Category Archives: Uncategorized

24-0609 Egbe Sia Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Nu

Gbedasi: 65-0219 Egbe Sia Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Nu

PDF


BranhamTabernacle.org

Gbɔgbɔme Ŋugbetɔ Fiaƒome Nuku Kɔkɔtɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Megahĩa be woalala o, megahĩa be ame nabianya eɖokui o, MÍEVA ƉO! MÍENYE Gbɔgbɔme Ŋugbetɔ Fiaƒome Nuku Kɔkɔtɔ. Gbɔgbɔme Nuku na Fiaƒome Vi si ƒe ŋugbe wodo. Menye hatsotso aɖe le tsɔme o; menye dzidzime si gbɔna o; míele agbe le ŋkeke mamlea me, míenye dzidzime si akpɔ Yesu Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ va anyigba dzi.

Egbe Sia, Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Ŋu!

Nyanyuie ma ke, Ŋusẽ ma ke, Vi MA KE si nɔ anyi tsɔ la, li egbe, eye anɔ anyi yiɖe mavɔmavɔ me.

Egbe Sia, Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Ŋu!

Xɔ̃ veviewo le Arizona, California, Texas, le Dukɔ Ƒoƒuawo katã kple LE XEXEA KATÃ ME siwo le nyaƒoka sia sem le ka me; Mawu ƒe V-i ma ke si va le ɣedzeƒe heɖokpe Eɖokui dzi abe Mawu ene si ɖe eɖokui ɖe go le ŋutilã me, enye Mawu ƒe V-i ma ke le ɣetoɖoƒe ƒe akpa sia, si le dzesidem Eɖokui le hame la dome le zã sia me, etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Fĩeɣi Kekeli ƒe Vi la va.

Egbe Sia Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Ŋu

Mesia ƒe Gbe, si nɔ tsitre henɔ nuƒom le kpea dzi le Eƒe ŋkeke me, le dzesidem Eyama kple ŋugbedodo ƒe Nya na agbenɔɣi ma, nye Mesia ƒe Gbe ma ke, si le nuƒom na Eƒe Ŋugbetɔ le xexea katã me le nyaƒokawo dzi egbea, le gbɔgblɔm na mí be: Menye eyama ke etsɔ, egbe yiɖe mavɔmavɔ me. MENYE Mawu ƒe Gbe na Mi. MIENYE NYE GBƆGBƆME ŊUGBETƆ FIAƑOME NUKU si nɔ anyi kple Nye Nya.

Egbe Sia Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Ŋu!

Ʋunyaʋunya aɖe tɔgbe le amewo dome egbea wɔe be wodaƒu be yewoakpɔ Mawu ƒe Nyateƒe la. Le esime Mawu ƒe Nya ƒe gɔmeɖeɖe ametɔwɔwɔeawo li akpa tae. Mawu mehĩa ame aɖeke be wòaɖe Yeƒe Nya gɔme o. Enye Eŋutɔ Ƒe gɔmeɖela. Edɔ Eƒe Nyaɖeɖefia 10:7 Dɔla nyagblɔɖila adrelia ŋkekewo ɖa be wòaɖe Yeƒe Nya gɔme. ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI Wònye.

Egbe Sia Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Ŋu!

Miegblɔa be, “ɖee mele afima esime Yesu nɔ anyigba dzi la, anye ne mawɔ ale kple ale.” Enyo, ema menye wò agbenɔɣi o. Gake, wò agbenɔɣi yenye esi, wò ɣeyiɣi yenye esi. Gbe kae gblɔm nèle be enye Mawu ƒe Gbe? Gbe kae nye Gbe vevietɔ kekeake na wò?

Egbe Sia Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Ŋu!

Abosam le ƒoƒom ɖe Eƒe Ŋugbetɔ dzi wu tsã ŋutɔ. Ate ŋu wɔ wò nàsusu be dɔvɔ̃ aɖe alo dɔlele ƒomevi aɖe le ŋuwò, alo anɔ ƒoƒom ɖe wò ƒome dzi. Ɣeaɖewoɣi la Mawu ɖea mɔ nuwo doa blukɔ alegbegbe be mate ŋu fɔ mo dzi o, atsa ŋku godoo, alo akpɔ afi bubu o. Ekema Evana hetana mɔ aɖe to me na wò, alebe nàte ŋu gblɔ be, “Nyemenye Agar ƒe nuku o, nyemenye Sara ƒe nuku o, nyemenye Maria gɔ hã ƒe nuku o, menye Mawu ƒe Gbɔgbɔme Ŋugbetɔ Abraham ƒe Fiaƒome Nuku Kɔkɔtɔ. Mexɔ Mawu ƒe Ŋugbedo Nya nam, Enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Nyemaʋã o. Meka nusi wòɖi o, nusi gblɔm abosam le o. Nukake mehĩa la, matsɔ Mawu le Eƒe Nya ŋu.

Egbe Sia, Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Ŋu!

Mawu ƒe Gbe ƒo nu. Medzra Gbɔgbɔme Nuɖuɖu siwo katã nèhĩa ɖo. Migblɔ nusiwo le nyaƒoka mawo dzi ɖeɖeko. Menye Mawu ƒe Gbe na mi. Nye Nya mehĩa gɔmeɖeɖe aɖeke o. Migahedzre alo adakɔ o, milɔ̃ mianɔewo, GAKE minɔ anyi kple NYE NYA.

Egbe Sia, Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Ŋu!

Migagbɔdzɔ o. Migalé blanui o. Migaɖemɔ Satana wòafi miaƒe DZIDZƆ le miasi o. Miɖo ŋku amesi MIENYE, afisi yim miele, nusi Srɔ̃ɖeɖe ƒe Nuɖuɖu zã ga ma anye dzi. Agbenɔnɔ le Du nyakpɔ ma si Wòtu na mi ɖeɖeko me. Afisi nɔ ge miala kple Eyama le Mavɔmavɔnyenye me kple Eyama kple amesiwo katã do ŋgɔ.

Dɔléle megali o. Vevesese megali o. Ku megali o. Aʋawɔwɔwo megali o. Agbe Mavɔ kple Eyama ko. Ekema míele gbɔgblɔ ge be:

Egbe Sia, Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Ŋu!

Migana míalé blanui aɖagblɔ be, “teƒe sia tim, medi be mado go le afisia o. Mina míagblɔe alea be: Egbɔna le miniti ɖe sia ɖe me fifia, ƉE TANYE… ŊUTIKƆKƆE! Metsidzi. Mele nye lɔlɔ̃tɔwo katã kpɔ ge. Wole dzedze ge le ŋkunye me, ekema Manya, EVƆ, MÍEVA ƉO.

Ekema, made aɖabaƒoƒo ɖeka ƒe ɣeyiɣi o, míakatã míele du nɔ ge le go kemea dzi.

Mina dzi nadzɔ míakatã, eye míatso aseye, elabena Alẽvi la ƒe Srɔ̃ɖeŋkekenyuie la gogo, eye Eƒe Ŋugbetɔ…Eƒe Ŋugbetɔ dzra Eɖokui ɖo.

Ne nèdi be yeatso aseye, aɖanɔ Alẽvi la ƒe Srɔ̃ɖeŋkeŋkenyuie me kpli mí la, va dzra ɖokuiwò ɖo Kɔsiɖagbe sia le ƔETRƆ GA 12 me Jeffersonville ƒe game, esime míase:

Egbe Sia, Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Ŋu 65-0219

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ:

Yohanes Kɔkɔe Ta 16 lia
Yesaya 61:1-2
Luka Kɔkɔe 4:16

24-0602 Nuku La Menyi Domenyila Kple Tsro La o

Gbedasi: 65-0218 Nuku La Menyi Domenyila Kple Tsro La o


BranhamTabernacle.org

Abraham Ƒe Fiaƒome Nuku Lɔlɔ̃tɔ,

Metsɔ gbedoname tso xexea katã me, ɖo ɖe Wo amesiwo ƒoa ƒu ɖe du, le nusem to katsatsa ƒe mɔnu dzi, le Woƒe luʋɔwo nyim kple Mana yeye dzadzɛ si le dzadzam tso Dziƒo. Mienye amesiwo woƒle kple Yesu Kristo Ŋutɔ ƒe Ʋu.

Aƒetɔ Yesu, mele gbedom ɖa be Nàsi ami na nyawo zã sia me na to ɖe sia ɖe si le Mawume gbeɖiɖi ƒe nusese te. Eye ne ame aɖewo le afisia, alo le sesem to ka me, le egodo le dukɔa me.

Mawu le ami sim na míadometɔ ɖe sia ɖe ƒe towo, esime míele esem le ka me tso xexeame katã me hele Mawu ƒe Gbe ƒe gbeɖiɖi Mawumetɔ sem wòle nuƒom na mí be, Ale Aƒetɔ Gblɔ Esi.

Míawoe nye Mawu ƒe Hame akuakua, si wogbugbɔ dzi si xɔna Mawu ƒe Nya ƉESIAƉE dzi se le nusianu ƒe ŋkume, meka nusi wònye o, elabena enye Mawu ƒe Gbe vavã tsimatɔe si le nuƒom.

Mawu le Eɖokui ɖem ɖe go le mía me, Eƒe Hame Ŋugbetɔ la. Míenye Nuku la tsɔlawo o, MÍENYE FIAƑOME NUKU LA. Eƒe Agbe la Ƒe blibodede si nɔ Eyama me la gbugbɔ tse Eɖokui ƒe ku le MÍ, Ŋugbetɔ Hame, akuakua, vavãtɔ la me, si le Mawu ƒe Nya blibo la tsem le Eƒe blibonyenye kple le Eƒe ŋusẽ me.

Hame ƒe agbenɔɣi bubu aɖeke mate ŋu nɔ anyi le esia megbe o. Míele nuwuwu, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo. Míele afisia. Míeva ɖo. Akpe na Mawu!

Míele nuwuwu. Míeva ɖo. Ŋugbetɔ la DE dzesi amesiwo Míenye. Nuku Ŋugbetɔ la ƒe ɣeyiɣi yenye esi. Tsroawo ku. Tsroawo ƒu kpakplakpla. Míenye Mawu ƒe Nya si wodzi tso ɖetugbui le aƒe dzi si woɖe ɖe go, Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ, egbɔ, yiɖe mavɔmavɔ me.

Womele asi ka ge míaŋu o. Ame ƒe asiŋutɔtrɔ aɖeke mele MÍA me nɔ ge o. MÍENYE Ŋugbetɔ ɖetugbui le aƒe Tɔdzidzia. Mawu de se na mí be míanye nuteƒewɔlawo na Nya dzadzɛ kɔkɔe la. Elebe Nuku la nanɔ anyi ɖe Vi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Amegbetɔ ƒe Vi ƒe Gbe ƒe Ŋkume, alebe Wòate ŋu atsi. Ke na míawo ya la, MƆNU ƉEKA KOE LI SI NYE: MIZI PLAY EYE MISE AMEGBETƆ ƑE VI ŊUTƆ ƑE GBE.

Eye mele gbɔgblɔm be Hame aɖe si Wotia le afi aɖe le xexe sia me, si le nuhem le dodom heɖe eɖokui ɖe aga tso numawo gbɔ, eye Mawu ƒe ɖeɖeɖego hɛ Eƒe susu va. Míele ŋkeke mamleawo me.

Míenye Mawu ƒe Hɔ̃wo. Ƒoƒose aɖeke mele míame o. Ɖeko míate ŋu ɖu Mana yeye. Míele abe nyiviwo le lãkpo me ene. Nuɖuɖu si Wodzraɖo ɖi si wona mí koe míeɖuna.

Míele Mawu ƒe Hɔ̃wo kpɔm le xexea katã me siwo le Mana Yeye dim. Woakpɔ tɔ nɔ dim vaseɖe esime Woakpɔe. Wodzo yi yame ʋi ʋi. Ne ɖeke mele bali sia me o la, agayi yame ʋi wu. Wole Mawu ƒe Nya dim yeye tso Mawu ƒe Gbe me. Woƒe dzeƒe Mavɔ tu ɖe Edzi. Afisi Nukuku la le la, Hɔ̃wo le ƒuƒom ɖe du ɖe afima.

Eƒe Gbɔgbɔ va míadzi be míawɔ numawo ke siwo Wòwɔ. Ku la ƒe tsetse Wòganye ake. Míenye Abraham ƒe Fiaƒome Nuku si tsɔa nusianu si toavovo na Mawu ƒe Nya la heyɔnɛ abe ɖee meli o ene. Míate ŋu akeɖi le Mawu ƒe Nya ɖeka ŋu alo azãe baɖa o, elabena míexɔe se be Enye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI. Yesu Kristo eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me.

Mawu Lɔlɔ̃tɔ, mègana míatrɔ megbe Dee, yiɖe xexeame ƒe aɖaʋa nuwɔna aɖe gbɔ o, gake na be zã sia me la míaxɔ Eyama kple míaƒe dzi blibo. Aƒetɔ, wɔ gbɔgbɔ nyuie le menye, Agbe ƒe Gbɔgbɔ, alebe mate ŋu xɔ Wò Nyawo katã dzi se, aɖalɔ̃ Yesu Nya la, amema ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me, aɖaxɔe se egbe le akpa si woka na agbenɔɣi sia. Wɔe dzro, Aƒetɔ. Mele ebiam le Yesu ƒe Ŋkɔ me.

Medi be makpe mi be miava se Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe na nuwuɣi la esime Wòle Hɔ̃ ƒe Nuɖuɖu na ge mí; Mawu ƒe ŋugbedodo la. Ehĩa dzixɔse tsimatɔe le Mawu ƒe Nya sia me be woanye Eƒe Ŋugbetɔ.

Nɔvi. Joseph Branham

Game la: Jeffersonville ƒe ƔETRƆ ga 12 me

Gbedeasi: Nuku La Menyi Domenyila Kple Tsro La O 65-0218

Ŋɔŋlɔawo:
Mateo kɔkɔe 24:24
Luka Kɔkɔe 17:30
Yohanes Kɔkɔe 5:24 / 14:12
Romatɔwo 8:1
Galatiatɔwo 4: 27-31
Hebritɔwo 13:8
Yohanes I 5:7
Nyaɖeɖefia 10
Maleaxi 4

Gake ne mieva be miagblɔ be, “Nye kple Fofonye míele Ɖeka,” kple nububu siawo la, ekema tsro la tena ɖa le Egbɔ. Gake Ŋugbetɔ Hame akuakua, vavãtɔ la le Mawu ƒe Nya blibo la tse ge, le Eƒe blibonyenye kple le Eƒe ŋusẽ me, elabena Enye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me.

65-0218- “The Seed Is Not Heir With The Shuck”
Rev. William Marrion Branham

Yesu Kristo amema ke etsɔ, egbe yiɖe mavɔmavɔ me, Gbɔgbɔ aɖe va Ŋugbetɔ la dzi be wòawɔ numawo ke si Wòwɔ. Mikpɔea? Eganye Ku la ƒe tsetse ake.

65-0218- “The Seed Is Not Heir With The Shuck”
Rev. William Marrion Branham

24-0526 Ame Aɖe Si Le Sisim Ɖa Le Aƒetɔ La Ƒe Ŋkume Gbɔ

Gbedasi: 65-0217 Ame Aɖe Si Le Sisim Ɖa Le Aƒetɔ La Ƒe Ŋkume Gbɔ


BranhamTabernacle.org

Dear Nineveh Passengers,

Father, where Your Carcass is, Your Eagles are gathering together. You’re feeding us upon Thy Divine Manna. Give to our souls that what we really need. We are thirsting for You, Father. We’re in Your Hands.

We’re laying in Your presence, ripening, by hearing Your Voice. The Bride must make up their minds and face up to it. It’s either right or wrong. Is hearing Your vindicated Voice the most important thing Your Bride must do or not? If It’s right, let’s do It. Don’t wait any longer, find out now what’s Truth and what’s right, and stay with It. We know that It’s True, we know It is Your provided Way for today.

I must cry out, “The lion has roared, who can but fear? God has spoken, who can but prophesy?” We see It in the Word. You promised It. Who can hold their peace and keep still?

We don’t want the popular idea. We want the Truth. And we don’t, we (want) don’t want to—we don’t want to face up to nothing but what God has said is the Truth.

The time has come that you must decide what ship you are on. Are you feeding on the Word spoken directly from the Son of Man, or something else? Is someone telling you that you must hear other voices to be His Bride? Playing tapes in your homes or your churches is not the most important thing the Bride can do?

Whose voice are you listening to? What’s that voice telling you? What voice are you placing your, and your family’s, Eternal destination on?

It isn’t me, it wasn’t the seventh angel, oh, no; it was the manifestation of the Son of man. It wasn’t the angel, his message; it was the mystery that God unfolded. It’s not a man; it’s God. The angel was not the Son of man; he was the messenger from the Son of man. The Son of man is Christ; He is the One that you’re feeding on. You’re not feeding on a man; a man, his words will fail. But you’re feeding on the unfailing Body-Word of the Son of man.

Don’t listen to any voice that doesn’t place that Voice, the unfailing Body-Word of the Son of man, before you FIRST. They can preach, teach, or do all God has called them to do, but they are NOT the most important voice you MUST HEAR.

If they believed that, then they would play that Voice when you are gathered together and tell you, “this Voice, on the tapes, is the most important Voice to hear. It, and IT alone is, THUS SAITH THE LORD.”

What Voice are you in love with? Why did He have His Voice recorded and stored up? Whose Voice did God choose to speak His Word for our day?

By His provided prophet, the one He ordained to go down there and call that message, now, looked like He could have sent another prophet, but He ordained Jonah, and even Elijah wouldn’t have done, Jeremiah wouldn’t have done, Moses wouldn’t have done, it was Jonah had to go to Nineveh. That’s all there was to it. He commissioned him and told him to go. And when He says, “Go there, Jonah, go to Nineveh,” nobody else can go do that but Jonah

God has predestinated us to this life. This Voice speaks the Words of Eternal Life to us. To us, this is God’s provided Way. This is our Ship. If you’re on a ship going to Tarshish, get off before it’s too late.

If you’ve been wondering, or have any questions on your heart which way to go or what to do, come join us. Get on the Ship with us. We’re going to Nineveh, to cry out. We’re letting that Tarshish ship go on down if they want to. We’ve got a duty before God, that’s a Message that we’re responsible for.

I’m not saying if you go to a church that doesn’t play the tapes is a ship to Tarshish, but if ANYONE isn’t placing the Voice of God on the tapes as the most important voice you must hear, you better check to see who’s at the helm of your ship and where your ship is going.

I invite you to join us Sunday at 12:00 P.M., Jeffersonville time, as the Captain of our Ship speaks and bring us the Message: A Man Running From The Presence Of The Lord 65-0217.

Let’s just start this revival right. Right! What’s you waiting on? We believe that the Coming of the Lord is at hand, and He is going to have a Bride, and It ready. And we don’t want no ships to any Tarshish. We’re going to Nineveh. Huh! We’re going to Glory. Amen. That’s right. We’re going where God is going to bless, and that’s what we want to do.

Bro. Joseph Branham

Scriptures to read:Jonah 1:1-3
Malachi 4
St John 14:12
Luke 17:30

24-0519 Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo #4

Gbedasi: 64-0830E Biabiawo kple Ŋuđođowo #4

PDF


BranhamTabernacle.org

Nyaƒoka Ƒome Lɔlɔ̃tɔ,

Miawo yɔm mele be, nye ƒome, kple ƒome si le egodo xexeame afisi míe…afisi míaƒe nyaƒokawo yina.

Míawoe nye ema, nyagblɔɖila ƒe Nyaƒoka Ƒome; eƒe vi siwo kaxlẽ ɖe xexea katã me, amesiwo wòdzi na Kristo. Amesiwo Fofo la na Eŋutɔ ƒe Ɖeɖefia le ŋkeke mamlɛ siawo me.

Medi be maƒo wo katã nu ƒu ŋkeke siawo dometɔ ɖeka, mikpɔea, nedze Fofo la ŋu, ke ale mía—míakpɔ Aƒe aɖe afisi mele be míaganɔ tsaglãla tsam le azɔ o.

MEDI BE MAƑO WO KATÃ NU ƑU. Ele mevam fifi laa. Gbedeasi sia, Eƒe Nya, Nyaƒoka siawo le ema wɔm pɛpɛpɛ: le Ŋugbetɔ la nuƒu ƒom ɖe du, le míawɔm ɖekae abe NU ƉEKA ene tso xexea katã me. Naneke meli o negbe Eƒe Gbe; Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi, si ate ŋu ƒo Eƒe Ŋugbetɔ la nu ƒu.

Ke wò la, ne èxɔ Gbɔgbɔ la, esia enye dzesi nyuitɔwo dometɔ ɖeka si menya: nàlɔ̃ Kristo ale gbegbe eye nàxɔ Nya ɖesiaɖe si Wògblɔ la dzi se be enye Nyateƒe. Mikpɔea? Emae nye kpeɖodzinu la be èxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe. Eye dzidzɔ ayɔ wò agbe fũ, eye—eye oo míatɔwo, nusianu ato vovo (mikpɔea?) le nusi wònye tsã la gbɔ. Emae nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe.

Míaƒe dziwo, susuwo kple luʋɔwo yɔ fũ kple dzidzɔ, lɔlɔ̃ kple Ɖeɖefia, bebli hafi míele míaɖokuiwo lém. Gbedeasi ɖe sia ɖe si sem míele la hea Ɖeɖefia geɖe wu vana. Míekpɔ amesi míenye kple nusi wɔm míele be míanɔ Eƒe Lɔlɔ̃nu Deblibo me. Naneke meli si ate ŋu te mí ɖa le nusi Mawu de míaƒe dziwo me gbɔ o. Play Zizi nye Mawu ƒe Mɔ si wota ɖi na egbea. Nu ŋuti bubukpɔ aɖeke meli o, mɔkpɔkpɔ aɖeke meli o, Gbɔgbɔ Kɔkɔe biabia aɖeke meli o be, “Ɖee nusi mese fifia ko la nye Nya vavã la?” “Ɖee mehĩa be madzroe kpɔ kple Nya la?”

Menye míawo o. Nusi sem míele le nyaƒokawo dzi NYE NYA LA. Nya Ma si sem míele le nyaƒokawo dzi la nye NYA ƉEKA si dzi Gbɔgbɔ Kɔkɔe Ŋutɔ, Dzo Lilikpo la ɖo kpe, be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi na Ŋugbetɔ la.

Ne ame aɖe le gbɔgblɔm na mí be, “Nu geɖewo li ŋutɔ si wogblɔ le nyaƒokawo dzi si nye Nɔviŋutsu Branham koe nɔ nuƒom, menye Nya si wosi ami na ye o. Ema ya amegbetɔ ko wònye.Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ mí yi nusi nye Nya kple nusi nye Nɔviŋutsu Branham ƒe nuƒoƒo ɖeɖeko gbɔ.”

Menye na míawo ya o. Ɖeko míexɔ nusi nyagblɔɖila gblɔ na mí dzi se be míega ŋlɔ be gbeɖe o.

Medi be migaŋlɔ Nya ma be kpɔ gbeɖe o. Nusi Mose gblɔ la, Mawu de bubu eŋu, elabena Mawu ƒe Nya nɔ Mose me.

Míele nusi nyagblɔɖila gblɔ ŋlɔ ge be akpɔ gbeɖe o, eye Míexɔe se; elabena woŋlɔe kple gakpo nuŋlɔti ɖe míaƒe dziwo dzi. Nusi wògblɔ le nyaƒokawo dzi la, Mawu de bubu Eŋu, eye Míexɔe se.

Bubu gã aɖeke meli wu be wòanɔ anyi aɖase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na mí o. Ele nuƒo ge na Eƒe Ŋugbetɔ la Kɔsiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me , Jeffersonville ƒe game, eye wòanɔ biabiawo ŋuɖom: 64-0830E Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo #4. Medi be makpe mí be míawɔ ɖeka kpli mí. Enye nyametsotso si mave mí kpɔ gbeɖe o.

Nɔvi. Joseph Branham

24-0512 Biabiawo kple Ŋuðoðowo #3

Gbedasi: 64-0830M Biabiawo kple Ŋuðoðowo #3

PDF

BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Ɖetugbui Dzadzɛ Lɔlɔ̃tɔ,

Alegbegbe melɔ̃na be made dzi ƒo na mi kɔsiɖa sia kɔsiɖa be Miazi Play aɖase Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke. Elabena Menyae be Enye Mawu ƒe Ɖoɖo Deblibo na míaƒe ŋkeke.

Menye nusi gblɔm Joseph Branham le alo xɔm le sesem ye o. Nusi Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe gblɔ na mí ye:

Menye Mawu ƒe Gbe na mi.

Ne Gbedeasi sia ƒe ɖeɖefia aɖe le miasi kura la, numegbe ɖeka sue ma ɖeɖe su xoxo na mi be miagblɔ na amesiame si miedo go; xɔsetɔ ɖe sia ɖe, agblɔ na miaƒe hameawo, bena Gbe ma yenye Gbe vevietɔ si WÒLE BE MIASE.

Be míasusui be Nya siwo tututu míesena ne míele Play Zim la nye Mawu ƒe Gbe si le nuƒom na mí teŋ. Fofo na wolé ɖi ɖe mɔ̃ dzi hedzrae ɖo ɖi alebe Míazi Play ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe; alebe míase Eyama wòade dziƒo na mí, ayra mí, asi ami na mí, aɖanya míaƒe vɔvɔ̃ kple ɖikekewo katã do goe, esia katã to Play Zizi dzi ko.

Nukake míehĩa kasia la, Míazi Play, ke yenye ekem. Ele afima be yeaɖo ŋku dzi na mí be MÍENYE NYA LA. Eli kpli mí, ƒo xlã mí, LE MÍAME. Satana nye ameflula. Woɖu dzi. Naneke mate ŋu xɔ Nya ma le míasi o. Mawu Tsɔe na mí to Eƒe nunyadaɖi dzi, esime wònyae be míenye Eƒe Ŋugbetɔ. Míenɔ anyi kple Eyama tso gɔmedzedzea me ke.

Gbe Kae míate ŋu ase si alolo wu Gbe ɖeka si dzi Dzo Lilikpo la ɖo kpe be enye Mawu ƒe Gbe?

Gbe bubu aɖeke meli o.

Nya kae Gbe ma gblɔ na mí kɔsiɖa si vayi me?

Mebia mi be maxɔ ɖaa, eye ema sigbe nɔvinyeŋutsu kple nyɔnu ene. Mienye vinyewo; me—menye mia fofo le Nyanyuie la me, menye fofo abe alesi fada aɖe le ene o, menye—menye mia fofo le Nyanyuie la me abe alesi Paulo gblɔ le afima ene. Medzi mi na Kristo, ke azɔ, me—medo mia ŋugbe na Kristo; emae nye atsɔ mi na Kristo abe ɖetugbui dzadzɛ ene. Migaɖe dzi le ƒonye o! Migaɖe dzi le ƒonye o! Minɔ anyi nenema ɖetugbui dzadzɛ.

Elebe míanɔ anyi ɖetugbui dzadzɛ na Nya la, Gbe ma. Elabena na míawo la, MƆNU ƉEKA koe li be míakaɖe dzi be míele ema wɔm eyae nye: PLAY ZIZI.

Ne miexɔ dzinye se be menye nusi gblɔm miele la, Mawu ƒe subɔla, nyagblɔɖila la, miɖo to nusi gblɔm mele na mi. Mikpɔea? Ate ŋu anye be mimase egɔme o, ke ne miese egɔme o la, ekema miwɔ nusi megblɔ na mi be miawɔ la ko.

Ẽ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋutsu amesiamina bubuwo li, eye le Mawu ƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ me, mele gbedom ɖa be manye ŋutsumawo dometɔ ɖeka. Mexɔe se be Eyɔm be malé Yeƒe Nya ɖe asi le miaŋgɔ aɖafia si Gbedeasi sia, Mawu ƒe Nya, Gbe ma mi.

Abe alesi Petro gblɔe ene la, nyemagbe ŋkuɖoɖodzi na mi ɣesiaɣi bena GBE ƉEKA KOE li si Mawu yɔ be yeaɖe Yeƒe Nya fia o. Gbe Ɖeka si dzi Mawu ɖo kpe. Gbe ɖeka si gblɔ be, “Miɖo to Eyama” Gbe ɖeka si Mawu gblɔ be, “Menye Mawu ƒe Gbe na mi.”

Miɖo ŋku esia dzi kple miaƒe dzi blibo be: Minɔ anyi kple Nya ma! Migadzo le Nya ma gbɔ o! Nusianu si to vo Nɛ la, miɖe asi le eŋu, meka nusi wònye o. Ekema mianyae be Ele eteƒe.

Kakaɖedzitɔe la mese nusita wosea nye gɔme baɖa alegbegbe eye bena ame aɖewo sena le woɖokuiwo me be metsitre ɖe mawunyagblɔlawo katã ŋu; bena mexɔe se be mele be ame aɖeke negblɔ mawunya o. “Ne mieɖo to mawunyagblɔla bubu aɖe wu Nɔviŋutsu Branham la, mienye Ŋugbetɔ la o.” Abe alesi megblɔe zi geɖe alegbegbe ene la, nyemegblɔ nya ma kpɔ hexɔ ema se kpɔ gbeɖe o.

Nyagblɔɖila ɖe egɔme nyuie ŋutɔ kɔsiɖa si vayi me pɛpɛpɛ alesi mele esem ene kple nusi dzi mexɔse.

Gbedeasi hame etɔ̃ bubuwo teti nɔ Jeffersonville nutoa me ɣeyiɣi si me Nɔviŋutsu Branham nɔ afisia. Le Kɔsiɖagbe si vayi ƒe takpekpea me la, egblɔ be kɔmegbadɔ pastɔ mawo menɔ anyi na ɣetrɔme takpekpe la o. Wowɔ woŋutɔ ƒe ɣetrɔ takpekpeawo. Alea, womese le woɖokui me be yeawoava ɖo to Nɔviŋutsu Branham na ɣetrɔ me takpekpe la o, gake be yewoawɔ takpekpe le yewoƒe hameawo me. Woaƒe nyametsotso kple alesi wose be wokplɔ yewo be yewoawɔ yema, ke Nɔviŋutsu Branham lɔ̃ ɖe dzi.

Egbe hame geɖewo kpɔtɔ le Jeffersonville ƒe nutoa me. Elebe woawo hã woawɔ abe alesi wose be Aƒetɔ la kplɔ yewo be yewoawɔ ene. Ne womese be yewoaƒo nyaƒokawo o la, woakafu Aƒetɔ la, wole nusi wose be wokplɔ yewo be yewoawɔ wɔm, ke numae wòle be woawɔ. Wokpɔtɔ nye míanɔviŋutsu kple nyɔnuwo eye wolɔ̃na Gbedeasi sia. Gake elebe míawɔ nusi míese be wokplɔ mí be míawɔ: Míazi Play. Míedi be míase nyagblɔɖila la.

Abe alesi Nɔviŋutsu Branham wɔe le Dasiamime 30, ƒe 1964 ene la, mele miakpem le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime zi ɖeka ake la míase nyagblɔɖila wòahe Gbedeasi: 64-0830M Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo #3 vɛ na mí.

Nɔvi. Joseph Branham

24-0505 Biabiawo kple Ŋuðoðowo #2

Gbedasi: 64-0823E Biabiawo kple Ŋuðoðowo #2

PDF


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Nya Blibo Lɔlɔ̃tɔ,

Aƒetɔ la ƒe Vava ko lalam míele. Hele míaƒe akaɖiawo dzram ɖo, yɔ fũ kple Ami, le Nya si woɖe fia zã kple keli sem.
Le gbedom ɖa, gaƒoƒo ɖe sia ɖe; menye gbe sia gbe o, gaƒoƒo ɖe sia ɖe. Ɖeko míele míaɖokuiwo lém ɖi le dzadzraɖo ƒe nɔnɔme me to anyinɔnɔ ɖe, kple NYA ƉE SIA ƉE dzi xɔxɔ se me.

Míele mɔkpɔm, ga sia ga me, na amesiwo le alɔ̃ dɔm le anyigba ƒe ʋuʋudedi me be woanyɔ gbã. Kasia la, míele wokpɔ ge; míafofowo, míadadawo, míasrɔ̃ŋutsuwo, míasrɔ̃nyɔnuwo, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo. Woanɔ tsitre ɖe afima, le míaƒe ŋkume gã. Míanyae le ɣeyiɣi ma me be, míeva ɖo, ɣeyiɣi la de. Kɔkɔdzoe ƒe Xɔse ayɔ míaƒe luʋɔwo, susuwo kple ŋutilãwo fũ. Emegbe la gbegblẽ ŋutilã siawo ado magblẽmagblẽ le Aƒetɔ la ƒe kɔkɔdzoe ƒe Xɔse me.

Ke emegbe la míadze ƒuƒoƒo ɖe du. Mí amesiwo le agbe eye míetsi anyi la woatrɔ mí. Ku ŋutilã siawo mele ku kpɔ ge o. Kasia la, anɔ abe nane kplɔ nu to míadzi ene… woatrɔ mí. Tso amegã ɖeɖi me yiɖe ɖekakpui me, tso nyãga ɖeɖi me yiɖe ɖetugbui me.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míele mɔzɔ ge abe susu ene kple amesiwo fɔ̃ ɖe tsitre vɔ. EKEMA… ŊUTIKƆKƆE …wole míakɔ ge dzi kpli wo adogo Aƒetɔ la le yame.

Ɣeyiɣi kae nye esi si gbɔna na mí. Futɔ la le AGBAGBA DZEM be yealé mí ɖe teteɖeanyi me, míalé blanui eye dzi naɖe le míaƒo, gake ŋutikɔkɔe na Mawu, mate ŋui o. Ɖeɖefia LA kuɖe Amesi Wònye; amesi Wòdɔ be wòayɔ mí do goe; amesi míenye, menye amesi míava nye o, AMESI MÍENYE ŋu le míasi. AZƆ Eku seke ɖe míaƒe LUƲƆ, SUSU KPLE GBƆGBƆ me, eye naneke meli si ate ŋu xɔ ema le míasi o. Alekewɔ míenya mahã? Mawu gblɔe nenema!

Esia menye míaƒe aƒe me o, ekatã nye tɔwò, Satana, àte ŋu xɔe fãa. Míele eƒe akpa aɖeke dim o eye míegale edim ke o. Tsɔme Ƒe aɖe le míasi esi wotu na mí. ELE GBESƆSƆ. Wowu xɔtutu la ŋu. Asitɔtrɔ le ŋu mamleawo katã sɔ gbe. Ke nyanyanana geɖe wu le asinye na wò, LE MADIDI ME KURA O la, Egbɔna le míakplɔ ge alebe míate ŋu awɔ ƒe 1000 ƒe Srɔ̃ɖeɖemɔzɔzɔ madzudzɔ kple Eyama, eye womekpe wò o, eye mèle afima nɔ ge o.

Ŋutikɔkɔe nu kawoe nye esi Gbedeasi sia le ɖeɖem fia mí ɣesiaɣi ne míele Play Zim. Mawu Ŋutɔ ɖi va, heƒonu to amegbetɔ ƒe nuɣiwo dzi alebe Wòate ŋu agblɔ nusiawo na mí. Etia mí hena mí Eŋutɔ ƒe Ɖeɖefia vavã kple BLIBO la.

Enye Nya si va zu ŋutilã, menye Mose ƒe ŋkeke me ƒe Nya o, Mose enye ŋkeke ma ƒe Nya; menye Noa ƒe ŋkekewo me ƒe Nya o, Noa enye Nya la na ŋkeke ma; menye le ŋkeke…Nya la na Eliya ƒe ŋkeke o, Eliya enye Nya ma na ŋkeke ma; ke enye fifi ɣeyiɣi ƒe Nya, ke woawo nɔ agbe le tsã me.

Ɖee miesɔ gbea?…Yenye esi gbɔna. Enye tu nugbɔ eve eye wòkpe, ke míelɔ̃nɛ alegbegbe!!!

Nu ɖeka ma ke gava eme! Eyae nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpeɖodzi, ne Mawu ɖee fia wò eye èkpɔ, ALE AƑETƆ GBLƆ ESI hexɔ edzi se la. Menye nusi nènye o, nusi nènye tsã o, alo naneke kuɖe eŋu o, nusi Mawu wɔ na wò fifia la ye. Eyae nye kpeɖodzi.

Aleluya, Eƒo gatagbadze la ɖe me. AZƆ mina míase Eyama Wòazii ɖe eme.

Ena mí Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpeɖodzi la, Yohanes 14. Egblɔ be, “Nu geɖewo gale asinye magblɔ na mi. Ɣeyiɣi mele asinye be mawɔe o, gake ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va la, Eya lagblɔ afia mi, aɖo ŋku nusiwo megblɔ na mi la dzi na mi, eye afia mi hã nusiwo lava va eme.” Ɖe miekpɔe oa? Emae nye kpeɖodzi la. Eyae nye agblɔe doŋgɔ eye anye… axɔ Nya si woŋlɔ la ƒe Mawume gɔmeɖeɖe la. Azɔ, ɖe ema menye nyagblɔɖila ƒe kpeɖodzi oa?

Gbɔgbɔ Kɔkɔe Lae nye agbenɔɣi ɖe sia ɖe ƒe nyagblɔɖila. Enye míaƒe agbenɔɣi la ƒe nyagblɔɖila la. Nya La vana na nyagblɔɖila ma ƉEƉEKO. Enye Mawu si le nuƒom hele Eɖokui ɖem fia to Eƒe nyagblɔɖila me. Enye Nya la na egbe. Gbedeasi Sia, LE NYAƑOKA DZI, nye Nya la ƒe gɔmeɖeɖe debliblo, kple mawume kpeɖodzi.

“Ke ne nu blibo la va la, ekema woaɖe nusiwo nye afãafãwo la ɖa.” Ekema nu sue siawo katã kuɖe ati kpo yi dzi kple anyi sigbe ɖevia ɖe ene, anɔ agbagba dzem be woaƒo nu kple gbegbɔgblɔwo, kple nu bubu siawo katã la, ne nu blibo la… Ke egbe, to Mawu ƒe amenuveve me la, Nya la ƒe gɔmeɖeɖe blibo la su mía si kpakple Mawume kpeɖodzi la! Ekema nusi nye afãafã la woɖee ɖa. “Esime menye ɖevi la, meƒoa nu abe ɖevi ene, mesea nu gɔme abe ɖevi ene; gake esi mezu ŋutsu la, meɖe ɖevime nuwɔwɔwo ɖa.” Amen!

Nu blibo la va; Nya la ƒe gɔmeɖeɖe blibo la va. MIZI PLAY. Nusi hĩa Eƒe Ŋugbetɔa ɖeɖekoe ma, eye eya ɖeɖekoe Wòhĩa.
Va Zi Play kpli mí Kɔsiɖagbe sia le Ɣetrɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, eye míase NYA BLIBO la, KPLE KPEƉODZI MAWUMETƆ esime míase: Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo #2 64-0823E

Nɔvi. Joseph Branham

24-0426 Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo 1

Gbedasi: 64-0823M Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo 1


BranhamTabernacle.org

Nyaƒokasela Lɔlɔ̃tɔwo,

Ɖeko nyemate ŋu agblɔe kakaka o, NANEKE melolo wu be woase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na mí to Eƒe dɔla kple gbedeasitsɔla si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkeke dzi o. Ɖeɖefia ɖe Ɖeɖefia megbe la Aƒetɔ la le ɖeɖefia nam mí. Nuwuwu meli Nɛ o. Gbedeasi Ɖesiaɖe le abe ɖee Míesee kpɔ o ene. Enye Nya Gbagbe la, Mana Yeye, Mawu ƒe Nuɖuɖu si Wodzraɖo Ɖi na Eƒe Ŋugbetɔ la, eye nusi ko wòle be míawɔ lae nye MÍAZI PLAY.

Míese nusianu kuɖe MÍAƑE Kɔkɔdzoe si gbɔna le madidi me ŋu. Míeyina… ŊUTIKƆKƆE, MÍEYINA ƉE Srɔ̃ɖe Nuɖuɖu la me. Eɖo MÍ ɖi be míanɔ Afima to Eƒe nunyadaɖi dzi, eye naneke mele te tɔ ge o. Nya la le afisia wɔ ɖeka kple ame, eye eveawo zu Ɖeka. Ele Amegbetɔvi la ɖem ɖe go. Nya la kple Hame la zu Ɖeka. Nukakee Amegbetɔvi la wɔ la, Enye Nya la, Hame la wɔa numa ke.

Hafi mayi dzi la, ɖewomahĩ miedi miagaxlẽ ema ake!! Aleke míate na abosam wòana míalé blanui mahã? Mise nusi míele mɔkpɔm na. Mise amesi míenye. Mise nusi le mevam FIFIA.

Afika yim míele? Yiɖe MÍAƑE Srɔ̃ɖeɖe Nuɖuɖu ƒe afisi woɖomí ɖi le to Eƒe nunyadaɖi dzi, afisi MÍ, Eƒe Nya kple Hame, zu ƉEKA KPLE EYAMA, eye nukake Amegbetɔ Vi la wɔ la, MÍEWƆNA NUMA KE!!

Emegbe la míese nusianu kuɖe MÍAƑE Tsɔme Ƒe la ŋu. Xɔtula Mawumetɔ La ta MÍAƑE Du Yeye la, afisi Wòle agbe nɔ ge kpli MÍ, Eƒe Ŋugbetɔ le. Etu Esia hede nu sue ɖe sia ɖe tututu ko le MÍAƑE didi ŋu; nusi Avivi MÍA ŋu ko. Afisi míahĩa kekeli aɖeke le o, elabena Alẽvi lae anye míaƒe Kekeli. Afisi nyagblɔɖila anɔ agbe le ʋɔtru si le míaxa le; anye míaƒe aƒelika le. Míaɖunu tso atimawo me, míalia sika mɔ mawo dzi yiɖe vudo la gbɔ aɖano tsi. Míanɔ zɔzɔm ge ɖe Mawu ƒe paradisowo me, kple Mawudɔla siwo anɔ dzodzom le anyigba ta me, anɔ hagbewo dim. Ŋutikɔkɔe! Aleluya!

Ele Kpe Ɖom Eƒe Nya dzi na mí; Eya, Dzo Lilikpo la, na woɖe foto kple Eyama kple Eƒe dɔla kple gbedeasitsɔla be yeaɖo kpe dzi aɖagblɔ na xexeame be, “Miɖo To Eyama.” Mele be míake ɖi Nya ɖeka o, elabena Menye nyagblɔɖila ƒe nya ye o, Enye Mawu ƒe Nya si woɖe gblɔ na Eƒe Ŋugbetɔ la. Emegbe la Egblɔ na mí be, teƒenɔnu le míasi tso ɖoɖoɖi me, le kakaɖedzi nam mí. Mele míakpɔm o, míaƒe gbe ko sem wòle to Yesu ƒe Ʋu dzi. Míede blibo le Eƒe ŋkume.

Gogloƒe le gogloƒe yɔm wu tsã ŋutɔ, eye Fofo la le míayɔm fũ kple Eƒe Nya si woɖe fia. Nusianu si míehĩa be míanya la wolé ɖe mɔ dzi hetsɔe na MÍ.
Gblɔeɖe la nuwuwu meli na Gbedeasi Nya Gbagbe sia o. Naneke melolo wu be míanyae be MÍE nye Eƒe Ŋugbetɔ o. Kakaɖedzi si le esia nyanya me be Gbe ma sese, Play Zizi, nye Aƒetɔ la ƒe Lɔlɔ̃nu debliblo; Ena Eƒe ɖoɖo la.

Geɖe wu li si gbɔna! Enye Nya Tsi Gbagbe Si memiɛna o na Eƒe Ŋugbetɔ la. Tsikɔ me wu mí le míaƒe agbewo alea kpɔ o, gake míekpɔ fafa alea kpɔ o esime míele nusiwo katã dim míele la nom le nom.

Kɔsiɖagbe ɖe sia ɖe la, Ŋugbetɔ la kpɔa dzidzɔ alegbegbe be yeaƒo ƒu ɖe du kple Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe le xexeame, be yease nusi ɖe ge Wòle afia emegbe. Egblɔ na mí be ne míate ŋu va afisia le Agbadɔa me o la, míadi hame aɖe le afi aɖe; aɖa yi.

Míakatã míate ŋu aƒo ƒu ɖe afisi nyagblɔɖila tu te ɖo o; eƒe tanɔƒe afisi wòɖo gɔme anyi ɖo o, gake míate ŋu trɔ míaƒe hamewo, alo míaƒe Aƒewo hamewo, afisi míadee nyagblɔti dzi le. Afisi woate ŋu anyi mí le kple NYA DEBLIBO TUTUTU KO ABE ALESI WOƉEE FIA ENE.

Ƒuƒoƒo si lolo wu aɖeke, amisisi si lolowu aɖeke, teƒe si lolowu aɖeke be woanɔ meli de anyinɔnɔ ɖe du le Dziƒo nutowome, anɔ Mawu ƒe Gbe sem ŋu o.

Mele miakpem be miava se Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Wòle nuƒo ge na mí zi ɖeka ake to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla dzi, aɖo biabia siwo katã le míaƒe dziwo dzi, aɖana mí kakaɖedzi bena míenye Eƒe Ŋugbetɔ.

Nɔvi. Joseph Branham

Kɔsiɖagbe ƒe Gbedeasi: Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo #1 64-0823M

24-0421 Kpe Ɖoɖo Eƒe Nya Dzi

Gbedasi: 64-0816 Kpe Ɖoɖo Eƒe Nya Dzi

PDF

BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ-Hame Lɔlɔ‌tɔ,

Amegbetɔ Vi la va heɖe Eɖokui fia le agbetɔ ŋutilã me na Eƒe Ŋugbetɔ la. Egblɔe, Míexɔe se, eye Wòɖokpe Edzi. Míenye Eƒe Ŋugbetɔ-Hame si dzra míaɖokuiwo ɖo Nya ɖe sia ɖe si doa go le Eƒe nu me sese kple edzi xɔxɔ se me.

Amekukuwo ƒe tsitretsitsi aɖe le anyi nɔ ge. Aɖo kpe dzi. Hamea ƒe Kɔkɔdzoe aɖe le anyi nɔ ge. Aɖo kpe dzi. Milenium aɖe le anyi nɔ ge. Aɖo kpe dzi. Dziƒo yeyewo kple anyigba yeye aɖe le anyi nɔ ge. Aɖo kpe dzi, elabena Eƒe Nya gblɔe nenema.

Míawoe anye amesiwo le afima nɔ ge. Aɖo kpe dzi. Míenye amesiwo wowɔ Nya sia ƒe akpa aɖe. Eɖo MÍ ɖi be míanɔ Afima. Kɔkɔdzoe aɖe le anyi nɔ ge to Eƒe nunyadaɖi dzi eye naneke mele te tɔ gee o, míele afima nɔ ge!

Eteƒe didi Satana dze agbagba be yeana amewo nake ɖi le Nya ɖeka si woɖe gblɔ ŋu. Migawɔ ema o. Mixɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se ko. Elebe miaxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se alebe mianɔ Afima. Menye nyagblɔɖila ƒe Nya ye o, Enye Mawu ƒe Nya si wolé ɖi hedzraɖo ɖi ɖe Nyaƒokawo dzi.

Nunɔla gã la, bishɔf la, kardinal la, kplɔla la? “Mawu! Nya ɖesiaɖe si doa go tso Mawu ƒe nu me.” Aleke míawɔ anya be enye Mawu ƒe Nya mahã? Egblɔ nenema, emegbe Eɖo kpe Edzi. Eɖo kpe Eƒe Nya la dzi.

ELEBE miaxɔ Nya ɖe sia ɖe si doa go tso Mawu ƒe nu me. Eɖo kpe dzi be Yeƒe Nya Wònye le Nyaƒokawo dzi. Eɖo kpe dzi be William Marrion Branham nye Yeƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia; Mawu ƒe Gbe le míaƒe ŋkeke me. Amesiwo katã mexɔa Gbedeasi la kple gbedeasitsɔla dzi se o la woatsrɔ‌.

Azɔ, menye ameha sia ɖeɖe ko mele nu ƒom na o. Wole esia ɖe nyaƒoka dzi, mikpɔea, eye Eyina ɖe xexeame katã. Miese egɔmea, xexeametɔwo, Nya ɖeka ma, Nya ɖeka, menye nyafɔkpe ɖeka o, menye paragraf ɖeka o, Nya ɖeka, ema ɖeɖe koe Xawa ke ɖi.

Enye Nya la, eye míenye Eƒe Nya ƒe akpa ɖe xoxo. Susuma tae míele afisia, be míaɖo kpe míaƒe teƒe dzi le agbea me. Be míaxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se. Be míanɔ anyi kple Nya la. Be míafia asi Nya ɖe sia ɖe si le Nyaƒokawo dzi Ŋugbetɔ la.

Le míaƒe ŋkeke me la, Amegbetɔvi la ɖe eɖokui fia. ETSA Hame la na Ta; bla Ŋugbetɔ la ƒe srɔ‌ɖeɖe. Ŋugbetɔsrɔ‌ La ƒe yɔyɔ va ɖo. Amegbetɔvi La va le amegbetɔ ŋutilã me be yeabla eveawo ɖe du. Enye Nya la. Míenye Eƒe Nya, eye eveawo bla ɖe du.

Ehiã Amegbetɔvi la ƒe ɖeɖefia ƒe ɖeɖeɖego. Menye hanunɔla o…Mikpɔ nusi gblɔm melea? Mikpɔea, enye Amegbetɔvi la, Yesu Kristo, si aɖi va le amegbetɔ ƒe ŋutilã me le mía dome, eye wòawɔ Eƒe Nya nu vavãe ale gbegbe be esia awɔ Hame la kple Eyama woazu nu ɖeka, Ŋugbetɔ la, eye emegbe Ayi Aƒe le Srɔ‌ɖeŋkekenyuie ɖuƒe. Amen.

Nya la ƒe ɖeɖeɖego awɔ Ŋugbetɔ la ɖeka. Egale Amegbetɔvi la ɖem ɖe go ake, menye hame la ƒe mawuŋunusrɔ‌lawo o. Amegbetɔvi La! Nya la kple Hame la le ɖeka zum. Nukake Amegbetɔvi la wɔ la nye Nya la. Mí, Eƒe Ŋugbetɔ la, le numa ke wɔ ge.

Míewɔ ɖeka to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Eƒe Nya, Eƒe Gbe dzi, eye míele dzadzraɖo wɔm be míayi ɖe Srɔ‌ɖeŋkekenyuie ɖuƒe la me. Nya la bla mí ɖedu, eye eveawo zu ƉEKA.

Miegblɔa be NYAƑOKAWO, NYAƑOKAWO, NYAƑOKAWO. Elebe miaƒo Nyaƒokawo le miaƒe aƒewo me, le miaƒe hamewo me. Wohea nya ɖe míaŋu elabena míetea gbe ɖe Nyaƒokawo ƒoƒo dzi akpa. Nukata míegblɔa nane nenema? Amekae le nuƒom na MÍ le Nyaƒokawo dzii?

Azɔ, miɖo ŋku dzi, ema menye Yesu ye nɔ nu ƒom na Abraham le afima, si ate ŋu anya Sara ƒe dzimesusuwo le Emegbe o. Menye Yesu ye o, womedzii haɖe o. Gake enye Ŋutsua ɖe si nɔ amegbetɔ ƒe ŋutilã me, si Abraham yɔ be “Elohim, Ŋusẽkatãtɔ gã la.”

Ne miexɔe se be woɖe Amegbetɔvi la fia le míaƒe ŋkeke me; be Mawu le nuƒom to amegbetɔ ƒe nuɣiwo dzi la, aleke ameaɖe mate ŋu kpɔ Gbe ma dadaɖi abe GBE VEVIETƆ KEKEAKE SI WÒLE BE MIASE ƒe asixɔxɔ o mahã?

Nyemele nyahem ɖe bubu siwo mele nusi míexɔ se dzi kpɔm hele edzi xɔm le sese ŋu o; mía nɔviŋutsu kple nɔvinyenyɔnu wonye, gake mekpɔ KƆƉIƉI ALEGBEGBE, ƉI ƑO ALEGBEGBE, KAKAƉEDZI ALEGBEGBE be esiae nye Mɔ si Mawu ta na Eƒe Ŋugbetɔ. Nyemate ŋu awɔe bubue o. Elabe na nye kple nye aƒe ya la, Play Zizi yenye MƆ ƉEKA si li.

Zi ɖeka ake mele xexeame kpem be wòava awɔ ɖeka kpli mí le Kɔsiɖagbe le FĨEƔI ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Kpeɖoɖo Eƒe Nya Dzi 64-0816.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Mateo Kɔkɔe 24:24
Marko Kɔkɔe 5:21-43/ 16:15
Luka Kɔkɔe 17:30 / 24:49
Yohanes Kɔkɔe 1:1 / 5:19 / 14:12
Romatɔwo 4:20-22
Tesalonikatɔwo I 5:21
Hebritɔwo 4:12-16 / 6:4-6 / 13:8
Fiawo I 10:1-3
Yoel 2:28
Yesaya 9:6
Maleaxi 4

24-0414 Dziƒo Ŋugbetɔsrɔ̃ Kple Anyigba Dzi Ŋugbetɔ La Ƒe Tsɔme Ƒe La

Gbedasi: 64-0802 Dziƒo Ŋugbetɔsrɔ̃ Kple Anyigba Dzi Ŋugbetɔ La Ƒe Tsɔme Ƒe La


BranhamTabernacle.org

Anyigba Ƒe Dze Lɔlɔ̃tɔ,

Oo, Ŋugbetɔ lɔlɔ̃tɔ, ɣeyiɣi kae nye esi le míasi sum, le esime míenɔ anyi ɖe du le Dziƒo nutowome, le Nya la ƒe ŋkume, le tsitsim, le dzesidem amesiwo míenye, afisi míetso, kple afisi yim míele.

Be míanyae, tso míaƒe dziwo me ɖaa ke be, AZƆ la míenye Mawu ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Menye míava nye o, míenye FIFIA. Míenye Mawu ƒe susu ƒe nyenyewo.

Ne Satana le ƒoƒom ɖe míadzi, hele agbagba dzem be yeatsɔ míaƒe vodadawo, míaƒe tsɔ si va yi, kple míaƒe gbesiagbe gegewo fia mí la; ne wòle agbagba dzem be yeagbã mí gudugudu le míaƒe susu kple gbɔgbɔ me kple eƒe alakpawo la, ɖeko míeɖoa ŋku dzi nɛ hegblɔ na nɛ be, ”Mawu, tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me ke, kpɔm do ŋgɔ; esɔ gbe Satana, NYE, eye Wòdɔ Yesu ɖa be wòaxɔ NYE aƒle.” XLÃ NU NƐ!

“Azɔ, Satana, dzo ɖa le gbɔ nye, elabena Eƒe Vi ƒe Ʋu le nuƒom ɖe TENYEƑE. Nyemate ŋu awɔ nuvɔ̃ o. Nye vodada, ẽ, nye vodada geɖewo la, Mawu mate ŋu kpɔwo o. Nu ɖeka si wòsena lae NYE gbe si le Eyama subɔm kple kafum, eye nu ɖeka si Wòkpɔna lae nye NYE teƒenɔnu.”

Míaƒe teƒenɔnu le mía nu ƒom ɖe du tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, dziehe kple nyiehe, le míawɔm ɖeka le Nya si Wòna Eƒe Ŋugbetɔ le nyaƒoka dzi la te. Eyae nye nu ɖeka si ŋu Wòade bubu; elabena Enye Eƒe Mɔ si wòna la.

Nuka gblɔ ge Wòle kple ɖe ge wòle afia mí emegbe? Míese Eyama ƒo nu to Eƒe nyagblɔɖila dzi zi geɖe alegbegbe hegblɔ na mí kuɖe nusi míaƒe Aƒe yeye aɖi ŋu, gake ɣeyiɣi sia le nɔnɔ ge abe ɖe míese naneke kuɖe Eŋu kpɔ tsã o ene.

Xɔtula Mawumetɔ La, wɔe esia na Eƒe Lɔlɔ̃tɔ. Mikpɔea? Oo, teƒe kae wòanye, esime, Dzɔdzɔme Mawumetɔ, Xɔtula Mawumetɔ aɖe wɔe na nyenye Mawumetɔ aɖe si woɖoɖi Mawumetɔe to Mawu Mawumetɔ aɖe dzi Amesi—Amesi nye Mawume ƒe Agbe Tɔ! Nuka gɔ̃ Du ma aɖii! Mibu eŋu.

Bebli hafi míete ŋu le míaɖokuiwo lém. Míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple mɔkpɔkpɔ de kɔkɔƒe mamlea. Míaƒe dziwo le du sim be yewoase Mawu wòaƒo nu tẽ na mí aɖagblɔ na mí be Yele míaƒe Aƒe yeye la wɔm hele etum alebe míate ŋu nɔ agbe le eme le Mavɔmavɔ me kple Eyama.

Nububu kae se ge míala, eye nuka ɖe ge wole afia mí Kɔsiɖagbe, esime Wòle nusianu gblɔ ge na mí kuɖe Ameɖoɖi, Teƒenɔnu, Agbenɔɣi, Ŋkeke Enyilia, To Kɔkɔe, Toxɔwo, kple Kpekpe Kɔkɔe ŋu?

Ɖee míate ŋu atsɔ míaƒe susuwo kuɖe nusi le mevam fifia tututu ŋua? Mawu le Eƒe Ŋugbetɔ la nuƒom ɖe du le xexea katã me alebe Wòateŋu gblɔ nusi míaƒe Aƒe yeye la aɖi na mí. Ele egblɔ ge na mí titotito. Ŋutikɔkɔe ƒe ɣeyiɣi kae nye esi le míasi su ge.

Le akpa kemea la, míaƒe aʋawo mesesẽ ɖe dzi nenema gbegbe kpɔ tsã o. Satana le míatom wu tsã. Eƒe ƒoƒoɖeamedziwo medze kpɔ be wole xodzoe alo le tetem ɖa o.

Gake ŊUTIKƆKƆE na Mawu, míaƒe XƆSE le Eƒe Nya me mediɖe dzi wu nenema kpɔ o. Míaƒe XƆSE le amesi míenye nyanya me ku seke wòde to ɖe míaƒe Luʋɔ me, wɔe be míate ŋu aʋã o.

NANEKE meli si ta wòle míavɔ̃ o; NANEKE si ta wòle be míaxa nu le o. Fofo la le míata kpɔm keŋkeŋ. Efiamɔ hekplɔa míaƒe AFƆTOƑE ƉESIAƉE. Eléa mí ɖe Eƒe Asi me. Satana nye ameflula si ƒe nuwuwu gogo ko, ke enyae. Eyae nye amesi le vɔvɔ̃m, enyae be yele dɔwɔm kple Mawu ƒe Ŋugbetɔ Nya si Woɖe gblɔ la eye ekpɔa gege ɣesiaɣi.

MíeNYE NYA LA. Míenɔ Eyama me tso gɔmedzedzea me. Míele ezu ge gbeɖeka o, MÍENYE FIFIA. Ne míenye Nya la, ekema míate ŋu ƉE NYA LA GBLƆ, NE MÍATE ŊU XƆESE KO…EYE MÍEXƆESE.

Loo mienye xɔsetɔ (NYA LA) alo mienye Ɖikela (MENYE NYA LA O). Ka lẽ ɖeka hã mele míaƒe ŋutilã me si keaɖi Nya ɖeka o. Miva ɖo! Míeɖo kpe dzi na Satana be: míenye Nya la. Míate ŋu anye agbadze le afɔ gɔme, GAKE MÍEKPƆTƆ NYE ŊUTILÃ LA ƑE AKPA AƉE!!!

Eyata ne alakpatɔ ma le yome na míadometɔ ɖeka la, Ŋugbetɔ la vana ɖe du tso xexea katã me eye míe XLÃNA NU NƐ GA XLÃNA NU NƐ kple Nya la.

Ne dɔlele va míadometɔ ɖeka dzi la, míewɔa ɖeka ɖe du he XLÃNA NU NƐ! Ne míadomtɔ ɖeka le dziɖeleameƒo ŋkɔ sem la, nukae míakatã wɔna? XLÃNA NU NƐ!

Míele Aƒe yim, Ŋugbetɔ. Game la su. Ŋugbetɔ La dzra Eɖokui ɖo vɔ xoxo. Míele Aɖakaʋu la me. Etu ʋɔtru la eye míele eme dedieɖe. Míele hagbe la sem na Ŋugbetɔ be wòava anɔ zɔ̃zɔ̃m esime wòanɔ ɖiɖim le agbaka la me be yeawɔ ɖeka kple Ŋugbetɔsrɔ̃ la.

Míanɔ míaƒe srɔ̃ɖemɔzɔ̃zɔ̃ me hena ƒe 1000, emegbe la míadzo kple míanɔewo kple Eyama yiɖe míaƒe Tsɔme Ƒe la me.

Migadae ƒu o, xɔ̃nyewo. Mɔnu ɖeka koe li si Mawu na heɖokpe dzi: NYAƑOKAWO. Enye Dzo Lilikpo si le nuƒom hele Eƒe Ŋugbetɔ la kplɔm.

Nukakee wɔm miele la, mide Gbe ma mia kple miaƒe ƒomea ŋkume Kɔsiɖa sia gbe. Xɔse vana tso nusese me, Nya la sese me, eye Nya vana na nyagblɔɖila la. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye Nyagblɔɖila na míaƒe ŋkeke si le nuƒom na Eƒe Ŋugbetɔ to Nyaƒokawo dzi.

Miawoezɔ̃ ne miawɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe awɔ ɖeka ɖe du anɔ Mawu sem, wokatã le game ɖeka dzi, wòanɔ nuƒom to Eƒe dɔla sesẽ dzi eye wòagblɔ nusianu na mí kuɖe: Dziƒo Ŋugbetɔsrɔ̃ Kple Anyigba Dzi Ŋugbetɔ La Ƒe Tsɔme Ƒe La 64-0802 ŋu.

Nɔvi. Joseph Branham

24-0407 Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ

Gbedasi: 64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ

PDF


BranhamTabernacle.org

Tometsi Vudo Me Nola Lɔlɔ̃tɔwo,

Ŋugbetɔ la magate ŋu nye ame ɖeka ma ke Ista ƒe Ŋkuɖoɖodzi kɔsiɖa nuwuwu sia si Aƒetɔ la na mí megbe o. Wotu míakatã ɖe xɔ me kple Eyama, le kadem henɔ Eyama subɔm kɔsiɖa ƒe nuwuwu la katã. Eƒe amegbɔnɔnɔ yɔ míaƒe aƒewo kple hameawo me fũ.

Míenɔ mɔkpɔkpɔ gãwo me alegbegbe. Míenyae be esia nye Aƒetɔ la ƒe Lɔlɔ̃nu na mí. Mawu nɔ dzadzraɖo wɔm be yeawɔ nane. Míetso ka le xexeame kple eƒe modzakaɖeɖewo gbɔ. Míewɔ ɖeka le xexea katã me le ɖekawɔwɔ me. Míenɔ anyi ɖe du le dziƒo nutowome, le míaɖokuiwo dzram ɖo esime Wòle NU ƑO ge KPLI MÍ le mɔ la dzi.

Míaƒe dziwo nɔ ɣli dom sesiẽ be, “Aƒetɔ, wɔm maɖi Wò wu. Dzram ɖo na Wò vava kpuie la. Nam Ɖeɖefia geɖe wu. Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe neyɔ nye ametia ƒe ka lẽ ɖe sia ɖe Dzro.”

Esime takpekpe ɖe sia ɖe dze egɔme la, míegblɔ le míaɖokuiwo me be, “Aleke wòate ŋu va mee? Mese Gbedeasi siawo nye agbea katã, gake azɔ la wokatã dze nuyeye, abe ɖee nyemese wo kpɔ gbeɖe tsã o ene “.

Ɖeɖefia si gbana go la gava míaƒe dziwo me ake…Eyae Wònye…EYA. Gbɔgbɔ Kɔkɔe Ŋutɔe Wònye le NUƑOM NA MÍ TẼ.

Menye nye o! Eya! Eyae nye Amea! Megblɔ na mi fifia ko be, nye ŋutilã ko Wòxɔ. Ɖeko Wòxɔ nye aɖe, xɔ nye ŋkuwo, elabena Enyae be megblẽwo ɖi na Ye, eyata ɖeko Wòva hena mewɔ ema. Eyata menye nyee o! Eyae Wònye! Ke menye nyee le egodo le afima kpli mi o, Eyae wònye le egodo le afima kpli mi. Eyae nye Tsitretsitsi kple Agbe la. Oo, Mawu, Mawu; mixɔe se. Oo, amewo: Mixɔ Eyama dzi se. Mixɔ Eyama dzi se. Ele afisia.

Ena mí Ɖeɖefia la be míanyae be NYAƑOKAWO nye Mawu ƒe Gbe si le nuƒom na mí egbea. Wonye Eƒe Nyawo, Eƒe Gbe…EƑE GBE, si wolé ɖi he DZRAƉOƉI alebe míate ŋu ƉOTO EYAMA wòagblɔ Agbe Mavɔ ƒe Nyawo na mí. Wonye Eƒe mɔ si wòta na Eƒe Ŋugbetɔ.

Enye Tome Tsi, fafa, si kɔ hele fiafiam hele fiafiam. Gawu míele nom la, gawu míedoa ɣli sesiẽ be, “Geɖe wu Aƒetɔ, GEƉE WU. Yɔ nye kplu la fũ Aƒetɔ, yɔe fũ Aƒetɔ”. Ke Ewɔe! Gawu míele nom la, GAWU WÒLE MÍANAM.

Emegbe la woɖe gblɔ be Satana kpɔ gege to Nyanyuie la ƒe ŋusẽ dzi.To Dziƒo Mawu Amesi ɖo hedɔ Eƒe dɔla be wòaɖe gbeƒã Nyanyuie la na mí dzi. To Mawu si Amesi ŋlɔ Nya hedɔ Eƒe Dɔla Amesi nɔ anyi be wòaɖo kpe Eƒe Nya dzi dzi. “Do go ɖa le amewo me, le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me”.

ELE BE abosam na do go ɖa le dɔlela ɖe sia ɖe, fukpela ɖe sia ɖe me. Azɔ Mawu ƒe ŋusẽ fɔ mí ɖe tsitre na lãmesẽ kple ŋusẽ ake.

Emegbe la, tso míaƒe dzi me ƒe gogloƒewo me ke la míegblɔ be:

Azɔ melɔ̃ xɔ Yesu Kristo, abe Mawu ƒe Vi si fɔ̃ ɖe tsitre ene, Enye nye Ɖela, Enye nye Fia, Enye nye Dɔyɔla. Mehaya azɔ. Mekpɔ ɖeɖe. Matso le afisia le agbe ƒe yeyewɔwɔ me, be mayi ɖawɔ nye nyuietɔ kekeake Amesi…na Eyama Amesi fɔ̃ ɖe tsitre ɖe tanye. Aleluya!”

Tome Tsi yenye esi nom míele gbe sia gbe. Eyae nye vudo ɖeka si tso Dziƒo tẽ si le sasram ɣesiaɣi. Ele eɖokui si. Efana hekɔna kokoko. Meƒaƒãna gbeɖe o. Enye Tsi gbagbewo si le trɔna edzi edzi, ɖena nu yeye aɖe fiana Ŋugbetɔ la ɣesiaɣi.

Efiana kokoko. Mehiã be míagbɔe o, atroe o, aʋuʋui o, alo age ɖe eme o. Mawu ƒe Agbetsi vudo wònye, eye míate ŋu abu nububu nono ŋuti o.

Míesea egbea be, “Míaƒe tsi yenye tsi nyuietɔ kekeake si miate ŋu no. Míetsɔe to míaƒe nutsyɔtsyɔ ɖoƒe 7 tɔ la me. Emegbe la míetsɔ tomenu siwo katã MÍETSYƆ DO la gbugbɔ ge ɖe tsi si míesusu be miehĩa be miagblɔ be tsi su mi.”

Ŋutikɔkɔe na Mawu, mele be míade míaɖokuiwo afɔku me alo akeɖi le nusi nom míele alo nusi wotsɔ kpee alo tsyɔ le me ŋu o. NUSIANU si míehĩa la le míaƒe Tsia me. Nusi wòle be míawɔ koe nye be MÍAZI PLAY aɖano tsi esime wòle kɔkɔm ɖi.

Akɔfafa kae nye esi be woano Tsi sia. Míele akpa to ge agbadroƒe geɖewo na míaƒe mɔ be míano le Eme ko, gake mehĩa be míawɔe o. Míekɔ Nɛ yia afisiafi si míeyina. Le míaƒe aƒewo me, le míaƒe hamewo me, le dɔ me, ne míele míaƒe ʋuwo kum, ne míele azɔlizɔm…MÍENONA, GA NONA, GANONA ƉE DZI.

O xexe, va no tsi tso Mawu ƒe Vudo si Wòna la me. Eyae nye teƒe ƉEKA si mele be miavɔ̃ agblɔ be, “Mele gbedom ɖa be Gbɔgbɔ Kɔkɔe nakpɔ tanye be nyemagano nane si mele be mano o.” NUA KATÃ NYE NYA DZADZE SI DZI WOƉO KPE SI LE SASRAM TSO DZIƑO ƑE VUDOWO ME.

Teƒe bubu aɖeke megali na Eƒe Ŋugbetɔ la be wòano tsi le o!

Va no tsi kpli mí le míaƒe Tometsi Vudo la me Kɔsiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ 64-0726E.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la sese:

Psalmowo 36:9
Yeremia 2:12-13
Yohanes Kɔkɔe 3:16
Nyaɖeɖefia Ta 13lia