe gɔmedzetɔa ma, si woɖe ɖe go kple si dzi woɖokpe eye wole nu ɖeka teti alo nu sue aɖe ke ɖe ge le me o. Womele woaŋutɔwo ƒe gɔmeɖeɖe tsɔ ge Akpee o, gake gblɔeɖe la woaxɔ NYA ƉESIAƉE dzi ase.

Aleke gbegbe wôdze be míakpɔ nyuie ne wôgogo NENEMA GBEGBEE. Míele míaɖokuiwo biam se be, ɖee wôanye kɔmahatsɔŋkɔ hameawoa? Ɖeko wôdze be wote ɖe aga akpa eye womegogo ŋutɔ gɔ hã o. Ameka nye ge wôala?

Azɔ, hame fafɛwo ko, ŋkumenuwɔlawo, siwo kpẽ le woɖokuiwo me, kple etɔeawo, mawuŋunusɔsrɔ̃ ametɔwɔwɔea me tɔ, ema mawɔe o; Ametiatia makpɔ ema gbɔ kura o.
Gake ele dzi le afima heɖi nuvavãtɔ la kloe.
Asiɖeɖe le Nya ɖeka ŋu koe nye nusiwo katã wôle be miawɔ.

Egblɔ be Xawa medo kpɔ gbeɖe hegblɔe kple lɔlɔ̃nu faa ko be yemexɔ Mawu dzi se o. Vodada dzi wôxɔ se. Satana lɔ̃ ɖe dzi be Enye Mawu ƒe Nya, gake kuxi lae nye be etsɔ eŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe Kpee ke ena wôxɔ alakpa dzi se eye wobufɔe kple esia.

Woɖe nutsyɔnu la ɖa. Woʋu toxɔ la le ta me. Woklo nu le Ŋɔŋlɔawo dzi. Wotsɔ Ɖeɖefia la na Ŋugbetɔ la. Enye Yesu Kristo eyama ke etsɔ, egbe yiɖe mavɔmavɔ me.

Emawɔe be Satana do dziku ɖe míaŋu alegbegbe. Edzi be míake ɖi le amesi míenye ŋu. Míele dodokpɔwo kple tetekpɔ siwo sesẽ wu esiwo me míeto kpɔ me tom. Míebiana míaɖokuiwo se ɣeaɖewoɣi be, nukata nusiawo katã esiawo katã le dzɔdzɔm ɖe mía dzi?

Susu si tae lae, nye be woadoe kpɔ, Eƒe Ŋugbetɔ la. Eyae nye be… Esime wole Eɖem ɖe go, le edom kpɔ, le kpeɖom dzi, le ɖem fia Satana.

Ŋutikɔkɔe!!! Míaƒe dodokpɔwo kple tetekpɔwo nye Eyama ko si le Satana fiam be MÍENYE YEƑE ŊUGBETƆ SI WOƉE ƉE GO.

Míele ekpɔm azɔ, agbenɔɣi vɔ̃ɖi sia li be woaɖe fia, Satana, be Mele abe Xawa ene o, be Eyama menye nyɔnu ma tɔgbe o. Ke woado Eyama kpɔ kple Eƒe Nya la, Ŋugbetɔ la, abe alesi wodo Adam ƒe ŋugbetɔ la kpɔ kple Nya la ene. Ke Adam ƒe ŋugbetɔ xɔ Nya ƒe ɖesiaɖe dzi se, nuwo katã, gake etsaka le ŋugbedodo ɖeka dzi.

Gake míawo la míatsaka le Nya ɖeka dzi alo akplɔ woƒe kɔnuwo ɖo o, woaƒe gɔmeɖeɖewo kuɖe Nya ŋu, míele anyi nɔ ge kple NYA GƆMEDZETƆA.

Ne nyaƒokamɔ̃ le míasi la, míaƒo ameha aɖe ɖe nu ƒu ɖe du, aɖaƒoe, aɖase nyuie, tututu ko abe alesi wôgblɔe na mí be míawɔe ene!

Tututu ko abe alesi kodzogbeme ƒe agbea la kple dzesidedewo va na wô to fofowô dzi le kodzogbeme la, nenema ke Mawu ƒe Gbɔgbɔ, si woɖo ɖi do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi hã le.

Alegbegbe míede akpe be Mawu ƒe Gbɔgbɔ, míaƒe dzidzi la, woɖoe ɖi do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi ke bena Gbedeasi Sia Ƒe Ɖeɖefia Vavã nasu míasi.

Miawoezɔ̃ va be miaxɔ Ʋanyaʋanya To Ɖeɖefia ma ke me kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe ga me, esime míase: 65-0801M Agbenɔɣi Vɔ̃ɖi Sia Ƒe Mawu.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ:

Mateo Kɔkɔe ta 24lia/27:15-23
Luka Kɔkɔe 17:30
Yohanes Kɔkɔe 1:1/14:12
Dɔwɔwɔwo 10:47-48
Korintotɔwo I 4:1-5/ ta 14lia
Korintotɔwo II 4:1-6
Galatiatɔwo 1:1-4
Efesotɔwo 2:1-2/4:30
Tesalonikatɔwo II 2: 2-4/2:11
Hebritɔwo ta 7lia
Yohanes I Ta 1/3:10/4:4-5
Nyaɖeɖefia 3:14/13:4/ ta 6-8 kple 11-12/18:1-5
Lododowo 3:5
Yesaya 14:12-14