22-1218 Ɖee Mawu Trɔ Susu Kuɖe Eƒe Nya Ŋu Kpɔa?

Gbedasi: 65-0418E Ɖee Mawu Trɔ Susu Kuɖe Eƒe Nya Ŋu Kpɔa?



BranhamTabernacle.org

Mesia-vi Lɔlɔ̃awo,

Mawu ƒe Amesiaminawo míenye; amesiwo wosi ami na kple Eƒe Gbɔgbɔ ma ke, to dɔwɔwɔ mawo ke dzi, to Ŋusẽ ma ke dzi, to dzesi mawo ke dzi. Edzo tso hɔ̃ dzi yi hɔ̃ dzi, tso Nya dzi yi Nya dzi, sẽ ɖe esime woaɖe Yesu Kristo ƒe blibodede ƒe ɖe go le míadometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋutilãwo me, le ŋutilãme, gbɔgbɔme hiahĩa, alo nu ɖe sia ɖe si míehĩa la ta. Ŋusẽ Ma si gbɔagbe nu la le agbe hele anyi le míame. Mawu ƒe Mesiaviwo míenye.

Kɔsiɖa sia kɔsiɖa Ɖeɖefia kuɖe Gbedeasi sia ŋu; amesi míenye, afisi míetso, kple afisi yim míele la, zua gã ga zua gã ɖe dzi wu. Míebiana míaɖokuiwo se kple mɔkpɔkpɔ gã aɖe be, aleke Wòateŋu aga nye ŋutikɔkɔetɔ wu? Aleke eme Agate ŋu akɔ wu mahã? Gake kple nyaƒoka yeye ɖe sia ɖe si míesena la, Mawu ƒoa nu na mí tso nuɣi dzi yiɖe to me heɖea Eƒe Nya geɖe fia na mí wu, hekana ɖe edzi AMESIWO MÍENYE.

Xɔsetɔ ɖe sia ɖe ƒe dzimedidi yenye be yeanɔ Mawu ƒe LƆLƆ̃NU DEBLIBO me. Míedina kpɔ gbeɖe be míanɔ Eƒe Lɔlɔ̃nu si ŋu woɖemɔ le me o. Míaƒe dziwo gbãna eye woguduna ne míese be míewɔ nane si madze Eyama ŋu o. Míenyae be Lɔlɔ̃nu Deblibo le Mawu si, eye ɖeko míedi be míanɔ EƑE ƉOƉO LƆLƆ̃NU DEBLIBOTƆ LA ME.

Le nye agbe me la, mexɔ tsitrenɔƒe sesẽ aɖe le gbɔgblɔme be mexɔe se be nu vevietɔ kekeake si Ŋugbetɔ la dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ, hamevi kple mawunyagblɔla siaa nenema ke la, yenye be WOAZI PLAY. Mexɔe se be Eyae nye Mawu Ƒe Gbe ƉEKA si dzi woɖo kpe na míaƒe Ŋkeke si me wòle be miase Nya ɖe sia ɖe aɖawɔ ɖe edzi le.

Megblɔ be mexɔe se be ehĩa be mawunyagblɔlawo nagbugbɔ de Nɔviŋutsu Branham woƒe nyagblɔtiwo dzi eye woaƒo nyaƒokawo le woƒe hameawo me, esime Wònye Gbe ɖeka vevietɔ kekeake si wòle be amewo nase.

Mexɔ nyaheɖeamenu geɖe le nye agbe me le tsitrenɔƒe sia xɔxɔ me ɖe nusi mexɔe se be enye Eƒe ɖoɖo kple Lɔlɔ̃nu Deblibo ta. Wose egɔme baɖa eye wogblɔ bena nyemexɔ Efesotɔwo 4 ƒe mawunyagblɔla atɔ̃awo dzi se o.

Meɖe gblɔ zi geɖe, geɖe be alakpae. Nyemegblɔe kpɔ o, nenema ke nyemexɔe se kpɔ o. Geɖewo tsaka nye nyawo hegblɔ nusiwo nyemegblɔ gbeɖe kpɔ alo xɔse na amewo, gake elebe woakpɔmɔnɛ.

Elebe Biblia Nya ƒe nyateƒe aɖe nanɔ anyi. Ne miele gbɔgblɔm be miexɔ Gbedeasi sia dzi se la, ekema elebe míaxɔ nusi nyagblɔɖila gblɔ, esime Enye Mawu ƒe Nya ƒe gɔmeɖeɖe ŋutɔ ŋutɔ la. Elabena enye Nya ma ƒe gɔmeɖela ƉEKA la.

Ne ɖe wòle be mabia miadometɔ ɖe sia ɖe be, “Amekae di be yeanɔ Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Deblibo me mahã la?”
Miadometɔ ɖe sia ɖe agblɔ be, “Ẽ, emae nye nye dzimedidi.” Alea la ele be míakpɔ nusi nyagblɔɖila gblɔ be enye Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Deblibo dzi.

Mana nànya: Ne Gbedeasi le nyaƒoka dzi menye wò Tɔɖoƒe o, eye mèxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se o la, DZUDZƆ LETA SIA XEXLẼ. Na nyea la, menye xɔsetɔ o, alea la menye tɔwò ye o. Nusi Mawu gblɔ le nyaƒoka dzi ko mate ŋu anɔ anyi kpli.

Nusi Wògblɔ ye dim míele; menye nusi hame la gblɔ, nusi Ɖokta Jones gblɔ, nusi amebubu aɖe gblɔ o. Míele nusi ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI gblɔ la dim, nusi Nya la gblɔ.

Elebe míabɔbɔ míaɖokuiwo ɖe Eƒe Lɔlɔ̃nu kple Eƒe Nya te. Mele be míakeɖi le Eŋu o. Ɖeko wòle be Míaxɔe se. Migadze agbagba be miakpɔ mɔ aɖe le Eŋu o. Mixɔe Ko abe alesi Wòle.

Geɖewo alegbegbe dina be yewoato akpa nɛ aɖato mɔ bubu aɖe ayie. Ne miewɔe la, Mawu anɔ miayram, gake miele dɔ wɔm le Eƒe Lɔlɔ̃nu si ŋu woɖemɔ le me, ke menye le Eƒe Lɔlɔ̃nu, deblibo Mawumetɔa me o. Mawu aɖemɔ na wò be nàwɔ nane, eye ayrawò ŋutɔ gɔ hã le ewɔwɔ me, gake kokoko la menye Eƒe Lɔlɔ̃nu deblibo ye o.

Mawu dɔ Eƒe dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia ɖo ɖe anyigba be wòayɔ Yeƒe Ŋugbetɔ do go. Míexɔe se be Amegbetɔ Vi la wònye le Eɖokui ɖem fia le amegbetɔ ŋutilã me. Mawu ƒe Gbe ŋutɔ ŋutɔe Wònye wolé ɖe mɔ̃ dzi hedzraɖoɖi na Eƒe Ŋugbetɔ la.

Mawu Ŋutɔ gblɔna eƒe nyagblɔɖila be, “ne nena amewo xɔ dzi WÒ se la, naneke matɔ ɖe mɔwò dzi o.” Eyae nye amesi Mawu tia be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la. Ame aɖeke mate ŋu axɔ eƒe teƒe o. Meka Kora neni siwo woatso, alo Datan neni o la, William Marrion Branham ye Mawu yɔ be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la. Esiae nye Mawu ƒe ɖoɖo kple Eƒe LƆLƆ̃NU DEBLIBO.

Ne amewo medi be yewoazɔ le Eƒe lɔlɔ̃nu deblibo me o la, lɔlɔ̃nu si ŋu woɖemɔ le la le Eyama si Aɖemɔ na mi be miazɔ le eme.

Azɔ, Mawu nye nyuie…Edɔa Eƒe Nya ɖa. Ne miedi be miaxɔ Eƒe Nya dzi se o la, ekema Ede dɔwɔƒe vovovo atɔ̃ Eƒe Hame la me: Gbã, apostolo, nyagblɔɖilawo, nufialawo, pastɔwo, nyanyuiegblɔlawo. Woli hena Hame la ƒe blibodede.

Alea la, wofɔ̃ subɔsubɔdɔ la ɖe tsitre ko elabena amewo le agbenɔɣiawo me la medi be yewoaxɔ Mawu ƒe ƉOƉO LƆLƆ̃NU DEBLIBOTƆ la o; Eƒe Nya si Eƒe nyagblɔɖila ɖe gblɔ. Ɖeko wòle be míaxɔ Nya si Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ dzi se gblɔeɖe. Míehĩa amebubu aɖeke alo nu bubu aɖeke o.

Ekema subɔsubɔdɔ la ƒe dɔ yenye be woahe amewo GBƆ va Eƒe Ɖoɖo Lɔlɔ̃nu Deblibotɔ gbɔ, si nye: MINƆ ANYI KPLE NYAƑOKAWO, ELABENA MAWU ƑE LƆLƆ̃NU DEBLIBO YE. Ekema milé ƉOƉO LƆLƆ̃NU DEBLIBOTƆ ma me ɖe asi le woƒe ŋkume ɣesiaɣi to: PLAY ZIZI me.

Elebe miatrɔ gbɔ va aɖadze egɔme le afisi mietɔ edzi le, alo afisi miegblẽ ɖi le, eye miaxɔ Mawu ƒe Nya ɖe sia ɖe.

Eyata nuka wòle be miawɔ be mianɔ EƑE LƆLƆ̃NU DEBLIBO Me: Mizi Play.
Nuka wòle be pastɔwo woawɔ be woanɔ Eƒe LƆLƆ̃NU DEBLIBO me: Mizi Play.

Nukae Mawu ƒe nyagblɔɖila wɔna ne wòyi takpekpeawo me mahã? Ɖeko wòdoa gbe ɖa ɖe dɔnɔwo ta, kple nuwo nenema tɔgbea? Agblɔ nyawo le nɔnɔme godo aɖe me be alẽaviawo nasee, elabena míenya nusi ke gblɔm wòle. Le nyagbe bubu me la, ɖeko wònye akpom le tɔƒodeti la ŋu. Efiawo dzesiwo abe dzesidede ene, eye wònya woƒe dziwo me ƒe nyaɣaɣlawo, be yeatsɔ nyɔwo ko. Gake emegbe la egblɔ nusi nu vevietɔ kekeake la nyi:

kaka miava nya la, nyaƒoka aɖe ge ɖe woƒe aƒe me. Edzɔ vɔ yenye, ekema. Ne enye alẽvi la, elɔ̃na ɖe dzi tututu. Ne enye gbɔ̃tsu la, etua fɔ nyaƒoka la do go.

Alẽvi ye nènye alo gbɔ̃tsu ye nènyea? Mawu ƒe hatsotso sue la tu ɖe Nya ma dzi. Míele Eƒe Lɔlɔ̃nu Deblibo me to Play Zizi dzi abe alesi wònɔ, kple wòle, Eƒe gɔmedzeɖoɖo la.

Minɔ anyi kple Eƒe Nya la tututu, elabena nusi avado le nuwuwu lae ma, Nya la, Nya ɖe Nya dzi. “Amekake aɖe Nya ɖeka le Eme, alo atsɔ nya ɖeka Akpee la!”
Ele be wòanɔ anyi, Nya ma.

Meda akpe na Aƒetɔ la alegbegbe be menya, to gbɔgbɔme Ɖeɖefia me be, mele Eƒe Lɔlɔ̃nu deblibo la me le Eƒe Nya ŋu. Nyemele nye gɔmeɖeɖe tsɔm le Ekpem, alo nye nugɔmesese tsɔm le Ekpem o, gake mele nusi nye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI kple Eƒe Lɔlɔ̃nu Deblib la sem kple nyeŋutɔ nye towo.

Mele miakpem be miava aɖadinu kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Ɖee Mawu Trɔ Susu Kuɖe Eƒe Nya Ŋu Kpɔa? 65-0418E. Nyakɔ̃ nyakɔ̃ geɖewo le Gbedeasi sia me alegbegbe, miele KESINƆTƆ zu ge le Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me ne míekpa.

Nɔvi. Joseph Branham

Mose II ta 19lia
Mose V 22:31
Mateo Kɔkɔe 28:19
Luka 17:30
Nyaɖeɖefia ta 17lia