Category Archives: Uncategorized

22-0918 Dziƒo Ŋugbetɔsrɔ̃ Kple Anyigba Dzi Ŋugbetɔ La Ƒe Tsɔme Ƒe La

Gbedasi: 64-0802 Dziƒo Ŋugbetɔsrɔ̃ Kple Anyigba Dzi Ŋugbetɔ La Ƒe Tsɔme Ƒe La


BranhamTabernacle.org

Nyagblɔɖila Ƒe Xɔlɔ̃ Lɔlɔ̃awo,

Nye dzi le fiafiam kple dzidzɔ ne mele susu bum kuɖe míawo si le ƒu ƒo ge ɖe du Kɔsiɖagbe sia be míase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na mí. Dzidzɔ gã wu aɖeke mele nye agbe me wu be manɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkume aɖase Eyama wòaƒo nu na Eƒe Ŋugbetɔ la, tso nuɣi me yi ɖe to me o.

Nububu aɖeke mele xexe sia me si hea dzidzɔkpɔkpɔ kple ŋutifafa va nam o, negbe Eƒe Nya la. Ne menya se, “Ŋdi Na Mi Xɔ̃nyewo,” ko la ɖeko menɔ anyi, hevona, henona tsi tso Agakpeme Tsivudo la me esime Wòle Agbe Mavɔ ƒe Nyawo nam. Be mabui be, Mawu dɔ eyama ɖo ɖe NYE KPLI WÒ, eye míenye XƆLƆ̃WO kple Mawu ƒe nyagblɔɖila kple gbedeasitsɔla la.

Elɔ̃a mí alegbegbe be Edɔ Eƒe nyagblɔɖila ɖo ɖe mí be wòagblɔ nu sia nu na mí kuɖe míaƒe Tsɔme Ƒe la ŋu. Ekpɔ dzidzɔ alegbegbe be yeagblɔ nu sia nu na mí kuɖe Eŋu, ŋutɔ gɔ hã le nɔnɔme deto me wu alesi wògblɔe na Yohanes. Eɖe fia mí, menye dzogoe ene ƒe dukɔ aɖe o, gake tohɔ ƒe dukɔ aɖe, afisi Alẽvi la anɔ ta me eye anye xexeame ƒe Kekeli le.

Ena míenya be wole mɔawo do ge kple sika eye aƒe siwo me míanɔ la anye ahũhɔ̃e sika tɔ. Ele nu sue ɖe sia ɖe wɔm tututu ko le míatɔ ŋu, nusi míalɔ̃ ko. Megblẽ naneke ɖi mawɔmawɔ o. Xɔtuɖaŋunyala Mawumetɔ la Tae na MÍ, Eƒe Lɔlɔ̃tɔwo ko.

Agbe ƒe atiawo Anɔ afima, eye woatse ku vovovo wuieve. Du la ƒe agbowo manɔ dodo le zã me o, elabena zã mele afima o, Anye míaƒe Kekeli.

Amekawoe le afima nɔ gee?

Amekawoe do go ɖe anyigba yeye la dzi kple nyagblɔɖila Noa ? Amesiwo ge ɖe eme kple eyama le aɖakaʋu la me ye. Esɔ gbea? Amesiwo do go zɔ edzi woe ma. Mikpɔea? Amesiwo ge ɖe eme kple Noa, to eƒe gbedeasi dzi, woenye amesiwo do go zɔ anyigba yeye la dzi le nyɔnyrɔ̃ le tsi me megbe.

Ele nuƒom na MÍ xɔ̃nyewo! Míele míaƒe egbe ƒe Aɖakaʋu la me; Eƒe Nya, Gbedeasi Sia, kple míaƒe nyagblɔɖila Noa la. Ke le go kemea le Anyigba ma dzi la, le Du ma me afisi Alẽvi la nye Kekeli le la, anya MÍ. Míenye eƒe dukɔ, eƒe dzonuwo le fiakuku la me. Míeva tso Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe, va Du si wotsu ɖe dzogoe ene dzi me. Du Ma si Abraham nɔ didim.

Esime mekpɔ Nya la le kpeɖom Eɖokui dzi la, menyae, ɖikeke ƒe vɔvɔ̃li aɖeke manɔmee be, nye fiakuku ƒe dzonuwo woaklẽ wu nu ɖe sia ɖe le xexeame, le Gbemagbe.

Ɖee míate ŋu adze eŋuti bubu ŋutɔ gɔ hã…Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ be, YENYAE, ɖikeke ƒe vɔvɔ̃li aɖeke manɔmee, be MÍ enye dzonuwo le eƒe fiakuku me, eye míaklẽ wu nu sia nu le xexeame gbemagbe. Aleluya… Ŋutikɔkɔe…Woakafu Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ.

Xɔ̃nyewo, ne míesusu be enyo fifia, esime míenɔ anyi ɖe du tso xexea katã me, le toɖom hele Eƒe Nya ɖum le nyaƒoka siawo me la, nukae wòanye ne míele Du ma me Kplii!

Mawu ƒe nyagblɔɖila anye míaƒe aƒelika si ate ɖe mía ŋu wu. Míaɖu nu tso ati mawo me kple eyama, eye míazɔ le mɔ mawo dzi ɖe du. Míalia sika mɔ mawo dzi ayi ɖe vudo la gbɔ, ano tsi tso vudo la me, azɔ ayi ɖe Mawu ƒe paradisowo me, kple Mawudɔlawo siwo anɔ agbasam le anyigba dzi, anɔ hawo dim.

Oo, Ŋkeke kae wòanyee!! Ehĩa míatɔ sinu ɖe sia ɖe. Mɔ la dze be esesẽ, ɣeaɖewoɣi la esesẽa, gake, oo, anye nu sue aɖe alegbegbe ne mekpɔ Eyama, sue alegbegbe. Nukae anye ŋkɔ baɖa kple nu siwo wogblɔ, nukae ema anye ne mekpɔ Eyama le Mawu ƒe Du nyakpɔ, nyakpɔ ma mee?

Xɔ̃nyewo, mele sɔsɔm nam be makpɔ, eye manɔ Du ma me o. Medi vevie be manɔ afima kple míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela, Eƒe nyagblɔɖila, kple miadometɔ ɖe sia ɖe.

Made Du nyakpɔ ma me kokoko
Nye Aƒetɔ dzrae ɖo ɖi na Etɔwo;
Afisi agbenɔɣi la ƒe Ɖeɖekpɔlawo katã
Dzia “Ŋutikɔkɔe!” le Fiazi Ɣi la ŋu.
Ɣeaɖewoɣi la Dziƒo yiyi dzro nam vevie,
Ke makpɔ eƒe ŋutikɔkɔewo le afima;
Dzidzɔ kae wòanye ne mekpɔ nye Ɖela,
Le sika Du nyakpɔ ma me!

Mele xexeame kpem be wòava tu mí, nyagblɔɖila ƒe xɔ̃lɔwo, esime míaƒoƒu ɖe du le Eƒe Fiazi la ŋu be míase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na mí le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Eyama wòagblɔ nu sia nu na mí ku ɖe : Dziƒo Ŋugbetɔsrɔ̃ Kple Anyigba Dzi Ŋugbetɔ La Ƒe Tsɔme Ƒe La 64-0802 ŋu. Mate ŋu ado ŋugbe na mi be, anye Ŋkuɖoɖodzi Ŋkeke le miaƒe agbe me.

Nɔvi. Joseph Branham

Mateo Kɔkɔe 19:28
Yohanes Kɔkɔe 14: 1-3
Efesotɔwo 1:10
Petro II 2:5-6 / Ta 3lia
Nyaɖeɖefia 2:7/ 6:14/ 21:1-14
Mose III 23:36
Yesaya Ta 4lia / 28:10 / 65:17-25
Maleaxi 3:6

22-0911 Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ

Gbedasi: 64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ

PDF

BranhamTabernacle.org

Agakpeme Tsivudo Nola Lɔlɔ̃awo,

Wometsa mí ɖe eŋu o, Nya ƒe kutsetse gɔmedzedzetɔ la ƒe akpa aɖe míenye. Gbɔgbɔ Kɔkɔe Ŋutɔ, na nua tsi, ɖo kpe edzi, heɖe Eɖokui ɖe go na mí. Míelɔ̃ xɔe le Eƒe blibodede me, le Eƒe kpeɖodzi kple Ɖeɖefia kuɖe nusi Wònye la ŋu ƒe ŋusẽ me, hezu Eƒe akpa aɖe. Ewu agbe na mí.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Ŋutɔ ƒo nu to nugo, bɔbɔ eɖokui madzemadze dzi hegblɔ be, “Nye Fiatikplɔ, Nye Nya, yenye esi Xɔe heyi ŋgɔ, eye tsɔ Gbedeasi la na.” Etsɔ Eƒe Nya la hetso mí ɖa, be yeawɔ mí Eƒe Ŋugbetɔ la.

Eɖefou na nunɔlawo be wokpɔ amewo le dzodzom ɖa le hameawo me hele yiyim le nyaƒokawo ƒom. Wogblɔ be, “Ne miadometɔ aɖe yi takpekpeawo me la, woanya mi do go, míaɖe mi do go ɖa le míaƒe ɖoɖowɔha me”.

Woƒe Ŋuɖoɖo yenye be: miate ŋu aɖe asi le mía ŋu fãa, míele dzodzom alekeke hã! Míele mɔzɔzɔ me kple Aƒetɔ Yesu, míaƒe Agakpe si woƒo la, hele mawudɔlawo ƒe Nuɖuɖu ɖum, Mana si wodzra ɖo ɖi tso dziƒo, hele tsi nom tso Agakpe la me. Mele be míaxa nu kuɖe nusi nom míele ŋu kpɔ gbeɖe o, Menye nububu aɖeke o negbe NYA DZADZE la.

Nyɔnyɔ̃ nɔa míasi kokoko si le edzi yim. Míaƒe Tsivudo le fiafiam ɖaa ɖaa ɖaa, ɖaa ɖaa ɖaa. Nuwuwu aɖeke meli Nɛ o. Tsi nono fafɛ, nyuie aɖe sua míasi ɣe sia ɣi si Míezia Play. Míeziɔ ɖe Eŋu eye míele agbenɔm le Edzi. Nu ɖeka si wòle be miawɔ la yenye be miade afima aɖano tsi.

Míele agbe le Tómetsi ma gbɔ gbesiagbe! Mele kpɔ gbeɖe be míahe, akudo, agbɔ tsi, alo nu ɖe sia ɖe o; mikpɔ gome le Eƒe mɔ si wòna me, vovotɔe ko. Miate ŋu atsɔ miaƒe nuɖoanyi ametɔwɔwɔeawo katã ne miedi fãa, miaƒe vudo ƒaƒã xoxoeawo katã; na míawo ya la, míeva Eƒe Tsivudo dzadze gbɔ. Míaƒe Dzidzɔ ye. Míaƒe Kekeli kple Ŋusẽ ye.

Enye Tsi si mano. Enye nye Agbe. Enye nye Gbedala. Eyae nye nye Ɖela. Enye nye Fia. Nusianu si ke hĩa nam la, mekpɔe le Eyama me. Nukaŋuti magadi be mayi nu bubu gbɔ mahã?

Na míawo ya la afi bubu aɖeke mele be míayi o negbe Tsivudo si Mawu na la gbɔ. Míexana nu kpɔ gbeɖe na nusi míano o. Míeɖoa ɖovuvu xoxoea ɖe si tsiɔna nu si ate ŋu ana nudzodzoewo nato eme va yi, gake agblẽ tsi ƒaƒã ɖi o. ƉEKO MÍEXƆA AGAKPEME TSI DZADZE LA KPLE TOMENUWO KATà KPLE NUNYIAME SIWO MÍEHĨA.

Ekaɖe edzi na mí be: Vinye suewo, migaxanu ake o, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpeɖodzinu akuakua le miasi. Miɖo kpe edzi Nam be miexɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se. Miexɔ Esia, TƆNYEE MIENYE. MÍELE ƉEKA. SRƆŊUTSU KPLE SRƆNYƆNU.

Míawo ta Megbɔna ɖo le ɣeyiɣi ɖeka me, le aɖabaƒoƒo ɖeka me. Mele Aƒe yeye aɖe dzram ɖo ɖi na mi. Mialɔ̃ Nye dɔwɔwɔ mamleawo. Menyae be esẽnu ɖe miadzi fifia ŋutɔ, eye mieɖo dodokpɔ kple tetekpɔ geɖewo eye miaƒe agbãwo kpe. Gake migaŋlɔ be o, naneke meli si ŋu miaxanu le o, metsɔ Nye Nya na mi. Nye Nya ye mienye. Mewɔ nu sia nu na mi vɔ. Miɖe Nya la gblɔ eye migakeɖi o. Mieɖo Nye xɔse, kɔ kpeɖe eŋu la Nye nyagblɔɖila na mi eƒe Xɔse.

Adzrom be miawɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, aɖase 64-0726E Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ, aɖano tsi tso Agakpeme Tsivudo la me esime wòle Nya Dzadze si mehiã nutsiɔnu aɖeke o fiam.

Nɔvi. Joseph Branham

Psalmowo 36:9
Yeremia 2:12-13
Yohanes Kɔkɔe 3:16
Nyaɖeɖefia Ta 13lia

22-0904 64-0726m Mide Dzesi Miaƒe Ŋkeke Kple Eƒe Gbedasi

Gbedasi: 64-0726M Mide Dzesi Miaƒe Ŋkeke Kple Eƒe Gbedasi


BranhamTabernacle.org

Ame Lɔlɔ̃awo Siwo Wolã Ɖa,

Medi be ame sia ame nanya nusita dzi le míadzɔm alegbegbe ɖo!

Míelɔ̃ xɔ Aƒetɔ la ƒe Nya. Nya si woɖe fia si woɖe gblɔ, to Mawu ƒe nyagblɔɖila Maleaxi 4 tɔ la dzi. Míenye Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la. Míawoe nye Amesiwo ti nuteƒewɔlawo na Eƒe Gbe si dzi woɖokpe la. Míawoe nye Amesiwo Wòna Adzagba xɔasi la, Eƒe Gbedeasi kple Eƒe gbedeasitsɔla ƒe Ɖeɖefia vavã la.

Mawu tsɔ Eƒe nyagblɔɖila ƒe Nya hetso Ŋugbetɔ aɖe si xɔa nya sue ɖe sia ɖe kple kakɛ ɖe sia ɖe dzi se. Elã mí ɖa abe alesi, wòdo ŋugbe be Yeawɔe ene. Míenye Mawu ƒe alẽwo, eye Mawu ƒe Gbe ɖeɖe ko míesena! “Nye alẽwo sea Nye Gbe,” esime míele Play Zim.

Míetso keke dua katã me; tso New York, tso Massachusetts, yi Boston, Maine, Tennessee, Georgia, Alabama, kple dua me ƒo xlã. Tso Afrika yi Mexico, Europa yi Australia, míele ƒuƒom ɖe du, le Gbedeasi Ɖeka, Gbe Ɖeka te, ke Ele Ŋugbetɔ la wɔm ɖeka hena Kɔkɔdzoe la.

Míaƒe nyagblɔɖila, Mawu ƒe gbedeasitsɔla, Amegbetɔ Vi la le Eɖokui ɖem fia le ŋutilã me, le ɣlidom be, “Satana, go ɖa le mɔ dzi nam, Fia la ƒe Gbedeasi le asinye. Menye Fia la ƒe Gbedeasitsɔla. Nya si dzi woɖo kpe na egbe la le asinye. Woɖom ɖi be mayɔ Eƒe Ŋugbetɔ la do go aɖakplɔe.”

“Mele dukɔ aɖe hem do go, le wokpam tso nusiawo me. Le wohem do go; be mafia wo, to Ŋɔŋlɔawo dzi, be Mawu le tsitre ɖe afisia; kple Dzo Lilikpo la ƒe kpeɖodzinu.”

Mawu de dzesi be amewo le anyigba dzi siwo Wòɖo ɖi na Agbe. Ede dzesi be ɣeyiɣia yenye esi be yeadɔ Yeƒe gbedeasitsɔla ɖo ɖa be wòayɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la do go, ekema Ewɔe. Míawoe nye Amesiwo de Dzesii. Míawoe nye Amesiwo Wònya be woaxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se.
Abraham de dzesi be Mawu nɔ nuƒom na ye le amegbetɔ ŋutilã me. Ede dzesi Eƒe dzesi heyɔ Eyama be A-Ƒ-E-T-Ɔ, Elohim, eye Aƒetɔ la yrae. Míede dzesi be abe alesi wònɔ le ŋkeke ma me la, nenema ke wòanɔ esime woanɔ Amegbetɔ Vi la ɖem ɖe go, Elohim, si anɔ nuƒom to amegbetɔ ƒe ŋutilã me.

Míenye Eyama, kple Eƒe Vi la ƒe akpa aɖe, eye míanɔ anyi kple Eyama yiɖe mavɔmavɔ. Menye to míaƒe yɔyɔ alo míaƒe tiatia dzi ye o, gake to Eƒe tiatia dzi ye. Míeɖo naneke awɔ le eme o. Eyae nye Amesi tia mí do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ke.

Meka alegbegbe nèɖea gbeƒã o, nukake wɔm nèle o la, mate ŋu atsi o, mate ŋu aɖe ɖe go o, womate ŋu aɖo kpe edzi o; negbe ko to Eyama Si gblɔ be, “Nyee nye xexeame ƒe Kekeli,” Nya la dzi. Eyata elebe Ŋusẽ aɖe nava, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Ŋutɔ, be wòana be nu natsi, alo be yeaɖo kpe edzi, alo aɖe fia, alo awɔ be nusi Wògblɔ ɖi la nava me le ŋkeke sia me. Fĩeɣi ŋɔli Kekeli lae wɔa numa. Ɣeyiɣi kae nye esi!

Ekpɔ mí le ŋutega me esime míeto eŋkume va yi. Míenɔ tsitrenɔƒe ɖeka ma ke si me Ŋugbetɔ la nɔ le gɔmedzedze me, Alfa kple Omega la. Enɔ ɖewo kpɔm wonɔ go dom le fli me, henɔ agbagba dzem be yeahe Eyama gbɔ va, gake míawoe nye amesiwo nɔ ɣli dom sesĩe be, “Míele dzudzɔm ɖe Edzi.”

Mide dzesi, “Abe alesi Yanes kple Yambre hã wotsitre ɖe Mose ŋu ene la,” ava me nenema tututu, woadometɔ aɖewo. Menye, azɔ, mele nuƒom kuɖe Metodistetɔ, Baptistetɔ ŋu, le afisia o; womele nɔnɔmetata la me o. Mikpɔea? “Gake abe alesi Yanes kple Yambre wotsitre ɖe Mose kple Aaron ŋu la, nenema ke woawo hã woawɔ; amesiwo ƒe susu gbe nu le Nyateƒe la gbɔ,” tro gbo yi ɖe hamea ƒe nuɖoanyiwo kple nufiafiawo me, le Biblia ƒe teƒe.

Aleke gbegbe elebe míakpɔ gbɔ nyuie ŋutɔ be míanɔ anyi kple Nya vavã, si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkeke la. Ele be míaɖo ŋku dzi ɣesiaɣi aɖade dzesi amesi Nya la vana na. Amekae nye Nya la ƒe gɔmeɖela mawumetɔ ɖeka si li laa? Amekae nye Nya la na míaƒe ŋkeke laa?

Mawu ƒe Gbɔgbɔ, si nye Mawu ƒe Nya la, “Nye Nya nye Gbɔgbɔ kple Agbe,” aɖo Ŋugbetɔ la Eƒe nɔƒe. Elabena, Ade dzesi Eƒe tsitrenɔƒe le Nya la me, ekema Ele Kristo me, aɖo Eyama Eƒe nɔƒe.

Wokpe wò be nàva se Mawu ƒe Gbe ɖeka si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkeke la, eye nàde dzesi wò tsitrenɔƒe le Nya me eye woaɖo wò nɔwòƒe esime míase Elohim wòaƒo nu to Eƒe nyagblɔɖila dzi eye wòahe Gbedeasi: Mide Dzesi Miaƒe Ŋkeke La Kple Eƒe Gbedeasi 64-0726M vɛ na mí, le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la:

Hosea: Ta 6
Xezekiel: Ta 37

Maleaxi: 3:1 / 4:5-6

Timoteo II: 3:1-9
Nyaɖeɖefia: Ta 11

Mawu, wɔ nyɔnyɔ̃ aɖe le menye. Na be manye nyɔnyɔ̃ la. Na míadometɔ ɖe sia ɖe nanye nyɔnyɔ̃. Wɔ nyɔnyɔ̃ le menye Wɔm, Aƒetɔ, be dɔ newum, nà be tsikɔ newum. Wɔ nusi, hĩam la le menye, Aƒetɔ. Wɔm be, tso gaƒoƒo sia dzi la, be manye tɔ Wò; dɔtsɔla si gatsɔ eɖokui na wu, dɔtsɔla si nyo ɖe dzi wu, si xɔ yayra tso gbɔ Wò wu; si ga ɖo nutete wu, si ga bɔbɔ eɖokui ɖe anyi wu, si ga nyo dɔme ɖe dzi wu; si le didim be yeaga wɔ dɔ wu; maganɔ nusiwo nyo la dim wu, aɖaŋlɔ nusiwo va yi la be, kple esiwo menyo o. Nà be masi du ayi ɖe Kristo ƒe yɔyɔ gã la gbɔ. Amen.

Bub. William Marrion Branham

22-0821 Kpẽwo Ƒe Azã

Gbedasi: 64-0719m Kpẽwo Ƒe Azã


BranhamTabernacle.org

Play Zizi Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a,

Kɔsiɖagbe sia Kɔsiɖagbe la míeƒoaƒu ɖe du hesea Subɔsubɔdɔ Gbagbe gãtɔ kekeake le xexeame ƒe ŋutinya me. Míele ŋutikɔkɔe kekeake ƒe ɣeyiɣi me tom esime míele godom ɖe du be míase Mawu ƒe Gbe! Yesu Wònye, Mawu ƒe Vi la, si le Eɖokui ɖem fia to Ŋɔŋlɔawo dzi, si le Ŋɔŋlɔ si woɖo ɖi va se ɖe egbe wɔm, abe alesi wònɔ le Eƒe ŋkeke me, kple ŋkeke bubuwo me be wòanɔ, AGBE. Ke be woaxɔ Edzi se, lae nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpeɖodzi.

Kpeɖodzi vavãtɔ la be Gbɔgbɔ Kɔkɔe le amesi la me eyae nye sɔleme dede Kɔsiɖagbe ɖe sia ɖe ko o; eyae nye be nàxɔe se be “Nyee nye Eyama,” Nya la na miaƒe ŋkeke. Nukae nye Nya la egbea? Mawu ƒe nyagblɔɖila yenye Nya la na egbe eye eyae wòle be wòagbugbɔ amewo va Nya la gbɔ, alebena Ŋugbetɔ nanya amesi nye Eƒe Srɔ̃ŋutsu la, anya Eƒe Zɔxɛ la, Nya si woɖe fia la.

Eŋutɔ ƒe agbe, eŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo, ɖea ŋkeke sia ƒe Nya fiana heɖoa kpe edzi.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe Wònye trɔ gbɔ va Hame la me ake; Kristo, Ŋutɔ, si woɖe fia le amegbetɔ ŋutilã me, le fĩeɣi ŋɔli, tututu ko abe alesi Wòdo ŋugbe be Yeawɔe ene. Menyae be ema ƒomevi ya tia gbɔgbɔ ɖe ƒo na wo vie, gake ele be miaxlẽ fliawo me aɖakpɔ ɖa, emae wɔa nɔnɔmetata si gbɔna la.

Míenye Abraham ƒe fia Ƒome, Ŋugbetɔ la. Dzesi mamle si Abraham kpɔ gbeɖe hafi vi si ƒe Ŋugbe wodo la va nye nuka? Mawu, le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me, si ate ŋu ade dzesi amewo ƒe susuwo. Ame ɖeka menye wuieve o, ame ɖeka.

Menya be ame geɖewo metsɔ ɖe le eme na ema o, gake menyae be esiae wònye. Menyae. Menye esime Mele egblɔm ta miele egblɔm ɖo; elabena me nyeŋutɔ gbɔnye wòtso o. Nye—nye susu menye nyeŋutɔ tɔnye o. Nukake Wònye si gblɔe nam la, ne Mele eteƒe o la, ekema mele eteƒe o. Gake nyemele egblɔm le ɖokuinye si o, mele egblɔm to nu si Amebubu gblɔ dzi ye. Amebubu ma lae nye Mawu si ƒo nu na mí hewɔ nusiawo si Wòwɔ la, heze, mikpɔea, eyata menya be ele eteƒe.

Míele Mawu ŋutɔ ƒe susu sem; menye ame aɖe ƒe susu o, gake Mawu tɔ. Míaƒe nyagblɔɖila yenye amesi ɖea Nya si woŋlɔ ɖi fiana.

Míese egɔme be nyaƒokawo ƒoƒo le miaƒe aƒewo me alo le miaƒe hameawo me la menye ame sia ame tɔ o, gake na míawo ya la, Eyae nye MƆNU ƉEKA la. Míelɔ̃a be míase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na mí teŋ. Míehĩa nyagɔmeɖeɖe alo nyaŋuɖeɖe aɖeke o; enye Mawu si le nuƒom to nuɣi dzi yi ɖe to me na mí.

Kɔsiɖagbe sia la míele Mawu se ge wòaƒo nu aɖagblɔ alesi Wòfia nukpɔkpɔ aɖe si do ŋgɔ kuɖe mía ŋu fia Eƒe nyagblɔɖila le go kemea dzi. Alesi gbegbe Ŋugbetɔ ma nɔ eyama kpɔm teŋ, nɔ nuƒom nɛ, eye míenɔ tsitre ɖe du kple eyama. Míenɔ zɔzɔm le blibodede me le Aƒetɔ la ƒe Ŋkume.

Emegbe la Mawu ƒo nu to Eƒe nyagblɔɖila dzi ga gblɔ nya ɖi zi ɖeka ake hegblɔ be:

Ameaɖewo woate ŋu anɔ dukɔawo me, le xexea katã me, si nyaƒoka sia ado go le woƒe aƒewo me alo hameawo me gɔ hã. Míele gbedom ɖa, Aƒetɔ, be esime takpekpe sia le edzi yim, le—le…alo wòle nyaƒoka sia ƒom la, alo tsitrenɔƒe kake mee míanɔ ɖewomahĩ, alo—alo nɔnɔme me la, Dziƒo ƒe Mawu gã la nede bubu míaƒe dziwo ƒe movevieɖoɖo ŋu ŋdi sia, eye wòayɔ dɔ hĩatɔwo, aɖana wo nusi hĩawo.

Ne nèle Nyaƒokawo sem, hehɔe se be Enye Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke la, ekema nukake nàte ŋu ahĩa la, Mawu anɔ nuƒom to Eƒe gbedeasitsɔla dzi aɖagblɔ be, “Na wo nukake ye wohĩa.”

Ema ate ŋu ava me negbe to PLAY ZIZI dzi ko xɔ̃nye.
Ne nèdi be yease Mawu wòaƒo nu aɖaɖe Eŋutɔ ƒe Nya gɔme, wòaɖe Eɖokui fia to amegbetɔ ƒe ŋutilã me, eye nàxɔ nukake nèhĩa la, va tu mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Mawu wòaƒo nu na mí esime míase: Kpẽwo Ƒe Azã 64-0719M.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la sese:
Mose III 16
Mose III 23:23-27
Yesaya 18:1-3
Yesaya 27: 12-13
Nyaɖeɖefia 10:1-7
Nyaɖeɖefia 9:13-14
Nyaɖeɖefia 17:8

22-0814 Aɖaŋudɔwɔwɔ

Gbedasi: 64-0705 Aɖaŋudɔwɔwɔ


BranhamTabernacle.org

Aɖaŋudɔwɔwɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Aleke mate ŋu aŋlɔ nu esime nyemaɖo ŋku nusi míaƒe pastɔ gblɔ kuɖe míadometɔ ɖe sia ɖe ŋu Kɔsiɖagbe si va yi dzi o?

Gake be manya be afika ke mate ŋu ayi la…Nyemeɖo ha—hatsotso aɖeke le anyigba dzi, si ŋu menya nu kuɖo, si léa ɖe ŋunye abe hatsotso sia ene o. Mawu neɖemɔ be—be míanɔ kplikplikpli alegbegbe, bena, le Fiaɖuƒe si gbɔna la me, be míanɔ afima ɖe du dzro; yenye nye gbedodoɖa.

Hatsotso aɖeke meli le anyigba dzi si léa ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖila, kple Gbedeasi si Mawu ɖe gblɔ le nyaƒokawo dzi ŋu, abe míawo ene o. Ke esi míele ewɔm ta la, míanɔ kplikplikpli le Fiaɖuƒe yeye ma me kple eyama kpakple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo. Ɖeko menyo na ɖe dzi wu ema o!

Esiawoe nye míaƒe agbewo ƒe ŋkeke gãtɔwo kekeake. Míekpɔ kɔɖiɖi deblibo be míenye bometsila na Kristo kple Eƒe nuwuɣi Gbedeasi la. Be woayɔ mí be skul elabena míexɔa Nya ɖe sia ɖe le nyaƒoka mawo dzi hegblɔa be, MIZI PLAY.

Míenye Hame Ɖeka la kple Ɖeka ko me tɔwo. Míege ɖe Eme ye o, wodzi mí le Eme ye. Kɔsiɖa ɖe sia ɖe la míevana ɖe du tso xexea katã me hewɔa lɔlɔ̃ na Kristo hegblɔna be, “Oo, le melɔ̃ ‘Yesu!””

Míate ŋu anye skul na xexeame, gake Fofo la na mí Ɖeɖefia la kuɖe Eɖokui ŋu le míaƒe ŋkeke me, Mawu si ŋu ŋutigbalẽ le, ke Ehe mí, Eƒe Ŋugbetɔ la, va Eyama gbɔ.

Ɖeko míelɔ̃a alesi gbegbe Wòle gblɔe, gake le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me la, alesi gbegbe Wòhe de toe. Gake edze be Ɖeɖefia nasu asiwò be Nàkpɔe, ke ESU MÍASI.

Eɣla Eɖokui ɖe agbetɔ ƒe nutsyɔnu me, le Eƒe Hame la me, le Eɖokui ɖem fia to miaƒe xɔse kple nye xɔse dzi, ɖe du, le ƒuƒom ɖe du, le Mawu ƒe nu ɖeka zum. Nyemateŋu awɔ naneke miawo manɔmee o; miateŋu awɔ naneke nye manɔmee o; nenema ke míateŋu awɔ naneke Mawu manɔmee o. Eyata, ɖe du la ezua nu ɖeka la, katsatsa la. Mawu dɔm ɖo ɖe taɖodzinu la ta; miexɔe se; ke yenye ma dzɔ. Ye koe nye ema, mikpɔea, woɖo kpe dzi wòde blibo.

Míele abe amesiwo le zɔzɔm le mɔdzi tso Emmaus ene gbe ma gbe. Míeɖo to Eyama wòƒo nu na mí le ŋkekea katã me. Emegbe míekpe Eyama va míaƒe aƒewo me alebena míateŋu ado ʋɔtru la le eme kple Eyama ɖeɖe ko. Emegbe la Ewɔa nane si Eya ɖeka ko Ate ŋu awɔ, egbã Agbe Mavɔ ƒe Abolo la. Míede dzesi Eyama enumake. Emegbe la miegblɔ be, ɖe míaƒe dziwo menɔ bibim le míame esime Wòƒo nu na mí le mɔadzi yina oa.

Kɔsiɖa ɖe sia ɖe la míeƒoaƒu kple mɔkpɔkpɔ gã aɖe, le míaɖokuiwo biam se be, “Nuka gblɔ ge wòala na mí aɖaɖefia mí kɔsiɖa sia.” Míele numegbewo ma ge kple míanɔewo aɖaƒonu kuɖe eŋu le kɔsiɖa katã me. “Ɖee mieɖo to Eyama esime Wògblɔ be”:

“Exɔ ƒe akpe ene nam be mawɔ Nye Aɖaŋudɔwɔwɔ la; gake fifia la; gake azɔ kloe la ƒe akpe eve woenye esi esime Mele Aɖaŋudɔwɔwɔ bubu aɖe wɔm, Mi, Nye Ŋugbetɔ la. Mewɔe to Eƒe mɔnu si metrɔna gbeɖe o dzi, mɔnu si dzi tututu Meto wɔ Nye Aɖaŋudɔwɔwɔ gbã la dzi, Nye Nya la. Nenemae Mewɔ Nye Aɖaŋudɔwɔwɔwo, elabena miate ŋu anye Aɖaŋudɔwɔwɔ deblibo ko ne wònye Nya deblibo la.”

Nɔvinyeŋutsu, megabu susu baɖa le esia ŋu o, gake bu susu miniti ɖeka. Ne Wòɖe nu tso Eyama me, gɔmedzedze nuwɔwɔ la, be yeatsɔ wɔ Ŋugbetɔ aɖe na Eyama, Mewɔ nuwɔwɔ bubu aɖe kpɔ gbeɖe o. Ekema, ne Wònye Nya la, nukae wòdze be Ŋugbetɔ la nanye mahã? Edze be wòanye Nya gɔmedzetɔ la, le Mawu ƒe agbenɔm le Nya la me.

Nuɖuɖu ƒe yubili ƒe nyae gblɔm nèlea. Míenye nuwɔwɔ gɔmedzedzetɔ la ƒe akpa aɖe. Míenye Nya gɔmedzedzetɔ la ƒe akpa aɖe. Mawu le agbe le mía me. Míenye Eƒe Aɖaŋudɔwɔwɔ. Míenye hatsotso si léna ɖe Eƒe Nyagblɔɖila ŋu. Míele kplikplikpli kple Eƒe nyagblɔɖila kpakple Aƒetɔ Yesu Kristo. Míele ƉEKA kple Eyama.

Ne wò hã nèdi be wò dzi nabi le wò me abe alesi wòle ewɔm le mía me la, va tu mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe ava ƒoƒu eye Wòakpe Eyama va míaƒe aƒewo me, kple míaƒe hameawo me, esime míele toɖo ge Mawu wòaƒo nu aɖaɖe Agbe Mavɔ Nyawo fia mí, esime Wòatsɔ Gbedeasi: Aɖaŋudɔwɔwɔ La 64-0705 vɛ na mí.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:
Yesaya 53:1-12
Maleaxi 3:6
Mateo Kɔkɔe 24:24
Marko Kɔkɔe 9:7
Yohanes Kɔkɔe 12:24/ 14:19

22-0807 Ame Tovovo La

Gbedasi: 64-0614e Ame Tovovo La


BranhamTabernacle.org

Shekina ƒe Ŋutikɔkɔe ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a,

Alegbegbe wokɔ míaƒe dziwo kple luʋɔwo ɖe dzi yi kɔkɔƒe yeyewo esi míeƒo ƒu tso xexea katã me, nɔ to ɖom Mawu ƒe Gbe si le nu ƒom to Eƒe gɔla dzi eye wògaka ɖe edzi na mí ake, amesiwo míenye.

Etsyɔa Eɖokui dzi egbea, le anyizewo me, kple Shekina la. Gota la le abe mimlila kɔkɔewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ene, nyogbalẽ xoxoewo, gake eme la ɣla Shekinah Ŋutikɔkɔe la.

Ŋutikɔkɔe na Mawu! Shekina Ŋutikɔkɔe la ɣla ɖe mía me. Míeyi nutsyɔnu la godo eye míate ŋu akpɔ Kristo le gaglagbe.

Egbea la, Mawu mele nu wɔm le amegbetɔ me o, ke boŋ ele nu wɔm to amegbetɔ dzi. Enɔ nu wɔm le Ame aɖe me ɣemaɣi, si nye Yesu. Fifia, Ele nu wɔm to amegbetɔ si Wo òtia na taɖodzinu sia dzi. Mawu, le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me; Etrɔ Eɖokui tso Mawu ƒe nɔnɔme me, va zu amegbetɔ ƒe nɔnɔme.

Mawu Ŋutɔ dze le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me, na Abraham ƒe dzɔdzɔme nuku la, hafi tsɔtsrɔ̃ la va, eye Yesu gblɔ be anye nu ma ke na fiaƒome Nuku sia hafi Vi si ŋugbe wodo la natrɔ ava.

Mawu gadze le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me ake, abe alesi Wòdo ŋugbe be Yeawɔe ene. Enye Mawu si woɣla ɖe ŋutilã ƒe nutsyɔnu aɖe me si ŋkɔ nye William Marrion Branham. Negbe ɖe nèyi ɖe xɔmetsovɔ ma megbe eye nèkpɔ Mawu, ke menye amegbetɔ o la, Mawu ƒe ɖoɖo bliboa to ŋuwò.

Ame aɖewo gblɔna be, “Mi amewo wɔ Nɔviŋutsu Branham mawu”. Enyo, míesusu be duƒuƒu ma ƒomevi nyo. Míenya be ɖeko wole agbagba dzem be yewoaɖe ɖeklemi mí. Míenya be míewɔ nenema o. Gake míenya hã be womese egɔme o, elabena wole ŋutigbalẽa ƒe akpa kemɛ, womeva nutsyɔnu megbe o.

Míate ŋu agblɔe eme kɔ be, “Enyo, ema mele adzɔge boo tso Mawu ƒe Nya la gbɔ o Ðe?” Ðeko míedi be míana woanya be míebu o. Míenya afisi míele tsitre ɖo. Míenya tɔdziʋu siwo ƒomevi míeɖo, kple ya si ƒomevi le míaƒom. Míenya nusi míaƒe kawo nye, kple nusi míaƒe skul la nye. Eye míenya alesi míele tsitre ɖo.

Woɖe Mawu ɖe go le xexeame la, Eɣla Eɖokui ɖe nutsyɔnu aɖe megbe, le Ame aɖe si woyɔna be Yesu ƒe ŋutigbalẽ megbe. Wotsyɔ nu edzi heɣla Eɖokui ɖe ame aɖe si woyɔna be Mose ƒe ŋutigbalẽ megbe, eye wonye mawuwo, ke menye Mawuwo o; gake wonye Mawu, Mawu ɖeka la, ɖeko wòtrɔa Eƒe amemo, hele nu ɖeka ma ke wɔm ɣesiaɣi, hetsɔa Nya sia vɛ.

Wotsɔ ka bla mí ɖe Nya la, Gbedeasi la kple gaƒoƒoa ƒe nyagblɔɖila ŋu, eye wòle míahem to eme hele míakplɔm yi míaƒe Dziƒo ƒe Aƒe la me. Míenye ame tovovowo na xexeame, gake Mawu dɔ Skul aɖe ɖe mí si le Eƒe Ŋugbetɔ hem tso zitɔtɔ sia me, yi ɖe Mawu ƒe Anyinɔnɔ me. Míenye Nya-ka ƒe skul.

Mawu, kple ŋutigbalẽ le Eŋu! Ateŋu aɖi abe skul ene, na xexeame, gake ele amewo katã hem va Eyama gbɔ.

Gbedeasi siae nye Mana si tso Dziƒo, xɔsetɔwo ƒe Nuɖuɖu si nye míawo ɖeɖeko tɔ, eye Ele Eƒe Ŋugbetɔ hem va Eyama gbɔ. Shekina ƒe Ŋutikɔkɔe, si le Abolo la dzi la, na be megblẽ o.

Mawu na Mɔ aɖe na egbea, Gbedeasi sia kple Eƒe gbedeasitsɔla; Mawu tsɔ lãgbalẽ tsyɔ edzi. Fifia Mawu si ɣla Eɖokui ɖe mía me, Eƒe Ŋugbetɔ la, ye ate ŋu aɖu Mawu ƒe Gbe dzadzɛ si dzi Dzo Lilikpo la ɖo kpe la ko.

Míetsi tre ɖe subɔsubɔdɔ atɔ̃ ŋu o, Mawu megadzro o, Mawu yɔ wo be woasubɔ. Wole ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le wo kplɔm la yome tim hele ewɔm. Ðeko míele ewɔm abe alesi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le míakplɔm be míawɔe ene eye wòle míakplɔm hele mɔ fiam mí be míanɔ nyaƒokawo ɖeɖeko gbɔ.

Eyata, azɔ, miɖo to Nya ɖe sia ɖe. Milée. Eye—eye ne miele Etsɔm le nyaƒokawo dzi, alo nane dzi la, ekema mietsi tre ɖe nyaƒoka ma ŋu Nufiafia. Migagblɔ nya aɖeke o negbe nusi nyaƒoka ma gblɔ ko. Ðeko nàgblɔ nya si tututu nyaƒoka la gblɔ.

Le mía gome la, MƆ SI MÍATO ASE : “NYA ÐE SIA ÐE,” “NANEKE O NEGBE NUSI NYAƑOKAWO GBLƆNA,” “NUSI NYAƑOKAWO GBLƆNA TUTUTU,” KO LA YENYE BE MÍAZI PLAY AƉASE NYAƑOKAWO.

Eyata míele kpewòm be nàva se nusi tututu nyaƒokawo gblɔ le Kwasiɖagbe le ŋdɔ ga 12:00 me, Jeffersonville ƒe game dzi, eye nàzu Ame Tovovo La kpli mí esi míele Gbedasi: Ame Tovovo La 64-0614E se ge.

Nɔvi. Joseph Branham

Korintotɔwo I 1:18-25
Korintotɔwo II 12:11

22-0731 Nukoklo Le Mawu Ŋu

Gbedasi: 64-0614M Nukoklo Le Mawu Ŋu

PDF


BranhamTabernacle.org

Nya Lɔlɔ̃a Si Woŋlɔ La,

Kɔsiɖa ɖe sia ɖe zua gã ɖe gã dzi. Kɔsiɖagbe la, gomekpɔkpɔ su míasi be míakpɔ, aɖatso nya me, NUKAE MÍEKPƆ MAHÃ? Ɖee míekpɔ mawunyagblɔla aɖea, O! Ɖee míekpɔ míaƒe kplɔlaa, O! Esime míekpɔ amegbetɔ ƒe nutsyɔnua godo la míekpɔ Yesu Kristo si le Eɖokui ɖem fia hele Eɖokui ɖem ɖe go.

Esime míele toɖom nyaƒoka mawo esime wole vavam la, Eme kɔ wu hegakɔ wu, ne to le miasi be miase nu eye ŋkuwo le miasi be miakpɔ nu. Míele Mawu kpɔm le gãa azɔ. Wodze nutsyɔnu la, míele Mawu kpɔm wòle tsitre gãa le mía ŋkume. Dzo Lilikpo la le Eɖokui ɖem ɖe go le gaglagbe.

Egbã ŋku na ame aɖewo, gake na míawo ya la, Eɖe Nyateƒe la fia mí. Mawu kɔ Eƒe gbedeasitsɔla ŋuti le mía ŋkume, tututu abe alesi Wòwɔe na Mose ene.

Miegale nutsyɔnu ma godo ake o, vi suewo, Mawu va le gaglagbe na mi keŋkeŋ azɔ.

Nukae wònye? Mawunyenye si ŋu wotsyɔnu le amegbetɔ ŋutilã me. Mawu, le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me, le Eɖokui ɣlam le woƒe ŋkume. Ame ko kpɔm woteŋu le hele gbɔgblɔm be Mawu ƒe nyagblɔɖila wɔa vodadawo, eya ŋutɔ hã gblɔe nenemae, hele agbagba dzem be yewoafia amewo be vodadawo le nyaƒokawo dzi. Gake na mí, Eƒe Ŋugbetɔ si Woɖo ɖi la, míele ekpɔm eye míele Mawu sem ke vodada aɖeke meli o.

Ame ɖeka kpɔ amegbetɔ, ke ame evelia ya kpɔ Mawu. Mikpɔea? Ke enye Mawu si ɣla ɖe amegbetɔ me, nusi wɔe be woa kple eve la tɔ dzɔ, gake wò xɔse le nusi kpɔm mèle o la me lae.

Na míawo ya la, míaxɔ se eye míadze Mawu ƒe nyagblɔɖila si dzi woɖokpe ƒe vodadawo yome, ne eɖe li, hafi míava tsɔ aɖaxɔ woƒe Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi dzi ase.

Mele be Mose na ƒo Agakpe la zi evelia o. Gbɔgbɔ ma ke agblɔ le ŋkeke ma me be ɖe, “Mikpɔ, Mose wɔa vodada.” Gake tsi la do alekeke hã, eye ne mieno tsi tso nusi yɔm miele be Mose ƒe vodada me o la, mieku. Nenema ke wòle egbea. Nyatsɔɖeamenuawo sɔ gbɔ akpa.

Nya la nɔ Mose si. Azɔ miɖo ŋku dzi, esime woɖe Nya la ɖe go vɔ la, Mose ga nye Mose ake. Mikpɔea? Gake esime Nya ma nɔ eyama me be wòaɖe do go la, enye Mawu; enyo, meganye Mose ake o.

Nya la nɔ Nɔviŋutsu Branham si. Esime woɖe Nya la ɖe go vɔ la, Nɔviŋutsu Branham ganye Nɔviŋutsu Branham, gake esime Nya ma nɔ eyama me be wòaɖe do go na amewo ɖe nyaƒoka dzi la, enye Mawu; menye Nɔviŋutsu Branham o. Alea míele esrɔ̃m be, nusiwo le nyaƒokawo dzi la nye Mawu ƒe Nyawo, eye vodada aɖeke mele Mawu ƒe Nyawo me o.

Meɖe ko míexɔ Nɛ sena o, gake míenɔa Eƒe agbe. Ne woame susɔeawo katã zɔ dzo ɖa le Egbɔ la, míenɔa anyi Kplii! Míexɔ Nɛ sena! Meka nusi ame bubu aɖe le wɔwɔm alo le gbɔgblɔm o la, míexɔ Nɛ sena eye míeɖea zɔ ɖe dzi. Ne mewɔnɛ o la, ekema Mexɔe se o.

Nenema ke gblɔm mele, le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me be: migatsɔ nu ɖeka kpe o, migaɖe, migade miaŋutɔwo ƒe tamesusuwo Eme o, miawo la migblɔ nusi wogblɔ le nyaƒokamawo dzi ko, miawo la miwɔ nusi tututu Aƒetɔ Mawu de se na mi be miawɔ; migatsɔ Kpee o!

Mizi play eye mixɔ NYA ƉE SIA ƉE dzi se abe alesi Mawu de se na mí be míawɔ ene. Mawu Wònye le nuƒom tso nuɣi me ɖe to me na Eƒe Ŋugbetɔ la.

Mawu gatsyɔ̃ nu ake heɖo kpe Mose dzi, to nutsyɔnu la dzi, esi wòtsyɔ̃ nu Eɖokui kpakple Dzo ɖeka ma ke, Dzo Lilikpo ma kee ɖi va. Tso—tso ɣemaɣi la…Tso wo gbɔ, ale be Mawu ƒe Nya ɖeɖe ko woate ŋu ase. Mise gɔmea? Nya la ɖeɖe ko, wose Eƒe Gbe. Elabena, na woawo la, Mose nye Nya gbagbe la.

Mawu metrɔna, eye Mateŋu, atrɔ Eƒe ɖoɖo la o. Enye Yesu Kristo eyama ke etsɔ, egbe yiɖe mavɔmavɔ me. Alea la, na míawo ya la, Eƒe nyagblɔɖila si dzi woɖokpe, William Marrion Branham la nye míaƒe Mawu ƒe Gbe, kple Nya Gbagbe la na míaƒe ŋkeke.

Azɔ meganye Nya si woŋlɔ la ko wònye na mí o, ke boŋ ezu nu vavã. Míele Eyama me. Azɔ míele gome kpɔm. Azɔ míekpɔ Eyama. Azɔ míekpɔ Eyama, Nya la, si le Eɖokui ɖem ɖe go. Woɣlae, le afima, elabena (nuka?) Eɣla ɖe amegbetɔ ƒe ŋutilã me. Mikpɔea?

Meka nusi ye o la, womele Ekpɔm o. Nukata? Womedɔe ɖo ɖe wo o.

Le esime miele Ekpɔm ta la, ɖee miele gbesɔsɔ be yewoase Eyama wòagagblɔ AMESI MIENYE na mi zi ɖeka akea? Ne Wòle nu kpɔm tso Ŋutikɔkɔe ƒe ametakpɔgli sesẽawo dzi hele miakpɔm la, ameka Wòkpɔna mahã?

•Mele Nya si woɖe ɖe go kpɔm. Nusi Wògblɔ be Yeawɔ le ŋkeke mamlea siawo me la, mekpɔ wole tsitsim. Mekpɔ ɖevi siwo le Shekina ƒe Abolo la ɖum tso Nya ma ƒe tsitsi me, esiwo le Exɔm le sesem. Amen!

•Emegbe la miezu Eyama ƒe akpa aɖe, esime miawoe nye nutsyɔnu si tsyɔ Eyama dzi. Mienye Eyama ƒe akpa aɖe, zi geɖe alesi Kristo le miame, abe alesi Kristo nɔ Mawu me ene. Elabena Mawu nɔ Eyama me, wɔ Eyama Mawu. Eye esime Kristo le miame, Ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la, miezu Kristo ƒe akpa aɖe.

• “Miawo,” Egblɔ be, “mienye agbalẽŋɔŋlɔwo,” alo la, “mienye Nya la, si woŋlɔ, si ɖe ɖe go,”_womate ŋu atsɔ naneke Akpee o. Màte ŋu agblɔ be, “Menye agbalẽŋɔŋlɔ,” evɔ anɔ agbe bubu ƒomevi si menye esi Esia ŋlɔ daɖi xoxo la o, elabena womate ŋu atsɔ naneke akpee alo aɖee le me o.

Woakafu Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ. ELE MÍAKPƆM. MÍELE EKPƆM. Míenye Eƒe Nya si woɖe ɖe go egbea.

Va tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Mawu anɔ tsitre le ŋkume na mí; Dzo Lilikpo la si wotsɔ amegbetɔ ŋutilã tsyɔ, eye wòaɖe Nya si dzi wòle be míanɔ agbe ɖo le ŋkeke sia me gblɔ na mí. Enye Shekina ƒe Ŋutikɔkɔe si na míele tsitsim. Ŋkumeɖobolo na xɔsetɔ la.

Nukoklo Le Mawu Ŋu 64-0614M

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la sese:

Mateo 24:24
Luka Kɔkɔe 17:28-29
Yohanes Kɔkɔe 14:14
Korintotɔwo I 12:13
Korintotɔwo II 3:6 – Korintotɔwo Il 4:3
Filipitɔwo 2:1-8
Timoteo I 3:16
Hebritɔwo 13:8
Nyaɖeɖefia 10:7 & 19:13
Mose II ta 19 & 20
Yoel 2:28
Maleaxi 4:5

22-0724 Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu

Gbedasi: 63-1229E Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu


BranhamTabernacle.org

Kekeli Lɔlɔ̃awo Siwo Woɖe Ɖe Go,

Mina míakatã míaƒoƒu ɖe du aɖase Gbedeasi 63-1229E Miɖe Ŋku Kpɔ Yesu Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game.

Nɔviŋutsu Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ le dzadzraɖo me na mawunya la sese:

Mose IV 21:5-19

Yesaya 45:22

Zaxarya 12:10

Yohanes Kɔkɔe 14:12

22-0717 Ame Aɖe Le Afisia Si Ate Ŋu Asi Dzo La

Gbedasi: 63-1229M Ame Aɖe Le Afisia Si Ate ŋu Asi Dzo La


BranhamTabernacle.org

Yesu Kristo Ƒe Dzedzeme Lɔlɔ̃tɔ,

Abe alesi ŋutsuvi sue si kpɔ ahuhɔ̃ea me ene eye mede dzesi be yenɔ yeɖokui kpɔm o la, azɔ míele Mawu ƒe Ahuhɔ̃e me kpɔm, Eƒe Nya la, eye míele dzesi deme be, FOFO, NYEE MA, menye Wò Nya la ƒe dzedzeme. Menye Wò Nya si woɖe ɖe go. Xɔsetɔ ye menye, menye Wò Ŋugbetɔ!

Gbedeasi ɖe sia ɖe si míesena la kɔa míaƒe Xɔse yia kɔkɔƒe yeyewo. Egblɔ na mí be edze be míanɔ hatsotso etɔ̃ siawo ƒe dometɔ ɖeka me: Xɔsetɔwo, ame wɔ woɖokui xɔsetɔwo alo dzimaxɔsetɔwo. Esime míekpɔ Eƒe ahuhɔ̃e me la míedo ɣli be, “Mele ekpɔm, ɖikeke ƒe vɔvɔ̃li aɖeke manɔmee be, míenye Xɔsetɔwo. Elabena Xɔsetɔ ɖeka koe ate ŋu axɔ nuŋɔŋlɔ ɖe sia ɖe kple nyati ɖe sia ɖe dzi ase; FOFO, NYEE.”

Naneke meli si ate ŋu aɖikɔ na mí aɖana mí Agbe o negbe Mawu ƒe Nya si woɖe gblɔ ɖe nyaƒoka dzi. Mɔ ma ɖeka dzi ko Agbe ate ŋu ato ava, to Eƒe Nya si woɖe gblɔ, Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke la dzi.

Midzra ɖo, geɖe wu gbɔna Kɔsiɖagbe sia, Siamlɔm 17, ƒe 2022. Amea ɖe le afisia si le Dzo la si ge, eye ne Ewɔe la, míakatã ƒe gbewo me ahe le ɣlidodo kple aƒadodo sesĩe be Amen, Aleluya, Woakafu Aƒetɔ la Ƒe Ŋkɔ, Ŋutikɔkɔe na Mawu ta, elabena Mawu Ŋutɔ ye anɔ nuƒom na mí teŋ aɖaɖe Eƒe Nya fia mí awu.

Abe alesi ŋdɔkutsu ma ke, si le keklẽm egbe la, ana bena nuku la naɖi hena nuŋeŋe la le Siamlɔm me ene. Mikpɔ nusi gblɔm mele la? Gake egbe ƒe Kekeli la mawɔ nyuie aɖeke le megbe le afima le Siamlɔm me o. Esẽnu wu. Lu la de ŋgɔ wu; ele klalo be Yeaxɔe. Amen. Kakaɖedzitɔe la nenema wòle.

Nuŋeŋe la tsi! Míede ŋgɔ wu hele klalo wu be Míaxɔe. Yesu ɖo nuɖukplɔ̃, afisi wonyia Mawu ƒe amekɔkɔeawo le kple ŋkeke la ƒe Nuɖuɖu si ɖi. Nyanyuie la ƒe Kekeli le kpeɖom edzi hele efiam bena Ele afisia egbea kpli mí. Ame kɔkɔewo le gbɔgbɔme Nuɖuɖu si wodzraɖo ɖi la ɖum, hele dzadzram ɖo hena Kɔkɔdzoe.

Ne míaƒe Pastɔ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le nuƒom to Eƒe nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe dzi la, trɔ asi le dzosimɔ̃ ma ŋu hesi Ɖeɖefia ƒe kekeli la, Agblɔ amesi Wònye le míaƒe ŋkeke me la na mí ko. Ado ɣli aɖana mí toklã be, mekpɔmɔ be miele alɔ̃ dɔm o ɖe.

Noa nye Kekeli le eƒe ŋkeke me. Mose nye eƒe gaƒoƒo la ƒe Kekeli, azɔ medɔ nyagblɔɖila sesẽ aɖe ɖo ɖe wò le wò ŋkeke me eye mele Nye Nya si ƒe ŋugbe medo la ɖem ɖe go. Enye Mawu ƒe Nya si woɖe ɖe go le wò ŋkeke me. Eyae nye egbe ƒe Kekeli la.

Esime Menɔ afisia le anyigba dzi le ŋutilã me zi mamlɛtɔ la, Metsɔ ƒo ƒe abolo atɔ̃ gbãtɔawo eye medze aboloawo ŋeŋe gɔme. Mewɔ abolo tso gbãtɔa me eye wòna nuɖuɖu ame akpe atɔ̃.

Emegbe la Metsɔ tɔmelã ɖeka, eye tso tɔmelã ma dzi la, mewɔ tɔmelã bubu gawɔ tɔmelã bubu ake, henyi ame akpe atɔ̃.

Gake le wò ŋkeke me la, naneke menɔ Asinye o. Ɖeko meƒo nu hegblɔ be, “Gblɔe anɔ afima,” eye wònɔ afima, naneke manɔmee. Kadzidɔe menɔ asinye kpɔ o; ɖeke menɔ afima o. Ɖeko Megblɔ be, “Nedo,” eye wòdo. Nye Nya medana ƒu o, eye elebe wòava me.

Abe Israel viwo ene, esime wonɔ woƒe mɔzɔzɔ me la, wonɔ mana yeye ɖum gbe sia gbe. Wonɔ zɔzɔm le Dzo Lilikpo ƒe Kekeli me. Dzo Lilikpo ma nye Yesu Kristo.

Egbe la Egali kpli mí ake, Dzo Lilikpo ma ake, le numawo ke si Wòwɔ wɔm esime Wònɔ anyigba dzi le afisia hele Eƒe Nya la ŋu wum.

Míele wò kpem be nàva tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game esime míaƒe pastɔ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Dzo Lilikpo la, asi Ɖeɖefia ƒe Kekeli la, esime míase: 63-1229M “Ame Aɖe Le Afisia Si Ate Ŋu Asi Dzo La”.

Nɔvi. Joseph Branham

Mose I 1:3, Ta 2
Psalmowo 22
Yoel 2:28
Yesaya 7:14, 9:6, 28:10, 42:1-7
Mateo Kɔkɔe 4:12-17, Ta 24 kple 28
Marko Kɔkɔe ta 16
Nyaɖeɖefia ta 3