26-0412 Ɖee Mawu Trɔ Eƒe Susu Kpɔ Kuðe Eƒe Nya Ŋua?

Gbedasi: 65-0418E Ɖee Mawu Trɔ Eƒe Susu Kpɔ Kuðe Eƒe Nya Ŋua?

PDF


BranhamTabernacle.org

Lɔlɔ̃tɔ Siwo Wogbɔ Agbe,

Alegbegbe míaƒe dziwo dzo ʋii abe Hɔ̃wo ene le Ista kwasiɖanuwuwu sia. Gbesiagbe la, Eƒe amisisi nɔ gã dom ɖe edzi. Kɔmuniɔ̃, Ameɖiɖi, Blibodede, emegbe kɔkɔƒe gã si Wòtu mí ɖo na: Ɣe Ƒe Dzedze Ye…ŊUTIKƆKƆE, EFƆ̃ ƉE TSITRE eye wòle agbe le mía dometɔ ɖesiaɖe me. Enɔ Eƒe Nya la ɖem fia mía dometɔ ɖesiaɖe wu alesi míese kpɔ tsã. Amisisi la yɔ míaƒe dziwo me fũ, Eƒe anyinɔnɔ yɔ yame fũ; edze abe Kɔkɔdzoe la tu aƒe ene.

Egblɔ nusi dzɔ ƒe 2000 enye si na mí, ke emegbe nusi le edzi yim fifia le ƒe 2026 me. Yesu yenye Mawu ƒe Luku gbãtɔ si fɔ tso ame kukuwo dome. Mawu ƒe agbegbɔgbɔ Ŋusẽ lae fɔe ɖe tsitre. Mawu gbɔ agbe Eƒe agbe la, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye Enye amesiwo dɔ alɔ̃ la ƒe Ŋgɔgbetɔ. Eyae nye ŋgɔgbe nuku si tsi la, Mawu ƒe Lubabla si wonyè abe akpedavɔsa na Mawu ƒe ŋkuɖodzinu ene, hexɔnɛ se be mí ame mamlɛawo ava. Enye dzesi aɖe.

EMEGBE EÐE NUSI LE DZƆDZƆM EGBEA LA FIA MÍ. Abe alesi Wonyèe le Pentekoste Ŋkekea dzi esime gbeɖiɖi aɖe ɖi tso Dziƒo abe nyenye, ya sesẽ aɖe si woʋuʋui ɖe amewo dzi ene. Woganyè ake le amewo ŋkume abe alesi Wòdo ŋugbe le Luka 17:30 kple Maleaxi 4 me ene, esime woaɖe amegbetɔ ƒe V-i la afia eye woagaʋuʋui ɖe amewo dzi ake.

Azɔ, Amekae nye Amegbetɔvi la? “Le gɔmedzedzea me Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu. Eye Nya la va zu ŋutilã, eye wònɔ mía dome.” Eye ne nufiafia siwo katã le mía si, kple Mawu ƒe Nya ƒe kpeɖodzi; to Mawu ƒe Nya dzi, to dzesiwo dzi, to nukunuwo dzi la, míekpɔe egbe, bena le Luka ƒe—ƒe Agbalẽ me le afisia, abe alesi míetɔ asi edzi fifi laa la, alo le—le Luka ta 17 lia eye kpukpui 30 lia me; kple Maleaxi 4, kple Ŋɔŋlɔ vovovo siwo míenya nyuie la, be wogaʋuʋu Nya ma ake ɖe ameawo dzi, bena amegbetɔwo ƒe kɔnyinyi kukuwo ku, eye Mawu ƒe Vi la gale agbe ake le mía dome tututu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nyɔnyrɔ̃, hele Agbe nam mí.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yi edzi nɔ ʋuʋum henɔ ʋuʋum ɖe mía dzi, nɔ Eƒe Nya la ɖem fia henɔ eɖem fia… Dzodoŋusẽ, gbededɔwɔwɔa, agbegbɔgbɔ Ŋusẽ…

Emegbe, esi wòdze abe Mate ŋu ado gã ɖe edzi wu o ene la, Egblɔe na mí be:

Wòna mekpɔ xɔmetsovɔ la godo, eye mekpɔ mi katã le afima…Nusianu si nèlɔ̃ kpɔ la, kple nusianu si lɔ̃ wò kpɔ la, wotsɔe na wò.” Mikpɔea? Mekpɔ wo katã le afima nenema. Nuka wònye? Agbegbɔgbɔŋusẽ.

EKPƆ MÍ LE AFIMA!! Le ɣeyiɣi ƒe xɔmetsovɔa godo….míenɔ AFIMA kplii; míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo katã do ŋgɔ na mí…vifofowo, vidadawo, ɖeviwo. Míenɔ afima kpli wo kple amesiwo katã míedo go kpɔ o: Mose, Eliya, Petro, Paulo….mí katã míenɔ afima ɖe du.

Emegbe, le Gbɔgbɔ Kɔkɔe lɔlɔ̃tɔ si Wònye ko ta la, Medi be yeaŋlɔ mí amesiwo le dɔ lém, siwo téɖe anyi eye wogbã gudugudu la be o, eyata Egaʋuʋu Eɖokui ɖe mía dzi ale be amesiame nate ŋu akpɔ dɔyɔyɔ tso nusianu si míehiã la me.

Amesiawo, siwo nye Fiaɖuƒe la ƒe dumeviwo la, siwo si agbegbɔgbɔ ƒe Ŋusẽ la le la, gbɔ agbee Esia na wo, Aƒetɔ, fifi laa. Eye na be Gbɔgbɔ la nayi tso hɔ̃ dzi ayi hɔ̃ dzi, tso Nya dzi ayi Nya dzi, vaseɖe esime Yesu Kristo ƒe agbɔsɔsɔ naɖe ɖe go le ŋutilã la ƒe ɖesiaɖe me, le kodzogbe me, le gbɔgbɔme, alo hĩahĩa ɖesiaɖe si hiã wo la, esi míeda asi ɖe mía nɔewo dzi. Le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me.

Nya Ma. Gbe Ma. NUSIANU si míehiã la le nyaƒokawo dzi, Ŋugbetɔ. Mawu metrɔa eƒe susu le Eƒe Nya la ŋu o. Womate ŋu atrɔ iota ɖeka alo vi sue maɖinaneke ɖeka pɛ hã o, eyata Eta mɔ aɖe si dzi Eƒe Ŋugbetɔ la ate ŋu ato ase nya si TUTUTU Wòdi be yeagblɔ na wo la kple woawo ŋutɔ ƒe to.

Mawu ƒo nu na Eƒe Ŋugbetɔ eye wòɖe NUSIANU fia. Wolé ɖe mɔ̃ dzi. Ele be Ŋugbetɔ la nava Ŋugbetɔsrɔ̃ la gbɔ; emae nye Eƒe Mɔ deblibo si wòna si wota na egbea. Enye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI. Ɖee Mawu Trɔ Eƒe Susu Kpɔ Kuðe Eƒe Nya Ŋua? KPAO. LƆLƆ̃NU DEBLIBO aɖe KPLE MƆƉEƉE LƆLƆ̃NU AƉE le Eyama si. Elebe Ŋugbetɔ la nanɔ Eƒe LƆLƆ̃NU DEBLIBO me. Lɔlɔ̃nu deblibo aɖeke megali wu, alo teƒe deblibo, wu Mawu ƒe Gbe sese tẽ tso Mawu Ŋutɔ gbɔ o.

Nye kpekpe na mia dometɔ ɖe sia ɖe yenye be miwɔ ɖeka kpli mí le Kwasiɖagbe le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, be míase Mawu ƒe Gbe wòahe Nya Dzadzɛ la vɛ na mí. Womebia mebuube aɖeke o, miawo la minɔ anyi ko eye miagblɔ AMEN NA NYA ƉESIAƉE….teƒe bubu aɖeke meli afisi woate ŋu awɔ ema le o, negbe PLAY ZIZI dzi.

Nɔvi. Joseph Branham.

Message: 65-0418E Ɖee Mawu Trɔ Eƒe Susu Kpɔ Kuðe Eƒe Nya Ŋua?
Míadze egɔme tso xexlẽme 61 lia dzi.

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ hafi ase Gbedeasi la:
Mose II, ta 19 lia
Mose IV, 22:31
Mateo Kɔkɔe 28:19
Luka 17:30
Nyaɖeɖefia ta 17 lia