Gbedasi: 65-0429E Ŋugbetɔ Aɖe Tiatia
Ŋugbetɔ Tiatia Lɔlɔ̃tɔ,
Esi míele Gbedeasi sia sem, Ŋugbetɔ Aɖe Tiatia la, ame aɖewo susu be ɖeko nyagblɔɖila la le nu ƒom hele nu fiam mí tso de kple nɔnɔme si wòle be ŋutsu nadi ne wòle nyɔnu si wòdi be wòanye ye srɔ̃ tiam ŋu. Nyateƒee, ele nenema, gake lɔlɔ̃gbalẽ ɣaɣla ŋutɔŋutɔ aɖe le Eƒe Nyawo me. Nusi ɖem Wòle fia Eƒe Ŋugbetɔ la goglo wu sã. Mawu le nu ƒom Nɛ tẽ, hele nusi dim Wònɔ le Eyama me, kple nusita Wòtia Eyama tso gɔmedzedzea me ke la gblɔm Nɛ. Edi be Wòanya be Yetia Eyama be wòanye YEƑE ŊUGBETƆ DZI LƆLƆ̃TƆ, si Wòdi be yeama yeƒe Mavɔmavɔ la kplii.
Le gɔmedzedzea me la, Mawu nɔ Ŋugbetɔ si si Eƒe De ma ke le la dim. Eƒe Gbɔgbɔ ma ke aɖe ɖe go le Eyama me. Edi Ŋugbetɔ si adzra Eɖokui na Ye, kple Yeƒe Nya si ŋugbe ye do alegbegbe, vaseɖe esime Susu si tututu nɔ yeme la nanɔ Eyama me. Ele be woame Eyama abe alesi Wòle ene.
Edi be Wòanye Yeƒe ŋutilã ɖeka ma ke, ƒu ɖeka mawo ke, Gbɔgbɔ ɖeka ma ke, nusianu ɖeka ma ke, abe Ye ŋutɔ ene pɛpɛpɛ ko. Wo ame evea azu ÐEKA.
Aglãdzedza aɖeke manɔ eƒe ŋkume o. Madze ahĩa ƒo xlã kple bubu aɖeke o. Anye nyateƒetɔ kple nuteƒewɔla Nɛ, meka nusi ame bubu aɖe agblɔ o. Axɔ Edzi se le Eƒe Nya ŋu. Nukake Wògblɔ la, AXƆ NYA ÐESIAƉE DZI SE, meka ɣeyiɣi didi ka kee wòaxɔ hafi wòava eme o la, axɔe ase. Anɔ anyi kple Eƒe Nya la.
Alɔ̃ Eyama, eye Eya ɖeɖeko. Mehiã be wòanɛ kesinɔnu gãwo o, Dzonu xɔasi gã la nɔ esi, Eyama ƒe Ɖeɖefia vavãtɔ la. Anya be, yewole ÐEKA eye yewosɔ. Eƒe Gbɔgbɔ anɔ Eyama me. Nusianu si Wòhiã la, Atsɔe Anɛ; nusi wòle be Wòawɔ koe nye be wòabia aɖaxɔe ase, eye Awɔe.
Enya be Adzo ɣeyiɣi didi aɖe be yeatu aƒe si me nusianu anɔ le Eƒe didi kple dzi ŋu ko. Enɔ etum abe alesi Wòalɔ̃e tututu ko. Enyae be gbeɖeka la Agatrɔ ava ɖe Ye ta, abe alesi Wòdo ŋugbe ene, emegbe woaɖu Srɔ̃ɖenuɖuɖu gã aɖe ƒe akpe ɖeka sɔŋ. Emegbe, woayi Aƒe nyakpɔ ma si Wòtu Nɛ la me ɖe du be woanɔ Mavɔmavɔ me.
Nu bubu aɖeke maɖe fu na Eyama o. Madi nu bubu aɖeke o. Akpɔ kɔɖiɖi kple dzidzɔ ale gbegbe be Ɖeɖefia la le yesi be yenya amesi Wònye, kple amesi Yenye. Anya be Alé Eƒe Nya la me ɖe asi. AVO, ESIME WÒNYA BE YENYE AMESI WÒTIA BE WÒANYE EƑE ŊUGBETƆ.
Nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo, Dziƒo kple anyigba ƒe Mawu ŋusẽtɔ la kpɔ Mavɔmavɔ me katã eye WÒTIA MI… MI BE MIANYE YEƑE ŊUGBETƆ TIATIA LƆ̃LƆ̃TƆ.
Mekpe mi be miava wɔ ɖeka kplim kple Eƒe Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe le Kwasiɖagbe sia, esi Wòaƒo nu to Eƒe dɔla sesẽ la dzi agblɔ na mí be míenye Yeƒe Ŋugbetɔ Tiatia.
Nɔvi. Joseph Branham
Gbedeasi: 65-0429E / Ŋugbetɔ Aɖe Tiatia
Game: ŊDƆ ga 12 Jeffersonville ƒe game
Ŋɔŋlɔawo:
Mose I, 24:12-14
Yesaya 53:2
Nyaɖeɖefia 21:9